Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

MEGBENYA D

Ale Si Nàzã Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! Gbalẽa Atsɔ Asrɔ̃ Nu Kple Amewo

Ale Si Nàzã Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! Gbalẽa Atsɔ Asrɔ̃ Nu Kple Amewo

Hafi nɔviawo natia nu siwo anɔ Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! gbalẽa mea, wodo gbe ɖa vevie eye woku nu me geɖe. Ne èle agbalẽ sia srɔ̃m kple amewoa, zã mɔnu siwo gbɔna ale be nusɔsrɔ̃a naɖe vi na wo bliboe.

Hafi miava srɔ̃ nua

  1. 1. Dzra ɖo nyuie do ŋgɔ. Ne èle esia wɔma, bu nusrɔ̃via ƒe nɔnɔmewo, ale si wòbua nu ŋu kple nu siwo akpe ɖe eŋu wòayi ŋgɔa ŋu. Kpɔe ɖa be nufiafia kawoe ate ŋu asesẽ nɛ be wòase egɔme alo awɔ wo dzi. To nyati kple video siwo le akpa si nye “Ku Nu Me Tso Nyatia Ŋu” me ne nàkpɔe ɖa be kae ate ŋu akpe ɖe nusrɔ̃via ŋu hã, eye nàzãe le nua srɔ̃ɣi ne ehiã.

Le nua srɔ̃ɣi

  1. 2. Ne nusrɔ̃via lɔ̃a, mido gbe ɖa miatsɔ adze nusɔsrɔ̃a gɔme eye miagadoe ɖa atsɔ awu enu.

  2. 3. Mègaƒo nu fũu akpa o. Mègagblɔ nya siwo mele nusɔsrɔ̃a me o, eye ɖe mɔ na nusrɔ̃via wòaƒo nu faa.

  3. 4. Ne miedze agbalẽa ƒe akpa aɖe gɔmea, mixlẽ nu siwo nusrɔ̃via asrɔ̃ le akpa ma eye nàhe eƒe susu yi nusɔsrɔ̃ siwo le emea ƒe tanya aɖewo dzi.

  4. 5. Ne miewu akpa aɖe nua, zã akpa ma ƒe numetotobiabiawo nàtsɔ akpe ɖe nusrɔ̃via ŋu wòaɖo ŋku nu siwo wòsrɔ̃ va yia dzi.

  5. 6. Le nusɔsrɔ̃ ɖe sia ɖe mea:

    1. a. Mixlẽ memamawo.

    2. b. Mixlẽ mawunyakpukpui siwo katã gbɔ woŋlɔ ɖo be “Xlẽ” alo “Mixlẽ.”

    3. d. Mixlẽ mawunyakpukpui bubu siwo le memamawo me, ne ehiã.

    4. ɖ. Mikpɔ video siwo katã gbɔ woŋlɔ ɖo be “Mikpɔ” (ne woli).

    5. e. Bia nusrɔ̃via nyabiase ɖe sia ɖe si le nusɔsrɔ̃a me.

    6. ɛ. He eƒe susu yi foto siwo le akpa si nye “Srɔ̃ Nu Bubuwo” dzi eye nàbiae be wòaƒo nu tso wo ŋu.

    7. f. Zã “Anyo Be Nàwɔ Esia” ƒe aɖaka nàtsɔ akpe ɖe nusrɔ̃via ŋu wòakpɔ ale si wòle ŋgɔ yimee. Àte ŋu ade dzi ƒo nɛ be wòawɔ nu si wode dzesi le aɖakaa me be wòawɔ alo be wòawɔ nu bubu aɖe, alo wòawɔ evea siaa.

    8. ƒ. Bia nusrɔ̃via wòagblɔ nyati alo video aɖe si do dzidzɔ nɛ le “Ku Nu Me Tso Nyatia Ŋu” ƒe akpa dzi esi wònɔ dzadzram ɖo ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu.

    9. g. Ne miedze nusɔsrɔ̃ aɖe gɔmea, midze agbagba miawu enu hafi akpa.

Le nusɔsrɔ̃a megbe

  1. 7. Nusrɔ̃via ƒe nu nenɔ susu me na wò. Do gbe ɖa nàbia Yehowa be wòayra ɖe agbagba siwo dzem nusrɔ̃via le dzi eye wòana nunya si hiãa wò nàtsɔ akpe ɖe eŋu.