Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ku​—Nu Dziŋɔ Ŋutɔ Aɖee Wònye!

Ku​—Nu Dziŋɔ Ŋutɔ Aɖee Wònye!

Ku​—Nu Dziŋɔ Ŋutɔ Aɖee Wònye!

BRITAINTƆ ŋutinyaŋlɔla Arnold Toynbee ŋlɔ be: “Ne wonya dzi wò ko la, àte ŋu aku ɣesiaɣi faa.” Egblɔ kpee be: “Eye èlɔ̃ o, mèlɔ̃ o, ègbɔna kuku ge hã godoo.” Ðe mevea mí ŋutɔ ne míaƒe ƒometɔ alo xɔlɔ̃ vevi aɖe ku oa?

Ku nye nane si dzia ŋɔ na ameƒomea ƒe akpe nanewoe nye esia. Ne míaƒe ame vevi aɖe ku la, míesena le mía ɖokui me be wɔna aɖeke mele mía ŋu o. Meɖea ame aɖeke le eme o. Ame aɖeke mate ŋu asi le enu o. Nuŋlɔla aɖe si nɔ anyi le ƒe 1800-awo me ŋlɔ be: “Konyifafa nana mí katã míegazua ɖeviwo ake—ewɔnɛ be ame aɖeke megadzea nunya o. Nunyala gãtɔ kekeake hã meganyaa naneke o.” Nyateƒee, mí katã míezua abe ɖevi suewo ene—míezua wɔnamanɔŋuitɔ siwo mate ŋu awɔ naneke le nɔnɔmea ŋu o. Kesinɔnuwo alo ŋusẽ ƒe amesinɔnɔ mate ŋu akpɔ egbɔ o. Nunyalawo kple tagbɔɖaɖɛtɔwo siaa mete ŋu kpɔa ta nɛ o. Ne eɖo dzi ŋutɔŋutɔa, klotaɖulawo kura gɔ̃ hã faa avi.

Dawid si nye fia ɖu blema Israel dzi la xa nu esi via Absalom ku. Esi fia la se via ƒe ku la, ewu avi hehehe gblɔ be: “Vinye Absalom, vinye! Vinye Absalom, ɖe meku ɖe tewòƒe la, ne enyo wu! Vinye Absalom, vinye!” (Samuel II, 18:33) Togbɔ be fia sẽŋu sia ɖu futɔ sesẽwo dzi hã la, kua te ɖe edzi ale gbegbe be wòdi be ye ŋutɔ yeatsɔ ye ɖokui ade asi na “futɔ mamletɔ” si nye ku, ɖe ye via teƒe.—Korintotɔwo I, 15:26.

Ðe woava ɖe ku ɖa? Ne nenemae la, ke mɔkpɔkpɔ kae li na ame kukuwo? Ðe míagakpɔ míaƒe ame vevi siwo ku la akea? Nyati si kplɔe ɖo ana Ŋɔŋlɔawo me ŋuɖoɖo tso nyabiase siawo ŋu.