Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tadedeagu Vavãtɔ Naa Amewo Wɔa Ðeka

Tadedeagu Vavãtɔ Naa Amewo Wɔa Ðeka

Tadedeagu Vavãtɔ Naa Amewo Wɔa Ðeka

TOGBƆ be woagblɔe gbadzaa be mawusubɔsubɔ maa ameƒomea me hã la, Mawu vavã la subɔsubɔ ate ŋu ana amewo nawɔ ɖeka. Esime Israel nye Mawu ƒe dukɔ tiatia la, tadedeagu vavãtɔ nyo Trɔ̃subɔdukɔ me tɔ dzianukwaretɔwo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Rut ɖe asi le wo denyigba Moab ƒe mawuwo ŋu hegblɔ na Naomi be: “Wò dukɔ anye nye dukɔ, eye wò Mawu anye nye Mawu.” (Rut 1:16) Kaka ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. naɖo la, Trɔ̃subɔdukɔwo me tɔ gbogbo aɖe va zu Mawu vavã la subɔlawo. (Dɔwɔwɔwo 13:48; 17:4) Emegbe esi Yesu ƒe apostolowo te nyanyuia tsɔtsɔ yi teƒe didiwo la, dzianukwaretɔ bubuwo va wɔ ɖeka le Mawu vavã la subɔsubɔ me. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Mietrɔ tso trɔ̃wo gbɔ va Mawu gbɔ, bena miasubɔ Mawu gbagbe vavãtɔ la.” (Tesalonikatɔwo I, 1:9) Ðe Mawu vavã la subɔsubɔ ate ŋu ana ɖekawɔwɔ ma nava egbea hã?

Ðikelawo tea tɔ ɖe edzi be mesɔ be woazã nyagbe “tadeagula vavãwo” alo “Mawu vavã” o. Woase le wo ɖokui me nenema elabena womenya afisi woate ŋu akpɔ nyateƒea le asrɔ̃ o. Gake nyateƒea dila siwo tso teƒe vovovowo kpɔe be tadedeagu menye nusi dze ame ŋu wɔwɔ o. Amesi koe wòdze be míade ta agu nae nye nuwo katã Wɔla—Yehowa Mawu. (Nyaɖeɖefia 4:11) Eyae nye Mawu vavã la, eye ekpɔ mɔ aɖo alesi wòle be woasubɔe.

Be Yehowa nakpe ɖe mía ŋu miase eƒe nudidiwo gɔme la, ena nyatakaka mí to eƒe Nya, Biblia, dzi. Biblia bliboa alo eƒe akpa aɖe le amesiame kloe si le anyigba dzi egbea. Gakpe ɖe eŋu la, Mawu ƒe Vi la gblɔ be: “Ne mienɔ nye nya la me la, . . . miadze si nyateƒe la.” (Yohanes 8:31, 32) Eyata woate ŋu adze si nyateƒea. Eye dzianukwaretɔ miliɔn geɖe siwo nɔ subɔsubɔha vovovo me kpɔ le nyateƒe sia xɔm dzideƒotɔe eye wole ɖeka wɔm le tadedeagu vavãtɔ me.—Mateo 28:19, 20; Nyaɖeɖefia 7:9, 10.

Xexeame Katã ƒe Ðekawɔwɔ le Mía Ŋɔli!

Nyagblɔɖi ɖedzesi aɖe si le Biblia-gbalẽ si nye Zefanya me ƒo nu tso alesi amewo atso teƒe vovovo ava wɔ ɖeka ŋu. Egblɔ be: “Ɣemaɣi la, [nye Yehowa Mawu] mana gbegbɔgblɔ dzadzɛ dukɔwo, ne wo katã nayɔ Yehowa ŋkɔ, eye woatsɔ nusɔsɔ asubɔe.” (Zefanya 3:9, NW) Amesiwo trɔ woƒe nɔnɔme heva le Mawu subɔm le ɖekawɔwɔ me ŋuti nya nyui ka gbegbee nye si!

Ɣekaɣie esia ava eme? Zefanya 3:8 gblɔ be: “Ale Yehowa gblɔ esi: Mikpɔ asinyenu, vaseɖe gbesigbe manye ɖasefo atso; elabena nye ɖoɖo wònye be, maƒo dukɔwo nu ƒu, eye mana fiaɖuƒewo nakpe ta, ne matrɔ nye dziku kple nye dɔmedzoe heliheli katã akɔ ɖe wo dzi. Elabena nye ŋuʋaʋã ƒe dzo afiã anyigba blibo la.” Ẽ, le ɣeyiɣi si me Yehowa anɔ dukɔwo nu ƒom ƒu gake hafi ne wòatrɔ eƒe dɔmedzoe heliheli akɔ ɖe wo dzi la, ana gbegbɔgblɔ dzadzɛ amesiwo katã bɔbɔ wo ɖokui ɖe anyi le anyigba dzi. Ɣeyiɣi ma mee míele fifia, elabena wole dukɔwo katã nu ƒom ƒu hena Mawu, Ŋusẽkatãtɔ la, ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋawɔwɔ le Harmagedon xoxo.—Nyaɖeɖefia 16:14, 16.

Yehowa na gbegbɔgblɔ dzadzɛ eƒe amewo be ɖekawɔwɔ nanɔ wo dome. Gbegbɔgblɔ dzadzɛ sia lɔ Biblia ƒe nyateƒe si ku ɖe Mawu kple eƒe tameɖoɖowo ŋu gɔmesese ɖe eme. Gbegbɔgblɔ dzadzɛa dodo fia be woaxɔ nyateƒea dzi ase, afiae ame bubuwo, ahanɔ agbe ɖe Mawu ƒe sewo kple gɔmeɖosewo nu. Ebia be woaƒo asa na dunyahehe si hea mama vɛ eye woaɖe ɖokuitɔdidi ƒe nɔnɔmewo, abe ameƒomevinyenye kple dukɔmevinyenye si dea mama amewo dome si nye nɔnɔme si xexeame ɖena fiana ene, la ɖa le ame ƒe dzi me. (Yohanes 17:14; Dɔwɔwɔwo 10:34, 35) Dzianukwaretɔ siwo katã lɔ̃ nyateƒea ate ŋu asrɔ̃ gbegbɔgblɔ sia. Bu alesi ame atɔ̃ siwo ŋu míeƒo nu tsoe le nyati si do ŋgɔ me—siwo ƒe subɔsubɔdzixɔsewo to vovo kura tsã—wɔ ɖeka le Yehowa, Mawu vavã ɖeka kolia la subɔsubɔ mee ŋu kpɔ.

Wowɔ Ðeka le Tadeagu Vavãtɔ Me

Esi Fidelia, si nye Roma Katolikotɔ dovevienu la, ƒle Biblia be vianyɔnu natsɔ awɔ eƒe sukudɔwoe la, ebia tso woƒe nunɔla si be wòazãe atsɔ aɖe nusi wɔ via atɔ̃ siwo ku me. Egblɔ be: “Ŋukpenanya ka gbegbee nye si!” Eyata esi Yehowa Ðasefowo yi egbɔ la, ebia nya ma tɔgbe wo. Esi wòxlẽ nyateƒe si ku ɖe nɔnɔme si me ame kukuwo le ŋu tso eya ŋutɔ ƒe Biblia me la, ekpɔe be sɔlemeha la ble ye. Esrɔ̃e be ame kukuwo meganya naneke o eyata womele fu kpem le Limbo alo teƒe bubu aɖeke o. (Psalmo 146:4; Nyagblɔla 9:5) Fidelia fɔ eƒe mawusubɔsubɔ legbawo katã ƒu gbe, do le sɔlemehaa me, hedze Biblia sɔsrɔ̃ gome. (Yohanes I, 5:21) Ƒe ewo enye sia si wòle vivi sem na Ŋɔŋlɔawo me nyateƒea fiafia ame bubuwo.

Tara, amesi tso Kathmandu, ʋu yi dukɔ si me Hindu gbedoxɔ ʋɛwo le me. Eyata edea Methodist sɔleme kple susu be yeakpɔ yeƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ. Gake mekpɔ ŋuɖoɖo aɖeke na eƒe biabia si ku ɖe amegbetɔwo ƒe fukpekpewo ŋu o. Emegbe Yehowa Ðasefowo yi egbɔ hebia be yewoasrɔ̃ Biblia kplii. Tara gblɔ be: “Meva kpɔe be manye Mawu lɔlɔ̃tɔ gbɔe fukpekpe siwo katã le xexea me tso o. . . . Xexeme yeye si me ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ anɔ ƒe mɔkpɔkpɔa do dzidzɔ nam ŋutɔ.” (Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Tara fɔ eƒe Hindu legbawo ƒu gbe, eɖe asi le wode subɔsubɔkɔnuwo ŋu, eye alesi wòzu Yehowa ƒe Ðasefo hele kpekpeɖeŋu nam wole ame bubuwo ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ kpɔm la dzɔa dzi nɛ.

Panya, si nye Buddhatɔ la nye afakala esime Yehowa Ðasefowo yi egbɔ zi gbãtɔ le Bangkok, eyata Biblia me nyagblɔɖiwo do dzidzɔ nɛ. Panya gblɔ be: “Esi meva nya nusitae nɔnɔme siwo li egbea to vovo na alesi Wɔla la ɖoe gbã kple alesi wòwɔ ɖoɖo be yeaɖɔ nusiwo amesiwo gbe eyama kple eƒe dziɖulanyenye gblẽ ɖo la, ɖeko wòle abe ŋkumetsyɔnu aɖee woɖe le ŋkume nam ene. Biblia ƒe gbedasia ƒe akpa ɖesiaɖe de nu wo nɔewo me ale gbegbe. Meva lɔ̃a Yehowa abe ame ŋutɔŋutɔ ene; esia ʋãm be mawɔ nusiwo menya be wonye nu nyui. Medi vevie be makpe ɖe ame bubuwo ŋu be woakpɔ vovototo si le amegbetɔ ƒe nunya kple mawumenunya dome. Nunya vavãtɔ trɔ nye agbe nyateƒe.”

Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, ɖikeke va ɖo Virgil me vevie ɖe eƒe subɔsubɔ dzixɔsewo ŋu. Le esi teƒe be wòado gbe ɖa na Mawu abia mɔ si dzi wòato akpe ɖe ame yibɔwo ŋu kple ɖe habɔbɔ si wòkpɔ be enye esi lé fu ŋutigbalẽ bubu tɔwo eye wòwɔ abe edea dzi ƒo be woalé fu yevuwo ene la, edo gbe ɖa bia nyateƒea boŋ, nuka kee wòɖanye o, afisiafi si wòle ko. Virgil gblɔ be: “Le gbedodoɖa vevie na Mawu vɔ ƒe ŋufɔke esi mefɔ la, mekpɔ Gbetakpɔxɔ magazine le aƒea me. . . . Ʋɔtrua tee wòanya tsɔe to.” Eteƒe medidi o Yehowa Ðasefowo te Biblia sɔsrɔ̃ kpii vevie. Eyi edzi be: “Emae nye zi gbãtɔ si nye dzi dze eme kpɔ le agbe me. . . . Mɔkpɔkpɔ te asinye ɖoɖo azɔ.” Eteƒe medidi o Virgil va wɔ ɖeka kple amesiwo naa mɔkpɔkpɔ vavã ɖeka amewo abe alesi wòle le Mawu ƒe Nya, Biblia, me ene.

Charo si tso Latin Amerika ƒe nu ku esi Ðasefo aɖe si ŋkɔe nye Gladys kpɔe be enɔ hloloe tsom le via suewo ŋu ale be wòva nɔ kpekpeɖeŋu namee hekplɔnɛ yia asimee. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Charo lɔ̃ ɖe nane si Gladys tsɔ ɖo eŋkume dzi—eyae nye aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ femaxee. Esi Charo va kpɔe le eya ŋutɔ ƒe Biblia me be menye ame nyuiwo katãe yia dziƒo o ke boŋ Yehowa atsɔ agbe mavɔ ayra amegbetɔwo le anyigba dzi hã la, ewɔ nuku nɛ ŋutɔ. (Psalmo 37:11, 29) Charo ŋutɔ le mɔkpɔkpɔ sia gblɔm na amewo ƒe 15 enye esia.

Kpɔ alesi anyigba bliboa dzi anɔ ne dzianukwaretɔwo ɖeɖe wɔ ɖeka le ta dem agu na Yehowa, Mawu vavã ɖeka kolia la ɖa! Esia menye nususukpɔ aɖe ko o. Enye nusi ƒe ŋugbe Yehowa do. Mawu gblɔ to eƒe nyagblɔɖila Zefanya dzi be: “Makpɔtɔ dukɔ ɖagbi, si bɔbɔ eɖokui ɖe anyi la, ɖe mewò, eye woaɣla wo ɖokui ɖe Yehowa ƒe ŋkɔ me. . . . [Womawɔ] nu gbegblẽ o, womaka aʋatso o, eye alakpaɖe manɔ nu me na wo o; . . . ame aɖeke mado voɖi na wo o.” (Zefanya 3:12, 13) Ne ŋugbedodo sia dzɔ dzi na wò la, ke wɔ ɖe Biblia ƒe nuxlɔ̃amenya sia dzi: “Midi Yehowa, mi amesiwo katã bɔbɔ mia ɖokui ɖe anyi le anyigba dzi, midi dzɔdzɔenyenye, eye midi ɖokuibɔbɔ yome mɔ, ame aɖe menya nu o woatsɔ mi aɣla le Yehowa ƒe dzikudogbe la hĩ!”—Zefanya 2:3.