Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Wòle Be Woaɖo Ŋku Yesu Kristo Dzii?

Aleke Wòle Be Woaɖo Ŋku Yesu Kristo Dzii?

Aleke Wòle Be Woaɖo Ŋku Yesu Kristo Dzii?

Yesu Kristo “nye ame vevitɔ kekeake siwo ƒe agbenɔnɔ kpɔ ŋusẽ ɖe ame dzi la dometɔ ɖeka vavã.”​—“The World Book Encyclopedia.”

NUSIWO ame ŋkutawo wɔ lae wotsɔna ɖoa ŋku wo dzi zi geɖe. Ekema nukatae ame geɖe ɖoa ŋku Yesu ƒe dzidzi dzi wu nusiwo wòwɔ? Ame akpa gãtɔ siwo le Kristodukɔa me la ate ŋu agblɔ nusiwo dzɔ le eƒe dziɣi. Gake wo dometɔ nenie ɖoa ŋku nusiwo le vevie wu ɖesiaɖe siwo wòfia le eƒe Todzimawunya me dzi hetsɔnɛ wɔa dɔe?

Ele eme baa be Yesu ƒe dzidzi nye nu ɖedzesi aɖe ya, gake nusiwo wòwɔ kple nusiwo wòfia la ŋue eƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo de asixɔxɔe wu. Kakaɖedzitɔe la, Mawu meɖoe gbeɖe be Kristo ƒe dzidzi nava xɔ asi wu dɔ siwo wòwɔ esi wòtsi la o. Ke hã, Yesu dzidzi ŋuti nudzɔdzɔwo ƒe xotutu kple dekɔnu siwo wowɔna le Kristmas dzi la na ame geɖe menya nu tso Kristo ƒe amenyenye ŋutɔŋutɔ ŋu o.

Nyabiase aɖe hã li si ɖea fu na amewo ku ɖe alesi woɖua Kristmas ŋu. Ne Yesu trɔ va anyigba dzi egbea ɖe, nukae wòasusu le alesi wotoa Kristmas dzi doa asitsatsa ɖe ŋgɔe ŋu? Ƒe 2,000 enye esi va yi la, Yesu yi gbedoxɔ me le Yerusalem. Dzi kui ɖe gagbalawo kple nudzrala siwo nɔ ga dim to Yudatɔwo ƒe subɔsubɔzãwo dzi la ŋu. Egblɔ be: “Mitsɔ nusiawo dzoe le afisia, eye migatsɔ Fofonye ƒe aƒe la wɔ nudzraƒee o!” (Yohanes 2:13-16) Eyata eme kɔ ƒã be Yesu meda asi ɖe mawusubɔsubɔ ŋudɔwɔwɔ atsɔ atsa asii dzi o.

Spain Katolikotɔ anukwaretɔ geɖe tsi dzi ɖe alesi Kristmas va le asitsamɔnu zumee ŋu. Ke hã, le nusiwo me Kristmas ŋuti nuwɔnawo dzɔ tso ta la, womate ŋu awɔ naneke le asitsamɔnu si azãa le zuzum la ŋu o. Nyadzɔdzɔŋlɔla Juan Arias de dzesii be: “Zi geɖe la, Kristotɔ siwo ƒoa nu tsia tre ɖe alesi Kristmas va zu ‘trɔ̃subɔlawo ƒe azã’ eye wòva ku ɖe aglotutu kple nuɖuɖu ŋu wu mawusubɔsubɔ ŋu ŋuti la menya be le Yesu dzidzi ŋuti nutatawo kple wɔwɔfiawo ƒe gɔmedzedze ke la, . . . Romatɔwo ƒe [ɣemawu ƒe] trɔ̃subɔsubɔ ƒe azãɖuɖu nuwɔna geɖe nɔ eme o.”—El País, December 24, 2001.

Le nyitsɔ laa ƒe ƒeawo me la, nyadzɔdzɔŋlɔla kple numekugbalẽ geɖe siwo le Spain ƒo nu tso alesi Kristmas zãa dzɔ tso trɔ̃subɔsubɔ mee kple alesi wova to edzi le asi tsamee ŋu. Numekugbalẽ aɖe, Enciclopedia de la Religión Católica, gblɔ anukwaretɔe tso ŋkeke si dzi woɖua Kristmas le ŋu be: “Edze abe esi Roma Sɔlemea di be yeatsɔ Kristotɔwo ƒe azãwo aɖɔ li trɔ̃subɔlawo tɔwo tae wòtia ŋkeke ma na azãa ɖo ene. . . . Míenyae be ɣemaɣi le Roma la, trɔ̃subɔlawo kɔa December 25 lia ŋu wònyea natalis invicti, si nye ‘ɣe si dzi womete ŋu ɖuna o’ la ƒe dzigbe.”

Nenema kee numekugbalẽ aɖe, Enciclopedia Hispánica, de dzesii be: “Menye akɔnta aɖekee wobu le ɣletigbalẽ ŋutɔŋutɔ aɖe dzi hekpɔe be ele be woaɖo December 25 lia be wòanye Kristmas ɖugbe si nye Yesu dzigbe o, ke boŋ vuvɔŋɔli me ŋkeke si dzi ɣe la ɖoa anyigba ƒe anyiehe ke ƒe azã si woɖuna le Roma si wotrɔ wòva zu Kristotɔwo ƒe azã la tae.” Aleke Romatɔwo ɖua ɣe ƒe dzedze le vuvɔŋɔli mee? Woɖua azã, tua aglo, henaa nu wo nɔewo. Esi medzɔ dzi na sɔlemea ƒe tatɔwo be woaɖe asi le azã sia si ame geɖe ɖuna ŋu o ta la, wona wòva “zu Kristotɔwo ƒe azã” esi wova yɔe be Yesu ƒe dzigbe le ɣe ƒe dzigbe teƒe.

Le gɔmedzedzea me la, womeɖe asi le ɣesubɔsubɔ kple eƒe kɔnuwo ŋu bɔbɔe le ƒe 300 kple 400-awo me o. Eva nɔ na Katolikotɔwo ƒe “Ame Kɔkɔe” Augustine (si nɔ agbe tso ƒe 354 vaseɖe ƒe 430 M.Ŋ.) be wòaxlɔ̃ nu haxɔsetɔwo be woagaɖu December 25 abe alesi trɔ̃subɔlawo ɖunɛ tsɔ kafua ɣe ene o. Egbea kura gɔ̃ hã la, edze abe Romatɔwo ƒe kɔnuwoe kpɔ ŋusẽ ɖe azãɖuɖua dzi wu ene.

Azã si Sɔ Nyuie Wu na Aglotutu Kple Asitsatsa

Le ƒe alafa siwo va yi me la, nu geɖewoe wɔe be Kristmas va zu azã si ame akpa gãtɔ ɖuna le xexeame godoo si me wotua aglo le hetsaa asi hã le. Eye vuvɔŋɔli me zã bubuwo ƒe kɔnuwo, vevietɔ esiwo woɖuna le dziehe Europa, va te gege ɖe alesi woɖunɛ le Roma la me. * Eye le ƒe alafa 1900-awo me la, nudzralawo kple asitsatsa ŋuti ɖaŋuɖolawo tsɔ dzidzɔ do kɔnu ɖesiaɖe si ana woakpɔ viɖe gbogbo aɖe la ɖe ŋgɔ.

Nukae do tso nuwɔna siawo me? Wova dea asixɔxɔ Kristo ƒe dzigbezã ɖuɖu ŋu wu gɔmesese si le eƒe dzidzia ŋu. Le go geɖe me la, womegayɔa Kristo ŋkɔ kura gɔ̃ hã le Kristmas zã la ɖuɖu me o. Spaintɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ El País de dzesii be: “Xexeame ƒe azãe [Kristmas] nye, ƒomea ƒe azãe, eye amesiame ɖunɛ alesi wòdze eŋu.”

Nya siawo ɖe nukpɔsusu aɖe si le dzidzim ɖe edzi le Spain kple le dukɔ bubu geɖe me le xexeame godoo la fia. Togbɔ be wova le vivi dom ɖe Kristmas ɖuɖu ŋu geɖe wu hã la, Kristo ŋuti sidzedze ya le to yim. Le nyateƒe me la, Kristmas zãwo gagbugbɔ trɔ yi alesi wonɔ le gɔmedzedzea me le Romatɔwo ƒe ɣeyiɣiawo me la gbɔ—aglotutu, azãɖuɖu, kple nunana ame nɔewo.

Wodzi Vi na Mí

Ne ƒomedodo aɖeke mele Kristmas si wolɔ̃a ɖuɖu kple Kristo dome o ɖe, ekema aleke wòle be Kristotɔ vavãwo naɖo ŋku Kristo ƒe dzidzi kple eƒe agbenɔnɔ dzii? Ƒe alafa adre do ŋgɔ hafi woadzi Yesu la, Yesaya gblɔ nya ɖi le eŋu be: “Wodzi vi na mí, eye wona ŋutsuvi mí, dziɖuɖu le abɔta nɛ.” (Yesaya 9:5) Nukatae Yesaya gblɔ be Yesu ƒe dzidzi kple dɔ si wòawɔ la anye nu vevi? Elabena Yesu ava zu dziɖula sẽŋu aɖe. Woayɔe be Ŋutifafafia, eye nuwuwu manɔe na ŋutifafa alo eƒe fiaɖuɖu la o. Hekpe ɖe eŋu la, Yesu ƒe dziɖuɖu anye esi me “ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe” anɔ.—Yesaya 9:6.

Mawudɔla Gabriel yɔ Yesaya ƒe nyawo esime wònɔ Yesu dzidzi ŋu nya gblɔm na Maria. Egblɔ ɖi be: “Eya la anye gã, eye woayɔe be dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi, eye Aƒetɔ Mawu la atsɔ fofoa Dawid ƒe fiazikpui la anae; eye wòaɖu fia le Yakob ƒe aƒe dzi tegbetegbe, eye nuwuwu manɔe na eƒe fiaɖuƒe la o.” (Luka 1:32, 33) Eyata eme kɔ ƒã be nu vevi si ku ɖe Yesu ƒe dzidzi ŋu lae nye dɔ si Kristo, si nye Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe Fia la awɔ. Kristo ƒe dziɖuɖu ate ŋu aɖe vi na amesiame, mia kple wò ame veviwo hã. Le nyateƒe me la, mawudɔlawo gblɔe be eƒe dzidzi la ana “ŋutifafa [nava] amesiwo ŋu Mawu kpɔa ŋudzedze lena le anyigba dzi la dome.”—Luka 2:14, Nubabla Yeye La.

Amekae medina be yeanɔ xexe si me ŋutifafa kple dzɔdzɔenyenye le me o? Gake hafi míakpɔ ŋutifafa si Kristo ƒe dziɖuɖu ahe vɛ la, ehiã be míawɔ nusi adze Mawu ŋu eye míana ƒomedodo nyui nanɔ mía kplii dome. Yesu gblɔ be afɔ gbãtɔ si ame naɖe hafi ƒomedodo sia nanɔ anyi lae nye be wòasrɔ̃ nu tso Mawu kple Kristo ŋu. Yesu gblɔ be: “Esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.”—Yohanes 17:3.

Ne míenya Yesu nyuie vɔ la, magahiã be míanɔ tame bum le alesi wòdi be míaɖo ŋku ye dzii ŋu o. Ðe wòadi be míaɖo ŋku ye dzi to nuɖuɖu, nunono, kple nunana ame nɔewo le ŋkeke aɖe si dzi trɔ̃subɔla ɖua woƒe azã aɖe le tsã la dzia? Edze abe manye nenema o. Le zã si do ŋgɔ na Yesu ƒe ku me la, egblɔ nusi wòdi la na eƒe nusrɔ̃lawo. “Amesi si nye seawo le, eye wòlé wo me ɖe asi la, ame ma enye amesi le lɔ̃yem; amesi lɔ̃am la, Fofonye alɔ̃e, eye nye hã malɔ̃e.”—Yohanes 14:21.

Yehowa Ðasefowo srɔ̃ nu geɖe tso Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me, si na wova nya nusi Mawu kple Yesu ƒe sewo nye. Adzɔ dzi na wo be yewoakpe ɖe ŋuwò nànya se vevi mawo ale be nàɖo ŋku Yesu dzi abe alesi wòle be woaɖo ŋku edzii ene.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 11 Kristmas-ti kple Santa Claus (Father Christmas alo Papa Noël) nye kpɔɖeŋu ɖedzesi eve.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 6, 7]

Ðe Biblia Tsi Tre Ðe Azãɖuɖu Kple Nunana Ame Ŋua?

Nunana Ame

Biblia da asi ɖe nunana ame dzi, elabena eyɔ Yehowa ŋutɔ be “nunana nyuiwo katã kple nunana blibowo katã” Nala. (Yakobo 1:17) Yesu ɖee fia be dzila nyuiwo ana nu wo viwo. (Luka 11:11-13) Hiob xɔlɔ̃wo kple eƒe ƒometɔwo nae nuwo esi wòhaya tso eƒe dɔlélea me. (Hiob 42:11) Gake womelala azãɖuŋkeke tɔxɛ aɖe va hafi wona nu mawo o. Dzi mee wotso.—Korintotɔwo II, 9:7.

Ƒometɔwo ƒe Ƒuƒoƒo Ðekae

Ƒometɔwo ƒe ƒuƒoƒo awɔ nuwo aduadu ate ŋu ana ƒomea nawɔ ɖeka, vevietɔ ne womegale aƒe ɖeka me o. Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo de srɔ̃kpekpe aɖe le Kana, eye ɖikekemanɔmee la, ƒometɔ kple xɔlɔ̃ geɖe va. (Yohanes 2:1-10) Eye le kpɔɖeŋu si Yesu wɔ le vi nudomegblẽla la ŋu me la, vifofo la kpɔ dzidzɔ ɖe via ƒe tɔtrɔgbɔa ŋu heɖo kplɔ̃ na eƒemetɔwo, si me wodzi ha heɖu ɣe le.—Luka 15:21-25.

Nuɖuɖu Dzidzɔtɔe Ðekae

Biblia ƒo nu tso Mawu subɔlawo ŋu enuenu be woɖu nu dzidzɔtɔe kple woƒe ƒomewo, xɔlɔ̃wo, alo hati tadeagulawo. Esime mawudɔla etɔ̃ yi Abraham gbɔ la, etsɔ nyilã, notsi, bɔta, kple tatali ɖo kplɔ̃e na wo. (Mose I, 18:6-8) Salomo gblɔ be ‘nuɖuɖu, nunono kple dzidzɔkpɔkpɔ’ nye nunana tso Mawu gbɔ.—Nyagblɔla 3:13; 8:15.

Eyata eme kɔ ƒã be Mawu di be míaɖu nu nyui dzidzɔtɔe kple xɔlɔ̃wo kpakple ƒometɔwo, eye ekpɔa ŋudzedze ɖe nunana ame ŋu. Mɔnukpɔkpɔ geɖe le mía si be míawɔ esia le ƒea me katã.