Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Migana Mɔ Abosam O

Migana Mɔ Abosam O

Migana Mɔ Abosam O

“Migana mɔnukpɔkpɔ aɖeke Abosam o.”—EFESOTƆWO 4:27, Nubabla Yeye La.

1. Nukatae ame geɖe gblɔna be Abosam meli o?

ƑE ALAFA geɖewoe nye esia si ame geɖe susuna be Abosam to dzo ɖe ta, eƒe afɔtɛme fe, wòdo awu dzĩ, eye wòlé gaflo gã aɖe ɖe asi tsɔ le ame vɔ̃ɖiwo tutum de dzomavɔ aɖe me. Gake Biblia meda asi ɖe nukpɔsusu ma dzi o. Ðikekemanɔmee la, nukpɔsusu totro mawo na be ame miliɔn geɖe gblɔna be Abosam meli o, alo wosusuna be ŋkɔ ma fia vɔ̃ɖinyenye dzro aɖe ko.

2. Nyateƒenya siwo Ŋɔŋlɔawo gblɔ tso Abosam ŋu dometɔ aɖewo ɖe?

2 Biblia yɔ ame aɖe si kpɔ Abosam kpɔ la ƒe nyawo tsɔ ɖo kpe edzi kɔte be enye ame ŋutɔŋutɔ si li. Yesu Kristo kpɔe le dziƒonutowo me, eye wòƒo nu kplii le anyigba dzi hã. (Hiob 1:6; Mateo 4:4-11) Togbɔ be Ŋɔŋlɔawo meyɔ ŋkɔ si nɔ gbɔgbɔ me nuwɔwɔ sia si le gɔmedzedzea me o hã la, wova yɔe be Abosam, (si gɔmee nye “Amegɔmezɔla”) elabena ezɔ Mawu gɔme. Woyɔnɛ hã be Satana (si gɔmee nye “Tsitretsiɖeŋula”) le esi wòtsia tre ɖe Yehowa ŋu ta. Woyɔ Satana Abosam be “da xoxo la”; anye le esi wòto da aɖe dzi ble Xawa tae. (Nyaɖeɖefia 12:9; Timoteo I, 2:14) Ŋkɔ si woganya nɛ ye nye “vɔ̃ɖitɔ la.”—Mateo 6:13. *

3. Nyabiabia ka ŋue míele ŋugble de ge le?

3 Esi míenye Yehowa subɔlawo ta la, míedi be míaɖi Satana, amesi nye Mawu vavã ɖeka kolia ƒe futɔ gãtɔ la, le mɔ aɖeke nu o. Eyata ele be míaɖo to apostolo Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖoa, be: “Migana mɔnukpɔkpɔ aɖeke Abosam o.” (Efesotɔwo 4:27, Nubabla Yeye La) Ekema, Satana ƒe nɔnɔme siwo mele be míasrɔ̃ o dometɔ aɖewo ɖe?

Mègasrɔ̃ Amegɔmezɔla Gãtɔ la ƒe Nɔnɔme O

4. Aleke “vɔ̃ɖitɔ la” zɔ Mawu gɔmee?

4 Esɔ be woyɔ “vɔ̃ɖitɔ la” be Abosam, le esi wònye amegɔmezɔla ta. Amegɔmezɔzɔ nye alakpadada, nya vɔ̃, kple ameŋugblẽnyawo gbɔgblɔ tso ame ŋu. Mawu de se na Adam be: “Ati, si na wodzea si nyui kple vɔ̃ la, megaɖu eya ƒe tsetse aɖeke o; gbesigbe naɖu eƒe ɖe, ku ke naku.” (Mose I, 2:17) Sedede sia nɔ nyanya na Xawa hã, gake Abosam to da aɖe dzi gblɔ nɛ be: “Miele kuku ge akpɔ o; ke boŋ Mawu nyae bena, gbesigbe ke miaɖu eƒe ɖe la, miaƒe ŋkuwo laʋu, eye mianɔ abe Mawu ene, anya nyui kple vɔ̃.” (Mose I, 3:4, 5) Alakpa vɔ̃ɖi ka gbegbee nye ema wòda ɖe Yehowa Mawu si!

5. Nukatae wòsɔ be woahe to na Diotrefo ɖe ameŋugbegblẽ ta?

5 Wode se na Israel-viwo be: “Meganye sakplitɔ nɔ yiyim le wò dukɔ me viwo dome o.” (Mose III, 19:16) Apostolo Yohanes ŋlɔ nu tso eƒe ɣeyiɣia me ameŋugblẽla aɖe ŋu be: “Meŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe hame la; gake Diotrefo, si le didim be, yeaɖo tɔ ɖe wo nu la, mexɔ mí o. Eyata ne meva la, maɖo ŋku eƒe dɔwɔwɔ, siwo wòwɔna kple nya vɔ̃, siwo wònɔa gbɔgblɔm ɖe mía ŋuti la dzi.” (Yohanes III, 9, 10) Diotrefo nɔ ameŋugblẽnyawo gblɔm ɖe Yohanes ŋu, eye esɔ be woahe to nɛ ɖe eta. Ðe Kristotɔ vavã aɖe adi be yeanɔ abe Diotrefo ene, ahaɖi Satana, amegɔmezɔla gãtɔ laa?

6, 7. Nukatae wòle be míatsri amegɔmezɔzɔ?

6 Zi geɖe la, wogblɔa ameŋugblẽnyawo kple aʋatsonutsotsowo ɖe Yehowa subɔlawo ŋu. ‘Nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo tsi tre henɔ Yesu nu tsom vevie.’ (Luka 23:10) Nunɔlagã Anania kple ame bubuwo tso Paulo nu kple aʋatsonyawo. (Dɔwɔwɔwo 24:1-8) Azɔ hã, Biblia ƒo nu tso Satana ŋu be enye “mía nɔviwo nutsola, si nɔa wo nu tsom le Mawu ƒe ŋku me zã kple keli.” (Nyaɖeɖefia 12:10) Kristotɔ amesiamina siwo le anyigba dzi le ŋkeke mamlɛ siawo me lae nye nɔvi siwo nu wotso.

7 Mele be Kristotɔ aɖeke nazɔ ame gɔme alo ada alakpa ɖe ame si o. Gake, ate ŋu adzɔ ne míese nya aɖe me nyuie o hafi ɖu ɖasefo ɖe ame aɖe ŋu. Le Mose ƒe Sea me la, ne ame aɖe ɖoe koŋ ɖi aʋatsoɖase la, woate ŋu awu amenutsola aʋatsotɔa. (Mose II, 20:16; Mose V, 19:15-19) Gawu la, nusiwo nyɔa ŋu na Yehowa dometɔ aɖee nye “amesi ɖua aʋatsoɖasefo hedaa alakpa.” (Lododowo 6:16-19) Eyata míedi vevie be míatsri amegɔmezɔla kple amenutsola gãtɔ la ƒe nuwɔnawo sɔsrɔ̃.

Ƒo Asa na Amewula Gbãtɔ ƒe Mɔwo

8. Mɔ ka nue Abosam nye ‘amewula tso gɔmedzedzea me le’?

8 Amewulae Abosam nye. Yesu gblɔ be: “Eya la amewula wònye tso gɔmedzedzea me.” (Yohanes 8:44) Amewulae Satana nye, elabena ena be Adam kple Xawa trɔ ɖa le Mawu yome le eƒe nuwɔna gbãtɔa me. Ehe ku vɛ na atsu kple asi gbãtɔa kpakple woƒe dzidzimeviwo. (Romatɔwo 5:12) Míate ŋu ade dzesii be ame ŋutɔŋutɔ aɖe koe ate ŋu awɔ nusiawo, ke menye vɔ̃ɖinyenye dzro aɖe ko si le ame me o.

9. Abe alesi Yohanes I, 3:15 ɖee fia ene la, aleke míate ŋu ava zu amewulawoe?

9 Se Ewo siwo wotsɔ na Israel-viwo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Megawu ame o.” (Mose V, 5:17) Apostolo Petro ŋlɔ na Kristotɔwo be: “Mia dome ame aɖeke nagakpe fu abe hlɔ̃dola . . . ene o.” (Petro I, 4:15) Eyata mí Yehowa subɔlawo míawu ame o. Gake, míaɖi ʋufɔ le Mawu ŋku me ne míelé fu hati Kristotɔ aɖe hedi eƒe ku. Apostolo Yohanes ŋlɔ be: “Amesiame, si léa fu nɔvia la, amewula wònye, eye mienya bena, amewula sia amewula mekpɔa agbe mavɔ wònɔa eme o.” (Yohanes I, 3:15) Wode se na Israel-viwo be: “Megalé nɔviwò ɖe dɔ me o.” (Mose III, 19:17) Ne nya aɖe le mía kple nɔvi aɖe dome la, mina míadzra mía nɔewo dome ɖo kaba, bena Satana amewula la nagagblẽ míaƒe Kristotɔwo ƒe ɖekawɔwɔa me o.—Luka 17: 3, 4.

Tsi Tre Sesĩe Ðe Aʋatsokafofo la Ŋu

10, 11. Nukae wòle be míawɔ be míatsi tre sesĩe ɖe aʋatsokala gãtɔ Satana ŋu?

10 Aʋatsokalae Abosam nye. Yesu gblɔ be: “Ne ele aʋatso kam la, eƒoa nu tso eya ŋutɔ ɖokui me, elabena aʋatsokala kple aʋatsokafofo wònye.” (Yohanes 8:44) Satana ka aʋatso na Xawa, gake Yesu ya va xexeame va ɖi ɖase tso nyateƒea ŋu. (Yohanes 18:37) Ele be míatsri aʋatsokaka kple amebeble hafi ate ŋu atsi tre sesĩe ɖe Abosam ŋu abe Kristo yomedzelawo ene. Ele be ‘míato nyateƒe.’ (Zaxarya 8:16; Efesotɔwo 4:25) Ðasefo anukwaretɔwo koe Yehowa, ‘nyateƒe Mawu la’ yrana. Ame vɔ̃ɖi mekpɔ mɔ atsɔ eŋkɔ o.—Psalmo 31:6; 50:16; Yesaya 43:10.

11 Ne míekpɔ dzidzɔ be nyateƒea wɔ mí ablɔɖeviwoe tso Satana ƒe alakpanufiafia me vavã la, ana míalé ɖe Kristotɔnyenye, si nye “nyateƒemɔ la” ŋu goŋgoŋ. (Petro II, 2:2; Yohanes 8:32) Kristotɔwo ƒe nufiafia bliboa ye nye “nyanyui la ƒe nyateƒe” la. (Galatiatɔwo 2:5, 14) ‘Zɔzɔ le nyateƒea me’—si nye nyateƒea me léle ɖe asi goŋgoŋ kple tsitre tsitsi sesĩe ɖe “aʋatsokafofo” la ŋu—dzie míaƒe agbekpɔkpɔ ŋutɔ kura gɔ̃ hã nɔ te ɖo.—Yohanes III, 3, 4, 8.

Tsi Tre Ðe Xɔsegbela Gãtɔ la Ŋu

12, 13. Aleke wòle be míawɔ nu ɖe xɔsegbelawo ŋui?

12 Gbɔgbɔ me nuwɔwɔ si va trɔ zu Abosam la nɔ nyateƒea me kpɔ. Gake Yesu gblɔ be “mele tsitre ɖe nyateƒe la me o, elabena nyateƒe mele eyama me o.” (Yohanes 8:44) Xɔsegbela gbãtɔ sia yi edzi tsia tre ɖe ‘nyateƒe Mawu la’ ŋu. Edze ƒã be woble ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ aɖewo wotra mɔ tso nyateƒe la gbɔ, eye esia na woge ɖe ‘Abosam ƒe mɔ̃tetre’ me. Esia tae Paulo xlɔ̃ nu eƒe hadɔwɔla Timoteo be wòagbe nya na wo le dzigbɔɖeanyi me be woate ŋu ahaya le gbɔgbɔ me eye woado go tso Satana ƒe mɔ̃ si lé wo la me. (Timoteo II, 2:23-26) Le nyateƒe me la, enyo wu sasasã be míalé ɖe nyateƒea ŋu sesĩe be xɔsegbelawo ƒe nufiafia ƒe mɔ̃ nagaɖe mí o.

13 Esi atsu kple asi gbãtɔ ɖo to Abosam eye womegbe eƒe alakpadadawo o ta la, wotrɔ zu xɔsegbelawo. Eyata ɖe nunya le eme be míaɖo to xɔsegbelawo, axlẽ woƒe agbalẽwo, alo anɔ woƒe nyatakakawo xlẽm le Internet dzia? Ne míelɔ̃ Mawu kpakple nyateƒea la, míawɔ nu mawo o. Mele be míaɖe mɔ xɔsegbelawo nage ɖe mía ƒeme, alo míado gbe na wo kura gɔ̃ hã o, elabena nu mawo tɔgbe wɔwɔ ana míazu ‘gome kpɔlawo le woƒe dɔwɔna vɔ̃wo me.’ (Yohanes II, 9-11) Migana Abosam ƒe ayemɔwo nable mí, míaɖe asi le Kristotɔwo ƒe “nyateƒemɔ la” ŋu, ahadze alakpanufialawo yome gbeɖe o, elabena wotsɔna “aʋatsonufiafia si agblẽ nu la” vanɛ hedzea agbagba be ‘yewoakpa alakpanyawo atsɔ akpɔ viɖe le mía ŋu.’—Petro II, 2:1-3, Nubabla Yeye La.

14, 15. Nuxlɔ̃amenya kae Paulo gblɔ na Efeso hamemegãwo kple na eƒe hadɔwɔla Timoteo?

14 Paulo gblɔ na Kristotɔ hamemegã siwo nɔ Efeso la be: “Mikpɔ mia ɖokui kple alẽha blibo la katã, si dzikpɔlawo [gbɔgbɔ] kɔkɔe la ɖo mi la dzi, be mianyi Aƒetɔ ƒe hame, si wòƒle kple ye ŋutɔ ƒe ʋu la. Menya bena, le nye dzodzo megbe la amegãxi nyanyrawo laɖo mia dome, amesiwo makpɔ alẽha la ta o; eye le mia ŋutɔwo dome la ŋutsu, siwo gblɔa nya dadawo la, latsi tre, be woahe nusrɔ̃lawo ɖe wo ɖokui yome.” (Dɔwɔwɔwo 20:28-30) Le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, xɔsegbela mawo va do, eye wogblɔ “nya dadawo.”

15 Le ƒe 65 M.Ŋ. me lɔƒo la, apostoloa xlɔ̃ nu Timoteo be ‘wòama nyateƒenya la me pɛpɛpɛ,’ alo awɔ eŋudɔ nyuie. Paulo ŋlɔ be: “Ke si le dzeɖoɖo ƒuƒlu makɔmakɔwo nu; elabena woayi dzi geɖe wu le mawumavɔ̃mavɔ̃ me, eye woƒe nya la keke ɖe dzi abe abi vɔ̃ ene, amesiwo dome Himenaio kple Fileto wole, amesiwo tre mɔ tso nyateƒe la gbɔ hele gbɔgblɔm bena, tsitretsitsi va yi xoxo, eye wotrɔa ame aɖewo ƒe xɔse tsyɔa anyi.” Ɣemaɣie xɔsegbegbe dze egɔme! Paulo gblɔ kpee be: “Gake la Mawu ƒe gɔmeɖoɖoanyi sesẽ la lia ke.”—Timoteo II, 2:15-19.

16. Togbɔ be ayemɔ geɖe le xɔsegbela gãtɔa si hã la, nukatae míete ŋu kpɔtɔ lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Mawu helé eƒe Nyaa hã me ɖe asi?

16 Satana dze agbagba zã xɔsegbelawo be yeatsɔ agblẽ nu le subɔsubɔ vavãtɔ ŋu, gake medze edzi nɛ o. Le ƒe 1868 me lɔƒo la, Charles Taze Russell dze numekuku wɔwɔ gɔme tso Kristodukɔa ƒe nufiafia siwo dzi woda asi ɖo tso gbaɖegbe ke la ŋu, eye wòva ke ɖe Ŋɔŋlɔawo me nya gbogbo aɖewo siwo ƒe gɔmesese wotro la ŋu. Russell kple ehati nyateƒedila ʋɛ aɖewo ɖo Biblia sɔsrɔ̃ ƒe ƒuƒoƒo aɖe anyi le Pittsburgh, Pennsylvania, United States. Tso ɣemaɣi vaseɖe fifia la, ade ƒe 140, eye Yehowa subɔlawo ƒe sidzedze kple woƒe lɔlɔ̃ na Mawu kpakple eƒe Nya la, dzi ɖe edzi. Togbɔ be ayemɔ geɖe le xɔsegbela gãtɔa si hã la, dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzelaa ƒe ŋudzɔ nɔnɔ le gbɔgbɔ me kpe ɖe Kristotɔ vavã siawo ŋu be wokpɔtɔ lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Yehowa helé eƒe Nyaa hã me ɖe asi.—Mateo 24:45.

Mègana Xexeame Dziɖulaa ƒe Asi Nasu Dziwò Gbeɖe O

17-19. Xexeme kae le Abosam ƒe ŋusẽ te, eye nukatae mele be míalɔ̃e o?

17 Mɔ bubu si dzi Satana gatona trea mɔ̃ na mí ye nye be wòate mí akpɔ be míalɔ̃ xexe sia—si nye ameƒomea si wɔ eɖokui Mawu ƒe futɔe. Yesu yɔ Abosam be “xexeamefia” hegblɔ be: “Mekpɔ naneke le ŋunye o.” (Yohanes 14:30) Migana Satana ƒe asi nasu mía dzi gbeɖe o! Gake míenyae be “xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ [ma si] me.” (Yohanes I, 5:19) Esia tae Abosam te ŋu do ŋugbe na Yesu be yeatsɔ “xexeame fiaɖuƒewo katã” nɛ ne ede ta agu na ye—gake Mawu ƒe Vi la gbe nuwɔna sia gbidii. (Mateo 4:8-10) Xexeme si dzi ɖum Satana le la léa fu Kristo yomedzelawo hã. (Yohanes 15:18-21) Eyata mewɔ nuku o be apostolo Yohanes xlɔ̃ nu mí be míagalɔ̃ xexeame o!

18 Yohanes ŋlɔ be: “Migalɔ̃ xexeame kple nusiwo le eme o. Ne ame aɖe lɔ̃ xexeame la, Fofoa ƒe lɔlɔ̃ mele eme o. Elabena nusianu, si le xexeame: ŋutilã ƒe nudzodzro kple ŋkuwo ƒe ŋubiabiã kple agbe ƒe adegbe ƒuƒlu ƒoƒo la, metso Fofo la gbɔ o, ke boŋ xexeame wotso. Eye xexeame va yina kple eƒe nudzodzrowo; ke amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.” (Yohanes I, 2:15-17) Mele be míalɔ̃ xexeame o, elabena eƒe nuwɔnawo dzroa nuvɔ̃ ŋutilã la, eye etsi tre ɖe Yehowa Mawu ƒe dzidzenuwo ŋu bliboe.

19 Nukae míawɔ ne lɔlɔ̃ na xexe sia dzroa mí? Ke ele be míado gbe ɖa abia kpekpeɖeŋu tso Mawu gbɔ be míate ŋu aɖu lɔlɔ̃ sia kple ŋutilã ƒe nudzodzro siwo nana míetunɛ ɖo la dzi. (Galatiatɔwo 5:16-21) Ne ele susu me na mí be ‘vɔ̃ɖinyenye ƒe gbɔgbɔ siwo’ nye ‘xexe sia me fia siwo’ womekpɔna o, ye le ameƒomea dzi ɖum la, ekema míaʋli sesĩe adzra mía ɖokui ɖo “ɖi maƒomaƒoe tso xexeame.”—Yakobo 1:27; Efesotɔwo 6:11, 12; Korintotɔwo II, 4:4.

20. Nukatae míate ŋu agblɔ be míenye ‘xexeame ƒe akpa aɖeke o’?

20 Yesu gblɔ tso eƒe nusrɔ̃lawo ŋu be: “Wometso xexeame o, abe alesi nye hã nyemetso xexeame o ene.” (Yohanes 17:16) Kristotɔ amesiaminawo kple woƒe zɔhɛ ɖeadzɔgbewo dzea agbagba be yewoalé agbenyuinɔnɔ kple gbɔgbɔ me kɔkɔenyenye me ɖe asi, eye yewomanye xexeame ƒe akpa aɖeke o. (Yohanes 15:19; 17:14; Yakobo 4:4) Xexe vɔ̃ɖi sia lé fu mí esi míeɖe mía ɖokui ɖa le eŋu, eye míenye ‘dzɔdzɔenyenye ƒe gbeƒãɖelawo’ ta. (Petro II, 2:5) Nyateƒee, amesiwo ƒo xlã mí la dometɔ aɖewo nye matrewɔlawo, ahasiwɔlawo, ŋubiãlawo, trɔ̃subɔlawo, fiafiwo, aʋatsokalawo, kple ahamulawo. (Korintotɔwo I, 5:9-11; 6:9-11; Nyaɖeɖefia 21:8) Gake “xexeme ƒe gbɔgbɔ la” mekpɔa ŋusẽ ɖe mía dzi o, elabena míeɖea mɔ nɛ o.—Korintotɔwo I, 2:12.

Mègana Mɔ Abosam O

21, 22. Aleke míate ŋu atsɔ Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo si le Efesotɔwo 4:26, 27 ade dɔwɔwɔ mee?

21 Le esi teƒe be míaɖe mɔ “xexeme ƒe gbɔgbɔ” nakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi la, míeɖea mɔ be Mawu ƒe gbɔgbɔ, si ƒe kutsetsea ƒe akpa aɖewoe nye lɔlɔ̃ kple ɖokuidziɖuɖu, boŋ fiaa mɔ mí. (Galatiatɔwo 5:22, 23) Wokpena ɖe mía ŋu míenɔa te ɖe Abosam ƒe amedzidzedze siwo doa míaƒe xɔse kpɔna nu. Eƒe didie nye be ‘dzi naku mí,’ gake Mawu ƒe gbɔgbɔ kpena ɖe mía ŋu be míaƒe ‘dɔmedzoe nu fana, eye míedzudzɔa dzikudodo.’ (Psalmo 37:8) Nyateƒee, asɔ be míado dziku ɣeaɖewoɣi ya, gake Paulo xlɔ̃ nu mí be: “Mibi dzi, eye migawɔ nuvɔ̃ o; ɣe la nagaɖo to ɖe miaƒe dzibibi o; eye migana mɔ Abosam hã o.”—Efesotɔwo 4:26, 27.

22 Ne míelé dziku ɖe dɔme eteƒe didi la, ate ŋu ana míawɔ nuvɔ̃. Nɔnɔme sia ana mɔnukpɔkpɔ Abosam be wòahe tɔtɔ va hamea me, alo aʋã mí míawɔ nusiwo nye vɔ̃. Eyata ele be míakpɔ masɔmasɔwo gbɔ le mɔ si wɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la nu enumake. (Mose III, 19:17, 18; Mateo 5:23, 24; 18:15, 16) Eyata, mina Mawu ƒe gbɔgbɔ nafia mɔ mí, míaɖe ɖokuidziɖuɖu afia, eye ne esɔ be míado dziku ɣeaɖewoɣi kura gɔ̃ hã la, mele be míado dziku heliheli, si ana míawɔ nu vɔ̃ɖi ahalé fu ame gbeɖe o.

23. Nyabiase kawo me dzro ge míele le nyati si kplɔe ɖo me?

23 Míedzro Abosam ƒe nɔnɔme siwo mele be míasrɔ̃ o dometɔ aɖewo me. Gake, ame aɖewo abia be: Ðe wòle be míavɔ̃ Satanaa? Nukatae wònana amewo tia Kristotɔwo yome? Eye aleke míawɔ be Abosam ƒe asi nagasu mía dzi o?

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 2 Kpɔ November 15, 2005 ƒe Gbetakpɔxɔ me nyati si nye “Abosam Li Ŋutɔŋutɔa?”

Ŋuɖoɖo Kae Nàna?

• Nukatae mele be míagblẽ ame ŋu gbeɖe o?

• Le Yohanes I, 3:15 dzi wɔwɔ me la, nukae míate ŋu awɔ be míagava nye amewulawo o?

• Nukpɔsusu kae wòle be wòanɔ mía si ɖe xɔsegbelawo ŋu, eye nukatae?

• Nukatae mele be míalɔ̃ xexeame o?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Míaɖe mɔ na Abosam wòagblẽ míaƒe Kristotɔwo ƒe ɖekawɔwɔa me gbeɖe o

[Nɔnɔmetata siwo le axa 24]

Nukatae Yohanes xlɔ̃ nu mí be míagalɔ̃ xexeame o?