Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyatakaka Na Takpekpea Valawo

Nyatakaka Na Takpekpea Valawo

ANYINƆƑEGBƆKPƆLAWO Wode dɔ asi na anyinɔƒegbɔkpɔlawo be woakpe ɖe ŋuwò. Míeɖe kuku, kpe asi ɖe wo ŋu bliboe, eye nàwɔ ɖe woƒe mɔfiafia dzi le ʋutɔtɔɖi, afi si woɖe mɔ be amewo nato, nɔƒeléleɖi, kple bubuawo me.

NYƆNYRƆXƆXƆ Zikpui siwo woɖo ɖi na ame siwo le nyɔnyrɔ xɔ ge la anɔ nuƒolanɔƒea ŋgɔ. Ne tɔtrɔ aɖe va le esia ŋua, woaɖe gbeƒãe do ŋgɔ. Ame siwo le nyɔnyrɔ xɔ gea nanɔ anyi ɖe afi si wodzra ɖo ɖi na wo hafi nyɔnyrɔxɔnuƒoa nadze egɔme Memleɖa ŋdi. Ame sia ame netsɔ papahũ kple tsimeyiwu si sɔ ɖe asi.

NUDZƆDZƆ Wozã ga geɖe ɖe zikpuiwo, nuƒomɔ̃wo, videoɖemɔ̃wo, kple nu bubu geɖe siwo ana míase vivi na takpekpea eye wòakpe ɖe mía ŋu mía kple Yehowa dome ƒomedodoa me nasẽ ɖe edzia ŋu. Miaƒe lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwoe wotsɔna xea fe siawoe, eye wotsɔnɛ kpea asi ɖe xexea me katã ƒe dɔa hã ŋu. Woda nudzɔɖaka siwo dzi woŋlɔ nu ɖo wòdze nyuiea ɖe teƒe vovovowo. Miate ŋu adzɔ nu to internet dzi hã le donate.pr418.com. Míekpɔa ŋudzedze ɖe nudzɔdzɔ ɖe sia ɖe ŋu vevie. Dɔdzikpɔhaa le akpe dam na mi ɖe ale si miekpea asi ɖe Fiaɖuƒea ƒe dɔwo ŋu dɔmenyotɔe ta.

ATIKEWƆƑE Miɖo ŋku edzi be dɔdzeamedzi kpatawo ko ƒe atikee wowɔna le afi sia.

NU BÚBUWO DAÐOƑE KPLE WO DIƑE Mitsɔ nu sia nu si miefɔa yi Nu Búbuwo Daɖoƒe Kple Wo Diƒe Dɔwɔƒea. Ne wò nane bú la, vae dii le dɔwɔƒe sia. Ele be woakplɔ ɖevi siwo bú le wo dzilawo gbɔa ayi dɔwɔƒe sia. Gake be míagada agba geɖe ɖe ame siwo le dɔ wɔm le afi ma dzi oa, míeɖe kuku, milé ŋku ɖe mia viwo ŋu, eye miana woanɔ mia gbɔ.

ANYINƆNƆ Míeɖe kuku mibu ame bubuwo ŋu. Ðo ŋku edzi be wò ƒometɔ kplikplikpliwo, mia kple ame siwo ɖo ʋu ɖeka va alo le aƒe ɖeka me, alo wò Biblia nusrɔ̃viwo koe nàte ŋu alé nɔƒe ɖi na. Míeɖe kuku migada nuwo ɖe zikpuiawo dzi ne menye ame aɖekee mielé teƒea ɖi na o.

LƆLƆ̃NU FAA DƆWƆWƆ Ne èdi be yeatsɔ ye ɖokui ana akpe asi ɖe takpekpea me dɔwo ŋua, míeɖe kuku yi Nyatakakawo Kple Lɔlɔ̃nu Faa Dɔwɔwɔ Dzikpɔƒea.

Si Ƒe Ðoɖo Yehowa Ðasefowo Ƒe Dɔdzikpɔhaa Wɔ

© 2024 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania