Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Milé Dzi Ðe Ƒo! Meɖu Xexeame Dzi’

‘Milé Dzi Ðe Ƒo! Meɖu Xexeame Dzi’

‘Milé Dzi Ðe Ƒo! Meɖu Xexeame Dzi’

ŊKEKE si dzi Yesu ku—si nye Yudatɔwo ƒe ɣleti si nye Nisan ƒe ŋkeke 14 lia—la dze egɔme tso Yawoɖa, March 31, ƒe 33 M.Ŋ. ƒe ɣeɖoto dzi. Le fiẽ ma me la, Yesu kple eƒe apostolowo ƒo ƒu ɖe dziƒoxɔ aɖe me le Yerusalem be yewoaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la. Esi Yesu nɔ dzadzram ɖo “bena yeadzo le xexe sia me ayi ɖe Fofoa gbɔ” la, eɖee fia be yelɔ̃ yeƒe nusrɔ̃lawo vaseɖe nuwuwu. (Yohanes 13:1) Alekee wòwɔe? To nufiame nyui aɖewo siwo wòtsɔ dzra wo ɖo ɖe nusi le ŋgɔ ŋu la gbɔgblɔ na wo me.

Esi zã nɔ dodom ɖe edzi la, Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: ‘Milé dzi ɖe ƒo! Meɖu xexeame dzi.’ (Yohanes 16:33) Nukae wòwɔnɛ esi wògblɔ nya ma dzinɔameƒotɔe? Eƒe akpa aɖee nye si: ‘Vɔ̃ si le xexeame la medo dziku nam alo ƒoe ɖe nunye be mawɔ wɔɖenui o. Nyemena mɔ xexeame natrɔm ɖe eƒe nɔnɔme nu o. Ate ŋu anɔ alea le miawo hã gome.’ Nusi Yesu fia eƒe apostolo wɔnuteƒeawo le eƒe anyigba dzi gbenɔnɔ ƒe gaƒoƒo mamlɛ mawo me la akpe ɖe woawo hã ŋu woaɖu xexeame dzi.

Amekae agblɔ be vɔ̃ɖinyenye medo agbogbo ɖe xexeame egbea o? Alekee míewɔa nu ɖe madzɔmadzɔnyenyewo kple ŋutasesẽ manyatalenuwo ŋui? Ðe esiawo kua dzi na mí alo tea mí kpɔna be míawɔ wɔɖenuia? Alekee agbenyuinɔnɔ si le to yim si ƒo xlã mí la kpɔa ŋusẽ ɖe mía dzii? Tsɔ kpe ɖe míaƒe blibomademade kple nuvɔ̃menyenye ŋu la, aʋa evee dze ŋgɔ mí, si wòle be míawɔ: aʋawɔwɔ kple xexe vɔ̃ɖi si ƒo xlã mí kpakple nuvɔ̃ɖiwɔwɔ ƒe didi si le mía me. Ðe míate ŋu akpɔ mɔ be, Mawu ƒe kpekpeɖeŋu manɔmee la, míaɖu dzi nyateƒea? Alekee míawɔ axɔ eƒe kpekpeɖeŋu? Nɔnɔme kawoe wòle be míatu ɖo be wòakpe ɖe mía ŋu míatsi tre ɖe ŋutilã me nudzodzrowo ŋu? Be míakpɔ ŋuɖoɖoawo la, mina míatrɔ ɖe nusi Yesu fia eƒe nusrɔ̃la malɔ̃nugbɔawo le eƒe anyigba dzi gbenɔnɔ ƒe ŋkeke mamlɛa dzi ŋu.

Tsɔ Ðokuibɔbɔ Ðu Dada Dzii

Le kpɔɖeŋu me, bu kuxi si dada alo ɖokuidodoɖedzi nye ŋu kpɔ. Biblia gblɔ le eŋu be: “Dada doa ŋgɔ na gbegblẽ, eye ɖokuidodoɖedzi na anyidzedze.” (Lododowo 16:18) Ŋɔŋlɔawo hã xlɔ̃ nu mí be: “Ne ame aɖe bu bena, yenye nane, evɔ menye naneke o la, ye ŋutɔ ɖokui blem wòle.” (Galatiatɔwo 6:3) Dada gblẽa nu heblea ame vavã. Míanye nunyalawo ne míelé fu ‘ɖokuidodoɖedzi kple dada.’—Lododowo 8:13.

Ðe ɖokuidodoɖedzi kple dada nye kuxi na Yesu ƒe apostoloawoa? Gbeɖeka ya teti la, woʋli nya le wo nɔewo dome ku ɖe amesi nye gãtɔ ŋu. (Marko 9:33-37) Ɣebubuɣi la, Yakobo kple Yohanes bia be yewoanɔ nɔƒe kɔkɔwo le Fiaɖuƒea me. (Marko 10:35-45) Yesu di be yeakpe ɖe yeƒe nusrɔ̃lawo ŋu ne woaɖe asi le nɔnɔme sia ŋu. Eyata esime wonɔ Ŋutitotoŋkekenyuia ɖum la, etso, sa papaŋu ɖe ali, heklɔ afɔ na eƒe nusrɔ̃lawo. Efia nusi wòdi be woanya le esia me la wo tẽ. Yesu gblɔ be: “Ne nye, si nye Aƒetɔ kple nufiala la, meklɔ miaƒe afɔwo ŋuti la, ele na miawo hã be, miaklɔ mia nɔewo ƒe afɔwo ŋuti.” (Yohanes 13:14) Ele be woatsɔ ɖokuibɔbɔ aɖo dada teƒe.

Gake dada dzi ɖuɖu mele bɔbɔe o. Le fiẽ ma ke me esi Yesu nya Yuda Iskariot, amesi yina ede ge asi la do goe megbe la, nyaʋiʋli sesẽ aɖe ɖo apostolo 11 la dome. Nukae hee vɛ? Nyaʋiʋlia ku ɖe wo dometɔ si anye gãtɔ ŋu! Le esi teƒe be Yesu nablu ɖe wo ta la, egatsɔ dzigbɔɖeanyi te gbe ɖe alesi ame bubuwo subɔsubɔ le vevie dzi ake. Egblɔ be: “Dukɔwo ƒe fiawo ɖu aƒetɔwo ɖe wo dzi, eye amesiwo kpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi la, woyɔ wo bena amenuvelawo. Ke miawo la miganɔ nenema o; hafi boŋ amesi nye gãtɔ le mia dome la, nazu abe suetɔ ene; eye amesi nye amegã la, nazu abe subɔla ene.” Eɖo ŋku eƒe kpɔɖeŋua dzi na wo hegblɔ kpee bena: “Mele mia titina abe subɔla ene.”—Luka 22:24-27.

Ðe apostoloawo se eƒe nyaa gɔmea? Edze ƒã be wose egɔme. Ƒe aɖewo megbe la, apostolo Petro ŋlɔ bena: “Mi katã misusu nu ɖeka, ame nu nawɔ nublanui na mi; milɔ̃ mia nɔewo abe nɔviwo ene; miaƒe dɔme natrɔ ɖe ame ŋu; mibɔbɔ mia ɖokui.” (Petro I, 3:8) Alekee wòle vevie nye si be míawo hã míatsɔ ɖokuibɔbɔ aɖu dada dzi! Nunya anɔ eme be míagaƒo mía ɖokui ɖe ŋkɔxɔxɔ, ŋusẽ, alo ɖoƒe didi me o. Biblia gblɔ be: “Mawu tsia tre ɖe dadalawo ŋuti; ke evea ɖokuibɔbɔlawo nu.” (Yakobo 4:6) Nenema kee blema lododo aɖe si me nunya le gblɔ be: “Kesinɔnu, bubu kple agbe enye fetu tso ɖokuibɔbɔ kple Yehowa-vɔvɔ̃ me.”—Lododowo 22:4.

Ðu Fuléle Dzi​—Le Mɔ Ka Nu?

Bu nɔnɔme bubu si bɔ le xexeame ŋu kpɔ—si nye fuléle. Eɖanye vɔvɔ̃, ɖekemanyamanya, nazãbubu, ameteteɖeanyi, madzɔmadzɔnyenye, dulɔlɔ̃, toɖekametɔnyenye, alo ameƒomevinyenye ye hee vɛ o, edze abe fuléle bɔ ɖe afisiafi ene. (Timoteo II, 3:1-4) Fuléle bɔ le Yesu ŋɔli hã. Adzɔxɔlawo nye amesiwo wolé fui vevie le Yudatɔwo dome. Yudatɔwo kple Samariatɔwo menyina kura o. (Yohanes 4:9) Eye Yudatɔwo ɖua fewu le Trɔ̃subɔdukɔwo me tɔwo, alo amesiwo menye Yudatɔwo o ŋu. Gake mlɔeba la, tadedeagu si Yesu ɖo anyi la xɔa dukɔwo katã me tɔwo. (Dɔwɔwɔwo 10:34, 35; Galatiatɔwo 3:28) Eyata ena nu yeye aɖe eƒe nusrɔ̃lawo lɔlɔ̃tɔe.

Yesu gblɔ be: “Se yeye mena mi bena, mialɔ̃ mia nɔewo, sigbe alesi melɔ̃a mi ene, bena miawo hã mialɔ̃ mia nɔewo nenema ke.” Ehiã be woasrɔ̃ alesi woaɖe lɔlɔ̃ sia afiae, elabena eyi edzi be: “Esia me amewo katã woanyae le bena, nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.” (Yohanes 13:34, 35) Sea nɔ yeye le susua nu be ede ŋgɔ wu ‘hawòvi lɔlɔ̃ abe ɖokuiwò ene.’ (Mose III, 19:18) Le mɔ ka nu? Yesu ɖe nyaa me gblɔ bena: “Esia nye nye se la bena, mialɔ̃ mia nɔewo, sigbe alesi melɔ̃a mi ene. Lɔlɔ̃ gã wu esia megale ame aɖeke si bena, wòatsɔ eƒe agbe aɖo anyi ɖe xɔlɔ̃awo ta o.” (Yohanes 15:12, 13) Ele be woalɔ̃ faa atsɔ woa ŋutɔwo ƒe agbe asa vɔe ɖe wo nɔewo kple ame bubuwo ta.

Alekee amegbetɔ madeblibowo ate ŋu awɔ aɖe fuléle ɖikaɖika ɖa le woƒe agbe me? To ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ tsɔtsɔ aɖo eteƒee me. Dzi anukwaretɔ miliɔn geɖe siwo tso gbegbɔgblɔwo, dekɔnuwo, subɔsubɔwo, kple dukɔwo katã me le esia wɔm. Wowɔ ɖeka fifia le ƒuƒoƒo wɔɖeka, si me fuléle mele o—si nye Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa—me. Wowɔ ɖe apostolo Yohanes ƒe nyawo dzi be: “Amesiame, si léa fu nɔvia la, amewula wònye, eye mienya bena, amewula sia amewula mekpɔa agbe mavɔ wònɔa eme o.” (Yohanes I, 3:15) Menye ɖeko Kristotɔ vavãwo gbena be yewomatsɔ tu ɖe amewo ŋu le aʋa aɖeke me ko o, ke boŋ wodzea agbagba vevie be yewoaɖe lɔlɔ̃ afia yewo nɔewo.

Gake nukae wòle be wòanye míaƒe tamesusu ƒe nɔnɔme ɖe amesiwo menye haxɔsetɔwo o eye woalé fu mí la ŋu? Esime Yesu nɔ atia ŋu la, edo gbe ɖa ɖe amesiwo wui la ta gblɔ bena: “Fofo, tsɔe ke wo, elabena womenya nusi wɔm wole o.” (Luka 23:34) Esi amesiwo me fuléle yɔ ƒu kpe Stefano wòku la, nya mamlɛ siwo wògblɔ enye: “Aƒetɔ, megaɖo nuvɔ̃ sia teƒe na wo o!” (Dɔwɔwɔwo 7:59) Yesu kple Stefano di nyui na amesiwo lé fu wo gɔ̃ hã. Dziku aɖeke menɔ dɔ me na wo o. Biblia xlɔ̃ nu mí be: “Mina míawɔ nu nyui na amesiame.”—Galatiatɔwo 6:10.

‘Kpeɖeŋutɔ Tegbee’

Esi kpekpe si wɔm Yesu le kple apostolo wɔnuteƒe 11 la nɔ edzi yim la, ena wonya be eteƒe madidi o yemaganɔ wo dome le ŋutilã me o. (Yohanes 14:28; 16:28) Gake eka ɖe edzi na wo be: “Maɖe kuku na Fofo la, eye wòana nyaxɔɖakɔla bubu mi, bena wòanɔ anyi kpli mi vaseɖe mavɔmavɔ me.” (Yohanes 14:16) Nyaxɔɖakɔla si ƒe ŋugbe wòdo lae nye Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea. Afia Ŋɔŋlɔawo me nu goglowo wo eye wòaɖo ŋku nusi Yesu fia wo esime wònɔ eƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa wɔm la dzi na wo.—Yohanes 14:26.

Alekee gbɔgbɔ kɔkɔea ate ŋu akpe ɖe mía ŋu egbeae? Biblia nye Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me. “Gbɔgbɔ kɔkɔe lae ʋã” amesiwo wozã wogblɔ nyawo ɖi heŋlɔ Biblia. (Petro II, 1:20, 21; Timoteo II, 3:16) Ŋɔŋlɔawo sɔsrɔ̃ kple nusi míesrɔ̃na la tsɔtsɔ ade dɔwɔna me koe ana sidzedze, nunya, gɔmesese, nugɔmesese, nyametsotso nyui wɔwɔ, kple tamebubuŋutete mí. Ekema ɖee míele dzadzraɖo ɖi be míadze ŋgɔ xexe vɔ̃ɖi la ƒe nyaƒoɖeamenuwo oa?

Gbɔgbɔ kɔkɔea nye kpeɖeŋutɔ le mɔ bubu aɖe hã nu. Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea nye ŋusẽ nyui aɖe eye amesiwo le eƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi te la ɖea mawumenɔnɔmewo fiana. Biblia gblɔ be, “gbɔgbɔ ƒe kutsetse enye: Lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmekɔkɔ, dɔmenyonyo, anukwaretɔnyenye, dɔmefafa, ɖokuidziɖuɖu.” Ðe menye esiawoe nye nɔnɔme siwo tututu míehiã be míate ŋu aɖu ŋutilã me dzodzro siwo hea ame dea agbegbegblẽnɔnɔ, dzrewɔwɔ, ŋuʋaʋã, dɔmedzoedodowo, kple esiawo ƒomeviwo me dzi oa?—Galatiatɔwo 5:19-23.

To ŋuɖoɖo ɖe Mawu ƒe gbɔgbɔa ŋu me la, míate ŋu axɔ ‘ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu’ atsɔ akpɔ kuxi alo nuxaxa ɖesiaɖe gbɔe. (Korintotɔwo II, 4:7) Togbɔ be gbɔgbɔ kɔkɔea maɖe tetekpɔwo alo dodokpɔwo ɖa o hã la, ate ŋu akpe ɖe mía ŋu godoo be míado dzi le wo me. (Korintotɔwo I, 10:13) Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Metea ŋu wɔa nuwo katã le Kristo, amesi doa ŋusẽm la me.” (Filipitɔwo 4:13) Mawu doa ŋusẽ ma ame to eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi. Aleke gbegbee wòle be míada akpee le gbɔgbɔ kɔkɔea ta enye si! Amesiwo ‘lɔ̃ Yesu heléa eƒe sewo me ɖe asi’ ye wodo ŋugbe be woanae.—Yohanes 14:15.

“Minɔ Nye Lɔlɔ̃ la Me!”

Le Yesu ƒe amegbetɔnyenye ƒe zã mamlɛa me la, egblɔ hã na eƒe apostoloawo be: “Amesi si nye seawo le, eye wòlé wo me ɖe asi la, ame ma enye amesi le lɔ̃yem; amesi lɔ̃am la, Fofonye alɔ̃e.” (Yohanes 14:21) Exlɔ̃ nu wo be: “Minɔ nye lɔlɔ̃ la me!” (Yohanes 15:9) Alekee Fofo la kple Vi la ƒe lɔlɔ̃ me nɔnɔ akpe ɖe mía ŋu le aʋa si wɔm míele kple míaƒe nuvɔ̃menyenye kpakple xexe vɔ̃ɖi si me míele lae?

Ðe míate ŋu alé didi gbegblẽwo nu le nyateƒe me ne ŋusẽdonu gobii aɖeke meʋaa mí vevie be míaxe mɔ ɖe enu oa? Nukae ado ŋusẽ ame wu be wòadi be ƒomedodo nyui nanɔ ye kple Yehowa Mawu kpakple Via dome? Ernesto, * si nye ɖekakpui aɖe si wɔ aʋa sesĩe kple agbegbegblẽ si wònɔna tso esime wòɖo eƒe ƒewuiwo me teti la, ɖe eme be: “Medi be madze Mawu ŋu, eye mesrɔ̃e le Biblia me be mekpɔa ŋudzedze ɖe agbe si nɔm mele la ŋu o. Eyata metso nya me be matrɔ agbenɔnɔ, be mawɔ ɖe Mawu ƒe mɔfiamewo dzi. Ehiã be mawɔ aʋa kple tamesusu gbegblẽ, ƒoɖi siwo gakpɔtɔ vaa susu me nam la gbesiagbe. Gake meɖoe kplikpaa be maɖu aʋa sia dzi, eye medo gbe ɖa bia Mawu ƒe kpekpeɖeŋu madzudzɔmadzudzɔe. Le ƒe eve megbe la, vɔ̃ɖitɔawo nu yi, togbɔ be megakpɔtɔ le ŋudzɔ ɖe ɖokuinye ŋu hã.”

Le aʋawɔwɔ kple xexe si me míele gome la, de ŋugble le gbe mamlɛ si Yesu do ɖa hafi wodzo le dziƒoxɔa me le Yerusalem la ŋu kpɔ ko. Edo gbe ɖa na Fofoa ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ta hebia be: “Nyemele biabiam be, naɖe wo tso xexeame o, ke boŋ bena, nadzra wo ɖo tso vɔ̃ɖitɔ la si me. Wometso xexeame o, abe alesi nye hã nyemetso xexeame o ene.” (Yohanes 17:15, 16) Dzideƒoname kae nye si esia nye! Yehowa kpɔa amesiwo wòlɔ̃ la ta hedoa ŋusẽ wo be woaɖe wo ɖokui ɖa tso xexeame gbɔ.

‘Ðe Xɔse Fia’

Yesu ƒe sewo dzi wɔwɔ ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖu dzi le aʋa si wɔm míele kple xexeme vɔ̃ɖia kpakple nuvɔ̃ ƒe didi siwo le mía me la me. Gake togbɔ be aʋadziɖuɖu siawo le vevie hã la, womate ŋu aɖe xexeame loo alo nuvɔ̃ si ƒe dome míenyi la ɖa o. Gake mele be dzi naɖe le mía ƒo o.

Biblia gblɔ be: “Xexeame va yina kple eƒe nudzodzrowo; ke amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.” (Yohanes I, 2:17) Yesu tsɔ eƒe agbe na be yeaɖe “amesiame, si xɔa edzi sena la” tso nuvɔ̃ kple ku me. (Yohanes 3:16) Ekema esi míeyi edzi le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu kple tameɖoɖowo ŋuti sidzedze dzim ɖe edzi la, mina míawɔ ɖe Yesu ƒe nuxlɔ̃amea dzi be: “Mixɔ Mawu dzi se, eye mixɔ nye hã dzinye se.”—Yohanes 14:1.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 22 Míezã ŋkɔ bubu le afisia.

[Nɔnɔmetata si le axa 6, 7]

Yesu xlɔ̃ nu eƒe apostolowo be: “Minɔ nye lɔlɔ̃ la me”

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Eteƒe madidi o ablɔɖekpɔkpɔ tso nuvɔ̃ kple eƒe nugbegblẽwo me ava eme ŋutɔŋutɔ