Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tsi Tre Ðe Abosam Ŋu, Ekema Asi!

Tsi Tre Ðe Abosam Ŋu, Ekema Asi!

Tsi Tre Ðe Abosam Ŋu, Ekema Asi!

“Mibɔbɔ mia ɖokui ɖe Mawu te; ke mitsi tre ɖe Abosam ŋu, eye wòasi le mia gbɔ.”—YAKOBO 4:7.

1, 2. (a) Abosam ƒe nɔnɔme ka ŋue woƒo nu tsoe le Yesaya ta 14 lia me? (b) Nyabiase kawo mee míadzro?

ABOSAM ye nye dadala gãtɔ kekeake. Mawu ƒe nyagblɔɖila Yesaya gblɔ nya aɖewo tso eƒe dadagbɔgbɔa ŋu. Ƒe alafa ɖeka kple edzivɔ hafi Babilonia nava zu xexemeŋusẽ la, wogblɔ nya aɖe abe Yehowa ƒe amewoe gblɔe ɖe “Babel-fia” ŋu ene, be: “Egblɔ le wò dzi me be: Malia dziƒo, mali nye fiazikpui ɖe Mawu ƒe ɣletiviwo [siwo nye Dawid ƒe fiaƒomea me tɔ dziɖulawo] ta me, . . . eye mía kple dziƒoʋĩtɔ la míanɔ tasɔsɔ me.” (Yesaya 14:3, 4, 12-15; Mose IV, 24:17) Dadagbɔgbɔ si nɔ “Babel-fia” me la sɔ kple nɔnɔme si le Satana, “xexe sia me mawu” la si. (Korintotɔwo II, 4:4) Gake Satana ƒe dadagbɔgbɔa ana woatsrɔ̃e, abe alesi Babilon fiaƒomea hã va nuwuwu ŋukpetɔe ene.

2 Ke hã, zi alesi Abosam kpɔtɔ li la, míadi be míakpɔ ŋuɖoɖo na nyabiase siawo: Ðe wòle be míavɔ̃ Satanaa? Nukatae wònana amewo tia Kristotɔwo yome? Eye aleke míawɔ be Abosam ƒe asi nagasu mía dzi o?

Abosam—Ðe Wòle Be Míavɔ̃ea?

3, 4. Nukatae Kristotɔ amesiaminawo kple woƒe zɔhɛwo mevɔ̃a Abosam o?

3 Yesu Kristo ƒe nya siawo dea dzi ƒo na Kristotɔ amesiaminawo ŋutɔ: “Megavɔ̃ fu siwo nava kpe la, ƒe ɖeke o. Kpɔ ɖa, Abosam latsɔ mia dome ame aɖewo ade gaxɔ me, bene woate mi akpɔ, eye miakpɔ xaxa ŋkeke ewo. Nanye nuteƒewɔla yiɖase ɖe ku me, eye mana agbefiakuku wò.” (Nyaɖeɖefia 2:10) Amesiaminawo kple woƒe zɔhɛ siwo si anyigba dzi nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le la mevɔ̃a Abosam o. Menye esi wodzi wo wonye kalẽtɔwo tae womevɔ̃na o ɖo o. Ke boŋ esi wotsɔa bubu deto nana Mawu, eye ‘wobè ɖe eƒe aʋala ƒe vɔvɔli te’ tae.—Psalmo 34:10; 36:8.

4 Togbɔ be Yesu Kristo yomedzela gbãtɔwo kpe fu hã la, womevɔ̃ o; wowɔ nuteƒe vaseɖe ku me. Womevɔ̃ le nusi Satana Abosam ate ŋu awɔ wo ta o, elabena wonyae be Yehowa magblẽ amesiwo wɔa nuteƒe Nɛ la ɖi gbeɖe o. Nenema kee togbɔ be wotia Kristotɔ amesiaminawo kple woƒe zɔhɛ ɖeadzɔgbe siwo li egbea yome vevie hã la, woɖoe kplikpaa be yewoayi edzi awɔ nuteƒe na Mawu. Ke hã, apostolo Paulo ɖee fia be ku ƒe ŋusẽ le Abosam si. Ðe wòle be nya ma nana vɔvɔ̃ naɖo mía?

5. Nukae míesrɔ̃ le Hebritɔwo 2:14, 15?

5 Paulo gblɔ be wodzi Yesu wònye “ʋu kple ŋutilã” be “wòato ku me aɖi gbɔ amesi si ku ƒe ŋusẽ le, si nye Abosam la, eye wòaɖe amesiwo katã nɔ kluvinyenye me to vɔvɔ̃ na ku me le woƒe agbenɔɣiwo katã me la.” (Hebritɔwo 2:14, 15) Abe “amesi si ku ƒe ŋusẽ le” ene la, Satana kpɔ ŋusẽ ɖe Yuda Iskariot dzi, eye emegbe ezã Yuda dukɔa ƒe ŋgɔnɔlawo kpakple Romatɔwo wowu Yesu. (Luka 22:3; Yohanes 13:26, 27) Ke hã, Yesu to eƒe tafevɔsa dzi ɖe ameƒomea tso Satana ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi me, eye esia ʋu agbe mavɔ kpɔkpɔ ƒe mɔ ɖi na mí.—Yohanes 3:16.

6, 7. Afikae Satana ate ŋu azã ku ƒe ŋusẽ si le esi ase ɖo?

6 Afikae Abosam ate ŋu azã ku ƒe ŋusẽ si le esi ase ɖo? Tso esime Satana dze nu vɔ̃ɖi wɔwɔ gɔme la, eƒe alakpadada kple mɔfiafiawo kplɔ ame geɖe de ku me. Nusitae nye be Adam wɔ nuvɔ̃ eye to esia dzi la, ameƒomea nyi nuvɔ̃ kple ku ƒe dome. (Romatɔwo 5:12) Tsɔ kpe ɖe esia ŋu la, Satana yomedzela siwo le anyigba dzi tia Yehowa subɔlawo yome, eye ɣeaɖewoɣi la, wowua wo kura gɔ̃ hã, abe alesi wowɔ Yesu Kristo ene.

7 Ke hã, mele be míasusu be Abosam ate ŋu awu mía dometɔ ɖesiaɖe si wòdi be yeawu la o. Mawu kpɔa amesiwo nye etɔwo ta, eye maɖe mɔ be Satana natsrɔ̃ esubɔla vavãwo katã ɖa le anyigba dzi o. (Romatɔwo 14:8) Nyateƒee, Yehowa ɖea mɔ yometiti vana eƒe amewo katã dzi, eye eɖea mɔ mía dometɔ aɖewo kuna le Abosam ƒe amedzidzedzewo me. Ke hã, Ŋɔŋlɔawo do tsitretsitsi ƒe mɔkpɔkpɔ wɔnuku ŋugbe na amesiwo le Mawu ƒe “ŋkuɖodzigbalẽ” me—eye le ema ya gome la, Abosam mate ŋu axe mɔ nɛ kura o!—Maleaxi 3:16; Yohanes 5:28, 29; Dɔwɔwɔwo 24:15.

Nukatae Satana Tia Mía Yome?

8. Nukatae Abosam tia Mawu subɔlawo yome ɖo?

8 Ne Mawu subɔla wɔnuteƒewoe míenye la, ke susu aɖe li si tae Abosam tia mía yome ɖo. Eƒe taɖodzinue nye be yeana míaɖe asi le míaƒe dzixɔse ŋu. Ƒomedodo xɔasi aɖe le mía kple mía Fofo si le dziƒo la dome, gake Satana di be yeagblẽ edome. Mele be wòawɔ moya na mí o. Yehowa gblɔ le Eden-bɔa me be yeade adikã kpɔɖeŋu ‘nyɔnua’ kple “da” la dome, kpakple woƒe ‘dzidzimeviwo’ hã dome. (Mose I, 3:14, 15) Ŋɔŋlɔawo yɔ Abosam be “da xoxo” la, eye woɖee fia be vovoɣi vi aɖe koe susɔ nɛ eyata edo dziku heliheli. (Nyaɖeɖefia 12:9, 12) Esi fuléle si le ‘dzidzimevi’ eveawo dome nu le sesẽm ɖe edzi la, ele be amesiwo le Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe nakpɔ mɔ na yometiti. (Timoteo II, 3:12) Azɔ èva de dzesi susu si ta koŋ Satana tia mía yomea?

9, 10. Nya kae Abosam fɔ ɖe te, eye alekee wòku ɖe amegbetɔwo ƒe agbenɔnɔ ŋui?

9 Abosam fɔ nya ɖe te le amesi dze anye xexeame ƒe dziɖula ŋu. Egafɔ nya bubu si ɖi esia ɖe te ku ɖe amegbetɔwo ƒe nuteƒewɔwɔ na wo Wɔla ŋu. Satana he yometiti va ame dzɔdzɔe Hiob dzi. Nukatae? Ale be Hiob naɖe asi le eƒe nuteƒewɔwɔ na Yehowa ŋu. Hiob srɔ̃ kple exɔlɔ̃ ‘yeaɖi akɔfala’ etɔ̃awo ƒe nuwɔnawo de Abosam ƒe tameɖoɖo dzi ɣemaɣi. Abe alesi wòdze le Hiob ƒe agbalẽa me ene la, Abosam tɔ gbe Mawu be, ne eɖe mɔ na ye yedo amegbetɔwo ƒe nuteƒewɔwɔ kpɔ la, ame aɖeke masubɔe o. Gake Hiob lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi, tsɔ ɖo kpe edzi be Satana nye aʋatsokala. (Hiob 1:8–2:9; 16:2; 27:5; 31:6) Abosam tia Yehowa ƒe Ðasefowo yome egbea kple susu be woaɖe asi le woƒe nuteƒewɔwɔ ŋu, ne wòatsɔ aɖo kpe edzi be yeƒe gbetɔamea nye nyateƒe.

10 Enyanya be Abosam tia mía yome vevie kple susu be míaɖe asi le míaƒe nuteƒewɔwɔ na Mawu ŋu, ate ŋu ade dzi ƒo na mí boŋ, eye míasẽ ŋu. (Mose V, 31:6) Míaƒe Mawue nye Xexeame Dziɖulagã, eye akpe ɖe mía ŋu míalé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi. Mina míayi edzi anye nuteƒewɔlawo, ale be míado dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi, ahanɔ nyaŋuɖoɖo nam alɔmeɖela gãtɔ, Satana Abosam ɣesiaɣi.—Lododowo 27:11.

“Ðe Mí tso Vɔ̃ɖitɔ la si Me”

11. Nukae wòfia ne míedo gbe ɖa be, “Megakplɔ mí yi ɖe tetekpɔ me o”?

11 Nuteƒe wɔwɔ mele bɔbɔe o; ehiã gbe dodo ɖa vevie. Kpɔɖeŋugbedodoɖaa me nyawo kpena ɖe ame ŋu ŋutɔ. Yesu ƒe nyawo ƒe akpa aɖe gblɔ be: “Megakplɔ mí yi ɖe tetekpɔ me o; ke ɖe mí tso vɔ̃ɖitɔ la si me.” (Mateo 6:13) Yehowa metea mí kpɔna be míawɔ nuvɔ̃ o. (Yakobo 1:13) Ke hã, Ŋɔŋlɔawo gblɔ le teƒe aɖewo be ewɔ nanewo alo ena wova eme, gake le nyateƒe me la, mɔ koe wònye wòɖena ɖe wo ŋu. (Rut 1:20, 21) Eyata ne míedo gbe ɖa abe alesi Yesu ɖo aɖaŋu ene la, ekema míele Yehowa biam be megaɖe mɔ míana ta le tetekpɔ me o. Eye maɖe mɔ hã o nyateƒe, elabena Ŋɔŋlɔawo ka ɖe edzi na mí be: “Nuteƒewɔla enye Mawu, amesi mana mɔ bena, woate mi akpɔ awu alesi miate ŋui la o; ke ana gododo le eme hã akpe ɖe tetekpɔ ŋuti, bene miate ŋu atsɔe.”—Korintotɔwo I, 10:13.

12. Nukata míedoa gbe ɖa be: “Ðe mí tso vɔ̃ɖitɔ la si me”?

12 Esi Yesu ƒo nu tso tetekpɔ ŋu le kpɔɖeŋugbedodoɖaa me vɔ la, esɔ be wògblɔ be: “Ðe mí tso vɔ̃ɖitɔ la si me.” Biblia gɔmeɖeɖe aɖewo gblɔ be: “Ðe mí tso vɔ̃ɖinyenye me” (King James Version; Revised Standard Version) alo “Kpɔ mía ta tso vɔ̃ɖinyenye me.” (Contemporary English Version) Ke hã, le Ŋɔŋlɔawo me la, wozãna nyagbɔgblɔ ‘ɖe tso’ zi geɖe ne wole nu ƒom tso amewo ŋu, eye Mateo ƒe Nyanyuia yɔ Abosam tẽ be “Tela.” (Mateo 4:3, 11) Eyata ele vevie be míado gbe ɖa be woaɖe mí tso “vɔ̃ɖitɔ la,” si nye Satana Abosam, si me. Edzea agbagba be yeana míawɔ nuvɔ̃ ɖe Mawu ŋu. (Tesalonikatɔwo I, 3:5) Ne míebia be, “Ðe mí tso vɔ̃ɖitɔ la si me” la, efia be míele mía Fofo si le dziƒo la biam be wòana mɔfiafia kple kpekpeɖeŋu mí be Abosam ƒe asi nagasu mía dzi o.

Mègana Abosam ƒe Asi Nasu Dziwò O

13, 14. Nukatae wòva hiã be Korinto-hamea me tɔwo nawɔ tɔtrɔ le alesi wowɔ nu kple ŋutsu si nɔ agbe gbegblẽ tsã lae?

13 Esi Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔ siwo nɔ Korinto-hamea me be woanye amesiwo tsɔa nuvɔ̃ kena vɔ la, eŋlɔ be: “Ke amesi ke mietsɔ nane ke la, nye hã metsɔe kee, elabena nye hã, ne metsɔ nane ke la, metsɔe ke le mia ta le Kristo ƒe ŋku me, bena Satana nagaba mi o, elabena míenya eƒe tameɖoɖowo keŋkeŋ.” (Korintotɔwo II, 2:10, 11) Abosam ate ŋu aba mí, alo eƒe asi ate ŋu asu mía dzi, to mɔ vovovowo nu, gake nukatae Paulo gblɔ nya siwo míese va yi fifi laa?

14 Paulo ka ŋku me na Korintotɔawo elabena woɖe mɔ agbegbegblẽnɔla aɖe yi edzi nɔ hamea me. Nusia anya do dzidzɔ na Satana, elabena ŋukpe va hamea dzi le esi wòɖe mɔ ɖe ahasiwɔwɔ si “tɔgbe mele trɔ̃subɔlawo dome hã o” ŋu ta. Mlɔeba la, woɖe nugbegblẽwɔlaa le ha me. (Korintotɔwo I, 5:1-5, 11-13) Emegbe ŋutsua trɔ dzime. Ne Korinto-hamea me tɔwo gbe be yewomatsɔ ŋutsua ƒe nuvɔ̃ akee, ahagbugbɔ axɔe ɖe hamea me o la, ekema Abosam ƒe asi asu wo dzi le mɔ bubu nu. Le mɔ ka nu? Anye ne wozu ŋlɔmiwɔlawo kple nublanuimakpɔlawo abe Satana ŋutɔ ene. Ne ɖe ‘nuxaxa geɖe akpa ami’ nenem ŋutsu dzimetrɔla ma, eye wòaɖe asi le nyateƒea ŋu keŋkeŋ la, anye ne nya aku ɖe hamemegãwo koŋ ŋu le Yehowa, nublanuikpɔkpɔ ƒe Mawu la gbɔ. (Korintotɔwo II, 2:7; Yakobo 2:13; 3:1) Eme kɔ be Kristotɔ vavã aɖeke madi be yeasrɔ̃ Satana ƒe nɔnɔme siwo nye nuvɔ̃ɖiwɔwɔ, ŋlɔmiwɔwɔ, kple nublanuimakpɔmakpɔ la o.

Mawu ƒe Aʋawɔnu Kpɔa Mía Ta

15. Aʋa ka ƒomevi wɔm míele, eye nuka dzie dzidzedzekpɔkpɔ le eme nɔ te ɖo?

15 Ne míedi be woaɖe mí tso Abosam si me la, ke ele be míawɔ aʋa kple vɔ̃ɖinyenye ƒe gbɔgbɔwo. Ele be míado “Mawu ƒe aʋawɔnu blibo la katã” hafi akpɔ dzidzedze le aʋa wɔwɔ kple gbɔgbɔ vɔ̃wo me. (Efesotɔwo 6:11-18) Aʋawɔnu sia ƒe akpa aɖee nye “dzɔdzɔenyenye ƒe akɔtakpoxɔnu.” (Efesotɔwo 6:14) Blema Israel-fia Saul meɖo to Mawu o, eye gbɔgbɔ kɔkɔea dzo le edzi. (Samuel I, 15:22, 23) Gake ne míewɔa nu dzɔdzɔe, eye miedo gbɔgbɔmeʋawɔnu bliboa la, Mawu ƒe gbɔgbɔ kple kpekpeɖeŋu ɖesiaɖe si míehiã la asu mía si be míanɔ te ɖe Satana kple eƒe dɔla vɔ̃ɖiwo, siwo nye gbɔgbɔ vɔ̃wo nu.—Lododowo 18:10.

16. Aleke míawɔ woakpɔ mía ta tso dɔla vɔ̃ɖi siwo nye gbɔgbɔ vɔ̃wo si me?

16 Be woakpɔ mía ta ɣesiaɣi tso gbɔgbɔ vɔ̃wo si me la, nusiwo míehiã dometɔ aɖewoe nye Mawu ƒe Nya la xexlẽ kple esɔsrɔ̃ edziedzi, kpakple agbalẽ siwo “xɔnuvi nuteƒewɔla” ta la ŋudɔ wɔwɔ nyuie. (Luka 12:42) To esia wɔwɔ me la, míanɔ gbɔgbɔmenu siwo ŋu viɖe le la ŋu bum, le ɖekawɔwɔ me kple Paulo ƒe nuxlɔ̃me be: “Nɔviwo, nusiwo nye nyateƒe, nusiwo dzea bubu, nusiwo le dzɔdzɔe, nusiwo le dzadzɛ, nusiwo dze na lɔlɔ̃, nusiwo dze na gbɔgblɔ, ne nudzeamewɔwɔ aɖe li, eye ne kafukafu aɖe li la, misusu nusiawo ŋuti.”—Filipitɔwo 4:8.

17. Nukae akpe ɖe mía ŋu be míanye nyanyuigbeƒãɖela bibiwo?

17 Yehowa kpena ɖe mía ŋu be míatsɔ “ŋutifafa nyanyui la bla miaƒe afɔ gɔme.” (Efesotɔwo 6:15) Gome kpɔkpɔ le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me edziedzi kpena ɖe mía ŋu be míaɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia. Dzidzɔ ka gbegbe enye esi míekpɔna le kpekpe ɖe amewo ŋu me be wosrɔ̃a Mawu ƒe nyateƒea eye wova zuna ablɔɖeviwo le gbɔgbɔ me! (Yohanes 8:32) “Gbɔgbɔ ƒe yi, si nye mawunya la,” zazã le vevie hafi míate ŋu akpɔ mía ɖokui ta tso alakpanufiafiawo me ‘ahagbã mɔ̃wo aƒu anyi.’ (Efesotɔwo 6:17; Korintotɔwo II, 10:4, 5) Mawu ƒe Nya Biblia zazã aɖaŋutɔe kpena ɖe mía ŋu míefiana nyateƒea, eye ekpɔa mía ta be Abosam ƒe ayemɔwo nagaflu mí o.

18. Aleke míawɔ “anɔ te ɖe Abosam ƒe aɖaŋu vɔ̃wo nu”?

18 Paulo dze eƒe numedzodzro tso míaƒe gbɔgbɔmeʋawɔnua ŋu gɔme be: “Nɔvinyewo, misẽ ŋu le Aƒetɔ kple eƒe ŋusẽ ƒe ŋutete la me! Mido Mawu ƒe aʋawɔnu blibo la katã, bene miate ŋu anɔ te [sesĩe] ɖe Abosam ƒe aɖaŋu vɔ̃wo nu.” (Efesotɔwo 6:10, 11) Wozãna Helagbe me nya si gɔme woɖe be ‘minɔ te sesĩe’ la na asrafo aɖe si tsi tre ɖe enɔƒe. Míenɔa te sesĩe le gbɔgbɔmeʋawɔwɔa me, togbɔ be Satana le agbagba dzem to ayemɔ vovovowo dzi be yeagblẽ míaƒe ɖekawɔwɔ me, yeagblẽ míaƒe nufiafiawo, alo yeana míaɖe asi le míaƒe nuteƒewɔwɔ na Mawu ŋu hã. Gake Abosam ƒe amedzidzedzewo mekpɔ dzidzedze gobii aɖeke o—eye womakpɔe hã gbeɖe o! *

Tsi Tre Ðe Abosam Ŋu, Ekema Asi

19. Mɔ siwo dzi míato atsi tre sesĩe ɖe Abosam ŋu dometɔ ɖekae nye ka?

19 Míate ŋu akpɔ dzidzedze le gbɔgbɔmeʋa si wɔm míele kpakple Abosam kple vɔ̃ɖinyenye ƒe gbɔgbɔ siwo le eƒe ŋusẽ te la me. Susu aɖeke meli si ta wòle be míanɔ vɔvɔ̃m na Satana o, elabena nusrɔ̃la Yakobo ŋlɔ be: “Mibɔbɔ mia ɖokui ɖe Mawu te; ke mitsi tre ɖe Abosam ŋu, eye wòasi le mia gbɔ.” (Yakobo 4:7) Mɔ siwo dzi míato atsi tre sesĩe ɖe Satana kple vɔ̃ɖinyenye ƒe gbɔgbɔ siwo le eƒe akpa dzi ŋu dometɔ ɖekae nye be, míatsri gbɔgbɔyɔyɔ alo akunyawɔwɔ, kpakple amesiwo ƒoa wo ɖokui ɖe nuwɔna mawo ƒomevi me. Ŋɔŋlɔawo na eme kɔ ƒã be ele be Yehowa subɔlawo natsri afakadzesiwo, alo gome kpɔkpɔ le ɣletivimefakaka, ŋɔliyɔyɔ, kple gbɔgbɔyɔyɔ ƒomevi ɖesiaɖe me. Ne míedoa vevi nu le Kristotɔwo ƒe dɔwɔnawo me eye xɔse sesẽ le mía si la, mahiã be míanɔ vɔvɔ̃m be ame aɖe le dzo ɖu ge mí o.—Mose IV, 23:23; Mose V, 18:10-12; Yesaya 47:12-15; Dɔwɔwɔwo 19:18-20.

20. Aleke míate ŋu atsi tre ɖe Abosam ŋui?

20 Míetoa Biblia me dzidzenuwo kple nyateƒenya siwo le eme dzi wɔwɔ me ‘tsia tre ɖe Abosam ŋu’ henɔa te sesĩe ɖe eŋu. Xexeame wɔa Satana ƒe lɔlɔ̃nu elabena eyae nye eƒe mawu. (Korintotɔwo II, 4:4) Gake míawo ya míegbea xexeame ƒe nɔnɔmewo abe dada, ɖokuitɔdidi, agbegbegblẽnɔnɔ, ŋutasẽnuwɔwɔ, kple ŋutilãmenudidi vivivo ene. Míenya be Abosam si esi Yesu tsi tre ɖe eƒe amedzidzedze ŋu to Ŋɔŋlɔawo zazã me esime wòtee kpɔ le gbeadzi. (Mateo 4:4, 7, 10, 11) Nenema kee Satana ‘asi le mía gbɔ’ kple ŋukpe ne míebɔbɔ mía ɖokui ɖe Yehowa te bliboe, hedoa gbe ɖa nɛ tsɔ ɖea míaƒe ŋuɖoɖo ɖe eyama ŋu fiana. (Efesotɔwo 6:18) Esi Yehowa Mawu kple Via lɔlɔ̃a le megbe na mí ta la, ame aɖeke mate ŋu agblẽ naneke le mía ŋu si womate ŋu aɖɔ ɖo o—kpao, Abosam ŋutɔ kura gɔ̃ hã mate ŋui o!—Psalmo 91:9-11.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 18 Ne èdi be yeasrɔ̃ nu geɖe tso gbɔgbɔmeʋawɔnu si Mawu na ŋu la, kpɔ Gbetakpɔxɔ, May 15, 1992, axa 21-3.

Ŋuɖoɖo Kae Nàna?

• Satana Abosam—Ðe wòle be míavɔ̃ea?

• Nukatae Satana tia Kristotɔwo yome?

• Nukata míedoa gbe ɖa be woaɖe mí tso “vɔ̃ɖitɔ la si me”?

• Aleke míawɔ akpɔ dzidzedze le gbɔgbɔmeʋawɔwɔa me?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Kristo yomedzela gbãtɔwo mevɔ̃ o; wowɔ nuteƒe vaseɖe ku me

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Abosam mate ŋu axe mɔ na Yehowa be wòafɔ amesiwo dzi wòɖoa ŋkui la o

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Èdoa gbe ɖa be woaɖe ye tso “vɔ̃ɖitɔ la” si mea?

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Èdoa “Mawu ƒe aʋawɔnu blibo” la katãa?