Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Afikae Nàte Ŋu Akpɔ Dzidzeme Le?

Afikae Nàte Ŋu Akpɔ Dzidzeme Le?

Afikae Nàte Ŋu Akpɔ Dzidzeme Le?

Vovototo geɖe le míaƒe ɣeyiɣia kple Thoreau, si míeyɔ le nyati si do ŋgɔ me, ƒe ɣeyiɣia dome. Vovototo gã ɖekae nye be egbea la, tomefafa ŋu ɖaŋuɖoɖowo bɔ ale gbegbe. Susuŋutinunyalawo kple amesiwo ŋlɔa agbalẽ ɖoa aɖaŋu siwo amewo azã le wo ɖokui si—nyadzɔdzɔgbalẽŋlɔlawo gɔ̃ hã—doa woƒe susuwo ɖa. Woƒe aɖaŋuɖoɖowo ate ŋu akpe ɖe ame ŋu hena ɣeyiɣi kpui aɖe; gake be woakpɔ egbɔ tegbee la, nane si de to wu hiã. Esia ŋue amesiwo ŋkɔ míeyɔ le nyati si do ŋgɔ me la ke ɖo.

ANTÔNIO, Marcos, Gerson, Vania, kple Marcelo nye ame vovovowo eye woƒe kuxiwo hã to vovo. Gake wosɔ le nu etɔ̃ ya teti me. Gbã la, ‘mɔkpɔkpɔ aɖeke menɔ wo si o, eye Mawu hã menɔ wo si le xexea me o’ le ɣeyiɣi aɖe me. (Efesotɔwo 2:12) Evelia, wodi tomefafa vevie. Eye etɔ̃lia, wo katã kpɔ dzidzeme si dim wonɔ le esi wolɔ̃ be Yehowa Ðasefowo nasrɔ̃ Biblia kpli yewo megbe. Esi wonɔ ŋgɔyiyi wɔm la, wova de dzesii be Mawu tsɔ ɖe le eme na yewo. Le nyateƒe me abe alesi Paulo gblɔ na Atenetɔwo le eŋɔlime ene la, Mawu “mele adzɔge tso mía dome amesiame gbɔ hafi o.” (Dɔwɔwɔwo 17:27) Kaka ɖe nya sia dzi anukwaretɔe nye mɔ vevi si dzi woato akpɔ dzidzeme.

Nukatae Ŋutifafa Mebɔ O?

Biblia gblɔ susu vevi eve siwo ta ŋutifafa mele xexeame o—eɖanye dzidzeme loo alo ŋutifafa si anɔ amewo dome o. Woɖe gbãtɔ me le Yeremya 10:23 be: “Amegbetɔ ƒe mɔ kple ŋutsu ƒe zɔzɔme la menye eya ŋutɔ si me wòle, ne eƒe azɔlime nato mɔ ɖeka o.” Nunya alo etsɔmenyanya ƒe ŋutete mele amegbetɔ si be wòaɖu eɖokui dzi kpekpeɖeŋu manɔmee o, eye Mawu gbɔ koe kpekpeɖeŋu si ko ŋu asixɔxɔ ŋutɔŋutɔ le la tsona. Amegbetɔ siwo media Mawu ƒe mɔfiame o la makpɔ ŋutifafa si nɔa anyi ɖaa gbeɖe o. Susu evelia si ta ŋutifafa meli o la dze le apostolo Yohanes ƒe nya siawo me be: “Xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la me.” (Yohanes I, 5:19) Mawu ƒe mɔfiafia manɔmee la, “vɔ̃ɖitɔ,” Satana, si womekpɔna kple ŋku o evɔ wòli—eye ŋusẽ le eŋu ale gbegbe—la agblẽ agbagba siwo amegbetɔwo adze be ŋutifafa nasu yewo si me ɣesiaɣi.

Le susu eve siawo—siwo nye be ame geɖe media Mawu ƒe mɔfiafia o kple be Satana le dɔ dzi le xexeame—ta la, amegbetɔƒome bliboa katã le nɔnɔme wɔnublianui aɖe me. Apostolo Paulo ɖɔe nyuie be: “Nuwɔwɔ blibo la katã le ŋeŋem, eye fu le eɖum vaseɖe fifi.” (Romatɔwo 8:22) Amekae malɔ̃ ɖe nya sia dzi o? Le dukɔ siwo me ga le kpakple esiwo me koɖoɖo le siaa me la, ƒomekuxiwo, nuvlowɔwɔ, numadzɔmadzɔwɔwɔ, amewo dome dzrewo, ganyawo ƒe kemalimali, towo kple gbeɖekadolawo dome fulélewo, ameteteɖeanyi, dɔléle, kple nu bubu geɖe, wɔnɛ be amewo mevo le susu me o.

Afisi Woakpɔ Dzidzeme Le

Esi Antônio, Marcos, Gerson, Vania, kple Marcelo srɔ̃ Mawu ƒe Nya, Biblia, la, wosrɔ̃ nusiwo trɔ woƒe agbenɔnɔ. Nu ɖeka aɖe si wosrɔ̃ enye be xexeame ƒe nɔnɔme ava trɔ gbeɖeka. Nya sia menye mɔkpɔkpɔ gbɔlo aɖe ko be nusianu ava nyo keŋkeŋ gbaɖegbe o. Enye kakaɖedzi ŋutɔŋutɔ si ŋu kpeɖodzi sẽŋu le be tameɖoɖo aɖe le Mawu si na ameƒomea eye be míate ŋu akpɔ viɖe tso tameɖoɖo ma me fifia gɔ̃ hã ne míewɔ eƒe lɔlɔ̃nu. Wotsɔ nusiwo wosrɔ̃ le Biblia me de nuwɔnawo me eye nuwo ka ɖe eme na wo. Woke ɖe dzidzɔkpɔkpɔ kple ŋutifafa geɖe ŋu wu alesi wosusui.

Antônio megaƒoa eɖokui ɖe tsitretsiɖeŋunuwɔnawo kple dɔwɔlawo ƒe dzrehehewo me o. Enyae be seɖoƒe li na tɔtrɔ siwo ava to mɔ sia dzi eye ɣeyiɣi kpui aɖe koe wonɔa nyi. Amesia si nye dɔwɔlawo ƒe ŋgɔnɔla tsã la srɔ̃ nu tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu. Enye Fiaɖuƒe si ame miliɔn geɖe doa gbe ɖa biana ne wole Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa (alo Mía Fofo) ƒe gbe dom ɖa, hegblɔna na Mawu be: “Wò fiaɖuƒe nava!” (Mateo 6:10a) Antônio srɔ̃e be Mawu ƒe Fiaɖuƒea nye dziƒodziɖuɖu ŋutɔŋutɔ si ahe ŋutifafa vavãtɔ vɛ na ameƒomea.

Marcos srɔ̃ alesi wòatsɔ Biblia ƒe aɖaŋu nyui si wòɖo ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu la awɔ dɔe. Ewɔe be amesia si nye dunyahela tsã la gawɔ ɖeka kple srɔ̃a fifia. Eya hã le mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si ava kpuie, si me Mawu ƒe Fiaɖuƒea ana xexeme si nyo wu la naxɔ ɖe ŋukeklẽ kple ɖokuitɔdidi ƒe nuɖoanyi sia teƒe. Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖaa me nyagbɔgblɔ si xlẽ be, “woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene!” la me va kɔ nɛ nyuie wu. (Mateo 6:10b) Ne wova le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm le anyigba dzi la, amegbetɔwo ase agbe si tɔgbe teƒe womekpɔ kpɔ o la ƒe vivi le anyigba dzi.

Ke Gerson ya ɖe? Meganye tsaglãlatsala kple fiafitɔ o. Viɖe va le ablɔdzivi sia ƒe agbe ŋu azɔ elabena ezãa eƒe ŋusẽ tsɔ kpena ɖe ame bubuwo ŋu be woƒe dzi nadze eme. Abe alesi nuteƒekpɔkpɔ siawo ɖee fia ene la, Biblia sɔsrɔ̃ kple nusiwo wògblɔ la tsɔtsɔ wɔ dɔe ate ŋu atrɔ amewo ƒe agbenɔnɔ wòanyo ɖe edzi.

Dzidzeme le Xexe si Me Xaxawo Le Me

Ŋutinyameme vevitɔ si dzi woato awɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ye nye Yesu Kristo, eye ne amewo srɔ̃ Biblia kple Yehowa Ðasefowo la, wosrɔ̃a nu geɖe tso eyama ŋu. Le zã si me wodzii la, mawudɔlawo dzi kafukafuhawo na Mawu be: “Ŋutikɔkɔe woana Mawu le dziƒo boo, eye ŋutifafa ava anyigba dzi; amegbetɔwo ŋu woakpɔ ŋudzedze nyui le.” (Luka 2:14) Esi Yesu tsi la, alesi wòaɖɔ amewo ƒe agbenɔnɔ ɖoe nɔ vevie nɛ. Ese woƒe seselelãmewo gɔme eye eɖe dɔmetɔtrɔ tɔxɛ fia amesiwo nɔ fu kpem kple dɔnɔwo. Eye le ɖekawɔwɔ me kple mawudɔlaawo ƒe nyawo la, ena dzidzeme aɖe sinu ame fafawo. Le eƒe subɔsubɔdɔa ƒe nuwuwu la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Ŋutifafa gblẽm mele ɖi na mi; nye ŋutifafa tsɔm mele na mi; menye alesi xexeame nana la, nye la mele mia nam o. Miaƒe dzi nagaʋuʋu nyanyanya o, eye dzika hã nagatso mia ƒo o!”—Yohanes 14:27.

Menye kpekpeɖeŋunala koe Yesu nye o. Etsɔ eɖokui sɔ kple alẽkplɔla, eye wòtsɔ eyomedzela fatuwo sɔ kple alẽwo esime wògblɔ be: “Nye la meva, bena woakpɔ agbe [le agbɔsɔsɔ me, NW]. Nyee nye alẽkplɔla nyui la, alẽkplɔla nyui la tsɔa eƒe agbe ɖoa anyi ɖe alẽawo ta.” (Yohanes 10:11, 12) Ẽ, Yesu tsɔ eƒe agbe na ɖe eƒe alẽawo ta, menye abe alesi ŋgɔnɔla geɖe tsɔa ɖe le wo ɖokuiwo me vevie gbã egbea ene o.

Aleke nusi Yesu wɔ la ate ŋu aɖe vi na míi? Ame geɖe nya nya siawo nyuie be: “Ale gbegbe Mawu lɔ̃a xexeame bena, wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.” (Yohanes 3:16) Yesu dzi xɔxɔ se bia be gbã la, woanya nu tso eya kple Fofoa, Yehowa, ŋu. Mawu kple Yesu Kristo ŋuti sidzedze ate ŋu ana be ƒomedodo kplikplikpli si akpe ɖe mía ŋu be míakpɔ tomefafa nanɔ mía kple Yehowa Mawu dome.

Yesu gblɔ be: “Nye alẽwo sea nye gbe, eye nye la menya wo, eye wodzea yonyeme; eye nye la mena agbe mavɔ wo, eye womele tsɔtsrɔ̃ ge akpɔ o, eye ame aɖeke mele woamawo xɔ ge sesẽ le asinye o.” (Yohanes 10:27, 28) Akɔfanamenya dodzidzɔname kawo gbegbee nye si! Nyateƒee, Yesu gblɔ nya siawo ƒe akpe eve kloe enye si va yi, gake ŋusẽ gale wo ŋu abe alesi wònɔ wo ŋu ɣemaɣi ene. Mègaŋlɔ be gbeɖe o be Yesu Kristo gakpɔtɔ le agbe eye wòle dɔ dzi vevie, wònye Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒea ƒe Fia si woɖo zi dzi wòle dzi ɖum fifia. Egakpɔtɔ tsɔ ɖe le eme na ame fafa siwo le tomefafa dim abe alesi wòtsɔ ɖe le eme na wo esime wònɔ anyigba dzi ƒe geɖe siwo va yi ene. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, eyae gakpɔtɔ nye eƒe alẽwo Kplɔla. Ne míedze eyome la, akpe ɖe mía ŋu be míaƒe dzi nadze eme, esi ƒe akpa aɖe enye kakaɖedzi si míatsɔ anɔ mɔ kpɔm na etsɔme si me ŋutifafa blibo anɔ—si afia be ŋutasesẽ, aʋawɔwɔ, kple nuvlowɔwɔ hã manɔ anyi o.

Eɖea vi geɖe na mí vavã ne míeva nya hexɔe se be Yehowa ato Yesu dzi akpe ɖe mía ŋu. Ðo ŋku Vania, amesi dzi agbanɔamedzi kpekpewo nɔ esi wònye ɖetugbivi dzaa ko eye wòsusu be Mawu ŋlɔ ye be la dzi. Fifia Vania nya be Mawu megblẽ ye ɖi o. Egblɔ be: “Mesrɔ̃e be Mawu nye ame ŋutɔŋutɔ si si nɔnɔme dzeameŋuwo le. Lɔlɔ̃ si le esi ʋãe be wòdɔ Via ɖo ɖe anyigba dzi be wòava na agbe mí. Nya sia nyanya le vevie.”

Marcelo gblɔ kakaɖedzitɔe be ye kple Mawu dome ƒomedodo nye nu ŋutɔŋutɔ. Amesia si nye kplɔ̃ɖoƒedela tsã la gblɔ be: “Zi geɖe la, sɔhɛwo menyaa nusi woawɔ o, eye ɖeko wowɔa nuvevi wo ɖokui mlɔeba. Wo dometɔ aɖewo ƒo wo ɖokui ɖe atikevɔ̃ɖiwo zazã me, abe alesi mewɔe ene. Mele mɔ kpɔm be woayra wo dometɔ geɖe, abe alesi woyram ene, to Mawu kple Via ŋuti nyateƒea sɔsrɔ̃ dzi.”

Vania kple Marcelo to Biblia sɔsrɔ̃ nyuie me tu xɔse sẽŋu ɖo ɖe Mawu me eye wova ka ɖe alesi wòlɔ̃ faa be yeakpe ɖe wo ŋu woakpɔ woƒe kuxiwo gbɔe dzi. Ne míewɔ nu abe alesi wowɔe ene—ne míesrɔ̃ Biblia hetsɔ nusiwo wògblɔ wɔ dɔe—la, míaƒe dzi adze eme geɖe ŋutɔ abe alesi woawo hã ƒe dzi dze eme ene. Ekema apostolo Paulo ƒe dzideƒonyawo ava eme na míawo hã be: “Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nusianu me la mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe na Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo, eye mitsɔ akpedada kpe ɖe eŋuti. Eye Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu adzra wo ɖo le Kristo Yesu me.”—Filipitɔwo 4:6, 7.

Keke Ðe Ŋutifafa Vavã Ŋu Egbea

Yesu Kristo le mɔ fiam amesiwo nyateƒea ƒe dɔ le wuwum to mɔ si kplɔa ame yia agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba dzi paradiso me dzi. Esi wòle mɔ fiam wo ɖo ta Mawu ƒe tadedeagu dzadzɛa gbɔ la, wokpɔa ŋutifafa si ɖi esi woɖɔ le Biblia me be: “Nye dukɔ anɔ ŋutifafa teƒe kple dziɖeɖi teƒewo kpakple ablɔɖe gbɔɖemeƒewo.” (Yesaya 32:18) Eye ema nye ŋutifafa si woava kpɔ le etsɔme ƒe sue aɖe ko. Míexlẽ be: “Ame ɖihiãwo anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti. Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.”—Psalmo 37:11, 29.

Ekema ɖe míaƒe dzi ate ŋu adze eme egbea? Ẽ. Gakpe ɖe eŋu la, kakaɖedzi ate ŋu anɔ mía si be le etsɔ si gbɔna kpuie me la, Mawu atsɔ ŋutifafa si tɔgbe menɔ anyi kpɔ o la ayra ameƒomea me tɔ toɖolawoe. Ekema nukata màbiae le gbedodoɖa me be wòana eƒe ŋutifafa wò o? Ne kuxiwo le ŋuwò si wɔe be ŋutifafa bu ɖe wò la, do gbe ɖa abe alesi Fia Dawid doe ɖa ene be: “Nye dzimexaxawo do gã ɖe dzi, ɖem tso nye hiãwo me! Kpɔ nye nuxaxa kple nye hiã ɖa, eye natsɔ nye nuvɔ̃wo katã kem!” (Psalmo 25:17, 18) Kakaɖedzi nenɔ asiwò be Mawu ɖoa to gbedodoɖa siawo ƒomevi. Ekea eƒe asi me henaa ŋutifafa amesiwo katã dinɛ tso dzi anukwaretɔ me. Wona kakaɖedzi mí lɔlɔ̃tɔe be: “Yehowa tsɔ ɖe amesiwo katã yɔnɛ, amesiwo katã yɔnɛ le nyateƒe me la gbɔ. Ewɔa amesiwo katã vɔ̃nɛ la, ƒe didi dzi na wo, esea woƒe ɣli, eye wòxɔna na wo.”—Psalmo 145:18, 19.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 5]

Nunya alo etsɔmenyanya ƒe ŋutete mele amegbetɔ si be wòaɖu eɖokui dzi kpekpeɖeŋu manɔmee o, Mawu gbɔ koe kpekpeɖeŋu si ko ŋu asixɔxɔ ŋutɔŋutɔ le la tsona

[Nya si ɖe dzesi si le axa 6]

Mawu kple Yesu Kristo ŋuti sidzedze ate ŋu ana be ƒomedodo kplikplikpli si akpe ɖe mía ŋu be míakpɔ tomefafa nanɔ mía kple Yehowa Mawu dome

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi wɔwɔ wɔnɛ be ŋutifafa nɔa ƒomegbenɔnɔ me