Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Nye Gã Wu Míaƒe dzi

Yehowa Nye Gã Wu Míaƒe dzi

Yehowa Nye Gã Wu Míaƒe dzi

HAKPALA la ŋlɔe ɖi be, “amesiwo vɔ̃a Yehowa la, ƒe nu dzea eŋu.” Le nyateƒe me la, Wɔla la kpɔa dzidzɔ ne ekpɔ esubɔla siwo nye amegbetɔwo dometɔ ɖesiaɖe le agbagba dzem be yeawɔ ɖe eƒe dzidzenu dzɔdzɔewo dzi. Mawu yraa amesiwo wɔa nuteƒe nɛ, edea dzi ƒo na wo, eye efaa akɔ na wo ne dzi ɖe le wo ƒo. Enya be ye subɔlawo mede blibo o, eyata mebiaa nu geɖe akpa tso wo si o.—Psalmo 147:11.

Masesẽ na mí be míaxɔe ase be lɔlɔ̃ gã aɖe le Yehowa si na eƒe subɔlawo dometɔ ɖesiaɖe o. Gake edze abe ame aɖewo tsi dzi fũ akpa ɖe woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu ale gbegbe be woxɔe se be Yehowa magate ŋu alɔ̃ yewo gbeɖegbeɖe o ene. Woaƒo nya ta be: “Nye blibomademade sɔ gbɔ akpa be Yehowa nalɔ̃m.” Enye nyateƒe be seselelãme manyomanyowo ɖea fu na mía dometɔ ɖesiaɖe ɣeaɖewoɣi ya. Gake edze abe ame aɖewo wɔa aʋa tsia tre ɖe viɖemanɔameŋu ƒe seselelãmewo ŋu edziedzi ene.

Viɖemanɔameŋu ƒe Seselelãmewo

Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, nugbegbe le ame ɖokui gbɔ ƒe seselelãme siwo nu sẽ ɖe fu na nuteƒewɔla aɖewo. Hiob lé fu agbe eye wòse le eɖokui me be Mawu gblẽ ye ɖi. Le ɣeyiɣi aɖe si va yi me la, Hana, si va zu Samuel dada, se veve heliheli hefa avi hehehe ɖe eƒe kotsitsi ta. Dawid ‘bi gobaa ŋutɔ’ eye Epafrodito lé blanui vevie le esi eƒe dɔléle ŋuti nyatakaka si ɖo nɔviawo gbɔ ɖe fu na wo ta.—Psalmo 38:7; Samuel 1, 1:7, 10; Hiob 29:2, 4, 5; Filipitɔwo 2:25, 26.

Ke Kristotɔ siwo li egbea ya ɖe? Ðewohĩ lãmegbegblẽ, tsitsi, alo agbe me kuxi bubuwo xe mɔ na ame aɖewo be womete ŋu le geɖe wɔm le subɔsubɔdɔ kɔkɔea me abe alesi wodi ene o. Esia ate ŋu ana woaƒo nya ta be yewo do kpo nu le Yehowa kple yewo nɔvi haxɔsetɔwo gbɔ. Alo ame aɖewo anɔ fɔ bum wo ɖokui edziedzi ɖe vodada siwo wowɔ va yi ta, eye womaka ɖe edzi be Yehowa tsɔe ke yewo o. Ðewohĩ ame bubu siwo tso ƒome siwo me nuwo meyi edzi nyui le o asusui be yewomedze na ame aɖeke ƒe lɔlɔ̃ o. Aleke esia ate ŋu adzɔe?

Wonyi ame aɖewo le ƒome siwo me lɔlɔ̃ aɖeke mele o, ke boŋ ɖokuitɔdidi, gbɔɖiamenyawo gbɔgblɔ ɖe ame ŋu, kple vɔvɔ̃ xɔ aƒe ɖo me. Ame siawo mate ŋu anya nu tso fofo aɖe si me lɔlɔ̃ deto le ɖe wo ŋu, amesi dia mɔnukpɔkpɔ be yeakafu ame ahade dzi ƒo nɛ, amesi ŋea aɖaba ƒua dzidadawo dzi eye wòle klalo gɔ̃ hã be yeatsɔ nuvɔ̃ gã siwo ame wɔ akee, kple amesi ƒe vividodoɖeameŋu wɔnɛ be ƒome bliboa sena le eɖokui me be yewole dedie ŋu gbeɖe o. Esi fofo si nye amegbetɔ si si lɔlɔ̃ le mete ŋu su ame siawo si o ta la, asesẽ na wo be woase nusi wòfia be Fofo lɔlɔ̃tɔ aɖe le dziƒo la gɔme.

Le kpɔɖeŋu me, Fritz ŋlɔe be: “Fofonye ƒe amemalɔ̃malɔ̃ kpɔ ŋusẽ ɖe nye ɖevimenɔɣi kple nye sɔhɛmenɔɣi dzi ale gbegbe. * Megblɔ kafukafunya aɖeke nam kpɔ o, eye nyemese le ɖokuinye me kpɔ be ƒomedodo kplikplikpli le nye kplii dome kpɔ o. Le nyateƒe me la, mevɔ̃na nɛ zi geɖe.” Emetsonue nye be Fritz, amesi le eƒe ƒe 50-awo me fifia, gasena le eɖokui me kokoko be yemedze o. Margarette gblɔ be: “Dzinyelawo nye ame kpini siwo melɔ̃a ame o. Esi medze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme la, esesẽ nam be masusu alesi fofo lɔlɔ̃tɔ aɖe anɔ.”

Eɖanye susu ka ke tae o, seselelãme siawo ƒomevi ate ŋu afia be ɣeaɖewoɣi la menye lɔlɔ̃ ɖeɖekoe ʋãa mí be míesubɔa Mawu o, ke koŋ akpa gãtɔ nɔ te ɖe fɔɖiɖi alo vɔvɔ̃ dzi. Edzena abe míaƒe ŋutete katã medea edeƒe o ene. Didi si le mía me be míawɔ nusi dze Yehowa kple hati haxɔsetɔwo ŋu ate ŋu ana míase le mía ɖokui me be wodi nu geɖe akpa tso mía si. Esia ate ŋu awɔe be míase le mía ɖokuiwo me be míedo kpo míaƒe taɖodzinuwo gbɔ ɖoɖo, abu fɔ mía ɖokuiwo, eye dzi naɖe le mía ƒo.

Nukae míate ŋu awɔ tso eŋu? Ðewohĩ ahiã be míaɖo ŋku alesi gbegbe Yehowa sea veve ɖe ame nui dzi na mía ɖokui. Ame aɖe si se Mawu ƒe amenyenye ƒe akpa sia si me lɔlɔ̃ le gɔme enye apostolo Yohanes.

Mawu Nye Gã Wu Míaƒe Dzi

Le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. ƒe nuwuwu la, Yohanes ŋlɔ na nɔvia haxɔsetɔwo be: “Eye esia me míadze sii le bena, míetso nyateƒe la me, eye míana kakaɖedzi míaƒe dziwo le eƒe ŋku me; elabena ne míaƒe dzi bu fɔ mí hã la, Mawu enye gã wu míaƒe dzi, eye wònya nuwo katã.” Nukata Yohanes ŋlɔ nya siawo ɖo?—Yohanes I, 3:19, 20.

Edze ƒã be Yohanes nyae be ele bɔbɔe be Yehowa subɔla nase le eɖokui me be yeɖi fɔ. Ðewohĩ seselelãme sia ƒomevi anya ɖe fu na Yohanes ŋutɔ hã kpɔ. Abe ɖekakpui si ƒe nya nu menya nɔna o ene la, Yesu Kristo ɖɔ Yohanes ɖo ɣeaɖeɣi ɖe alesi eƒe nuwɔwɔ ɖe ame bubuwo ŋu me sẽ akpa ta. Le nyateƒe me la, Yesu na ŋkɔ Yohanes kple nɔviaŋutsu Yakobo be: “Boanerges, si gɔme enye dziɖegbeviwo.”—Marko 3:17; Luka 9:49-56.

Le ƒe 60 kple edzivɔwo megbe la, Yohanes zu ame fatu, Kristotɔ si da sɔ, si lɔ̃a ame, kple amesi ame nu wɔa nublanui na. Esi wònye apostolo mamlɛtɔ si kpɔtɔ le agbe ta la, le ɣeyiɣi si me wòŋlɔ eƒe lɛta gbãtɔ si gbɔgbɔ ʋãe wòŋlɔ la, enyae be Yehowa mewɔa nu ɖe esubɔlawo ŋu ɖe vodada ɖesiaɖe si wowɔ nu o. Ke boŋ, enye amesi doa vivi ɖe ame ŋu, amesi ame nu wɔa nublanui na, dɔmenyotɔ, kple Fofo si sea veve ɖe ame nu, amesi si lɔlɔ̃ deto le na amesiwo katã lɔ̃nɛ hesubɔnɛ le nyateƒe me. Yohanes ŋlɔ bena: “Mawu enye lɔlɔ̃.”—Yohanes I, 4:8.

Yehowa Kpɔa Dzidzɔ Ðe Míaƒe Subɔsubɔ Ŋu

Mawu nya be míenyi gbɔdzɔgbɔdzɔ kple blibomademade ƒe dome, eye eɖoa ŋu esiawo na mí. Dawid ŋlɔe be: “Enya míaƒe wɔwɔme, eɖoa ŋui be, kewɔ míenye.” Yehowa nya ŋusẽ si míaƒe dzɔdzɔme kpɔna ɖe mía dzi, si wɔ mí amesiwo míenye fifia. Le nyateƒe me la, enya mí nyuie wu alesi míenya mía ɖokuiwoe sasasã.—Psalmo 103:14.

Enya be mía dometɔ geɖe di be yeawɔ nu nyui hafi gake míedo kpo míaƒe blibomademadewo dzi ɖuɖu. Woate ŋu atsɔ nɔnɔme si me míele asɔ kple apostolo Paulo tɔ, amesi ŋlɔe be: “Menye nu nyui, si melɔ̃na la, mewɔna o, ke nuvɔ̃, si nyemelɔ̃na o la, eya ke mewɔna boŋ.” Mía dometɔ ɖesiaɖe le ʋiʋli ma tɔgbe ʋlim. Le go aɖewo me la, esia ate ŋu awɔe be míaƒe dzi nanɔ fɔ bum mí.—Romatɔwo 7:19.

Nya sia nenɔ ŋku dzi na wò ɣesiaɣi be: Nusi le vevie wu alesi míebua mía ɖokui enye alesi Yehowa bua míi. Ɣesiaɣi si wòkpɔ be míele agbagba dzem be míawɔ nusi adze eŋu la, menye ɖeko eƒe dzi dzea eme ko o, ke boŋ ekpɔa dzidzɔ. (Lododowo 27:11) Togbɔ be nusi míete ŋu wɔ adze nu sue le mía gbɔ hã la, alesi míelɔ̃ tsɔ mía ɖokui na faa kple susu nyui si míetsɔ wɔe doa dzidzɔ nɛ. Ekpɔa nu yia ŋgɔ sã wu nusi míete ŋu wɔna; esea nusi míedi be míawɔ gɔme; eye enya míaƒe didi kple dzimedidiwo. Yehowa ate ŋu anya nusi le míaƒe dzi me.—Yeremya 12:3; 17:10.

Le kpɔɖeŋu me, Yehowa Ðasefowo dometɔ geɖe nye amesiwo kpea ŋu eye nu menya ƒona na wo le dzɔdzɔme nu o, amesiwo medina be yewoawɔ nusi ahe amewo ƒe susu ava yewo dzi o. Le amesia ƒomeviwo gome la, gbeƒãɖeɖe nyanyuia tso aƒeme yi aƒeme ate ŋu anye gbetɔame gã aɖe na wo. Gake didi si le wo me be yewoasubɔ Mawu eye be yewoakpe ɖe yewoƒe aƒelikawo ŋu ʋãa amesiwo ŋu kpena gɔ̃ hã be woasrɔ̃ alesi woate ɖe woƒe aƒelikawo ŋu aƒo nu tso Biblia ŋu na wo. Woate ŋu ase le wo ɖokui me be yewomewɔ nu boo aɖeke o, eye esia ate ŋu agblẽ woƒe dzidzɔkpɔkpɔ me. Woƒe dzi ate ŋu agblɔ na wo be viɖe aɖeke mele woƒe dutoƒosubɔsubɔdɔa ŋu o. Ke hã Yehowa kpɔa dzidzɔ ɖe agbagba gã si dzem amesiawo le le woƒe subɔsubɔdɔa me la ŋu godoo. Gawu la, womate ŋu anya ɣeyiɣi kple afisi nyateƒea ƒe nuku siwo wowu la amie, atsi, ahatse ku le o.—Nyagblɔla 11:6; Marko 12:41-44; Korintotɔwo II, 8:12.

Ðasefo bubuwo le fu kpem le dɔléle siwo gbe kakaɖeme alo tsitsi ƒe fuɖenamewo si me. Le wo gome la, kpekpeawo dede edziedzi le Fiaɖuƒe Akpata me ate ŋu anye vevesese kple dzimaɖitsitsi na wo. Toɖoɖo nuƒo siwo ku ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu ate ŋu aɖo ŋku alesi wokpɔ gome le eme va yi kple alesi wodi be yewoagawɔe dzi na wo, togbɔ be lãmegbegblẽ xe mɔ na wo hã. Fɔɖiɖi ƒe fuwɔame ate ŋu aɖe fu na amesiawo ƒomevi elabena womete ŋu wɔna aɖaŋuɖoɖo siwo woɖo dzi abe alesi woa ŋutɔwo dii ene o. Ke hã ɖikekemanɔmee la, Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe woƒe nuteƒewɔwɔ kple dzidodo ŋu kokoko. Zi alesi woyi edzi lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi la, maŋlɔ woƒe nuteƒewɔwɔ be akpɔ gbeɖe o.—Psalmo 18:26; 37:28.

“Míana Kakaɖedzi Míaƒe Dziwo”

Anɔ eme be Yohanes va nya nu geɖe tso alesi Mawu sea veve ɖe ame nui ŋu esi wòku amegã. Ðo ŋku edzi be eŋlɔe be: “Mawu enye gã wu míaƒe dzi, eye wònya nuwo katã.” Gakpe ɖe eŋu la, Yohanes de dzi ƒo na mí be “míana kakaɖedzi míaƒe dziwo.” Nukae Yohanes fia esi wògblɔ nya mawo?

Vine’s Expository Dictionary of Old and New Testament Words, gblɔ be Helagbe me dɔwɔnya si gɔme woɖe be “kakaɖedzi” fia be “woazã amenubeble, woakpɔ ŋusẽ ɖe ame dzi alo adze xɔ̃ ame, alo woaƒo nya ɖe ame nu.” Ne míagblɔe bubui la, be míana kakaɖedzi míaƒe dzi la, ehiã be míadze xɔ̃ míaƒe dzi, be míatsɔ aƒo nya ɖe enu be wòaxɔ edzi ase be Yehowa lɔ̃ mí. Le mɔ ka nu?

Fritz, amesi míeyɔ va yi le nyatia me nye hamemegã le Yehowa Ðasefowo ƒe hame aɖe me ƒe 25 kple edzivɔe nye esia eye ekpɔe dze sii be ɖokuisinusɔsrɔ̃ agate ŋu aɖo kpe Yehowa ƒe lɔlɔ̃ dzi na yeƒe dzi. “Mesrɔ̃a Biblia kple míaƒe agbalẽwo edziedzi eye kple ŋuɖɔɖo. Esia kpena ɖe ŋunye be nye susu menɔa ɣeyiɣi siwo va yi ŋu o, ke boŋ enɔa etsɔme wɔnuku siwo gbɔna dzi vevie. Ɣeaɖewoɣi la, agbe si menɔ va yi me tsonuwo vaa dzinye, eye mesena le ɖokuinye me be Mawu mate ŋu alɔ̃m gbeɖe o. Gake ne magblɔe gbadzaa la, mekpɔe be nusɔsrɔ̃ edziedzi doa ŋusẽ nye dzi, etua nye xɔse ɖo, eye wòkpena ɖe ŋunye be meyia edzi nɔa dzidzɔ kpɔm hedana sɔna.”

Nyateƒee, Biblia xexlẽ kple ŋugbledede le eŋu mate ŋu atrɔ míaƒe nɔnɔmea ŋutɔŋutɔ o. Gake ate ŋu atrɔ alesi míebua míaƒe nɔnɔmea ŋui. Nya siwo le Mawu ƒe Nyaa me tsɔtsɔ de míaƒe dzi me kpena ɖe mía ŋu be míabu nuwo ŋu abe alesi wòbunɛ ene. Gawu la, nusɔsrɔ̃ wɔnɛ be gɔmesese geɖe va sua mía si le Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ ŋu. Vivivi la, míate ŋu ava se eme be Yehowa mebua fɔ mí ɖe nusiwo míewɔ le ɖevime ta o, eye mebua fɔ mí hã ɖe míaƒe lãmegbegblẽwo ta o. Enya be agba siwo le mía dometɔ geɖe dzi—eɖanye seselelãme loo alo ŋutilãmetɔ o—metsoa míaƒe nuwɔna gbɔ zi geɖe o eye eɖoa ŋu esia lɔlɔ̃tɔe.

Ke Margarette si ŋu míeƒo nu tsoe va yi ya ɖe? Esi wòva nya Yehowa la, viɖe geɖe va do tso Biblia sɔsrɔ̃ me na eya hã. Abe Fritz ene la, ele na eya hã be wòagbugbɔ ŋku alé ɖe eƒe nukpɔsusu ku ɖe fofo ŋu la ŋuti. Gbedodoɖa kpe ɖe Margarette ŋu wòtsɔ nusiwo wòsrɔ̃ de dɔwɔna me. Margarette gblɔ be: “Gbã la, metsɔ Yehowa abe xɔlɔ̃ kplikplikpli ene, esi wònye mese vivi na xɔlɔ̃wɔwɔ si me lɔlɔ̃ le kple xɔ̃nyewo wu fofo si me lɔlɔ̃ le ta. Vivivi la, mesrɔ̃ alesi magblɔ nye seselelãmewo, ɖikekewo, dzimaɖitsitsiwo kple nye kuxiwo na Yehowa. Meƒoa nu kplii edziedzi le gbedodoɖa me, le ɣeyiɣi ma ke me la, menɔ nu yeye siwo katã srɔ̃m menɔ tso eŋu la tsiãm ɖe wo nɔewo nu abe alesi wotɔa amadede vovovowo wònya kpɔnae ene. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, seselelãme si nɔ menye ɖe Yehowa ŋu dzi ɖe edzi ale gbegbe be fifia la, mesesẽna nam kura be mabui abe fofo lɔlɔ̃tɔ ene o.”

Vovo Tso Dzimaɖitsitsiwo Katã Me

Zi alesi nuɖoanyi xoxo vɔ̃ɖi sia gakpɔtɔ li ko la, ame aɖeke mate ŋu akpɔ mɔ be yeavo atso dzimaɖitsitsiwo me o. Le Kristotɔ aɖewo gome la, esia fia be dzimaɖitsitsi ƒe seselelãmewo kple ɖikeke le ame ɖokui me agate ŋu ado mo ɖa eye wòahe fukpekpe vɛ. Gake míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa nya susu nyui kple agbagba siwo míedzena le eƒe subɔsubɔdɔa me. Maŋlɔ lɔlɔ̃ si mieɖe fia le eƒe ŋkɔa ta la be akpɔ gbeɖe o.—Hebritɔwo 6:10.

Le anyigba yeye si le aƒe tum le Mesia Fiaɖuƒea ƒe kpɔkplɔ te me la, amegbetɔ nuteƒewɔlawo katã ate ŋu akpɔ mɔ be woaɖe yewo tso agba siwo Satana ƒe nuɖoanyia da ɖe wo dzi la te. Gbɔdzɔe ka gbegbee nye si esia anye! Emegbe míakpɔ alesi gbegbe Yehowa sea veve ɖe ame nui ƒe kpeɖodzi bubu geɖewo gɔ̃ hã. Vaseɖe esime ɣeyiɣi ma nava la, neva eme be amewo katã naka ɖe edzi be “Mawu enye gã wu míaƒe dzi, eye wònya nuwo katã.”—Yohanes I, 3:20.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 8 Míetrɔ ŋkɔawo.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 30]

Yehowa menye ŋutasẽdziɖula vɔ̃ɖi o ke boŋ enye Fofo si doa vivi ɖe ame ŋu, sea veve ɖe ame nu, hekpɔa nublanui na ame

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ kpena ɖe mía ŋu míebua nuwo ŋu abe alesi wòbunɛ ene