Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Lãwo Doa Kɔkɔ Yehowa

Lãwo Doa Kɔkɔ Yehowa

Lãwo Doa Kɔkɔ Yehowa

YEHOWA ƒe gãnyenye dze ƒã le lãwo dome. Mawu léa be na lãwo, abe alesi ko wòkpɔa ameƒomea dzii ene. (Psalmo 145:16) Ðe manye nu gbegblẽ be ame nanɔ vodada dim le Amesi wɔ woawo kple míawo siaa ŋu oa? Togbɔ be Hiob nye ame dzɔdzɔe hã la, “ebu eɖokui dzɔdzɔetɔe wu Mawu.” Eyata eva hiã be woafia nu Hiob!—Hiob 32:2; 33:8-12; 34:5.

Kpɔɖeŋu siwo ku ɖe lã aɖewo ŋu na Hiob kpɔe be amegbetɔ mekpɔ mɔ aʋli nya le Mawu ƒe mɔwo ŋu kura o. Ne míedzro nya siwo Mawu gblɔ na esubɔla Hiob me la, ema me akɔ na mí nyuie.

Womehiã Amegbetɔ Aɖeke ƒe Kpekpeɖeŋu O

Hiob mete ŋu ɖo nya siwo Mawu biae tso lãwo ƒe agbenɔnɔ ŋu la ŋuti o. (Hiob 38:39-41) Nyateƒee, Yehowa mebiana amegbetɔ aɖeke be wòakpe ɖe ye ŋu yewoadi nuɖuɖu na dzata kple akpaviã o. Togbɔ be akpaviã dzona le ya me nɔa nuɖuɖu dim hã la, Mawu gbɔe wòkpɔa eƒe nuɖuɖu tsona.—Luka 12:24.

Esi Mawu bia nya Hiob tso gbemelãwo ŋu la, mete ŋu ɖo eŋu o. (Hiob 39:1-8) Amegbetɔ aɖeke mate ŋu akpɔ agamegbɔ̃, alo gbɔ̃ siwo nɔa towo dzi, kple zinɔ ta o. Màte ŋu agogo agamegbɔ̃wo hã oa! (Psalmo 104:18) Lãmenusese si Mawu na zinɔ ye nana wòɖea eɖokui ɖe aga yia ave me ne ele vi dzi ge. Eléa be na viawo, gake ne ‘ŋusẽ ɖo’ wo ŋu ko la, “wodzona, eye womegagbɔna vaa [egbɔ] o.” Tso ɣemaɣi ko la, wova nɔa wo ɖokui si.

Gbetedzi nɔa tsa ɖim le dziɖeɖi me, henɔa dzogbe. Hiob mate ŋu azã gbetedzi atsɔ akɔ agbae abe alesi wòazã aƒeme tedzi ene o. Edia “gbe mumu ɖesiaɖe,” henɔa tsa ɖim le togbɛwo dzi hena gbeɖuɖu. Lã sia maxa ɖe nusi wòakpɔ aɖu bɔbɔe le ame dome ta atsɔ eƒe ablɔɖe adzra o. “Du me howɔwɔ le kokoe ɖim nɛ,” elabena gbetedzi sina dzona kaba ne ame gogo afisi wòle.

Azɔ Mawu yɔ tò. (Hiob 39:9-12) Eŋlisiawo ƒe tomenukula Austen Layard ŋlɔ tso eŋu be: “Tò ƒe nɔnɔme siwo amewo kpana zi geɖe la ɖee fia be wobui be eɖi vɔvɔ̃ hewɔa adã abe dzata ke ene. Zi geɖe la, wokpɔa fia wònɔa avu wɔm kplii, eye aʋawɔlawo nɔa sɔwo dzi alo toa afɔ nyãnɛ ɖe nu.” (Nineveh and Its Remains, 1849, Babla 2, axa 326) Ke hã, nunyala aɖeke mete ŋu de ka tò deamenua haɖe o.—Psalmo 22:22.

Nuwɔwɔ Toaʋalawo Doa Kɔkɔ Yehowa

Azɔ Mawu bia nya Hiob tso nuwɔwɔ toaʋalawo ŋu. (Hiob 39:13-18) Damixe zãna eƒe aʋala sesẽawo tsɔ dzona yia yame ʋĩ. (Yeremya 8:7) Togbɔ be golo alo tsatsaboli ƒoa aʋala hã la, mete ŋu dzona o. Tsatsaboli meɖɔa azi ɖe atɔ me le ati dzi abe damixe ene o. (Psalmo 104:17) Eɖea do ɖe ke me hetsɔa eƒe aziwo dea afima. Gake xe sia medzona le aziawo gbɔ o. Exea ke ɖe aziawo dzi, si nana wokpɔa dzoxɔxɔ si hiã, eye atsu kple asia ƒe ŋku nɔa wo ŋu.

Ne tsatsaboli kpɔ be afɔku aɖe gbɔna la, esina, eye esia adze abe ɖe “nunya bu ɖee” ene. Gake An Encyclopedia of Bible Animals [Biblia me Lãwo Ŋuti Numekugbalẽ Aɖe] gblɔ be: “Aɖaŋu boŋue wònye wòzãna: [tsatsaboli] aƒo aʋala be woakpɔ ye, ale be lã alo amegbetɔ si gbɔna nu gblẽ ge le aziawo ŋu la ƒe susu natrɔ ɖe eyama boŋ ŋu, ale be wòana woate ɖa le aziawo ŋu.”

Aleke tsatsaboli “[koa] sɔ kple edola”? The World Book Encyclopedia gblɔ be: “Tsatsaboli mete ŋu dzona o, gake eƒua du le anyigba ŋutɔ. Eƒe afɔwo didi ale gbegbe be meta 4 kple afã kloe ye nye eƒe afɔɖeɖe ɖeka, eye ate ŋu aƒu du kilometa 64 le gaƒoƒo ɖeka me.”

Mawu na Ŋusẽ Sɔ

Azɔ Mawu bia nya Hiob tso sɔ ŋu. (Hiob 39:19-25) Le blemaɣeyiɣiwo me la, sɔwo dzie aʋawɔlawo nɔna wɔa aʋa, eye sɔwo hea tasiaɖam siwo me ekula kple ɖewohĩ asrafo eve nɔna. Esi avuwɔwɔa mele tsɔtsɔm na sɔ si wozãna le aʋa me o ta la, enɔa xɔxlɔ̃m hetsɔa eƒe afɔkliwo nɔa anyigba tum sesĩe. Mevɔ̃na o, eye mehena ɖe megbe ne ekpɔ yi o. Ne woku kpẽ la, aʋawɔsɔ wɔa nu abe ɖe wòle gbɔgblɔm ene be, “Eɖo dzi loo!” Enɔa kpo tim yia ŋgɔ henɔ ‘anyigba kam.’ Ke hã, aʋawɔsɔ ɖoa to amesi le edom la ƒe gbe.

Tomenukula Layard ŋlɔ tso etɔgbe aɖe ŋu be: “Togbɔ be Arabiatɔwo ƒe sɔnɔ si woyɔna be Arab fa abe alẽ ene, eye numega koe hiã be woatsɔ afia mɔe hã la, ne ese nutoa me tɔwo ƒe aʋaɣli, eye wòkpɔ alesi edola le eƒe akplɔ nyẽmee la, ekema eƒe ŋku biãna, ekea eƒe ŋɔti siwo biã abe ʋu ene la voyaa, etrɔa eƒe kɔ gobaa, eye wòdoa eƒe asike kple kɔdza ɖe dzi wokpea ya.”—Discoveries Among the Ruins of Nineveh and Babylon, 1853, axa 330.

Bu Aʋako Kple Hɔ̃ Ŋu Kpɔ

Yehowa trɔ susu ɖe xe bubuwo ŋu. (Hiob 39:26-30) Aʋako ‘dzona, eye wòkekea eƒe aʋala ɖona ɖe ya nu.’ Agbalẽ si nye The Guinness Book of Records gblɔ tso aʋako ƒomevi aɖe si tsaa tsaglãla ŋu be eyae nye xe si ƒua du wu le ya me, eye wògblɔ be “eɖoa eƒe duƒuƒu ƒe sesẽaƒe ne ele ɖiɖim tso ya me ʋĩ, alo ne ele nane lé ge le ya me.” Xevi sia ƒua du kilometa 349 le gaƒoƒo ɖeka me!

Hɔ̃ ƒua du kilometa 130 le gaƒoƒo ɖeka me. Hiob tsɔ alesi agbea nu va yina kabakaba la sɔ kple hɔ̃ si le nane dim be yealé la ƒe duƒuƒu. (Hiob 9:25, 26) Mawu nana ŋusẽ mí be míado dzi, abe ɖe wòkɔ mí ɖe hɔ̃ si le dzodzom la ƒe aʋala siwo wòwɔ abe nu metia kɔ na gbeɖe o la dzi ene. (Yesaya 40:31) Ne hɔ̃ le dzodzom la, ezãna ya xɔdzo si ƒona yia dzi tẽ. Xevi sia nɔa xlã ƒom le ya xɔdzoa me, si wɔnɛ be ya la kɔnɛ yia dzi ʋĩ. Ne hɔ̃a va ɖo kɔkɔƒe si sɔ la, edzona dzea ya xɔdzo bubu dzi, eye ate ŋu anɔ ya me gaƒoƒo geɖe evɔ ŋusẽ sue aɖe koe wòazã.

Hɔ̃ ‘wɔa eƒe atɔ ɖe kɔkɔƒe’ le teƒe siwo gbɔ ɖoɖo sesẽ, ale be viawo nanɔ dedie. Yehowa wɔ hɔ̃ kple lãmenusese si na wòwɔa nu nenema. Eye le nukpɔkpɔ ƒe ŋutete si Mawu na hɔ̃ ta la, “eƒe ŋku kpɔa keke didiƒe ke.” Ŋutete si le hɔ̃ si be wòatrɔ eƒe ŋku ɖe nukpɔkpɔ ŋu kaba la nana eƒe ŋku nɔa nusi wòdi be yealé alo nu kuku aɖe si wòkpɔ le keke teƒe didi aɖe la ŋu ne ele agba ɖim. Hɔ̃ ɖua lã kukuwo; ema tae “afisi ame tsiaʋawo le la, afima wònɔna.” Xe sia léa lã suewo tsɔ yina na viawo woɖuna.

Yehowa Ka Mo na Hiob

Hafi Mawu nagabia nya bubuwo tso lãwo ŋu la, eka mo na Hiob. Aleke Hiob wɔ nui? Ebɔbɔ eɖokui eye wòlɔ̃ faa xɔ aɖaŋuɖoɖo bubuwo.—Hiob 40:1-14.

Míate ŋu asrɔ̃ nu vevi aɖe le Hiob ƒe agbe me nuŋlɔɖi si gbɔgbɔ na woŋlɔ la ƒe akpa sia. Eyae nye esi: Susu aɖeke meli si ta ame aɖe adi vodada le Ŋusẽkatãtɔ la ƒe nuwɔna ŋu o. Ele be míaƒe nuƒoƒo kple nuwɔnawo nadze mía Fofo si le dziƒo la ŋu. Gawu la, nusi wòle be wòanɔ vevie na mí wue nye Yehowa ƒe ŋkɔ kɔkɔe la ŋuti kɔkɔ kple eƒe dziɖulanyenye ta ʋiʋli.

Tɔmenyi Kɔa Mawu Ŋuti

Mawu gatrɔ eƒe susu ɖe lãwo ŋu ake hebia nya Hiob tso tɔmenyi ŋu. (Hiob 40:15-24) Tɔmenyi tsitsi ate ŋu adidi meta 4 vaseɖe 5, eye eƒe kpekpeme ate ŋu ade kilogram 3,600 sɔŋ. Tɔmenyi ƒe “ŋusẽ le eƒe ali me”—siwo nye lãmeka siwo le eƒe dzime. Agbalẽ titri si le tɔmenyi, si ƒe afɔwo medidi o, ƒe ƒodo ŋu la kpena ɖe eŋu ne ele eɖokui tem to kpewo dzi le tɔwo me. Nyateƒee, amegbetɔ aɖeke mede tɔmenyi nu le eƒe lolome, eƒe nu lokpoo, kple eƒe glãƒu sesẽawo gome o.

Tɔmenyi dona tsoa tɔ me va ɖua “gbe.” Mèhenya o ɖe, ehiã be wòaɖu gbe siwo katã le to blibo aɖe dzi la hafi akpɔ ŋusẽ! Gbe si wòɖuna gbesiagbe ƒe kpekpeme ade kilogram 90 vaseɖe 180 si sɔ kple mɔli kotoku gã eve vaseɖe ene kloe ƒe kpekpeme. Ne tɔmenyi ɖi ƒo vɔ la, ekema eva mlɔa anyi ɖe aguŋgbawo gɔme alo le amutiwo ƒe vɔvɔli te. Ne tɔ si me tɔmenyi le la ɖɔ la, ekema edana ta ɖe tsia ŋgɔ henɔa tsi ƒum dzea ŋgɔ afisi tsiawo tso. Ne wogblɔ na Hiob be wòade ga ŋɔti na tɔmenyi si ƒe nu lokpoo me aɖu sesẽwo le la, maka atsɛ be yeawɔe o.

Lo Kafua Mawu

Azɔ wofia nu Hiob tso lo ŋu. (Hiob 40:25–41:26) Hebrigbe me nya si wozã la fia “lã si ŋu tsro le.” Ðe Hiob ate ŋu alé lo na ɖeviwo be woafe kplia? Gbeɖe! Amesiwo do go lã sia kpɔ la ɖo kpe edzi be ate ŋu ado afɔku ame. Le nyateƒe me la, ne ame aɖe tee kpɔ be yeƒe asi nakpe lo dzi la, ke ɖewohĩ avu ma asesẽ ale gbegbe be madzroe be yeagatee kpɔ ake o!

Ne lo da ta ɖe tsi ŋgɔ le ŋdi me la, eƒe ŋkuwo klẽna “abe agudzedze ƒe aɖabawo ene.” Lo ƒe tsrowo mimi ɖe wo nɔewo ŋu kitikiti, eye ƒu gbadzɛ sesẽwo le eƒe agbalẽ ŋu siwo tukpe mete ŋu ŋɔna o; míagagblɔ yi alo akplɔ ya tɔ o. Lo ƒe ƒodo ŋuti tsro ɖaɖɛwo na wole abe “luƒotasiaɖam” ene le ba me. Eƒe adãwɔwɔ le tsi me nana teƒea nɔna abe ami aɖe si me futukpɔ le ene. Eye le eƒe lolome, eƒe gawu kple aʋawɔnuwo—siwo nye eƒe nume ɖivɔvɔ̃a kple eƒe asike sẽŋua—ta la, lo menya nusi woyɔna be vɔvɔ̃ o.

Hiob Ðe Kuku

Hiob lɔ̃ ɖe edzi be ‘yegblɔ nya, siwo gɔme yemese o, kple nusiwo kɔ wu ye.’ (Hiob 42:1-3) Elɔ̃ Mawu ɖɔe ɖo, eɖe kuku, hetrɔ dzime. Woka mo na ehatiwo, gake woyra eyama ya geɖe.—Hiob 42:4-17.

Ðe nunya mele eme be míanɔ ŋku ɖom nusi teƒe Hiob kpɔ la dzi oa? Ðewohĩ míate ŋu aɖo nya siwo katã Mawu biae la ƒe ɖeke ŋu o. Gake míate ŋu aɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe nuwɔwɔ wɔnuku vovovo geɖe siwo doa kɔkɔ Yehowa ya ŋu, eye ele be míaɖee afia hã.

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Agamegbɔ̃

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Akpaviã

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Dzatanɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 14]

Gbetedzi

[Nɔnɔmetata si le axa 14]

Tsatsaboli zɔna dzona le eƒe aziwo gbɔ, gake medzona le wo gbɔ keŋkeŋ o

[Nɔnɔmetata si le axa 14]

Tsatsabolizi

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Aʋako: © Joe McDonald/Visuals Unlimited

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Aʋako tsaglãlatsala

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Arabia sɔnɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Hɔ̃ si ŋuti le abe sika ene

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Tɔmenyi

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Lo ŋusẽtɔ