Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mawudɔlawo Nusi Woate Ŋu Awɔ na Mí

Mawudɔlawo Nusi Woate Ŋu Awɔ na Mí

Mawudɔlawo​—Nusi Woate Ŋu Awɔ na Mí

ESI nyagblɔɖila Daniel nɔ nu ƒom tso Mawu ƒe ƒome si me mawudɔlawo le ŋuti ŋutega si wòkpɔ ŋu la, egblɔ be: “Ame akpe teƒe akpe [mawudɔlawo] le [Mawu] subɔm, eye ame akpe ewo teƒe akpe ewo tsi tre ɖe egbɔ.” (Daniel 7:10) Mawunyakpukpui sia gblɔ tameɖoɖo si tae Mawu wɔ mawudɔlawo ɖo. Ðe Mawu wɔ wo be woasubɔ ye ahanɔ dzadzraɖo ɖi na yeƒe sewo dzi wɔwɔ.

Mawu zãna mawudɔlawo le amegbetɔwo ŋuti dɔ aɖewo wɔwɔ me. Míadzro alesi wòzãa wo tsɔ doa ŋusẽ eƒe amewo hekpɔa wo tae, alesi wotsɔ gbedasiwo yi na amegbetɔwoe, kple alesi Mawu na wohe eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ va ame vɔ̃ɖiwo dzii me.

Mawudɔlawo Doa Ŋusẽ Mí Hekpɔa Mía Ta

Gbɔgbɔ me nuwɔwɔwo tsɔ ɖe le ameƒomea me vevie tso esime wokpɔ anyigba la kple ame gbãtɔawo wɔwɔ teƒe. Hafi Yesu Kristo nava anyigba dzi la, eƒo nu abe nunya si zu amegbetɔ ene gblɔ be: “Mekpɔ dzidzɔ le amegbetɔviwo ŋu.” (Lododowo 8:31) Biblia gblɔ na mí hã be nyateƒenya siwo Mawu ɖe fia eƒe nyagblɔɖilawo ku ɖe Kristo kple etsɔme ŋu la “me kpɔkpɔ dzro mawudɔlawo.”—Petro I, 1:11, 12.

Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, mawudɔlawo va kpɔe be ameƒomea me tɔ akpa gãtɔ menɔ wo Wɔla lɔlɔ̃a subɔm o. Anya ve mawudɔla wɔnuteƒeawo ŋutɔ! Gake ne nuvɔ̃wɔla aɖe trɔ dzime hetrɔ va Yehowa gbɔ la, ‘enyea dzidzɔ na mawudɔlawo.’ (Luka 15:10) Mawusubɔlawo ƒe nyonyo le vevie na mawudɔlawo, eye Yehowa zãna wo edziedzi tsɔ doa ŋusẽ esubɔla wɔnuteƒewo hekpɔa wo ta le anyigba dzi. (Hebritɔwo 1:14) Mina míadzro eƒe kpɔɖeŋu aɖewo me kpɔ.

Mawudɔla eve kpe ɖe ame dzɔdzɔe Lot kple vianyɔnuviawo ŋu esi wolé woƒe alɔ nu kplɔ wo do goe esi wogbɔna dugã eve siwo nye Sodom kple Gomora tsrɔ̃ ge. * (Mose I, 19:1, 15-26) Ƒe alafa geɖewo megbe la, wotsɔ nyagblɔɖila Daniel ƒu gbe ɖe dzatawo ƒe do me, gake nuvevi aɖeke mewɔe o. Nukatae? Daniel gblɔ be: “Nye Mawu dɔ eƒe dɔla ɖa wòde ga nu na dzatawo.” (Daniel 6:23) Mawudɔlawo kpe ɖe Yesu ŋu le eƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa gɔmedzeɣi. (Marko 1:13) Esi wòsusɔ vie Yesu naku la, mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fiae eye ‘wòdo ŋusẽe.’ (Luka 22:43) Mawudɔla ma ƒe kpekpeɖeŋu si wòna Yesu le eƒe agbe me ɣeyiɣi vevi ma me anya de dzi ƒo nɛ ŋutɔ lo! Mawudɔla aɖe hã ɖe apostolo Petro le gaxɔ me.—Dɔwɔwɔwo 12:6-11.

Ðe mawudɔlawo kpɔa mía ta egbea? Ne míesubɔa Yehowa abe alesi eƒe Nya fiae ene la, ke kakaɖedzi anɔ mía si be eƒe dɔla sẽŋuawo akpɔ mía ta. Biblia do ŋugbe be: “Yehowa ƒe dɔla ƒua asaɖa anyi ɖe amesiwo vɔ̃nɛ la ŋu, eye wòhea wo doa goe.”—Psalmo 34:8.

Gake ele be míade dzesii be Mawu koŋ ye mawudɔlawo tsɔa dɔ na, ke menye amegbetɔwo o. (Psalmo 103:20, 21) Mawu ƒe mɔfiamewo dzie wowɔna ɖo, menye amegbetɔwo ƒe gbeɖeɖe alo didiwo o. Eyata Yehowa Mawu gbɔe wòle be míabia kpekpeɖeŋu tso, ke menye mawudɔlawo o. (Mateo 26:53) Le nyateƒe me la, esi míekpɔa mawudɔlawo o ta la, míate ŋu anya alesi gbegbe Mawu zãa woe le mɔ vovovowo nu tsɔ naa kpekpeɖeŋu amegbetɔwoe o. Ke hã, míenya be Yehowa ‘doa ŋusẽ amesiwo ku ɖe eŋu kple woƒe dzi blibo.’ (Kronika II, 16:9; Psalmo 91:11) Eye kakaɖedzi le mía si be “ne míebia nane le [Mawu ƒe] lɔlɔ̃nu la, aɖo to mí.”—Yohanes I, 5:14.

Ŋɔŋlɔawo gblɔ na mí hã be Mawu ɖeɖe koe wòle be míado gbe ɖa na ahasubɔ. (Mose II, 20:3-5; Psalmo 5:2, 3; Mateo 6:9) Mawudɔla wɔnuteƒewo dea dzi ƒo na mí be míawɔe nenema. Le kpɔɖeŋu me, esi apostolo Yohanes di be yeade ta agu na mawudɔla aɖe la, mawudɔla ma ka mo nɛ gblɔ bena: “Kpɔ ɖa, megawɔe o, . . . de ta agu na Mawu ko!”—Nyaɖeɖefia 19:10.

Mawudɔlawo Gblɔna Mawu ƒe Gbedasiwo

Hebri kple Hela gbe me nya siwo gɔme woɖe be “mawudɔla” fia “dɔtsɔla,” eye emae nye mɔ bubu si nu mawudɔlawo subɔa Mawu le—wonye dɔtsɔla siwo wòdɔna ɖe amegbetɔwo gbɔ. Le kpɔɖeŋu me, “Mawu dɔ dɔla Gabriel ɖo ɖe Galilea-du aɖe, si ŋkɔ enye Nazaret la me.” Be wòava wɔ nuka? Be wòagblɔ na ɖetugbi aɖe si ŋkɔe nye Maria be togbɔ be ɖetugbi leaƒee wònye hã la, afɔ fu adzi ŋutsuvi si wòatsɔ ŋkɔ na be Yesu. (Luka 1:26-31) Wodɔ mawudɔla aɖe hã wòva gblɔ na alẽkplɔlawo le gbedzi be wodzi “Kristo, Aƒetɔ la.” (Luka 2:8-11) Nenema kee mawudɔlawo tsɔ gbedasiwo tso Mawu gbɔ yi na Abraham, Mose, Yesu, kple ame bubu siwo ŋuti nya le Biblia me.—Mose I, 18:1-5, 10; Mose II, 3:1, 2; Luka 22:39-43.

Aleke mawudɔlawo tsɔa dɔ na Mawu egbeae? De ŋugble tso dɔ si ŋu nya Yesu gblɔ ɖi be ye yomedzelawo awɔ hafi xexe sia ƒe nuwuwu nava ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu aɖo.” (Mateo 24:3, 14) Yehowa Ðasefowo zãa gaƒoƒo siwo wu biliɔn ɖeka tsɔ ɖea gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia ƒe sia ƒe. Ènya be mawudɔlawo hã kpɔa gome le dɔ sia wɔwɔ mea? Apostolo Yohanes ƒo nu tso ŋutega aɖe si wòkpɔ ŋu be: “Mekpɔ mawudɔla bubu aɖe . . . , eye wòlé nyanyui mavɔ ɖe asi, be yeagblɔ afia anyigbadzinɔlawo kple trɔ̃subɔlawo katã kple to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kpakple dukɔ sia dukɔ.” (Nyaɖeɖefia 14:6, 7) Mawunyakpukpui siae fia dɔ vevi si mawudɔlawo le wɔwɔm na amegbetɔwo egbea.

Kpeɖodziwo le Yehowa Ðasefowo si, siwo fia be mawudɔlawo le mɔ fiam wo le gbeƒãɖeɖedɔ si wowɔna tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu la me. Zi geɖe la, wova kena ɖe ame aɖewo ŋu, eye ɖeko wodo gbe ɖa be ame aɖe neva kpe ɖe yewo ŋu yewoase Mawu ƒe tameɖoɖowo gɔme vɔ koe nyea ema. Mawudɔlawo ƒe mɔfiame kple Ðasefoawo ŋutɔ ƒe gbeƒãɖeɖedɔ si wowɔna wɔnɛ be ame gbogbo aɖewo va dzea si Yehowa ƒe sia ƒe. Neva eme be agbeɖeɖedɔ sia si mawudɔlawo le mɔ fiamee la nàɖe vi na wò.

Mawudɔlawo Hea Mawu ƒe Ʋɔnudɔdrɔ̃ Vanɛ

Togbɔ be womeɖe mɔ na mawudɔlawo be woadrɔ̃ ʋɔnu amegbetɔwo o hã la, menye nukpɔlawo koe wonyena o. (Yohanes 5:22; Hebritɔwo 12:22, 23) Mawu na wotsrɔ̃ amesiwo wòdrɔ̃ ʋɔnui la le blema. Le kpɔɖeŋu me, Mawu zã mawudɔlawo tsɔ wɔ avu tsi tre ɖe Egiptetɔwo, siwo gbe be yewomaɖe asi le Israel-viwo ŋu woadzo le aboyo me o la ŋu. (Psalmo 78:49) Eye zã ɖeka mee “Yehowa ƒe dɔla” wu asrafo akpe alafa ɖeka blanyi vɔ atɔ̃ le Mawu ƒe futɔwo ƒe asaɖa me.—Fiawo II, 19:35.

Mawudɔlawo ahe Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ava amewo dzi le etsɔme hã. Yesu ava “kple eƒe ŋusẽ ƒe dɔlawo ƒe ɖeɖefia tso dziƒo la me le dzo ƒe aɖe me, esime wòabia hlɔ̃ amesiwo menya Mawu o kple amesiwo meɖoa to . . . nyanyui la o.” (Tesalonikatɔwo II, 1:7, 8) Gake amesiwo mele to ɖom gbedasi si mawudɔlawo le megbe na wole gbeƒã ɖemee le anyigba dzi godoo fifia o la koe atsrɔ̃. Womawɔ nuvevi aɖeke amesiwo dia Mawu hewɔna ɖe nufiafia siwo le Ŋɔŋlɔawo me dzi ya o.—Zefanya 2:3.

Ele be míada akpe ɖe mawudɔla wɔnuteƒe, siwo wɔa Mawu ƒe mɔfiamewo dzi ɣesiaɣi ta lo! Yehowa zãa wo tsɔ kpena ɖe esubɔla wɔnuteƒewo ŋu hekpɔa wo ta le anyigba dzi. Nya sia faa akɔ na mí ŋutɔ elabena gbɔgbɔ makɔmakɔ siwo woyɔna be gbɔgbɔ vɔ̃ siwo dina be yewoawɔ nuvevi mí hã li.

Gbɔgbɔ Vɔ̃wo—Amekawoe Wonye?

Le ƒe 1,500 siwo va yi le Satana ƒe Xawa beble le Eden-bɔa me megbe la, Mawu ƒe ƒomea me tɔ mawudɔlawo kpɔe be Satana Abosam te ŋu trɔ amewo katã ɖa tso Mawu gbɔ, negbe nuteƒewɔla ʋɛ aɖewo, abe Habel, Henox, kple Noa, ko. (Mose I, 3:1-7; Hebritɔwo 11:4, 5, 7) Mawudɔlawo aɖewo hã dze Satana yome. Biblia gblɔ tso wo ŋu be wonye gbɔgbɔ siwo sẽ to “le Noa ƒe ŋkekeawo me.” (Petro I, 3:19, 20) Alekee woƒe tosesẽa wɔ va dze gaglã?

Le Noa ƒe ŋkekea me la, mawudɔla dzeaglã siwo ƒe xexlẽme womeyɔ o dzo le dziƒo le Mawu gbɔ va anyigba dzi eye wodo amegbetɔ ŋutilã. Nukata? Elabena wodi be yewoadɔ kple nyɔnuwo. Nusi do tso emee nye be wodzi vi siwo woyɔna be Nefilimwo, amesiwo va zu ame kako ŋutasẽlawo. Gawu la, “amegbetɔwo ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi va sɔ gbɔ le anyigba dzi, eye woƒe tamesusuwo kple dzimedidiwo nye vɔ̃ ko ɖaa.” Gake Yehowa Mawu meɖe mɔ be woayi edzi agblẽ ameƒomea dome o. Ehe xexeame katã ƒe Tsiɖɔɖɔ aɖe vɛ si tsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo katã kple Nefilimawo. Amesiwo ko woxɔ ɖe agbee nye mawusubɔla wɔnuteƒewo.—Mose I, 6:1-7, 17; 7:23.

Mawudɔla dzeaglãwo si dzo, eyata woawo ya metsrɔ̃ le Tsiɖɔɖɔa me o. Woɖe asi le amegbetɔ ŋutilã, siwo wodo la ŋu eye wotrɔ yi gbɔgbɔ me nutowo me. Tso ɣemaɣi la, woyɔa wo be gbɔgbɔ vɔ̃wo. Satana Abosam, amesi woyɔna be “gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia” la ƒe akpa dzie wole. (Mateo 12:24-27) Gbɔgbɔ vɔ̃wo dina be amegbetɔwo nasubɔ yewo abe alesi woƒe fiaa hã dinɛ ene.

Gbɔgbɔ vɔ̃wo menyo kura o, gake mele be míavɔ̃ wo o. Seɖoƒe le woƒe ŋusẽ ŋu. Esime mawudɔla dzeaglãwo trɔ yi dziƒo la, womeɖe mɔ na wo be woaganɔ Mawu ƒe dɔla wɔnuteƒeawo ƒe ƒomea me o. Ke boŋ kadodo aɖeke megale woa kple Mawu dome o, eye etsɔme nyui aɖeke hã mele wo si o. Le nyateƒe me la, wosika wo ɖe viviti tsiɖitsiɖi me. (Petro II, 2:4) Yehowa ‘tsɔ kɔsɔkɔsɔ mavɔwo bla wo,’ ale be woanɔ vivitia me. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, fifia ya womagate ŋu ado amegbetɔ ŋutilã o.—Yuda 6.

Nukae Wòle Be Nàwɔ?

Ðe gbɔgbɔ vɔ̃wo gakpɔa ŋusẽ ɖe amegbetɔwo dzia? Ẽ, wokpɔa ŋusẽ ɖe amegbetɔwo dzi to ‘aɖaŋu vɔ̃’ siwo Satana Abosam, woƒe fia, zãna la ŋudɔwɔwɔ me. (Efesotɔwo 6:11, 12) Gake ne míewɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo siwo le Mawu ƒe Nyaa me dzi la, míate ŋu anɔ te sesĩe ɖe gbɔgbɔ vɔ̃awo nu. Gawu la, amesiwo lɔ̃a Mawu va nɔa mawudɔla sẽŋuwo ƒe ametakpɔkpɔ te.

Ele vevie ŋutɔ be nàsrɔ̃ Mawu ƒe nudidi siwo le Ŋɔŋlɔawo me ahawɔ ɖe nusiwo nèsrɔ̃ dzi lo! Àgate ŋu asrɔ̃ nu geɖe le Biblia me ne èdi Yehowa Ðasefo siwo le mia gbɔ alo nèŋlɔ agbalẽ na magazine sia talawo. Adzɔ dzi na wo be yewoasrɔ̃ Biblia kpli wò femaxee le ɣeyiɣi si sɔ na wò dzi.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 7 Biblia ƒo nu tso mawudɔlawo ŋu be wonye ŋutsuwo. Ŋutsuwoe wonye dze amewo kpɔ ɣesiaɣi.

[Aɖaka si le axa 6]

MAWUDƆLAWO—ÐOÐO SI NU WOLE

Yehowa ɖo mawudɔlawo ƒe ƒome gã si le esi ale:

Mawudɔla si ŋu ŋusẽ le wue nye Mixael, mawudɔlagã la, alo Yesu Kristo. (Tesalonikatɔwo I, 4:16; Yuda 9) Serafiwo, kerubiwo, kple mawudɔla bubuwo subɔna le eyama te.

Serafiwo le ɖoƒe kɔkɔ aɖe le Mawu ƒe ɖoɖowo me. Woawoe nye mawudɔla siwo nɔa Mawu ƒe fiazikpuia ŋu. Woƒe dɔdasiawo dometɔ aɖewoe nye be woaɖe gbeƒã Mawu ƒe kɔkɔenyenye ahakpɔ egbɔ be eƒe amewo le dzadzɛ le gbɔgbɔ me.—Yesaya 6:1-3, 6, 7.

Kerubiwoe nɔa Mawu ƒe fiazikpuia ŋu henɔa Yehowa ƒe fianyenye ƒe bubu kafum.—Psalmo 80:2; 99:1; Xezekiel 10:1, 2.

Mawudɔla bubuawo nye Yehowa teƒenɔlawo eye wowɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu.

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

Mawudɔlawo kplɔ Lot kple vianyɔnuviawo do yi afisi le dedie

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Esime apostolo Yohanes di be yeade ta agu na mawudɔla aɖe la, egblɔ nɛ be: “Megawɔe o”

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Mawudɔlawo hea Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ vanɛ

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Gbeƒãɖeɖedɔ si mawudɔlawo le alɔ domee la le vi ɖem na wòa?