Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Nyateƒenuyi Anɔ Anyi Tegbee”

“Nyateƒenuyi Anɔ Anyi Tegbee”

“Nyateƒenuyi Anɔ Anyi Tegbee”

ATE ŋu agblẽ nu le ame ƒe agbenɔnɔ bliboa ŋu abe alesi dzoxi ate ŋu atɔ dzo ave blibo ahatsrɔ̃e ene. Aɖi ate ŋu ayɔe taŋ, gake ate ŋu anye “agbeti” hã. (Lododowo 15:4) Ku kple agbe le esi. (Lododowo 18:21) Ŋusẽ le ŋutinu sue sia, si nye míaƒe aɖe ŋu ale gbegbe be ate ŋu aƒo ɖi ŋutilã bliboa katã. (Yakobo 3:5-9) Nunya anɔ eme na mí ne míedzɔ aɖea ŋu.

Le Biblia-gbalẽ si nye Lododowo ƒe ta 12 lia ƒe akpa evelia me la, blema Israel-fia Salomo na aɖaŋuɖoɖo nyui aɖe si kpena ɖe mía ŋu be míadzɔ míaƒe nuƒo ŋu. Fia nyanu la to lododo siwo le kpokploe, evɔ woɖɔ ʋu, me ɖee fia be nya siwo ame gblɔna la me tsonuwo li eye wòƒoa nu geɖe tso amesi le egblɔm la ƒe nɔnɔmewo ŋu. Amesiame si di be ‘yeaɖo dzɔla ɖe yeƒe nuyiwo ƒe mɔnu’ alɔ̃ ɖe Salomo ƒe aɖaŋuɖoɖo si tso gbɔgbɔ me la dzi.—Psalmo 141:3.

‘Dadaƒu si Nyea Mɔ̃’

Salomo gbɔ be: “Nuyiwo ƒe dadaƒu enye mɔ̃ na vɔ̃ɖitɔ la; ke ame dzɔdzɔe sina le hiã nu.” (Lododowo 12:13) Alakpadada nye nuyi ƒe dadaƒu si va nyea mɔ̃ vɔ̃ɖi ɖea amesi danɛ la. (Nyaɖeɖefia 21:8) Anukwaremaɖimaɖi adze abe mɔ bɔbɔe si dzi woato asi le tohehe nu alo ado le nɔnɔme madeamedzi aɖe me ene. Gake ɖee alakpadada zi ɖeka menaa wogadaa bubu oa? Abe alesi ko amesi tsɔa ga home suewo dze tsatsadada gɔme yia edzi va zua amesi tsɔa ga home gãwo tsoa gbee esi wòle agbagba dzem be yeagbugbɔ ga siwo woɖu na ye la axɔ ene la, eteƒe medidina hafi alakpatɔ kpɔa eɖokui le numame gbegblẽ aɖe ƒe mɔ̃ me o.

Nuyiwo ƒe dadaƒu ganyea mɔ̃ le susua nu be amesi daa alakpa na amewo la nɔa eɖokui hã blem. Le kpɔɖeŋu me, alakpatɔ abui kakaɖedzitɔe be yenya nu eye yeƒe susu ɖa ŋutɔ, evɔ le nyateƒe me la, menya nu boo aɖeke o. Esia wɔnɛ be wòtea alakpagbenɔnɔ. Le nyateƒe me la, ‘evivi nume le eɖokui ŋku me, ne wòakpɔ mɔnu le eƒe dzidada ŋu, eye wòalé fui.’ (Psalmo 36:3) Mɔ̃ kae nye si alakpadada nye! Gake ame dzɔdzɔe la mahe nɔnɔme sesẽ sia ava eɖokui dzi o. Ne ele fu kpem gɔ̃ hã la, matrɔ ɖe aʋatsoɖe zazã ŋu o.

‘Kutsetse si Hea Nyui Vɛ’

Apostolo Paulo xlɔ̃ nu be: “Migable mía ɖokui o; Mawu menana woɖoa hehe ɖe eta o! Elabena nusi ke ame ƒãna la, esia ke wòaŋe.” (Galatiatɔwo 6:7) Le nyateƒe me la, gɔmeɖose sia lɔ míaƒe nuƒoƒo kpakple nuwɔnawo ɖe eme. Salomo gblɔ be: “Amegbetɔ ƒe nu ƒe kutsetse hea nyui vana nɛ taŋtaŋ; eye nusi ame ƒe asi wɔ la, eya gbugbɔna vana nɛ.”Lododowo 12:14.

Nu si ‘me nunya’ dona tsona tsea ku nyui. (Psalmo 37:30) Nunya bia be sidzedze nanɔ ame si, eye sidzedzewo katã ƒe dzɔtsoƒe mele amegbetɔ aɖeke si o. Ehiã be amesiame naɖo to aɖaŋuɖoɖo nyui ahawɔ ɖe edzi. Israel-fia la gblɔ be: “Bometsila ƒe mɔ dzɔna le eya ŋutɔ ŋku me; ke nunyala ɖoa to aɖaŋuɖoɖo.”Lododowo 12:15.

Yehowa naa aɖaŋuɖoɖo nyuiwo mí toa eƒe Nya kple eƒe habɔbɔa dzi le agbalẽ siwo “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” tana la me. (Mateo 24:45; Timoteo II, 3:16) Aleke wòanye bometsitsi enye si be míatu afɔkpo aɖaŋuɖoɖo nyui ahate tɔ ɖe mía ŋutɔwo ƒe mɔ dzi! Ne Yehowa, ‘Amesi fia nunya amegbetɔwo’ to mɔ si dzi wòtona ƒoa nu na mí dzi ɖo aɖaŋu na mí la, ele be ‘míaɖe abla le esese me.’—Yakobo 1:19; Psalmo 94:10.

Aleke nunyala kple bometsila wɔa nui ɖe dzudzu alo ɖeklemiɖeɖe masɔmasɔwo ŋui? Salomo ɖo eŋu be: “Bometsila mesea dzikudodo o; ke amesi ɣlaa eƒe dzu la, nunyalae.”Lododowo 12:16.

Ne wowɔ nu madzemadze aɖe ɖe bometsila ŋu la, eɖoa eŋu enumake—‘le ŋkeke ma ke dzi’—le dziku me. Gake nunyala doa gbe ɖa biaa Mawu ƒe gbɔgbɔ ale be wòate ŋu aɖu eɖokui dzi. Egbɔa dzi ɖi dea ŋugble le aɖaŋuɖoɖo si le Mawu ƒe Nyaa me ŋu hetsɔa dzidzɔ bua tame le Yesu ƒe nya siwo nye “amesi ke ƒo wò nuɖusi tome la, nyẽ ekeme hã nɛ” ŋu. (Mateo 5:39) Esi nunyala la medina be ‘yeaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe na ame aɖeke o’ ta la, eléa eƒe nu be wòagagblɔ nya ameŋumabumabutɔe o. (Romatɔwo 12:17) Nenema kee ne míetsyɔ nu ŋukpe siwo ɖewohĩ woado mí dzi la, míeƒoa asa na masɔmasɔ bubu.

‘Aɖe si Daa Gbe le Ame Ŋu’

Nuyiwo ƒe dadaƒu ate ŋu agblẽ nu geɖe le ʋɔnudɔdrɔ̃ me. Israel-fia la gblɔ bena: “Amesi nu nyateƒe dona le la, gblɔa nusi le eteƒe; ke aʋatsoɖasefo daa alakpa.” (Lododowo 12:17) Nyateƒeɖasefo toa nyateƒe elabena woate ŋu aɖo ŋu ɖe eƒe ɖaseɖiɖiwo ŋu eye kakaɖedzi le wo ŋu. Eƒe nyawo wɔnɛ be wote ŋu kpɔa nyawo gbɔ le dzɔdzɔenyenye me. Gake aʋatsoɖasefo ya yɔ fũ kple alakpadada eye menaa wokpɔa nyawo gbɔ le dzɔdzɔenyenye me o.

Salomo yi edzi be: “Ame aɖewo ƒe nuƒoƒo le abe yitɔame ene; ke nunyalawo ƒe aɖe daa gbe le ame ŋu.” (Lododowo 12:18) Nyawo ate ŋu aƒo ɖe ame abe yi ene eye wòate ŋu agblẽ xɔlɔ̃wo dome ahahe kuxiwo vɛ. Alo woate ŋu ado dzidzɔ na ame ahavivi ame nu eye wòalé xɔlɔ̃wo ɖe te. Eye nukae hea megbeŋkɔ tsɔtsɔ na ame, ɣlidodo ɖe ame ta, ɖeklemiɖeɖe ame ɣesiaɣi, kple dzugbe siwo daa ame ɖe anyi vanɛ ne menye nya aɖee wogblɔ wòtɔ amea vevie si de abi eƒe seselelãme ŋu vevie o? Aleke wònyoe nye si be míatsɔ nya siwo daa gbe le ame ŋu siwo tso míaƒe dzi me la aɖɔ vo ɖesiaɖe si míeda le go sia me ɖoe!

Le ɣeyiɣi sesẽ siwo me míele me la, mewɔ nuku be ame geɖe “ƒe dzi gbã” eye ‘woƒo woƒe gbɔgbɔ ƒu anyi’ o. (Psalmo 34:19) Ne ‘míefa akɔ na dzikatsoƒoetɔwo’ ‘hekpe ɖe gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo ŋu’ la, ɖe menye gbedada ƒe ŋusẽ si le nya siwo míegblɔna ŋu la ŋudɔ wɔmee míele oa? (Tesalonikatɔwo I, 5:14) Ẽ, veveseɖeamenunyawo ate ŋu ade dzi ƒo na ƒewuivi siwo le akɔ kpem kple hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu gbegblẽwo. Amesi bua ame ŋu ƒe nyawo ate ŋu ana kakaɖedzi ame tsitsiwo be wohiã yewo eye wolɔ̃ yewo. Nya siwo wogblɔ dɔmenyotɔe la ate ŋu ana dzi nadzɔ amesiwo dze dɔ la. Mokaname gɔ̃ hã nya xɔna bɔbɔe ne wonae “le dɔmefafa ƒe gbɔgbɔ la me.” (Galatiatɔwo 6:1) Eye alekee amesi zãa eƒe aɖe tsɔ gblɔa Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia na amesiwo ɖoa toe la ƒe aɖe daa gbee nye si!

‘Nuyi si Doa Dzi’

Salomo zã ‘nuyi’ kple ‘aɖe’ aduadu gblɔ bena: “Nyateƒenuyi anɔ anyi tegbee; ke alakpaɖe anɔ anyi aɖabaƒoƒo ɖeka ko.” (Lododowo 12:19) Nya si nye “nyateƒenuyi” la nye esi wote ŋu zãna na nu ɖeka pɛ ko le Hebrigbe me eye gɔmesese si le eŋu la de to wu nyateƒenya gbɔgblɔ ko. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be: “Elɔ nɔnɔme siwo nye anyinɔnɔ didie, nusi matrɔ o kple kaka ɖe nu dzi ɖe eme.” “Nuƒo si me nɔnɔme sia le la anɔ anyi . . . tegbee elabena woakpɔe be kakaɖedzi le eŋu, ato vovo na aʋatsoɖe . . . si ate ŋu ada alakpa ɣeaɖeɣi gake ne wodoe kpɔ la, manɔ anyi o.”

Fia nyanu la gbɔ be: “Alakpa le dzi me na amesiwo ɖo vɔ̃wɔwɔ; ke amesiwo dea aɖaŋu le ŋutifafa ŋu la, hea dzidzɔ vɛ.” Egblɔ kpee be: “Vɔ̃ aɖeke makpe ame dzɔdzɔe o; ke ame vɔ̃ɖiwo la, dzɔgbevɔ̃ego wonye.”Lododowo 12:20, 21.

Vevesese kple fukpekpe koe amesiwo ɖoa vɔ̃ wɔna la ate ŋu ahe vɛ. Ke ŋutifafa ƒe aɖaŋudelawo kpɔa dzidzeme le nyuiwɔwɔ me. Edzɔa dzi na wo hã be yewo le dzidzedze kpɔm. Vevietɔ wu la, Mawu kpɔa ŋudzedze ɖe wo ŋu, elabena “alakpanuyiwo nye ŋunyɔ na Yehowa; ke amesiwo wɔa nuteƒe ƒe nu nyoa eŋu.”Lododowo 12:22.

‘Nuyi si Tsɔa Nu Sidzedze Dzi’

Esi Israel-fia la ganɔ vovototo bubu si le amesi léa ŋku ɖe eƒe nyawo ŋu kple amesi meléa ŋku ɖe eŋu o dome ɖɔm la, egblɔ be: “Nunyala mekɔa nu le eƒe sidzedze dzi o; ke bometsila ƒe dzi doa boblo eƒe bometsitsi.”Lododowo 12:23.

Nunyala, alo aɖaŋudzela, nya ɣeyiɣi si me wòaƒo nu kple ɣeyiɣi si me wòazi ɖoɖoe. Etsyɔa nu sidzedze dzi to eɖokui dzi ɖuɖu be wòagaɖe eƒe nunya afia dadatɔe o me. Esia mefia be eɣlaa eƒe sidzedze ɣesiaɣi o. Ke boŋ edzea aɖaŋu le alesi wòɖenɛ fianae me. Gake le bometsila ya gome la, etsɔa dzitsitsi ƒoa nui eye wònaa wonyaa eƒe bometsitsi. Eyata mina míaƒe nyawo nanɔ ʋɛ eye míaƒe aɖe naƒo asa na adegbeƒoƒo.

Esi Salomo yi edzi le vovototoa dem wo dome la, egblɔ nya wɔdɔɖeamedzi aɖe ku ɖe veviedodonu kple kuviawɔwɔ ŋu. Egblɔ be: “Veviedola ƒe asi aɖu fia; ke kuviatɔ adzɔ nu.” (Lododowo 12:24) Veviedodo dɔwɔwɔ ate ŋu ahe ŋgɔgbedede kple ganyawo ƒe dzidzedzekpɔkpɔ vɛ, ke kuviawɔwɔ ya hea dɔ manyatalenuwo wɔwɔ kple kluvinyenye vɛ. Agbalẽnyala aɖe gblɔ be: “Mlɔeba la, kuviatɔ la ava zu kluvi na veviedonula la.”

‘Nya si Doa Dzidzɔ na Ame’

Fia Salomo trɔ ɖe nuƒoƒo ƒe nya ŋu ake helé ŋku ɖe amegbetɔwo ƒe nɔnɔme ŋu nyuie. Egblɔ be: “Nuxaxa le dzi me tea ame ɖe anyi; ke xɔlɔ̃nya doa dzidzɔ na ame.”Lododowo 12:25.

Nuxaxa kple dzimaɖitsitsi siwo ate ŋu ana dzi nalé blanui vevie la sɔ gbɔ ŋutɔ. Nusi hiã be woatsɔ aɖe agbaa dzi akpɔtɔ ahana dzia nakpɔ dzidzɔ lae nye dzideƒonamenya nyui siwo nugɔmesenamela aɖe agblɔ. Gake aleke amewo awɔ anya alesi míetsi dzii le míaƒe dzi me ne míekɔ nu le edzi heƒo nu le eŋu o? Ẽ, ne míele nu xam alo lé blanui la, ehiã be míagblɔ míaƒe dzimenyawo na veveseɖeamenula aɖe si ate ŋu akpe ɖe mía ŋu. Gawu la, ame ƒe seselelãmewo ɖeɖe gblɔ ɖea dzi la ƒe nuxaxa dzi kpɔtɔna. Eyata, enyo be woaɖe dzimenyawo agblɔ na ame srɔ̃, dzila, alo xɔlɔ̃ nublanuikpɔla si dze le gbɔgbɔ me hã.

Dzideƒonamenya nyui kawoe gali wu esiwo le Biblia me? Ekema ele be míate ɖe Mawu ŋu to ŋugbledede le eƒe Nya si tso gbɔgbɔ me ŋu dzidzɔtɔe me. Ŋugbledede sia ate ŋu ahe dzidzɔ vɛ na dzi si le nu xam kple ŋku si le veve sem. Hakpala la ɖo kpe esia dzi, gblɔ bena: “Yehowa ƒe se de blibo, enana luʋɔ gbɔna ɖe eme; Yehowa ƒe ɖaseɖiɖi le eteƒe, enana bometsilawo dzea nunya. Yehowa ƒe ɖoɖowo dzɔ, wodoa dzidzɔ na dzi; Yehowa ƒe sewo dza, wonana ŋku dzi kɔna.”—Psalmo 19:8, 9.

Mɔ si Ŋu Viɖe Le

Esi Israel-fia la nɔ vovototo si le ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi ƒe mɔ dome me ɖem la, egblɔ be: “Ame dzɔdzɔe tsaa ŋu na eƒe lãnyiƒe; ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ kplɔa wo tranae.” (Lododowo 12:26) Ame dzɔdzɔe nɔa ŋudzɔ ɖe eya ŋutɔ ƒe lãnyiƒe—si nye amesiwo wòdea ha kpli kple xɔlɔ̃ siwo wòdzena—ŋu. Etiaa wo nunyatɔe hedzea agbagba be yeaƒo asa na esiwo ado afɔku ye la. Mele alea le ame vɔ̃ɖi, siwo gbea aɖaŋuɖoɖo xɔxɔ hetea tɔ ɖe nusi dzea wo ŋu dzi ya gome o. Esi wotra ta la, wonɔa tsaglãla tsam.

Emegbe Fia Salomo gaƒo nu tso vovototo si le alɔgblɔdɔwɔla kple veviedonula dome ŋu le mɔ bubu nu ake. Egblɔ be: “Kuviatɔ memea eƒe adelã o; ke veviedodo la nu xɔasi wònye na amegbetɔ.” (Lododowo 12:27) Alɔgblɔdɔwɔla—“kuviatɔ”—“memea” eƒe adelã o. Le ema ta la, mate ŋu awu nusiwo gɔme wòdze la nu o. Gake veviedodonu kple kesinɔnuwoe zɔna.

Afɔku le kuviawɔwɔ me ale gbegbe be apostolo Paulo kpɔe be ehiã be yeaŋlɔ nu aɖo ɖe hati Kristotɔ siwo le Tesalonika atsɔ aɖɔ ame aɖewo siwo le ‘zɔzɔm sakasaka’—siwo mewɔa dɔ aɖeke o ke boŋ wonɔa nu dem nya siwo meka wo o me—la ɖoe. Amesiawo zua agba kpekpewo na ame susɔeawo. Eyata Paulo ka mo na wo gaglãa hexlɔ̃ nu wo be “woawɔ dɔ kpoo, eye woaɖu woa ŋutɔwo ƒe abolo.” Eye ne womewɔ ɖe nuxɔxlɔ̃ vevi sia dzi o la, Paulo ɖo aɖaŋu na hamea me tɔ bubuwo be ‘woahe ɖa’ le wo ŋu—be woaƒo asa na wo le hadomenyawo me.—Tesalonikatɔwo II, 3:6-12.

Menye aɖaŋu si Salomo ɖo ku ɖe veviedodo ŋu ko dzie wòle be míawɔ ɖo o ke ele be míawɔ ɖe eƒe aɖaŋu si wòɖo ku ɖe míaƒe aɖe zazã nyuie ŋu la hã dzi. Mina míadze agbagba azã ŋutinu sue ma atsɔ ada gbee ahado dzidzɔe na amewo esime míele asa ƒom na nuyiwo ƒe dadaƒu heyi edzi le agbe nyui nɔm. Salomo ka ɖe edzi na mí be: “Agbe le dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ dzi; ke mɔ dzeɖexɛ kplɔa ame yia ku mee.”Lododowo 12:28.

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

“Nunyala ɖoa to aɖaŋuɖoɖo”

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

“Nunyalawo ƒe aɖe daa gbe le ame ŋu”

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Dzimenyawo gbɔgblɔ na xɔlɔ̃ si dzi woka ɖo ate ŋu ahe akɔfafa vɛ

[Nɔnɔmetata si le axa 30]

Ŋugbledede le Mawu ƒe Nya ŋu dzidzɔtɔe doa dzidzɔ na dzi