Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Ðe Yehowa Ðasefowo xɔa nu suesue ɖesiaɖe si woɖe tso ʋu mea?

Ŋuɖoɖo si gbɔna la nye June 15, 2000 ƒe nyati si míegbugbɔ ta.

Ŋuɖoɖo vevitɔe nye be Yehowa Ðasefowo mexɔa ʋu o. Míexɔe se vevie be se si Mawu de le ʋu ŋu mava trɔ be wòasɔ ɖe alesi nukpɔsusuwo le tɔtrɔmee nu o. Ke hã kuxi yeyewo le mo dom ɖa elabena fifia la, wote ŋu trɔa asi le ʋu ŋu heɖea emenu vevi ene ɖe vovo eye wogate ŋu ɖea nu suesue siwo le esiawo hã me ɖe vovo. Ne Kristotɔ atso nya me be yeaxɔ nusiawo la, ele be wòabu nuwo ŋu ayi ŋgɔ wu viɖe kple afɔku siwo ado tso atikea wɔwɔ me ko. Ele be nusi anɔ vevie nɛ nanye nusi Biblia gblɔ kple ŋusẽ si wòate ŋu akpɔ ɖe woa kple Mawu Ŋusẽkatãtɔ la dome ƒomedodo dzi.

Nya siwo le vevie le nyaa me gɔmesese le bɔbɔe. Be nànya nusita wòle bɔbɔe la, de ŋugble le Biblia me nya, ŋutinya, kple atikewɔnya aɖewo ŋu kpɔ.

Yehowa Mawu gblɔ na mí katã mía tɔgbui Noa be ele be wòabu ʋu nu tɔxɛe. (Mose I, 9:3, 4) Emegbe la, ʋu ƒe nukɔkɔenyenye dze le se siwo Mawu de na Israel-viwo me be: “Ne Israel ƒe aƒemetɔ aɖe alo amedzrovi . . . ɖu lãʋu aɖe la, maɖe ŋku atɔ amesi ɖu ʋua.” Ne Israel-vi aɖe gbe Mawu ƒe se dzi wɔwɔ la, ate ŋu agblẽ ame bubuwo; eyatae Mawu gblɔ kpee be: “Matsrɔ̃e ɖa le eƒe dukɔ la dome.” (Mose III, 17:10) Emegbe le kpekpe aɖe si apostoloawo kple hamemegãwo wɔ le Yerusalem me la, wode se be ‘míatsri ʋu.’ Etsitsri le vevie abe alesi wòle be míatsri gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ kple trɔ̃subɔsubɔe ene.—Dɔwɔwɔwo 15:28, 29.

Nukae ‘etsitsri’ fia ɣemaɣi? Kristotɔwo meɖu ʋu o, eɖanye ʋu mumu loo alo esi bla o; eye womeɖua lã tsiʋume o. Nusiwo wotsri hã ƒe ɖee nye nuɖuɖu siwo wotsɔ ʋu tsakae, abe agbodzomle alo ʋubli ene. Ʋu ɖuɖu le mɔ mawo dometɔ ɖesiaɖe nu anye Mawu ƒe sea dzi dada.—Samuel I, 14:32, 33.

Anye be ʋuɖuɖu metena ɖe blematɔ akpa gãtɔ dzi o, abe alesi míate ŋu akpɔe le Tertullian (si nɔa nyi le ƒe alafa evelia kple etɔ̃lia M.Ŋ. me) ƒe nuŋlɔɖiwo me ene. Esi Tertullian nɔ alakpanya si wotsɔ ɖe Kristotɔwo ŋu be woɖua ʋu nu ɖem la, eƒo nu tso to aɖe me tɔ siwo ɖuɖɔa ʋu tsɔ ɖoa kpe woƒe nubablawo dzi ŋu. Egblɔ hã be “ne wole wɔna aɖe wɔm le fefewɔƒe la, dzodzro sẽŋu aɖe nɔa [ame aɖewo] me wotsɔ xea fɔɖilawo ƒe ʋu si le ɖuɖum . . . be yewoatsɔ ada yewoƒe kpeŋuidɔ alo anyidzedɔe.”

Nuwɔna mawo (ne wòanye be Romatɔwo wɔnɛ le dɔdada ta hã) nye nu gbegblẽ na Kristotɔwo, elabena Tertullian ŋlɔ be: “Lãwo gɔ̃ hã ƒe ʋu menɔa nusiwo míelɔ̃a ɖuɖu me o.” Romatɔwo tsɔa nuɖuɖu siwo me ʋu le doa Kristotɔ vavãwo ƒe nuteƒewɔwɔ kpɔna. Tertullian gblɔ kpee be: “Azɔ mabia mi, aleke wɔ esi mienyae nyuie [be Kristotɔwo] anyɔ ŋu lãwo ƒe ʋu la, miebu susu ɖe wo ŋu be amegbetɔ ƒe ʋu dzroa wo kutɔkutɔe?”

Egbea la, ame ʋɛ aɖewo koe asusu be Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe sewo maɖe mɔ o ne atikewɔla gblɔ be woado ʋu. Togbɔ be mí Yehowa Ðasefowo míedi be míayi edzi anɔ agbe hã la, míeɖoe kplikpaa be míawɔ ɖe se si Yehowa de le ʋu ŋu dzi. Nukae nya sia fia le fifia ƒe atikewɔwɔ ŋu?

Esime ʋu ŋutɔŋutɔ dodo va bɔ le Xexemeʋa II megbe la, Yehowa Ðasefowo kpɔe be nusia tsi tre ɖe Mawu ƒe sedede ŋu—eye míegaxɔe se nenema kokoko. Ke hã nuwo trɔ le atikewɔwɔ me esi ɣeyiɣiwo va le yiyim. Egbea la, menye ʋu ŋutɔŋutɔe wodona le ʋudodo akpa gãtɔ me o ke ʋumenu veviwo dometɔ ɖeka boŋ ye: (1) ʋumenugbagbevi dzĩwo; (2) ʋumenugbagbevi ɣiwo; (3) ʋumenugbagbevi gbabɛwo; (4) ʋutsi, si nye ʋua ƒe akpa si nye tsi. Le nɔnɔme si me dɔnɔa le nu la, atikewɔlawo ate ŋu aŋlɔ ʋumenugbagbevi dzĩwo, ʋumenugbagbevi ɣiwo, ʋumenugbagbevi gbabɛwo, alo ʋutsi nɛ. Ʋumenugbagbevi vevi siawo dodo na ame wɔnɛ be womaa ʋu dzidzenu ɖeka me ɖe dɔnɔ geɖe dome. Yehowa Ðasefowo xɔe se be ʋu ŋutɔŋutɔ alo wo me nu vevi ene mawo dometɔ ɖesiaɖe xɔxɔ nye Mawu ƒe se dzi dada. Eɖe dzesi be Biblia ƒe nukpɔsusu sia dzi wɔwɔ kpɔ wo ta tso afɔku geɖe me, eye dɔléle siwo hã le eme dometɔ aɖewoe nye aklã dɔléle kple AIDS siwo woate ŋu axɔ tso ʋu me.

Gake esi woate ŋu atrɔ asi le ʋu ŋu agate ŋu aɖe nu bubuwo le ʋumenugbagbevi vevi mawo hã me ta la, nya va ku ɖe nusiwo woɖena tsoa ʋumenugbagbevi veviawo me ŋu. Aleke wozãa nu suesue mawo siwo wogaɖe lae, eye nuka ŋue wòle be Kristotɔ nade ŋugble le ne ele nya me tsom le wo ŋu?

Nu geɖe le ʋu me. Lãmetsiŋusẽ, dze ƒomeviwo, lãmetsi siwo doa tsɔtsɔe lãmetsiwo ƒe dɔwɔwɔ (enzymes), kple amenyinuwo abe ŋutilãtuɖonuwo kple sukli gbogbo aɖewo ene la le ʋutsi—si ƒe alafa memama 90 nye tsi sɔŋ—gɔ̃ hã me. Ʋumenunyiame abe albumin, nusiwo naa ʋu blana, kple ʋumenu si wua dɔlékuiwo hã le ʋutsi me. Atikewɔla bibiwo te ŋu ɖea ʋutsi me nunyiame geɖe hezãna. Le kpɔɖeŋu me, wodoa ʋublanu si woyɔna be factor VIII na ʋusisidɔléla siwo ŋu ʋu ɖuɖuna le kabakaba. Alo ne ɖɔktawo kpɔ be dɔ aɖewo ate ŋu adze ame aɖe dzi la, wote ŋu ŋlɔa abui si nye gamma globulin (ʋumenu si wua dɔlékuiwo), si woɖe tso amesiwo kpe dɔa dzi xoxo ƒe ʋutsi me la na wo. Wogate ŋu zãa ʋutsi me nunyiame bubuwo le atikewɔwɔ me, gake esiwo míeyɔ va yi la fia alesi woate ŋu atrɔ asi le ʋumenu vevi ɖeka (ʋutsi) ŋu agaɖe nu suesue bubuwo le emee. *

Abe alesi wote ŋu kpɔa nu suesuewo tsoa ʋutsi mee ene la, nenema ke woate ŋu atrɔ asi le ʋumenu vevi bubuwo (ʋumenugbagbevi dzĩwo, ʋumenugbagbevi ɣiwo, ʋumenugbagbevi gbabɛwo) ŋu agaɖe wo me nu suesue bubuwo. Le kpɔɖeŋu me, woate ŋu aɖe interferon kple interleukin, siwo wotsɔ daa kansa kple dɔxɔleameŋuwo tso ʋumenugbagbevi ɣiwo me. Woate ŋu atrɔ asi le ʋumenugbagbevi gbabɛwo ŋu aɖe abiwutike tso wo me. Eye wole atike bubuwo tom vɛ siwo woɖena (le gɔmedzedzea me ya teti) tsoa ʋumenuwo me. Dɔyɔɖaŋu mawo menye ʋumenu veviawo dodo na ame o; wonyea ʋumenu veviawo ƒe akpa aɖewo alo kakɛ aɖewo zi geɖe. Ðe wòle be Kristotɔwo naxɔ ʋumenu kakɛ siawo ne wole atike wɔm na woa? Míate ŋu agblɔe o. Biblia meɖe nuwo me tsitotsito o, eyata ele be Kristotɔ nanɔ te ɖe eƒe dzitsinya dzi atso nya me le Mawu ŋkume.

Ame aɖewo agbe nusianu si woɖe tso ʋu me (ne wonye ʋumenu suesue siwo wowɔ be woatsɔ alé dɔléle nu afã kple afã ɣeyiɣi kpui aɖe gɔ̃ hã). Nenemae wose se si Mawu de be ‘woatsri ʋu’ gɔmee. Woƒe susue nye be se si wòde na Israel-viwo bia be ‘woakɔ ʋu si woɖe tso lã me ɖe anyigba.’ (Mose V, 12:22-24) Nukatae nya sia le vevie ɖo? Nya lae nye be, hafi woawɔ ʋumenu si wua dɔlékuiwo ƒe abui, ʋublanu siwo wokpɔ tso ʋu me, kple nu bubuwo la, ebia be woaɖe ʋu ɖe nu me hafi agbugbɔ asi atrɔ le eŋu. Eyata Kristotɔ aɖewo gbe atike mawo tɔgbe, abe alesi wogbea ʋu ŋutɔŋutɔ alo emenu vevi eneawo dodo ene. Ele be woade bubu nyametsotso si wonɔ te ɖe dzitsinya dzi wɔ le anukwareɖiɖi me ŋu.

Nyametsotso si Kristotɔ bubuwo wɔna la to vovo. Womelɔ̃na be woado ʋu ŋutɔŋutɔ, ʋumenugbagbevi dzĩwo, ʋumenugbagbevi ɣiwo, ʋumenugbagbevi gbabɛwo, alo ʋutsi na yewo o. Gake woate ŋu aɖe mɔ na atikewɔla be wòazã nu suesue si woɖe tso ʋumenu veviwo me atsɔ awɔ atike na yewo. Nuwo ate ŋu ato vovo le nya sia gɔ̃ hã me. Kristotɔ aɖe ate ŋu alɔ̃ woado ʋumenu si wua dɔlékuiwo ƒe abui nɛ, gake ate ŋu alɔ̃ alo agbe be womegado nane si woɖe tso ʋumenugbagbevi dzĩwo alo ɣiawo me na ye o. Gake ne míagblɔe gbadzaa la, nukae ana Kristotɔ aɖewo natso nya me be yewoate ŋu axɔ ʋumenu suesue aɖewo?

“Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ” si le June 1, 1990 ƒe Gbetakpɔxɔ me gblɔ be ʋutsimenunyiamewo (emenu suesuewo) tsoa funɔ ƒe ʋu me gena ɖe fugboe si le eƒe vidzidɔme ƒe ʋuka siwo le vovo me. Eyata vinɔa ɖea ʋumenu si wua dɔlékuiwo naa via, ale be wòte ŋu kpea dɔlélewo dzi. Fugboea le eɖokui si, eye ne eƒe ʋumenugbagbevi dzĩwo wɔ woƒe dɔ le dzɔdzɔme nu vɔ la, dzɔdzɔme trɔa asi le woƒe akpa si me ya nɔna ŋu. Woƒe akpa aɖe zua bilirubin (vevee me nu aɖe) eye wòtoa amenɔa ƒe goloa me gena ɖe vinɔa me eye wòdona kpe ɖe nugbegblẽ siwo dona le funɔa ƒe lãme ŋu. Kristotɔ aɖewo ate ŋu aƒo nya ta be ne ʋumenu suesuewo ate ŋu atso amegbetɔ ɖeka me age ɖe bubu me le dzɔdzɔme nu alea la, ke yewoate ŋu axɔ ʋumenu sue aɖe si woɖe tso ʋutsi alo ʋumenugbagbeviwo me.

Ðe alesi amewo ƒe nukpɔsusuwo kple nyametsotso siwo wonɔ te ɖe dzitsinya dzi wɔ to vovoe la fia be nyaa mele vevie oa? Ao. Enye ŋkubiãnya. Gake egɔmesese le bɔbɔe. Nya siwo míegblɔ va yi fia be Yehowa Ðasefowo melɔ̃na wodoa ʋu ŋutɔŋutɔ kple ʋumenu vevi suesuewo na wo o. Biblia gblɔ na Kristotɔwo be ‘woatsri trɔ̃wo ƒe vɔsawo kple ʋu kple lã tsiʋumewo kple ahasiwɔwɔ.’ (Dɔwɔwɔwo 15:29) Le ema megbe ne nyaa ku ɖe ʋumenu veviawo dometɔ ɖesiaɖe me nu suesuewo ŋu la, ne Kristotɔ ɖesiaɖe de ŋugble le nyaa ŋu hedo gbe ɖa tso eŋu vɔ la, ele be wòanɔ te ɖe eƒe dzitsinya dzi atso nya me na eɖokui.

Ame geɖe alɔ̃ be woazã dɔyɔɖaŋu ɖesiaɖe si dze abe ɖe wòaɖe vi enumake ene na yewo, eɖanye dɔyɔɖaŋu siwo wonya be egblẽa nu le lãmesẽ ŋu gɔ̃ hã, abe alesi wòle le atike siwo wokpɔ tso ʋu me gome ene. Kristotɔ ɖianukware dzea agbagba be nukpɔsusu si yi ŋgɔ, si da sɔ eye melɔ ŋutilã me viɖewo ɖeɖeko ɖe eme o la nanɔ ye si. Yehowa Ðasefowo kpɔa ŋudzedze ɖe agbagba siwo atikenyalawo dzena be woawɔ atike adodoe na yewo la ŋu, eye wodaa atikewɔmɔnu ɖesiaɖe me viɖewo kple afɔkuwo kpɔna. Gake ne eku ɖe atike siwo wokpɔ tso ʋu me ŋu la, wobua nusi Mawu gblɔ kple woawo ŋutɔ kple Agbenala la dome ƒomedodo ŋu nyuie.—Psalmo 36:10.

Yayra ka gbegbee nye si Kristotɔ akpɔ ne kakaɖedzi le esi abe hakpala ene, amesi ŋlɔ be: “Ɣe kple akpoxɔnu enye Yehowa Mawu; Yehowa na amenuveve kple bubu, eye metea nu nyui amesiwo fɔɖiɖi mele woƒe zɔzɔme ŋu o la o. Yehowa . . . , woayra amesi ɖoa ŋu ɖe ŋuwò la!”—Psalmo 84:12, 13.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 13 Kpɔ “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ” si dze le Gbetakpɔxɔ, December 1, 1978, (Eŋlisigbe me tɔ, June 15, 1978) kple Gbetakpɔxɔ, October 1, 1994 me. Atikeɖaƒewo wɔ atike aɖewo siwo womeɖe tso ʋu me o siwo woate ŋu aŋlɔ na ame ɖe ʋumenu suesue siwo wozãna tsã teƒe.

[Aɖaka si le axa 31]

NYA SIWO WOATE ŊU ABIA ÐƆKTA

Ne woako wò alo woawɔ atike na wò azã atike siwo wokpɔ tso ʋu me la, bia be:

Ðe kɔdzidɔwɔla siwo akpɔ gbɔnye la katã nya be esi menye Yehowa Ðasefo ta la, nyemedi be woado ʋu (ʋu ŋutɔŋutɔ, ʋumenugbagbevi dzĩwo, ʋumenugbagbevi ɣiwo, ʋumenugbagbevi gbabɛwo, alo ʋutsi) aɖeke nam eɖanye nɔnɔme ka ke mee meɖale oa?

Ne atike siwo woaŋlɔ na wò dometɔ aɖe nye esi wokpɔ tso ʋutsi, ʋumenugbagbevi dzĩwo alo ɣiwo, alo ʋumenugbagbevi gbabɛwo me la, bia be:

Ʋumenu vevi eneawo dometɔ aɖe mee wokpɔ atikea tsoea? Ne nenemae la, ke àte ŋu aɖe alesi wowɔe me nama?

Atike sia si wokpɔ tso ʋu me ƒe agbɔsɔsɔme nenie woanam, eye to mɔ ka nu?

Ne nye dzitsinya ɖe mɔ nam mexɔ ʋumenu kakɛ sia la, nukawoe agblẽ le ŋunye le atikea wɔwɔ vɔ megbe?

Ne nye dzitsinya na megbe ʋumenu kakɛ sia xɔxɔ la, dɔdamɔnu bubu kae woate ŋu azã nam?

Ne meva bu nya sia ŋu yi ŋgɔe vɔ la, ɣekaɣie mate ŋu ava gblɔ nye nyametsotsoa na wò?