Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Zã Mawusubɔsubɔ Me Taɖodzinuwo tsɔ Kafu Wɔwòlae

Zã Mawusubɔsubɔ Me Taɖodzinuwo tsɔ Kafu Wɔwòlae

Zã Mawusubɔsubɔ Me Taɖodzinuwo tsɔ Kafu Wɔwòlae

“NE AME menya afisi wòɖo tae o la, yaƒoƒo aɖeke menyea yaƒoƒo nyui o.” Nya siawo siwo wobe ƒe alafa gbãtɔ me Romatɔ xexemenunyala aɖe gblɔ la ɖe nyateƒenya sia fia be hafi míaƒe agbe nato mɔ ɖeka la, ehiã be taɖodzinuwo nanɔ mía si.

Amesiwo nya be taɖodzinuwo ɖoɖo nye nu vevi ƒe kpɔɖeŋuwo le Biblia me. Noa tsɔ abe ƒe 50 lɔƒo ene ‘kpa aɖakaʋu hena eƒemetɔwo ɖeɖe.’ Nyagblɔɖila Mose ‘na teƒeɖoɖofetu la nɔ susu me nɛ vevie.’ (Hebritɔwo 11:7, 26) Mawu gblɔ na Yosua, amesi va xɔ ɖe Mose teƒe la be wòaɖoe eƒe taɖodzinu be wòaxɔ Kanaan-nyigba la.—Mose V, 3:21, 22, 28; Yosua 12:7-24.

Ðikeke mele eme o be le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me la, nya siwo Yesu gblɔ be “woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me” ye na apostolo Paulo ɖo mawusubɔsubɔ me taɖodzinu geɖe nenema gbegbe. (Mateo 24:14) Aƒetɔ Yesu ƒe gbedasi kple ŋutega siwo Paulo xɔ siwo ƒe akpa aɖe bia be “wòatsɔ [Yesu] ŋkɔ la ayi ɖe trɔ̃subɔlawo” gbɔe de dzi ƒo nɛ wòwɔ akpa vevi aɖe le Kristo-hame geɖe ɖoɖo me le Asia Sue kple le Europa.—Dɔwɔwɔwo 9:15; Kolosetɔwo 1:23.

Ẽ, le ŋutinya katã me la, Yehowa subɔlawo ɖo taɖodzinu nyuiwo na wo ɖokui eye woɖo wo gbɔ tsɔ kafu Mawui. Aleke míate ŋu aɖo mawusubɔsubɔ me taɖodzinuwo egbeae? Taɖodzinu kawoe míate ŋu aɖo, eye nukawoe míate ŋu awɔ be míaɖo wo gbɔ?

Susu Nyui ƒe Amesinɔnɔ Le Vevie

Woate ŋu aɖo taɖodzinuwo le agbemenuwɔna ɖesiaɖe me, eye ame geɖe le xexe sia me siwo si taɖodzinuwo le. Gake teokrasi taɖodzinuwo ya mele abe xexeame ŋkɔxɔxɔ didi ene o. Susu siwo ʋãa amewo woɖoa taɖodzinuwo le xexeame koŋue nye didi vevie be yewoazu kesinɔtɔwo kple kutrikuku be ɖoƒe kɔkɔ nasu yewo si eye be yewoakpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzi. Vodada ka gbegbe nye esi wòanye be woaɖo taɖodzinu be ŋusẽ kple gãnyenye nasu ame si! Taɖodzinu siwo hea kafukafu vɛ na Yehowa Mawu ku ɖe esubɔsubɔ kple Fiaɖuƒea ƒe nuwo didi ŋu tẽ. (Mateo 6:33) Lɔlɔ̃ na Mawu kple ame havie ʋãa ame woɖoa taɖodzinu siawo eye mawusosroɖa tae woɖoa wo ɖo.—Mateo 22:37-39; Timoteo I, 4:7.

Eɖanye subɔsubɔ ƒe mɔnukpɔkpɔwo dzidzi ɖe edzi alo gbɔgbɔ me ŋgɔyiyi tae míeɖo taɖodzinuawo hele wo minyam ɖo o, ele be míawɔe kple susu nyuitɔ. Ke hã, ɣeaɖewoɣi la, womeɖoa taɖodzinu nyuiwo kura gɔ̃ hã gbɔ o. Aleke míate ŋu aɖo taɖodzinuwoe be wo gbɔ ɖoɖo magasesẽ fũ akpa o?

Didi Vevie Hiã

De ŋugble le alesi Yehowa wɔ xexeamee ŋu kpɔ. Gbɔgblɔ be “zã do, eye ŋu ke,” la fia be Yehowa de vovototo nuwɔwɔ ƒe ɣeyiɣi siwo va ɖe wo nɔewo yome la me. (Mose I, 1:5, 8, 13, 19, 23, 31) Le nuwɔwɔ ƒe ɣeyiɣi ɖesiaɖe ƒe gɔmedzedze la, enya taɖodzinu alo nusi gbɔ wòaɖo le ŋkeke ma dzi. Eye Mawu wɔ eƒe tameɖoɖo be yeawɔ nuwo la dzi. (Nyaɖeɖefia 4:11) Blemafofo Hiob gblɔ be: ‘Ne nane dzro Yehowa la, ewɔnɛ!’ (Hiob 23:13) Aleke wòanye dzidzɔ na Yehowa enye si be wòkpɔ “nusiwo katã wòwɔ” hegblɔ be “wonyo ŋutɔ”!—Mose I, 1:31.

Be míaƒe taɖodzinuwo nava eme na mí la, ele be wòanye míaƒe didi vevie be míaɖo wo gbɔ. Nukae akpe ɖe mía ŋu didi vevie ma ƒomevi nanɔ mía me? Esime anyigba nɔ nyamaa eye nɔnɔme menɔ esi o, eye wònɔ ƒuƒlu kura gɔ̃ hã la, Yehowa te ŋu kpɔ nusi wòava zu—be ava zu nu xɔasi aɖe le xexea me, si ahe kafukafu kple bubu vɛ nɛ. Nenema kee míawo hã míate ŋu atu míaƒe didi be míawɔ nusiwo ƒe tame míeɖo la ɖo to ŋugbledede le nusiwo ado tso taɖodzinua dzi wɔwɔ me kple vi siwo wòaɖe ŋu. Nusia ƒe nuteƒekpɔkpɔ le Tony si xɔ ƒe 19 si. Vaseɖe egbea la meŋlɔ dzidzɔ si wòkpɔ zi gbãtɔ si wòyi ɖasrã Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe aɖe le Ɣetoɖoƒe Europa be kpɔ gbeɖe o. Tso gbemagbe la, biabia si nɔ susu me na Tony ye nye, ‘Aleke teƒe ma ƒomevi nɔnɔ kple subɔsubɔ le afima anɔ?’ Tony medzudzɔ alesi wòate ŋu awɔ esiae la ŋu bubu o, eye wòyi edzi ku kutri be yeaɖo taɖodzinua gbɔ. Aleke gbegbee wòkpɔ dzidzɔ enye esi esime womia asii le ƒe geɖewo megbe be wòava subɔ le alɔdzedɔwɔƒea!

Hadede kple amesiwo ɖo taɖodzinu aɖe gbɔ xoxo hã ate ŋu atu didia ɖe mía me be míadze agbagba aɖo egbɔ. Esime Jayson amesi xɔ ƒe 30 fifia, nɔ eƒe ƒewuiwo me la, mekpɔ dzidzɔ ɖe gbeadzisubɔsubɔdɔa ŋu o. Gake esime wòwu sekɛndrisuku nu vɔ la, edze mɔɖeɖedɔ wɔwɔ gɔme kple dzonɔameme eye wòva zu ɣeyiɣiawo katã ƒe Fiaɖuƒegbeƒãɖela. Nukae kpe ɖe Jayson ŋu mɔɖeɖedɔa ƒe didi va nɔ eyama me? Eɖo eŋu be: “Dzeɖoɖo kple amesiwo le mɔɖeɖedɔa wɔm kple gbeadziyiyi kpli woe kpɔ ŋusẽ ɖe dzinye vevie.”

Míaƒe Taɖodzinuwo Ŋɔŋlɔ Ði Ate Ŋu Akpe Ðe Mía Ŋu

Nusi le ame ƒe susu me la me va kɔna nyuie wu ne egblɔe. Salomo de dzesii be nya siwo sɔ wɔa dɔ ɖe ame dzi abe alesi ŋù tɔa nui ene. (Nyagblɔla 12:11) Ne woŋlɔ nya mawo ɖi la, wokpɔa ŋusẽ ɖe susu kple dzi la dzi vevie. Ne menye nenema o la, ke nukatae Yehowa de se na Israel-fiawo be woawo ŋutɔ woagbugbɔ Se la aŋlɔ ɖe agbalẽ me? (Mose V, 17:18, NW) Eyata míadi be míaŋlɔ míaƒe taɖodzinuwo kple mɔ siwo dzi míato aɖo wo gbɔ ɖe agbalẽ me, ahaŋlɔ kplamatsedonu siwo míele mɔ kpɔm na kple alesi míaɖu wo dzii la ɖi. Anyo hã be míanya nusiwo wòahiã be míasrɔ̃, ŋutete siwo míehiã, kple amesiwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu ahado alɔ mí.

Geoffrey si nye mɔɖela vevi ɣeyiɣi didi aɖee nye esia le saɖaganyigba aɖe dzi le Asia dukɔ aɖe me ƒe mawusubɔsubɔ taɖodzinuwo ɖoɖo na eɖokui wɔe be wòli ke le xɔse me. Nublanuitɔe la, srɔ̃a va ku kpata. Geoffrey wɔ asitɔtrɔ le eƒe ɖoɖowɔɖiwo ŋu eye wòtso nya me be yeaƒo ye ɖokui ɖe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me bliboe to taɖodzinuwo ɖoɖo na ye ɖokui dzi. Esime wòŋlɔ eƒe ɖoɖowo ɖe agbalẽ me vɔ la, edo gbe ɖa be hafi ɣletia nawu enu la yeadze Biblia-nusɔsrɔ̃ yeye etɔ̃ gɔme. Edzroa eƒe dɔwɔnawo me gbesiagbe, eye ŋkeke ewo ɖesiaɖe la, eléa ŋku ɖe eƒe ŋgɔyiyi siwo wòwɔ ŋu tsitotsito. Ðe wòte ŋu ɖo eƒe taɖodzinua gbɔa? Esi wòwɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ yeye ene ta la, eɖo ŋu dzidzɔtɔe be ẽ!

Ðo Taɖodzinu Siwo Gbɔ Ðoɖo Mesesẽ Fũ Akpa O

Taɖodzinu aɖewo adze gbã abe esiwo gbɔ mate ŋu anya aɖo o ene. Subɔsubɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe dze na Tony, amesi ŋu míeƒo nu tsoe va yi la, abe drɔ̃e aɖe ko ene. Nusitae enye be menɔa agbe nyui ɣemaɣi o, eye meɖe adzɔgbe na Mawu kura gɔ̃ hã o. Gake Tony ɖoe be yeatrɔ asi le yeƒe agbenɔnɔ ŋu wòawɔ ɖeka kple Yehowa ƒe mɔwo be yeadze na nyɔnyrɔxɔxɔ. Esi wòɖo taɖodzinu ma gbɔ vɔ la, eɖoe be yeawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa kple gbesiagbe mɔɖeɖedɔa, eye ede dzesi ŋkeke siwo wòɖo be yeadze wo gɔme ɖe eƒe ɣletigbalẽ dzi. Esi wòwɔ mɔɖeɖedɔa ɣeyiɣi aɖe megbe la, subɔsubɔ le alɔdzedɔwɔƒea megava dze nɛ abe nane si gbɔ womate ŋu aɖo o ene o.

Anyo be míawo hã míama míaƒe taɖodzinu siwo gbɔ ɖoɖo sesẽ la me vivivi be míate ŋu aɖo wo gbɔ ɖekaɖekae. Ne míekpɔ ta na esiwo mesesẽ fũ akpa o vɔ la, akpe ɖe mía ŋu be míaɖo sesẽtɔwo hã gbɔ. Alesi míele ŋgɔyiyi wɔmee me dzodzro edziedzi le taɖodzinu sue siawo me ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaƒe susu nanɔ nu ɖeka ŋu. Nuƒoƒo tso míaƒe tameɖoɖowo ŋu na Yehowa le gbedodoɖa me edziedzi hã akpe ɖe mía ŋu be míalé ɖe eŋu. Apostolo Paulo xlɔ nu be: “Minɔ gbedodoɖa dzi madzudzɔmadzudzɔe.”—Tesalonikatɔwo I, 5:17.

Tameɖoɖo Kplikpaa Kple Kutrikuku Hiã

Togbɔ be míawɔ ɖoɖo nyuie eye didi vevie anɔ mía me be míaɖo taɖodzinu aɖewo gbɔ hã la, míete ŋu ɖoa wo gbɔ o. Kpɔ alesi gbegbe dzi aɖe le nusrɔ̃la Marko ƒo esime apostolo Paulo gbe be wòagakplɔ yewo ɖo le yeƒe dutanyanyuigbɔgblɔ ƒe mɔzɔzɔ evelia me o la ɖa! (Dɔwɔwɔwo 15:37-40) Eva hiã be Marko nasrɔ̃ nane tso dziɖeleameƒonya sia me ahawɔ asitɔtrɔ le eƒe taɖodzinuwo ŋu be wòate ŋu awɔ geɖee wu le subɔsubɔdɔa me. Edze ƒã be ewɔ asitɔtrɔ ma. Emegbe la, Paulo ƒo nu nyui tso Marko ŋu eye wòwɔ dɔ kplikplikpli kple apostolo Petro le Babilon. (Timoteo II, 4:11; Petro I, 5:13) Ðewohĩ mɔnukpɔkpɔ gãtɔ kekeake si su esie nye Yesu ƒe agbenɔnɔ kple subɔsubɔdɔa ŋu nuŋlɔɖi si tso gbɔgbɔ me la ŋɔŋlɔ.

Nanewo ate ŋu ado kplamatse míawo hã esime míele agbagba dzem be míaɖo míaƒe taɖodzinuwo gbɔ. Le esi teƒe be míaɖe asi le taɖodzinuawo ŋu la, ele be míakpɔe ɖa be ŋgɔyiyi kawoe míewɔ, agbugbɔ akpɔe ɖa be ɖe wo gbɔ aganya aɖo kokokoa, eye míawɔ asitɔtrɔwo ne ehiã. Ne míedo go kplamatsedonuwo la, ehiã be míaɖoe kplikpaa ahaku kutri be míayi ŋgɔ. Fia nyanu Salomo de dzi ƒo na mí be “Tsɔ wò dɔwo de asi na Yehowa; ekema wò tameɖoɖowo adze dzi.”—Lododowo 16:3.

Ke hã, ɣeaɖewoɣi la, nɔnɔme aɖewo wɔnɛ be taɖodzinuwo gbɔ menya ɖona o. Le kpɔɖeŋu me, lãmegbegblẽ alo ƒome ƒe agbanɔamedziwo ate ŋu ana be taɖodzinu aɖewo gbɔ manya ɖo o. Migana míaŋlɔ be o be fetu si míaxɔ mlɔeba enye agbe mavɔ—le dziƒo loo alo le Paradiso me le anyigba dzi. (Luka 23:43; Filipitɔwo 3:13, 14) Aleke woawɔ axɔe? Apostolo Yohanes ŋlɔ be: “Amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.” (Yohanes I, 2:17) Togbɔ be míaƒe nɔnɔmewo maɖe mɔ be míaɖo taɖodzinu aɖe gbɔ o hã la, míate ŋu akpɔtɔ ayi edzi ‘avɔ̃ Mawu vavã la, ahalé eƒe seawo me ɖe asi.’ (Nyagblɔla 12:13) Mawusubɔsubɔ me taɖodzinuwo kpena ɖe mía ŋu míaƒe susuwo nɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ŋu. Eyata mina míazã wo atsɔ akafu mía Wɔla lae.

[Aɖaka si le axa 22]

Mawusubɔsubɔ me Taɖodzinu Siwo Ŋu Míade Ŋugble Le

○ Biblia xexlẽ gbesiagbe

Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ƒe tata ɖesiaɖe xexlẽ

○ Asitɔtrɔ le míaƒe gbedodoɖawo ŋu be woanyo ɖe edzi

○ Gbɔgbɔa ƒe ku la tsetse

○ Agbagbadzedze be míawɔ geɖe wu le subɔsubɔdɔa me

○ Gbeƒãɖeɖe kple nufiafiadɔa wɔwɔ nyuie wu tsã

○ Ðaseɖiɖi le telefon dzi, vomeɖaseɖiɖi kple gbeƒãɖeɖe le dɔwɔƒewo kple aɖaŋu mawo tɔgbe sɔsrɔ̃