Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nukae wòfia be woasubɔ Yehowa ‘le gbɔgbɔ me’?

Esi Yesu Kristo nɔ gbeƒã ɖem na Samaria-nyɔnu aɖe si va tsi du ge le Yakob ƒe vudo si te ɖe du si nye Sixar ŋu me la, egblɔ be: “Mawue nye gbɔgbɔ, eye amesiwo le gbe dom ɖa nɛ la, ele be, woado gbe ɖa le gbɔgbɔ kple nyateƒe me.” (Yohanes 4:24) Ele be woatsɔ subɔsubɔ vavãtɔ ana ‘le nyateƒe me,’ si fia be ele be wòawɔ ɖeka kple nusi Yehowa Mawu ɖe fia tso eɖokui kple eƒe tameɖoɖowo ŋu le Biblia me. Azɔ hã ele be gbɔgbɔ, alo dzonɔameme, si tso dzi si yɔ fũ kple lɔlɔ̃ kpakple xɔse me, nadze le míaƒe Mawu subɔsubɔ me. (Tito 2:14) Gake nya siwo ƒo xlãe fia be Yesu ƒe nya si wògblɔ tso ‘Mawu subɔsubɔ le gbɔgbɔ me’ ŋu lɔ nu geɖe ɖe eme wu tamesusu ƒe nɔnɔme si míetsɔ le Yehowa subɔmee ko.

Dze si Yesu ɖo kple nyɔnua le vudoa to meku ɖe mawusubɔsubɔ ƒe seselelãme si anɔ mía me alo esi manɔ mía me o ŋu o. Woate ŋu aɖe dzonɔameme kple veviedodo afia le alakpasubɔsubɔ gɔ̃ hã me. Ke boŋ esi Yesu gblɔ be menye Samaria-to dzi alo gbedoxɔ si le Yerusalem me—siwo katã nye teƒe aɖe koŋ—ye woasubɔ Fofoa le o megbe la, eƒo nu tso subɔsubɔ mɔnu yeye si nɔ te ɖe Mawu ƒe nɔnɔme ŋutɔŋutɔ dzi. (Yohanes 4:21) Egblɔ be: “Mawu nye Gbɔgbɔmeme.” (Yohanes 4:24, Charles B. Williams) Menye ŋutilãmemee Mawu vavã la nye o eye míate ŋu akpɔe alo aka asi eŋu o. Eyama subɔsubɔ menɔ te ɖe gbedoxɔ alo to ŋutɔŋutɔ aɖeke dzi o. Eyata Yesu nɔ nu ƒom tso subɔsubɔ ƒe akpa siwo yi ŋgɔ wu nusiwo wokpɔna ko ŋu.

Hekpe ɖe subɔsubɔ si sɔ tsɔtsɔna le nyateƒe me ŋu la, ele be gbɔgbɔ kɔkɔea—Mawu ƒe dɔwɔŋusẽ makpɔmakpɔ la—hã ƒe mɔfiafia nakpe ɖe eŋu. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Gbɔgbɔ [kɔkɔe] la dzroa nuwo katã me kpɔna keke Mawu ƒe nu gogloawo me ke.” Egblɔ kpee be: “Ke míawo la míexɔ xexeme ƒe gbɔgbɔ la o, hafi Gbɔgbɔ, si tso Mawu gbɔ la boŋ míexɔ, bene míate ŋu anya nusi Mawu na mí la.” (Korintotɔwo I, 2:8-12) Be míasubɔ Mawu wòadze eŋu la, ele be eƒe gbɔgbɔ nanɔ mía dzi eye wòafia mɔ mi. Gawu la, ele vevie be míaƒe gbɔgbɔ, alo tamesusu ƒe nɔnɔme, nawɔ ɖeka kple etɔ, to nusɔsrɔ̃ kple eƒe Nya la dzi wɔwɔ me.

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Subɔ Mawu “le gbɔgbɔ kple nyateƒe me”