Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Afisi Subɔsubɔ Vavãtɔ Kple Trɔ̃subɔsubɔ Tsi Tre Ðe Wo Nɔewo Ŋu Le

Afisi Subɔsubɔ Vavãtɔ Kple Trɔ̃subɔsubɔ Tsi Tre Ðe Wo Nɔewo Ŋu Le

Afisi Subɔsubɔ Vavãtɔ Kple Trɔ̃subɔsubɔ Tsi Tre Ðe Wo Nɔewo Ŋu Le

BLEMA Efeso ƒe dudo si le Turkey ƒe ɣetoɖoƒeƒuta la nye afisi wowɔa tomenukuku gbogbo aɖewo le ƒe alafa ɖeka kple edzivɔ enye sia. Wogbugbɔ xɔ geɖe tu eye dzɔdzɔmeŋutinunyalawo srɔ̃ nu tso tomenu gbogbo siwo ŋuti woke ɖo la ŋu heɖe nusi wofia me. Esia wɔe be Efeso va zu teƒe xɔŋkɔ si tsaɖimɔzɔlawo dena le Turkey wu la dometɔ ɖeka.

Nuka ŋue woke ɖo ku ɖe Efeso ŋu? Nukae wogblɔna tsoa blemadu gã nyakpɔ ma ŋu egbea? Tsaɖiɖi yi afisi Efeso ƒe dua nɔ tsã kple Efeso Blemanudzraɖoƒe si le Vienna, Austria, akpe ɖe mía ŋu míase alesi trɔ̃subɔsubɔ tsi tre ɖe subɔsubɔ vavãtɔ ŋui le Efeso la gɔme. Gbã la, mina míadzro Efeso ƒe ŋutinya me akpɔ vie.

Ame Geɖe Di be Teƒea Nazu Yewo Tɔ

Ʋunyaʋunyawɔwɔ kple ʋuʋu yi teƒe bubu ye bɔ ɖe Europa kple Asia le ƒe 11 D.M.Ŋ. me. Ɣemaɣie Ionia Helatɔwo dze Asia Sue ƒe ɣetoɖoƒeƒuta nutowo dzi ɖuɖu gɔme. Ʋuʋula gbãtɔ mawo va tu amesiwo wonya nyuie ɖe woƒe mawunɔ si woava yɔ emegbe be Efesotɔwo ƒe Diana la subɔsubɔ ta.

Le ƒe alafa adrelia D.M.Ŋ. ƒe domedome la, Cimmeriatɔ adzoblasu siwo tso Ƒuyibɔa ƒe dziehekpa dzi la va da adzo le Asia Sue. Emegbe le ƒe 550 D.M.Ŋ. me lɔƒo la, Lidia-fia Croesus, dziɖula ŋusẽtɔ aɖe si xɔ ŋkɔ le eƒe kesinɔnu gbogboawo ta la va ɖu dzi. Esime Persia-fiaɖuƒea nɔ ta kekem la, Fia Kores xɔ Ionia dugã siwo dome Efeso hã nɔ.

Le ƒe 334 D.M.Ŋ. me la, Alexander si tso Makedonia dze aʋahoho ɖe Persia ŋu gɔme, eye wòva zu Efeso dziɖula yeye. Esi Alexander ku kpata le ƒe 323 D.M.Ŋ. me megbe la, eƒe aʋafia ene ʋli amesi azu Efeso dziɖula le wo nɔewo dome. Le ƒe 133 D.M.Ŋ. me la, Attalus III, Pergamo-fia si si vi menɔ o la gblɔ be woatsɔ Efeso ana Romatɔwo le yeƒe ku megbe si na wòva zu Romatɔwo ƒe nuto si le Asia.

Trɔ̃subɔsubɔ Tsi Tre Ðe Subɔsubɔ Vavãtɔ Ŋu

Ame 300,000 aɖewoe nɔ Efeso esime apostolo Paulo yi afima le eƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔ evelia ƒe nuwuwu lɔƒo le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me. (Dɔwɔwɔwo 18:19-21) Le Paulo ƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔ etɔ̃lia me la, etrɔ yi Efeso eye dzi gaɖo eƒo ale gbegbe wòƒo nu na wo le ƒuƒoƒea tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu. Gake le ɣleti etɔ̃ megbe, esime Yudatɔwo ƒe tsitretsitsi ɖe eyama ŋu me gasẽ ɖe edzi ta la, Paulo tiae be yeaƒo nu na ameawo gbesiagbe le Tirano ƒe nusrɔ̃xɔ la me. (Dɔwɔwɔwo 19:1, 8, 9) Ewɔ gbeƒãɖeɖedɔa ƒe eve sɔŋ, eye wòwɔ ŋusẽdɔ tɔxɛ siwo nye gbedada le amewo ŋu nukutɔe kple gbɔgbɔ vɔ̃wo nyanya do goe hã. (Dɔwɔwɔwo 19:10-17) Eyata mewɔ nuku be ame geɖe va zu xɔsetɔwo o! Ẽ, Yehowa ƒe nya kpɔ ŋusẽ ale gbegbe be ame gbogbo aɖewo siwo nye afakalawo tsã la lɔ̃ faa tɔ dzo woƒe agbalẽ veviwo.—Dɔwɔwɔwo 19:19, 20.

Menye ɖeko Paulo ƒe gbeƒãɖeɖedɔ si kpɔ dzidzedze la ʋã ame gbogbo aɖewo be wodzudzɔ mawunɔ Diana subɔsubɔ ko o, ke ena amesiwo doa trɔ̃subɔsubɔ ma ƒomevi ɖe ŋgɔ la do dziku vevie hã. Klosalo tsɔtsɔ wɔ mawunɔ Diana ƒe vɔsanuwo nye gakpɔmɔnu ɖevi aɖe. Esi woƒe gakpɔmɔnua me gblẽ na wo ta la, ame aɖe si woyɔna be Demetrio na klosalonutulawo de zitɔtɔ ameawo dome.—Dɔwɔwɔwo 19:23-32.

Tsitretsiɖeŋua va ɖo eƒe sesẽaƒe esime amehaa do ɣli atraɖii gaƒoƒo eve sɔŋ be: “Gãe nye Efesotɔwo ƒe Diana la!” (Dɔwɔwɔwo 19:34) Esi wodzudzɔ hoowɔwɔa megbe la, Paulo de dzi ƒo na ehati Kristotɔawo ake eye wòyi eƒe mɔzɔzɔa dzi. (Dɔwɔwɔwo 20:1) Gake eƒe dzodzo yi Makedonia melé Diana subɔsubɔa ƒe toyiyi la nu o.

Nu Gblẽ le Diana ƒe Gbedoxɔa Ŋu

Diana subɔsubɔ xɔ aƒe ɖe Efeso ale gbegbe. Hafi Fia Croesus nava zi dzi la, mawunɔ Cybele subɔsubɔ ye nye subɔsubɔ vevi si nɔ nuto ma me. Esi Croesus tu xo kakaɖedzitɔe be Cybele do ƒome kple Helatɔwo ƒe mawuwo ta la, enɔ mɔ kpɔm be yeaɖo subɔsubɔ aɖe anyi si dzi Helatɔwo kple amesiwo menye Helatɔwo o siaa ada asi ɖo. To Croesus ƒe kpekpeɖeŋu dzi le ƒe alafa adelia D.M.Ŋ. ƒe domedome la, wodze Diana si va xɔ ɖe Cybele teƒe la ƒe gbedoxɔa tutu gɔme.

Gbedoxɔa nye Helatɔwo ƒe xɔtuɖaŋudɔ kpɔdzidzedze aɖe. Womezã kpe xɔasi sesẽ tsɔ tso kpe gãwo tu xɔ gã ma tɔgbe kpɔ o. Wotɔ dzo gbedoxɔ ma le ƒe 356 D.M.Ŋ. me. Gbedoxɔ si wogbugbɔ tu si nya kpɔ abe gbãtɔa ene la na amewo kpɔ dɔ wɔ eye wònye teƒe vevi si amewo zɔa mɔ yina va subɔna le. Kpo gbadza si ƒe kekeme nye meta 73 eye eƒe didime nye meta 127 dzie wogbugbɔ tu gbedoxɔ si ƒe kekeme anɔ meta 50 eye eƒe didime anɔ meta 105 la ɖo. Wobu gbedoxɔa be enye nu wɔnuku adre siwo le xexeame la dometɔ ɖeka. Ke hã menye amesiamee kpɔ dzidzɔ ɖe eŋu o. Xexemenunyala Heracleitus si tso Efeso la tsɔ mɔ doviviti si dzi wotona yia vɔsamlekpuia gbɔ la sɔ kple alesi nuvlowɔlawo lɔ̃a viviti me nɔnɔe, eye wògblɔ be amesiwo nɔa gbedoxɔa me ƒe agbenɔnɔ me dzidzenuwo vlo wu lãwo tɔ. Ke hã le ame geɖe gome la, edze abe Diana ƒe gbedoxɔa si le Efeso la magbã akpɔ gbeɖe o ene. Evɔ menye nenemae wòva nɔ le ŋutinya me o. Agbalẽ si nye Ephesos—Der neue Führer (Efeso—Mɔfiala Yeye La) gblɔ be: “Kaka ƒe alafa evelia naɖo la, Diana kple mawu bubuawo ƒe subɔsubɔ yi to kura.”

Le ƒe alafa etɔ̃lia M.Ŋ. me la, anyigba ʋuʋu sesĩe le Efeso. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Gothtɔ ƒudzidɔwɔla adzoblasu siwo tso Ƒuyibɔa gbɔ va lɔ kesinɔnu gbogbo siwo nɔ Diana ƒe gbedoxɔa me dzoe eye wotɔ dzo gbedoxɔa. Agbalẽ si ŋu nya míegblɔ fifi laa gblɔ be: “Esi Diana mete ŋu kpɔ eya ŋutɔ nɔƒe ta o si na woɖu edzi nenema ɖe, aleke woagate ŋu abui be enye dugã la ta kpɔla?”—Psalmo 135:15-18.

Mlɔeba le ƒe alafa enelia M.Ŋ. ƒe nuwuwu lɔƒo la, Fiagã Theodosius I ɖo “Kristotɔnyenye” Dukɔa ƒe subɔsubɔe. Eteƒe medidi o wote Diana ƒe gbedoxɔ xɔŋkɔa ƒe kpe siwo wotsɔ tui la gbagbã tsɔ tu xɔwoe. Diana subɔsubɔa nu yi keŋkeŋ. Ame aɖe si ŋkɔ womeyɔ o si kpɔ nusi dzɔ teƒe gblɔ tso nya si wotsɔ kafua gbedoxɔa be enye blema xexeame ƒe nukunuwo dometɔ ɖeka ŋu be: “Fifia ya teƒea zu aƒedo eye naneke megale afima o.”

Diana Trɔ Zu “Mawu Dada”

Paulo xlɔ̃ nu Efeso hamemegãwo be le yeƒe dzodzo megbe la, “amegãxi nyanyrawo” aɖo wo dome, amesiwo atsi tre tso wo dome ‘agblɔ nya dadawo.’ (Dɔwɔwɔwo 20:17, 29, 30) Nu ma tututue va dzɔ. Nudzɔdzɔwo ɖee fia be alakpasubɔsubɔ si nye xɔsegbegbe tso Kristotɔnyenye gbɔ va yi edzi le Efeso.

Le ƒe 431 M.Ŋ. me la, wowɔ subɔsubɔhawo ƒe sewɔtakpekpe etɔ̃lia le Efeso eye wodzro Kristo ƒe nɔnɔme me le afima. Ephesos—Der neue Führer ɖe nu me be: “Alexandriatɔ siwo gblɔna be Mawu ƒe nɔnɔme me koe Yesu nɔ la kpɔ dziɖuɖu . . . keŋkeŋ ɣemaɣi.” Nu geɖe ŋutɔe do tso eme. “Menye ɖeko nyametsotso si wowɔ le Efeso tsɔ do Maria ɖe dzi tso Kristo dada nyenye dzi wòva zu Mawu dada la he Maria subɔsubɔ vɛ ko o, ke ena mama gã aɖe va sɔlemeha la me zi gbãtɔ. . . . Nyaʋiʋli sia li vaseɖe egbe.”

Eyata Maria, “Mawu dada” ƒe subɔsubɔ va xɔ ɖe Cybele kple Diana subɔsubɔ teƒe. Abe alesi agbalẽa gblɔe ene la, “Maria Subɔsubɔ si dze egɔme le Efeso . . . kpɔtɔ nye kɔnu siwo wowɔna vaseɖe egbegbe, eye wòdo ƒome kple Diana Subɔsubɔ.”

Ezu Ŋutinya si Woŋlɔ Be

Esi Diana subɔsubɔ nu yi megbee Efeso-dua gbã. Anyigbaʋuʋuwo, asrãdɔ, kple ba siwo va xe melidzeƒea vivivi na agbenɔnɔ le dugã la me va sesẽ ɖe edzi.

Kaka ƒe alafa adrelia M.Ŋ. naɖo la, Islam subɔsubɔa dze ta keke gɔme le afima ŋutɔ. Menye ɖe Islam subɔsubɔ na ɖekawɔwɔ va nɔ Arab-to geɖe me tɔ siwo xɔa eƒe nufiafia dzi sena dome ko o. Adzoha siwo nye Arab-to geɖe me tɔwo nɔ tɔdziʋu gbogbo siwo nu aʋafia ɖeka nɔna me va nɔ adzo dam le Efeso le ƒe alafa adrelia kple enyilia M.Ŋ. katã me. Efeso gbã mlɔeba esime eƒe melidzeƒea va xe keŋkeŋ eye dugã la zu aƒedo. Nusi woakpɔ le nuto gã ma si kpɔ dzidzedze tsã me fifia koe nye teƒe sue aɖe si amewo le si woyɔ be Aya Soluk (woyɔnɛ fifia be Selçuk).

Tsaɖiɖi le Afisi Efeso Nɔ Tsã

Woate ŋu akpɔ alesi nu dze edzi na Efeso kpɔ ne woɖi tsa yi eƒe dudoa me. Ne èdze wò tsaɖiɖia gɔme tso dzigbegboa nu la, àkpɔ nu nyakpɔ siwo le Curetes-mɔ dzi vaseɖe Celsus-agbalẽdzraɖoƒea. Le mɔa ƒe ɖusikpa dzi la, màdo kpo Romatɔwo kple Helatɔwo ƒe fefewɔƒe aɖe si wotu le ƒe alafa evelia M.Ŋ. me la kpɔkpɔ o. Esi ame 1,500 ye te ŋu nɔa fefewɔƒea ta la, menye aɖaŋuɖotakpeƒe koe wònye o, ke teƒe siae dua me tɔwo va ɖea modzaka hã le. Xɔ siwo dometɔ ɖeka nye takpeƒe gã aɖe si me wodzroa nya siwo ku ɖe Dukɔa ŋu me le, Hadrian ƒe gbedoxɔ, duvudo aɖewo, to ŋuti xɔwo—siwo nye Efesotɔ ame ŋkutawo ƒe aƒewo—lae le Curetes-mɔa ƒe akpa eveawo.

Celsus-agbalẽdzraɖoƒe nyui si wotu le ƒe alafa evelia M.Ŋ. me la anya kpɔ na wò ŋutɔ. Woɖo agbalẽxatsaxatsa gbogbo siwo le agbalẽdzraɖoƒe ma la ɖe ɖoɖo nu. Woŋlɔ nɔnɔme vevi ene siwo wòle be woanɔ Roma dziɖuɖudɔwɔlawo ƒe amegã abe Celsus ene si ɖe kpetata ene siwo le agbalẽdzraɖoƒea ƒe gli ŋu dzi, woawoe nye: Sophia (nunya), Arete (nudzeamewɔwɔ), Ennoia (ɖokuitsɔtsɔna), kple Episteme (sidzedze alo nugɔmesese). Woate ŋu akpɔ kpetata gbãtɔawo le Efeso Blemanudzraɖoƒe si le Vienna. Asi si le Dzogoe Ene me ƒe agbo gã aɖe le agbalẽdzraɖoƒea xa. Gbadzaƒe gã sia si afɔtoƒe siwo tame wogba ƒo xlãe le lae ameawo tsaa woƒe asi vovovowo le.

Esia megbe la àva ke ɖe Marble-mɔ si dzi wotona yia dukɔa ƒe fefewɔƒe gã la ŋu. Nukpɔla 25,000 kloe ye nɔa fefewɔƒea le Roma dziɖuɖua ƒe kekeɖenudɔ mamlɛ si wòwɔ megbe. Wotsɔ sɔtiwo kple kpetatawo kpakple kpememewo do atsyã na fefewɔƒea ƒe ŋkume. Àte ŋu akpɔ amehawo ƒe hoowɔwɔ gã si yi edzi esime klosalonutula Demetrio de zi wo dome la le susu me nyuie.

Mɔ si tso takpeƒe gãa yi dugã la ƒe melidzeƒea nya kpɔ ŋutɔ. Eƒe didime anye meta 500 eye eƒe kekeme anye meta 11 eye sɔtiwo le eƒe axawo kple evea. Wotu fefewɔƒea ƒe kamedeƒe kple melidzeƒea ƒe kamedeƒe, afisiwo woxɔa kamedede ŋuti hehe lena la hã ɖe mɔ sia to. Melidzeƒea ƒe agbo gã, afisi wotona yia xexeame ƒe akpa vovovowo la le mɔdodoa ƒe nuwuƒe, eye afisiae míewu míaƒe tsaɖiɖi kpuie le xexeame ƒe teƒe dodzidzɔname siwo zu aƒedo ƒe nuwo kpɔkpɔ la nu ɖo. Ʋuƒo aɖe si dzi wota dugã xɔŋkɔ sia kple ŋkuɖodzinu gbogbo aɖewo ɖo la le Efeso Blemanudzraɖoƒe si le Vienna.

Ne èle tsa ɖim le blemanudzraɖoƒea hekpɔ Efesotɔwo ƒe Diana ƒe kpetataa la, wò susu ayi dzi si Kristotɔ gbãtɔ siwo nɔ Efeso do la dzi godoo. Dugã si me tɔwo nyrɔ wo ɖokui ɖe gbɔgbɔyɔyɔ me vĩ eye subɔsubɔ me nazãbubu gbã ŋku na wo la domee wonɔ. Diana subɔlawo tsi tre ɖe Fiaɖuƒegbedasia ŋu vevie. (Dɔwɔwɔwo 19:19; Efesotɔwo 6:12; Nyaɖeɖefia 2:1-3) Subɔsubɔ vavãtɔ li ke le nɔnɔme madeamedzi ma me. Mawu vavã ƒe subɔsubɔ sia agakpɔ dzidzedze ake ne wotsrɔ̃ míaƒe ŋkekea me alakpa subɔsubɔ abe alesi wotsrɔ̃ Diana subɔsubɔ le blemae ene.—Nyaɖeɖefia 18:4-8.

[Map/Picture on page 26]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

MAKEDONIA

Ƒuyibɔ

ASIA SUE

Efeso

Mediterranea-ƒu

EGIPTE

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Diana ƒe gbedoxɔa ƒe glikpo

[Nɔnɔmetata siwo le axa 28, 29]

1. Celsus-agbalẽdzra- ɖoƒea

2. Arete si dzedzem nyuie

3. Marble-mɔ si yi dukɔa ƒe fefewɔƒe gã la