Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nya Vevi Siwo Tso Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ Me—I

Nya Vevi Siwo Tso Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ Me—I

Yehowa ƒe Nya la Le Agbe

Nya Vevi Siwo Tso Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ Me—I

MOSE ƑE AGBALẼ GBÃTƆ gblɔ alesi xexea wɔ va dzɔ, alesi wodzra anyigba dzi ɖo na amegbetɔwo be woanɔ edzi, kple alesi amegbetɔwo wɔ va le edzi. Mose ŋlɔ agbalẽ sia le Sinai-gbedzi eye anɔ eme be ewu enu le ƒe 1513 D.M.Ŋ. me.

Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔa gblɔ alesi xexeame nɔ do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa, nusiwo dzɔ le Tsiɖɔɖɔa megbe kple alesi Yehowa Mawu wɔ nu ɖe Abraham, Isak, Yakob, kple Yosef ŋui na mí. Nyati sia adzro Mose I, 1:1–11:9 me nya veviwo me, si ne míagblɔe koŋ la, va ɖo esime Yehowa te nuwɔwɔ kple blemafofo Abraham.

XEXE SI DO ŊGƆ NA TSIÐƆÐƆA

(Mose I, 1:1–7:24)

Nya si wotsɔ dze Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ gɔme be “le gɔmedzedzea me” la nye ƒe biliɔn nanewo va yi gbaɖegbe ʋĩ ke. Woƒo nu tso nuwɔwɔ ƒe “ŋkeke” adeawo, alo ɣeyiɣi siwo wotsɔ wɔ nuwɔwɔwo etɔxɛe la ŋu abe alesi wodzena na ame le anyigba dzi ene. Kaka ŋkeke adelia nawu enu la, Mawu wɔ amegbetɔ. Togbɔ be eteƒe medidi hafi Paradiso bu le amegbetɔ ƒe tomaɖomaɖo ta o hã la, Yehowa na mɔkpɔkpɔ aɖe va li. Nyagblɔɖi gbãtɔ si le Biblia me la ƒo nu tso ‘dzidzimevi’ aɖe si aɖe nuvɔ̃ ƒe dɔwɔwɔwo ɖa eye wòagbã ta na Satana ŋu.

Le ƒe 1,600 siwo kplɔe ɖo me la, Satana te ŋu trɔ amegbetɔwo katã ɖa tso Mawu gbɔ negbe nuteƒewɔla ʋɛ aɖewo ko, abe Habel, Henox, kple Noa ene. Le kpɔɖeŋu me, Kain wu nɔvia dzɔdzɔe Habel. “Wode asi Yehowa ŋkɔ yɔyɔ me” eye eme kɔ ƒã be mɔ gbegblẽ nue wowɔe le. Ha si Lamex kpa ku ɖe alesi wòwu ɖekakpui aɖe hegblɔ be ye ɖokuitaʋiʋli mee yewui le la ɖe nuvlowɔwɔ si nɔ anyi ɣemaɣi la fia. Nɔnɔmea va gblẽ ɖe edzi esime Mawu ƒe vi mawudɔla sẽtowo ɖe nyɔnuwo eye wodzi ame dzɔtsu sẽŋutawo siwo woyɔ be Nefilimwo. Ke hã, nuteƒewɔla Noa kpa aɖakaʋu, xlɔ̃ nu ame bubuwo ku ɖe Tsiɖɔɖɔ si gbɔna ŋu, eye to esia me woa kple eƒe ƒomea wokpɔ ɖeɖe.

Ŋɔŋlɔawo me Biabiawo Ŋuɖoɖo:

1:16—Aleke wòate ŋu adzɔe be Mawu wɔ kekeli le ŋkeke gbãtɔ dzi nenye be ŋkeke eneagbe hafi wowɔ nu keklẽawo? Menye Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be “wɔ” le kpukpui 16 la kee wozã na “wɔ” si le Mose I, ta 1, kpukpui 1, 21, kple 27 o. Wowɔ “dziƒo” si nu keklẽawo nye eƒe akpa aɖe la ɣeyiɣi didi aɖe hafi “ŋkeke gbãtɔ” dze egɔme gɔ̃ hã. Gake woƒe keklẽ meɖo anyigba ŋkume o. Le ŋkeke gbãtɔ dzi la, “kekeli do” elabena kekeli flukpe aɖe to alilikpoawo me dze le anyigba dzi. Ale wɔ ŋu kena eye zã dona le anyigba si le totrom la dzi. (Mose I, 1:1-3, 5) Vaseɖe ɣemaɣi la, kekelia tsoƒe menɔ dzedzem le anyigba dzi o. Gake le nuwɔwɔ ƒe ŋkeke eneagbe la tɔtrɔ ɖedzesi aɖe dze. Wona ɣe, ɣleti, kple ɣletiviwo ‘klẽ ɖe anyigba dzi’ azɔ. (Mose I, 1:17) “Mawu wɔ” wo le susua nu be fifia woate ŋu adze le anyigba dzi woakpɔ azɔ.

3:8—Ðe Yehowa Mawu ƒo nu na Adam tẽa? Biblia ɖee fia be mawudɔla aɖe dzie Mawu tona zi geɖe ne ele nu ƒom na amegbetɔwo. (Mose I, 16:7-11; 18:1-3, 22-26; 19:1; Ʋɔnudrɔ̃lawo 2:1-4; 6:11-16, 22; 13:15-22) Mawu ƒe nyanuɖela gãtɔ enye eƒe Tenuvi, si woyɔna be “Nya la.” (Yohanes 1:1) Anɔ eme be “Nya la” dzie Mawu to ƒo nu na Adam kple Xawa.—Mose I, 1:26-28; 2:16; 3:8-13.

3:17—Mɔ ka nue woƒo fi de anyigba le, eye vaseɖe ɣekaɣi? Fi si woƒo de anyigba la fia be agbledede ɖe edzi ava asesẽ ŋutɔ tso ɣemaɣi. Fiƒodea me tsonuwo, si lɔ ŋu kple aŋɔkawo ƒe memie ɖe eme la, nu sẽ ale gbegbe be Adam ƒe dzidzimevi Noa fofo, Lamex, ƒo nu tso ‘fuɖeɖe siwo le anyigba, si Yehowa ƒo fi de la dzi’ ŋu. (Mose I, 5:29) Le Tsiɖɔɖɔa megbe la, Yehowa yra Noa kple viawo, eye wògblɔ Eƒe tameɖoɖo si nye be woayɔ anyigba dzi la na wo. (Mose I, 9:1) Eme kɔ ƒã be Mawu ɖe fiƒodea ɖa ɣemaɣi.—Mose I, 13:10.

4:15—Alekee Yehowa “de dzesi Kain”? Biblia megblɔ be wode dzesi Kain ŋu le mɔ aɖeke nu o. Anɔ eme be dzesia nye sedede aɖe si ame bubuawo nya hewɔ ɖe edzi kple susu be woagawui le hlɔ̃biabia ta o.

4:17—Afikae Kain kpɔ srɔ̃ le ɖe? Adam ‘dzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo.’ (Mose I, 5:4) Eyata Kain ɖe eyometɔ nyɔnu loo alo nɔvia ƒe vi nyɔnu. Emegbe Mawu ƒe Se si wòde na Israel-viwo xe mɔ ɖe ame dadavi nyɔnu alo ŋutsu ɖeɖe nu.—Mose III, 18:9.

5:24—Mɔ ka nue Mawu ‘tsɔ Henox yii’? Edze ƒã be Henox ɖo afɔku si ate ŋu awui me, gake Mawu meɖe mɔ be wòakpe fu le eƒe futɔwo si me o. Apostolo Paulo ŋlɔ bena “wotsɔ Henox yii, bene magakpɔ ku o.” (Hebritɔwo 11:5) Esia mefia be Mawu tsɔe yi dziƒo eye wòyi edzi le agbe le afima o. Yesue nye ame gbãtɔ si lia yi dziƒo. (Yohanes 3:13; Hebritɔwo 6:19, 20) Henox ‘tsɔtsɔ yii, bene wòagakpɔ ku o’ la ate ŋu afia be Mawu na wòyi ɖime eye wòɖe eƒe agbe ɖa le nɔnɔme ma me. Le nɔnɔme ma me la, Henox mekpe fu, alo ‘kpɔ ku’ le eƒe futɔwo si me o.

6:6—Gɔmesese ka nue woate ŋu agblɔ le be “eve” Yehowa be wòwɔ ame? Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be ‘ve’ la ku ɖe alesi ame natrɔ nɔnɔme alo susu la ŋu. Yehowa de blibo eyata menye vodadae wòwɔ be wòwɔ ame o. Gake etrɔ eƒe susu ku ɖe dzidzime vɔ̃ɖi si nɔ anyi do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa ŋu. Mawu si nye amegbetɔ Wɔla trɔ va zu wo tsrɔ̃la le esi megakpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu o le woƒe vɔ̃ɖinyenye ta. Nyateƒe si wònye be ekpɔ ame aɖewo ta fia be amesiwo va zu ame vɔ̃ɖiwo ɖeɖeko tae wòvee ɖo.—Petro II, 2:5, 9.

7:2—Nuka dzie wonɔ te ɖo nya vovototo le lã matsrimatsriwo kple lã tsitsriwo dome? Edze ƒã be vovototoa nyanya nɔ te ɖe esiwo wotsɔ saa vɔe le tadedeagu me dzi ke menye esiwo woate ŋu aɖu loo womate ŋu aɖu o dzie wònɔ te ɖo o. Lã mekpe ɖe amegbetɔ ƒe nuɖuɖuwo ŋu do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa o. Mose ƒe Sea me koe wova de dzesi nuɖuɖu aɖewo le be wonye “matsrimatsri” alo kɔkɔea kple ‘tsitsria’ alo makɔmakɔa le eye wo nu va yi esime woɖe Sea ɖa. (Dɔwɔwɔwo 10:9-16; Efesotɔwo 2:15) Edze ƒã be Noa nya nusiwo dze hena vɔsasa le tadedeagu me na Yehowa. Esime wònya do tso aɖakaʋua me la, ‘eɖi vɔsamlekpui eye wòtsɔ lã matsrimatsriwo kple xe matsrimatsriwo ƒe ɖewo na Yehowa hemè wo le vɔsamlekpui la dzi.’—Mose I, 8:20.

7:11—Afikae tsi si ɖe xexeame la tso? Le nuwɔɣi evelia, alo nuwɔwɔ ƒe “ŋkeke” evelia dzi esime wowɔ anyigba ƒe yamenuto ƒe “alilia” la, tsi nɔ “alilia te” eye tsi nɔ “alilia ta me.” (Mose I, 1:6, 7) Tsi si nɔ ‘ete’ la nye esiwo le anyigba dzi xoxo. Tsi si le ‘etame’ nye afudodo gbogbo siwo nɔ yame ʋĩ tso anyigba, eye wonye ‘tsi gãwo.’ Tsi siawoe dza ɖe anyigba dzi le Noa ƒe ŋkekea me.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme na Mí:

1:26. Esi wowɔ amegbetɔwo ɖe Mawu ƒe nɔnɔme nu ta la, ŋutete le wo si be woaɖe mawumenɔnɔmewo afia. Nyateƒee, ele be míadze agbagba atu nɔnɔmewo abe lɔlɔ̃, nublanuikpɔkpɔ, dɔmekɔkɔ, dɔmenyonyo, kple dzigbɔɖi ene ɖo, ahanɔ Amesi wɔ mí ƒe nɔnɔme ɖem fia.

2:22-24. Srɔ̃ɖeɖe nye Mawu ƒe ɖoɖo. Srɔ̃ɖeɖe nubabla nye nusi nɔa anyi ɖaa eye wòle kɔkɔe, eye srɔ̃ŋutsua nye ta le ƒomea me.

3:1-5, 16-23. Dzidzɔkpɔkpɔ nɔa te ɖe lɔlɔ̃ ɖe Yehowa ƒe dziɖulanyenye dzi le mía ŋutɔwo ƒe agbe me dzi.

3:18, 19; 5:5; 6:7; 7:23. Yehowa ƒe nyawo vaa eme ɣesiaɣi.

4:3-7. Yehowa kpɔ ŋudzedze ɖe Habel ƒe nunana ŋu elabena enye ame dzɔdzɔe si si xɔse nɔ. (Hebritɔwo 11:4) Gake xɔse menɔ Kain ya si o abe alesi eƒe nɔnɔme ɖee fia ene. Eƒe dɔwɔwɔwo vɔ̃ɖi, woyɔ kple ŋuʋaʋã, fuléle, kpakple amewuwu. (Yohanes I, 3:12) Gawu la, anɔ eme be mede ŋugble boo tso eƒe nunana la ŋuti o eye ɖeko wòwɔe abe kɔnu ko ene. Ðe mele be míaƒe kafukafuvɔsa si míetsɔ naa Yehowa natso dzi blibo me eye nɔnɔme nyui kple agbenyuinɔnɔ nakpe ɖe eŋu oa?

6:22. Togbɔ be aɖakaʋua kpakpa xɔ ƒe gbogbo aɖewo hã la, Noa wɔ alesi Mawu de se nɛ pɛpɛpɛ. Eyata wokpɔ Noa kple eƒe ƒomea ta le Tsiɖɔɖɔa me. Yehowa ƒoa nu na mí to eƒe Nya si woŋlɔ ɖi dzi eye wònaa mɔfiame toa eƒe habɔbɔa dzi. Eyata aɖe vi na mí be míaɖo to ahawɔ ɖe edzi.

7:21-24. Yehowa metsrɔ̃a ame dzɔdzɔewo kpena ɖe ame vɔ̃ɖiwo ŋu o.

AMEƑOMEA GE ÐE ƔEYIƔI YEYE ME

(Mose I, 8:1–11:9)

Esi ɣeyiɣi si do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa nu va yi la, ameƒomea ge ɖe ɣeyiɣi yeye me. Woɖe mɔ na amegbetɔwo be woaɖu lã gake wode se na wo be woatsri ʋu. Yehowa gblɔe be woatso kufia na amesi wu ame eye wòɖo anyieʋɔ ƒe nubabla la anyi, tsɔ do ŋugbee be yemagahe Tsiɖɔɖɔ vɛ gbeɖe o. Noa viŋutsu etɔ̃awo va zu amesiwo me amegbetɔƒomea dzɔ tso, gake eƒe tɔgbuitɔgbuiyɔvi Nimrod va zu ‘adela kalẽtɔ si tsi tre ɖe Yehowa ŋu.’ Le esi teƒe be amewo nakaka ɖe anyigba dzi la, wotiae be yewoatso du si ŋkɔe nye Babel kple mɔ̃ aɖe be yewoƒe ŋkɔ nanyɔ. Yehowa tɔtɔ woƒe gbe tsɔ gblẽ tameɖoɖo ma me eye wokaka ɖe anyigba bliboa katã dzi.

Ŋɔŋlɔawo me Biabiawo Ŋuɖoɖo:

8:11—Ne Tsiɖɔɖɔa tsrɔ̃ atiawo la, ke afikae ahɔnɛ la kpɔ amitiɖɔmee la le? Ate ŋu atso nu eve gbɔ. Esi amiti nye ati sesẽ ta la, anɔ eme be etsi agbe le tsia me ɣleti aɖewo le Tsiɖɔɖɔa ŋɔli. Esi tsia mie la, woagate ŋu akpɔ amiti si nɔ tsia te tsã la le anyigba ƒuƒui dzi eye wòate ŋu ato aŋgba yeyewo. Amitiɖɔmee si ahɔnɛ la tsɔ yi na Noa agate ŋu anye esi wòfli tso amiti fẽ si mie le tsia ƒe miemie vɔ megbe ŋu.

9:20-25—Nukatae Noa ƒo fi de Kanaan? Anɔ eme be Kanaan ɖi fɔ le nu tovo aɖe si wòwɔ ɖe tɔgbuia Noa ŋu ta. Eye togbɔ be Kanaan fofo, Ham kpɔ eteƒe hã la, megbe nɛ o eye anye be ekaka nya la boŋ. Ke hã, Noa ƒe vi eveawo, Sem kple Yafet, wɔ nusi mana wo fofo ƒe ŋukpeƒe nadze o. Woyra wo ɖe esia ta, gake woƒo fi de Kanaan ya, eye ŋukpe si va Ham ƒe dzidzimeviwo dzi gblẽ nu le Ham ŋu.

10:25—Alekee anyigba la alo amegbetɔwo “mã” le Peleg ƒe ŋkekea me? Peleg nɔ agbe tso ƒe 2269 vaseɖe 2030 D.M.Ŋ. me. ‘Eŋɔli mee’ Yehowa tɔtɔ Babel tsolawo ƒe gbe tsɔ he mama gã aɖe vɛ eye wòna wokaka ɖe anyigba blibo la katã dzi. (Mose I, 11:9) Aleae “amegbetɔwo [alo, anyigba] mã” le Peleg ŋɔlie.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme na Mí:

9:1; 11:9. Amegbetɔwo ƒe nugbeɖoɖo alo agbagbadzedze aɖeke mate ŋu axe mɔ na Yehowa ƒe tameɖoɖo o.

10:1-32. Dzidzimegbalẽ eve siwo lɔ ɣeyiɣi siwo do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa kple emegbe ɖe eme—si le ta 5 kple 10—ɖee fia be ameƒomea katã do ƒome kple ame gbãtɔ, Adam, to Noa ƒe vi etɔ̃awo dzi. Asiriatɔwo, Kaldeatɔwo, Hebritɔwo, Siriatɔwo, kple Arabtɔwo ƒe to aɖewo me tɔwo dzɔ tso Sem me. Etiopiatɔwo, Egiptetɔwo, Kanaantɔwo, kple Afrika kple Arab ƒe to aɖewo me tɔwo dzɔ tso Ham me. India kple Europa tɔwo dzɔ tso Yafet me. Ameƒomea katã do ƒome kple wo nɔewo, eye wodzi wo katã wonye ame ɖeka le Mawu ŋkume. (Dɔwɔwɔwo 17:26) Ele be nyateƒe sia nakpɔ ŋusẽ ɖe alesi míebua ame bubuwoe kple alesi míewɔa nu ɖe wo ŋui dzi.

Mawu ƒe Nya Te Ŋu Kpɔa Ŋusẽ Ðe Ame Dzi

Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ƒe akpa gbãtɔ me koe woakpɔ amegbetɔ ƒe gɔmedzeŋutinya vavãtɔ la le. Afisiae míekpɔ tameɖoɖo si ta Mawu da ame ɖe anyigba dzi ƒe gɔmesese deto le. Aleke wòdea dzi ƒo na amee nye si be woanya be amegbetɔwo ƒe agbagbadzedze, abe Nimrod tɔ ene, aɖeke mate ŋu axe mɔ ɖe Mawu ƒe tameɖoɖo me vava nu o!

Ne èle Biblia ƒe akpa si woaxlẽ kwasiɖa sia kwasiɖa xlẽm tsɔ le dzadzram ɖo ɖe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua ŋu la, ŋugbledede le nya siwo wogblɔ le “Ŋɔŋlɔawo me Biabiawo Ŋuɖoɖo” te ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàse Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa siwo gɔmesese sesẽ la dometɔ aɖewo me. Nya siwo wogblɔ le “Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme na Mí” te la afia wò alesi nàte ŋu aɖe vi tso kwasiɖa sia kwasiɖa Biblia xexlẽa mee. Le afisi wòasɔ le la, ate ŋu anye nusi woazã le miaƒe nuhiahiãwo me le Subɔsubɔ Kpekpea me. Yehowa ƒe Nya la le agbe nyateƒe, eye ete ŋu kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe agbe dzi.—Hebritɔwo 4:12.