Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Kae Nye Mawu Fiaɖuƒea?

Nu Kae Nye Mawu Fiaɖuƒea?

AFƆKU dziŋɔ ka gbegbee nye esi dzɔ ɖe ameƒomea dzi tso gɔmedzedzea me ke! Mawudɔla aɖe dze aglã ɖe Ewɔla ƒe dziɖuŋusẽ ŋu. Aglãdzela sia ƒoe ɖe nyɔnu gbãtɔ, Xawa, nu be wòaɖu atikutsetse si ŋuti wode se ɖo nɛ la. Mawudɔla ma gblɔ na Xawa kple srɔ̃a, Adam, bena: “Miele kuku ge akpɔ o; ke boŋ Mawu nyae bena, gbesigbe ke miaɖu eƒe ɖe la, miaƒe ŋkuwo laʋu, eye mianɔ abe Mawu ene, anya nyui kple vɔ̃.” (Mose I, 2:16, 17; 3:1-5) Wovayɔ Mawudɔla dzeaglã sia be Abosam kple Satana.—Nyaɖeɖefia 12:9.

Ðe Xawa wɔ ɖe Satana ƒe nyaƒoɖeamenua dzia? Biblia gblɔ be: “Esi nyɔnu la kpɔ bena, ati la nyo na ɖuɖu, enya kpɔ ale gbegbe, eye wòdzroa ame ŋutɔ la, egbe eƒe tsetse aɖe heɖu, eye esi srɔ̃a va egbɔ la, ena eya hã wòɖu.” (Mose I, 3:6, NW) Ẽ, atsu kple asi gbãtɔ, Adam kple Xawa, kpe ɖe Satana ŋu le eƒe aglãdzedzea me. Nusi do tso emee nye be woa kple woƒe dzidzimeviwo siaa megava nɔ Paradiso me o. Le esi teƒe be woadzi vi deblibo siwo anɔ agbe tegbee la, wo viawo va nyi nuvɔ̃ kple ku ƒe dome boŋ.—Romatɔwo 5:12.

Aleke Yehowa Mawu, amesi nye xexeame katã ƒe Dziɖulagã la, wɔ nui? Ewɔ ɖoɖo ɖe nuvɔ̃wo tsɔtsɔke ŋu. (Romatɔwo 5:8) Yehowa Mawu wɔ ɖoɖo ɖe dziɖuɖu aɖe si dzi wòato akpɔ kuxia gbɔ hã ŋu. Dziɖuɖu siae woyɔ be “Mawufiaɖuƒe la.” (Luka 21:31) Tameɖoɖo vevi aɖe tae Mawu ɖo Fiaɖuƒe sia, si nye eƒe xexeame katã ƒe dziɖulanyenye ƒe akpa aɖe la, anyi ɖo.

Tameɖoɖo kae le Mawufiaɖuƒea ŋu? Nukawoe nye eƒe akpa aɖewo, eye vovototo kae le eƒe akpa vovovoawo kple amegbetɔ ƒe dziɖuɖuwo tɔwo dome? Ɣekaɣie Fiaɖuƒea dze dziɖuɖu gɔme? Woadzro biabia siawo me le nyati si kplɔe ɖo me.