Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nuka Ŋue Asixɔxɔ Vavã Le?

Nuka Ŋue Asixɔxɔ Vavã Le?

Nuka Ŋue Asixɔxɔ Vavã Le?

Enyea dzidzɔ ŋutɔ ne nusi ŋu asixɔxɔ vavã le su ame si. Gake nukae nye nu xɔasitɔ? Ga gbogbo aɖea? Sikanu xɔasi dzeani aɖea? Ŋkɔxɔxɔ kple gãnyenyea? Ame geɖe dea asixɔxɔ nusiawo ŋu vevie. Ne nusiawo su ame si la, woate ŋu ana woakpɔ nunyiame, ana gɔmesese nanɔ agbe ŋu wu, alo ana bubu kple ɖoƒe si dim wole la nasu ame si. Ðe míele ʋiʋlim be míaƒe asi nasu nusiawo dzi, hele mɔ kpɔm be woana míaƒe taɖodzinuwo kple didiwo nava eme na mí le etsɔmea?

ZI GEÐE la, amewo bua nane nu xɔasii nenye be ekpɔa woƒe hiahiãwo gbɔ alo naa woƒe didiwo vaa eme. Míedea asixɔxɔ nusiwo nana míesena le mía ɖokui me be míele dedie eye woate ŋu ana etsɔme nadze edzi na mí la ŋu vevie. Míebua nusiwo naa gbɔdzɔe, dzidzeme, alo bubu mí be wonye nu vevitɔwo. Gake ne míenɔa te ɖe nudzroamewo alo nusiwo dzɔa dzi na mí siwo katã trɔna dzi dea asixɔxɔ nane ŋu la, manye nuŋububu si de to alo yi ŋgɔ o. Nyateƒea enye be míeva kpɔa nusi ŋu asixɔxɔ vavãtɔ le la dzea sii ne míeke ɖe nusi nye míaƒe nuhiahiã vevitɔ ŋu.

Nukae nye míaƒe nuhiahiã vevitɔ? Asixɔxɔ manɔ naneke ŋu nu ɖeka aɖe manɔmee o—eyae nye agbe. Agbe manɔmee la, míanɔ anyi o. Blema Israel—fia Salomo ŋlɔ be: “Kukuawo menya naneke o . . . Nuwɔwɔ, alo tamebubu, sidzedze alo nunya mele tsieƒe [ameƒomea ƒe yɔdo me] . . . o.” (Nyagblɔla 9:5, 10) Ne míeku la, ele kokoko be míagblẽ nusianu si le mía si ɖi. Ekema míaƒe nuhiahiã vevitɔ enye be nane si ate ŋu alé míaƒe agbe ɖe te nasu mía si. Nukae alée ɖe te?

Nukae Alé Míaƒe Agbe Ðe Te?

Fia Salomo gblɔ be: ‘Ga kpɔa ame ta.’ (Nyagblɔla 7:12) Ne ga le mía si la, míakpɔ nu aɖu ahanɔ aƒe nyui me. Ga ate ŋu ana míase vivi le tsaɖiɖi yi teƒe vovovowo me. Ate ŋu ana nuhiahiãwo nasu mía si ne tsitsi alo lãmegbegblẽ na míagate ŋu awɔ dɔ o. Ganɔamesi ƒe viɖewo sɔ gbɔ. Gake ga mate ŋu alé míaƒe agbe ɖe te o. Apostolo Paulo xlɔ̃ nu Timoteo be: “De se na xexe sia me kesinɔtɔwo bena, woagado wo ɖokui ɖe dzi glodzo o, eye womagatsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ aɖo kesinɔnuwo ƒe dediemanɔmanɔ dzi o; ke boŋ ɖe Mawu gbagbe . . . la dzi.” (Timoteo I, 6:17) Ga gbogbo siwo katã le xexeame mate ŋu aƒle agbe na mí o.

Bu ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Hitoshi ŋu kpɔ. Esi ƒome dahe mee wodzi Hitoshi ɖo ta la, eƒe didi katã koe nye be yeava zu kesinɔtɔ. Ebu ga ƒe ŋusẽ nu vevii ale gbegbe be exɔe se be ate ŋu aƒle amewo ƒe lɔlɔ̃ gɔ̃ hã. Emegbe ŋutsu aɖe va ƒo ʋɔ na Hitoshi eye wòbiae be enya be Yesu Kristo ku ɖe eta hã. Biabia sia nyɔ Hitoshi ƒe ɖetsɔleme elabena ebui be ame aɖeke mate ŋu aku ɖe ame abe ye ene ta o. Eyi va se dutoƒonuƒo si tso Biblia me eye ewɔ nuku nɛ esi wòse nuxlɔ̃amenya sia be ‘woagato ŋku gã o.’ Nuƒolaa ɖe eme be ŋku si “dzi dza” nye esi kpɔa nu yia ŋgɔ eye wòle gbɔgbɔmenuwo dzi. (Luka 11:34) Le esi Hitoshi nanɔ dagbadagbam ɖe gakpɔkpɔ ŋu teƒe la, eva nɔ gbɔgbɔmenuwo boŋ ɖom nɔƒe gbãtɔ le eƒe agbe me.

Ŋutilãmenunɔamesiwo ate ŋu ana kelili kple dedienɔnɔ ame vaseɖe afi aɖe. Dzitsitsi ɖe gbesiagbe nuhiahiãwo ŋu dzi aɖe akpɔtɔ ne nuwo bɔ ɖe mía si. Aƒe dzeani si anɔ mía si le nuto nyui aɖe me ate ŋu ana míase le mía ɖokui me be míawo hã míewɔ ɖe. Awu siwo le tsia dzi dodo kple ʋu dzeani si anɔ mía si ate ŋu ana amewo nado vivi ɖe mía ŋu.

Yayrae wònye be ‘eme nanyo na ame le eƒe agbagbadzedzewo katã me.’ (Nyagblɔla 3:13) Eye ne nuwo bɔ ɖe mía si la, ate ŋu ana míaƒe lɔlɔ̃tɔwo ‘naɖe dzi ɖi aɖu nu ano nu, eye woakpɔ dzidzɔ.’ Gake ŋutilãmenuwo ƒe asixɔxɔ nu yina kaba. Esi Yesu Kristo nɔ nu xlɔ̃m tso ŋukeklẽ ŋu la, egblɔ be: “Ame ƒe agbe menɔa eƒe nukpɔkpɔ vivivo la me o.” (Luka 12:15-21) Ŋutilãmenu xɔasi alo eƒe agbɔsɔsɔ ka kee ɖale mía si o, kakaɖedzi mele eŋu be ana agbe mí o.

Le kpɔɖeŋu me, Liz ɖe ŋutsu kesinɔtɔ aɖe. Egblɔ be: “Aƒe dzeani kple ʋu eve nɔ mía si, eye ga si le mía si na míesea ŋutilãmenu ɖesiaɖe si le xexeame ƒe vivi . . . Ke hã ewɔ nuku be megatsia dzi ɖe ga ŋu.” Eɖe eme be: “Nu geɖe ate ŋu abu ɖe mí bɔbɔe. Ewɔ abe zi alesi nuwo bɔ ɖe ame sii la, zi nenemae nàse le ɖokuiwò me be yemele dedie o.”

Ŋkɔxɔxɔ kple gãnyenye hã nye nusiwo ŋu amewo dea asixɔxɔe vevie le esi wote ŋu naa wokafua ame hedea bubu ame ŋu ta. Le egbe xexeame la, wobua amesi si dɔwɔɖui nyui le be nu dze edzi nɛ eye amewo ʋãa ŋui. Ne míedze agbagba ŋutete alo aɖaŋu tɔxɛwo su mía si la, woate ŋu ana míaxɔ ŋkɔ. Ame bubuwo akafu mí, abu míaƒe nukpɔsusuwo be wole vevie, eye woatsi dzi be yewoƒe nu nanyo mía ŋu. Esiawo katã ate ŋu ana dzi nanɔ mía dzɔm eye míaƒe dzi nadze eme. Gake mlɔeba la, wo nu va yina. Bubu kple ŋusẽ ɖesiaɖe si ate ŋu asu fia si la su Salomo si, gake efa konyi be: “Womeɖoa ŋku nunyala kple bometsila dzi tegbee o, elabena ŋku adzo le wo dzi.” (Nyagblɔla 2:16) Ŋkɔxɔxɔ loo alo gãnyenye menaa agbe ame o.

Kpenumela aɖe si ŋkɔe nye Celo va kpɔ nane si ŋu asixɔxɔ le boo wu ŋkɔxɔxɔ. Esi wòdze aɖaŋu ta la, woxɔe ɖe suku aɖe be wòva srɔ̃ nu eye wògabi ɖe edzi. Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, nyadzɔdzɔgblɔlawo kple amesiwo léa ŋku ɖe nutatawo ŋu kafui ɖe eƒe dɔwo ta. Woɖe eƒe nutata geɖe fia le Europa dugã aɖewo me. Celo gblɔ be: “Magblɔ be le ɣiyiɣi aɖe me la, nutatae nye nu vevitɔ nam le agbe me. Gake meva kpɔe be le gonyeme la, dɔ sia wɔwɔ le abe aƒetɔ eve subɔsubɔ ene. (Mateo 6:24) Mekpɔe be nu vevitɔ si wòle be mawɔ enye be maɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia. Eyata nye ŋutɔ metso nya me be maɖe asi le nye kpememedɔa ŋu.”

Nuka Ŋue Asixɔxɔ Gãtɔ Kekeake Le?

Esi wònye be gɔmesese alo viɖe manɔ naneke ŋu agbe manɔmee o ta la, nukae asu mía si si ana kakaɖedzi mí be míayi edzi anɔ agbe? Yehowa Mawu gbɔe nusianu ƒe agbe dzɔ tso. (Psalmo 36:10) Le nyateƒe me la, “eya me míele agbe, eye míeʋãna le, eye [míeli].” (Dɔwɔwɔwo 17:28) Etsɔa agbe mavɔ nɔnɔ naa amesiwo wòlɔ̃. (Romatɔwo 6:23) Nukae míawɔ be míadze na nunana sia xɔxɔ?

Agbe mavɔ ƒe nunanaa xɔxɔ nɔ te ɖe ƒomedodo kplikplikpli si anɔ mía kple Yehowa dome dzi. Eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe ame ŋu xɔ asi sã wu nunɔamesi ɖesiaɖe si ate ŋu anɔ mía si. Ne ekpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu la, mɔkpɔkpɔ anɔ mía si be míakpɔ dzidzɔ vavã tegbee. Gake ne Mawu mekpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu o la, ke míatsrɔ̃ ɖa tegbee. Ekema edze ƒã be nusianu si akpe ɖe mía ŋu be ƒomedodo nyui nanɔ mía kple Yehowa dome nye nusi ŋu asixɔxɔ gã aɖe le.

Nusi Wòle Be Míawɔ

Dzidzedze si míakpɔ nɔ te ɖe nunya si asu mía si dzi. Afisi míakpɔ nunya vavãtɔ le enye Yehowa ƒe Nya, Biblia, la me. Eya ɖeka koe gblɔ nusi wòle be míawɔ be míaƒe nu nadze Mawu ŋu. Eyata ele be míasrɔ̃ Ŋɔŋlɔawo nyuie. Ne míeku kutri srɔ̃ nu tso Yehowa Mawu kple Yesu Kristo ŋu alesi míate ŋui la, nusi asu mía si enye ‘nunya si naa agbe mavɔ.’ (Yohanes 17:3) Nunya sia nye kesinɔnu si ŋu wòle be míade asixɔxɔe!—Lododowo 2:1-5.

Nunya si asu mía si tso Mawu ƒe Nya me ana míawɔ afɔɖeɖe evelia—Yesu Kristo dzixɔxɔ ase. Yehowa gblɔ be amesiame si ava ye gbɔ nato Yesu dzi. (Yohanes 14:6) Nyateƒea enye be “menye ame bubu aɖeke me xɔxɔ la le o.” (Dɔwɔwɔwo 4:12) Míaƒe agbe kpɔkpɔ mlɔeba menɔ te ɖe ‘klosalo alo sika dzi o, ke boŋ Kristo ƒe ʋu xɔasi la’ dzie. (Petro I, 1:18, 19) Ele be míaɖe xɔse afia to Yesu ƒe nufiafiawo dzixɔxɔ ase kple eƒe kpɔɖeŋu sɔsrɔ̃ me. (Hebritɔwo 12:1-3; Petro I, 2:21) Eye eƒe vɔsa xɔ asi ale gbegbe! Ameƒomea katã ƒe etsɔme mavɔ nɔ te ɖe eƒe viɖewo ŋudɔwɔwɔ dzi. Ne wowɔ eŋudɔ bliboe na mí la, agbe mavɔ si nye nu xɔasitɔ kekeake asu mía si.—Yohanes 3:16.

Yesu gblɔ bena: “Lɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu, kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò tamesusu blibo.” (Mateo 22:37) Yehowa lɔlɔ̃ fia be “míalé eƒe seawo me ɖe asi.” (Yohanes I, 5:3) Eƒe sea bia be míaɖe mía ɖokui ɖa tso xexeame, anɔ agbe nyui, eye míado alɔ eƒe Fiaɖuƒea nuteƒewɔwɔtɔe. Mɔ sia dzie míato ‘atia agbe’ ke menye ku o. (Mose V, 30:19) Ne ‘miete ɖe Mawu ŋu la, eya hã ate ɖe mía ŋu.’—Yakobo 4:8.

Kakaɖedzi si anɔ mía si be Mawu kpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu la xɔ asi sasasã wu xexeame kesinɔnuwo katã. Amesiwo si wòsu lae nye kesinɔtɔ akuakuawo le anyigba dzi! Ekema mina míaʋli be nusi ŋu asixɔxɔ vavãtɔ le nasu mía si—si nye Yehowa ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe ame ŋu. Godoo la, mina apostolo Paulo ƒe nya siawo nade dzi gbɔ na mí be: “Dze dzɔdzɔenyenye, mawusosroɖa, dzixɔse, lɔlɔ̃, dzidodo, dɔmefafa yome. Ʋli xɔse ƒe ʋiʋli nyui la; wò asi nasu agbe mavɔ . . . la dzi.”—Timoteo I, 6:11, 12.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 21]

Nukae nye nu xɔasitɔ na wò? Ga, ŋutilãme nunɔamesiwo, ŋkɔxɔxɔ, alo nu bubu aɖe yea?

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Ehiã be míasrɔ̃ Ŋɔŋlɔawo nyuie