Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aɖaŋuɖoɖo si Nyo Wu Ðesiaɖe Didi

Aɖaŋuɖoɖo si Nyo Wu Ðesiaɖe Didi

Aɖaŋuɖoɖo si Nyo Wu Ðesiaɖe Didi

EDZROA ame vevie be yeanɔ agbe si me dzidzeme le. Aɖaŋuɖoɖo nyui kple edzi wɔwɔ koe ana agbe ma ƒomevi nasu mía si le xexe vɔ̃ɖi sia me. Ke hã, amegbetɔwo melɔ̃na xɔa aɖaŋuɖoɖo nyui ɣesiaɣi o. Ame geɖewo gblɔ be ele be woana ablɔɖe ame wòawɔ nusi dze eŋu. Le nyateƒe me la, Biblia na míenya be Satana, ame gbãtɔ si tsi tre ɖe Mawu ƒe dziɖulanyenye ŋu la, do ablɔɖe ŋugbe na amegbetɔ gbãtɔwo. Mose I, 3:5 ƒo nu tso alesi wògblɔ eƒe nyatsɔɖeameŋua na Xawa ŋu be: “Mawu nyae bena, gbesigbe ke miaɖu [sidzedze nyui kple vɔ̃ ƒe ati la ƒe] ɖe la, miaƒe ŋkuwo laʋu, eye mianɔ abe Mawu ene, anya nyui kple vɔ̃.”

Ðe Adam kple Xawa te ŋu nɔ agbe dzidzedzetɔe, afɔku manɔmee, to nusi woa ŋutɔwo susu be enyo wɔwɔ dzi le ema megbea? Kura o. Nusiwo do tso woƒe gbɔgblɔ be yewonya nyui kple vɔ̃ me na wo la na dzi ɖe le wo ƒo. Mawu megava kpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu o wòsɔ eye wodze blibomademade ƒe agbenɔnɔ sesẽ si ahe ku vɛ na wo mlɔebae la gɔme. (Mose I, 3:16-19, 23) Ku gblẽa nu le mí katã mía ŋu. Biblia gblɔ be: “To ame ɖeka [Adam] dzi nuvɔ̃ la va xexeame, eye to nuvɔ̃ me ku la va, eye nenema ku la va to amewo katã dzi yi, esi wo katã wɔ nuvɔ̃ ŋuti la.”—Romatɔwo 5:12.

Togbɔ be nu nyui aɖeke medo tso tiatia si Adam kple Xawa wɔ me o hã la, ame geɖewo gali kokoko egbea siwo mekpɔe dze sii be nunya le eme be woawɔ ɖe amegbetɔ Wɔla ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi o. Ke hã, Biblia gblɔ be: ‘yetso Mawu ƒe gbɔgbɔ me eye yenyo,’ eye ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be ‘míade blibo keŋkeŋ, eye míanɔ dzadzraɖoɖi keŋkeŋ hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.’ (Timoteo II, 3:16, 17) Le nyateƒe me la, míakpɔ dzidzɔ wu ne míewɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi. Ƒomegbenɔnɔ nye teƒe siwo esia wɔa dɔ le dometɔ ɖeka.

Nuteƒewɔwɔ le Srɔ̃ɖeɖe Me

Le Biblia ƒe nya nu la, Mawu ɖoe be srɔ̃ɖeɖe nanɔ anyi ɖaa. (Mose I, 2:22-24; Mateo 19:6) Ŋɔŋlɔawo gagblɔ kpe ɖe eŋu be “womagaƒo ɖi srɔ̃ɖeba la o,” si fia be mele be woatsɔ agbegbegblẽnɔnɔ agblẽ ɖekawɔwɔ sia me o. (Hebritɔwo 13:4) Ðewohĩ ènyae be ame geɖe ƒe srɔ̃ɖeɖe meɖo dzidzenu sia gbɔ o. Ame aɖewo nɔa ahiãmo ɖom na amesiwo menye wo srɔ̃wo o le dɔme. Ame bubuwo hã dana alakpa na woƒe ƒomea me tɔwo ne woate ŋu akpɔ ɣeyiɣi anɔ zɔzɔm kplikplikpli kple ame bubu siwo menye wo srɔ̃wo o. Ame aɖewo gblẽ wo srɔ̃ ɖi kura gɔ̃ hã heʋu va tsi ame aɖe si wɔ ɖetugbi wu gbɔ hegblɔna be wo gbɔ nɔnɔ naa yewogakpɔa yewo ɖokuiwo ɖekakpuiwoe wu eye yewokpɔa dzidzɔ wu, abe alesi wòdzɔ ɖe Verónica si ŋu nya míegblɔ le nyati si do ŋgɔ me dzii ene.

Ke hã, didi vevie be woadze ame ɖokui ŋu eɖanye nuka kee ema abia o mahe dzidzɔ vavãtɔ si nɔa anyi ɖaa vɛ o. Ronald ate ŋu aɖi ɖase le nya sia ŋu. Esi wòsusu be yeate ŋu ana nuwo nanyo na ye wu ta la, egblẽ srɔ̃a ɖi heʋu va tsi nyɔnu si woa kpli wonɔ ahiã wɔm le adzame ƒe ade eye wòdzi vi eve nɛ xoxo la gbɔ. Gake esi wògbe srɔ̃a vɔ megbe kpuie la, eƒe lɔlɔ̃tɔ yeyea dzo le egbɔ! Mlɔeba la, Ronald yi ɖatsi edzilawo gbɔ. Egblɔ tso eƒe nɔnɔmea ŋu be ɖeko yeva zu “yakame.” Kpɔɖeŋu ɖeka koe nye esia. Ðokuitɔdidi ƒe nɔnɔme sia na be srɔ̃gbegbe kple ƒomewo ƒe gbagbã le dzidzim ɖe edzi wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe eye wòna ame gbogbo aɖewo—tsitsiwo kple ɖeviwo siaa—le fu kpem.

Gake wɔwɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi hea dzidzɔ vavãtɔ vɛ. Alea wònɔ le Roberto gome amesi gblɔ be: “Meda akpe be Biblia kpe ɖe ŋunye be nyemegbe srɔ̃nye o. Míakpɔ dzidzɔ vavãtɔ ne míena tetekpɔ si nye zɔzɔ kple amesi menye mía srɔ̃ o, ne amesia dze tugbe ŋutɔ kura gɔ̃ hã, ɖu mía dzi o. Nufiame si mexɔ tso Biblia me kpe ɖe ŋunye be mede asixɔxɔ srɔ̃nye, amesi meɖe ƒe geɖewoe nye esia ŋu.” Biblia ƒe nuxlɔ̃menya si gblɔ be “megawɔ nu tovo ɖe wò ɖekakpuimesrɔ̃ [alo ɖetugbimesrɔ̃] ŋu o” kpɔ ŋusẽ ɖe Roberto ƒe agbenɔnɔ dzi. (Maleaxi 2:15) Mɔ bubu kawo hã nue Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖo aɖe vi na mí le?

Hehenana Mía Viwo

Ƒe geɖe aɖewoe nye esi va yi la, wogblɔ be mele be dzilawo naxe nu geɖe ƒe mɔ na wo viwo o. Edze ɣemaɣi abe ɖe nunya le eme be woaɖe asi le ɖeviwo ŋu woa ŋutɔwo natso nya me ku ɖe alesi woazã woƒe susu ahawɔ nue ŋu ene. Taɖodzinuae nye be woagaxe mɔ ɖe woƒe ŋgɔyiyi azu ame tsitsiwo nu o. Le teƒe aɖewo kura gɔ̃ hã la, wogbɔdzɔ hehenana ɖoɖowo me, eye nusiwo wowɔ dometɔ aɖewoe nye be woɖe mɔ na sukuviwo be woa ŋutɔwo natiae ne woava suku ɣeaɖewoɣi alo womava o kple ɣeyiɣi didi si woatsɔ aɖe modzakae alo atsɔ srɔ̃ nui. Suku siawo dometɔ ɖeka ƒe ɖoɖoe nye “be woaɖe mɔ na ɖeviwo ne woaɖe woƒe seselelãmewo katã afia esi ame tsitsi aɖeke matso nya me na wo ahado kplamatse wo o.” Le egbeŋkekeawo me la, amegbetɔwo ƒe agbenɔnɔ ŋuti ɖaŋuɖola aɖewo le nya ʋlim kokoko le viɖe si le amehehe aɖewo ƒomevi ŋu, ne dzilawo kpɔe be ehiã be woatsɔ tohehe ana lɔlɔ̃tɔe kura gɔ̃ hã.

Nukae do tso eme? Ame geɖe xɔe se be mɔɖeɖe ɖe nusianu ŋu le vihehe me na ablɔɖe ɖeviwo fũ akpa. Wobui be esia gbɔe nuvlowɔwɔ kple atikevɔ̃ɖizazã ƒe dzidziɖedzi tso. Esi wowɔ numekuku aɖe le United States la, ame abe 70 ene le alafa me gblɔ be yewosusu be dzilawo mele mɔfiame nam ɖeviwo kple sɔhɛwo alesi dze o. Ame geɖe gblɔ be “dzilawo ƒe alɔgblɔdɔwɔwɔ le wo viwo hehe ŋu” tae tudada le suku kple nuvlowɔwɔ dziŋɔ bubuwo le edzi yim le ƒewuiviwo dome ɖo. Eye ne afɔku wɔnublanuiwo medzɔ kura gɔ̃ hã o la, dzilawo kple ɖeviwo siaa le vihehe vodadatɔe me tsonuwo ƒe fu kpem.

Nukae Biblia gblɔ tso nya sia ŋu? Ŋɔŋlɔawo ɖo aɖaŋu na dzilawo be woazã woƒe ŋusẽ le lɔlɔ̃ me gake woawɔe moveviɖoɖotɔe hã. Biblia gblɔ be: “Ne bometsitsi bla ɖe ŋutsuvi ƒe dzi ŋu la, ameƒoti afee ɖa le afima.” (Lododowo 22:15) Le nyateƒe me la, ele be tohehe si dzilawo nana la nasɔ ɖe nɔnɔmeawo nu. Ele be tufafa, ɖokuidziɖuɖu, kple ameŋububu nakpe ɖe tohehe ɖesiaɖe si woana la ŋu. Ne wowɔe nenema la, ema afia be wolɔ̃ ɖeviawo. Ðewohĩ ne dzilawo wɔ woƒe ŋusẽ ŋudɔ le lɔlɔ̃ me, ke menye le ŋutasesẽ me o la, woakpɔ dzidzedze.

Wode dzesii be aɖaŋuɖoɖo sia ŋudɔwɔwɔ ɖea vi. Ŋutsu aɖe si woyɔna be Arturo si le Mexico, si xɔ ƒe 30 eye wòɖe srɔ̃ nyitsɔ laa gblɔ be: “Fofonye na eme kɔ na mía kple nɔvinyewo nyuie be ye kple danye sie ŋusẽ le le ƒomea me. Womehena ɖe megbe le tohehe na mí me gbeɖe o. Gake wokpɔa ɣeyiɣi ɖoa dze kpli mí ɣesiaɣi. Fifia si metsi la, mekpɔ ŋudzedze ɖe alesi mele agbe nɔmee la ŋu eye menya be esi mexɔ mɔfiame nyui va yi tae.”

Na Aɖaŋuɖoɖo Nyuitɔ Kekeake Naɖe Vi Na

Aɖaŋuɖoɖo si xɔ asi wu ɖesiaɖe le Mawu ƒe Nya Biblia la me. Menye ƒomegbenɔnɔ ɖeɖe dzaa ŋu koe wònaa mɔfiame tsoe o. Ekpena ɖe mía ŋu le mɔ vovovowo nu elabena efiaa mí alesi míawɔ nue le xexe si me ame akpa gãtɔ melɔ̃na be nunya si tso Nunyatsoƒe kɔkɔtɔ nafia mɔ wo hena woa ŋutɔwo ƒe nyonyo o.

Amegbetɔƒomea Wɔla, Yehowa Mawu na kakaɖedzi sia to hakpala Dawid dzi be: “Mafia nu wò, eye mafia mɔ, si nato la wò; maɖo aɖaŋu na wò, eye nye ŋku anɔ ŋuwò.” (Psalmo 32:8) Èbu nusi wòfia be Wɔla la ƒe ŋkuwo nanɔ mía ŋu be wòakpɔ mía ta tso afɔkuwo me ŋu kpɔa? Gake nya si mía dometɔ ɖesiaɖe abia eɖokui enye: ‘Ðe malɔ̃ ɖokuibɔbɔtɔe axɔ mɔfiafia si Yehowa nana be wòakpɔ tanyea?’ Eƒe Nya la gblɔ na mí lɔlɔ̃tɔe be: “Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, ke megaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o. Lé ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema ata mɔ na wò.”—Lododowo 3:5, 6.

Togbɔ be ehiã na agbagbadzedze kple ɖokuitsɔtsɔna be woanya Yehowa hã la, ewɔwɔ le bɔbɔe to Biblia ƒe kpekpeɖeŋu dzi. ‘Agbe, si li fifia kple esi le vava ge la, ƒe ŋugbedodo le’ agbemɔ si ƒomevi wòkafu na mí be míatia la ŋu. Ne ède ŋugble tso asixɔxɔ si le agbe sia ŋu la, àkpɔe be viɖenu gã wònye nyateƒe.—Timoteo I, 4:8; 6:6.

Ne Biblia ƒe nunya kple yayra siwo ado tso eƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi wɔwɔ me dzro wò la, ekema na Mawu ƒe Nya la xexlẽ kple ŋugbledede le eŋu nanye nu vevitɔ na wò le agbe me. Esia wɔwɔ akpe ɖe ŋuwò nànɔ te ɖe agbeme kuxiwo nu dzidzedzetɔe fifia kple le etsɔme. Gakpe ɖe eŋu la, agbenɔnɔ le Mawu ƒe xexe yeyea me, afisi Yehowa afia nu amesiame le, eye woakpɔ ŋutifafa gbogbo aɖe la ƒe mɔkpɔkpɔ asu asiwò.—Yesaya 54:13.

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo ate ŋu atu srɔ̃ɖenublablaa ɖo

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo nyo na mɔfiame, metea dzidzɔkpɔkpɔ hã ame o

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Amesiwo wɔna ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi ate ŋu anɔ agbe si da sɔ