Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Nèlɔ̃na Xɔa Yehowa Ƒe Kpekpeɖeŋua?

Ðe Nèlɔ̃na Xɔa Yehowa Ƒe Kpekpeɖeŋua?

Ðe Nèlɔ̃na Xɔa Yehowa Ƒe Kpekpeɖeŋua?

“Yehowa ye nye nye kpeɖeŋutɔ, nyemavɔ̃ o.”​—HEBRITƆWO 13:6.

1, 2. Nukatae wòle vevie be míalɔ̃ axɔ Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu kple mɔfiame le agbe me?

TSƆE be èle to kɔkɔ aɖe liam. Gake menye wò ɖeka koe le afima o, mɔfiala bibitɔ kekeake lɔ̃ faa yi kpli wò. Togbɔ be nuteƒekpɔkpɔ kple ŋusẽ le esi wu wò hã la, egbɔ dzi ɖi hele zɔzɔm kplikplikpli kpli wò. Ede dzesii be èle nu klim ɖekaɖeka. Le esi wòtsɔ ɖe le eme na wò taa, esi mieɖo afɔkuteƒe xaxɛ aɖe la, edo asi ɖa lé wò asi. Ðe nàgbe be megakpe ɖe ye ŋu oa? Gbeɖe! Wò agbe ɖo afɔku me.

2 Mí Kristotɔwo míele mɔ sesẽ aɖe zɔm. Ðe wòle be míawo ɖeɖe míazɔ mɔ xaxɛ ma? (Mateo 7:14) Ao, Biblia ɖee fia be Mɔfiala nyuitɔ kekeake, si nye Yehowa Mawu, ɖe mɔ faa be amegbetɔwo nazɔ kpli ye. (Mose I, 5:24; 6:9) Ðe Yehowa kpena ɖe esubɔlawo ŋu le woƒe mɔzɔzɔa mea? Egblɔ be: “Nye Yehowa, wò Mawu, amesi le gbɔgblɔm na wò be, megavɔ̃ o, makpe ɖe ŋuwò lae lé wò nuɖusi ɖe asi.” (Yesaya 41:13) Abe kpɔɖeŋu mɔfialaa ene la, Yehowa do eƒe kpekpeɖeŋu kple xɔlɔ̃dzedze eyama ƒe asi ɖa dɔmenyotɔe na amesiwo dina be yewoazɔ kplii. Eme kɔ keŋ be mía dometɔ aɖeke madi be yeagbe eƒe kpekpeɖeŋu xɔxɔ o!

3. Biabia kawo ŋue míade ŋugble le le numedzodzro sia me?

3 Le nyati si do ŋgɔ me la, míedzro mɔ ene siwo dzi Yehowa to na kpekpeɖeŋu eƒe amewo le blema ɣeyiɣiwo me la me. Ðe wòtona mɔ mawo ke dzi kpena ɖe eƒe amewo ŋu egbea? Eye aleke míawɔ aka ɖe edzi be míelɔ̃na xɔa eƒe kpekpeɖeŋu siawo dometɔ ɖesiaɖe? Na míade ŋugble tso biabia mawo ŋu. Ŋugbledede tso wo ŋu ana míate ŋu aka ɖe edzi geɖe wu be Yehowa ye nye míaƒe Kpeɖeŋutɔ vavã.—Hebritɔwo 13:6.

Kpekpeɖeŋu si Mawudɔlawo Nana

4. Nukatae Mawu subɔla siwo li egbea ate ŋu aka ɖe edzi be mawudɔlawo akpe ɖe yewo ŋu?

4 Ðe mawudɔlawo kpena ɖe Yehowa subɔla siwo li egbea ŋua? Ẽ, wokpena ɖe wo ŋu. Enye nyateƒe be fifia ya womeɖea wo ɖokui fiana Mawu subɔla vavãwo hafi kpena ɖe wo ŋu le afɔkuwo me o. Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me kura gɔ̃ hã la, ƒã hafi mawudɔlawo ɖea wo ɖokui fiana ame. Dɔ siwo wowɔ ƒe akpa gãtɔ medze amegbetɔwo kpɔ kple ŋku o, abe alesi ko wògale egbea ene. Gake dzi ɖo Mawu subɔlawo ƒo esi wonya be mawudɔlawo li akpe ɖe yewo ŋu. (Fiawo II, 6:14-17) Ele be míawo hã míase le mía ɖokui me nenema ke.

5. Aleke Biblia ɖee fia be mawudɔlawo le gome kpɔm le gbeƒãɖeɖedɔa me egbeae?

5 Yehowa ƒe dɔlawo tsɔa ɖe le dɔ tɔxɛ aɖe si me míele gome kpɔm le la me vevie. Dɔ kae? Míate ŋu akpɔ ŋuɖoɖoa le Nyaɖeɖefia 14:6: “Mekpɔ mawudɔla bubu aɖe le dzodzom le dziƒo titina, eye wòlé nyanyui mavɔ ɖe asi, be yeagblɔ afia anyigbadzinɔlawo kple trɔ̃subɔlawo katã kple to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kpakple dukɔ sia dukɔ.” “Nyanyui mavɔ” sia do ƒome kple “fiaɖuƒeŋutinya nyui” si Yesu gblɔ ɖi be “woaɖe gbeƒã . . . le xexe blibo la katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã” hafi nuɖoanyi sia nava nuwuwu. (Mateo 24:14) Ele eme baa be mawudɔlawo mele gbeƒã ɖem tẽ na amewo ya o. Yesu tsɔ dɔdasi vevi sia de asi na amegbetɔwo. (Mateo 28:19, 20) Ðe menye dzideƒo na mí be míanyae be mawudɔla kɔkɔe nyanu sesẽwo le megbe na mí le dɔdasi ma wɔwɔ me oa?

6, 7. (a) Nukae fia be mawudɔlawo le kpekpeɖeŋu nam mí le gbeƒãɖeɖedɔa me? (b) Aleke míawɔ be Yehowa ƒe dɔlawo nakpe ɖe mía ŋu?

6 Kpeɖodzi gbogbo aɖewo li si fia be mawudɔlawo le asi kpem ɖe míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu. Le kpɔɖeŋu me, míesenɛ zi geɖe be ne Yehowa Ðasefowo le gome kpɔm le gbeƒãɖeɖedɔa me la, wodoa go ame aɖewo siwo gblɔna be fifi laa koe yewodo gbe ɖa na Mawu be wòana yewoake ɖe nyateƒea ŋu. Nuteƒekpɔkpɔ mawo ƒomevi sɔ gbɔ ale gbegbe be womate ŋu atsɔe ko be nudogoɖenunue wonye o. Nusi do tso mawudɔla mawo ƒe kpekpeɖeŋu nana mee nye be ame geɖe va le nu srɔ̃m be woawɔ ɖe nusi ‘mawudɔla si le dzodzom le dziƒo titina’ gblɔ la dzi be: “Mivɔ̃ Mawu, eye mitsɔ ŋutikɔkɔe nɛ.”—Nyaɖeɖefia 14:7.

7 Ðe wòdzroa wò vevie be Yehowa ƒe dɔla sesẽawo nakpe ɖe ŋuwòa? Ekema dze agbagba nàwɔ wò ŋutete katã le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me. (Korintotɔwo I, 15:58) Esi míele dɔdasi tɔxɛ sia si tso Yehowa gbɔ wɔm kple dzidzɔ la, mina kakaɖedzi nenɔ mía si be mawudɔlawo akpe ɖe mía ŋu.

Kpekpeɖeŋu si Mawudɔla Gãtɔ Nana

8. Ðoƒe kɔkɔ kae le Yesu si le dziƒo, eye nukatae esia nye dzideƒo na mí?

8 Yehowa ganaa mí kpekpeɖeŋu bubu to mawudɔla tɔxɛ aɖe dzi. Nyaɖeɖefia 10:1 ɖɔ “mawudɔla sesẽ” aɖe si ƒe “ŋku me le abe ɣe ene.” Edze ƒã be mawudɔla sia si wokpɔ le ŋutega me la tsi tre ɖi na Yesu Kristo si wodo ŋutikɔkɔe na si xɔ ŋusẽ le dziƒo. (Nyaɖeɖefia 1:13, 16) Ðe Yesu nye mawudɔla ŋutɔŋutɔa? Le susu aɖe nu la, míagblɔ be ẽ, elabena mawudɔla gãe wònye. (Tesalonikatɔwo I, 4:16) Amekae woyɔna be mawudɔla gã? Nya ma gɔmee nye “mawudɔlawo nu nɔla,” alo “mawudɔlawo ƒe fia.” Yesue nye Yehowa ƒe gbɔgbɔmeviwo katã ƒe sesẽtɔ kekeake. Eyae Yehowa tsɔ ɖo Eƒe dɔlawo katã nu. Kpekpeɖeŋu tsoƒe gã aɖee mawudɔla gã sia nye vavã. Le mɔ kawo nu?

9, 10. (a) Ne míewɔ nuvɔ̃ la, aleke Yesu nyea “nyaxɔɖeakɔla,” alo kpeɖeŋutɔ na míi? (b) Kpekpeɖeŋu kae Yesu ƒe kpɔɖeŋu ate ŋu anye na mí?

9 Apostolo tsitsi Yohanes ŋlɔ be: “Ne ame aɖe wɔ nuvɔ̃ la, nyaxɔɖakɔla le mía si le Fofoa gbɔ, eyae nye Yesu Kristo, dzɔdzɔetɔ la.” (Yohanes I, 2:1) Nukatae Yohanes gblɔ be Yesu nye “nyaxɔɖakɔla,” alo kpeɖeŋutɔ vevietɔ ne ‘míewɔ nuvɔ̃’? Nya lae nye be míewɔa nuvɔ̃ gbesiagbe eye nuvɔ̃ kplɔa ame yia ku me. (Nyagblɔla 7:20; Romatɔwo 6:23) Gake Yesu tsɔ eƒe agbe sa vɔ ɖe míaƒe nuvɔ̃wo ta. Eye etsi tre ɖe mía Fofo nublanuikpɔla la gbɔ be yeaxɔ nya ɖe akɔ ɖe mía nu. Mía dometɔ ɖesiaɖe hiã kpekpeɖeŋu ma. Aleke míalɔ̃ axɔ kpekpeɖeŋu mae? Ele be míatrɔ dzime tso nuvɔ̃wɔwɔ me ahabia tsɔtsɔke to Yesu ƒe tafevɔsa dzi. Azɔ hã mele be míayi edzi anɔ nuvɔ̃ wɔm o.

10 Menye ɖekoe Yesu ku ɖe mía ta ko o, ke eɖo kpɔɖeŋu deblibo hã ɖi na mí. (Petro I, 2:21) Eƒe kpɔɖeŋua fiaa mɔ mí, hekpena ɖe mía ŋu be míanya alesi míanɔ agbee be míagawɔ nuvɔ̃ gã ahabu Yehowa Mawu ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ o. Ðe dzi medzɔa mí ŋutɔ be kpekpeɖeŋu ma ƒomevi li na mí oa? Yesu do ŋugbe na eyomedzelawo be yeaɖo kpeɖeŋutɔ bubu ɖe wo.

Gbɔgbɔ Kɔkɔea ƒe Kpekpeɖeŋu

11, 12. Nukae nye Yehowa ƒe gbɔgbɔ la, ŋusẽ ka gbegbee le eŋu, eye nukatae míehiãe egbea?

11 Yesu do ŋugbe be: “Maɖe kuku na Fofo la, eye wòana nyaxɔɖakɔla bubu mi, bena wòanɔ anyi kpli mi vaseɖe mavɔmavɔ me: Nyateƒegbɔgbɔ, si xexeame mate ŋu axɔ o.” (Yohanes 14:16, 17) Menye amee “nyateƒegbɔgbɔ” sia alo gbɔgbɔ kɔkɔea nye o, ke boŋ enye Yehowa ƒe dɔwɔŋusẽ. Seɖoƒe meli na eƒe ŋutete o. Ŋusẽ siae Yehowa zã tsɔ wɔ xexeamee, eya kee wòzã tsɔ wɔ nukunu siwo ʋã ame, eye ŋusẽ siae na nyagblɔɖilawo kpɔ ŋutega siwo ku ɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ŋu. Esi Yehowa megale eƒe gbɔgbɔa zãm le mɔ mawo nu egbea o ta la, ɖe wòfia be míegahiãe oa?

12 Míehiãe kura wu! Míehiã Yehowa ƒe gbɔgbɔa geɖe wu le “ɣeyiɣi sesẽ” siawo me. (Timoteo II, 3:1) Ekpena ɖe mía ŋu míedoa dzi le tetekpɔwo me. Ekpena ɖe mía ŋu míetua nɔnɔme nyui siwo nana míetena ɖe Yehowa kple míaƒe gbɔgbɔmenɔvi ŋutsuwo kple nyɔnuwo ŋu kplikplikpli wu la ɖo. (Galatiatɔwo 5:22, 23) Ke aleke míawɔ kpekpeɖeŋu wɔnuku sia si tso Yehowa gbɔ naɖe vi na mí?

13, 14. (a) Nukatae míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa naa gbɔgbɔ kɔkɔea eƒe amewo faa? (b) Míaƒe nuwɔna kawoe ate ŋu aɖee afia be míedi be míaxɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe nunana o?

13 Gbã la, ele be míado gbe ɖa abia gbɔgbɔ kɔkɔea. Yesu gblɔ be: “Mi, amesiwo nye ame vɔ̃ɖiwo, mienya alesi miana nunana nyui mia viwo, ʋuu keke Fofo, si le dziƒo la, mana Gbɔgbɔ kɔkɔe amesiwo bianɛ la o mahã?” (Luka 11:13) Nyateƒee, Yehowae nye Fofo nyuitɔ kekeake si li. Ne míexɔ eyama dzi se vavã hebiae be wòana gbɔgbɔ kɔkɔea mí la, anae mí godoo. Ke biabia lae nye be, Ðe míebianɛa? Ele be míado gbe ɖa abia gbɔgbɔ kɔkɔea gbesiagbe.

14 Evelia, míexɔna nunana sia ne míaƒe nuwɔnawo wɔ ɖeka kple míaƒe gbedodoɖa. Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be Kristotɔ aɖe le agbagba dzem be yeadzudzɔ amamaɖeɖefotowo kpɔkpɔ. Edo gbe ɖa be gbɔgbɔ kɔkɔea nekpe ɖe ye ŋu yeadzudzɔ nɔnɔme nyɔŋu sia. Ebia kpekpeɖeŋu tso Kristotɔ hamemegãwo gbɔ, eye woɖo aɖaŋu nɛ be wòadzudzɔ teƒe siwo woɖena nu manyomanyo mawo le dede, be wòagagogo teƒe mawo kura gɔ̃ hã o. (Mateo 5:29) Ke ne egbe woƒe aɖaŋuɖoɖoa eye wògakpɔa foto mawo ake ɖe? Ðe wòle nu wɔm ɖe eƒe gbedodoɖa be gbɔgbɔ kɔkɔea nakpe ɖe ye ŋu nua? Alo menye ɖe eƒe nuwɔna le dziku do ge na Mawu ƒe gbɔgbɔa eye wòado kpo nunana sia xɔxɔ boŋ oa? (Efesotɔwo 4:30) Nyateƒee, ele be mí katã míakpɔ egbɔ be míewɔ nusianu si míate ŋui be míayi edzi anɔ kpekpeɖeŋu wɔnuku sia xɔm tso Yehowa gbɔ.

Kpekpeɖeŋu si Mawu ƒe Nya la Nana

15. Aleke míate ŋu aɖee afia be Biblia menye agbalẽ dzro aɖe ko o?

15 Ƒe alafa geɖee nye sia si Biblia kpena ɖe Yehowa subɔla nuteƒewɔlawo ŋu. Le esi teƒe be míabu Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo be wonye agbalẽ dzro aɖe ko me nyawo la, ele be míaɖo ŋku edzi be kpekpeɖeŋu tsoƒe sẽŋu aɖee wonye. Ebia be míaku kutri hafi axɔ kpekpeɖeŋu ma. Ele be míawɔ ɖoɖo axlẽ Biblia gbesiagbe.

16, 17. (a) Aleke Psalmo 1:2, 3 ƒo nu tso viɖe siwo le Mawu ƒe sea xexlẽ me ŋui? (b) Aleke Psalmo 1:3 ƒo nu tso dɔsesẽwɔwɔ ŋui?

16 Psalmo 1:2, 3 gblɔ le mawumeme ŋu be: “Ekpɔa dzidzɔ le Yehowa ƒe se la ŋu, eye wòdea ŋugble le eƒe se la ŋu zã kple keli. Eyama ɖi ati, si wodo ɖe tɔʋuwo to, si tsena le etseɣi, eye eƒe aŋgbawo melũa xe o; eye nusianu, si wòwɔna la, ewɔnɛ wua nu nyuie!” Ède dzesi nufiame vevi si le nya siawo mea? Ele bɔbɔe be míaxlẽ nya mawo ahabui be wonye teƒe aɖe si tomefafa le le ati aɖe ƒe vɔvɔli te le tɔsisi aɖe to ƒe nɔnɔmetata ko. Alɔ̃dɔdɔ le afima le ŋdɔ me avivi lo! Gake menye ɖiɖiɖeme ƒe nya gblɔm psalmo sia le o. Dɔsesẽwɔwɔ ƒe nya boŋ gblɔm wòle. Le mɔ ka nu?

17 De dzesii be menye ɖeko atia mie le eɖokui si le tɔa to o. Esi wònye atikutsetseti ta la, ɖe woɖoe koŋ ‘doe’ ɖe afima—‘ɖe tɔa to.’ Aleke ati ɖeka awɔ amie ɖe tɔʋu geɖe toe? Nya lae nye be amesi tɔ atikutsetsebɔa nye ate ŋu aɖe tsiʋewo atsɔ he tsi tso teƒe geɖe vɛ be wòaɖo eƒe ati xɔasiawo ƒe kewo gbɔ. Ahã, nyaa me kɔ azɔ! Ne le gbɔgbɔmegɔmesese nu míele tsitsim nyuie abe ati ene la, ekema esi wowɔ dɔ geɖe hetrɔ asi le mía ŋu tae. Míele ha dem kple habɔbɔ si hea gbɔgbɔmetsi dzadzɛ vɛ na mí, gake ele be mía ŋutɔwo hã míawɔ míaƒe akpa dzi. Ele be míano tsi xɔasi sia to ŋugbledede le eŋu kple numekuku wɔwɔ be Mawu ƒe Nyaa me nyateƒeawo naɖo míaƒe susu kple dzi gbɔ me. Ne míewɔe nenema la, míawo hã míatse ku nyui.

18. Nuka wɔwɔe hiã hafi míakpɔ ŋuɖoɖowo na míaƒe biabiawo tso Biblia me?

18 Biblia maɖe vi aɖeke na mí o ne míetsɔe da ɖe agbalẽdzraɖoƒe ko emaxlẽmaxlẽe. Menye tsila alo afakanu aɖee Biblia nye, bene nàmia ŋku eye teƒe sia teƒe si nènya ʋu koa, àkpɔ ŋuɖoɖo na wò kuxiwo le afima o. Ele be míadi “sidzedze Mawu” abe kesinɔnu si le to me ene hafi awɔ nyametsotsowo. (Lododowo 2:1-5) Zi geɖe la, numekuku deto wɔwɔ moveviɖoɖotɔe hiã ale be míake ɖe Ŋɔŋlɔawo me aɖaŋuɖoɖo si akpɔ hiahiã tɔxɛ aɖewo gbɔ na mí ŋu. Biblia-srɔ̃gbalẽ gbogbo aɖewo le mía si siwo akpe ɖe mía ŋu le numekuku wɔwɔ me. Ne míele wo ŋudɔ wɔm tsɔ le Mawu ƒe Nyaa me nunya xɔasiwo dimee la, ekema míele kpekpeɖeŋu xɔm tso Yehowa gbɔ vavã.

Haxɔsetɔwo ƒe Kpekpeɖeŋu

19. (a) Nukatae míate ŋu agblɔ be Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! me nyatiwo nye kpekpeɖeŋu tso haxɔsetɔwo gbɔ? (b) Aleke míaƒe magazinewo me nyati tɔxɛ aɖe kpe ɖe ŋuwòe?

19 Yehowa subɔla siwo nye amegbetɔwo kpena ɖe wo nɔewo ŋu ɣesiaɣi. Ðe Yehowa trɔa? Kura o. Ðikekemanɔmee la, mía dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu aɖo ŋku ɣeyiɣi aɖewo dzi esime haxɔsetɔwo na kpekpeɖeŋu mí le ɣeyiɣi si tututu míehiãe me. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu aɖo ŋku Gbetakpɔxɔ alo Nyɔ! me nyati aɖewo siwo fa akɔ na wò le gaƒoƒo si me nèhiã wo alo kpe ɖe ŋuwò nèkpɔ kuxi alo nyaƒoɖeamenu aɖe si tɔ gbe wò xɔse gbɔea? Yehowa gbɔe kpekpeɖeŋu ma tso to “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” si wòde dɔ asi na be wòana ‘nuɖuɖu le ɣeyiɣi nyui dzi’ la dzi.—Mateo 24:45-47.

20. Mɔ kawo nue Kristotɔ hamemegãwo ɖenɛ fiana le be yewonye “nunanawo”?

20 Gake zi geɖe la, kpekpeɖeŋu siwo míexɔna tsoa haxɔsetɔwo gbɔ la vana tẽ. Ate ŋu anye be Kristotɔ hamemegã aɖe na dutoƒonuƒo aɖe wòde dzi gbɔ na mí, alo eƒe sasrãkpɔ aɖe kpe ɖe mía ŋu le ɣeyiɣi sesẽ aɖe me, alo eɖo aɖaŋu aɖe na mí dɔmenyotɔe si wɔe be míekpɔ míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖe dze sii heɖu edzi. Kristotɔ aɖe ŋlɔ nu tsɔ da akpe ɖe kpekpeɖeŋu si hamemegã aɖe nae ta ŋu be: “Esi míenɔ gbeadzi la, egbɔ dzi ɖi nam megblɔ nye susu. Hafi ŋu nake gbemagbe la, medo gbe ɖa na Yehowa hebiae be wòana ame aɖe naƒo nu nam ahade dzi ƒo nam. Ŋkeke si kplɔe ɖo koe ma nɔvi sia ƒo nu nam tufafatɔe. Ekpe ɖe ŋunye mekpɔ alesi Yehowa nɔ kpekpem ɖe ŋunye ƒe geɖee nye ma. Meda akpe na Yehowa be wòdɔ hamemegã sia ɖe gbɔnye.” Le mɔ siawo tɔgbe nu la, Kristotɔ hamemegãwo ɖenɛ fiana be yewonye “nunanawo” tso Yehowa gbɔ to Yesu Kristo dzi, siwo le kpekpem ɖe mía ŋu be míado dzi le agbemɔa zɔzɔ me.—Efesotɔwo 4:8.

21, 22. (a) Ne hamea me tɔwo wɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo si dze le Filipitɔwo 2:4 dzi la, vi kae wòɖena? (b) Nukatae dɔmenyowɔwɔ vi aɖe kura gɔ̃ hã le vevie?

21 Tsɔ kpe ɖe hamemegãwo ŋu la, Kristotɔ nuteƒewɔla ɖesiaɖe dina be yeawɔ ɖe sedede si tso gbɔgbɔ me dzi be “amesiame nagakpɔ nusi nye ye ŋutɔ tɔ dzi o, ke boŋ nekpɔ nusi nye ame bubu tɔ la hã dzi!” (Filipitɔwo 2:4) Ne Kristo-hamea me tɔwo wɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo ma dzi la, wokɔa dɔme na wo nɔewo. Le kpɔɖeŋu me, ƒome aɖe me tɔwo ɖo afɔku siwo kplɔ wo nɔewo ɖo me le vome. Gbeɖeka, ƒomea ƒe ta kplɔ via nyɔnuvi ɖe asi woyi fiase me. Wodze lɔrifɔku esi wotrɔ gbɔna va aƒeme. Nyɔnuvia ku; ke fofoa ya xɔ abi vevie. Esi woɖe asi eŋu le kɔa dzi la, ŋusẽ vɔ le eŋu ale gbegbe be mate ŋu awɔ naneke le eɖokui si o. Srɔ̃a tɔtɔ ale gbegbe be eya ɖeka mate ŋu akpɔ edzi o. Eyata atsu kple asi aɖe siwo le hamea me kplɔ ŋutsu sia kple srɔ̃a siwo ɖo xaxa me la yi wo ƒeme hekpɔ wo dzi kwasiɖa geɖewo.

22 Nyateƒee, menye afɔku koe adzɔ alo ɖokuitsɔtsɔsavɔ kokokoe hiã hafi woawɔ dɔmenyo na ame o. Kpekpeɖeŋu siwo míexɔna ƒe ɖewo nɔa sue ko. Gake aleke ke wòle sue hã la, míekpɔa ŋudzedze ɖe eŋu, alo? Àte ŋu aɖo ŋku ɣeyiɣi aɖe si nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu aɖe ƒo nu na wò dɔmenyotɔe alo wɔ nu ɖe ŋuwò ameŋububutɔe wònye kpekpeɖeŋu si tututu nèhiã la dzia? Yehowa kpena ɖe mía ŋu zi geɖe to mɔ siawo tɔgbe dzi.—Lododowo 17:17; 18:24.

23. Aleke Yehowa bua míaƒe agbagbadzedze be míakpe ɖe mía nɔewo ŋui?

23 Ðe nàdi be Yehowa nato ye dzi akpe ɖe ame bubuwo ŋua? Mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ sia le ʋuʋu ɖi na wò. Le nyateƒe me la, Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe wò agbagbadzedze siawo ƒomevi ŋu. Eƒe Nya gblɔ be: “Amesi ve ame dahe nu la, edo nugbana na Yehowa, eye wòaɖo eƒe nuwɔwɔ teƒe nɛ.” (Lododowo 19:17) Ne míekpe ɖe mía nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo ŋu la, ehea dzidzɔ manyagblɔ vɛ. (Dɔwɔwɔwo 20:35) Amesiwo ɖe wo ɖokui ɖe aga la mekpɔa dzidzɔ si le nunana alea me alo dzideƒo si dona tsoa exɔxɔ me la o. (Lododowo 18:1) Le esia ta, mina míagagblẽ míaƒe Kristotɔwo ƒe kpekpewo ɖi o, ale be míate ŋu ade dzi ƒo na mía nɔewo.—Hebritɔwo 10:24, 25.

24. Nukatae mele be míase le mía ɖokui me be Yehowa gblẽ mí ɖi le esi míegakpɔa nukunu siwo ɖi esiwo wòwɔ le blema teƒe o ta?

24 Ðe medzɔ dzi na mí be míedzro mɔ siwo dzi Yehowa tona kpena ɖe mía ŋu me oa? Togbɔ be Yehowa megawɔa nukunuwo gaglã le egbeŋkekeawo me tsɔ wɔa eƒe tameɖoɖo dzi o hã la, mele be míase le mía ɖokui me be egblẽ mí ɖi o. Nu vevitɔ enye be Yehowa nana kpekpeɖeŋu mí be míate ŋu akpɔtɔ anye nuteƒewɔlawo. Eye ne míeyi edzi lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi la, míava kpɔ Yehowa ƒe nukunu gãtɔ kekeake si dze na kafukafu le ŋutinya katã me la teƒe! Mina míaɖoe kplikpaa alɔ̃ axɔ Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu si wònana mí lɔlɔ̃tɔe la ahawɔ eŋudɔ bliboe atsɔ afia be míewɔ ɖeka kple ƒe 2005 ƒe mawunyakpukpuia be: ‘Nye xɔname atso Yehowa gbɔ.’—Psalmo 121:2.

Nukae Nye Wò Susu?

Aleke Yehowa nana kpekpeɖeŋu si míehiã egbea—

• to mawudɔlawo dzi?

• to eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi?

• to eƒe Nya si tso gbɔgbɔ me dzi?

• to haxɔsetɔwo dzii?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Dzi ɖoa mía ƒo ne míenya be mawudɔlawo le alɔ dom gbeƒãɖeɖedɔa

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Yehowa ate ŋu ato haxɔsetɔ aɖe dzi ana akɔfafa si míehiã la mí