Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nukatae le New World Translation Biblia me, woyɔ “dziƒo yeyewo [xexlẽme agbɔsɔsɔ tɔ] kple anyigba yeye” le Petro II, 3:13, evɔ Nyaɖeɖefia 21:1 ya gblɔ nya ɖi le “dziƒo yeye [xexlẽme ɖeka tɔ] kple anyigba yeye” ŋu?

Gbe gbãtɔ siwo me woŋlɔ Biblia ɖo ƒe gbeŋutise ŋu koŋue nya sia ku ɖo. Edze abe gɔmesese tɔxɛ aɖeke meli nɛ ku ɖe nusi wòfia ŋuti o ene.

Gbã la, bu Hebri Ŋɔŋlɔawo ŋu kpɔ. Le gbegbɔgblɔ gbãtɔ si me woŋlɔ Biblia ɖo me la, woyɔa Hebrigbe me nya si nye sha·maʹyim si gɔme woɖe be “dziƒo(wo)” la wònɔa nu ƒe xexlẽme si nye agbɔsɔsɔ tɔ me ɣesiaɣi. Edze abe alesi wòdze le xexlẽme agbɔsɔsɔ tɔ me ene la menye xexlẽme si wozãna tsɔ fiaa gãnyenye o ene, ke boŋ efia xexlẽme agbɔsɔsɔ tɔ si wozãna na “teƒe vovovowo ƒe ƒuƒoƒo,” alo “nu blibo ɖeka si si akpa vovovowo le.” Eme kɔ nenema elabena dziƒo si míekpɔna la gbɔ didi sasasã tso anyigbaa ƒe akpa sia akpa gbɔ eye ɣletivi biliɔn nanewo hã le eme. Ne asitɔnudzinyakui do ŋgɔ na sha·maʹyim (“dziƒowo” si míekpɔna) la, zi geɖe kloe la, New World Translation Biblia ɖea egɔme be “dziƒowo,” abe alesi wòdze le Yesaya 66:22 ene. Ne asitɔnudzinyakui medo ŋgɔ na sha·maʹyim o la, woate ŋu azã nya si fia nu ɖeka (“dziƒo,” abe alesi wòdze le Mose I, 1:8; 14:19, 22; Psalmo 69:35 ene) alo wozãa nya si fia xexlẽme agbɔsɔsɔ tɔ (“dziƒowo,” abe le Mose I, 49:25; Ʋɔnudrɔ̃lawo 5:4; Hiob 9:8; Yesaya 65:17 ene).

Le Yesaya 65:17 kple 66:22 siaa la, Hebrigbe me nya si wozã na dziƒo la nye xexlẽme agbɔsɔsɔ tɔ, eye nya si wozã le egɔmeɖeɖe me be wòato mɔ ɖeka enye “dziƒo yeyewo kple [alo] anyigba yeye.”

Helagbe me nya ou·ra·nosʹ fia “dziƒo,” eye eƒe xexlẽme agbɔsɔsɔ tɔ ou·ra·noiʹ fia “dziƒowo.” Enyo be míade dzesii be Helagbe me Septuagint Biblia gɔmeɖelawo zã nya si fia nu ɖeka le Yesaya 65:17 kple 66:22 siaa.

Ke teƒe eve siwo nya “dziƒo yeye [alo dziƒo yeyewo] kple anyigba yeye” dze le le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me ya ɖe?

Le Petro II, 3:13 la, apostoloa zã Helagbe me nya si nye xexlẽme agbɔsɔsɔ tɔ. Do ŋgɔ na ema teti (kpukpui 7, 10, 12) la, eƒo nu tso fifi “dziƒo” vɔ̃ɖiwo ŋu, eye wòzã nya si fia nuwo ƒe agbɔsɔsɔ. Eyata alesi wòzã nya si fia nuwo ƒe agbɔsɔsɔ do ŋgɔe ke wògazã le kpukpui 13 lia me. Gakpe ɖe eŋu la, edze abe ɖe wònɔ nyaa yɔm tso afisi wòdze le gbã le Yesaya 65:17, afisi wozã nya si fia nuwo ƒe agbɔsɔsɔ tsɔ ŋlɔe le Hebrigbe me le ene, abe le Petro II, 2:22 ene la, eyɔ nya tso Hebrigbe me mawunyakpukpui si dze le Lododowo 26:11 me. Eyata ‘dziƒo yeyewo’ [xexlẽme agbɔsɔsɔ tɔ] kple anyigba yeye siwo lalam míele le eƒe ŋugbedodo la nu’ ye Petro wɔnɛ.

To vovo na esia vie la, anye Septuagint ƒe gɔmeɖeɖe si wozã le Yesaya 65:17, abe alesi wòdzee ene be Helagbe me nya si fia nu ɖeka si wozã na “dziƒo” lae apostolo Yohanes zã le Nyaɖeɖefia 21:1. Eyata nya si Yohanes ŋlɔ enye si: “Mekpɔ dziƒo yeye [xexlẽme ɖeka tɔ] kple anyigba yeye; elabena gbã dziƒo kple gbã nyigba la nu va yi.”

Esiawo nye gbeŋutise suesue siwo ku ɖe gbegɔmeɖeɖe ŋu. Esɔ be míate gbe ɖe edzi be ne ame aɖe xlẽe be “dziƒo yeyewo” alo “dziƒo yeye” alo yɔ wo dometɔ ɖesiaɖe o, vovototo aɖeke medze le nusi wòfia me o. Gɔmesese ɖeka koe le nyagbɔgblɔ evea siaa ŋu.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 31]

Ɣletiviwo: Frank Zullo