Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nusi Mawu Ƒe Fiaɖuƒea awɔ

Nusi Mawu Ƒe Fiaɖuƒea awɔ

Nusi Mawu Ƒe Fiaɖuƒea awɔ

“Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene!”—MATEO 6:10.

1. Nukae adzɔ ne Mawu ƒe Fiaɖuƒea va?

ESI Yesu fia eyomedzelawo be woado gbe ɖa abia Mawu ƒe Fiaɖuƒea la, enya be eƒe vava ahe ƒe akpe geɖe si amegbetɔwo ɖu dzi Mawu manɔmee ava nuwuwui. Le ɣeyiɣi ma katã me la, womenɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm le anyigba katã dzi o. (Psalmo 147:19, 20) Gake esi woɖo Fiaɖuƒea anyi le dziƒo vɔ la, woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le afisiafi. Tɔtrɔɣi dziŋɔ si me Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒea axɔ ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu teƒe la le aƒe tum ŋutɔ.

2. Nukae adzɔ esime amegbetɔ dziɖuɖu ana mɔ Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu?

2 Ɣeyiɣi si ade dzesi tɔtrɔɣiae nye esi Yesu yɔ be “xaxa gã . . . [si] meva kpɔ tso xexeame ƒe gɔmedzedze vaseɖe egbegbe o, eye megale vava ge akpɔ o.” (Mateo 24:21) Biblia megblɔ ɣeyiɣi ƒe didime si ɣeyiɣi ma axɔ o, gake dzɔgbevɔ̃e siwo adzɔ le ɣeyiɣi ma me nu asẽ wu ɖesiaɖe si teƒe xexeame kpɔ kpɔ. Nane adzɔ le xaxa gã la ƒe gɔmedzedze si aʋuʋu ame geɖe vevie: anye alakpasubɔsubɔhawo katã tsɔtsrɔ̃. Ema maʋuʋu Yehowa Ðasefowo o, elabena wole mɔ kpɔm na nusia xoxoxo. (Nyaɖeɖefia 17:1, 15-17; 18:1-24) Xaxa gã la awu enu le Harmagedon me esime Mawu ƒe Fiaɖuƒea agbã Satana ƒe nuɖoanyi bliboa gudugudu.—Daniel 2:44; Nyaɖeɖefia 16:14, 16.

3. Aleke Yeremya ɖɔ nusi adzɔ ɖe ame maɖotowo dzii?

3 Nukae adzɔ ɖe “amesiwo menya Mawu o kple amesiwo meɖoa to” Dziƒofiaɖuƒe si le Kristo si me ŋuti “nyanyui la o” dzi? (Tesalonikatɔwo II, 1:6-9) Biblia ƒe nyagblɔɖi gblɔ be: “Kpɔ ɖa, dzɔgbevɔ̃e tso dukɔ gbɔ yi dukɔ gbɔ, eye wode zi ahom gã me le anyigba ƒe mlɔenu. Yehowa ƒe amesiwo wòwu le ŋkeke ma me la, woanɔ anyi tso anyigba ƒe mlɔenu ɖaseɖe anyigba ƒe mlɔenu; womafa na wo o, womaƒo wo nu ƒu o, eye womaɖi wo o, eye woazu aɖuɖɔ le agble me.”—Yeremya 25:32, 33.

Nuvɔ̃ɖiwɔwɔ ƒe Nuwuwu

4. Nukatae Yehowa tɔ dzɔ be wòatsrɔ̃ nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia?

4 Yehowa Mawu ɖe mɔ nuvɔ̃ɖiwɔwɔ li ƒe akpe geɖe, eteƒe didi ŋutɔ be dzinyuitɔwo nakpɔe be afɔkue amegbetɔ ƒe dziɖuɖu nye. Le kpɔɖeŋu me le nyatakaka aɖe ƒe nya nu la, ame miliɔn 150 kple edzivɔe ku le aʋawɔwɔwo, dziɖuɖu mumu ƒe tɔtrɔkpatawo, kple dukɔ me zitɔtɔ bubuwo me le ƒe alafa 20 lia ɖeɖeko me. Amegbetɔ ƒe ŋutasesẽ dze vevietɔ le Xexemeʋa II me esime amesiwo ade miliɔn 50 sɔŋ ku, eye Nazitɔwo ƒe fuwɔamesaɖawo mee wo dometɔ geɖe ku le ŋɔdzitɔe. Abe alesi Biblia gblɔe ɖi ene la, ‘ame vɔ̃ɖiwo kple ameblelawo le vovlom ɖe edzi’ le míaƒe ɣeyiɣia me. (Timoteo II, 3:1-5, 13) Egbea la, agbegbegblẽnɔnɔ, hlɔ̃dodo, ŋutasesẽ, nufitifitiwɔwɔ, kple bubumademade Mawu ƒe dzidzenuwo ŋu bɔ. Eyata Yehowa tɔ dzɔ bliboe be wòatsrɔ̃ nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia.

5, 6. Ƒo nu tso nuvɔ̃ɖiwɔwɔ si nɔ blema Kanaan ŋu.

5 Nɔnɔme si li fifia ɖi esi nɔ Kanaan ƒe 3,500 aɖewoe nye si va yi. Biblia gblɔ be: “Ŋunyɔnu, siwo katã Yehowa lé fui la, eya wowɔna na woƒe mawuwo; wotɔa dzo wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo gɔ̃ hã na woƒe mawuwo.” (Mose V, 12:31) Yehowa na Israel-dukɔa nya be: “Dukɔ sia ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ta Yehowa, wò Mawu, nyã wo ɖa le ŋgɔwò.” (Mose V, 9:5) Biblia ŋutinya nyala Henry H. Halley gblɔ be: “Baal, Astarte, kple Kanaan-mawu bubuwo subɔsubɔ nye ɖokuidzimaɖumaɖu ƒe aglotutu blibaa; woƒe gbedoxɔwo nye nu gbegblẽ wɔƒewo.”

6 Halley ɖe alesi gbegbe woƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi wu gbɔgblɔe fia, elabena le teƒe siawo ƒomevi geɖe la, blematomenukulawo “fɔ nugoe gbogbo aɖewo siwo me ɖevi siwo wotsɔ sa vɔe na Baal ƒe ŋutinuwo le.” Egblɔ be: “Teƒe bliboa ɖee fia be enye vidzĩwo ɖiƒe. . . . Enye Kanaanitɔwo ƒe subɔsubɔkɔnu be woanyrɔ wo ɖokui ɖe agbegbegblẽnɔnɔ me le woƒe mawuwo ŋgɔ; azɔ hã wowua woƒe ŋgɔgbeviwo tsɔ saa vɔe na mawu siawo ke. Edze abe le nu geɖe gome la, Kanaan-nyigba bliboa va zu dukɔ si le abe Sodom kple Gomora tɔgbe aɖe ene. . . . Ðe dukɔ ma si ƒe ŋunyɔnuwɔwɔ kple ŋutasesẽ ma gbegbe dze be wòanɔ anyia? . . . Ewɔa nuku na blematomenukula siwo kua Kanaan ƒe dudowo be Mawu metsrɔ̃ wo kaba do ŋgɔ na ema o.”

Anyigba la Dome Nyinyi

7, 8. Aleke Mawu adzra anyigbaa dzi ɖoe?

7 Abe alesi Mawu kɔ Kanaan ŋui ene la, eteƒe madidi o adzra anyigba bliboa dzi ɖo ahatsɔe na amesiwo wɔa eƒe lɔlɔ̃nu. “Nuteƒewɔlawo anɔ anyigba la dzi, eye ame maɖifɔwo asusɔ ɖe edzi; ke woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba dzi.” (Lododowo 2:21, 22) Eye hakpala gblɔ be: “Ekpɔtɔ vie ko ame vɔ̃ɖi la maganɔ anyi o . . . Ke ame ɖihiãwo anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.” (Psalmo 37:10, 11) Woaɖe Satana hã ɖa bene “wòagable dukɔwo o, halase esime ƒe akpe ɖeka la nu nava yi.” (Nyaɖeɖefia 20:1-3) Ẽ, “xexeame va yina kple eƒe nudzodzrowo; ke amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.”—Yohanes I, 2:17.

8 Esi Yesu nɔ mɔkpɔkpɔ nyui si li na amesiwo di be yewoanɔ anyigba dzi tegbee ŋu nya gblɔm kpuie la, egblɔ be: “Woayra amesiwo nye ame fafawo la; elabena woawoe anyi anyigba la ƒe dome.” (Mateo 5:5) Anye Psalmo 37:29 me nyawo dzie wònɔ susu hem yii, si gblɔ ɖi be: “Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.” Yesu nya be enye Yehowa ƒe tameɖoɖo be yeana dzinyuitɔwo nanɔ paradisonyigba dzi tegbee. Yehowa gblɔ be: “Nyee tsɔ nye ŋusẽ gã . . . wɔ anyigba, amegbetɔwo kple lãwo, siwo le anyigba dzi, eye amesi dze ŋunye la, metsɔnɛ na.”—Yeremya 27:5.

Xexeme Yeye Wɔnuku Aɖe

9. Xexeme ka ƒomevie Mawu Fiaɖuƒea aɖo anyi?

9 Le Harmagedon megbe la, Mawu ƒe Fiaɖuƒea ana “anyigba yeye” wɔnuku si me “dzɔdzɔenyenye anɔ” la naxɔ aƒe ɖi. (Petro II, 3:13) Gbɔdzɔe gã ka gbegbee nye si wòanye na amesiwo tsi agbe le Harmagedon me be woɖe nuɖoanyi vɔ̃ɖi sẽŋuta sia ɖa na yewo! Aleke gbegbe dzi adzɔ woe nye si be yewoge ɖe xexeme yeye dzɔdzɔe si le Dziƒofiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te, eye be yayra wɔnukuwo kple agbe mavɔ le yewo ŋgɔ!—Nyaɖeɖefia 7:9-17.

10. Nu vlo kawoe maganɔ anyi le Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɣi o?

10 Aʋawɔwɔ, hlɔ̃dodo, dɔwuame, alo lãlénuwo gɔ̃ hã magado ŋɔdzi na amewo azɔ o. “Mabla ŋutifafa ƒe nu kpli [nye amewo], eye matsrɔ̃ lã vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba dzi . . . Gbemeti atse ku, anyigba awɔ nu, eye woanɔ woƒe anyigba dzi aɖe dzi ɖi.” “Woatsɔ woƒe yiwo atu agblenuwoe, eye woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ gobɛwoe; dukɔ magatsɔ yi ɖe dukɔ ŋu azɔ o, eye womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ azɔ o. Eye wo dome amesiame abɔbɔ nɔ anyi ɖe eƒe weinka kple eƒe gboti te bɔkɔɔ.”—Xezekiel 34:25-28; Mixa 4:3, 4.

11. Nukatae míate ŋu aka ɖe edzi be ŋutilãmedɔlélewo nu ayi?

11 Woaɖe dɔléle, nuxaxa, kple ku gɔ̃ hã ɖa. “Duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o; wotsɔ vodada ke amesiwo le eme.” (Yesaya 33:24) “Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi. . . . Kpɔ ɖa, mewɔ nuwo katã yeye!” (Nyaɖeɖefia 21:4, 5) Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, eto ŋusẽ si Mawu nae dzi ɖee fia be yeate ŋu awɔ nusiawo. Gbɔgbɔ kɔkɔea kpe ɖe Yesu ŋu wòtsa le anyigbaa dzi nɔ dɔ yɔm xɔdrɔ̃wo henɔ gbe dam le dɔnɔwo ŋu.—Mateo 15:30, 31.

12. Mɔkpɔkpɔ kae li na ame kukuwo?

12 Yesu wɔ nusi yi ŋgɔ wu ema gɔ̃ hã. Efɔ ame kukuwo ɖe tsitre. Aleke ɖokuibɔbɔlawo wɔ nui? Esi wòfɔ nyɔnuvi si xɔ ƒe 12 ɖe tsitre la, edzilawo ‘lulu ŋutɔ.’ (Marko 5:42) Esia nye nusiwo Yesu awɔ le anyigba bliboa dzi le Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɣi ƒe kpɔɖeŋu bubu, elabena “tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.” (Dɔwɔwɔwo 24:15) Wò ya kpɔ alesi gbegbe amewo agli kple dzidzɔe ne wole ame kukuwo fɔm le hatsotsowo me eye wole ɖeka wɔm kple woƒe lɔlɔ̃tɔwo ɖa! Ðikeke mele eme o be nufiafiadɔ gã aɖe ayi edzi le Fiaɖuƒea ƒe dzikpɔkpɔ te be “sidzedze Yehowa [naxɔ] anyigba la dzi, abe alesi tsi yɔ atsiaƒu me ene.”—Yesaya 11:9.

Woaʋli Yehowa ƒe Dziɖulanyenye Ta

13. Aleke woaɖee afiae be Mawu ƒe fiaɖuɖue nye nyuitɔ?

13 Kaka Fiaɖuƒea ƒe ƒe akpe ɖeka dziɖuɖua nawu enu la, woana amegbetɔƒomea nagade blibo le susu kple ŋutilã me. Anyigba bliboa anye Eden-bɔ, paradiso. Ŋutifafa, dzidzɔkpɔkpɔ, dedienɔnɔ, kple ameƒome si dome lɔlɔ̃ le anɔ anyi. Womekpɔ nusia tɔgbe aɖeke teƒe kpɔ le amegbetɔ ƒe ŋutinya me do ŋgɔ na Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu o. Vovototo gã ka gbegbee nye si wòanye adze ƒã ɣemaɣi le amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu madodzidzɔname si nɔ anyi ƒe akpe geɖe do ŋgɔ kple Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu ƒe akpe ɖeka si nyo ŋutɔ la dome! Adze ƒã be Mawu ƒe fiaɖuɖu to eƒe Fiaɖuƒea dzi de ŋgɔ sasasã le go sia go me. Ke gome si le Mawu si be wòaɖu fia, eƒe dziɖulanyenye, tae nye ema woʋli keŋkeŋ.

14. Nukae adzɔ ɖe aglãdzelawo dzi ne ƒe akpe ɖeka la wu enu?

14 Le ƒe akpe ɖeka la ƒe nuwuwu la, Yehowa aɖe mɔ na amegbetɔ deblibowo be woawɔ woƒe tiatiawɔblɔɖe ŋudɔ atia amesi woadi be yewoasubɔ. Biblia fia be “woatu Satana le [eƒe gaxɔ] me.” Agadze agbagba be yeable amegbetɔwo, eye wo dometɔ aɖewo atiae be yewoanɔ yewo ɖokui si tso Mawu gbɔ. Be ‘xaxa nagado ta ɖa zi evelia o’ la, Yehowa atsrɔ̃ Satana, eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo, kple amesiwo katã adze aglã ɖe Yehowa ƒe dziɖulanyenye ŋu. Ame aɖeke mahe nya be womena mɔnukpɔkpɔ amegbetɔ siwo wotsrɔ̃ tegbee ɣemaɣi o alo be blibomademade gbɔe woƒe nugbegblẽwɔwɔa tso o. Ao, woanɔ abe ame deblibo Adam kple Xawa ene, amesiwo tiae be yewoadze aglã ɖe Yehowa ƒe dziɖuɖu dzɔdzɔea ŋu.—Nyaɖeɖefia 20:7-10; Naxum 1:9.

15. Ƒomedodo kae anɔ Yehowa kple edzidelawo dome?

15 Gake anɔ eme be ame akpa gãtɔ atiae be yewoade Yehowa ƒe dziɖulanyenye dzi. Esi wotsrɔ̃ aglãdzela ɖesiaɖe ta la, ame dzɔdzɔewoe anɔ tsitre ɖe Yehowa ŋkume, esi woto nuteƒewɔwɔ ƒe dodokpɔ mamlɛa me do ta. Emegbe Yehowa axɔ edzidela siawo woanye viaŋutsuwo kple vianyɔnuwo. Eyata woava nɔ ƒomedodo si nɔ Adam kple Xawa kpakple Mawu dome hafi wodze aglã la me. Ekema Romatɔwo 8:21 ava eme be: “Woaɖe nuwɔwɔ la ŋutɔ [amegbetɔƒomea] hã tso gbegblẽ ƒe kluvinyenye la me ayi ɖe mawuviwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe la me.” Nyagblɔɖila Yesaya gblɔ ɖi be: “[Mawu] ami ku saɖagatsi tegbee, eye Aƒetɔ Yehowa atutu aɖatsi ɖa le ŋkuwo katã me.”—Yesaya 25:8.

Agbe Mavɔ Mɔkpɔkpɔ La

16. Nukatae wòsɔ be míakpɔ mɔ na agbe mavɔ nɔnɔ ƒe teƒeɖoɖo?

16 Mɔkpɔkpɔ wɔnuku ka gbegbee nye si le nuteƒewɔlawo ŋgɔ, esi wonya be Mawu adudu gbɔgbɔ me yayrawo kple ŋutilãmetɔwo ɖe yewo dzi wòagbɔ eme tegbee! Esɔ be hakpala gblɔ be: “Èʋu wò asi me, eye nètsɔ nu gbagbewo katã ƒe nudidi [si sɔ] ɖi ƒo na woe.” (Psalmo 145:16) Yehowa le dzi dem ƒo na amesiwo anɔ anyigbadzinɔlawo dome be agbe nɔnɔ le Paradiso me ƒe mɔkpɔkpɔ sia nenɔ wo si wòanye woƒe ye dzixɔxɔse ƒe akpa aɖe. Togbɔ be Yehowa ƒe dziɖulanyenye ƒe nyaa le vevie wu hã la, medi tso amewo si be woasubɔ ye mɔkpɔkpɔ na teƒeɖoɖo aɖeke manɔmee o. Le Biblia katã me la, Mawu ƒe akpa dzi nɔnɔ kple agbe mavɔ mɔkpɔkpɔa nye Kristotɔwo ƒe Mawu dzixɔse ƒe akpa siwo zɔna aduadu. “Ele be, amesi ke tena va Mawu gbɔ la, naxɔ ase be, Mawu li, eye wònye teƒeɖola na amesiwo dinɛ vevie.”—Hebritɔwo 11:6.

17. Aleke Yesu ɖee fia be esɔ be míaƒe mɔkpɔkpɔa nalé mí ɖe tee?

17 Yesu gblɔ be: “Esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.” (Yohanes 17:3) Le afisia la, etsɔ Mawu kple eƒe tameɖoɖowo nyanya do ƒome kple teƒeɖoɖo si wokpɔna tsoa eme. Le kpɔɖeŋu me, esi nuvɔ̃wɔla aɖe bia be woaɖo ŋku ye dzi ne Yesu va ɖo eƒe Fiaɖuƒea me vɔ la, Yesu gblɔ be: ‘Ànɔ Paradiso la me kplim.’ (Luka 23:43) Megblɔ na ŋutsua be xɔse nenɔ esi ko, ne teƒeɖoɖo aɖeke mesu esi o gɔ̃ hã o. Enya be Yehowa di be agbe mavɔ nɔnɔ le paradisonyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔ nenɔ ye subɔlawo si be wòalé wo ɖe te ne wole go dom dodokpɔ vovovowo le xexe sia me. Eyata mɔ kpɔkpɔ na teƒeɖoɖoa nye kpekpeɖeŋunu vevi aɖe na Kristotɔ le dzidodo me.

Nusi Ava Dzɔ ɖe Fiaɖuƒea Dzi

18, 19. Nukae adzɔ ɖe Fia la kple Fiaɖuƒea dzi le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe nuwuwu?

18 Esi wònye be Fiaɖuƒea nye alɔdzedziɖuɖu si Yehowa zã wòna anyigba kple edzinɔlawo gade blibo hegawɔ ɖeka kplii ta la, wɔƒe kae li na Fia Yesu Kristo kpakple fia kple nunɔla 144,000 la le Ƒe Akpe Ðeka la megbe? “Emegbe la nuwuwu la ava, esime woatsɔ fiaɖuƒe la ade asi na Mawu Fofoa, esime wòava aɖe amegãnyenye katã kple ŋusẽ katã kple dziɖuɖu katã ɖa la. Elabena ele nɛ be, wòaɖu fia, halase esime woatsɔ eƒe futɔwo katã ade eƒe afɔ te.”—Korintotɔwo I, 15:24, 25.

19 Ne Kristo gbugbɔ Fiaɖuƒea na Mawu la, aleke wòle be míase ŋɔŋlɔawo gɔmee esi wògblɔ tso eŋu be anɔ anyi tegbee? Susuae nye be nusiwo Fiaɖuƒea awɔ la anɔ anyi tegbee. Woade bubu Kristo ŋu tegbee le akpa si wòwɔ le Mawu ƒe dziɖulanyenye taʋiʋli me ta. Gake esi woɖe nuvɔ̃ kple ku ɖa keŋkeŋ ɣemaɣi, eye ameƒomea kpɔ ɖeɖe xoxo ta la, alesi wòhiã be wòanye Ðela nu ayi. Fiaɖuƒea ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua hã awu enu keŋkeŋ; eyata magahiã be alɔdzedziɖuɖu aɖeke nanɔ Yehowa kple ameƒomea me tɔ toɖolawo dome o. Eyata ‘Mawu anye nusianu na amesiame.’—Korintotɔwo I, 15:28.

20. Aleke míawɔ anya nusi le etsɔme na Kristo kple ame 144,000 la?

20 Wɔƒe kae anɔ Kristo kple ehati dziɖulawo si ne Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua wu enu? Biblia megblɔe o. Ke hã míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ana subɔsubɔ mɔnukpɔkpɔ bubu geɖe wo le eƒe nuwɔwɔwo katã me. Neva eme be mí amesiwo katã li egbea míade Yehowa ƒe dziɖulanyenye dzi bene woana agbe mavɔ mí, ale be le etsɔme la, míanɔ agbe akpɔ nusi le Yehowa si na Fia la kple ehati fiawo kple nunɔlawo, kpakple na eƒe xexeme wɔnuku bliboa!

Numetotobiabiawo

• Dziɖuɖuwo ƒe tɔtrɔ kae míegogo vɔ?

• Aleke Mawu adrɔ̃ ʋɔnu ame vɔ̃ɖiwo kple ame dzɔdzɔewoe?

• Nɔnɔme kawoe anɔ xexe yeyea me?

• Aleke woaʋli Yehowa ƒe dziɖulanyenye ta keŋkeŋ?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 17]

“Tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa”

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Ƒomedodo nyui agava nɔ Yehowa kple nuteƒewɔlawo dome