Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Gblɔ Mawu Ƒe Nya La Kple Dzideƒo

Gblɔ Mawu Ƒe Nya La Kple Dzideƒo

Gblɔ Mawu Ƒe Nya La Kple Dzideƒo

“Yi ɖagblɔ nya ɖi ɖe nye dukɔ . . . ŋu.”​—AMOS 7:15.

1, 2. Amekae nye Amos, eye nukae Biblia ɖe fia le eŋu?

ESIME Yehowa ƒe ɖasefo aɖe nɔ subɔsubɔdɔa wɔm la, nunɔla aɖe tsi tre ɖe eŋu. Nunɔlaa do ɣli gblɔ nɛ be: ‘Dzudzɔ gbeƒãɖeɖe! Dzo le afisia!’ Nukae ɖasefoa wɔ? Ðe wòse nunɔlaa ƒe gbea, alo ɖe wòyi edzi gblɔ Mawu ƒe nya la kple dzideƒo? Àte ŋu anya nusi wòwɔ elabena ɖasefo ma ŋlɔ eƒe nuteƒekpɔkpɔwo ɖi ɖe agbalẽ aɖe si wotsɔ eƒe ŋkɔ na me. Eyae nye Biblia-gbalẽ si nye Amos. Gake hafi míase gododo kple nunɔlaa ŋu nya bubuwo la, mina míadzro nya aɖewo siwo akɔ nu me na mí tso Amos ŋu me.

2 Amekae nye Amos? Ɣekaɣie wònɔ agbe eye afikae wònɔ? Míekpɔ nyabiase siawo ƒe ŋuɖoɖo le Amos 1:1, afisi míexlẽ le be: “Esia nye Amos, amesi tso alẽnyilawo dome le Tekoa la ƒe nya, . . . le Yuda-fia Uziya ŋɔli kple Israel-fia Yerobeam, Yoas-vi ŋɔli.” Yudae Amos nɔ. Etso Tekoa, afisi didi kilometa 16 tso Yerusalem gbɔ le anyiehe. Enɔ agbe le ƒe alafa asiekelia D.M.Ŋ. ƒe nuwuwu esime Fia Uziya nɔ dzi ɖum le Yuda eye Fia Yerobeam II nɔ dzi ɖum le to ewo fiaɖuƒea me le Israel. Alẽnyilae Amos nye. Le nyateƒe me la, Amos 7:14 gblɔ be menye ‘lãnyila’ koe wònye o ke enye ‘gbotsetseŋɔla’ hã. Eyata ne ƒea ƒe agbledeɣi ɖo edzi la, ewɔa dɔ sia hã. Etɔa nu gbotsetsewo alo ŋɔa wo. Wowɔa esia be woana gboawo naɖi kaba. Dɔ teɖeɖiameŋue dɔ sia nye.

“Yi Ðagblɔ Nya”

3. Aleke nusɔsrɔ̃ tso Amos ŋu akpe ɖe mía ŋu ne míese le mía ɖokui me be míedze aɖe gbeƒã o?

3 Amos gblɔ anukwaretɔe be: “Nyemenye nyagblɔɖila alo nyagblɔɖilawo ƒe vi o.” (Amos 7:14) Menye nyagblɔɖilae dzi Amos o, eye womena nyagblɔɖila ƒe hehee hã o. Gake le ame gbogbo siwo nɔ Yuda dome la, Amos ye Yehowa tia be wòawɔ dɔ na ye. Menye fia sẽŋu aɖe, nunɔla si srɔ̃ nu gbogbo aɖe, alo amegã kesinɔtɔ aɖee Mawu tia ɣemaɣi o. Nufiame aɖe si naa kakaɖedzi ame le nusia me na mí. Ðewohĩ míanɔ ɖoƒe kɔkɔ aɖe alo ade suku ayi ŋgɔ o. Gake ɖe wòle be ema nana míase le mía ɖokui me be míedze aɖe gbeƒã Mawu ƒe nya la oa? Kura o! Yehowa ate ŋu adzra mí ɖo be míaɖe gbeƒã yeƒe nya la—le anyigbamama siwo me dɔwɔwɔ sesẽ le gɔ̃ hã me. Esi wònye esia tututue Yehowa wɔ na Amos ta la, nufiame geɖe anɔ eme na amesiwo katã di be yewoagblɔ Mawu ƒe nya la kple dzideƒo be woabu kpɔɖeŋu si Amos ɖo la ŋu nyuie.

4. Nukatae wònye nu sesẽ na Amos be wòagblɔ nya ɖi le Israel?

4 Yehowa gblɔ na Amos be: “Yi ɖagblɔ nya ɖi ɖe nye dukɔ Israel ŋu.” (Amos 7:15) Dɔ sesẽe aɖee ema nye. Ɣemaɣi la, Israel ƒe to ewo fiaɖuƒea nɔ ŋutifafa kple dedienɔnɔ me eye nu dze edzi na dukɔa. ‘Vuvɔŋɔlixɔ’ kple ‘dzomeŋɔlixɔ’ siwo menye anyikpe wotsɔ ɖo woe o, ke boŋ ‘kpe fufu’ xɔasiwoe wotsɔ ɖo woe la nɔ ame geɖe si. Xɔmenu dzeani siwo wotsɔ nyiɖu ɖo atsyɔ̃ na nɔ ame aɖewo si eye wonoa “weingble nyowo” me wein. (Amos 3:15; 5:11) Eyata ame geɖe megatsɔa ɖeke le naneke me o. Le nyateƒe me la, Amos ƒe anyigbamama aɖi anyigbamama siwo me mía dometɔ geɖe míewɔa míaƒe subɔsubɔdɔa le egbea.

5. Nu madzɔmadzɔ kawo wɔmee Israel-viwo aɖewo nɔ?

5 Menye nu gbegblẽ wònye be ŋutilãmenuwo nɔ Israel-viwo si o. Gake mɔ fitifiti dzie Israel-vi aɖewo to zu kesinɔtɔwo. Kesinɔtɔwo ‘nɔ ame dahewo tem ɖe anyi’ eye ‘wogbãa hiãtɔwo gudugudu.’ (Amos 4:1) Asitsala sẽŋuwo, ʋɔnudrɔ̃lawo, kple nunɔlawo wɔa babla ɖe ame dahewo ŋu hetafaa wo. Azɔ mina míatrɔ míaƒe susu ayi blema ne míalé ŋku ɖe nusiwo amesiawo nɔ wɔwɔm ŋu.

Woda Mawu ƒe Se Dzi

6. Aleke Israel-vi asitsalawo baa ame bubuwoe?

6 Gbã la, míayi asime. Le afima la, asitsalawo kpaa “nudotree sue” evɔ ‘wodaa ga ɖe woƒe nudzadzrawo ya dzi’ eye wodzraa “bli toto” ɖe bli nyui teƒe kura gɔ̃ hã. (Amos 8:5, 6) Wotafaa amesiwo ƒlea nu le wo gbɔ le nua ƒe agbɔsɔsɔme gome, wodoa asi gã ɖe woƒe nudzadzrawo ŋu evɔ nu manyomanyoe wodzrana na ameawo. Ne asitsalaawo ba ame daheawo wɔna vɔ le wo ŋu vɔ la, ekema ɖeko ame daheawo tsɔa wo ɖokui dzrana kluviwoe. Azɔ asitsalaawo ƒlea wo “ɖe atokota dodo ɖeka nu.” (Amos 8:6) Bu eŋu kpɔ ko! Asitsala ŋuklẽla mawo bua wo nɔvi Israel-viwo be wo kple afɔkpa ƒe asi nye ɖeka! Gbɔɖiɖi ame dahewo kple Mawu ƒe Sea dzi dada gã aɖee esia nye vavã! Ke hã, asitsala xɔsegbela mawo ɖua “dzudzɔgbe,” alo sabat la pɛpɛpɛ. (Amos 8:5) Ẽ, gotagome koe mawusubɔsubɔ dzena le wo ŋu le.

7. Nukae na Israel-vi asitsalawo te ŋu da Mawu ƒe Sea dzi bɔbɔe?

7 Nukata womehe to na asitsalaawo o esi woda Mawu ƒe Sea, si gblɔ be: “Nalɔ̃ hawòvi abe ɖokuiwò ene” dzi? (Mose III, 19:18) Edze edzi na wo elabena ʋɔnudrɔ̃lawo—amesiwo wòle be woakpɔ egbɔ be wowɔ Sea dzi—kple wo katãe nye gomekpɔla le woƒe nuvlowɔwɔa me. Le dua ƒe agbo nu, afisi wodrɔ̃a ʋɔnunyawo le la, ʋɔnudrɔ̃lawo ‘xɔa zãnu, eye wotea ame dahewo ɖe anyi.’ Le esi teƒe be ʋɔnudrɔ̃lawo nakpɔ ame dahewo ta la, wowɔa nu madzɔmadzɔ ɖe wo ŋu le zãnuxɔxɔ ta boŋ. (Amos 5:10, 12) Eyata ʋɔnudrɔ̃lawo hã metsɔ ɖeke le Mawu ƒe Sea me o.

8. Nuwɔna kawo dzie nunɔla vɔ̃ɖiwo nɔ aɖaba ŋem ƒui?

8 Ke nuka wɔm Israel nunɔlawo ya nɔ esime nusiawo katã nɔ edzi yim? Be míanya la, mina míatrɔ susu ayi teƒe bubu. Kpɔ nu gbegblẽ siwo ŋu nunɔlawo ɖe mɔ ɖo “le woƒe mawuwo ƒe me” ɖa! Mawu gblɔ to Amos dzi be: “Vi kple fofoa woyia gbolo ɖeka gbɔ, ne woado gu nye ŋkɔ kɔkɔe la.” (Amos 2:7, 8) Bu nu ma ŋu kpɔ! Israel vifofowo kple wo viŋutsuwo nɔa agbegbegblẽ kple gbedoxɔ me gbolo ɖeka ma ke. Eye nunɔla vɔ̃ɖi mawo ŋe aɖaba ƒu agbegbegblẽnɔnɔ ma gbegbe dzi!—Mose III, 19:29; Mose V, 5:18; 23:17.

9, 10. Mawu ƒe Sea dzi dada ƒe fɔ kae Israel-viwo ɖi, eye nukae ema sɔ kpli egbea?

9 Yehowa ƒo nu tso nuvɔ̃gbenɔnɔ bubu ŋu ale: “Wodraa afɔ ɖe awɔbavɔ dzi le vɔsamlekpuiwo katã gbɔ, eye wonoa nyadrɔ̃ha le woƒe mawuwo ƒe me.” (Amos 2:8) Ẽ, nunɔlawo kple dukɔa siaa metsɔ ɖeke le se si le Mose II, 22:26, 27, afisi wogblɔ le be ne woxɔ ame aɖe ƒe awu alo avɔ awɔbae la, woagbugbɔe nɛ hafi zã nado la hã me o. Ðe woɖonɛ abe kuntru ene boŋ bɔbɔ nɔa edzi esime wole nu ɖum hele nu nom le alakpamawuwo ƒe gbedoxɔa me. Eye wotsɔa ga si woxɔ si nye fe si wodo na ame dahewo la dzea ahae nona le woƒe alakpasubɔsubɔ ƒe ŋkekenyuiawo ɖuƒe. Wotra tso tadedeagu vavãtɔ ƒe mɔ la gbɔ wu gbɔgblɔ!

10 Israel-viwo nɔ Sea ƒe nudidi eve gãtɔwo kekeake—si nye be woalɔ̃ Yehowa ahalɔ̃ wo haviwo—la dzi dam ŋumakpemakpetɔe. Eyata Mawu dɔ Amos be wòabu fɔ wo ɖe woƒe nuteƒemawɔmawɔa ta. Egbea nɔnɔme gbegblẽ si nɔ blema Israel la kee xexemedukɔwo kple Kristodukɔa siaa ɖena fiana. Togbɔ be ame aɖewo le kesinɔtɔwo zum hã la, anukwaremaɖila siwo nye ame ŋkutawo le asigãtsatsa, dunyahehe, kple alakpasubɔsubɔ me gblẽ nu le ame bubu geɖewo ŋu le ganyawo me eye woƒe nufitifitiwɔwɔwo gblẽ nu le woƒe seselelãme ŋu. Gake Yehowa tsɔ ɖe le eme na amesiwo le fu kpem siwo dia eyama. Eyata ebia tso esubɔla siwo li egbea si be woawɔ dɔ si ɖi Amos tɔ—be woaɖe gbeƒã yeƒe nya la dzideƒotɔe.

11. Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso Amos ƒe kpɔɖeŋua me?

11 Esi wònye Amos ƒe dɔa kple dɔ si wɔm míele ɖi wo nɔewo ta la, aɖe vi geɖe na mí ne míede ŋugble le kpɔɖeŋu si wòɖo ŋu. Le nyateƒe me la, Amos fia mí: (1) nya si wòle be míaɖe gbeƒãe, (2) alesi wòle be míaɖe gbeƒãe, kple (3) nusita tsitretsiɖeŋulawo mate ŋu atɔ te míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa o. Mina míade ŋugble le nya vevi siawo ŋu ɖekaɖekae.

Alesi Míasrɔ̃ Amos

12, 13. Aleke Yehowa ɖee fia be yemekpɔ ŋudzedze ɖe Israel-viwo ŋu o, eye aleke wowɔ nu ɖe eŋui?

12 Esi míenye Yehowa Ðasefowo ta la, míaƒe Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa ku ɖe gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒea kple nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔa ŋu koŋ. (Mateo 28:19, 20; Marko 13:10) Ke hã míegblɔa Mawu ƒe nuxlɔ̃amenyawo na amewo abe alesi ko Amos ɖe gbeƒãe be Yehowa ahe dzɔgbevɔ̃e ava ame vɔ̃ɖiwo dzi ene. Le kpɔɖeŋu me, Amos 4:6-11 ɖee fia be Yehowa na eme kɔ na Israel-viwo zi geɖe be yemekpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu o. Ena ‘abolo hiã’ dukɔa, ‘ete tsidzadza’ wo, ena woƒe “bliwo dze heteku, eye wohlɔ̃,” eye wòhe “dɔvɔ̃” va wo dzii. Ðe nusiawo ʋã Israel-viwo wotrɔ le woƒe dzimea? Mawu gblɔ be: “Miegbe tɔtrɔ ɖe ŋunye.” Vavãe, Israel-viwo gbe Yehowa zi geɖe.

13 Yehowa he to na Israel-vi matrɔdzimeawo. Gake ena nyagblɔɖilawo xlɔ̃ nu wo gbã. Mawu gblɔ tso esia ŋu be: “Yehowa mewɔa naneke, ne meɖe eƒe tameɖoɖo fia eƒe dɔla, nyagblɔɖilawo hafi o.” (Amos 3:7) Yehowa ɖee fia Noa be Tsiɖɔɖɔa ava eye wògblɔ nɛ be wòaxlɔ̃ nu amewo. Nenema ke Yehowa gblɔ na Amos hã be wòaxlɔ̃ nu amewo zi mamlɛtɔ. Nublanuitɔe la, Israel-viwo gbe nuxlɔ̃ame ma sese eye womewɔ nusi wòle be woawɔ o.

14. Nusiwo ɖi wo nɔewo kae le Amos ƒe ɣeyiɣia kple mía tɔ dome?

14 Ðikekemanɔmee la, àlɔ̃ ɖe edzi be nanewo ɖi wo nɔewo ŋutɔ le Amos ƒe ɣeyiɣia kple mía tɔa dome. Yesu Kristo gblɔe ɖi be dzɔgbevɔ̃e geɖe adzɔ le nuwuɣia. Egblɔ gbeƒãɖeɖedɔ si woawɔ le xexeame katã hã ƒe nya ɖi. (Mateo 24:3-14) Gake abe alesi wònɔ le Amos ŋɔli ene la, ame akpa gãtɔ metsɔa ɖeke le ɣeyiɣiawo ƒe dzesia kple Fiaɖuƒegbedasia me o. Nusi dzɔ ɖe Israel-vi matrɔdzimeawo dzi kee adzɔ ɖe amesiawo hã dzi. Yehowa xlɔ̃ nu wo be: “Dzra ɖo naɖakpe kple wò Mawu!” (Amos 4:12) Wokpe kple Mawu esime eƒe fɔbubu ʋɔnudɔdrɔ̃ va wo dzi eye Asiria-ʋakɔ va tsrɔ̃ wo. Egbexexe mavɔ̃mawu sia hã gbɔna ‘Mawu kpe ge’ le Harmagedon me. (Nyaɖeɖefia 16:14, 16) Gake zi alesi Yehowa gakpɔtɔ gbɔ dzi ɖi la, míexlɔ̃a nu ame alesinu míate ŋui be: “Midi Yehowa, be mianɔ agbe.”—Amos 5:6.

Tenɔnɔ Ðe Tsitretsiɖeŋu Nu abe Amos Ene

15-17. (a) Amekae nye Amazya, eye aleke wòwɔ nu ɖe nya siwo Amos ɖe gbeƒãe ŋu? (b) Nya kawoe Amazya tsɔ tso Amos nui?

15 Menye nya si míaɖe gbeƒã me koe míate ŋu asrɔ̃ Amos le o ke le alesi míaɖe gbeƒãe me hã. Woƒo nu tso nya sia ŋu le ta 7 lia me, afisi woƒo nu tso nunɔla si ƒe nya míegblɔ le míaƒe numedzodzroa ƒe gɔmedzedze ŋu le. “Amazya, amesi nye nunɔla le Betel” ye. (Amos 7:10) Betel ye nye afisi Israel-viwo ƒe xɔsegbegbe subɔsubɔ si me wosubɔa nyivi le la ƒe tadeaguƒe vevitɔ nɔ. Eyata Dukɔa ƒe subɔsubɔha ƒe nunɔlae Amazya nye. Aleke wòwɔ nui ɖe Amos ƒe nya siwo wògblɔ dzideƒotɔe ŋu?

16 Amazya gblɔ na Amos be: “Nukpɔla, si yi Yuda-nyigba dzi, gblɔ nya ɖi le gama, ne nakpɔ abolo aɖu le afima. Ke megagblɔ nya ɖi le Betel azɔ o; elabena fia ƒe kɔkɔeƒe kple fiaɖuƒe ƒe gbedoxɔ wònye.” (Amos 7:12, 13) Nya si koŋ gblɔm Amazya nɔe nye: ‘Dzo yi mia de! Míele ha aɖe me xoxo.’ Amazya di be yeana dziɖuɖua naxe mɔ ɖe Amos ƒe dɔwɔnawo nu esime wògblɔ na Fia Yerobeam II be: “Amos ɖo gbe ɖi ɖe ŋuwò le Israel ƒe aƒe la dome.” (Amos 7:10) Ẽ, Amazya tso Amos nu be etsi tre ɖe dziɖuɖua ŋu! Egblɔ na fia be: “Ale Amos gblɔ esi: Yerobeam aku ɖe yi nu, eye woaɖe aboyo Israel atso eƒe anyigba dzi.”—Amos 7:11.

17 Amazya ka aʋatso etɔ̃ le nyagbɔgblɔ siawo me. Egblɔ be: “Ale Amos gblɔ esi.” Evɔ Amos megblɔ ɣeaɖekeɣi kpɔ be ye ŋutɔ yeƒe nya gblɔm yele ɖi o. Nusi boŋ wògblɔna ɣesiaɣie nye “Ale Yehowa gblɔ esi.” (Amos 1:3) Egatsɔ nya ɖe Amos ŋu be egblɔ be: “Yerobeam aku ɖe yi nu.” Gake abe alesi woŋlɔe ɖe Amos 7:9 me ene la, ɖe Amos gblɔ nya ɖi be: “[Nye Yehowa] matsɔ yi atso ɖe Yerobeam ƒe aƒe la ŋu.” Mawu gblɔe ɖi do ŋgɔ be dzɔgbevɔ̃e ava Yerobeam ƒe “aƒe” si nye eƒe dzidzimeviwo dzi. Amazya gagblɔ be Amos be: ‘Israel ayi aboyo me godoo.’ Gake Amos gblɔ ɖi hã be woayra Israel-vi ɖesiaɖe si trɔ va Mawu gbɔ. Edze kɔte be ɖe Amazya kpa nya kpe nya be yeana fiahawo naxe mɔ ɖe Amos ƒe gbeƒãɖeɖedɔa nu.

18. Nusiwo ɖi wo nɔewo kawoe le mɔnu siwo Amazya zã kple esiwo nunɔlawo zãna egbea dome?

18 Ède dzesi nusiwo ɖi wo nɔewo nyuie le mɔnu si Amazya zã kple esiwo amesiwo tsi tre ɖe Yehowa ƒe amewo ŋu egbea zãna mea? Abe alesi Amazya dze agbagba be yeana Amos nadzudzɔ dɔa ene la, nenema ke egbeŋkekea me nunɔla, osɔfo kple hakplɔla aɖewo dzea agbagba be yewoaxe mɔ ɖe Yehowa subɔlawo ƒe gbeƒãɖeɖedɔa nui. Amazya ka aʋatso ɖe Amos si be etsi tre ɖe dziɖuɖu ŋu. Egbea subɔsubɔhawo ƒe nunɔlawo dometɔ aɖewo gblɔna nenema ke be Yehowa Ðasefowo nye afɔku na dziɖuɖu. Eye abe alesi Amazya di kpekpeɖeŋu tso fia gbɔe be wòakpe ɖe ye ŋu yeatsi tre ɖe Amos ŋu ene la, nenema ke subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo dia kpekpeɖeŋu tso dunyahelawo gbɔe le Yehowa Ðasefowo yometiti mee.

Tsitretsiɖeŋulawo Mate Ŋu Atɔ Te Míaƒe Gbeƒãɖeɖedɔa O

19, 20. Aleke Amos wɔ nu ɖe Amazya ƒe tsitretsiɖeŋua nui?

19 Aleke Amos wɔ nui ɖe Amazya ƒe tsitretsiɖeŋua ŋui? Gbã la, Amos bia nunɔla la be: ‘Ðe nèle gbɔgblɔm be: Mègagblɔ nya ɖi ɖe Israel ŋu oa?’ Emegbe Mawu ƒe nyagblɔɖi la tsɔ dzinɔameƒo gblɔ nya si Amazya medi kura be yease o. (Amos 7:16, 17) Dzika metso Amos ƒo o. Kpɔɖeŋu nyui aɖe ŋutɔe wònye na mí vavã! Le Mawu ƒe nya la gbɔgblɔ me la, míagbe toɖoɖo mía Mawu ƒe gbe o, le dukɔ siwo me egbegbe Amazyawo naa wotia mía yome ŋutasesẽtɔe le me gɔ̃ hã. Abe Amos ene la, míeyia edzi ɖea gbeƒã be: “Ale Yehowa gblɔ esi.” Eye tsitretsiɖeŋulawo mate ŋu ana míadzudzɔ gbeƒãɖeɖedɔa o, elabena “[Yehowa] ƒe asi” li kpli mí.—Dɔwɔwɔwo 11:19-21.

20 Ðe wòle be Amazya nanyae be dzodzro koe yeƒe ŋɔdzidonamenyawo azu hafi. Amos ɖe nusitae ame aɖeke mele anyigba dzi si ate ŋu axe mɔ ɖe eƒe nuƒoƒo nu o me va yi xoxo—eye esiae nye nya etɔ̃lia si me míadzro. Amos 3:3-8 gblɔ be Amos bia nya vovovo eye wòwɔ kpɔɖeŋu hamehame tsɔ fia be naneke medzɔna dzodzro o. Azɔ egblɔ nusi ŋu nyabiabia kple kpɔɖeŋu siawo ku ɖo be: “Ne dzata ɖe gbe la, amekae agbe vɔvɔ̃? Ne Aƒetɔ Yehowa ƒo nu la, amekae agbe nyagbɔgblɔ ɖi?” Ne míagblɔe bubui la, Amos nɔ gbɔgblɔm na eƒe nyaselawo be: ‘Abe alesi ne miese dzata ƒe gbeɖeɖe miagbe vɔvɔ̃ o ene la, nenema ke nye hã nyemate ŋu agbe gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe nya ne mese Yehowa gblɔ be maɖe gbeƒãe o.’ Mawuvɔvɔ̃, alo bubu deto dede Yehowa ŋu, ƒoe ɖe Amos nu be wòaƒo nu kple dzideƒo.

21. Aleke míewɔa nu ɖe Mawu ƒe sedede be míaɖe gbeƒã nyanyuia ŋui?

21 Míawo hã míesee Yehowa de dɔ asi na mí be míaɖe gbeƒã. Aleke míewɔna ɖe dɔ sia ŋu? Abe Amos kple Yesu yomedzela gbãtɔwo ene la, Yehowa kpena ɖe mía ŋu míetsɔa dzideƒo ɖea gbeƒã Eƒe nya lae. (Dɔwɔwɔwo 4:23-31) Yometiti si tsitretsiɖeŋulawo hena vɛ loo alo amesiwo míeɖea gbeƒã na ƒe ɖekematsɔleme mana míazi ɖoɖoe o. Dzonɔameme si ɖi Amos tɔ ƒonɛ ɖe Yehowa Ðasefowo nu le xexeame godoo woɖea gbeƒã nyanyuia kple dzideƒo. Agba le mía dzi be míaxlɔ̃ nu amewo tso Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ si gbɔna ŋu. Nukawoe ʋɔnudɔdrɔ̃ ma ahe vɛ? Míaɖo biabia sia ŋu le nyati si gbɔna me.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nɔnɔme kawo mee Amos wɔ dɔ si Mawu de esi le?

• Abe Amos ene la, nya kae wòle be míaɖe gbeƒãe?

• Nɔnɔme kae wòle be wòanɔ mía si ne míele gbeƒãɖeɖedɔa wɔm?

• Nukatae tsitretsiɖeŋulawo mate ŋu atɔ te míaƒe ɖaseɖiɖidɔa o?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Mawu tia Amos, gbotsetseŋɔla, be wòawɔ dɔ na ye

[Nɔnɔmetata siwo le axa 13]

Ðe nègblɔa Yehowa ƒe gbedasia dzideƒotɔe abe Amos enea?