Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Ʋu Xɔasi” Wotsɔ Ðe Mí

“Ʋu Xɔasi” Wotsɔ Ðe Mí

“Ele Be Míaɖo To Mawu Abe Dziɖula Ene Wu Amewo”

“Ʋu Xɔasi” Wotsɔ Ðe Mí

LƆLƆ̃ gãtɔ kekeake si Yehowa ɖe fiae nye eƒe Tenuvi la dɔdɔ ɖa be wòatsɔ eƒe agbe deblibo ana tafee. Esi míenye nuvɔ̃mewo ta la, míehiã ɖeɖekpɔkpɔ vevie, elabena ame madeblibo aɖeke “mate ŋu axɔ nɔvia akpɔ o, eye mate ŋu axe etafe na Mawu . . . be wòanɔ agbe [tegbee o].” (Psalmo 49:7-10) Míeda akpe na Mawu be “wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.”—Yohanes 3:16.

Aleke tafea naa ɖeɖe míi? Mina míadzro mɔ ene siwo nu Yehowa Mawu ƒe lɔlɔ̃ ɖeɖefia gã sia naa ɖeɖe mí le me akpɔ.

Tafea Naa Ðeɖe Mí

Gbãa, Yesu ƒe vɔsaa ate ŋu aɖe mí tso nuvɔ̃ si dome míenyi me. Wodzi mí katã ɖe nuvɔ̃ me. Nyateƒee, nuvɔ̃ le mía ŋu hafi míeva dana Yehowa ƒe sewo dzi gɔ̃ hã. Le mɔ ka nu? Romatɔwo 5:12 gblɔ be: “To ame ɖeka [Adam] dzi nuvɔ̃ la va xexeame, eye to nuvɔ̃ me ku la va.” Esi míenye Adam ƒe vi nuvɔ̃mewo ta la, míenyi blibomademade dome tso egbɔ. Ke hã, tafea na wòle bɔbɔe be woaɖe mí tso nuvɔ̃ si dome míenyi me. (Romatɔwo 5:16) Yesu ‘ɖɔ ku kpɔ ɖe amesiame nu’ hetsɔ Adam ƒe dzidzimeviwo ƒe nuvɔ̃ me tsonuwo ɖo eɖokui dzi.—Hebritɔwo 2:9; Korintotɔwo II, 5:21; Petro I, 2:24.

Evelia, tafea ate ŋu ana míavo tso nuvɔ̃ me tsonu gbegblẽwo me. “Nuvɔ̃ la ƒe fetue nye ku.” (Romatɔwo 6:23) Mawu ƒe Vi la to eƒe vɔsakua dzi na wòle bɔbɔe be toɖolawo nakpɔ agbe mavɔ. “Amesi xɔa Via dzi sena la, agbe mavɔ le esi; amesi meɖoa to Via o la, makpɔ agbe o.”—Yohanes 3:36.

De dzesii be ne míexɔ Mawu ƒe Via dzi se ko hafi woaɖe mí tso nuvɔ̃ me tsonuwo me. Esia bia be míatrɔ míaƒe agbenɔnɔ wòasɔ ɖe Mawu ƒe nudidiwo nu. Ele be míadzudzɔ nu gbegblẽ ɖesiaɖe wɔwɔ ahawɔ nusi dzea Mawu ŋu. Apostolo Petro gblɔ be ehiã be ‘míatrɔ dzime ahagbugbɔ, be woatutu míaƒe nuvɔ̃wo ɖa.’—Dɔwɔwɔwo 3:19.

Etɔ̃lia, Yesu ƒe tafea nana míaƒe dzitsinya megabua fɔ mí o. Amesiwo katã ɖe adzɔgbe na Yehowa heva zu Via ƒe nusrɔ̃la xɔnyɔnyrɔwo la ƒe dzi dzea eme. (Mateo 11:28-30) Togbɔ be míede blibo o hã la, míekpɔa dzidzɔ ŋutɔ elabena míetsɔa dzitsinya dzadzɛ subɔa Mawui. (Timoteo I, 3:9; Petro I, 3:21) Ne míeʋu míaƒe nuvɔ̃wo me hedzudzɔ wo wɔwɔ la, woakpɔ nublanui na mí, eye míaƒe dzitsinya magabu fɔ mí o.—Lododowo 28:13.

Enaa Kpekpeɖeŋu Kple Mɔkpɔkpɔ Mí

Mlɔeba la, ne míexɔ tafea dzi se la, míate ŋu ate ɖe Mawu ŋu faa. Apostolo Yohanes ŋlɔ be: “Ne ame aɖe wɔ nuvɔ̃ la, nyaxɔɖakɔla le mía si le Fofoa gbɔ, eyae nye Yesu Kristo.” (Yohanes I, 2:1) Apostolo Paulo ŋlɔ tso kpekpeɖeŋu si Yesu nana ŋu be: “Ate ŋu axɔ amesiwo to edzi va Mawu gbɔ la, ɖe agbe blibo keŋkeŋ, le esi wònɔa agbe ɖaa, bena wòaxɔ wo ɖe akɔ la ŋuti.” (Hebritɔwo 7:25) Zi alesi míenye nuvɔ̃mewo ko la, míehiã Nunɔlagã Yesu Kristo be wòakpe ɖe mía ŋu be Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu. Mɔ ka nue Yesu nye nunɔlagã na mí le?

Ŋkeke 40 le Yesu ƒe tsitretsitsi le ƒe 33 M.Ŋ. megbe la, eyi dziƒo hetsɔ viɖe si le eƒe “ʋu xɔasi” la ŋu yi na Mawu. Esia wɔe be eteƒe madidi o la, Yesu aɖe ameƒomea tso nuvɔ̃ kple ku me. * (Petro I, 1:18, 19) Eyata ɖe màlɔ̃ ɖe edzi be edze be míalɔ̃ Yesu ahaɖo toe oa?

Hekpe ɖe eŋu la, edze be míalɔ̃ Yehowa Mawu ahaɖo to eyama hã. Lɔlɔ̃ si le esi tae wòna míekpɔ “fexexeɖeta” ɖo. (Korintotɔwo I, 1:30) Menye agbe si míele fifia koe tso egbɔ o, ke agbe mavɔ si míava nɔ ƒe mɔkpɔkpɔ hãe. Eyata ehiã godoo be “míaɖo to Mawu abe dziɖula ene wu amewo.”—Dɔwɔwɔwo 5:29, NW.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 12 Kpɔ 2006 Calendar of Jehovah’s Witnesses [Calendrier des Témoins de Jéhovah 2006], March/April.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 9]

ÈNYAA?

• Amitoa dzie Yesu nɔ hafi dzo yi dziƒo.—Dɔwɔwɔwo 1:9, 12.

• Yesu ƒe apostolo wɔnuteƒewo koe kpɔe esi wònɔ dziƒo yim.—Dɔwɔwɔwo 1:2, 11-13.