Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

MEGBENYA A

Nu Siwo Biblia Fia

Nu Siwo Biblia Fia

Yesu gblɔ be ame siwo si dzi nyui lea ade dzesi nyateƒea ne wosee. (Yoh. 10:​4, 27) Ta ɣesiaɣi si míaɖo dze kple amewoa, míadi be míagblɔ Biblia me nyateƒenya kpui aɖe na wo. Àte ŋu adze egɔme ale: “Ènya be . . . ?” alo “Èse be . . . ?” Eyome nàzã ŋɔŋlɔ si(wo) ku ɖe nya si nèbia ŋu atsɔ aɖe nu me na amea. Ema wɔwɔ ɖeɖe ate ŋu ana nàƒã nyateƒea ƒe ku ɖe eƒe dzi me eye Mawu ana nuku ma natsi!—1 Kor. 3:​6, 7.

 ETSƆME

  1. 1. Nu siwo le dzɔdzɔm kple ale si amewo le agbe nɔmee ɖee fia be nuwuwua gogo.—Mat. 24:​3, 7, 8; Luka 21:​10, 11; 2 Tim. 3:​1-5.

  2. 2. Womatsrɔ̃ anyigbaa gbeɖe o.—Ps. 104:5; Nyagb. 1:4.

  3. 3. Woaɖɔ nuwo ɖo le anyigbaa dzi eye wòazu Paradiso.—Yes. 35:​1, 2; Nyaɖ. 11:18.

  4. 4. Ame sia ame anɔ lãmesẽ deblibo me.—Yes. 33:24; 35:​5, 6.

  5. 5. Àte ŋu anɔ agbe tegbee le anyigba dzi.—Ps. 37:29; Mat. 5:5.

 ƑOME

  1. 6. Ele be srɔ̃ŋutsu “nalɔ̃ srɔ̃a abe ale si wòlɔ̃a eɖokui ene.”—Ef. 5:33; Kol. 3:19.

  2. 7. Ele be srɔ̃nyɔnu nade bubu deto srɔ̃a ŋu.—Ef. 5:33; Kol. 3:18.

  3. 8. Ele be srɔ̃tɔwo nawɔ nuteƒe na wo nɔewo.—Mal. 2:16; Mat. 19:​4-6, 9; Heb. 13:4.

  4. 9. Eme anyo na ɖevi siwo ɖoa to wo dzilawo.—Lod. 1:​8, 9; Ef. 6:​1-3.

NASA, ESA and the Hubble Heritage Team (STScI/AURA)-ESA/Hubble Collaboration. Licensed under CC BY 4.0. Source.

 MAWU

  1. 10. Ŋkɔ le Mawu si.—Ps. 83:18; Yer. 10:10.

  2. 11. Mawu ƒoa nu na mí.— 2 Tim. 3:​16, 17; 2 Pet. 1:​20, 21.

  3. 12. Mawu wɔa nu dzɔdzɔe eye mekpɔa ame ŋkume o.—5 Mose 10:17; Dɔw. 10:​34, 35.

  4. 13. Mawu di be yeakpe ɖe mía ŋu.—Ps. 46:1; 145:​18, 19.

 GBEDODOÐA

  1. 14. Mawu di be míado gbe ɖa na ye.—Ps. 62:8; 65:2; 1 Pet. 5:7.

  2. 15. Biblia fia mí ale si míado gbe ɖa.—Mat. 6:​7-13; Luka 11:​1-4.

  3. 16. Ele be míanɔ gbe dom ɖa edziedzi.—Mat. 7:​7, 8; 1 Tes. 5:17.

 YESU

  1. 17. Nufiala gã aɖee Yesu nye eye eƒe aɖaŋuɖoɖowo wɔa dɔ ɣesiaɣi.—Mat. 6:​14, 15, 34; 7:12.

  2. 18. Yesu gblɔ nu siwo teƒe kpɔm míele egbea ɖi do ŋgɔ.—Mat. 24:​3, 7, 8, 14; Luka 21:​10, 11.

  3. 19. Mawu ƒe Vie nye Yesu.—Mat. 16:16; Yoh. 3:16; 1 Yoh. 4:15.

  4. 20. Menye Yesue nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ la o.—Yoh. 14:28; 1 Kor. 11:3.

Based on NASA/Visible Earth imagery

 MAWU FIAÐUƑE

  1. 21. Mawu Fiaɖuƒea nye dziɖuɖu ŋutɔŋutɔ si le dziƒo.—Dan. 2:44; 7:​13, 14; Mat. 6:​9, 10; Nyaɖ. 11:15.

  2. 22. Mawu Fiaɖuƒea ava xɔ ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu siwo li egbea teƒe.—Ps. 2:​7-9; Dan. 2:44.

  3. 23. Mawu Fiaɖuƒea koe akpɔ amegbetɔwo ƒe kuxiwo gbɔ.—Ps. 37:​10, 11; 46:9; Yes. 65:​21-23.

 FUKPEKPE

  1. 24. Menye Mawue nana míekpea fu o.—5 Mose 32:4; Yak. 1:13.

  2. 25. Satanae le xexea dzi ɖum.—Luka 4:​5, 6; 1 Yoh. 5:19.

  3. 26. Mawu kpɔa fu siwo kpem nèle eye edi be yeakpe ɖe ŋuwò.—Ps. 34:​17-19; Yes. 41:​10, 13.

  4. 27. Mawu ava ɖe fukpekpe ɖa kpuie.—Yes. 65:17; Nyaɖ. 21:​3, 4.

 KU

  1. 28. Ame kukuwo menya naneke o; womele veve sem alo le fu kpem le afi aɖeke o.—Nyagb. 9:5; Yoh. 11:​11-14.

  2. 29. Ame kukuwo mate ŋu akpe ɖe mía ŋu alo awɔ nu vevi mí o. —Ps. 146:4; Nyagb. 9:​6, 10.

  3. 30. Woafɔ míaƒe ame vevi siwo kua ɖe tsitre.—Hiob 14:​13-15; Yoh. 5:​28, 29; Dɔw. 24:15.

  4. 31. “Ku maganɔ anyi akpɔ o.”—Nyaɖ. 21:​3, 4; Yes. 25:8.

 SUBƆSUBƆHA

  1. 32. Menye subɔsubɔhawo katã ƒe nue dzea Mawu ŋu o.—Yer. 7:11; Mat. 7:​13, 14, 21-23.

  2. 33. Mawu lé fu alakpanuwɔwɔ.—Yes. 29:13; Mika 3:11; Marko 7:​6-8.

  3. 34. Subɔsubɔha vava me tɔwo lɔ̃a wo nɔewo vevie tso dzi me.—Mika 4:3; Yoh. 13:​34, 35.