Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Minɔ Mo Xexi Le Nusianu Me’

‘Minɔ Mo Xexi Le Nusianu Me’

‘Minɔ Mo Xexi Le Nusianu Me’

“Amebebewu xɔa nya sia nya dzi sena; ke nunyala léa ŋku ɖe eƒe afɔɖeɖe ŋu.”—LODODOWO 14:15.

1, 2. (a) Nufiame kae le nusi dzɔ ɖe Lot dzi le Sodom me na mí? (b) Nukae nyagbɔgblɔ “minɔ mo xexi” fia?

ESI Abraham na mɔnukpɔkpɔ Lot be wòatia anyigba gbã la, anyigbaa ƒe akpa si me tsi nɔ nyuie, wònɔ “abe Yehowa ƒe abɔ me ene,” la nya kpɔ nɛ. Anya dze nɛ abe teƒe nyui ŋutɔ aɖe si wòanɔ kple eƒe ƒomea ene, elabena ‘Yordan-nutowo katãe Lot tia na eɖokui’ hetu agbadɔ ɖe Sodom gbɔ. Gake menye alesi nuwo dzenae ye wònɔna ɣesiaɣi o, elabena “Sodomtɔ [siwo] nye ame baɖawo, eye woda vo geɖe ɖe Yehowa ŋuti” la gbɔ medidi tso afisi wonɔ o. (Mose I, 13:7-13) Gake nusiwo va dzɔ emegbe na Lot kple eƒe ƒomea bu nu vevi geɖe. Mlɔeba, agado mee woa kple vianyɔnuwo va tsi. (Mose I, 19:17, 23-26, 30) Nusi dze nu nyui ŋutɔ aɖe nɛ le gɔmedzedzea me la va trɔ bubui kura.

2 Nusi dzɔ ɖe Lot dzi la nye nuxlɔ̃ame na Mawu subɔlawo egbea. Ne ehiã be míawɔ nyametsotso le nanewo ŋu la, ele be míalé ŋku ɖe afɔku siwo anɔ wo me ŋu ahakpɔ nyuie be alesi wodze viɖenuwoe la nagaflu mí o. Eyata esɔ be Mawu ƒe Nya xlɔ̃ nu mí be: ‘Minɔ mo xexi le nusianu me.’ (Petro I, 1:13) Helagbe me nya si gɔme woɖe le afisia be “minɔ mo xexi” la fia le nyaa ŋutɔŋutɔ nu be “woanɔ ŋute.” Biblia ŋunyala R.C.H. Lenski gblɔ be, “ŋutenɔnɔ sia fia be ame ƒe susu me nakɔ, wòanɔ ŋute ate ŋu ada nuwo akpɔ nyuie ale be wòate ŋu awɔ nyametsotso nyuitɔ.” Mina míadzro nɔnɔme aɖewo, siwo me wòabia le be míanɔ mo xexi la me.

Dɔwɔnyawo Dada Kpɔ

3. Nukata wòhiã be míaɖɔ ŋu ɖo ne wotsɔ dɔ aɖe wɔwɔ ɖo mía ŋkume?

3 Tsɔe be ame aɖe si ŋu nèdea bubui, ɖewohĩ enye hawòti Yehowa subɔla gɔ̃ hã, tsɔ dɔ aɖe wɔwɔ ɖo ŋkuwò me. Kakaɖedzi blibo le esi be dɔa aɖe vi godoo eye wòde dzi ƒo na wo be nàtso ɖe eŋu kaba be magato ŋuwò o. Àdze ekpɔkpɔ le susume ɖaa be nu nyo na ye kple yeƒe ƒomea vɔ, ahasusui kura gɔ̃ hã be esia ana yeate ŋu akpɔ ɣeyiɣi geɖe ɖe gbɔgbɔmedɔwo ŋu. Ke hã, Lododowo 14:15 xlɔ̃ nu be: “Amebebewu xɔa nya sia nya dzi sena; ke nunyala léa ŋku ɖe eƒe afɔɖeɖe ŋu.” Zi geɖe la, ne dzi le ame dzɔm ɖe dɔ yeye aɖe gɔmedzedze ŋu la, womebua agbaɖuɖu si ate ŋu ava ŋu boo o, woŋea aɖaba ƒua afɔkuwo dzi, eye ŋku te ŋu dzona le alesi dɔa ate ŋu ava gblẽe gɔ̃ hã dzi bɔbɔe. (Yakobo 4:13, 14) Aleke gbegbe wòhiãe be woanɔ mo xexi le ɣeyiɣi siawo tɔgbe mee nye si!

4. Aleke míate ŋu ‘alé ŋku ɖe míaƒe afɔɖeɖewo ŋu’ ne míele dɔ aɖe wɔwɔ dam kpɔ?

4 Amesi ɖɔa ŋu ɖo ada dɔwɔnya ɖesiaɖe si wotsɔ ɖo eŋkume la akpɔ nyuie hafi awɔ nyametsotso. (Lododowo 21:5) Zi geɖe la, nuwo dada kpɔ alea nana wòkpɔa afɔku siwo le dɔa xɔxɔ awɔ me dzea sii. Bu nya sia ŋu kpɔ: Ame aɖe le gadodo dim atsɔ awɔ dɔe eye wògblɔ na wò be ne èdo gaa na ye la, yeana viɖe gã aɖe wò. Viɖe si wòbe àkpɔ la adzro wò ya, gake afɔku kawoe anɔ eme? Ðe amesi di be nàdo ga na ye la alɔ̃ axee nuka kee ɖadzɔ emegbe oa, alo ne dɔa dze edzi ko hafie wòaxeea? Ne míagblɔe bubui la, ɖe nàlɔ̃ be gaa natsi eme ne dɔa va gblẽa? Àte ŋu abia ɖokuiwò hã be: “Nukatae wònye amewo gbɔe wòle gadodoa dim le? Ðe gadzraɖoƒewo bui be afɔku anɔ dɔ si wòbe yeatsɔ gaa awɔe la mea?” Nya si woɖo ŋkuwò me la ŋu bubu dzigbɔɖitɔe akpe ɖe ŋuwò nada nuwo akpɔ nyuie.—Lododowo 13:16; 22:3.

5. (a) Afɔɖeɖe nyui kae Yeremya wɔ esime wòƒle agble aɖe? (b) Nukatae wòɖea vi ne woŋlɔ dɔwɔɖoɖowo katã ɖe agbalẽ me da ɖi?

5 Esi nyagblɔɖila Yeremya ƒle agble aɖe tso etɔɖia ƒe vi, si hã nye Yehowa subɔla si la, eŋlɔe ɖe agbalẽ me eye ɖasefowo nɔ eŋu. (Yeremya 32:9-12) Egbea, amesi ɖɔa ŋu ɖo akpɔ egbɔ be woŋlɔ dɔ sia dɔ si yedi be yeawɔ kple ƒometɔwo alo haxɔsetɔwo la ŋuti ɖoɖowo da ɖi. * Ne wowɔ nuŋlɔɖi nyui ɖe dɔ ŋu da ɖi la, enana woƒoa asa na nyaʋiʋliwo eye wònana ŋutifafa nɔa anyi. Gake ne womewɔe o la, ehea dɔwɔwɔ ŋuti kuxiwo dea Yehowa subɔlawo gɔ̃ hã dome zi geɖe. Nublanuitɔe la, kuxi siawo ate ŋu ahe dzigbagbã kple ame nɔewo léle ɖe dɔme vɛ eye wòana nya naku ɖe ame ƒe gbɔgbɔmemenyenye ŋu gɔ̃ hã.

6. Nukatae wòhiã be míakpɔ mía ɖokui dzi nyuie le ŋukeklẽ ŋu?

6 Ele hã be míakpɔ mía ɖokui dzi nyuie le ŋukeklẽ ŋu. (Luka 12:15) Viɖe gã siwo ame asusu be yeate ŋu akpɔ tso dɔ aɖe wɔwɔ me ate ŋu ana wòaƒo ta ɖe eme, afɔku siwo anɔ eme ŋu mabumabui. Ame aɖewo siwo si subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ veviwo nɔ le Yehowa ƒe habɔbɔa me la gɔ̃ hã ge ɖe mɔ̃ sia me. Mawu ƒe Nya xlɔ̃ nu mí be: “Mina miaƒe susu navo tso galɔlɔ̃ me, eye nusiwo le mia si la, nadze mia ŋu.” (Hebritɔwo 13:5) Ne Kristotɔ le dɔ aɖe wɔwɔ ŋu bum la, ele be wòabia eɖokui be, ‘Ðe wòhiã kokoko be mawɔ dɔ sia?’ Agbe tsɛ nɔnɔ be míaƒe susu nanɔ Yehowa subɔsubɔ ŋu bliboe akpɔ mía ta tso ‘nuvɔ̃ ƒomevi ɖesiaɖe’ me.—Timoteo  I, 6:6-10.

Kuxi Siwo Dzea Ŋgɔ Kristotɔ Siwo si Srɔ̃ Mele O

7. (a) Nyaƒoɖeamenu kawoe Kristotɔ siwo si srɔ̃ mele o la dometɔ geɖe dzea ŋgɔe? (b) Mɔ ka nue amesi míadi be míaɖe la tiatia lɔ nuteƒewɔwɔ na Mawu ɖe eme le?

7 Edzroa Yehowa subɔla geɖe vevie be yewoaɖe srɔ̃, ke hã womele amesi sɔ woaɖe la kpɔm o. Le dukɔ aɖewo me la, wokpɔa mɔ be ne ame tsi ɖo afi aɖe ko la, ele be wòaɖe srɔ̃. Ke hã ete ŋu sesẽna ɣeaɖewoɣi be woakpɔ amesi sɔ be woaɖe la le haxɔsetɔwo dome. (Lododowo 13:12) Gake Kristotɔwo nyae be enye nuteƒewɔwɔ na Yehowa be woawɔ ɖe se si Biblia de be ‘woaɖe srɔ̃ le Aƒetɔ la me ko’ dzi. (Korintotɔwo I, 7:39) Be Kristotɔ siwo si srɔ̃ mele o nate ŋu anɔ te ɖe nyaƒoɖeamenu kple tetekpɔwo nu sesĩe la, ele be woanɔ mo xexi le nusianu me.

8. Nyaƒoɖeamenu kae Sulamit-ɖetugbia dze ŋgɔe, eye mɔ kawo nue nyɔnu Kristotɔwo ate ŋu adze ŋgɔ nyaƒoɖeamenu mawo tɔgbe le egbea?

8 Le Hawo ƒe Ha ƒe Agbalẽa me la, nyɔnuvi tsɛ aɖe si woyɔ be Sulamit la ƒe nu va lé dzi na fia aɖe vevie. Togbɔ be ɖekakpui aɖe do ɖeɖe ŋugbe nɛ xoxo hã la, fia la zã eƒe kesinɔtɔnyenye, ɖoƒe, kple nyonyo be yeatsɔ able enui wòalɔ̃ aɖe ye. (Hawo ƒe Ha 1:9-11; 3:7-10; 6:8-10; 7:1) Ðewohĩ nyɔnu Kristotɔe nènye, eye ate ŋu adzɔ be ŋutsu aɖe nanɔ vivi dom ɖe ŋuwò si màdi o. Ðewohĩ anye wò dɔwɔhati, alo dɔmemegã, si anɔ vivi dom ɖe ŋuwò, anɔ dɔmenyo wɔm na wò, ahanɔ mɔnuwo dim be yeanɔ tetem ɖe ŋuwò. Kpɔ nyuie be dɔmenyonu siawo nagaflu wò o. Togbɔ be manye ahiãdzedze alo agbegbegblẽnɔnɔ ƒe susue anɔ ame ma si kokoko o hã la, zi geɖe la susu mawo tae amewo wɔa nusiawo tɔgbe ɖo. Abe Sulamit-ɖetugbia ene la, wò hã wɔ ɖokuiwò ‘glie.’ (Hawo ƒe Ha 8:4, 10) Ðoe kplikpaa nàgbe ahiãdzeamenuwɔna mawo. Na wò dɔwɔhatiwo nanya tso gɔmedzedzea me ke be Yehowa Ðasefoe yenye, eye nàwɔ mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe ŋudɔ aɖi ɖase na wo. Ewɔwɔ nenema akpɔ tawò.

9. Afɔku kawoe le hadede kple amesi womenya o le Internet dzi me? (Kpɔ aɖaka si le axa 25 hã.)

9 Egbea la, Internet dzi nyatakakadiƒe siwo ŋu wotrɔ asi le be amesiwo si srɔ̃ mele o nazã le kpeɖeŋutɔ didi me la va le bɔbɔm ŋutɔ. Ame aɖewo bui be mɔnu sia zazã akpe ɖe yewo ŋu yewoava dze si amesiwo yewomate ŋu ato mɔnu bubu aɖeke dzi anya gbeɖe o la. Ke hã afɔku geɖe le srɔ̃ɖeɖoɖo wɔwɔ kple ame aɖe si mènya o me. Mele bɔbɔe be woanya ne nyateƒe alo alakpa damee ame aɖe le le Internet dzi o. (Psalmo 26:4) Menye amesiame si gblɔna be Yehowa subɔlae yenye la nye o. Gawu la, Internet dzi xɔlɔ̃dzedze te ŋu nana ame nɔewo ƒe nu va léa dzi na ame kaba, eye esia ate ŋu awɔe be womate ŋu abu nuwo ŋu nyuie o. (Lododowo 28:26) Eɖanye to Internet alo mɔnu bubu aɖe dzi o, menye nunyanu be woade ha kple ame aɖe si womenya nyuie o la kplikplikpli o.—Korintotɔwo I, 15:33.

10. Aleke Kristotɔ siwo meɖe srɔ̃ o ate ŋu akpɔ dzideƒo tso haxɔsetɔwo gbɔe?

10 Yehowa ‘lɔ̃ esubɔlawo katã vevie.’ (Yakobo 5:11) Enyae be kuxi siwo me Kristotɔ siwo mele srɔ̃ kpɔm aɖe o tona la ɖea dzi le wo ƒo ɣeaɖewoɣi, eye edea asixɔxɔ woƒe nuteƒewɔwɔ ŋu vevie. Aleke ame bubuwo ate ŋu ade dzi ƒo na amesiawoe? Ele be míakafu wo edziedzi ɖe woƒe toɖoɖo kple ɖokuitsɔtsɔsavɔa ta. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:39, 40) Azɔ hã míate ŋu akpe wo woawɔ ɖeka kpli mí le hadede tuameɖowo me. Ègakpe wo kpɔa? Gawu la, míate ŋu anɔ gbe dom ɖa ɖe wo ta, abia Yehowa be wòakpe ɖe wo ŋu be woanɔ te le gbɔgbɔ me eye dzi nanɔ wo dzɔm le esubɔsubɔ me. Mina míaɖee afia ŋutɔŋutɔ be míetsɔ ɖe le eme na nuteƒewɔla siawo abe alesi Yehowa tsɔ ɖe le eme na woe ene.—Psalmo 37:28.

Lãmesẽkuxiwo Gbɔ Kpɔkpɔ

11. Nyaƒoɖeamenu kawoe lãmesẽkuxi sesẽwo hena vɛ?

11 Ame ŋutɔ alo eƒe ame vevi aɖe ƒe dɔdzedze hã nye nusi doa nuxaxa na ame vevie. (Yesaya 38:1-3) Le agbagbadzedze be míakpɔ atike atsɔ ada dɔae me la, ele vevie ŋutɔ be míawɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo ƒe gɔmeɖosewo dzi. Le kpɔɖeŋu me, Kristotɔwo kpɔa egbɔ be yewowɔ ɖe Biblia ƒe sedede be woatsri ʋu la dzi, eye be yewoaƒo asa na atikewɔwɔmɔnu siwo de nu gbɔgbɔyɔyɔ me hã. (Dɔwɔwɔwo 15:28, 29; Galatiatɔwo 5:19-21) Ke hã, le amesiwo menya nu boo tso atikewɔnyawo ŋu o gome la, dɔdamɔnuwo tiatia ate ŋu anye nu sesẽ. Nukae akpe ɖe mía ŋu be míanɔ mo xexi le nusianu me?

12. Aleke Kristotɔ ate ŋu awɔ nyametsotso nyuitɔ le atikewɔmɔnuwo tiatia mee?

12 “Nunyala léa ŋku ɖe eƒe afɔɖeɖe ŋu” to numekuku siwo wòawɔ le Biblia kple Kristotɔwo ƒe agbalẽwo me dzi. (Lododowo 14:15) Le xexeame ƒe teƒe siwo ɖɔktawo kple dɔnɔkɔdziwo mebɔ ɖo o la, ɖewohĩ gbetikewo zazã koe anye dɔyɔmɔnu si li. Ne atikewɔmɔnu siae míadi be míazã la, míate ŋu akpɔ eŋuti nyatakaka nyuiwo le Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, April 15, 1987, axa 26-9. Eƒo nu tso afɔku siwo ate ŋu anɔ dɔyɔmɔnu sia zazã me ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ ahiã be míalé ŋku ɖe nya siawo ŋu: Ðe wonya gbetikewɔla sia be enye gbɔgbɔyɔlaa? Ðe atike si wòbe yeawɔ la nɔ te ɖe dzixɔse si nye be agɔ si wodze le trɔ̃ aɖe (alo tɔgbui kukuwo) dzi gbɔe dɔléle kple ku tsona, alo be futɔwoe le adze lém dɔnɔa? Ðe atikea wɔwɔ alo ezazã bia vɔsasa, gbɔgbɔwo yɔyɔ, alo nuwɔna siawo ƒomevi aɖea? (Mose V, 18:10-12) Nyawo me kuku alea akpe ɖe mía ŋu míawɔ ɖe Mawu ƒe nuxlɔ̃ame sia dzi be: “Mido nuwo katã kpɔ, eye milé nu nyui la me ɖe asi.” * (Tesalonikatɔwo I, 5:21) Akpe ɖe mía ŋu míawɔ nyametsotso nyuitɔ.

13, 14. (a) Mɔ kawo nue míate ŋu aɖɔ ŋu ɖo le le míaƒe lãmesẽnyawo gbɔ kpɔkpɔ me? (b) Nukatae wòbia be míaɖɔ ŋu ɖo ne míele dze ɖom kple amewo tso lãmesẽnyawo kple atikewɔnyawo ŋu?

13 Ŋuɖɔɖɔɖo hiã le agbe me nyametsotso ɖesiaɖe wɔwɔ me, ehiã le míaƒe lãmesẽnyawo hã gbɔ kpɔkpɔ me. (Filipitɔwo 4:5) Míaƒe lãmesẽnyawo gbɔ kpɔkpɔ le mɔ si da sɔ nu fia be míekpɔ ŋudzedze ɖe agbe si nye nunana xɔasi la ŋu. Ele eme be ne míedze dɔ la, ele be míada dɔ na mía ɖokui ya. Ke hã ele be míanyae be ne Mawu ƒe ɣeyiɣi de be ‘wòayɔ dɔ dukɔwo’ ko hafi lãmesẽ deblibo asu mía si. (Nyaɖeɖefia 22:1, 2) Eyata ele be míakpɔ nyuie be dzitsitsi ɖe lãmesẽnyawo ŋu nagaxɔ susu me na mí ale gbegbe be míava yi gbɔgbɔmenuhiahiãwo, siwo nye nu vevitɔwo na mí wu la, tutu ge ada ɖe axadzi o.—Mateo 5:3; Filipitɔwo 1:10.

14 Ele hã be míada asɔ ahaɖɔ ŋu ɖo ne míele dze ɖom kple amewo tso lãmesẽnyawo kple atikewɔnyawo ŋu. Ne míekpe le Kristotɔwo ƒe kpekpewo kple takpekpewo me hena gbɔgbɔmehadede la, mele be míanɔ dze ɖom tso nya siawo ŋu fũ akpa o. Gawu la, zi geɖe la, atikewɔnyawo ŋuti nyametsotsowo bia Biblia ƒe gɔmeɖosewo kple ame ƒe dzitsinya ŋudɔwɔwɔ, kple ame kpakple Yehowa dome ƒomedodo tsɔtsɔ nu vevii. Eyata manye lɔlɔ̃ɖeɖefia ne míezi míaƒe nukpɔsusuwo ɖe haxɔsetɔ aɖe dzi heƒo nya ɖe enu be wòaɖe asi le nusi eƒe dzitsinya gblɔ nɛ ŋu o. Togbɔ be woate ŋu abia kpekpeɖeŋu tso gbɔgbɔmemetsitsiwo gbɔ le hamea me hã la, Kristotɔ ɖesiaɖe “atsɔ ye ŋutɔ ƒe agba” le nyametsotso siwo wòwɔ ŋu, eye “mía dometɔ ɖesiaɖe abu akɔnta le ye ŋutɔ ɖokui ŋuti na Mawu.”—Galatiatɔwo 6:5; Romatɔwo 14:12, 22, 23.

Ne Nu Te Ðe Mía Dzi

15. Aleke nuteɖeamedzi te ŋu kpɔa ŋusẽ ɖe ame dzi wowɔa nyametsotso gbegblẽe?

15 Nuteɖeamedziwo ate ŋu ana Yehowa subɔla wɔnuteƒewo gɔ̃ hã naƒo nu alo awɔ nu ŋumaɖɔɖotɔe. (Nyagblɔla 7:7) Esime Hiob nɔ dodokpɔ sesẽwo me tom la, meva da sɔ le eƒe nukpɔsusu aɖewo me tututu o, si na wòva hiã be woaɖɔe ɖo. (Hiob 35:2, 3; 40:6-8) Togbɔ be “Mose fa wu amesiwo katã le anyigba dzi” hã la, ɣeaɖeɣi la, dziku na wòƒo nu gbedaɖeamegbɔtɔe. (Mose IV, 12:3; 20:7-12; Psalmo 106:32, 33) Dawid mewu Fia Saul o le eɖokuidziɖuɖu ta, si dze na kafukafu ale gbegbe, gake esi Nabal do nu ɖe egbɔ eye wòdzu eƒe ame dɔdɔwo la, dzi kui ale gbegbe be wòwɔ nyametsotso gbegblẽ. Abigail ye ge ɖe nyaa me hafi wònyɔ le eɖokui me, ne menye nenema o la, anye ne ewɔ vodada gã aɖe.—Samuel I, 24:3-6; 25:9-13, 32, 33.

16. Nukae akpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na nuwɔwɔ dzitsitsitɔe?

16 Nu ate ŋu ate ɖe míawo hã dzi ale gbegbe be míado kpo nyametsotso nyui wɔwɔ. Ŋugbledede le ame bubuwo ƒe nukpɔsusuwo ŋu nyuie abe alesi Dawid wɔe ene ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na nuwɔwɔ dzitsitsitɔe kple nuvɔ̃ siwo míate ŋu aƒo asa na hafi la wɔwɔ. (Lododowo 19:2) Gakpe ɖe eŋu la, Mawu ƒe Nya xlɔ̃ nu mí be: “Dzi neku mi, ke migawɔ nuvɔ̃ o! Miƒo nu le dzi me le miaƒe abawo dzi, eye mizi ɖoɖoe!” (Psalmo 4:5) Anyo be míalala míaƒe dzi nafa hafi awɔ afɔɖeɖe alo nyametsotso. (Lododowo 14:17, 29) Míate ŋu ate ɖe Yehowa ŋu aɖe míaƒe dzimenyawo agblɔ nɛ le gbedodoɖa me eye “Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ [míaƒe] dziwo kple [míaƒe] tamesusuwo ŋu adzra wo ɖo le Kristo Yesu me.” (Filipitɔwo 4:6, 7) Mawumeŋutifafa sia ana míaƒe susu nadze akɔ anyi ahakpe ɖe mía ŋu be míanɔ mo xexi le nusianu me.

17. Nukatae wòle be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be wòakpe ɖe mía ŋu míanɔ mo xexi le nusianu me?

17 Togbɔ be mí katã míedzea agbagba vevie be míaƒo asa na afɔkuwo kple nuwɔwɔ ŋumaɖɔɖotɔe hã la, míekpɔtɔ wɔa vodada kokoko. (Yakobo 3:2) Ate ŋu adzɔ be míaɖe afɔ manyomanyo aɖe le manyamanya me. (Psalmo 19:13, 14) Gawu la, esi míenye amegbetɔwo ta la, ŋutete kple ŋusẽ mele mía si be míafia mɔ mía ɖokui Yehowa manɔmee o. (Yeremya 10:23) Edzɔ dzi na mí ŋutɔ be ena kakaɖedzi mí be: “Mafia nu wò, eye mafia mɔ, si nato la wò; maɖo aɖaŋu na wò, eye nye ŋku anɔ ŋuwò.” (Psalmo 32:8) Ẽ, Yehowa akpe ɖe mía ŋu míanɔ mo xexi le nusianu me.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 5 Àkpɔ dɔwɔɖoɖowo ŋuti nyatakaka bubuwo le Gbetakpɔxɔ, August 1, 1997, axa 30-1; April 1, 1987, axa 11-12 (Eŋlisigbe me tɔ, November 15, 1986, axa 16-17); kple Eŋlisigbe me Nyɔ!, February 8, 1983, axa 13-15, siwo Yehowa Ðasefowo ta, la me.

^ mm. 12 Numekuku alea ate ŋu aɖe vi na ame le atikewɔmɔnu ƒomevi ɖesiaɖe tiatia me.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

Aleke míanɔ mo xexi

• ne wotsɔ dɔ aɖe wɔwɔ ɖo mía ŋkume?

• ne míele srɔ̃ dim aɖe?

• ne míedze ŋgɔ lãmesẽkuxiwo?

• ne nu te ɖe mía dzi?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Àka Ðe Wo Dzia?

Nyanyanana siawo dze le Internet dzi nyatakakadiƒe na srɔ̃manɔsitɔwo:

“Togbɔ be míedze agbagba ɖesiaɖe be míana mianya amesi ƒomevi ameawo nye ŋutɔŋutɔ hã la, kpeɖodzi aɖeke meli be wo ŋu nya ɖesiaɖe nye nyateƒe o.”

“Míate ŋu agblɔ na mi be nyatakaka ɖesiaɖe si miakpɔ le teƒe sia la nye nyateƒe, wosɔ, alo wonyo o.”

“Nukpɔsusuwo, aɖaŋuɖoɖowo, nyatakakawo, ŋugbedodowo, alo nya sia nya si miakpɔ le teƒe [sia] la tso amesiwo ɖo wo ɖa gbɔ . . . eye mehiã kokoko be woaka ɖe wo dzi o.”

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

“Nunyala léa ŋku ɖe eƒe afɔɖeɖe ŋu”

[Caption on page 24 25]

Mɔ kawo nue nyɔnu Kristotɔwo ate ŋu asrɔ̃ Sulamit le?

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

“Mido nuwo katã kpɔ, eye milé nu nyui la me ɖe asi”