Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Sukunuwuŋkeke—Ŋkeke Nyui Aɖee

Sukunuwuŋkeke—Ŋkeke Nyui Aɖee

Sukunuwuŋkeke—Ŋkeke Nyui Aɖee

“ŊU NYUI aɖe ke na mí. Ɣe dze nyuie. Xexea me kɔ. Gbewo de ama. Xeviwo le xɔxlɔ̃m. Nusiawo na ŋkekea anyo, eye míate ŋu aka ɖe edzi. Yehowa menye Mawu si doa ŋukpe ame o. Yayra ƒe Mawue.”

Nya mawoe Nɔviŋutsu Samuel Herd, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha la me tɔ la tsɔ dze Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku ƒe klass 117 lia nuwuwu wɔnawo gɔmee. September 11, 2004 dzie wowɔe. Aɖaŋuɖoɖo tuameɖo siwo woɖe tso Biblia me, kple sukuviawo ŋutɔ kpakple dutanyanyuigblɔlawo ƒe nuteƒekpɔkpɔwo nɔ ɖoɖowɔɖi nyui ma me. Nyateƒee, ŋkeke nyui aɖee wònye na ame 6,974 siwo katã va kpe ta le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Hehenaƒe le Patterson, New York, kple takpeƒe bubu siwo le Brooklyn kpakple Wallkill, siwo se nyawo le radio kple video dzi la.

Dzidedeƒo na Sukuviawo

John Kikot, si nye United States Alɔdzekɔmitia me tɔ zã tanya si nye “Na Dzi Nadzɔ Wò Ɣesiaɣi le Dutanyanyuigbɔgblɔdɔa Me” tsɔ de dzi ƒo na sukuviawoe. Egblɔ be wonya be dzi dzɔa Gilead sukuviwo ŋutɔ abe alesi wòle dzedzem le sukunuwuwu ƒe wɔna siawo mee ene. Ŋɔŋlɔawo me mɔfiame siwo sukuviawo xɔ le sukudeɣia na dzi dzɔ wo, eye wosu te azɔ be yewoakpe ɖe ame bubuwo ŋu dzi nadzɔ woawo hã nenema ke. Aleke wole esia wɔ gee? To wo ɖokui kple woƒe nunɔamesiwo zazã le woƒe subɔsubɔdɔa me bliboe abe dutanyanyuigblɔlawo ene dzi. Yesu gblɔ be: “Nana enye yayra wu xɔxɔ.” (Dɔwɔwɔwo 20:35) Ne dutanyanyuigblɔla yeyeawo srɔ̃ Yehowa Mawu, ‘dzidzɔ Mawu,’ dɔmenyotɔ si wɔnɛ wònɔa bɔbɔe na amewo be woaxɔ nyateƒea, ƒe kpɔɖeŋu la, woa ŋutɔwo woate ŋu akpɔtɔ anye dzidzɔtɔwo.—Timoteo I, 1:11.

Amesi kplɔe ɖoe nye Dziɖuha la me tɔ bubu, David Splane, amesi ƒo nuƒo si ƒe tanyae nye “Aleke Nàwɔ Ƒomedodo Nyui Nanɔ Mia Kple Amewo Dome?” Ðikeke mele eme o be enyo eye wòvivina ne wonɔ anyi kple amewo le ɖekawɔwɔ me, togbɔ be esia abia be ame nazu ‘nusianu na ameƒomeviwo katã’ hã. (Korintotɔwo I, 9:22; Psalmo 133:1) Nɔviŋutsu Splane gblɔ be sukunuwulawo awɔ nu kple ame bubu geɖe le dutanyanyuigbɔgblɔdɔa me—amesiwo le woƒe anyigbamamaa me, wo hati dutanyanyuigblɔlawo, nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo le woƒe hame yeyeawo me, kpakple alɔdzedɔwɔƒe me tɔ siwo le gbeƒãɖeɖe kple nufiafiadɔa dzi kpɔm. Ena aɖaŋuɖoɖo nyuiwo ku ɖe alesi woanɔ anyi kple amewo nyuie ŋu be: Misrɔ̃ teƒea ƒe gbewo, minya nutoa me tɔwo ƒe nuwɔnawo eye mitrɔ ɖe wo ŋu, migade nu mia hati dutanyanyuigblɔlawo ƒe nya siwo meka mi o me o, eye miɖo to amesiwo xɔa ŋgɔ le hamea me.—Hebritɔwo 13:17.

Eyome, Gilead nufiala Lawrence Bowen ƒo nuƒo si ƒe tanyae nye, “Aleke Nèsusuna?” Eɖo ŋku edzi na sukuviawo be amesiwo ‘nɔ te ɖe gotagome dzedzeme dzi drɔ̃ ʋɔnu la,’ mexɔ Yesu be eyae nye Mesia la o. (Yohanes 7:24) Esi míenye ame madeblibowo ta la, ele be míayi edzi anɔ ŋudzɔ be ‘míagasusu nusi nye amegbetɔwo tɔ o,’ ke boŋ ‘míasusu nusi nye Mawu tɔ.’ (Mateo 16:22, 23) Ele be amesiwo tsi le gbɔgbɔ me kura gɔ̃ hã nayi edzi anɔ woƒe nukpɔsusuwo ɖɔm ɖo. Abe alesi wòle le meli si le atsiaƒu dzi gome ene la, ɖɔɖɔɖowo wɔwɔ fifia ate ŋu afia be woaɖo gbɔgbɔmetaɖodzinua gbɔ loo alo womaɖo egbɔ o. Nusiwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe sɔsrɔ̃ edzidzi akpe ɖe mía ŋu míasusu ‘nusi nye Mawu tɔ.’

Wallace Liverance, Gilead Sukua ƒe nufiala bubue ƒo ɖoɖowɔɖia ƒe akpa sia ƒe nuƒo mamlɛtɔ. Etu eƒe nuƒoa ƒe tanya ɖe Yesaya 55:1 dzi be, “Nukae Nàƒle?” Ede dzi ƒo na sukuviawo be ‘woaƒle’ dzidzeme, dzidzɔ, kple Mawu ƒe nyagblɔɖi gbedasia me nusiwo léa ame ɖe te le míaƒe ŋkekea me la. Yesaya ƒe nyagblɔɖia tsɔ Mawu ƒe nya sia sɔ kple tsi, wein, kple notsi. Aleke woaƒlee evɔ “menye kple ga alo le asixɔxɔ nu o”? Nɔviŋutsu Liverance ɖe eme be to fɔléle ɖe Biblia ƒe nyagblɔɖiwo ŋu kple Mawu ƒe nukpɔsusu tsɔtsɔ ɖɔ li nukpɔsusu kple nuwɔna siwo mesɔ le mawusubɔsubɔ me o dzie woato aƒle esia. (Yesaya 55:2, 3, 6, 7) Ne dutanyanyuigblɔla yeyeawo wɔ nu alea la, woate ŋu anɔ te sesĩe le woƒe duta dɔdasiawo wɔwɔ me. Zi geɖe la, ame madeblibowo susuna be ŋutila me nunɔamesiwo nuƒoƒoƒu mee dzidzɔ tsona. Nuƒolaa xlɔ̃ nu wo be, “Migbe nya ma. Migalɔ̃ ɖe nukpɔsusu ma dzi o. Mikpɔ egbɔ be miaɖo ɣeyiɣi ɖi atsɔ asrɔ̃ Mawu ƒe Nyagblɔɖinya la memie. Ana gbɔdzɔe mi, ado ŋusẽ mi, eye wòana dzi nadzɔ mi le miaƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa wɔwɔ me.”

Sukuviawo ƒe Nuteƒekpɔkpɔwo Kple Gbebiame Dodzidzɔnamewo

Sukuviawo kpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me edziedzi. Gilead nufiala bubu, Mark Noumair, na sukuviawo dometɔ geɖe gbugbɔ wɔ woƒe gbeadzi nuteƒekpɔkpɔwo ŋuti wɔwɔfia le eƒe nuƒo si ƒe tanyae nye, “Nyanyui la Mekpea Ŋu na Mí O” me. (Romatɔwo 1:16) Alesi gbeƒãɖela bibi siawo ɖe gbeƒã tso aƒeme yi aƒeme, le ablɔwo dzi, kple le fiasewo me la sese vivi vavalawo nu ale gbegbe. Sukuvi siwo se gbe bubuwo la xɔ ŋgɔ le dɔwɔwɔ le woƒe hamea ƒe anyigbamama me be woaɖo amesiwo doa gbe mawo gbɔ kple nya la. Wo dometɔ bubuwo hã zã Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo Yehowa Ðasefo ta la le tɔtrɔyiwo kple aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ me nyuie. Gbeƒãɖeɖe nyanyuia ‘mekpe ŋu’ na wo o.

Nɔviŋutsu William Nonkes, si wɔa dɔ le Subɔsubɔdɔdzikpɔƒea bia gbe dutanyanyuigblɔla bibi siwo tso Burkina Faso, Latvia, kple Russia. Wozã tanya si nye “Yehowa Ðoa Eteƒe na Nuteƒewɔlawo Lɔlɔ̃tɔe” tsɔ ɖo aɖaŋu nyuiwoe. Nɔviŋutsu siwo wobia gbee dometɔ ɖeka de dzi ƒo na sukuviawo be woaɖo ŋku Gideon ƒe asrafo 300 la dzi. Dɔdasi aɖe nɔ asrafoawo dometɔ ɖesiaɖe si wòwɔ si na Gideon te ŋu ɖu aʋaa dzi. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 7:19-21) Nenema ke woaɖo eteƒe na dutanyanyuigblɔla siwo doa dzi yia woƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa wɔwɔ dzi lae.

Samuel Roberson, amesi nye nufiala le Patterson, ye bia gbe amewo ɖe eyome tsɔ te gbe ɖe nuƒo si ƒe tanya nye “Mizu Nuwo Katã na Ameƒomevi Ðesiaɖe” la dzii. Ebia gbe Alɔdzekɔmiti me tɔ ene siwo tso Senegal, Guam, Liberia, kple Madagascar. Dutanyanyuigblɔla siwo ƒe xexlẽme nye 170 ye le dɔ wɔm le dukɔ siawo me. Sukunuwulawo se nu tso alesi Alɔdzekɔmitiwo kpena ɖe dutanyanyuigblɔla yeyewo ŋu wotrɔna ɖe nɔnɔmewo ŋu le woƒe dɔdasiawo wɔƒee ŋu. Zi geɖe la ema fia be woasrɔ̃ nuwɔna siwo Ɣetoɖoƒetɔwo mewɔna hafi o la. Le kpɔɖeŋu me, le dukɔ aɖewo me la, ebɔ be woakpɔ ŋutsu eve woalé wo nɔewo ƒe asi abe xɔlɔ̃wo ene anɔ yiyim, eye Kristo-hamea me tɔwo hã wɔnɛ. Le teƒe aɖewo siwo le Guam alɔdzedɔwɔƒea te la, wotsɔa nuɖuɖu siwo ame geɖe melɔ̃a ɖuɖu o ɖoa kplɔ̃ na ame. Esi wònye be ame aɖewo trɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu ta la, dutanyanyuigblɔlawo hã ate ŋui.

Guy Pierce, Dziɖuhaa me tɔ, ƒo nuƒo si ƒe tanyae nye “Miyi Edzi Miawɔ Nuteƒe na ‘Mía Aƒetɔ ƒe Fiaɖuƒe’ La.” Eɖo ŋku edzi na vavalawo be: “Tameɖoɖo aɖe tae Yehowa wɔ nuwo ɖo. Susu aɖe nɔ esi na eƒe nuwɔwɔwo. Tame si wòɖo ɖe anyigba sia ŋu metrɔ o. Ele zɔ ɖem vevie ɖo ta emevava gbɔ. Naneke mate ŋu agblẽ eme o.” (Mose I, 1:28) Nɔviŋutsu Pierce de dzi ƒo na amesiame be wòabɔbɔ ɖe Mawu ƒe dziɖulanyenye te togbɔ be ŋutsu gbãtɔ, Adam ƒe nuvɔ̃ he kuxiwo vɛ hã. Nɔviŋutsu Pierce xlɔ̃ nu be: “Ʋɔnudrɔ̃ɣia mee míele fifia. Ɣeyiɣi si li míaɖo dzianukwaretɔwo gbɔ akpe ɖe wo ŋu woanya nyateƒea megasɔ gbɔ o. Eyata míazã ɣeyiɣia nyuie atsɔ Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia ayi na amewo.” Kakaɖedzi ate ŋu anɔ amesiwo katã kpea asi ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu nuteƒewɔwɔtɔe si be Mawu le megbe na yewo.—Psalmo 18:25.

Le wɔnaa ƒe nuwuwu la, zimenɔla la xlẽ gbedoname kple nyuidiname lɛta siwo woɖo ɖa tso alɔdzedɔwɔƒe vovovowo le xexeame godoo. Emegbe ena ɖaseɖigbalẽ sukunuwulawo dometɔ ɖesiaɖe, eye le esia megbe wo dometɔ ɖeka xlẽ klass la ƒe lɛta, si woŋlɔ tsɔ ɖe ŋudzedze si wokpɔ ɖe hehe si wova xɔ la ŋui fia. Ŋkekea me wɔnaa dodzidzɔnamea wu enu nyuie ale gbegbe be vavalawo katã ayi edzi aɖo ŋku ŋkeke ma dzi eteƒe adidi.

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

SUKUVIAWO ŊUTI NYATAKAKAWO

Dukɔ siwo me wotso ƒe xexlẽme: 11

Dukɔ siwo me woɖo wo ɖo ƒe xexlẽme: 22

Sukuviawo ƒe xexlẽme: 48

Ƒe si woxɔ le mama dedie nu: 34.8

Ƒe si wole nyateƒea me le mama dedie nu: 18.3

Ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔƒewo le mama dedie nu: 13.4

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku ƒe Klass 117 lia Nuwulawo

Ðoɖo si nu woŋlɔ ŋkɔawo ɖo le ete yi ale: Woxlẽ fliawo tso ŋgɔgbe yi megbee, eye woŋlɔ ŋkɔawo tso miame yi ɖusime le fli ɖesiaɖe dzi.

(1) Thompson, E.; Norvell, G.; Powell, T.; Kozza, M.; McIntyre, T. (2) Reilly, A.; Clayton, C.; Allan, J.; Blanco, A.; Muñoz, L.; Rustad, N. (3) Guerrero, Z.; Garcia, K.; McKerlie, D.; Ishikawa, T.; Blanco, G. (4) McIntyre, S.; Cruz, E.; Guerrero, J.; Ritchie, O.; Avellaneda, L.; Garcia, R. (5) Powell, G.; Fiskå, H.; Muñoz, V.; Baumann, D.; Shaw, S.; Brown, K.; Brown, L. (6) Shaw, C.; Reilly, A.; Peloquin, C.; Münch, N.; McKerlie, D.; Ishikawa, K. (7) Münch, M.; Peloquin, J.; Kozza, T.; Avellaneda, M.; Allan, K.; Ritchie, E.; Norvell, T. (8) Cruz, J.; Baumann, H.; Clayton, Z.; Fiskå, E.; Thompson, M.; Rustad, J.