Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dɔwɔwɔ le ‘Agblea Dzi’—Hafi Nuŋeɣia Naɖo

Dɔwɔwɔ le ‘Agblea Dzi’—Hafi Nuŋeɣia Naɖo

Dɔwɔwɔ le ‘Agblea Dzi’—Hafi Nuŋeɣia Naɖo

NUFIALA GÃ la ƒe nusrɔ̃lawo tsi yaa. Ðeko Yesu gblɔ ŋutinya kpui aɖe na wo tso lu kple gbe wuwluiwo ŋu teti koe nye ma. Enye lo geɖe siwo wòdo gbemagbe la dometɔ ɖeka. Esi wòwu lododoa nu la, eƒe nyaselawo dometɔ akpa gãtɔ dzo. Gake eyomedzelawo nya be gɔmesese aɖe kokoko anɔe na eƒe lododoawo—vevietɔ esi ku ɖe lu kple gbe wuwluiawo ŋu. Wonya be Yesu menye ŋutinya vivi gblɔla aɖe ko o.

Mateo ka nya ta be wobia be: “Ðe abɔ me gbe wuwluiawo ƒe lododoa gɔme na mí.” Yesu ɖe lododoa me, eye wògblɔ megbedede gã aɖe si ava amesiwo be yewonye eƒe nusrɔ̃lawo dome ɖi tsɔ ɖo biabia la ŋui. (Mateo 13:24-30, 36-38, 43) Nusia dzɔ, eye megbededea kaka kabakaba le apostolo Yohanes ƒe ku megbe. (Dɔwɔwɔwo 20:29, 30; Tesalonikatɔwo II, 2:6-12) Egblẽ nu yi ŋgɔ ale gbegbe be wòva dze nyuie be nya si Yesu bia, si woŋlɔ ɖe Luka 18:8, la sɔ ŋutɔ, be: “Ne Amegbetɔvi la va la, ɖe wòakpɔ xɔse la le anyigba la dzi mahã?”

Yesu ƒe vava ade dzesi Kristotɔ siwo le abe lu ene la ‘ŋeɣi’ ƒe gɔmedzedze. Emae anye ‘nuɖoanyiawo ƒe nuwuwu’ si dze egɔme le ƒe 1914 me ƒe dzesi. Eyata mele be wòawɔ nuku na mí be amewo va nɔ ɖe tsɔm le Biblia me nyateƒea me le ɣeyiɣi si do ŋgɔ na nuŋeɣia ƒe gɔmedzedze o.—Mateo 13:39.

Ŋutinyamenuŋlɔɖi me dzodzro ɖee fia be vevietɔ tso ƒe alafa 15 lia me gbɔna la, wonɔ amewo ƒe susu ʋãm le Kristodukɔa me tɔ gbogbo siwo nɔ abe “gbe wuwluiawo” ene, alo yeaɖi Kristotɔwo gɔ̃ hã, dome. Esi Biblia va nɔ bɔbɔm eye wonɔ Biblia me nyadigbalẽwo tam la, dzianukwaretɔ geɖe dze Ŋɔŋlɔawo me kuku ŋuɖɔɖotɔe gɔme.

Kekelia Me Kɔ Ðe Edzi

Amesiawo dometɔ ɖeka si nɔ anyi le ƒe alafa 19 lia ƒe gɔmedzedze mee nye Henry Grew (ƒe 1781-1862), si tso Birmingham, England. Esi wòxɔ ƒe 13 la, woa kple eƒe ƒomea ɖo meli tso Atlantik-ƒugã la yi United States, eye woɖo afima le July 8, 1795. Wova nɔ Providence, Rhode Island. Edzilawo ƒã lɔlɔ̃ na Biblia ɖe eme. Le ƒe 1807 me, esime Grew xɔ ƒe 25 la, wokpee be wòava zu Baptist-ha si le Hartford, Connecticut, la kplɔla.

Edo vevie le eƒe nufiafiadɔa me eye wòdze agbagba be yeakpe ɖe amesiwo le eƒe kpɔkplɔ te ŋu be woanɔ agbe wòawɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo. Gake exɔe se be mele be amesiwo ɖonɛ koŋ wɔa nuvɔ̃ nanɔ haa me o be ha la nanɔ dzadzɛ. Ɣeaɖewoɣi la, woa kple ŋgɔnɔla bubu siwo le haa me nyaa (ɖea) amesiwo wɔ matre alo ƒo wo ɖokui ɖe nuwɔna makɔmakɔ bubuwo me le haa me.

Kuxi bubuwo nɔ haa me siwo ɖe fu nɛ. Ŋutsu aɖewo siwo menye haa me tɔwo o lae kpɔa ha la ƒe dɔwo dzi eye wonɔa hadzilawo nu le sɔlemewɔɣiwo. Ŋutsu siawo hã kpɔa gome le ha la ƒe nyametsotso veviwo wɔwɔ me eye woto esia me kpɔ ŋusẽ aɖe ɖe haa ƒe dɔwɔnawo dzi. Grew nɔ te ɖe ameɖokuiɖeɖeɖa tso xexeame ƒe gɔmeɖosea dzi xɔe se vevie be haa me tɔ wɔnuteƒewo koe dze awɔ dɔ siawo. (Korintotɔwo II, 6:14-18; Yakobo 1:27) Ebui be enye busunu be dzimaxɔsetɔwo nadzi kafukafuhawo na Mawu. Nusiawo na be sɔlemeha la ɖe asi le Henry Grew ŋu le ƒe 1811 me. Sɔlemevi bubu siwo ƒe nukpɔsusu sɔ kple etɔ hã do le haa me le ɣeyiɣi ma ke me.

Dodo le Kristodukɔa Me

Ƒuƒoƒo sia me tɔwo si dome Henry Grew hã nɔ la te Biblia sɔsrɔ̃ kple susua be yewoana yewoƒe agbenɔnɔ kple dɔwɔnawo nasɔ ɖe eƒe aɖaŋuɖoɖo nu. Woƒe nusɔsrɔ̃a na wova se Biblia me nyateƒea me geɖe wu eye wòna woklo nu le Kristodukɔa ƒe vodadawo ŋu. Le kpɔɖeŋu me le ƒe 1824 me la, Grew ŋlɔ agbalẽ si ɖe nu me nyuie tsɔ tsi tre ɖe Mawuɖekaetɔ̃nufiafia ŋu. Kpɔ alesi susu le eƒe agbalẽa ƒe akpa sia mee ɖa: “‘Le ŋkeke ma alo gaƒoƒo ma ŋuti la ame aɖeke menyae o, mawudɔla, siwo le dziƒo, hã menyae o, Vi la ŋutɔ hã menyae o, negbe FOFO la ko.’ [Marko 13:32] De dzesi ɖoɖo si nu woɖo ame vovovoawo ɖo la. Ame, Mawudɔlawo, Vi, kple Fofo. . . . Míaƒe Aƒetɔ la fia nu mí be Fofo la koe nya ŋkeke ma. Gake esia manye nyateƒe o, ne abe alesi ame aɖewo gblɔna ene la, Fofo la, Nya la, kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nye ame etɔ̃ le Mawu ɖeka me; elabena le [nufiafia sia, Mawuɖekaetɔ̃nufiafia] nu la, . . . Vi la kple Fofoa nya nuwo sɔsɔe.”

Grew klo nu le osɔfowo ƒe alakpanuwɔwɔ kple aʋakplɔla siwo wɔa nu be yewole subɔsubɔdɔ wɔm na Kristo la dzi. Egblɔ le ƒe 1828 me be: “Ðe nya aɖe gatsi tre ɖe wo nɔewo ŋu wu esia be, Kristotɔ nado tso eƒe xɔgã me, afisi wòdo gbe ɖa ɖe eƒe futɔwo ta le, eye wòaɖe gbe na eƒe asrafowo be woaƒo woƒe amewunuwo ɖe futɔ mawo ke ƒe dzi ŋutasesẽtɔea? Le nuwɔna gbãtɔ me la, enye dzidzɔ be eɖi eƒe Aƒetɔ si ku la; gake amekae wòɖi le evelia me? Yesu do gbe ɖa ɖe amesiwo wui la ta. Kristotɔwo ya wua amesiwo ta wodoa gbe ɖa ɖo.”

Grew ŋlɔ nya siwo nu sẽ wu esia gɔ̃ hã be: “Ɣekaɣie míava xɔ Ŋusẽkatãtɔ si ka ɖe edzi na mí be ‘womate ŋu aɖo hehe ɖe ye ta o’ la dzi ase? Ɣekaɣie míava se subɔsubɔha kɔkɔe si bia tso mía si be míatsri ‘nusi me nuvɔ̃ dzena le’ gɔ̃ hã la ƒe nɔnɔme kple eƒe nu vevitɔwo gɔme? . . . Ðe menye vlododo yayratɔ la ƒe Vi be míabui be eƒe subɔsubɔha bia tso ame si be wòawɔ nu abe mawudɔla ene le nɔnɔme aɖe me, eye wòaɖe mɔ nɛ be wòava wɔ nu abe gbɔgbɔ vɔ̃ ene le nɔnɔme bubu me oa?”

Wometsɔ Agbe Mavɔ Dzi Amee O

Le ƒe siwo do ŋgɔ na radio kple television totovɛ me la, mɔ vevi si dzi ame tona gblɔa eƒe nukpɔsusu enye be wòaŋlɔ agbalẽviwo ama. Le ƒe 1835 me lɔƒo la, Grew ŋlɔ agbalẽvi vevi aɖe si klo nu le luʋɔ makumaku kple dzomavɔ ƒe nufiafiawo dzi be wometso Ŋɔŋlɔawo me o. Esee le eɖokui me be nufiafia siawo doa vlo Mawu.

Agbalẽvi sia va kpɔ ŋusẽ ɖe ame geɖe dzi. Le ƒe 1837 me la, George Storrs si xɔ ƒe 40 la kpɔ agbalẽvi siawo dometɔ ɖeka le keteke me. Storrs nye Lebanon, New Hampshire, tɔ, gake enɔ Utica, New York, ɣemaɣi.

Enye Methodist Bisiɔpwo ƒe Ha la ƒe osɔfo si ŋu wodea bubui ŋutɔ. Esi wòxlẽ agbalẽvia la, ewɔ nuku nɛ be wote ŋu gblɔ nya sesẽ mawo tsɔ tsi tre ɖe Kristodukɔa ƒe nufiafia siawo siwo eya ŋutɔ meke ɖii kpɔ o ŋu. Menya amesi ŋlɔe hã o, eye ƒe aɖewo megbe, si anye ƒe 1844 me, hafi wòdo go Henry Grew esime wo ame evea wonɔ Philadelphia le Pennsylvania. Gake Storrs ŋutɔ ku nya la me le eɖokui si ƒe etɔ̃ sɔŋ, eye osɔfo bubuwo ko wòƒoa nu tso nya sia ŋu na.

Mlɔeba esi ame aɖeke mete ŋu tsi tre ɖe nusiwo srɔ̃m George Storrs nɔ ŋu o ta la, etso nya me be yemate ŋu akpɔtɔ anɔ Methodist-ha la me awɔ nuteƒe na Mawu o. Edo le haa me le ƒe 1840 me eye wòʋu yi Albany, New York.

Le ƒe 1842 ƒe adame la, Storrs tsɔ kwasiɖa ade ƒo nuƒo ade siwo tsiã ɖe enu eye woƒe tanyae nye “Numekuku—Ðe Ame Vɔ̃ɖi Makumakuwo Lia?” Amewo tsɔ ɖe le nyaa me vevie ale gbegbe be etrɔ asi le eŋu hetae, eye le ƒe 40 siwo kplɔe ɖo me la, woma 200,000 le United States kple Great Britain. Storrs kple Grew wɔ ɖeka heʋli nya kple amewo tsi tre ɖe luʋɔ makumaku nufiafia ŋu. Grew yi edzi ɖe gbeƒã veviedodotɔe vaseɖe esime wòku le August 8, 1862, le Philadelphia.

Esi Storrs ƒo nuƒo ade siwo ŋu míeƒo nu tsoe fifi laa megbe la, eva kpɔ dzidzɔ ɖe William Miller, amesi nɔ mɔ kpɔm na Kristo ƒe tɔtrɔgbɔ si woakpɔ kple ŋku le ƒe 1843 me, ƒe gbeƒãɖeɖe ŋu. Anɔ ƒe eve la, Storrs nɔ gbeƒã ɖem gbedasi sia vevie le United States ƒe dzieheɣedzeƒenutoa katã me. Le ƒe 1844 megbe la, megaɖoa ɣeyiɣi aɖeke na Kristo ƒe tɔtrɔgbɔ o, ke hã metsia tre ɖe ame bubu siwo di be yewoaku ɣeyiɣikɔntabubu me kpɔ ŋu o. Storrs xɔe se be Kristo ƒe tɔtrɔgbɔ gogo eye be ele vevie be Kristotɔwo nanɔ ŋudzɔ ahanɔ mo xexi le gbɔgbɔ me, eye woanɔ klalo na kpɔkpɔɖaŋkeke la. Gake eva do le Miller ƒe ƒuƒoƒoa me elabena woxɔ nufiafia siwo metso Ŋɔŋlɔawo me o dzi se, siwo ƒe ɖewoe nye luʋɔ makumaku, dzotɔtɔ xexeame, eye be agbe mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔ aɖeke meli na amesiwo ku le numanyamanya me si o.

Nuka Gbɔe Lɔlɔ̃ na Mawu Akplɔ Ame Ayii?

Storrs gbe Adventisttɔwo ƒe nukpɔsusu si nye be nu ɖeka si ta Mawu afɔ ame vɔ̃ɖiwo ɖe tsitre ɖoe nye be wòagawu wo ake. Mete ŋu kpɔ Ŋɔŋlɔawo me kpeɖodzi aɖeke na Mawu ƒe hlɔ̃biabia alea si ŋu gɔmesese mele la o. Storrs kple eƒe zɔhɛwo hã va gblɔ esi gbɔ eme be womafɔ ame vɔ̃ɖiwo ɖe tsitre kura o. Togbɔ be esesẽna na wo be woaɖe mawunyakpukpui aɖewo siwo ƒo nu tso ame madzɔmadzɔwo ƒe tsitretsitsi ŋu me hã la, edze na wo be woƒe nyataƒoƒoa wɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃ wu. Eteƒe medidi o wogawɔ afɔɖeɖe aɖe le Mawu ƒe tameɖoɖo gɔme sese me.

Le ƒe 1870 me la, Storrs va dze dɔ vevie eye mete ŋu wɔ dɔ o ɣleti aɖewo. Le ɣeyiɣi sia me la, ete ŋu gbugbɔ dzro nusiwo katã wòsrɔ̃ le eƒe ƒe 74 mawo katã me la me. Eƒo nya ta be yeda Mawu ƒe tameɖoɖo na ameƒomea si woɖe fia le Abraham ƒe nubablaa me la ƒe akpa vevi aɖe ƒu—eyae nye be ‘woayra anyigba dzi ƒomewo katã le esi Abraham ɖo to Mawu ƒe gbe ta.’—Mose I, 22:18; Dɔwɔwɔwo 3:25.

Esia na nu yeye aɖe va susu me nɛ. Ne woayra “ƒomewo katã” la, ɖe mele be wo katã nase nyanyuia oa? Aleke woawɔ asee? Ðe ame miliɔn geɖe meku xoxo oa? Esi wògawɔ numekuku le Ŋɔŋlɔawo me la, eva kpɔe be ame “vɔ̃ɖi” siwo ku mã ɖe hatsotso eve me: amesiwo gbe Mawu ƒe lɔlɔ̃ keŋkeŋ, kple amesiwo ku le numanyamanya me.

Storrs ƒo nya ta be ele be woafɔ amekukuhatsotso evelia sia ahana mɔnukpɔkpɔ wo be Kristo Yesu ƒe tafevɔsa la naɖe vi na wo. Amesiwo axɔ edzi ase la anɔ agbe tegbee le anyigba dzi. Amesiwo agbee la atsrɔ̃. Ẽ, Storrs xɔe se be Mawu mafɔ ame aɖeke ne mɔkpɔkpɔ aɖeke meli nɛ o. Mlɔeba la, ame aɖeke magaku ɖe nuvɔ̃ si Adam wɔ ta o negbe Adam ko! Ke amesiwo anɔ agbe le ɣeyiɣi si me Aƒetɔ Yesu Kristo atrɔ gbɔ ya ɖe? Storrs va kpɔe mlɔeba be ele be woawɔ xexeame katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔ aɖe be woaɖo wo gbɔ. Menya alesi tututu woawɔ dɔ siae o, gake etsɔ xɔse ŋlɔe bena: “Ke hã ame gbogbo aɖewo li siwo ne womekpɔ alesi tututu woawɔ nane o la, wogbenɛ, abe ɖe Mawu mate ŋu awɔe o ene le esi womete ŋu nya alesi wòadze egɔmee o ta.”

George Storrs ku le December 1879 me le eƒe aƒeme le Brooklyn, New York, si medidi tso afisi va zu xexeme katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔ si wòkpɔ mɔ na vevie la dzikpɔƒe la gbɔ o.

Ehiã Be Kekelia me Nagakɔ Wu

Ðe amesiawo abe Henry Grew kple George Storrs ene se nyateƒea me nyuie abe alesi míese eme egbea enea? Ao. Wonya be yewodze agbagba le eŋu, abe alesi Storrs gblɔ le ƒe 1847 me ene be: “Ele be míaɖo ŋku edzi be ɖeko míedo tso ha la ƒe blukɔɣeyiɣia me tetie nye sia; eye mawɔ nuku na mí kura be míekpɔtɔ lé ‘Babilontɔwo ƒe dzixɔse’ aɖewo me ɖe asi kokoko be wonye nyateƒe o.” Le kpɔɖeŋu me, Grew xɔ tafe si Yesu na dzi se, gake mese egɔme be enye ‘tafe si sɔ ɖe enu o,’ si fia be Yesu tsɔ eƒe amegbetɔ deblibo ƒe agbe na ɖe amegbetɔ ƒe agbe deblibo si Adam bu la ta. (Timoteo I, 2:6) Henry Grew hã xɔe se vodadatɔe be Yesu atrɔ ava ɖu fia le anyigba dzi ŋkuwo nakpɔ. Ke hã Grew tsi dzi ɖe Yehowa ƒe ŋkɔ ŋuti kɔkɔ ŋu, si nye nya si me ame ʋɛ aɖewo ko tsɔ ɖe le tso ƒe alafa evelia M.Ŋ. me.

George Storrs hã mese nya vevi aɖewo gɔme nyuie o. Ete ŋu de dzesi osɔfowo ƒe alakpanuwɔnawo, gake ɣeaɖewoɣi la, eƒe dzixɔsewo gbɔa eme. Le kpɔɖeŋu me, edze ƒã be esi Storrs wɔ nu ɖe sɔlemehawo ƒe osɔfowo ƒe nukpɔsusu le Satana ŋu wògbɔ eme ta la, egbe be menye ame ŋutɔŋutɔe Abosam nye o. Egbe Mawuɖekaetɔ̃ nufiafia; ke hã meka ɖe edzi nenye be amee gbɔgbɔ kɔkɔea nye o vaseɖe esime wòsusɔ vie wòaku. Togbɔ be le gɔmedzedzea me George Storrs kpɔ mɔ be womakpɔ Kristo ƒe tɔtrɔgbɔ kple ŋku o hã la, ebu be ava do emegbe ale be woakpɔe ŋutɔŋutɔ. Gake edze be dzianukwaretɔwo kple nyateƒetolawoe ŋutsu evea siaa nye, eye wote ɖe nyateƒea ŋu wu ame akpa gãtɔ.

‘Agblea me nuku’ si ŋu Yesu ƒo nu tsoe le lu kple gbe wuwluiwo ƒe lododoa me la meƒu nyuie ne woaxa ɣemaɣi o. (Mateo 13:38) Grew, Storrs, kple ame bubuwo nɔ dɔ wɔm le ‘agblea dzi’ henɔ edzram ɖo na nuŋeɣia.

Charles Taze Russell, amesi dze magazine sia tata gɔme le ƒe 1879 me, ŋlɔ le eƒe gɔmedzeƒewo ŋu be: “Aƒetɔ la kpe ɖe mía ŋu geɖe le Eƒe nya la sɔsrɔ̃ me, eye amesiwo ɖe dzesi ŋutɔ la dometɔ ɖekae nye mía nɔvi tsitsi lɔlɔ̃tɔ, George Storrs, amesi to eƒe nuƒoƒo kple agbalẽŋɔŋlɔwo me kpe ɖe mía ŋu geɖe; gake míedi ɣesiaɣi be míadze amegbetɔwo yome o, eɖanye aleke ke wonyo henya nui o, ke boŋ be míanye ‘Mawu srɔ̃lawo abe lɔlɔ̃viwo ene.’” Ẽ, Biblia nusrɔ̃vi ɖianukwarewo te ŋu kpɔ viɖe tso amewo abe Grew kple Storrs ene ƒe agbagbadzedzewo me, gake egahiã kokoko be woaku Mawu ƒe Nya, Biblia, si nye nyateƒea tsoƒe ŋutɔŋutɔ la me.—Yohanes 17:17.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 26]

Nusiwo Henry Grew Xɔ Se

Wodo vlo Yehowa ƒe ŋkɔ, eye ele be woakɔ eŋu.

Mawuɖekaetɔ̃, luʋɔ makumaku, kple dzomavɔ nye alakpanufiafiawo.

Ele be Kristo-hamea naɖe vovo tso xexeame gbɔ.

Mele be Kristotɔwo nakpɔ gome le dukɔwo ƒe aʋawɔwɔwo me o.

Kristotɔwo mele Memleɖa alo Kwasiɖa ƒe Sabat-se te o.

Mele be Kristotɔwo nanye vivimehawo, abe Freemason-ha ene, me tɔwo o.

Mele be osɔfowo kple hameviwo ƒe hawo nanɔ Kristotɔwo dome o.

Kristotɔ ƒe futɔwoe to mawusubɔsubɔ me dzesideŋkɔwo vɛ.

Ele be hamemegãwo ƒe ha nanɔ hamewo katã me.

Ele be hamemegãwo nanɔ dzadzɛ le woƒe agbenɔnɔ katã me, eye mokaka naganɔ wo ŋu o.

Ele be Kristotɔwo katã naɖe gbeƒã nyanyuia.

Amewo anɔ agbe tegbee le Paradiso me le anyigba dzi.

Ele be Kristotɔwo ƒe hadzidziwo nakafu Yehowa kple Kristo.

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Photo: Collection of The New-York Historical Society/69288

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 28]

Nusiwo George Storrs Xɔ Se

Yesu tsɔ eƒe agbe xe tafee ɖe ameƒomea ta.

Womeɖe gbeƒã nyanyuia haɖe (le ƒe 1871 me) o.

Esia ta nuwuwua megogo ɣemaɣi (le ƒe 1871 me) o. Ele be etsɔme aɖe si me woawɔ gbeƒãɖeɖedɔa le nava.

Ame aɖewo anyi agbe mavɔ dome le anyigba dzi.

Woafɔ amesiwo katã ku le numanyamanya me ɖe tsitre. Amesiwo axɔ Kristo ƒe tafevɔsa dzi se anɔ agbe mavɔ le anyigba dzi. Woatsrɔ̃ amesiwo maxɔ edzi ase o.

Luʋɔ makumaku kple dzomavɔ nye alakpanufiafia siwo medea bubu Mawu ŋu o.

Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖu nye azã si woɖuna ƒe sia ƒe le Nisan 14 lia dzi.

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Photo: SIX SERMONS, by George Storrs (1855)

[Nɔnɔmetata siwo le axa 29]

Le ƒe 1909 me la, C. T. Russell, si nye “Zion’s Watch Tower” ŋlɔla ʋu yi Brooklyn, New York, U.S.A.