Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kukuɖeɖe—Enye Mɔ Nyuitɔ si Dzi Woato Awɔ Ŋutifafa

Kukuɖeɖe—Enye Mɔ Nyuitɔ si Dzi Woato Awɔ Ŋutifafa

Kukuɖeɖe—Enye Mɔ Nyuitɔ si Dzi Woato Awɔ Ŋutifafa

“ŊUSẼ le kukuɖeɖewo ŋu. Woléa avu ʋunyaʋunya manɔmee, woɖea dukɔwo dome mamawo ɖa, wonaa dziɖuɖuwo kpɔa woƒe dukɔmeviwo ƒe fukpekpewo dzea sii, henaa amewo dome ƒomedodowo ɖɔna ɖo.” Aleae Deborah Tannen, si nye agbalẽŋlɔla aɖe si ƒe agbalẽwo woƒlena wu eye wòganye gbegɔmeɖela le Georgetown Yunivɛsiti le Washington, D.C., gblɔ.

Biblia ɖo kpe edzi be kukuɖeɖe tso dzime nye mɔ nyui aɖe si dzi woato aɖɔ ƒomedodo si me gblẽ ɖo. Le kpɔɖeŋu me, le vi nudomegblẽlaa ŋuti lo si Yesu do me la, esi ɖevia trɔ gbɔ va aƒe heɖe kuku tso dzime la, fofoa lɔ̃ enumake xɔe ɖe aƒea me. (Luka 15:17-24) Ẽ, mele be ame nabu eɖokui gãe akpa be yemabɔbɔ ye ɖokui, aɖe kuku, ahabia tsɔtsɔke o. Le nyateƒe me la, kukuɖeɖe mesesẽna akpa na amesiwo bɔbɔa wo ɖokui ŋutɔŋutɔ la o.

Ŋusẽ si Le Kukuɖeɖe Ŋu

Abigail, si nye blema Israel-nyɔnu nyanu aɖe, ɖo kpɔɖeŋu aɖe ɖi si ɖe kukuɖeɖe ƒe ŋusẽ fia, togbɔ be srɔ̃a ƒe numanyomanyo si wòwɔ tae wòɖe kukua ɖo hã. Esime Dawid, si va zu Israel-fia, kple eŋumewo nɔ gbedzi la, wokpɔ Abigail srɔ̃ Nabal ƒe lãhawo ta nɛ. Gake esi Dawid ƒe ɖekakpuiwo yi ɖabia abolo kple tsi Nabal la, edzu wo heɖo wo ɖa asiƒuƒlu. Dzi ku Dawid wòkplɔ ame siwo ade 400 be woatso ɖe Nabal kple eƒemetɔwo ŋu. Esi Abigail se nyaa la, edze mɔ yi ɖakpe Dawid. Esi wòkpɔe la, edze klo ɖe eƒe afɔ nu. Eye wògblɔ be: “Nye aƒetɔ, dzi nyee vodada la le! Eyata na wò dɔlanyɔnu naƒo nu ɖe wò to me, eye se wò dɔlanyɔnu ƒe gbe!” Emegbe Abigail ɖe nusi dzɔ me hetsɔ nuɖuɖu kple nunono na Dawid. Esia na wògblɔ be: “Yi aƒe le ŋutifafa me! Kpɔ ɖa, mese wò gbe, eye meve nuwò!”—Samuel I, 25:2-35.

Ðokuibɔbɔ ƒe nɔnɔme si Abigail ɖe fia kpakple nya siwo wògblɔ tsɔ ɖe kuku ɖe srɔ̃a ƒe amemabumabu nuwɔnaa ta kpɔ eƒemetɔwo ta. Dawid da akpe nɛ gɔ̃ hã be eɖe ye tso ʋufɔɖiɖi me. Togbɔ be menye Abigail ye wɔ ŋlɔmia le Dawid kple eŋumeawo ŋu o hã la, exɔ fɔɖiɖia ɖe eƒe ƒomea nu eye wòwɔ ŋutifafa kple Dawid.

Amesi nya ɣeyiɣi si me wòhiã be woaɖe kuku ƒe kpɔɖeŋu bubue nye apostolo Paulo. Eva hiã be wòaʋli eɖokui ta ɣeaɖeɣi le Sanhedrin, si nye Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ, la ŋkume. Esi Paulo ƒe nya siwo wògblɔ tẽ la ku dzi na nunɔlagã Anania ta la, eɖe gbe na amesiwo tɔ ɖe Paulo xa la be woaƒo nu gbɔ nɛ. Esia na Paulo gblɔ nɛ be: “Mawu aƒo wò, wò gli, si wosi akalo na; eye wò la èbɔbɔ nɔ anyi hele ʋɔnu drɔ̃mem le se la nu, eye nèda se la dzi heblu bena, woaƒoma?” Esi nua teƒe kpɔlawo tsɔ nya ɖe Paulo ŋu be edo nu ɖe nunɔlagãa gbɔ la, apostoloa lɔ̃ ɖe eƒe vodadaa dzi enumake, gblɔ bena: “Nɔvinyewo, nyemenyae bena, nunɔlagãe o; elabena woŋlɔ bena: ‘Megagblɔ nya vɔ̃ ɖe wò dukɔ la ƒe amegã ŋuti o.’ ”—Dɔwɔwɔwo 23:1-5.

Nya si Paulo gblɔ—be mele be amesi woɖo ʋɔnudrɔ̃lae nasẽ ŋuta o—la dzɔ. Ke hã eɖe kuku ɖe alesi wòƒo nu na nunɔlagãa le mɔ si woabu be enye bubumademade ame ŋu nu, le manyamanya me, la ta. * Paulo ƒe kukuɖeɖea ʋu mɔ Sanhedrin la ɖo to se nya si nɔ esi. Esi Paulo nya nu tso nyaʋiʋli si nɔ ʋɔnudrɔ̃laawo dome ŋu ta la, egblɔ na wo be tsitretsitsi si dzi yexɔ se tae wole ʋɔnu drɔ̃m ye ɖo. Esia he nyaʋiʋli sesẽ aɖe de wo dome, eye Farisitɔwo de Paulo dzi.—Dɔwɔwɔwo 23:6-10.

Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso Biblia me kpɔɖeŋu eve siawo me? Le nudzɔdzɔ evea siaa me la, kukuɖeɖe tso dzime faa ɖe vodada ta ʋu mɔ na numedzodzro bubu. Eyata kukuɖeɖe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míawɔ ŋutifafa. Ẽ, míaƒe vodadawo xɔxɔ de eme kpakple kuku ɖeɖe ɖe nusi wògblẽ ta ate ŋu aʋu mɔnukpɔkpɔwo na numedzodzro nyuiwo.

‘Gake Nyemedze Agɔ Aɖeke O Ðe’

Ne míekpɔe be nya si míegblɔ alo nusi míewɔ de abi ame aɖe ŋu la, ete ŋu wɔna na mí be ameae mesea nu gɔme o alo be nu venɛ vevie akpa. Gake Yesu Kristo xlɔ̃ nu eƒe nusrɔ̃lawo bena: “Ne ètsɔ wò nunana va da ɖe vɔsamlekpuia dzi, eye nèɖo ŋui le afima bena, nya aɖe le nɔviwò ƒe dzi me ɖe ŋutiwò la, gblẽ wò nunana la ɖe afima le vɔsamlekpuia ŋgɔ, eye nayi aɖadzra mia kple nɔviwò dome ɖo gbãgbiagbã, hafi nava tsɔ wò nunana la vae.”—Mateo 5:23, 24.

Le kpɔɖeŋu me, nɔvi aɖe ase le eɖokui me be nèdze agɔ le ye dzi. Yesu gblɔ le nɔnɔme ma ŋu be wòe wòle be nàyi ‘aɖadzra mia kple nɔviwòa dome ɖo,’ èɖase le ɖokuiwò me be yee da vo ɖe eŋu loo alo be yemedze agɔ o. Le Helagbea nu la, nya si Yesu zã le afisia ‘fia akpa evea ƒe ɖekawɔwɔ le dzrehehe megbe.’ (Vine’s Expository Dictionary of Old and New Testament Words) Nyateƒee, ne masɔmasɔ aɖe ɖo ame eve dome la, vodada aɖe atso akpa evea siaa gbɔ godoo, le esi ame evea siaa mede blibo o eye woate ŋu ada vo bɔbɔe ta. Zi geɖe la, esia bia be akpa evea nawɔ ɖeka.

Menye amesi tɔ dzɔ kple amesi tɔ medzɔ o ƒe nyae wònye o, ke boŋ amesi axɔ ŋgɔ be yeawɔ ŋutifafa ye hiã. Esi apostolo Paulo de dzesii be Korinto Kristotɔwo nɔ wo hati Mawu subɔlawo kplɔm yi xexemetɔwo ƒe ʋɔnui ɖe masɔmasɔwo abe esiwo ku ɖe ganyawo ŋu ene ta la, eɖɔ wo ɖo ale: “Nukaŋuti miena wowɔ vɔ̃ ɖe mia ŋuti boŋ oa? Nukaŋuti miena woba mi boŋ oa?” (Korintotɔwo I, 6:7) Togbɔ be ɖe Paulo gblɔ nya sia be yeana Kristotɔwo nadzudzɔ wo dome masɔmasɔwo tsɔtsɔ yi xexemetɔwo ƒe ʋɔnui hã la, gɔmeɖose si le eme dze ƒã, be: Ŋutifafa si anɔ haxɔsetɔwo dome xɔ asi sasasã wu amesi tɔ dzɔ kple amesi tɔ medzɔ o ʋiʋli. Gɔmeɖose sia léle ɖe ta me naa wònɔa bɔbɔe be míaɖe kuku ɖe vodada aɖe si ame aɖe susu be míewɔ ɖe ye ŋu la ta.

Ehiã be Wòatso Dzime

Gake ame aɖewo zãa kukuɖenyawo yakatsyɔ. Le kpɔɖeŋu me, le Japan la, wosea nya sumimasen, si nye nya si koŋ wozãna tsɔ ɖea kukui la edziedzi ale gbegbe. Wote ŋu zãnɛ na akpedada, wònyea dɔmenyo aɖe si wowɔ na ame eye amea mete ŋu wɔ naneke tsɔ da akpee ɖe eta o ŋuti kukuɖeɖe. Le alesi wozãnɛ le mɔ vovovowo nu ta la, ame aɖewo ase le wo ɖokui me be wozãa nyaa edziedzi akpa eye be ɖeko wogblɔa wo gake metso woƒe dzi me o. Nenema ke le dukɔ bubuwo me la, adze abe wozãa kukuɖenya ƒomeviwo wògbɔa eme akpa ene.

Le gbegbɔgblɔ ɖesiaɖe me la, ele vevie be ame ƒe kukuɖeɖe natso eƒe dzime. Ele be kukuɖenyaa kple gbe si wotsɔ gblɔe naɖee afia be amea se veve ɖe nuwɔnaa ta nyateƒe. Yesu Kristo fia nu eƒe nusrɔ̃lawo le Todzimawunyaa me be: ‘Mina miaƒe nanye Ẽ, O nanye O; elabena nusi ke wu esiawo la, etso vɔ̃ɖitɔ la me.’ (Mateo 5:37) Ne èle kuku ɖem la, meganye alakpanuwɔwɔ o! Le kpɔɖeŋu me: Ŋutsu aɖe si nɔ fli me le mɔzɔgbalẽwo me kpɔƒe le yameʋudzeƒe aɖe la ɖe kuku esi eƒe mɔzɔkplo lɔ nyɔnu aɖe si nɔ eyome. Esi flia ɖe zɔ le aɖabaƒoƒo ʋɛ aɖewo megbe la, mɔzɔkploa galɔ nyɔnua ake. Ŋutsua gaɖe kuku ake tufafatɔe. Esi nu ma gadzɔ ake la, nyɔnua ƒe mɔzɔhati gblɔ na ŋutsua be nenye be ete ɖe edzi nyateƒe be mɔzɔkploa le nyɔnua lɔm si ta wòle kuku ɖem ɖo la, ke nekpɔ egbɔ be mɔzɔkploa nagalɔ nyɔnua ake o. Ẽ, ele be woaɖoe kplikpaa be woagawɔ vodada si ta woɖe kuku ɖo tso dzi me la ake o.

Ne míaƒe kukuɖeɖea tso dzime la, míalɔ̃ ɖe vodada si wònye la dzi, abia tsɔtsɔke, ahadze agbagba be míaɖɔ nusi míegblẽ la ɖo alesi wòanya wɔe. Nenema ke wòle be amesi dzi wodze agɔa le nalɔ̃ faa atsɔ ake vodalaa dzimetrɔla la. (Mateo 18:21, 22; Marko 11:25; Efesotɔwo 4:32; Kolosetɔwo 3:13) Esi ame evea siaa mede blibo o ta la, amedomedzadzraɖoa mazɔ tẽ ɣesiaɣi o. Ke hã, kukuɖeɖe wɔa dɔ ŋutɔ le ŋutifafa wɔwɔ me.

Ɣeyiɣi si me Masɔ be Woaɖe Kuku O

Togbɔ be kukuɖenyawo gbɔgblɔ atsɔ ɖe vevesese ɖe vodada ta afia te ŋu naa amesi dzi wodze agɔ le ƒe dzi fana eye wòte ŋu naa ŋutifafa vana hã la, nunyala ƒoa asa na kukuɖenya mawo gbɔgblɔ ne mesɔ be wòaɖe kuku o. Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be nuteƒewɔwɔ na Mawu ŋue nyaa ku ɖo. Esime Yesu Kristo nɔ anyigba dzi la, “ebɔbɔ eɖokui ɖe anyi, eye wòɖo to yiɖase ku me, yiɖase fuwɔameti ŋuti ku la me ke.” (Filipitɔwo 2:8) Gake medo taflatse ɖe eƒe dzixɔsewo ta kple susu be yeavo tso fukpekpe me o. Eye Yesu meɖe kuku esime nunɔlagã la gblɔ be: “Metà Mawu gbagbe la na wò, be nagblɔe na mí nenye wòe nye Kristo, Mawuvi la” la o. Le esi teƒe be Yesu natsɔ dzodzo nyanyanya aɖe kukui la, eɖo eŋu dzinɔameƒotɔe be: “Wòe gblɔe; gake la mele egblɔm na mi bena: Tso esia dzi miele Amegbetɔvi la kpɔ ge, wòabɔbɔ nɔ anyi ɖe ŋusẽ ƒe nuɖusi me, anɔ dziƒo ƒe alilikpowo dzi gbɔna.” (Mateo 26:63, 64) Meva Yesu ƒe susu me be yeaɖe asi le nuteƒewɔwɔ na ye Fofo, Yehowa Mawu, ŋu ahawɔ ŋutifafa kple nunɔlagã la o.

Kristotɔwo dea bubu amesiwo le ŋusẽnɔƒewo ŋu. Ke hã mehiã be woaɖe kuku na ame aɖeke ɖe woƒe toɖoɖo Mawu kple wo nɔviwo lɔlɔ̃ ta o.—Mateo 28:19, 20; Romatɔwo 13:5-7.

Naneke Maxe Mɔ na Ŋutifafa O

Egbea la, míewɔa vodada le blibomademade kple nuvɔ̃ si ƒe dome míenyi tso mía tɔgbui Adam gbɔ ta. (Romatɔwo 5:12; Yohanes I, 1:10) Adam ƒe aglãdzedze ɖe Ewɔla ŋue na wòzu nuvɔ̃me. Gake le gɔmedzedzea me la, ame deblibowoe Adam kple Xawa nye eye nuvɔ̃ menɔ wo ŋu o, eye Mawu do ŋugbe be yeana amegbetɔwo nagaɖo blibodede ƒe nɔnɔme sia me. Aɖe nuvɔ̃ kple emetsonuwo katã ɖa.—Korintotɔwo I, 15:56, 57.

Wò ya bu nusi ema fia ŋu kpɔ ko! Yesu dadavi Yakobo gblɔ le aɖaŋu si wòɖo le alesi woazã aɖe lae ŋu me be: “Ne ame aɖe meda vo le nuƒoƒo me o la, eyae nye ame blibo, eye wòkpɔ ŋusẽ bena, wòaɖu ŋutilã blibo la katã hã dzi.” (Yakobo 3:2) Ame deblibo ate ŋu akpɔ eƒe aɖe dzi ale be mahiã be wòaɖe kuku ɖe ezazã le mɔ gbegblẽ nu ta o. Ate ŋu ‘aɖu eƒe ŋutilã bliboa dzi.’ Aleke gbegbe wòanyoe enye si ne míeva zu ame deblibowo! Ɣemaɣi la, naneke magado kplamatse amewo dome ŋutifafa o. Gake hafi ɣemaɣi naɖo la, kukuɖeɖe tso dzime faa ɖe vodada si míewɔ ta awɔ akpa gã aɖe le ŋutifafa wɔwɔ me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 8 Ate ŋu anye be ŋku si nɔ fu ɖem na Paulo tae mekpɔ nunɔlagã la dze sii o ɖo.

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso Paulo ƒe kpɔɖeŋua me?

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Ne amesiame de blibo la, naneke maxe mɔ na ŋutifafa o