Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Wò Vavã

Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Wò Vavã

Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Wò Vavã

ENYE nusi sɔ le dzɔdzɔme nu be míabia be Mawu nakpe ɖe mía ŋu le nɔnɔme sesẽwo me. Elabena “[elolo], eƒe ŋusẽ tri akɔ, eye goléƒe mele eƒe nunya ŋu o.” (Psalmo 147:5) Eya koe dze wu akpe ɖe mía ŋu be míakpe akɔ kple míaƒe kuxiwo. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Biblia kpe mí be ‘miatrɔ míaƒe dzi ƒo ɖe eŋkume.’ (Psalmo 62:9) Ke nukatae ame geɖewo bunɛ be, Mawu meɖoa to yewoƒe gbedodoɖawo o? Ðe ema fia be metsɔ ɖeke le eme oa?

Le esi teƒe be nàbu fɔ Mawu enumake le esi wòdze abe ɖee mele afɔ aɖeke ɖem o la, ɖo ŋku ɣeyiɣi si nènye ɖevi la dzi boŋ. Ne dziwòlawo mewɔ ɖe wò didi ɖesiaɖe dzi na wò o la, ɖe nègblɔ na wo be womelɔ̃ ye oa? Ðevi geɖewo gblɔnɛ nenema. Gake esi nètsi la, èva kpɔe dzesii be woɖea lɔlɔ̃ fiana le mɔ geɖe nu eye be ɖeviwo ƒe didi ɖesiaɖe dzi wɔwɔ menye lɔlɔ̃ akuakua ɖeɖefia wo o.

Nenema kee ne Yehowa meɖo míaƒe gbedodoɖa ɖesiaɖe ŋu o la, mefia be metsɔ ɖeke le eme na mí o. Nyateƒea nye be, Mawu tsɔa ɖe le eme na mí katã le mɔ geɖe nu.

Eya Me Míele Agbe Le’

Gbã la, Mawue na “míele agbe, eye míeʋãna.” (Dɔwɔwɔwo 17:28) Agbe si wòna mí la na wòdze ƒãa be etsɔ ɖe le eme na mí lɔlɔ̃tɔe!

Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Yehowa naa nusi hiã be míate ŋu anɔ agbe la mí. Míexlẽe be: “Enana gbe miena na lãwo kple agblemenuwo na amegbetɔwo ƒe ŋudɔwɔwɔ, ne woaɖe nuɖuɖu atso anyigba me.” (Psalmo 104:14) Le nyateƒe me la, mía Wɔla la wɔa nu geɖe na mí wu agbemenuhiahiãwo nana mí ko. Enaa “tsidzadza mí tso dziƒo kple nuƒãɣiwo, eye wòtsɔ nuɖuɖu kple dzidzɔ yɔ míaƒe dziwo me fũ.”—Dɔwɔwɔwo 14:17.

Ke hã, ame aɖewo ake ɖi be, ‘Ne Mawu lɔ̃ mí vevie ɖe, ke nukatae wòɖea mɔ míekpea fu ɖo?’ Ènya nyabiase ma ƒe ŋuɖoɖoa?

Mawue Woabu Fɔea?

Ameƒomea ŋutɔe he eƒe fukpekpea ƒe akpa gãtɔ va eɖokui dzi. Le kpɔɖeŋu me, ame akpa gãtɔ nya afɔku siwo dona tsoa nuwɔna dzeakaɖa aɖewo me la nyuie. Ke hã, amewo nɔa agbegbegblẽ, noa ahatsu kple atikevɔ̃ɖi bubuwo, wonoa atama, kpɔa gome le kamedefefe siwo me afɔku le la me, kua ʋu sesĩe, kple bubuawo. Ne agbe maɖɔʋu mawo nɔnɔ he fukpekpewo vɛ la, amekae woabu fɔe? Mawuea alo amesi le nu wɔm numanyamanyatɔe lae? Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me gblɔ be: “Migable mía ɖokui o; Mawu menana woɖoa hehe ɖe eta o! Elabena nusi ke ame ƒãna la, esia ke wòaŋe.”—Galatiatɔwo 6:7.

Tsɔ kpe ɖe eŋu la, amegbetɔwo gbãa dzi na wo nɔewo zi geɖe. Ne dukɔ aɖe ho aʋa la, womate ŋu abu fɔ Mawu ɖe fukpekpe siwo dona tsoa eme la ta gbeɖe o. Ne adzoblasu aɖe dze nɔvia dzi hewɔ nuvevii alo wui la, Mawue woabu fɔea? Gbeɖe! Ne dukplɔla sẽŋuta aɖe te eteviwo ɖe anyi, wɔ funyafunya wo, hewu wo la, ɖe wòle be míabu fɔ Mawua? Susu manɔ eme be woaƒo nya ta nenema o.—Nyagblɔla 8:9.

Ke ame miliɔn geɖe siwo nye hiãtɔ kolikoliwo alo le dɔwuame nyigbawo dzi ya ɖe? Ðe wòabu fɔ Mawua? Ao. Míaƒe ɣletinyigba la naa nuɖuɖu si amesiame ate ŋu aɖu eye ɖe nasusɔ. (Psalmo 10:2, 3; 145:16) Mawu ƒe nunana gbogbo siwo womemana sɔsɔe o ye na be dɔtoto kple hiãkame le teƒe geɖe. Eye amegbetɔwo ƒe ɖokuitɔdidi wɔe be womete ŋu le kuxi sia gbɔ kpɔm o.

Kuxia ƒe Dzɔtsoƒe

Ke amekae woabu fɔe ne ame aɖe dze dɔ alo ne ame aɖe ku le tsitsi ta? Ðe wòawɔ nuku na wò be nànya be mele be woabu fɔ Mawu le go sia gɔ̃ hã me oa? Mawu mewɔ amegbetɔwo be woatsi aku amegã ahaku o.

Esi woda ame eve gbãtɔawo, Adam kple Xawa, ɖe Eden-bɔa me la, Yehowa ɖoe na wo be woanɔ agbe mavɔ le anyigba dzi paradiso me. Gake edi be amegbetɔ siwo akpɔ ŋudzedze ɖe anyigba si yetsɔ na wo la ŋu ko nanɔ edzi. Le esia ta la, eɖoe be agbe mavɔ si woanɔ la nanɔ te ɖe nɔnɔme aɖe dzi. Adam kple Xawa anɔ Paradisoa me ne wonya wɔ ɖe wo Wɔla lɔ̃ame la ƒe mɔfiafiawo dzi ko.—Mose I, 2:17; 3:2, 3, 17-23.

Nublanuitɔe la, Adam kple Xawa dze aglã. Xawa tiae be yeaɖo to Satana Abosam. Satana blee hegblɔ nya si fia abe ɖee Mawu le nu nyuie aɖe temee ene. Esia wɔe be wòdze ɖokuisigbenɔnɔ gɔme hedi be “[yeanɔ] abe Mawu ene, anya nyui kple vɔ̃.” Adam wɔ ɖeka kplii le aglãdzedzea me—Mose I, 3:5, 6.

Esi Adam kple Xawa wɔ nuvɔ̃ sia ta la, woɖee fia be yewomedze anɔ agbe tegbee o. Wokpe woƒe nuvɔ̃a metsonu ƒe fu vevie. Ŋusẽ kple dzonɔameme si nɔ wo ŋu dzi vanɔ ɖeɖem kpɔtɔ, eye woku mlɔeba. (Mose I, 5:5) Gake nusiwo do tso woƒe aglãdzedzea me dziŋɔ wu esiawo ko. Adam kple Xawa ƒe nuvɔ̃ me tsonuawo gale nu gblẽm le mía ŋu kokoko. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “To ame ɖeka [Adam] dzi nuvɔ̃ la va xexeame, eye to nuvɔ̃ me ku la va, eye nenema ku la va to amewo katã dzi yi, esi wo katã wɔ nuvɔ̃ ŋuti la.” (Romatɔwo 5:12) Ẽ, esi Adam kple Xawa dze aglã tae nuvɔ̃ kple ku kaka abe dɔléle vɔ̃ɖi aɖe ene ɖe amegbetɔƒomea katã me ɖo.

Mawu ƒe Ðetsɔleme ƒe Kpeɖodzi Gãtɔ Kekeake

Ðe esia fia be nu gblẽ le amegbetɔƒomea si Mawu wɔ la ŋu keŋkeŋua? Ao, esiae ana míakpɔ kpeɖodzi sesẽtɔ kekeake si ɖee fia be Mawu tsɔa ɖe le eme na mí adze sii. Mɔ si dzi Mawu to na ɖeɖe ameƒomea tso nuvɔ̃ kple ku si me na be wòbu nu gã aɖe. Tafe si wòxe ɖe mía tae nye Yesu ƒe agbe deblibo si wòlɔ̃ faa tsɔ na ɖe mía ta. (Romatɔwo 3:24) Eyata apostolo Yohanes ŋlɔ bena: “Ale gbegbe Mawu lɔ̃a xexeame bena, wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.” (Yohanes 3:16) Le lɔlɔ̃ gã sia si wòɖe fia mí ta la, agbe tegbee nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ gale ʋuʋu ɖi na mí. Paulo ŋlɔ na Romatɔwo be: “To nu dzɔdzɔe wɔwɔ ɖeka me agbe ƒe afiatsotsoname hã va amewo katã dzi.”—Romatɔwo 5:18.

Míate ŋu aka ɖe edzi be, le Mawu ƒe ɣeyiɣiɖoɖi dzi la, fukpekpe alo ku maganɔ míaƒe Ɣletinyigbaa dzi o. Ke boŋ nɔnɔme siwo ŋu nya wogblɔ ɖi le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me ava eme be: “Kpɔ ɖa, Mawu ƒe agbadɔ la le amewo gbɔ, eye wòanɔ anyi kpli wo, eye woawo hã woanye eƒe dukɔ, eye Mawu ŋutɔ anɔ anyi kpli wo, eye wòanye woƒe Mawu. Eye Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.” (Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Ðewohĩ àgblɔ be ‘Nyemanɔ agbe akpɔ ɣiyiɣi ma gbeɖe o.’ Gake nyateƒea nye be àte ŋu anɔ agbe akpɔ eteƒe. Eye ne èku gɔ̃ hã la, Mawu ate ŋu afɔ wò ɖe tsitre tso ame kukuwo dome. (Yohanes 5:28, 29) Emae nye tameɖoɖo si le Mawu si na mí, eye nu ma tututue ava eme hã. Aleke gbegbe wòanye vodada gã aɖee nye esi be míagblɔ be Mawu metsɔ ɖeke le eme na ameƒomea o!

‘Te Ðe Mawu Ŋu’

Enye nusi naa ame ƒe dzi dzea eme be woanya be Mawu ɖo nusi akpɔ amegbetɔwo ƒe kuxiwo gbɔ keŋkeŋ la anyi. Ke fifia ya ɖe? Nukae míate ŋu awɔ ne míaƒe lɔlɔ̃tɔ aɖe ku alo ne mía vi dze dɔ? Enye nyateƒe be ɣeyiɣia mede na Mawu haɖe be wòaɖe dɔléle kple ku ɖa o. Biblia ɖee fia be ehiã be míalala vie be woaɖe kuxi siawo ɖa. Gake Mawu meɖe asi le mía ŋu kpekpeɖeŋu aɖeke manamanae o. Nusrɔ̃la Yakobo gblɔ be: “Mite ɖe Mawu ŋu, eye wòate ɖe mia ŋu.” (Yakobo 4:8) Ẽ, mía Wɔla kpe mí be míava nɔ ƒomedodo kplikplikpli me kpli ye, eye amesiwo nɔa eme kplii la medoa kpo eƒe kpekpeɖeŋu xɔxɔ le nɔnɔme sesẽtɔ kekeakewo gɔ̃ hã me o.

Aleke míawɔ ate ɖe Mawu ŋui? Anɔ ƒe akpe etɔ̃e nye esia la, Fia Dawid hã bia nya ma ke tɔgbe be: “Yehowa, . . . ameka anɔ wò to kɔkɔe la dzi ma?” (Psalmo 15:1) Dawid ŋutɔ gaɖo eƒe biabia la ŋu esi wòyi edzi be: “Amesi fɔɖiɖi mele eƒe zɔzɔme ŋu o, ewɔa nu dzɔdzɔe, eye wòtoa nyateƒe le eƒe dzi me; amesi metsɔa eƒe aɖe zɔa ame gɔmee o, mewɔa vɔ̃ ɖe ehavi ŋu o.” (Psalmo 15:2, 3) Ne míagblɔe bubui la, Yehowa xɔa amesiwo wɔa eƒe lɔlɔ̃nu si dzi Adam kple Xawa gbe wɔwɔ ɖo la. Etena ɖe amesiwo wɔa eƒe lɔlɔ̃nu la ŋu.—Mose V, 6:24, 25; Yohanes I, 5:3.

Aleke míate ŋu awɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nue? Ele be míasrɔ̃ nusi “nyo, eye wòdze Mawu, mía xɔla ŋu,” ahawɔ edzi. (Timoteo I, 2:3) Ema bia be míaxɔ sidzedze vavãtɔ si le Mawu ƒe Nya, Biblia, me. (Yohanes 17:3; Timoteo II, 3:16, 17) Menye ɖeko míaxlẽ Biblia ko evɔ o. Ele be míasrɔ̃ ƒe alafa gbãtɔ me Yudatɔ siwo nɔ Beroia, siwo se Paulo ƒe gbeƒãɖeɖea, ƒe kpɔɖeŋu. Míexlẽ tso wo ŋu be: “Woxɔ nya la kple dzi faa, eye wole ŋɔŋlɔawo me dzrom gbesiagbe be, nusiawo le eme hã.”—Dɔwɔwɔwo 17:11.

Nenema kee wòle egbea hã, Biblia sɔsrɔ̃ moveviɖoɖotɔe doa ŋusẽ xɔse si le mía si ɖe Mawu ŋu hekpena ɖe mía ŋu be ƒomedodo kplikplikpli aɖe va nɔa mía kplii dome. (Hebritɔwo 11:6) Ekpena ɖe mía ŋu hã be míekpɔa ŋudzedze ɖe alesi tututu Yehowa wɔa nu kple ameƒomeae ŋu—menye ɖe ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe viɖe ta o, ke boŋ vevietɔ wu la, hena ɣeyiɣi didi be wòaɖe vi na amesiwo katã dze.

De ŋugble le Kristotɔ ʋɛ aɖewo siwo le ƒomedodo kplikplikpli me kple Mawu la ŋu kpɔ. Danielle, si xɔ ƒe 16, gblɔ be: “Melɔ̃ Yehowa ŋutɔ, eye ele be mada akpe nɛ ɖe nu gbogbo aɖewo ta. Ena dzila lɔ̃ame siwo fia num tso eƒe Nya la me eye wolɔ̃ eyama vevie lam.” Kristotɔ aɖe si le Uruguay ŋlɔ bena: “Ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ŋu yɔ dzime nam fũ, eye eʋãm be mada akpe nɛ ɖe eƒe amenuveve kple alesi wònye xɔ̃nye la ta.” Mawu kpɔa ŋudzedze ɖe ɖeviwo gɔ̃ hã ŋu. Gabriela, si xɔ ƒe adre, gblɔ be: “Melɔ̃ Mawu wu nu bubu ɖesiaɖe le xexe bliboa katã me! Biblia le asinye. Edzɔa dzi nam be masrɔ̃ nu tso Mawu kple Via ŋu.”

Ame miliɔn geɖewo le xexeame egbea si lɔ̃ ɖe hakpala la ƒe nya siawo dzi bliboe be: “Mawu ƒe gbɔnyenɔnɔ enye nye dzidzɔ.” (Psalmo 73:28) Wokpe ɖe wo ŋu be woakpe akɔ kple kuxi siwo wodoa goe egbea, eye mɔkpɔkpɔ sẽŋu si meʋuʋuna o la le wo si be yewoava nɔ agbe tegbee le Paradiso me le anyigba dzi. (Timoteo I, 4:8) Nukatae màɖoe wò taɖodzinui be ‘yeate ɖe Mawu ŋu o’? Nyateƒee, woka ɖe edzi na mí be: “Mele adzɔge tso mía dome amesiame gbɔ hafi o.” (Dɔwɔwɔwo 17:27) Ẽ, Mawu tsɔ ɖe le eme na wò vavã!

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Yehowa ƒe ɖetsɔtsɔ le eme na mí dzena le mɔ geɖe nu

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Ðeviwo gɔ̃ hã ate ŋu ate ɖe Mawu ŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Egbea la, Yehowa kpena ɖe mía ŋu míedoa dzi. Le ɣeyiɣiɖoɖia dzi la, aɖe dɔléle kple ku ɖa