Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mawu Fiaɖuƒea—Anyigba Ƒe Dziɖuɖu Yeye la

Mawu Fiaɖuƒea—Anyigba Ƒe Dziɖuɖu Yeye la

Mawu Fiaɖuƒea—Anyigba Ƒe Dziɖuɖu Yeye la

“[Fiaɖuƒea] . . . agbã fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.”—DANIEL 2:44.

1. Kakaɖedzi kae ate ŋu anɔ mía si ɖe Biblia ŋu?

BIBLIA me nyawo nye ɖeɖefia si Mawu tsɔ na amegbetɔwo. Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Esime miexɔ mawunya, si miese le mía nu la, miexɔe abe amewo ƒe nya ene o, ke boŋ abe Mawu ƒe nya ene, abe alesi wònye Mawu ƒe nya vavã . . . ene.” (Tesalonikatɔwo I, 2:13) Nusiwo hiã be míanya tso Mawu ŋu la le Biblia me: nyatakaka siwo ku ɖe eƒe amenyenye, eƒe tameɖoɖowo, kple nusiwo wòdi tso mía si ŋuti. Aɖaŋuɖoɖo nyuitɔ kekeakewo le eme ku ɖe ƒomegbenɔnɔ kple gbesiagbegbenɔnɔ ŋu. Egblɔ nya siwo va eme va yi, esiwo le eme vam fifia, kple esiwo gbɔna eme va ge le etsɔme ɖi tsitotsito. Ẽ, “Ŋɔŋlɔ sia ŋɔŋlɔ, si tso Mawu ƒe [gbɔgbɔ] me la, enyo hã na nufiafia, na mokaka, na ɖɔɖɔɖo, na amehehe, si le dzɔdzɔenyenye me, bene Mawu ƒe ame la nade blibo, eye wòanɔ dzadzraɖoɖi hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.”—Timoteo II, 3:16, 17.

2. Aleke Yesu te gbe ɖe Biblia ƒe tanya dzii?

2 Nu vevitɔ kekeake si le Biblia mee nye eƒe tanya: Mawu ƒe dziɖulanyenye (eƒe dzedze be wòaɖu dzi) taʋiʋli to eƒe Dziƒofiaɖuƒea dzi. Emae nye nusi dzi Yesu ƒe susu nɔ le eƒe subɔsubɔdɔa me. “Yesu de asi gbeƒãɖeɖe me le gbɔgblɔm bena: Mitrɔ le miaƒe dzi me, elabena dziƒofiaɖuƒe la ɖo vɔ!” (Mateo 4:17) Egblɔ akpa si wòle be wòanɔ le míaƒe agbenɔnɔ me esi wòxlɔ̃ nu be: “Midi mawufiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã.” (Mateo 6:33) Egana eƒe vevienyenye dze esime wòfia eyomedzelawo be woado gbe ɖa na Mawu be: “Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene!”—Mateo 6:10.

Anyigba ƒe Dziɖuɖu Yeye

3. Nukatae Mawu ƒe Fiaɖuƒea le vevie na mí alea gbegbe?

3 Nukatae Mawu ƒe Fiaɖuƒea le vevie na amegbetɔwo nenema gbegbe? Le esi madidi o wòaɖe afɔ si atrɔ anyigba ƒe dziɖuɖu tegbetegbe tae. Nyagblɔɖi si le Daniel 2:44 gblɔ be: “Le fia mawo [esiwo le dzi ɖum le anyigba dzi fifia] ŋɔli la dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe [si anye dziɖuɖu le dziƒo] anyi, si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o, eye eƒe fiaɖuƒe mayi ɖe dukɔ bubu aɖeke si me o; agbã fiaɖuƒe mawo [anyigba dzi dziɖuɖuwo] katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.” Ne Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒea te dziɖuɖu keŋkeŋ la, amegbetɔ magakpɔ ŋusẽ ɖe anyigba dzi akpɔ gbeɖe o. Amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu si me mama nɔna eye menaa amewo ƒe dzi dzea eme o azu gbaɖegbenya tegbee.

4, 5. (a) Nukatae Yesu nye amesi dze wu amesiame be wòanye Fiaɖuƒea ƒe Fia? (b) Dɔdasi kae Yesu awɔ le etsɔme kpuie?

4 Dziƒofiaɖuƒea ƒe Dziɖula Gã si le Yehowa ƒe mɔfiafia te tututue nye amesi dze wu amesiame—eyae nye Kristo Yesu. Hafi wòava anyigba dzi la, enye Mawu ƒe “dɔnunɔla” le dziƒo, eye wònye Mawu ƒe nuwɔwɔwo ƒe gbãtɔ. (Lododowo 8:22-31) “Amesi nye Mawu makpɔmakpɔ ƒe nɔnɔme kple nuwɔwɔwo katã ƒe ŋgɔgbevi la. Elabena wowɔ nuwo katã le eya ke me, nusiwo le dziƒowo kple nusiwo le anyigba dzi.” (Kolosetɔwo 1:15, 16) Eye esi Mawu dɔ Yesu ɖe anyigba dzi la, Mawu ƒe lɔlɔ̃nue wòwɔ ɣesiaɣi. Edo dzi to dodokpɔ sesẽtɔ kekeakewo me hewɔ nuteƒe na Fofoa vaseɖe ku me.—Yohanes 4:34; 15:10.

5 Le alesi Yesu wɔ nuteƒe na Mawu vaseɖe ku me ke ta la, woɖo eteƒe nɛ. Mawu fɔe ɖe tsitre yi dziƒo eye wòna gomee be wòanye Dziƒofiaɖuƒea ƒe Fia. (Dɔwɔwɔwo 2:32-36) Esi Kristo Yesu nye Fiaɖuƒea ƒe Fia ta la, Mawu ade dɔ dziŋɔ aɖe asi nɛ be wòakplɔ gbɔgbɔmenuwɔwɔ sesẽwo ƒe ha gã aɖe be woaɖe amegbetɔ ƒe dziɖuɖuwo ɖa le anyigba dzi ahaɖe nuvɔ̃ɖiwɔwɔ ɖa le míaƒe xexeame. (Lododowo 2:21, 22; Tesalonikatɔwo II, 1:6-9; Nyaɖeɖefia 19:11-21; 20:1-3) Ekema Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒe si le Kristo tee anye dziɖuŋusẽ yeyea, si anye dziɖuɖu ɖeka kolia si aɖu anyigba bliboa dzi.—Nyaɖeɖefia 11:15.

6. Dziɖuɖu ka ƒomevie míate ŋu akpɔ mɔ na tso Fiaɖuƒea ƒe Fia gbɔ?

6 Mawu ƒe Nya gblɔ le anyigba ƒe Dziɖula yeyea ŋu be: “Wotsɔ ŋusẽ, bubu kple dziɖuɖu nɛ, eye dukɔwo katã, anyigba dzi dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo subɔe.” (Daniel 7:14) Le esi Yesu aɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ afia ta la, ŋutifafa kple dzidzɔ si anɔ eƒe dziɖuɖua me asɔ gbɔ ale gbegbe. (Mateo 5:5; Yohanes 3:16; Yohanes I, 4:7-10) “Eƒe dziɖuɖu [akeke] ta, eye seɖoƒe manɔe na ŋutifafa . . . o, ne wòafɔe ɖe te, eye wòatsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe ali kee.” (Yesaya 9:6) Yayra ka gbegbee nye si wòanye be míakpɔ Dziɖula si aɖu dzi le lɔlɔ̃, ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃, kple dzɔdzɔenyenye me! Eyatae Petro II, 3:13 gblɔ ɖi be: “Míele dziƒo yeye [Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒea] kple anyigba yeye [anyigbadzinɔla yeyewo], siwo me dzɔdzɔenyenye anɔ la, lalam le eƒe ŋugbedodo la nu.”

7. Aleke Mateo 24:14 le eme vam egbeae?

7 Ðikeke mele eme o be Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋu nyae nye nyuitɔ kekeake na amesiwo katã lɔ̃ nu nyui. Susu ma tae nusi Yesu gblɔ ɖi be anye nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia si me míele fifia ƒe “ŋkeke mamlɛawo” ƒe dzesi ƒe akpa aɖee nye be: “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu aɖo.” (Timoteo II, 3:1-5; Mateo 24:14) Nyagblɔɖi ma le eme vam fifia, esi Yehowa Ðasefo siwo anɔ miliɔn ade le anyigba 234 dzi le gaƒoƒo biliɔn ɖeka kple edzivɔ zãm ƒe sia ƒe tsɔ le Mawu Fiaɖuƒea ŋu nya gblɔm na amewo. Esɔ be woyɔa woƒe hame siwo gogo 90,000 le xexeame godoo ƒe tadeaguƒe ɖesiaɖe be Fiaɖuƒe Akpata. Amewo vaa afima va srɔ̃a nu tsoa dziɖuɖu yeye si gbɔna ŋu.

Hati Dziɖulawo

8, 9. (a) Afikae Kristo hati dziɖulawo tso? (b) Kakaɖedzi kae ate ŋu anɔ mía si le Fia la kple ehati dziɖulawo ŋu?

8 Hati dziɖulawo anɔ Kristo Yesu ŋu le Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒea me. Nyaɖeɖefia 14:1-4 gblɔ ɖi be ‘woaƒle ame 144,000 tso ameƒomea dome’ eye woafɔ wo ɖe tsitre ayi dziƒogbenɔnɔ me. Amesiawo nye ŋutsu kple nyɔnu siwo, le esi teƒe be woasubɔ wo la, woawo boŋ subɔ Mawu kple wo havi amegbetɔwo. “Woanye Mawu kple Kristo ƒe nunɔlawo, eye woaɖu fia kplii ƒe akpe ɖeka.” (Nyaɖeɖefia 20:6) Woƒe xexlẽme le ʋɛ wu “ameha gã, si ame aɖeke mete ŋu xlẽ o [siwo] tso dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple du sia du kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me,” amesiwo atsi agbe le nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu. Amesiawo hã tsɔa ‘subɔsubɔ kɔkɔe naa Mawu zã kple keli,’ gake dziƒoyiyi ƒe mɔkpɔkpɔ mele wo si o. (Nyaɖeɖefia 7:9, 15) Woawoe nye Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒea tevi siwo woatsɔ adze anyigba yeyea gɔmee.—Psalmo 37:29; Yohanes 10:16.

9 Le amesiwo aɖu fia kple Kristo le dziƒo tiatia me la, Yehowa tia amegbetɔ nuteƒewɔla siwo to agbemekuxiwo katã me kpɔ. Naneke kura meli si me amewo to eye fia nunɔla siawo hã meto eme kpɔ o. Eyata woƒe agbenɔnɔ le anyigba dzi ana woate ŋu aɖu amegbetɔwo dzi nyuie wu. Yesu ŋutɔ gɔ̃ hã ‘srɔ̃ toɖoɖo le fu siwo wòkpe me.’ (Hebritɔwo 5:8) Apostolo Paulo gblɔ le eŋu be: “Menye nunɔlagã, si mate ŋu anya míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo na mí o lae le mía si o, ke boŋ enye amesi wote kpɔ le nuwo katã me, abe míawo ke ene, negbe nuvɔ̃ koe mele eŋu o.” (Hebritɔwo 4:15) Aleke gbegbe wòfaa akɔ na amee nye si be woanya be le Mawu ƒe xexe yeye dzɔdzɔea me la, fia kple nunɔla lɔ̃ame veveseɖeamenulawoe aɖu fia!

Ðe Fiaɖuƒea Nɔ Mawu ƒe Tameɖoɖo Mea?

10. Nukatae Dziƒofiaɖuƒea menɔ Mawu ƒe tameɖoɖo me le gɔmedzedzea me o?

10 Ðe Dziƒofiaɖuƒea nye tameɖoɖo si nɔ Mawu si le gɔmedzedze me ƒe akpa aɖe esime wòwɔ Adam kple Xawaa? Le xexemewɔwɔ ŋutinya si le Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔa me nu la, womegblɔ naneke tso Fiaɖuƒe aɖeke ŋu be ava ɖu ameƒomea dzi o. Yehowa ŋutɔe nye woƒe Dziɖula, eye zi alesi woyi edzi ɖo toe ko la, dziɖuɖu bubu aɖeke mahiã o. Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ta 1 ɖee fia be Yehowa wɔa nu kple Adam kpakple Xawa, eye anye Via si le dziƒo, si nye eƒe ŋgɔgbevi, dzie wòtona. Nuŋlɔɖia zã nyagbewo abe “Mawu gblɔ na wo bena” kple “Mawu gblɔ be” ale kple ale na wo.—Mose I, 1:28, 29; Yohanes 1:1.

11. Aleke ameƒomea dze agbe gɔme le blibodede mee?

11 Biblia gblɔ be: “Mawu kpɔ nusiwo katã wòwɔ la, eye kpɔ ɖa, wonyo ŋutɔ.” (Mose I, 1:31) Nusianu si nɔ Eden-bɔa me de blibo le go sia go me. Paradiso mee Adam kple Xawa nɔ. Woƒe susu kple ŋutilã de blibo. Wote ŋu ƒoa nu kple wo Wɔla eye eya hã ƒoa nu na wo. Eye ne woyi edzi wɔ nuteƒe la, woadzi vi deblibowo. Anye ne dziƒodziɖuɖu yeye aɖeke mahiã o.

12, 13. Ne ameƒome debliboa le agbɔ sɔm ɖe edzi la, nukatae anye ne Mawu agate ŋu aƒo nu kpli wo kokoko?

12 Ne amegbetɔƒomea te agbɔsɔsɔ ɖe edzi la, aleke Mawu aƒo nu kpli woe? Bu ɣletivi siwo le dziƒo ŋu kpɔ. Woƒo wo nu ƒu ɖe hatsotso gãwo me woyɔna be ɣletivihatsotsowo. Ɣletivi biliɔn ɖekae le ɣletivihatsotso aɖewo me. Woanɔ triliɔn ɖeka le bubuwo me. Eye dzɔdzɔmeŋutinunyalawo bu akɔnta be ɣletivihatsotso siwo le dziŋgɔli si míekpɔna me la anɔ biliɔn 100! Ke hã Wɔla la gblɔ be: “Mifɔ mo dzi, ne miakpɔ nu! Ameka wɔ nusiawo, eye wòkplɔa eŋu nuwo doa goe dedie? Eyɔa wo katã ŋkɔ, eye wo dometɔ aɖeke mesusɔna o le eƒe ŋusẽ geɖe kple alɔkame sesẽ la nu.”—Yesaya 40:26.

13 Esi Mawu ate ŋu anya nu tso dziƒonu siawo katã ŋu ɖekaɖeka ta la, ɖikeke mele eme o be ate ŋu anya nu tso amegbetɔ siwo ƒe agbɔsɔsɔ le ʋɛ wu la ŋu. Fifi laa kura gɔ̃ hã la, esubɔla miliɔn geɖe doa gbe ɖa nɛ gbesiagbe. Gbedodoɖa mawo ɖoa Mawu gbɔ enumake. Eyata anye ne nuƒoƒo kple amegbetɔ deblibowo katã manye kuxi aɖeke nɛ o. Anye ne Dziƒodziɖuɖu aɖeke mahiãe be wòato edzi anya nu tso wo ŋu o. Ðoɖo wɔnuku ka gbegbee nye si—be Yehowa nanye Dziɖula, be míaƒo nu kplii tẽ, eye mɔnukpɔkpɔ nanɔ anyi be míaku akpɔ gbeɖe o, míanɔ agbe tegbee le paradisonyigba dzi!

‘Mele Amegbetɔ Si Me O’

14. Nukatae Yehowa ƒe dziɖuɖu ahiã amegbetɔwo tegbetegbe?

14 Gake amegbetɔwo—esiwo de blibo gɔ̃ hã—ahiã Yehowa ƒe dziɖuɖu yiɖase mavɔmavɔ me. Nukatae? Elabena Yehowa mewɔ wo be woate ŋu anɔ wo ɖokui si wòadze edzi eƒe dziɖuɖu manɔmee o. Ema nye dzɔdzɔmese aɖe si le amegbetɔƒomea ŋu, abe alesi nyagblɔɖila Yeremya ʋu emee ene be: “Yehowa, menyae be, amegbetɔ ƒe mɔ kple ŋutsu ƒe zɔzɔme la menye eya ŋutɔ si me wòle, ne eƒe azɔlime nato mɔ ɖeka o. Yehowa, [ɖɔm ɖo].” (Yeremya 10:23, 24) Anye bometsitsi ne amegbetɔwo asusu be yewoate ŋu akplɔ ameƒomea Yehowa ƒe dziɖuɖu manɔmee wòadze edzi. Atsi tre ɖe alesi wowɔ woe ŋu. Nusiwo ado tso eme godoo ne wole wo ɖokui si eye Yehowa mele wo dzi ɖum o enye ɖokuitɔdidi, fuléle, anyrawɔwɔ, ʋunyaʋunyawɔwɔ, aʋawɔwɔwo, kple ku. ‘Amegbetɔ aɖu nɔvia amegbetɔ dzi awɔ nuvevii.’—Nyagblɔla 8:9.

15. Nukawoe do tso tiatia gbegblẽ si mía dzila gbãtɔwo wɔ me?

15 Nublanuitɔe la, mía dzila gbãtɔwo tso nya me be yewomehiã Mawu be wòanye yewoƒe Dziɖula o, eye wotiae be yewoanɔ yewo ɖokui si eya manɔmee. Ewɔe be Mawu megalé wo ɖe te le blibodede me o. Ðeko wova le azɔ abe elɛktrikmɔ̃ aɖe si ƒe ka woɖe le eƒe ŋusẽxɔƒe ŋu ene. Eyata ne ɣeyiɣi va le yiyim la, woanɔ tɔtɔm ʋɛʋɛʋɛ ahatɔ te—woaku. Wova zu abe dɔwɔnu gbegblẽ si dzi woakpɔ awɔ bubuwoe ene, eye nɔnɔme mae woɖe ɖe woƒe dzidzimeviwo katã ŋu. (Romatɔwo 5:12) “Agakpe [Yehowa nye], eƒe nuwɔwɔ de blibo; elabena eƒe mɔwo katã dzɔ. . . . Wowɔ nu tovo ɖe eŋu, ŋukpenanu wonye, eye womenye viawo o.” (Mose V, 32:4, 5) Nyateƒe wònye be gbɔgbɔmenuwɔwɔ dzeaglã si va zu Satanae flu Adam kple Xawa, gake susu debliboe nɔ wo si eye anye ne woate ŋu agbe eƒe susu gbegblẽawo hafi.—Mose I, 3:1-19; Yakobo 4:7.

16. Aleke ŋutinya me nudzɔdzɔwo ɖo kpe nusiwo dona tsoa ɖokuisinɔnɔ tso Mawu gbɔ me dzi?

16 Ŋutinya me nudzɔdzɔ gbogbo aɖewo ɖo kpe nusi dona tsoa ɖokuisinɔnɔ tso Mawu gbɔ me dzi. Ƒe akpe geɖe enye sia la, amewo te amegbetɔ ƒe dziɖuɖu ƒomevi ɖesiaɖe kpɔ, eye wote ganyaɖoɖowo kple hadomeɖoɖo ƒomevi ɖesiaɖe kpɔ. Ke hã nuvɔ̃ɖiwɔwɔ kpɔtɔ ‘le dzidzim ɖe edzi vɔ̃ɖitɔe.’ (Timoteo II, 3:13) Ƒe alafa 20 lia ɖo kpe edzi. Eyɔ fũ kple fuléle kaɖikaɖi kpakple ʋunyaʋunyawɔwɔ, aʋawɔwɔwo, dɔwuame, koɖoɖo, kple fukpekpe si vɔ̃ɖi wu ɖesiaɖe le ŋutinya me. Eye ŋgɔyiyi ka kee wowɔ le atikenyawo me o, amesiame ava ku ɣeaɖeɣi godoo. (Nyagblɔla 9:5, 10) Esi amegbetɔwo le agbagba dzem be yewoafia mɔ yewo ɖokui ta la, wova ge ɖe Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo si me, ale gbegbe be Biblia yɔ Satana be “xexe sia me mawu.”—Korintotɔwo II, 4:4.

Tiatiawɔblɔɖe ƒe Nunana La

17. Aleke wòle be woawɔ tiatiawɔblɔɖe si Mawu na la ŋudɔe?

17 Nukatae wòle be Yehowa naɖe mɔ na amegbetɔwo be woatso nya me na wo ɖokui? Le esi wòwɔ wo kple tiatiawɔblɔɖe ƒe nunana nyui la tae, enye tiatiawɔwɔ ƒe ŋutete si le wo si. Apostolo Paulo gblɔ be: ‘Afisi Yehowa ƒe gbɔgbɔ le la, afima ablɔɖe le.’ (Korintotɔwo II, 3:17) Ame aɖeke medi be yeanye mɔ̃ aɖe ko, ale be ame bubu naɖo nusi yeagblɔ alo nusi yeawɔ le ŋkekea ƒe aɖabaƒoƒo ɖesiaɖe me na ye o. Gake ɖe Yehowa di tso amegbetɔwo si be woawɔ tiatiawɔblɔɖe ƒe nunanaa ŋudɔ ŋuɖɔɖotɔe, eye woadze sii be nunya anɔ eme be yewoawɔ yeƒe lɔlɔ̃nu akpɔtɔ anɔ ye te hafi. (Galatiatɔwo 5:13) Eyata meɖo be ablɔɖea nanye ablɔɖe seɖoƒe manɔŋui o, elabena ema ana nuwo mayi le ɖoɖo nu o. Ðe woɖoe be woawɔ ablɔɖea ŋudɔ le se nyui siwo Mawu de nu.

18. Nukae Mawu ɖe fia le alesi wòɖe mɔ amegbetɔ wɔ tiatiawɔblɔɖe ŋudɔe gome?

18 Le alesi Mawu ɖe mɔ amegbetɔƒomea wɔ nusi dze wo ŋu ta la, eɖee fia zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu be míehiã eƒe dziɖuɖu. Alesi wòɖua dzii, eƒe dziɖulanyenye, koe nye nyuitɔ. Ewɔnɛ be amewo kpɔa dzidzɔ, dzidzeme, kple nudzedziname geɖe. Nusitae nye be ɖe Yehowa wɔ míaƒe susu kple ametia be woawɔ dɔ nyuie ne wole ɖekawɔwɔ me kple yeƒe sewo. “Nye Yehowa, wò Mawu, enye amesi fia nusi nyo na wò la wò, nyee akplɔ wò to mɔ, si dzi nato.” (Yesaya 48:17) Tiatiawɔblɔɖe ŋudɔwɔwɔ le Mawu ƒe sewo nu manye agba o ke boŋ awɔe be nuɖuɖu, aƒewo, aɖaŋunuwɔna, kple hadzidzi vivi ƒomevi vovovo nanɔ anyi. Ne ɖe wowɔ tiatiawɔblɔɖe ŋudɔ nyuie la, anye ne agbenɔnɔ le paradisonyigba dzi avivi ahalé dzi na ame ɖaa.

19. Ðoɖo ka dzi tom Mawu le gale amegbetɔwo xɔm va eɖokui gbɔe?

19 Gake le tiatia gbegblẽ si amegbetɔwo wɔ ta la, wote ɖe aga tso Yehowa gbɔ, wova zu ame madeblibowo, wogbɔdzɔna, eye wokuna. Eyata ahiã be woaɖe wo tso nɔnɔme wɔnublanui ma me be ƒomedodo nyui nagava nɔ wo kple Mawu dome bene woanye viaŋutsuwo kple vianyɔnuwo. Fiaɖuƒea dzie Mawu ɖo be yeawɔ nusia atoe, eye Ðela lae nye Yesu Kristo. (Yohanes 3:16) To ɖoɖo sia dzi la, woadzra amesiwo trɔ dzime vavã kpakple Mawu dome ɖo—abe vi nudomegblẽla si le Yesu ƒe kpɔɖeŋua me ene—eye woagaxɔ wo woanye viawo.—Luka 15:11-24; Romatɔwo 8:21; Korintotɔwo II, 6:18.

20. Aleke Mawu ƒe tameɖoɖo ava eme to Fiaɖuƒea dzi?

20 Godoo la, Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu ava eme le anyigba dzi. (Yesaya 14:24, 27; 55:11) Mawu ato Fiaɖuƒe si le Kristo si me dzi aʋli (alo aɖo kpe) mɔ si wòkpɔ anye míaƒe Dziɖulagã ta. Fiaɖuƒea atɔ te amegbetɔwo kple gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe dziɖuɖu ɖe anyigbaa dzi, eye eya ɖeka koe aɖu dzi tso dziƒo ƒe akpe ɖeka. (Romatɔwo 16:20; Nyaɖeɖefia 20:1-6) Gake aleke woaɖe alesi Yehowa ƒe dziɖuɖu de ŋgɔ wu ɖesiaɖe afia ɣemaɣi? Eye ne ƒe akpe ɖeka la wu enu la, akpa kae Fiaɖuƒea awɔ? Nyati si kplɔe ɖo aɖo biabia siawo ŋu.

Numetotobiabiawo

• Nukae nye Biblia ƒe tanya?

• Amekawoe nye anyigba yeyea ƒe dziɖulawo?

• Nukatae amegbetɔ ƒe dziɖuɖu Mawu ƒe asi manɔmee madze edzi akpɔ o?

• Aleke wòle be woawɔ tiatiawɔblɔɖe ŋudɔe?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Yesu ƒe nufiafia te gbe ɖe edzi be Mawu aɖu fia to Fiaɖuƒea dzi

[Nɔnɔmetata siwo le axa 12]

Yehowa Ðasefowo na Fiaɖuƒea nye woƒe nufiafia vevitɔ le dukɔ ɖesiaɖe me

[Nɔnɔmetata siwo le axa 14]

Ŋutinya me nudzɔdzɔwo ɖo kpe nu vlo siwo dona tsoa ɖokuisinɔnɔ tso Mawu gbɔ me dzi

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

WWI soldiers: U.S. National Archives photo; concentration camp: Oświęcim Museum; child: UN PHOTO 186156/J. Isaac