Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa—Mawu si Wòle Be Nàdze Sii

Yehowa—Mawu si Wòle Be Nàdze Sii

Yehowa​—Mawu si Wòle Be Nàdze Sii

ÐE WÒANYE be nu vevi aɖe le ŋuwò tom le agbe mea? Ne nu sue aɖe koe nènya tso Mawu ŋu la, ekema nu vevi aɖe le ŋuwò tom nyateƒe. Nukatae? Elabena abe alesi ame miliɔn geɖe va kpɔe ene la, Mawu si ŋu Biblia ƒo nu tsoe la nyanya hea viɖe gãwo vɛ na ame le agbe me. Wotea viɖe siawo kpɔkpɔ enumake eye wòyia edzi ɖoa etsɔme ʋĩ ke.

Yehowa Mawu, si nye Biblia Ŋlɔla la, di be míadze si ye. Hakpala la ŋlɔ bena: “Ne woadze sii be, ŋkɔwòe nye Yehowa, eye wò ɖeɖe koe ɖo kpo ɖe anyigba blibo la dzi!” Enyae be míaƒe nyonyo tae wòle be míanya ye ɖo. “Nye Yehowa, wò Mawu, enye amesi fia nusi nyo na wò la wò.” Aleke Dziƒoʋĩtɔ, Yehowa Mawu, nyanya ɖea vi na míi?—Psalmo 83:19; Yesaya 48:17.

Viɖe akuakuawo dometɔ aɖee nye be míekpɔa gbesiagbekuxiwo ŋuti mɔfiame, míekpɔa mɔkpɔkpɔ si ŋu kakaɖedzi le, eye míekpɔa tomefafa. Gawu la, Yehowa nyanya nyuie ʋãa mí be nɔnɔme bubu kura va sua mía si le nya vevitɔ siwo dze ŋgɔ amewo le xexeame katã egbea me. Nya kawoe?

Ðe Tameɖoɖo le Wò Agbe Ŋua?

Togbɔ be ameƒomea wɔ ŋgɔyiyi wɔnukuwo le mɔ̃ɖaŋuŋutinunya me hã la, amewo gabiaa nya vevi siawo kokoko be: ‘Nukatae mele afisia ɖo? Afikae meɖo tae? Tameɖoɖo kae le agbe ŋu?’ Ne amewo mekpɔ ŋuɖoɖo dzeameŋuwo o la, tameɖoɖo vavã aɖeke meva nɔa woƒe agbe ŋu o. Ðe ame geɖe kpɔa kpododonu sia dzea sia? Numekuku aɖe si wowɔ le Germany le ƒe 1990-awo ƒe nuwuwu ɖee fia be amesiwo wobia gbee la ƒe afã senɛ le wo ɖokui me edziedzi alo ɣeaɖewoɣi be ewɔ abe tameɖoɖo aɖeke mele agbe ŋu o ene. Ðewohĩ nukpɔsusu sia ƒomevi le amewo si le afisi wò hã nèle.

Ne tameɖoɖo mele agbe ŋu o la, ke gɔmeɖokpe boo aɖeke manɔ ame si si dzi wòatu eƒe taɖodzinuwo ɖo o. Ame geɖe dzea agbagba be yewoatsɔ dɔ kpɔdzidzedzewo wɔwɔ alo kɔlili kesinɔnuwo aɖo gɔmesese makpɔmakpɔ sia teƒe. Ke hã ta si womenya le enu o la gagblẽa nyaa ɖe edzi. Tameɖoɖo si manɔ ame si le agbe me o la ɖea fu na ame aɖewo ale gbegbe be womegadina be yewoanɔ agbe o. Aleae wònɔ le ɖetugbi dzetugbe aɖe si ŋu International Herald Tribune gblɔ le be wonyi “le kesinɔnu gbogbo aɖewo kple mɔnukpɔkpɔ manyaxlẽwo me” la gomee. Togbɔ be kesinɔnuwo ƒo xlãe hã la, etsi akogo eye wòse le eɖokui me be tameɖoɖo mele yeƒe agbe ŋu o. Elɔ alɔ̃dɔtikewo mi hetsi alɔ̃me ku. Ðewohĩ ànya nu tso akogotsila aɖewo siwo ƒe agbe wu enu nublanuitɔe la ŋu.

Gake èse amewo gblɔ be dzɔdzɔmeŋutinunya ate ŋu ana míanya nusianu si ku ɖe agbe ŋua? Germanytɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Die Woche gblɔ be: “Togbɔ be dzɔdzɔmeŋutinunya ate ŋu ato nyateƒe hã la, egbɔdzɔ le gbɔgbɔmenuwo gome. Edze abe nɔnɔmetɔtrɔ ŋuti nufiafia mele ɖeke me o ene, eye dzɔdzɔmeŋusẽŋununya me akɔntabubuwo, kple eme nu gbogbo siwo nɔa tɔtrɔm gɔ̃ hã, menaa akɔfafa kple dedienɔnɔ aɖeke o.” Nusiwo ŋu woke ɖo le dzɔdzɔmeŋutinunya sɔsrɔ̃ me wɔe be wote ŋu ƒo nu tso agbe ƒe akpa vovovowo ŋu heɖe dzɔdzɔmenu kple nuwɔna siwo léa agbe ɖe te la gɔme. Ke hã dzɔdzɔmeŋutinunya mate ŋu agblɔ nusitae míele afisia ɖo kple afisi míeɖo tae la na mí o. Ne míeɖo ŋu ɖe dzɔdzɔmeŋutinunya ɖeɖeko ŋu la, míakpɔ ŋuɖoɖo na míaƒe nyabiabia siwo ku ɖe agbe ŋu o. Emetsonua ava nye “mɔfiame si woahiã le afisiafi,” abe alesi nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Süddeutsche Zeitung gblɔe ene.

Amekae ate ŋu ana mɔfiame sia mí wòanyo wu mía Wɔla la? Esi wònye eyae da amegbetɔwo ɖe anyigba dzi ta la, eyae anya nusitae wole afisia ɖo. Biblia ɖe eme be Yehowa wɔ amegbetɔwo be woate ŋu adzi ayɔ anyigba dzi ahanye edzikpɔla siwo alé be nɛ. Le amegbetɔwo ƒe dɔwɔnawo katã me la, wokpɔ mɔ be woaɖe eƒe nɔnɔmewo, abe dzɔdzɔenyenye, nunya, kple lɔlɔ̃ ene afia. Ne míenya se susu si ta Yehowa wɔ mí ɖo gɔme ko la, míanya nusitae míele afisia ɖo.—Mose I, 1:26-28.

Nukae Nàte Ŋu Awɔ?

Ke ne mèkpɔ ŋuɖoɖo dzeameŋu aɖeke na biabia siwo nye: ‘Nukatae mele afisia ɖo? Afikae meɖo tae? Tameɖoɖo kae le agbe ŋu?’ tsã o ɖe? Biblia ɖo aɖaŋu be nàdze agbagba anya Yehowa nyuie. Le nyateƒe me la, Yesu gblɔ be: “Esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.” Wode dzi ƒo na wò hã be nàtu mawusosroɖa ƒe nɔnɔmewo ɖo, vevietɔ lɔlɔ̃, eye nàɖoe wò taɖodzinui be yeava nɔ Mawu ƒe Mesia Fiaɖuƒe si gbɔna la me. Ekema tameɖoɖo anɔ wò agbe ŋu eye etsɔme wɔnuku si ŋu kakaɖedzi le anɔ asiwò. Àkpɔ biabia vevi siwo le fu ɖem na wò tso gbaɖegbe ke la ƒe ŋuɖoɖowo.—Yohanes 17:3; Nyagblɔla 12:13.

Vi kae esia ate ŋu aɖe? Hans enye amesi anya viɖeawo. * Ƒe aɖewo va yi la, exɔ Mawu dzi se ɖe kple ɖee, gake dzixɔse si nɔ Hans si mekpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe eƒe agbe dzi o. Hans zãa atikevɔ̃ɖi, dɔna gbolowo gbɔ, wɔa nu vlo viviviwo, eye wòlɔ̃a dzokeke dodo. Eɖe nu me be: “Gake tameɖoɖo aɖeke menɔ agbe ŋu o, eye nye dzi medzea eme o.” Esime Hans nɔ eƒe ƒe 20-awo me la, etso nya me be yeanya Mawu nyuie wu to Biblia xexlẽ nyuie me. Esi Hans va nya amesi Yehowa nye nyuie hese tameɖoɖo si le agbe ŋu gɔme ko la, etrɔ eƒe agbenɔnɔ hexɔ nyɔnyrɔ eye wòzu Yehowa Ðasefo. Ele ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm ƒe ewo enye sia. Egblɔ tso eƒe dzi me be: “Yehowa subɔsubɔe nye agbenɔnɔmɔ nyuitɔ kekeake. Nu bubu aɖeke megade enu o. Yehowa nyanya na tameɖoɖo va le nye agbe ŋu.”

Gake menye tameɖoɖo si le agbe ŋu nyanya koe nye nusi ŋu ame geɖe tsi dzi ɖo o. Esi xexeame ƒe nɔnɔme yi edzi le gbegblẽm ɖe edzi la, nya vevi bubu aɖe hã le fu ɖem na ame geɖewo.

Nukatae Wòdzɔ Ðo?

Ne afɔku dzɔ la, zi geɖe la, biabia ɖeka aɖe nɔa susu me na amesiwo dzi wòdzɔ ɖo, be: Nukatae wòdzɔ ɖo? Be woate ŋu anɔ te ɖe afɔkuwo nu le seselelãme gome nɔ te ɖe biabia ma ƒe ŋuɖoɖo si sɔ la kpɔkpɔ dzi vevie. Ne womekpɔ ŋuɖoɖo dzeameŋu aɖeke o la, fuwɔamea nɔa anyi eye amesi dzi wòdzɔ ɖo la ate ŋu ado dziku. Le kpɔɖeŋu me, bu nusi dzɔ ɖe Bruni dzi ŋu kpɔ.

Bruni, si xɔ wu ƒe 40 la, ɖe nu me be, “ƒe aɖewo enye sia la, vinyenyɔnuvi vidzĩ ku. Mexɔ Mawu dzi se, eyata meyi nunɔla si le nutoa me gbɔ be wòafa akɔ nam. Egblɔ nam be Mawue tsɔ Susanne yi dziƒo, eye enye mawudɔla fifia. Menye nye agbemenuwo katã me koe eƒe kua gblẽ nam o ke boŋ melé fu Mawu le esi wòxɔe ta.” Bruni ƒe vevesese kple fukpekpea nɔ anyi ƒe geɖe. “Emegbe Yehowa Ðasefo aɖe fiam le Biblia me be mele be malé fu Mawu o. Yehowa mexɔ Susanne yi dziƒoe o, eye mezu mawudɔla o. Amegbetɔwo ƒe blibomademadee na wòdze dɔ. Susanne dɔ alɔ̃ ɖe ku me le lalam be Yehowa nafɔe ɖe tsitre. Mesrɔ̃e hã be ɖe wòwɔ amegbetɔwo be woanɔ agbe tegbee le paradiso me le anyigba dzi, eye eteƒe madidi o esia ava eme. Esi meva le amesi tututu Yehowa nye gɔme sem ko la, meva te ɖe eŋu nyuie wu, eye nye vevesesea nu te fafa.”—Psalmo 37:29; Dɔwɔwɔwo 24:15; Romatɔwo 5:12.

Afɔkuwo dzɔna ɖe ame miliɔn geɖe dzi le mɔ vovovowo nu: nudzɔɖeamedziwo, aʋawɔwɔ, dɔwuame, alo dzɔdzɔmefɔkuwo. Bruni ƒe dzi dze eme esi wònya kpɔe le Biblia me be menye Yehowae wòle be woabu fɔe ɖe afɔkuwo ta o, be meɖoe be ameƒomea nakpe fu o, eye be eteƒe madidi o aɖe vɔ̃ ɖa. Nyateƒe si wònye be vɔ̃ɖinyenye le dzidzim ɖe edzi la nye dzesi be míele nuɖoanyi sia ƒe “ŋkeke mamlɛawo” me fifia. Tɔtrɔ wɔnuku si ana nuwo nanyo ɖe edzi si mí katã míele mɔ kpɔm na vevie la tu aƒe.—Timoteo II, 3:1-5; Mateo 24:7, 8.

Mawu Nyanya

Mawu ŋuti nukpɔsusu masɔmasɔe nɔ Hans kple Bruni si tsã. Woxɔ eyama dzi se evɔ womenya nu boo aɖeke tso eŋu o. Esi wozã ɣeyiɣi tsɔ nya Yehowa nyuie wu la, woƒe agbagbadzedze ɖe vi na wo. Wokpɔ ŋuɖoɖo siwo sɔ na biabia vevitɔ siwo li egbea. Esia na susumekɔdzeanyi wo eye etsɔme mɔkpɔkpɔ si ŋu kakaɖedzi le su wo si. Aleae wòdzɔ ɖe Yehowa subɔla miliɔn geɖe hã dzii.

Sidzedze Yehowa dzea egɔme tso Biblia, si gblɔ eyama kple nusi wòdi tso mía si ŋuti nya na mí la, sɔsrɔ̃ nyuie dzi. Nu mae ame aɖewo wɔ le ƒe alafa gbãtɔ me. Ŋutinyaŋlɔla kple atikewɔla Luka ka nya ta be Yudatɔwo ƒe hame si le Beroia, le Hela, me tɔwo ‘xɔ nya la kple dzi faa, eye wole Ŋɔŋlɔawo me dzrom gbesiagbe be, nusiawo le eme hã.’—Dɔwɔwɔwo 17:10, 11.

Ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo hã kpe ta ɖekae le hamewo me. (Dɔwɔwɔwo 2:41, 42, 46; Korintotɔwo I, 1:1, 2; Galatiatɔwo 1:1, 2; Tesalonikatɔwo II, 1:1) Aleae wòle egbea hã. Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo kpea ta wɔa kpekpe siwo ŋu wotrɔ asi le etɔxɛe be woakpe ɖe amewo ŋu be woate ɖe Yehowa ŋu ahase vivi le esubɔsubɔ me la me. Viɖe bubuwo gale hadede kple Ðasefo siwo le nutoa me ŋu me. Esi wònye amegbetɔwo va nɔa Mawu si subɔm wole la ƒe nɔnɔme srɔ̃m vivivi ta la, Yehowa Ðasefowo ɖea nɔnɔme siwo Yehowa ŋutɔ ɖena fiana la fiana—togbɔ be afi aɖe ko wòte ŋu wɔnɛ sena hã. Eyata ƒuƒoƒo kple Ðasefowo kpena ɖe mía ŋu be míanya Yehowa ɖe edzi wu.—Hebritɔwo 10:24, 25.

Ðe ema ɖi abe agbagbadzedze fũ akpa be woanya Ame ɖeka pɛ ko enea? Ebia agbagbadzedze godoo. Gake ɖe menye nenemae wòle le agbemenu geɖe siwo nèdina be woasu asiwò la gome oa? Bu agbagba si wòle be kamedefefewɔla xɔŋkɔ nadze le hehexɔxɔ me ŋu kpɔ. Le kpɔɖeŋu me, France ƒe Olimpik sno dzi fefe sikanunanaxɔla Jean-Claude Killy, gblɔ le nusi wòbia be woanye dukɔwo dome kamedefefe ƒe hoʋlila kpɔdzidzedze ŋu be: “Ehiã be nàdze egɔme ƒe 10 do ŋgɔ ahanɔ ɖoɖo wɔm ɖe eŋu ƒe sia ƒe ahanɔ eŋu bum gbesiagbe . . . Enye ŋkeke 365 le ƒe ɖeka me ƒe dɔ, si nàtsɔ susu kple lãmekawo katã awɔ.” Ɣeyiɣi kple agbagbadzedze siawo katãe hiã be woate ŋu aʋli ho si axɔ miniti ewo pɛ ko! Ekema aleke gbegbee wòle be wòanɔ le nusi Yehowa nyanya ahe vɛ na mí—si anɔ anyi ɖaa—ya gomee nye si.

Ƒomedodo si Yia Edzi Nɔa Sesẽm ɖe Edzi

Amekae adi be agbemenu vevi aɖe nato ye ŋu? Ame aɖeke o. Eyata ne èsenɛ le ɖokuiwò me le mɔ aɖe nu be tameɖoɖo vavã mele yeƒe agbe ŋu o alo nèdi be yeanya nusitae afɔkuwo dzɔna la, ekema ɖoe kplikpaa be yeanya Yehowa, Biblia ƒe Mawu la. Nusɔsrɔ̃ tso eyama ŋu ate ŋu atrɔ wò agbe wòanyo wu, tegbee.

Ðe wòava dzɔ gbaɖegbe be míadzudzɔ nusɔsrɔ̃ tso Yehowa ŋua? Nusiwo amesiwo le esubɔm ƒe geɖe enye sia srɔ̃ tso eŋu kple nu yeye siwo wogayi edzi le sɔsrɔ̃m tso eŋu la gakpɔtɔ wɔa nuku na wo kokoko. Nu mawo sɔsrɔ̃ naa míekpɔa dzidzɔ eye wòtea mí ɖe eyama ŋu kplikplikpli wu. Míada asi ɖe alesi apostolo Paulo bu nuwo ŋui dzi, esi wòŋlɔ be: “Oo, Mawu ƒe kesinɔnuwo kple nunya kple sidzedze me goglo loo! Aleke eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo me dzodzro tsitotsito meli o, eye eƒe mɔwo mele nyanya me gobi o ale! Elabena ameka nya Aƒetɔ la ƒe tamesusu, alo ameka zu eƒe adaŋudela kpɔ mahã?”—Romatɔwo 11:33, 34.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 12 Míetrɔ ŋkɔawo.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 5]

Amewo gabiaa nya vevi siawo ke be: ‘Nukatae mele afisia ɖo? Afikae meɖo tae? Tameɖoɖo kae le agbe ŋu?’

[Nya si ɖe dzesi si le axa 6]

“Esi meva le amesi tututu Yehowa nye gɔme sem ko la, meva te ɖe eŋu nyuie wu”

[Nya si ɖe dzesi si le axa 7]

“Yehowa subɔsubɔ enye agbenɔnɔmɔ nyuitɔ kekeake. Nu bubu aɖeke megade enu o. Yehowa nyanya na tameɖoɖo va le nye agbe ŋu”