Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Nèhiã Biblia me Se aɖe Ɣesiaɣia?

Ðe Nèhiã Biblia me Se aɖe Ɣesiaɣia?

Ðe Nèhiã Biblia me Se aɖe Ɣesiaɣia?

ESI nènye ɖevi la, anɔ eme be dziwòlawo de se geɖe na wò. Esime nènɔ tsitsim la, eva de dzesii be wotsɔ ɖe le wò dedienɔnɔ me vevie. Fifia si nètsi la, ɖewohĩ eganɔa agbe ɖe gɔmeɖose aɖewo siwo woƒã ɖe mewò nu, togbɔ be mègale wo te o hã.

Mía Fofo si le dziƒo, Yehowa, na se geɖe siwo le tẽ mí le eƒe Nya, Biblia, me. Le kpɔɖeŋu me, etsri trɔ̃subɔsubɔ, matrewɔwɔ, ahasiwɔwɔ, kple fififi. (Mose II, 20:1-17; Dɔwɔwɔwo 15:28, 29) Esime míele ‘tsitsim le nusianu me’ le gbɔgbɔ me la, míeva dea dzesii be Yehowa tsɔ ɖe le míaƒe dedienɔnɔ me vevie eye be eƒe sededewo mexea mɔ na ame dzodzro o.—Efesotɔwo 4:15; Yesaya 48:17, 18; 54:13.

Ke hã, nu geɖewo li siwo ŋu womede se ɖo tẽ o. Eyata ame aɖewo se le wo ɖokui me be le nusiwo me Biblia mede se aɖeke tẽ o gome la, yewoate ŋu awɔ nusi dze yewo ŋu. Woʋlia wò ɖokui ta be ne ɖe Mawu kpɔe be ehiã la, anye ne eɖe eƒe didi fia to sedede ɖe eŋu tẽ me.

Amesiwo si nukpɔsusu sia le wɔa nyametsotso gbegblẽwo zi geɖe eye wova ɖua aɖukli emegbe. Womete ŋu dea dzesii be nusiwo ɖe Mawu ƒe nukpɔsusu fia hã li kpe ɖe sewo ŋu le Biblia me o. Esime míeva nya Yehowa ƒe nukpɔsusu le nyawo ŋu to Biblia sɔsrɔ̃ me la, dzitsinya si wotsɔ Biblia hee la sua mía si eye wòkpena ɖe mía ŋu míewɔa tiatia siwo ɖea eƒe nukpɔsusuwo fiana. Ne míewɔe alea la, míedoa dzidzɔ na eƒe dzi, eye míekpɔa viɖewo tso nyametsotso nyui siwo míewɔna me.—Efesotɔwo 5:1.

Biblia me Kpɔɖeŋu Tɔxɛwo

Ne míelé ŋku ɖe Mawu subɔla siwo nɔ anyi le blema ƒe Biblia me nuŋlɔɖiwo ŋu la, míakpɔ nɔnɔme vovo siwo me wotsɔ Yehowa ƒe nukpɔsusu wɔ dɔe le le afisi sedede aɖeke meli tẽ o gɔ̃ hã me. Bu Yosef ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Le ɣeyiɣi si me Potifar srɔ̃ tsɔ agbegbegblẽnɔnɔ kplii nɔ fu ɖem nɛ la, womeŋlɔ ahasiwɔwɔ ŋu sedede si tso gbɔgbɔ me aɖeke ɖi o. Gake togbɔ be sedede aɖeke meli tẽ o hã la, Yosef kpɔe be ahasiwɔwɔ manye nuvɔ̃wɔwɔ ɖe yeƒe dzitsinya ɖeɖeko ŋu o, ke boŋ anye nuvɔ̃wɔwɔ “ɖe Mawu ŋuti” hã. (Mose I, 39:9) Edze ƒã be Yosef kpɔe dze sii be ahasiwɔwɔ nye Mawu ƒe nukpɔsusu kple eƒe lɔlɔ̃nu dzi dada, abe alesi wògblɔe fia le Eden ene.—Mose I, 2:24.

Bu kpɔɖeŋu bubu ŋu kpɔ. Le Dɔwɔwɔwo 16:3 me la, míese be hafi Paulo nakplɔ Timoteo ɖe ŋuti le eƒe Kristotɔwo ƒe mɔzɔzɔwo me la, etso aʋa nɛ. Ke hã, míexlẽ le kpukpui 4 me be le ema megbe la, Paulo kple Timoteo yi ɖato duawo me eye wogblɔ “nyaɖoɖo, siwo apostolowo kple hamemegã, siwo le Yerusalem bla na wo.” Se mawo ƒe ɖewoe nye be Kristotɔwo megale aʋatsotso ƒe sea te o! (Dɔwɔwɔwo 15:5, 6, 28, 29) Nukatae Paulo se le eɖokui me be ele kokoko be woatso aʋa na Timoteo? “Le Yudatɔ, siwo le afima nutoawo me la ta; elabena wo katã wonyae bena, [Timoteo fofo] nye Helatɔ.” Paulo medi be yeaɖia wo nu loo alo ana woakli nu yakatsyɔ o. Etsi dzi vevie ɖe alesi Kristotɔwo ayi edzi ‘aɖe wo ɖokui afia amewo katã ƒe dzitsinya le Mawu ƒe ŋku me’ ŋu.—Korintotɔwo II, 4:2; Korintotɔwo I, 9:19-23.

Paulo kple Timoteo lɔ̃a nuwo ŋu bubu alea. Xlẽ nuŋlɔɖi siwo le Romatɔwo 14:15, 20, 21 kple Korintotɔwo I, 8:9-13; 10:23-33, eye nàkpɔ alesi gbegbe Paulo tsi dzi ɖe ame bubuwo ƒe gbɔgbɔ me dedienɔnɔ ŋui, vevietɔ amesiwo nuwɔna aɖe, si le nyateƒe me la menye nuvɔ̃ o, gake anye nukikli na la ɖa. Eye Paulo ŋlɔ le Timoteo ŋu be: “Ame aɖeke mele asinye, si ƒe tamesusu sɔ kple etɔ, amesi alé be na mi le nyateƒe me la o; elabena wo katã la woa ŋutɔwo tɔ dim wole, eye menye nusi nye Yesu Kristo tɔ o. Ke mienya eƒe kelili bena, abe vi kple tɔ ene la, nenema wòsubɔ kplim le nyanyuie la me.” (Filipitɔwo 2:20-22) Kpɔɖeŋu nyui ka gbegbee nye si ŋutsu Kristotɔ eve siawo ɖo na mí egbea! Le esi teƒe be woadi nusi sɔ na woawo ŋutɔ alo adze woawo ŋutɔ ŋu le afisi se aɖeke metso Mawu gbɔ tẽ le o me la, wosrɔ̃a Yehowa kple Via to ŋugbledede le alesi woawo ŋutɔ ƒe nyametsotso wɔwɔ akpɔ ŋusẽ ɖe ame bubuwo ƒe gbɔgbɔmemenyenye dzii ŋu.

Bu Yesu Kristo, míaƒe kpɔɖeŋuɖola vevitɔ, ŋu kpɔ. Le eƒe Todzimawunya me la, ena eme kɔ be amesi se nusitae Mawu ƒe sewo li gɔme la, awɔ ɖe wo dzi wòayi ŋgɔ wu nusi ƒe se wode alo tsri tẽ. (Mateo 5:21, 22, 27, 28) Yesu, Paulo, Timoteo, alo Yosef meda asi ɖe nukpɔsusua dzi be le afisi Mawu ƒe sea aɖeke meli tẽ o la, woate ŋu awɔ nusi dze ame ŋu o. Be ŋutsu siawo nate ŋu anɔ agbe ɖe Mawu ƒe nukpɔsusu nu la, wowɔ ɖe nusi Yesu gblɔ tẽ be wonye se eve siwo ƒo wo katã ta la dzi—be woalɔ̃ Mawu kple amehavi.—Mateo 22:36-40.

Kristotɔ Siwo Li Egbea Ya Ðe?

Eme kɔ be mele be míatsɔ nuwo le Biblia me abe alesi wotsɔa nuwo le segbalẽ me ene o—anɔ mɔ kpɔm be woagblɔ nudidi ɖesiaɖe ŋu nya ɖi ɖekaɖeka o. Míedoa dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi ne míewɔ nusi sɔ kple eƒe nukpɔsusu le afisi womede se aɖeke le tẽ be míazɔ ɖe edzi gɔ̃ hã o. Ne míagblɔe bubui la, le esi eteƒe be míakpɔ mɔ ɣesiaɣi be woagblɔ nusi Mawu di be míawɔ na mí la, míate ŋu ‘adze si nusi nye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu.’ (Efesotɔwo 5:17; Romatɔwo 12:2) Nukatae esia doa dzidzɔ na Yehowa ɖo? Elabena esia ɖenɛ fiana be míetsɔa ɖe le eyama me tsɔ wu mía ɖokui ŋu dzedze alo nusi míekpɔ mɔ awɔ. Egafia hã be míekpɔa ŋudzedze ɖe lɔlɔ̃ si wòɖe fia ŋu ale gbegbe be míedi be míasrɔ̃e, eye míenana lɔlɔ̃ sia nyea nusi ʋãa mí. (Lododowo 23:15; 27:11) Gakpe ɖe eŋu la, nuwɔwɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu nana míenɔa lãmesẽ me zi geɖe le gbɔgbɔ kple ŋutilã me.

Mina míakpɔ alesi míate ŋu azã gɔmeɖose siawo le mía ŋutɔwo ƒe nya mee ɖa.

Modzakaɖeɖe si Míetiana

Bu ɖekakpui aɖe si le didim be yeaƒle ha aɖe si wolé ɖe agba dzi ŋu kpɔ. Nusi wose le agba ma dzi la dzɔ dzi nɛ ŋutɔ, gake etsi dzi elabena nusi wokpɔ le agbaa ƒe goa dzi fia be enye ha aɖe si ku ɖe gbɔdɔdɔ ŋu tẽ eye nya madzetowo le me. Eye wògade dzesii hã be haƒola la ƒe hawo ƒe akpa gãtɔ nye esi me dziku kple dzrewɔwɔ ƒe gbe le. Esi ɖekakpui sia lɔ̃ Yehowa ta la, etsɔ ɖe le nusi nye Eƒe nukpɔsusu kple alesi wòbua ha lae me. Aleke wòate ŋu awɔ anya nusi nye Mawu ƒe nukpɔsusu le go sia me?

Le apostolo Paulo ƒe lɛta si wòŋlɔ na Galatiatɔwo me la, eyɔ ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo kple Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe kutsetseawo. Anɔ eme be ènya nusiwo Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kutsetsewo nye: lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmekɔkɔ, dɔmenyonyo, anukwaretɔnyenye, dɔmefafa, ɖokuidziɖuɖu. Gake nukawoe nye ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo? Paulo ŋlɔ bena: “Ke ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo dze ƒã keŋ, esiwo nye: Matrewɔwɔ, ahasiwɔwɔ, makɔmakɔnyenye, hadzedze, trɔ̃subɔsubɔ, afakaka, kewɔwɔ, dzrewɔwɔ, ŋuʋaʋã, dɔmedzoedodowo, dzrehehewo, mamãwo, kɔmamãwo, dɔmevevi, hlɔ̃dodowo, ahamumuwo, aglotutuwo kple esia tɔgbewo; nusiwo gblɔm mele ɖi na mi, abe alesi megblɔ ɖi na mi xoxo la ene, bena amesiwo wɔ ale nusiawo la, manyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o.”—Galatiatɔwo 5:19-23.

De dzesi nya mamlɛtɔ si wozã le nuawo yɔyɔ me—‘esia tɔgbewo.’ Paulo meyɔ nusiwo katã woabu be wonye ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo o. Esia mefia be ame ate ŋu abu le eɖokui me be, ‘Mɔɖeɖe li le Ŋɔŋlɔawo nu be mawɔ nusianu si Paulo meyɔ be wonye ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo o.’ Ke boŋ, ehiã be exlẽlawo nazã woƒe sidzedze ŋutete be woade dzesi nusiwo medze le nusiwo woyɔ la me o gake wonye ‘esia tɔgbewo.’ Amesiwo ƒoa wo ɖokui ɖe nuwɔna siwo womeyɔ le afisia o me gake wonye ‘esia tɔgbewo’ la manyi Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe dome o.

Eyata ele be míadze sii, alo anya, nusi dzea Yehowa ŋu. Ðe esia sesẽa? Tsɔe be wò ɖɔkta gblɔ na wò be nàɖu atikutsetse kple amagbe geɖe gake ƒo asa na nusiwo nye akpɔnɔ siwo me lã le ice cream, kple esiawo tɔgbe. Ðe wòasesẽ na wò be nànya hatsotso si me akpɔnɔvivi lea? Fifia gbugbɔ ŋku lé ɖe Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kutsetsewo kple ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo ŋu. Hatsotso ka mee ha si ŋu míeƒo nu tsoe do ŋgɔ la anɔ? Ðikeke mele eme o be mesɔ kple lɔlɔ̃, dɔmenyonyo, ɖokuidziɖuɖu, alo Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kutsetse ƒe nɔnɔme bubuawo dometɔ aɖeke o. Mahiã be woade se aɖe na ame tẽ hafi wòadze sii be ha sia mele ɖekawɔwɔ me kple Mawu ƒe nukpɔsusu o. Gɔmeɖose sia kee míazã ɖe agbalẽ siwo míexlẽna, sinima siwo míekpɔna, television dzi wɔnawo, kɔmpiuta dzi fefewo, Intenet dzi nyatakakadiƒewo, kple bubuawo ŋu.

Ame Ŋutɔ ƒe Dzedzeme si Sɔ

Biblia gafia gɔmeɖose siwo ku ɖe awudodo kple dzadzraɖo ŋu. Esia kpena ɖe Kristotɔ ɖesiaɖe ŋu be wòana eƒe dzedzeme nanɔ nɔnɔme nyui si sɔ me ɣesiaɣi. Le go siawo me hã la, amesi lɔ̃a Yehowa mewɔa mɔnukpɔkpɔ sia ŋudɔ alesi dzea eŋu o, ke boŋ ewɔa eŋudɔ le mɔ si doa dzidzɔ na Fofoa si le dziƒo nu. Abe alesi míekpɔe xoxo ene la, ne Yehowa mede se aɖeke tẽ le nya aɖe me o la, mefia be metsɔ ɖeke le nusi amewo wɔna me o. Atsyãwo to vovo tso wo nɔewo gbɔ le teƒe vovovo, eye le teƒe ɖeka kura gɔ̃ hã, wotrɔna enuenu. Ke hã Mawu na gɔmeɖose vevi siwo afia mɔ eƒe amewo ɣesiaɣi kple le afisiafi la.

Le kpɔɖeŋu me, Timoteo I, 2:9, 10 gblɔ be: “Nenema ke nyɔnuwo nado awu ɖe nɔnɔme nyui me, eye woawɔ leke na wo ɖokui le ŋukpekpe kple ɖokuidziɖuɖu me; menye kple ɖaƒoƒo vivivo kple sika alo adzagbawo alo awu xɔasi dodo o, ke nusi dze nyɔnu, siwo ʋua Mawu ƒe subɔsubɔ me la, enye be, woawɔ leke na wo ɖokui to dɔwɔwɔ nyuiwo me.” Esia fia be ele be nyɔnu Kristotɔwo—kple ŋutsu Kristotɔwo—nabu dzedzeme si amesiwo le woƒe nuto me kpɔa mɔ be wòanɔ amesiwo ‘ʋua eme be yewonye Mawu ƒe subɔlawo’ si ŋu. Vevietɔ ehiã be Kristotɔ nabu eŋu akpɔ be aleke yeƒe dzedzeme ana amewo nasusu le Biblia me gbedasi si yetsɔ ɖe asi la ŋu. (Korintotɔwo II, 6:3) Kristotɔ kpɔɖeŋunyuiɖola matsi dzi fũ akpa ɖe nusi dzea eya ŋutɔ ŋu alo nusi wòsusu be yedze na la ŋu o, ke boŋ etsia dzi ɖe alesi mava zu nuɖiaɖia alo nukikli na ame bubuwo o ŋu.—Mateo 18:6; Filipitɔwo 1:10.

Ne Kristotɔ aɖe kpɔe be yeƒe dzadzraɖo aɖe ɖea fu na ame bubuwo alo nyea nukikli na wo la, ate ŋu asrɔ̃ apostolo Paulo atsɔ ame bubuwo ƒe gbɔgbɔ me dedienɔnɔ aɖo ŋgɔgbe na nusi dzea eya ŋutɔ ŋu. Paulo gblɔ be: “Mizu srɔ̃nyelawo, abe alesi nye hã menye Kristo-srɔ̃la ene.” (Korintotɔwo I, 11:1) Eye Paulo ŋlɔ ku ɖe Yesu ŋu be: “Kristo hã medze eɖokui ŋu o.” Nusi Paulo le Kristotɔwo katã fiam la me kɔ ƒã: “Ele na mí, amesiwo ŋu ŋusẽ le la bena, míatsɔ amesiwo ŋu ŋusẽ mele o la ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo, eye míagadze mía ɖokui ŋu o. Mía dome amesiame nadze ehavi ŋu hena eƒe nyonyo, bene wòatsɔe [atui ɖoe].”—Romatɔwo 15:1-3.

Míaƒe Sidzedze Ŋutete si Míana Wòanɔ Ðaɖam

Aleke míatu míaƒe sidzedze ŋutete ɖoe be míanya alesi míadze Yehowa ŋu le nya siwo me mede se aɖeke tẽ le o gɔ̃ hã mee? Ne míexlẽa eƒe Nya gbesiagbe, srɔ̃nɛ edziedzi, hedea ŋugble le nusi míexlẽna ŋu la, míakpɔ be míele tsitsim le míaƒe sidzedze ŋutete me. Tsitsi sia mevana kabakaba o. Abe alesi ɖevi tsinae ene la, gbɔgbɔmetsitsi vana vivivi eye womekpɔnɛ dzea sii enumake o. Eyata ehiã be woagbɔ dzi ɖi, eye mele be dzi naɖe le mía ƒo ne míede dzesi ŋgɔyiyi boo aɖeke enumake o. Gake ɣeyiɣi geɖe ƒe yiyi dzro hã mana míaƒe sidzedze ŋutete naɖa o. Ele be míazã ɣeyiɣi mawo atsɔ anɔ Mawu ƒe Nya me dzrom abe alesi míegblɔe do ŋgɔ ene, eye ele be míawɔ míaƒe ŋutete ɖesiaɖe be míanɔ agbe ɖe Nyaa nu.—Hebritɔwo 5:14.

Woate ŋu agblɔe be esime Mawu ƒe sededewo doa míaƒe toɖoɖo kpɔna la, eƒe gɔmeɖosewo doa míaƒe tsitsinyenye ƒe goglome kple míaƒe didi be míadze eŋu la kpɔna. Ne míeva le tsitsim la, míava nɔ fɔ lém ɖe Yehowa kple Via sɔsrɔ̃ ŋu wu. Míadi vevie be míatu nyametsotso si míawɔ la ɖe Mawu ƒe nukpɔsusu dzi abe alesi wòdze le Ŋɔŋlɔwo mee ene. Esime míena dzi le mía Fofo si le dziƒo dzɔm la, míakpɔe be mía ŋutɔwo ƒe dzidzɔkpɔkpɔ adzi ɖe edzi.

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Awudodo ƒe atsyãwo to vovo tso wo nɔewo gbɔ le teƒe vovovowo, gake ele be Biblia ƒe gɔmeɖosewo nakpe ɖe mía ŋu le tiatiawɔwɔ me