Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Akpedada Na Yehowa—To Ɣeyiɣiawo Katã Ƒe Subɔsubɔdɔa Wɔwɔ Me!

Akpedada Na Yehowa—To Ɣeyiɣiawo Katã Ƒe Subɔsubɔdɔa Wɔwɔ Me!

Agbemeŋutinya

Akpedada Na Yehowa—To Ɣeyiɣiawo Katã Ƒe Subɔsubɔdɔa Wɔwɔ Me!

ABE ALESI STANLEY E. REYNOLDS GBLƆE ENE

Wodzim le London, England, le ƒe 1910 me. Le Xexemeʋa I megbe la, dzinyelawo ʋu yi Wiltshire kɔƒe sue aɖe si ŋkɔe nye Westbury Leigh me. Esi menye ɖevi dzaa la, mebiana zi geɖe be ‘Amekae nye Mawu?’ Ame aɖeke mete ŋu ɖoa eŋu nam o. Eye nyemete ŋu nya nusita wòle be gbedoxɔ sue eve kpakple sɔlemexɔ ɖeka si me woasubɔ Mawu le nanɔ míaƒe nuto sue ma me o.

LE ƑE 1935 me, si nye ƒe ene do ŋgɔ na Xexemeʋa II ƒe gɔmedzedze la, mía kple tsɛnye Dick, míedo gasɔ yi Weymouth si le England ƒe anyiehe ƒuta be míava ɖu mɔkeke. Esi míenɔ míaƒe avɔgbadɔ me nɔ to ɖom tsi gã si nɔ dzadzam henɔ tame bum le nusi míawɔ ŋu la, aƒetɔ tsitsi aɖe va mía gbɔ hetsɔ Biblia-srɔ̃gbalẽ etɔ̃—The Harp of God, Light I, kple Light II—nam. Mexɔ wo eye dzi dzɔm be nane su asinye matsɔ aɖe modzakae. Enumake la, nusiwo xlẽm menɔ lé dzi nam, gake nyemenya be atrɔ nye agbenɔnɔ—kple nɔvinyeŋutsua hã tɔ—keŋkeŋ o.

Esi metrɔ gbɔ va aƒeme la, danye gblɔ nam be Kate Parsons, amesi nɔ míaƒe kɔƒea me la, va ma Biblia-srɔ̃gbalẽ mawo tɔgbe. Wodze sii nyuie elabena, togbɔ be eku nyagã hã la, edoa dzokeke sue aɖe yia amesiwo le nuto siwo le adzɔge la gbɔ. Meyi egbɔ, eye wòtsɔ agbalẽ siwo nye Creation kple Riches kpakple Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe agbalẽ bubuwo nam kple dzidzɔ. Egblɔ nam be Yehowa Ðasefoe yenye.

Esi mexlẽ agbalẽawo hexlẽ mawunyakpukpuiawo tso nye ŋutɔ nye Biblia me la, meva nyae be Yehowae nye Mawu vavã la, eye medi be masubɔe. Eyata meŋlɔ lɛta na míaƒe sɔlemehaa be nyemaganye wo dometɔ ɖeka o eye medze Biblia nusrɔ̃ƒewo dede le John kple Alice Moody ƒe aƒeme. Wonɔ Westbury, si nye du si te ɖe mía ŋu wu me. Mí ame adre koe dea kpekpe mawo. Le kpekpeawo ƒe gɔmedzedze kple nuwuwu la, Kate Parsons ƒoa saŋku eye míedzia Fiaɖuƒeahawo sesĩe ɖekae!

Ŋkeke Gbãtɔwo

Meva kpɔe be míenɔ ɣeyiɣi vevi aɖe me, eyata medi vevie be makpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔ si ƒe nya wogblɔ ɖi le Mateo 24:14 la me. Eyata medzudzɔ atamanono, meƒle akplo, eye meɖe adzɔgbe na Mawu Gã, Yehowa.

Le August 1936 me la, Joseph F. Rutherford, amesi nye Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla yi Glasgow, Scotland, va ƒo nuƒo si ƒe tanyae nye “Harmagedon.” Togbɔ be Glasgow didi anɔ kilometa 600 tso mía gbɔ hã la, meɖoe be mayi aɖaxɔ nyɔnyrɔ le takpekpe ma me. Ga sue aɖe koe nɔ asinye, eyata metsɔ nye gasɔ míeɖo keteke yi Carlisle, si nye du si le Scotland ƒe liƒo dzi, eye medo gasɔa kilometa 160 tso afima ɖo ta dziehe. Megado gasɔa le tɔtrɔgbɔ ƒe akpa gãtɔ me, eye ɖeɖi te ŋunye hafi megbɔ gake ŋusẽ ɖo ŋunye le gbɔgbɔ me.

Tso ɣemaɣi la, medoa gasɔa ɣesiaɣi si meyina nu ƒo ge tso xɔse si le asinye ŋu na amewo le kɔƒe siwo te ɖe mía ŋu me. Le ŋkeke mawo me la, ɖaseɖigbalẽ aɖe si dzi woŋlɔ Ŋɔŋlɔawo me gbedasi ɖo be aƒemenɔlawo naxlẽ la nɔ Ðasefo ɖesiaɖe si. Míezãa mɔ̃ kpokploe aɖewo siwo wotsɔna ƒoa agba siwo dzi wolé Biblia me nuƒo siwo Habɔbɔa ƒe zimenɔla ƒo ɖo hã. Eye le nyateƒe ma la, míetsɔa akplo siwo me míedea magazinewoe, * si dea dzesi mí be míenye Yehowa Ðasefowo.

Mɔɖeɖedɔa Wɔwɔ le Aʋaŋɔli

Nɔvinyeŋutsua xɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1940 me. Xexemeʋa II dze egɔme le ƒe 1939 me, eye mí ame evea míekpɔ alesi ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖelawo hiã kpatae. Le esia ta míekpe míaƒe mɔɖeɖedɔbiagbalẽwo ɖo tsɔ na. Edzɔ dzi na mí be woɖo mí ame evea ɖe mɔɖelawo ƒe aƒe si le Bristol me, afisi míava do go Edith Poole, Bert Farmer, Tom kple Dorothy Bridges, Bernard Houghton, kpakple mɔɖela bubu siwo ƒe xɔse dzea mía ŋu xoxoxo le.

Eteƒe medidi o, ʋu sue aɖe si dzi wotsɔ ŋɔŋlɔdzesi gãwo ŋlɔ “YEHOWA ÐASEFOWO” ɖo ɖe eƒe axa eveawo la va kɔ mí. Ekulae nye Stanley Jones, amesi va zu dutanyanyuigblɔla le China eye wodee ameɖekɛgaxɔ me le afima ƒe adre sɔŋ le eƒe gbeƒãɖeɖedɔa ta.

Esi aʋaa nɔ edzi yim la, alɔ̃ menya dɔna na mí zã bliboa o. Bɔmbwo dzea mɔɖelawo ƒe aƒe si me míele la xa, eye wòhiã be míanɔ ŋudzɔ ɣesiaɣi ɖe nusiwo ate ŋu awó abi dzo ŋu. Fiẽ aɖe esi míewu takpekpe dodzidzɔname aɖe si Ðasefo 200 de nu la, míedzo le Bristol ƒe akpa si amewo sɔ gbɔ le wu heto tu siwo gea yameʋuwo ƒe tukpe kakɛ gbogbo aɖewo dome yi míaƒe aƒe si míagblɔ be ele dedie wu la me.

Le ŋufɔke la, mía kple Dick míetrɔ yi ɖe dua me be míava kɔ nusiwo míegblẽ ɖe megbe. Dzidzi ƒo mí ŋutɔ. Bristol gbã zu glikpowo. Wogbã du bliboa hetɔ dzoe. Park Street, si nye afisi míaƒe Fiaɖuƒe Akpata nɔ la, zu gli gbagbãwo henɔ fiafiam. Gake Ðasefo aɖeke meku alo xɔ abi o. Dzidzɔtɔe la, míefɔ míaƒe Biblia-srɔ̃gbalẽwo ɖa le Fiaɖuƒe Akpataa me hema ɖe hamea me tɔwo ƒe aƒewo me xoxo. Míeda akpe na Yehowa ɖe amenuveve evea siaa ta.

Ablɔɖe si Nyemekpɔ Mɔ Na O

Kaka woaɖo agbalẽ ɖem be makpe ɖo ava wɔ asrafodɔ na dukɔa la, Bristol Hame si me menye dzikpɔla zimenɔla le la me tɔwo dzi ɖe edzi ɖo 64. Wode Ðasefo bubu geɖe gaxɔ me le woƒe akpaɖekedzimademade ta, eyata menɔ mɔ kpɔm be woaxe mɔ na nye gbeƒãɖeɖedɔa nenema ke. Wodrɔ̃ nye nyaa le Bristol Ʋɔnudrɔ̃ƒe aɖe, afisi Nɔviŋutsu Anthony Buck si nye gamenɔlawo dzikpɔla ƒe amegã tsã ɖe nunye le. Enye ŋutsu si ƒo dzi nɔ, si mevɔ̃na o, eye wònye Biblia ƒe nyateƒea taʋlila sẽŋu aɖe, eye le nunyeɖeɖe nyuie ta la, woɖe asi le ŋunye keŋkeŋ nukutɔe be nyemagawɔ asrafodɔ aɖeke o nenye be mayi ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa dzi ko!

Dzi dzɔm ale gbegbe be wona ablɔɖem, eye meɖoe be mazã ablɔɖe sia atsɔ aɖe gbeƒãe vaseɖe afisi mate ŋui. Esi wokpem be mava alɔdzedɔwɔƒe si le London ava kpɔ Albert D. Schroeder, amesi nye alɔdzea dzikpɔla la, ɖeko wòsɔ be mebu nusi anɔ esi nam la ŋu. Kpɔ alesi gbegbe wòwɔ nuku namee ɖa, esi womia asim be mayi Yorkshire aɖanye dzikpɔla mɔzɔla, anɔ hamewo srãm kpɔ kwasiɖa ɖesiaɖe be makpe ɖe nɔviawo ŋu ade dzi ƒo na wo. Mese le ɖokuinye me be nyemedze kura na dɔ sia wɔwɔ o, gake esi wònye woɖem le asrafodɔwo wɔwɔ me ta la, mevo be mate ŋu ayi. Eyata mexɔ Yehowa ƒe mɔfiafia heyi faa.

Albert Schroeder ɖem fia nɔviawo le takpekpe aɖe me le Huddersfield, eye le April 1941 me la, medze nye dɔdasi yeyea gɔme. Dzidzɔ ka gbegbee nye si wònye be manya nɔvi lɔlɔ̃tɔ mawo! Woƒe lɔlɔ̃ kple dɔmenyonyo gana kakaɖedzim ɖe edzi be amewo le Yehowa si siwo tsɔ wo ɖokui ke eyama bliboe eye wolɔ̃a wo nɔewo.—Yohanes 13:35.

Subɔsubɔ ƒe Mɔnukpɔkpɔ Bubu Geɖewo

Míewɔ ŋkeke atɔ̃ ƒe takpekpe gã si míaŋlɔ be akpɔ o le dukɔa me le ƒe 1941 me le De Montfort Akpata si le Leicester me. Togbɔ be nuɖuɖu menɔ anyi ale o eye ʋu meli woakpɔ aɖo le dukɔa me o hã la, vavalawo ƒe xexlẽme yi dzi va ɖo esi ƒo ɖesiaɖe ta le Kwasiɖagbe si nye ame 12,000; evɔ ɣemaɣi la, Ðasefo siwo wu 11,000 vie koe nɔ dukɔa me. Woƒo Habɔbɔa ƒe zimenɔla ƒe nuƒowo le mɔ̃ dzi, eye woɖe agbalẽ si nye Children ɖe go. Le nyateƒe me la, takpekpe ma si wowɔ esime Xexemaʋa II nɔ edzi yim sesĩe la, nye takpekpe ɖedzesi aɖe le Yehowa ƒe ame siwo le Britain ƒe teokrasiŋutinya me.

Le takpekpe sia megbe teti la, womiã asim be mava wɔ dɔ kple London Betel-ƒomea. Le afima la, mewɔ dɔ le agbalẽɖoɖaƒe kple afisi woblaa wo le eye emegbe le ɔfis, afisi wokpɔa hameawo ƒe nyawo gbɔ le.

Eva hiã be zã kple keli la, Betel-ƒomea nakpe akɔ kple aʋawɔyameʋu siwo nɔa tuwo dam ɖe London tso yame, kpakple alesi dziɖuɖumegãwo va nɔa nɔvi siwo nɔ dɔawo nu le afima ŋu kam edziedzii. Wode Pryce Hughes, Ewart Chitty, kple Frank Platt gaxɔ me le woƒe akpaɖekedzimademade ta, eye mlɔeba wonya Albert Schroeder ɖo ɖe United States. Togbɔ be nyaƒoɖeamenu siawo nɔ anyi hã la, míeyi edzi kpɔ hameawo kple Fiaɖuƒea ƒe nuhiahiãwo gbɔ nyuie.

Meyi Gilead!

Esi aʋaa wu enu le ƒe 1945 me la, mebia be woana dutanyanyuigblɔlawo ƒe hehem le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Sukua me eye wolɔ̃ be made klass enyilia le ƒe 1946 me. Habɔbɔa wɔ ɖoɖo be mía kple Tony Attwood, Stanley Jones, Harold King, Don Rendell, kpakple Stanley Woodburn, míaɖo meli le Cornwall lãɖeʋudzeƒe si le Fowey. Ðasefo aɖe si nɔ afima di mɔ na mí le agbatsɔmeli sue aɖe si tsɔ anyi ɣi la me. Afisi míenɔ la xaxa ale gbegbe, eye ʋua me ƒoa tsi zi geɖe. Aleke gbegbe míaƒe dzi dze emee nye si esi míegogo melidzeƒe si míaɖi ɖo le Philadelphia!

Wotu Gilead sukukpo dzeania ɖe South Lansing, le New York ƒe dzigbe, eye hehe si mexɔ le afima la fia nu geɖem. Sukuvi siwo nɔ míaƒe klass me la tso dukɔ 18 me—esiae nye zi gbãtɔ si Habɔbɔa kpe subɔla geɖe nenema tso duta—eye mí katã míeva zu xɔlɔ̃ veviwo. Hadede kple Kalle Salavaara si tso Finland, amesi mía kplii míenɔ xɔme la do dzidzɔ nam ŋutɔ.

Ɣeyiɣiawo va yi kabakaba, eye le ɣleti atɔ̃ ƒe nuwuwu la, Habɔbɔa ƒe zimenɔla, Nathan H. Knorr, tso Habɔbɔa ƒe dɔwɔƒegã le Brooklyn va ma míaƒe ɖaseɖigbalẽwo na mí hegblɔ afisi woaɖo mí ɖo la na mí. Le ŋkeke mawo me la, sukuviawo menyaa afisi woaɖo wo ɖo o vaseɖe esime woɖe gbeƒãe le sukua nuwuwu ƒe wɔnaa me ko hafi. Wobia tso asinye be magbugbɔ ayi ɖe London ƒe Betel ayi nye dɔ dzi le afima.

Metrɔ Yi London

Ƒe siwo kplɔ aʋaa ɖo nye esiwo me sẽ le Britain. Woganɔ nuɖuɖu kple nuhiahiã bubuwo, kpakple pepa hã mam. Gake míeto eme, eye Yehowa ƒe Fiaɖuƒea ƒe nuwo kpɔ dzidzedze. Tsɔ kpe ɖe dɔwɔwɔ le Betel ŋu la, mekpɔa gome le nutome gã kple nutome sue takpekpewo me eye mesrãa hame, siwo dometɔ aɖewo le Ireland hã kpɔna. Enye mɔnukpɔkpɔ nam hã be medo go Erich Frost kpakple nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu bubu siwo tso Europa eye mese hati Ðasefo siwo kpe Nazi fuwɔamegaxɔwo me ƒe fu ƒe nuteƒewɔwɔ tso wo gbɔ. Le nyateƒe me la, dɔwɔwɔ le Betel nye mɔnukpɔkpɔ si me yayra nɔ.

Menya Joan Webb, amesi nye mɔɖela vevi le Watford, si nye du si le London ƒe dziehe me la ƒe ewo sɔŋ. Míeɖe mía nɔewo le ƒe 1952 me. Mía kplii siaa míedi be míayi ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa dzi, eyata dzi dzɔ mí esi wode dɔ asi nam be manye nutome sue dzikpɔla esi medzo le Betel vɔ megbe. Nutome sue gbãtɔ si míesubɔ la nɔ England ƒe anyiehe ƒuta lɔƒo, le Sussex kple Hampshire. Nutome sue ƒe dɔa menɔ bɔbɔe le ŋkeke mawo me o. Zi geɖe la, míeɖoa bɔs, doa gasɔ, hezɔa afɔ hã. Kɔƒeme nyigbamama gã siwo me yiyi menɔa bɔbɔe o zi geɖe la nɔ hame geɖe si, gake Ðasefoawo ƒe agbɔsɔsɔ nɔ dzidzim ɖe edzi vivivi.

New York City le Ƒe 1958 Me

Le ƒe 1957 me la, mexɔ amekpegbalẽ bubu tso Betel si gblɔ be: “Àdi be yeava alɔdzedɔwɔƒea ava na kpekpeɖeŋu woakpɔ mɔzɔɖoɖowo gbɔ na dukɔwo dome takpekpe si woawɔ le Yankee Stadium kple Polo Grounds le New York City le ƒe 1958 mea?” Eteƒe medidi o mía kple Joan míenɔ nɔvi siwo di be yewoaɖo Habɔbɔa ƒe yameʋu kple meli siwo wòda la ƒe mɔbiagbalẽwo ŋuti dɔwo wɔm. Esiae nye Mawu ƒe Lɔlɔ̃nu Dukɔwo Dome Takpekpe xɔŋkɔ si ameha gã aɖe siwo ƒe xexlẽme nye 253,922 de. Le takpekpe sia me la, ame 7,136 ye tsɔ nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me ɖo kpe woƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa dzi—si nye ame xexlẽme si xɔ nyɔnyrɔ le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekosteŋkeke si xɔ ŋkɔ le ŋutinya me si ta woka le Biblia me la ƒe teƒe eve kple edzivɔ.—Dɔwɔwɔwo 2:41.

Mía kple Joan míaŋlɔ dɔmenyo si Nɔviŋutsu Knorr ɖe fia esime eya ŋutɔ kpe mí be míava takpekpea bene míana kpekpeɖeŋu woakpɔ takpekpea vala siwo tso dukɔ 123 me va New York City ƒe nuhiahiãwo gbɔ be akpɔ gbeɖe o. Ema nye nuteƒekpɔkpɔ dodzidzɔname kple esi na dzidzeme mí ame evea siaa.

Ɣeyiɣiawo Katã ƒe Subɔsubɔdɔa me Yayrawo

Esi míetrɔ gbɔ la, míeyi mɔzɔzɔdɔa dzi vaseɖe esime lãmegbegblẽ va ge ɖe eme. Joan tsi kɔdzi, eye tutudɔ dze dzinye. Wova na míenye mɔɖela veviwo gake emegbe mɔnukpɔkpɔ gasu mía si ake míegawɔ nutome sue dzikpɔkpɔdɔa ɣeyiɣi kpui aɖe. Mlɔeba la, míetrɔ yi Bristol, afisi míekpɔtɔ le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm le. Nɔvinyeŋutsu Dick kple eƒe ƒomea te ɖe mía ŋu, eye míeɖoa ŋku tsã dzi zi geɖe.

Nye ŋkuwo va gblẽ keŋkeŋ le ƒe 1971 me. Tso ɣemaɣi la, nyemegate ŋu xlẽa nu o, eyata mekpɔ Biblia-srɔ̃gbalẽ me nya siwo wolé ɖe kasɛt dzi be enye nunana nyui tso Yehowa gbɔ. Mía kple Joan míegawɔa aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃wo kokoko, eye le ƒe siwo va yi me la, mɔnukpɔkpɔ su mía si be míekpe ɖe amesiwo ade 40 ŋu be wodze si nyateƒea, eye ƒome aɖe si me ame adre le hã le eme.

Esi míetsɔ míaƒe agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa ƒe 60 kple edzivɔe nye si va yi la, míaƒe didie nye be míaƒo mía ɖokui ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me ahanɔ eme ɖaa. Aleke gbegbe míedaa akpee nye si be ŋusẽ gakpɔtɔ le mía ŋu míatsɔ asubɔ Yehowa Gã lae—esi nye mɔ ɖeka si ko dzi míate ŋu ato ada akpe nɛ ɖe eƒe dɔmenyonyo na mí kple ɖe ƒe siwo míeli ɖekae le dzidzɔ me ta!

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 11 Enye akplo si wotsɔ avɔ wɔe si wote ŋu kplana eye wotɔe be woatsɔ Gbetakpɔxɔ kple Consolation (si va zu Nyɔ! emegbe) ade me.

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Mía kple nɔvinyeŋutsu Dick (le miame ɖaa; Dick yele tsitre) kpakple mɔɖela bubuwo le mɔɖelawo ƒe aƒe si le Bristol la ŋgɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Mɔɖelawo ƒe aƒeme le Bristol le ƒe 1940 me

[Nɔnɔmetata siwo le axa 26]

Stanley kple Joan Reynolds le woƒe srɔ̃kpegbe, January 12, 1952, kple egbea