Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nufiame si Sɔ Ðe Ɣeyiɣia Dzi Tsɔtsɔ Akpe Ðe Sɔhɛwo Ŋui

Nufiame si Sɔ Ðe Ɣeyiɣia Dzi Tsɔtsɔ Akpe Ðe Sɔhɛwo Ŋui

Minɔ Tsitre Abe Amesiwo Le Blibo Eye Wokpɔ Kakaɖedzi Blibo Ene

Nufiame si Sɔ Ðe Ɣeyiɣia Dzi Tsɔtsɔ Akpe Ðe Sɔhɛwo Ŋui

EPAFRA nye ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ aɖe si zɔ mɔ yi Roma. Gake le susu nyuiwo ta la, eganɔ Kolose, si nye du le Asia Sue la ŋu bum kokoko. Eɖe gbeƒã nyanyuia le afima eye ɖikeke mele eme o be ekpe ɖe Kolosetɔ aɖewo ŋu wova zu Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo. (Kolosetɔwo 1:7) Epafra tsi dzi ɖe haxɔsetɔ siwo nɔ Kolose la ŋu vevie, elabena esime apostolo Paulo nɔ Roma la, eŋlɔ agbalẽ na wo be: “Epafra, . . . ɖuɖɔ mi ƒã; eyae nye amesi nɔa mia ta ʋlim le gbedodoɖa me ɖaasi, bene mianɔ tsitre abe amesiwo le blibo, eye wokpɔ kakaɖedzi blibo le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu katã ŋuti ene.”—Kolosetɔwo 4:12.

Nenema ke vifofo kple vidada Kristotɔ siwo li egbea doa gbe ɖa vevie le wo viwo ƒe gbɔgbɔmenyonyo ta. Dzila siawo dzea agbagba be yewoaƒã lɔlɔ̃ na Mawu ɖe wo viwo ƒe dzi me ale be woali ke le xɔse me.

Sɔhɛ Kristotɔ geɖe bia be woakpe ɖe yewo ŋu le kuxi siwo yewodoa goe le suku kple teƒe bubuwo gbɔ kpɔkpɔ me. Nyɔnuvi ƒe 15 vi aɖe gblɔ be: “Míaƒe kuxiwo nu le sesẽm ɖe edzi. Vɔvɔ̃ le agbe ŋu ŋutɔ. Míehiã kpekpeɖeŋu!” Ðe woɖo sɔhɛ siawo ƒe biabiawo kple dzila Mawu-vɔ̃lawo ƒe gbedodoɖawo ŋu na woa? Ẽ! Woto “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la dzi na nufiame si wotu ɖe Biblia dzi la wo. (Mateo 24:45) Woƒo nu tso agbalẽ siwo kpe ɖe sɔhɛ akpe alafa geɖewo ŋu be ‘woanɔ tsitre blibo anye amesiwo kpɔ kakaɖedzi sẽŋu’ la dometɔ aɖewo ŋu le nyati sia me. Mina míade ŋugble le agbalẽ siawo dometɔ ʋɛ aɖewo ŋu kpɔ.

‘Mikpɔ Ðasefo Yeye 15,000 Ða!’

Le August 1941 me la, nyasela 115,000 kpe ta le St. Louis, Missouri, U.S.A., le takpekpe gãtɔ kekeake si Yehowa Ðasefowo wɔ kpɔ le ɣeyiɣi mawo me la me. Le eƒe ŋkeke mamlɛa—si nye “Ðeviwo ƒe Ŋkeke”—dzi la, ɖevi siwo ade 15,000 nɔ anyi te ɖe nuƒolanɔƒea ŋu henɔ to ɖom vevie esime Joseph F. Rutherford ƒo nu tso nyati si nye “Fia la ƒe Viwo” ŋu. Esi Nɔviŋutsu Rutherford si xɔ 71 la nɔ eƒe nuƒoa ƒe nuwuwu gogom la, etsɔ vifofo ƒe gbe ƒo nui be:

“Taflatse mi . . . ɖevi siwo katã lɔ̃ . . . be yewoaɖo to Mawu kple eƒe Fia la, mitsi tre.” Ðeviawo katã tso yoo. Nɔviŋutsu Rutherford gblɔ kple gbe sesẽ be: “Mikpɔ Fiaɖuƒea ƒe ɖasefo yeye 15,000 kple edzivɔwo ɖa!” Akpesisi de dzi bobobo. Nuƒolaa gblɔ kpee be: “Taflatse amesiame si lɔ̃ ɖe edzi be yeawɔ yeƒe ŋutete ɖesiaɖe aƒo nu tso Mawu ƒe fiaɖuƒea ŋu na ame bubuwo la negblɔ be, . . . Ẽ.” Ðeviawo lɔ̃ ɖe edzi kple gbe sesẽ be “Ẽ!” Emegbe eɖe agbalẽ yeye si nye Children ɖe go, eye amewo si akpe ɣeyiɣi didi aɖe.

Le nuƒo ʋãme sia megbe la, ɖeviwo ɖo fli legbee va do ɖe nuƒolanɔƒea eye Nɔviŋutsu Rutherford tsɔ agbalẽ yeyea ɖeka na wo dometɔ ɖesiaɖe. Nusia kpɔkpɔ ʋã nyaselawo ale gbegbe be aɖatsi ge le mo na wo. Wɔnaa teƒekpɔla ɖeka gblɔ be: “Amesi si kpedzi le ko dzie ɖevi siwo nɔ [eɖem fia] be yewoɖo ŋu ɖe yewoƒe Mawu, Yehowa ŋu, hexɔ edzi se bliboe la kpɔkpɔ mawɔ dɔ ɖo o.”

Le takpekpe ma si womaŋlɔ be akpɔ gbeɖe o me la, sɔhɛ 1,300 xɔ nyɔnyrɔ tsɔ wɔ woƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa ƒe kpɔɖeŋui. Wo dometɔ geɖe kpɔtɔ lé xɔse la me ɖe asi sesĩe vaseɖe egbea. Wonaa kpekpeɖeŋu le hame siwo me wole me, ɖewo nye lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo le Betel, alo nye dutanyanyuigblɔlawo le dutanyigbawo dzi. Le nyateƒe me la, “Ðeviwo ƒe Ŋkeke” la kple agbalẽ si nye Children la kpɔ ŋusẽ ɖe ɖevi geɖe ƒe dzi dzi tso ɣemaɣi vaseɖe fifia!

“Ewɔ abe Ðe Wovana le Ɣeyiɣi Nyuitɔ Tututu Dzi Ene”

Le ƒe 1970-awo me la, Yehowa Ðasefowo ta agbalẽ etɔ̃ bubu siwo ɖo ɖevi akpe alafa geɖe ƒe dzi gbɔ. Agbalẽ siawoe nye Toɖoɖo Nufiala Gã La, Your Youth—Getting the Best out of It, kple Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo. Le ƒe 1982 me la, “Sɔhɛwo Biana Be . . .” ƒe nyati vovovowo te dzedze le Nyɔ! magazinea me. Nyati siawo wɔ dɔ ɖe ɖeviwo kple tsitsiawo siaa ƒe dzi dzi ale gbegbe. Ƒe 14 vi aɖe gblɔ be: “Medaa akpe na Mawu zã sia zã ɖe nyati siawo siwo wòna wotana la ta.” Ƒe 13 vi aɖe gblɔ be: “Melɔ̃ nyatiawo, ewɔ abe ɖe wovana le ɣeyiɣi nyuitɔ tututu dzi ene.” Dzilawo kple hamemegã Kristotɔ siwo woɖo la lɔ̃ ɖe edzi be nyati siawo vana ɖe ɣeyiɣi nyuitɔ dzi eye woɖea vi ŋutɔ.

Kaka ƒe 1989 naɖo la, “Sɔhɛwo Biana Be . . .” me nyati siwo ade 200 ye dze le Nyɔ! me. Le “Mawusosroɖa” Nutome Gã Takpekpe si wowɔ le ƒe ma me me la, woɖe agbalẽ si nye Questions Young People Ask—Answers That Work ɖe go. Ðe wòkpe ɖe sɔhɛwo ŋu be woalé xɔse la me ɖe asi sesĩea? Sɔhɛ etɔ̃ ŋlɔ bena: “Agbalẽ sia nye viɖenu nyui aɖe si kpe ɖe mía ŋu míese míaƒe kuxiwo gɔme henya alesi míakpɔ wo gbɔe. Akpe na mi ɖe alesi mietsɔ ɖe le míaƒe nyonyo me ta.” Sɔhɛ gbogbo aɖewo siwo xlẽa nyati sia le xexeame katã lɔ̃ ɖe nya sia dzi.

“Etsi Míaƒe Dɔwuame Nu”

Le ƒe 1999 me la, Yehowa Ðasefowo gatrɔ asi le nufiafia sɔhɛwo ƒe mɔnu bubu si sɔ ɖe ɣeyiɣia dzi la ŋu—si nye Young People Ask—How Can I Make Real Friends? ƒe video la.

Edo dzidzɔ na amewo ale gbegbe. Ƒe 14 vi aɖe gblɔ be: “Eɖo keke nye dzi gbɔ ke.” Vidada dzilaɖekɛ aɖe gblɔ be: “Anye míaƒe gbɔgbɔmenuɖuɖu ƒe akpa aɖe edziedzi.” Ðetugbi aɖe gblɔ be: “Enye dzidzɔ gã ŋutɔ be míanya be mía Xɔlɔ̃ vevitɔ kekeake, Yehowa, lɔ̃ sɔhɛ siwo le eƒe xexeame katã ƒe habɔbɔa me hetsɔ ɖe le eme na wo ŋutɔŋutɔ.”

Dɔ kae videoa wɔ? Sɔhɛwo gblɔ be: “Ekpe ɖe ŋunye mele ŋudzɔ ɖe nye hadede ŋu, be madze si ame geɖe wu le hamea me, eye be madze xɔlɔ̃ Yehowa.” “Ekpe ɖe ŋunye mete ŋu nɔ te ɖe hanyetiwo nu.” “Ena meyi edzi ɖoe kplikpaa be mawɔ nusianu si mate ŋui le Yehowa subɔsubɔ me.” Eye atsu kple asi aɖe ŋlɔ be: “Míeda akpe na mi tso míaƒe dzi me ke ɖe ‘nuɖuɖu’ sia si miena mí la ta. Etsi míaƒe dɔwuame nu.”

“Dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la wɔ dɔ si Mawu de asi na wo la nyateƒe, eye wona gbɔgbɔmenuɖuɖu amesiwo katã aɖui la ɖe ɣeyiɣi dzi. Eye dzidzɔ ka gbegbee nye si wònye be míakpɔ alesi Ŋɔŋlɔawo me nufiame siawo le kpekpem ɖe sɔhɛwo ŋu be ‘woanɔ tsitre abe amesiwo le blibo eye wokpɔ kakaɖedzi sẽŋu la ene’!