Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Dzomeŋɔli Kple Vuvɔŋɔli Nu Matsi O’

‘Dzomeŋɔli Kple Vuvɔŋɔli Nu Matsi O’

Yehowa Ƒe Nuwɔwɔwo Ƒe Atsyɔ̃

‘Dzomeŋɔli Kple Vuvɔŋɔli Nu Matsi O’

ŊDƆ le ʋuʋum sesĩe le dzogbe. Le anyigba ƒe akpa bubuwo ya la, ele dzo dem lãme na amewo le vuvɔŋɔli si me fafa geɖe nɔ la megbe. Nyateƒee, dzoxɔxɔ si tso ɣea mee nye nu vevi siwo na yame ƒe nɔnɔmewo kpakple nuƒãɣiwo kple nuŋeɣiwo li la dometɔ ɖeka.

Yame ƒe nɔnɔmewo le vovovo le anyigba katã dzi. Gake aleke ɣeyiɣiwo ka wòe? Ðe alesi agbe gaɖoa atiwo kple seƒoƒowo me le adame henaa dzo ɖoa lãme na ame la dzɔa dzi na wòa? Aleke nèsena le ɖokuiwò me le dzomeŋɔli ƒe fiẽ siwo fana miɔɔ la? Ðe alesi keleme ŋkekewo dea dzo lãme na ame eye aŋgbawo trɔa woƒe amadede wònya kpɔnae ŋutɔ la dzɔa dzi na wòa?

Nukae naa ɣeyiɣiwo trɔna hena azãgbewo li? Kpuie ko la, alesi anyigba viã ye nana. Eƒe anyinɔwo viã abe dzeside 23.5 ene tso alesi wòƒoa xlã ɣea ŋu. Ne menye ɖe anyigba ƒe anyinɔwo viã o la, anye ne ɣeyiɣiwo metrɔna o. Yame ƒe nɔnɔme hã matrɔ o. Esia agblẽ nu le numiemiewo kpakple nukunuwo ƒe wɔwɔ ŋu.

Woate ŋu akpɔe be Wɔlae na azãgbe vovovowo li. Hakpala la gblɔ tso Yehowa Mawu ŋu wòsɔ nyuie be: “Wòe ɖe anyigba ƒe liƒowo katã, eye wòe wɔ dzomeŋɔli kple vuvɔŋɔli.”Psalmo 74:17. *

Amesi le anyigba dzi la akpɔe be ɣe, ɣleti, kple ɣletiviwo nye azãgbewo ƒe dzesifianuwo vavã. Esi Mawu nɔ ɣe kple eŋuɣletinyigbawo wɔm la, egblɔ be: “Nu keklẽwo nado ɖe dziƒolilia ŋu, . . . eye woanɔ anyi anye dzesiwo, afia azãgbewo, ŋkekewo kple ƒewo.” (Mose I, 1:14) Ne anyigba le xlã ƒom ɣea la, eva ɖoa teƒe vevi eve aɖewo, eye ɣemaɣi la, ɣea ɖoa anyigbamemaflia dzi tututu le ŋdɔ ga 12 me. Woyɔa teƒe siawo be equinoxes, eye le dukɔ geɖe me la, woawoe fiaa adame kple keleme ƒe gɔmedzedze. Le equinoxes ƒe ɣeyiɣia me la, ŋkekea kple zã ƒe didime nɔa ɖeka le anyigba katã dzi.

Menye dziƒonuwo koe kpɔa ŋusẽ ɖe azãgbewo ƒe anyinɔnɔ kple woƒe gɔmedzedze dzi o. Azãgbewo kple yame ƒe nɔnɔme de nu wo nɔewo me le ɖoɖo si léa agbe ɖe te si me nu vovovowo yia edzi le la me. Esi Kristotɔ apostolo Paulo kple eƒe zɔhɛ Barnaba nɔ nu ƒom na amewo le Asia Sue—amesiwo dometɔ geɖe nya nu tso agbledede kple nukuwo ƒe wɔwɔ ŋu nyuie—la, wogblɔ be Mawue nye amesi “[na] tsidzadza mí tso dziƒo kple nuƒãɣiwo, eye wòtsɔ nuɖuɖu kple dzidzɔ yɔ míaƒe dziwo me fũ.”—Dɔwɔwɔwo 14:14-17.

Mɔ wɔnuku si dzi numiemiewo tona wɔa woƒe nuɖuɖu wɔe be numiemiewo le anyigba la dzi eye numiemie suesuewo hã le atsiaƒu me. Esia wɔe be ne yame fa alo xɔ dzo, alo ne tsidzaɣi alo kuɖiɣi ɖo hã la, esia megblẽa nu le mɔ si dzi nugbagbe ƒomevi vovovowo kpɔa woƒe nuɖuɖu tonae kple alesi wowɔa nu kple wo nɔewo ŋu o. Paulo he susu yi Yehowa dzi wòsɔ be eyae wɔ nusiawo katã esime wògblɔ be: “Elabena anyigba, si noa tsi, si dzana ɖe edzi agbadre, eye wòmiea amagbe, si nyo na amesiwo ŋlɔe la, xɔa yayra tso Mawu gbɔ.”—Hebritɔwo 6:7.

Àse nya “yayra” gɔme bubui ne ètɔ hede ŋugble le nusi dzɔna le teƒe siwo dzoxɔxɔa sɔna le, ŋkekea didina wu zã, ŋdɔ ʋuna wu, eye tsi hã dzana nyuie wu le adame la ŋu. Seƒoƒowo kena eye nudzodzoewo dzona le afisi wonɔ le vuvɔŋɔli henɔa klalo be yewoatsɔ ʋuʋudedi si le agblemenuku aɖe ƒe seƒoƒo ŋu la ayi bubu dzi. Xeviwo, abe aɖitsi si kpɔm nèle le afisia ene, siwo ƒe amadede le vovovo la nɔa ave me henɔa ha dzim, eye anyigba katã dzi ganya kpɔna. Agbe gaɖoa nu gbagbewo me ɖe edzi wu tsã, eye woyia agbe me nudzɔdzɔ siwo nye memie, alo dzidzi, gbugbɔgadze kple tsitsi dzi. (Hawo ƒe Ha 2:12, 13) Esia nyea dzadzraɖodɔ si doa ŋgɔ na nuŋeɣi le dzomeŋɔli ƒe nuwuwu alo le keleme.—Mose II, 23:16.

Yehowa ƒe dɔwɔwɔwo dze ƒã wòwɔ nuku to alesi wòviã anyigbae, si na ŋkeke kple zã, tsidzaɣiwo kple kuɖiɣiwo, kpakple nuƒãɣiwo kple nuŋeɣiwo li dzi. Míeka ɖe edzi be dzomeŋɔlie ava le vuvɔŋɔli megbe. Le nyateƒe me la, Mawue do ŋugbe be: “Tso esia dzi, ŋkeke alesi anyigba li la, nuƒaƒã kple nuŋeŋe, vuvɔ kple fifia, dzomeŋɔli kple pepi, ŋkeke kple zã nu matsi o.”—Mose I, 8:22.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 6 Kpɔ 2004 Calendar of Jehovah’s Witnesses, July/August.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 9]

Ɣleti Le Vevie Hena Agbenɔnɔ

Ɣleti ƒe anyinɔnɔ wɔ nuku na amewo hewɔ dɔ ɖe wo dzi le ŋutinya katã me. Gake ènya be ɣleti kpɔa ŋusẽ ɖe azãgbewo dzia? Ɣleti ƒe anyinɔnɔ kpena ɖe anyigba ŋu eƒe anyinɔwo gakpɔtɔ viãna kokoko. Dzɔdzɔmeŋutinya ŋu nuŋlɔla Andrew Hill gblɔ be esia wɔa “akpa vevi aɖe si wɔnɛ be nɔnɔme siwo ate ŋu alé agbe ɖe te le Anyigba dzi la li.” Ne ɖe nu lolo aɖeke meli si nana anyigba ƒe anyinɔwo kpɔtɔ vĩa o la, anye ne dzoxɔxɔa ayi dzi eye anɔ eme be esia ana agbe manya anɔ le anyigba dzi o. Eyatae ɣletiviŋununyalawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe ƒo nya ta be: “Woate ŋu abui be Ɣleti lae na yame ƒe nɔnɔmewo sɔ le Anyigba dzi.”​—Psalmo 104:19.

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Ɣleti: U.S. Fish & Wildlife Service, Washington, D.C./Bart O’Gara

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Kposɔwo, Dziehe Afrika kple Arabia-ƒukpo afã