Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mawufiaɖuƒe La—Ede Ŋgɔ Le Go Sia Go Me

Mawufiaɖuƒe La—Ede Ŋgɔ Le Go Sia Go Me

YESU KRISTO fia nu eyomedzelawo be: “Eyata miawo mido gbe ɖa ale: Mía Fofo, si le dziƒowo! Wò ŋkɔ ŋuti nakɔ! Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene!” (Mateo 6:9, 10) Gbedodoɖa sia si ame geɖe yɔna be Mía Fofo si le dziƒo, alo Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa la, ɖe tameɖoɖo si le Mawufiaɖuƒea ŋu la fia.

Woakɔ Mawu ƒe ŋkɔa ŋu to Fiaɖuƒea dzi. Woaɖe vlodoame siwo katã Satana kple amegbetɔwo ƒe aglãdzedze he va ŋkɔa dzii la ɖa. Esia hiã vevie ŋutɔ. Amegbetɔwo katã ƒe dzidzɔkpɔkpɔ nɔ te ɖe alesi woabu Mawu ƒe ŋkɔa nu kɔkɔee kple lɔlɔ̃ ɖe gomenɔamesi si le esi be wòaɖu dzi la dzi.—Nyaɖeɖefia 4:11.

Tsɔ kpe ɖe eŋu la, woɖo Fiaɖuƒea anyi be wòana ‘woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene.’ Gake nukae nye lɔlɔ̃nu ma? Eyae nye be Mawu kple amegbetɔwo dome ƒomedodo si me Adam gblẽ la, nagaɖo wo dome ake. Xexeame Katã Dziɖulagã, Yehowa, ato Fiaɖuƒea dzi awɔ anyigba wòazu Paradiso, afisi ame nyuiwo ate ŋu anɔ agbe le tegbee. Ẽ, Mawufiaɖuƒea aɖɔ nusiwo katã nuvɔ̃ gbãtɔa gblẽ la ɖo, eye wòana ɖoɖo si Mawu wɔ ɖe anyigbaa ŋu lɔlɔ̃tɔe hã nava eme. (Yohanes I, 3:8) Le nyateƒe me la, Fiaɖuƒe sia kple nusi wòawɔ lae nye nusi koŋ ŋu Biblia ƒo nu tsoe.

Go Kawo Mee Wòde Ŋgɔ Wu Le?

Mawufiaɖuƒea nye dziɖuɖu ŋutɔŋutɔ si sẽŋu ale gbegbe. Nyagblɔɖila Daniel ka fe alesi gbegbe wòsẽ ŋui la na mí. Egblɔe ɖi gbaɖegbe ʋĩ ke be: “Dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi, si . . . agbã [amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo] katã, eye wòagblẽ wo.” Gawu la, to vovo na amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu siwo nu va yina la, Mawufiaɖuƒea ya “matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o.” (Daniel 2:44) Metɔ ɖe afima o. Fiaɖuƒe sia de ŋgɔ wu amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo sasasã le goawo katã me.

Mawufiaɖuƒea ƒe Fia ƒo fia ɖesiaɖe ta.

Se Fia sia ŋu nya ɖa. Daniel kpɔ Mawufiaɖuƒea ƒe Fia la le ‘drɔ̃e kple ŋutega’ me ‘abe amegbetɔvi ene,’ eye wokplɔe yi Mawu ŋusẽkatãtɔ la gbɔ eye “wotsɔ ŋusẽ, bubu kple dziɖuɖu nɛ.” (Daniel 7:1, 13, 14) Amegbetɔvi la menye ame bubu aɖeke wu Yesu Kristo—Mesia la—o. (Mateo 16:13-17) Yehowa Mawu ŋutɔe tia Via, Yesu, be wòanye yeƒe Fiaɖuƒea ƒe Fia. Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, egblɔ na Farisitɔ vɔ̃ɖiawo be: “Mawufiaɖuƒe la le mia dome,” si fia be ye, amesi ava nye Fiaɖuƒe ma ƒe Fia la, le wo dome.—Luka 17:21.

Amekae le anyigba dzi si ate ŋu anye Dziɖula ade Yesu nu? Yesu ɖee fia xoxo be yenye Kplɔla dzɔdzɔe, si dzi woate ŋu aka ɖo, si sea veve ɖe ame nu le go sia go me. Nyanyuiawo ɖɔ Yesu be enye amesi doa vevie nu kple amesi doa vivi ɖe ame ŋu hesea veve ɖe ame nu. (Mateo 4:23; Marko 1:40, 41; 6:31-34; Luka 7:11-17) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ku kple amegbetɔwo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖeke megakpɔ ŋusẽ ɖe Yesu, si wofɔ ɖe tsitre la, dzi o.—Yesaya 9:6, 7.

Yesu kple eƒe hatidziɖulawo aɖu dzi tso nɔƒe kɔkɔ.

Le nusiwo woɖe fia Daniel me la, ekpɔe hã be ‘wotsɔ fiaɖuƒe la kple dziɖuɖu na dziƒoʋĩtɔ la ƒe ame kɔkɔewo ƒe dukɔ.’ (Daniel 7:27) Menye Yesu ɖekae aɖu dzi o. Ame bubuwo anye fiawo kple nunɔlawo aɖu dzi kplii. (Nyaɖeɖefia 5:9, 10; 20:6) Apostolo Yohanes ŋlɔ tso wo ŋu be: ‘Mekpɔ, eye kpɔ ɖa, alẽvi la le tsitre ɖe Zion-to la dzi, eye ame akpe alafa ɖeka blane vɔ ene, siwo woƒle tso anyigba dzi la, le eŋu.’—Nyaɖeɖefia 14:1-3.

Alẽvi lae nye Yesu Kristo, si woɖo Fiae. (Yohanes 1:29; Nyaɖeɖefia 22:3) Zion-to lae nye dziƒo. * (Hebritɔwo 12:22) Dziƒoe Yesu kple eƒe hatidziɖula ame 144,000-awo le dzi ɖum tsoe. Nɔƒe sia kɔ loo! Esi wònye dziƒoe wole ta la, wokpɔa nusianu. Eye esi wònye dziƒoe woɖo “Mawufiaɖuƒea” ɖo ta la, woyɔnɛ hã be “dziƒofiaɖuƒe la.” (Luka 8:10; Mateo 13:11) Aʋawɔnu aɖeke mate ŋu aɖo dziƒo dziɖuɖu sia gbɔ ahagee o. Nukliaʋawɔnuwo gɔ̃ hã mate ŋui o. Womate ŋu aɖu edzi o, si awɔe be tameɖoɖo si tae Yehowa ɖoe anyi ɖo la nava eme.—Hebritɔwo 12:28.

Mawufiaɖuƒea teƒenɔla siwo dzi woate ŋu aka ɖo la le anyigba dzi.

Aleke míewɔ nya esia? Psalmo 45:17 gblɔ be: ‘Aɖo amegãwo ɖe anyigba blibo la dzi.’ Le nyagblɔɖi sia me la, amesi “aɖo” ameawoe nye Mawu ƒe Vi la. (Psalmo 45:7, 8; Hebritɔwo 1:7, 8) Eyata Yesu Kristo ŋutɔe atia amesiwo anye amegãwo. Míate ŋu aka ɖe edzi be woawɔ ɖe eƒe mɔfiamewo dzi nuteƒewɔwɔtɔe. Wofiaa nu ŋutsu siwo woɖo hamemegãwoe le Kristo-hamea me egbea gɔ̃ hã be woagaɖu “aƒetɔwo” ɖe haxɔsetɔwo dzi o, ke boŋ woakpɔ wo ta, ana woƒe dzi nadze eme, ahafa akɔ na wo.—Mateo 20:25-28; Yesaya 32:2.

Fiaɖuƒea teviwo wɔa nu dzɔdzɔe.

Wonye ame maɖifɔwo kple nuteƒewɔlawo le Mawu ŋkume. (Lododowo 2:21, 22) Biblia gblɔ be: “Ame ɖihiãwo anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.” (Psalmo 37:11) Fiaɖuƒea teviwo nye ame ɖihiãwo, alo ame fafa siwo wote ŋu fiaa nui bɔbɔe, eye wonye ɖokuibɔbɔlawo kple ame ɖɔŋuɖowo. Gbɔgbɔmenuwo koŋue nɔa vevie na wo. (Mateo 5:3) Wodina be yewoawɔ nu dzɔdzɔe eye wowɔna ɖe Mawu ƒe mɔfiamewo dzi.

Mawufiaɖuƒea ƒe sewo de ŋgɔ.

Yehowa Mawu ŋutɔe wɔ se kple gɔmeɖose siwo nu woanɔ agbe ɖo le Fiaɖuƒea me. Le esi teƒe be se siawo nanye kplamatsedonuwo na mí madzemadze la, wodea mía dzi boŋ. (Psalmo 19:8 -12) Agbenɔnɔ ɖe Yehowa ƒe nudidi dzɔdzɔewo nu le vi ɖem na ame geɖe xoxo. Le kpɔɖeŋu me, wɔwɔ ɖe aɖaŋu si Biblia ɖo na srɔ̃ŋutsuwo, srɔ̃nyɔnuwo, kple ɖeviwo dzi wɔnɛ be míaƒe ƒomegbenɔnɔ nyona ɖe edzi. (Efesotɔwo 5:33–6:3) Ne míewɔ ɖe sedede si nye be ‘miado lɔlɔ̃’ dzi la, mía kple mía nɔewo dome ƒomedodo me anyo ɖe edzi. (Kolosetɔwo 3:13, 14) Ne míele agbe nɔm ɖe Ŋɔŋlɔawo ƒe gɔmeɖosewo nu la, míewɔa kuvia le dɔ ŋu o, eye ga ŋuti nukpɔsusu nyui hã va sua mía si. (Lododowo 13:4; Timoteo I, 6:9, 10) Asa ƒoƒo na ahamumu, gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ, atama kple atikevɔ̃ɖiwo zazã kpena ɖe mía ŋu be míanɔ lãmesẽ me.—Lododowo 7:21-23; 23:29, 30; Korintotɔwo II, 7:1.

Mawufiaɖuƒea nye dziɖuɖu aɖe si Mawu ɖo. Mawu da agba ɖe Yesu Kristo, si wòɖo Fiaɖuƒea ƒe Fiae, kple eƒe hatidziɖulawo dzi be woawɔ ɖe yeƒe se dzɔdzɔe kple gɔmeɖose siwo me lɔlɔ̃ le la dzi. Mawu ƒe seawo dzi wɔwɔ dzɔa dzi na Fiaɖuƒea teviwo kple eteƒenɔla siwo le anyigba dzi. Esia na Mawu va xɔ nɔƒe vevitɔ le Fiaɖuƒea ƒe dziɖulawo kple eteviwo siaa ƒe agbe me. Esia fia be Mawue nye Fiaɖuƒea ƒe ta, si ɖo kpe edzi be ele teokrasi ƒe ɖoɖo nu vavã. Fiaɖuƒea awɔ nusitae woɖoe anyi ɖo la ade goe godoo. Gake ɣekaɣie Mawufiaɖuƒe, si wogayɔna be Mesia Fiaɖuƒe la, te dziɖuɖu?

Fiaɖuƒea Te Dziɖuɖu

Yesu gblɔ nya vevi si akpe ɖe mía ŋu míanya ɣeyiɣi si me Fiaɖuƒea te dziɖuɖu. Egblɔ be: “Trɔ̃subɔlawo latu afɔ Yerusalem dzi, halase esime woawu trɔ̃subɔlawo ƒe ɣeyiɣi la nu.” (Luka 21:24) Yerusalem koe nye du si ŋu woyɔa Mawu ƒe ŋkɔ ɖo le anyigba bliboa dzi. (Fiawo I, 11:36; Mateo 5:35) Eyae nye fiaɖuƒe si dzi Mawu da asi ɖo le anyigba dzi la ƒe fiadu. Trɔ̃subɔlawo atu afɔ du sia dzi le susua nu be amegbetɔwo ava xɔ ɖe Mawu teƒe aɖu eƒe dukɔa dzi hena ɣeyiɣi aɖe. Ɣekaɣie esia dzɔ?

Yehowa gblɔ na fia mamlɛtɔ si nɔ Eƒe fiazikpui dzi le Yerusalem be: ‘Wòaɖe tablanu ɖa, eye wòaɖe fiakuku ɖi. Maganɔ anyi o, vaseɖe esime amesi tɔ wònye la nava, eye yeatsɔe nɛ.’ (Xezekiel 21:30-32) Woaɖe fiakuku le fia ma ta, eye Mawu magaɖu Eƒe dukɔa dzi o vaseɖe ɣeyiɣi aɖe. Esia dzɔ le ƒe 607 D.M.Ŋ. me esime Babilontɔwo va tsrɔ̃ Yerusalem. Le “trɔ̃subɔlawo ƒe ɣeyiɣi” si akplɔe ɖo me la, dziɖuɖu aɖeke maganɔ anyigba dzi, si anɔ Mawu ƒe dziɖulanyenye teƒe o. Ðeko ɣeyiɣi mawo awu enu hafi Yehowa atsɔ dziɖuɖuŋusẽa ana Yesu Kristo, “amesi tɔ wònye” la. Ɣeyiɣi sia ƒe didime ɖe?

Daniel ƒe agbalẽa me nyagblɔɖi aɖe gblɔ be: “Milã ati la, eye migblẽe; ke mina eƒe takpoea natsi to me, eye mide gayibɔ kple akɔbli kɔsɔkɔsɔe . . . vaseɖe esime azã adre nu nava yi nɛ.” (Daniel 4:20) Abe alesi míava kpɔe ene la, “azã adre” siawo kple “trɔ̃subɔlawo ƒe ɣeyiɣi” la siaa ƒe didime sɔ.

Le Biblia me la, wotsɔa atiwo wɔa kpɔɖeŋu na amewo, dziɖulawo, kple fiaɖuƒewo ɣeaɖewoɣi. (Psalmo 1:3; Yeremya 17:7, 8; Ezekiel, ta 31) Kpɔɖeŋuti la, ‘vu vaseɖe anyigba bliboa ƒe mlɔenu’ ke. (Daniel 4:11) Eyata dziɖuɖu aɖe si ƒe “ŋusẽ de anyigba ƒe mlɔenu ke,” si te ameƒomea katã le, lae ati si woalã ahabla eƒe takpoea nye kpɔɖeŋu na. (Daniel 4:17, 20, 22) Esia fia be atia nye kpɔɖeŋu na Mawu ƒe dziɖulanyenye si amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu aɖeke mesɔ kple o la. Dziɖuɖu sia nɔ anyi va ɖo ɣeyiɣi aɖe, esime Yehowa ɖo fia ɖe Israel dukɔa dzi. Wolã kpɔɖeŋuti la, eye wotsɔ gayibɔ kple akɔbli kɔsɔkɔsɔ bla takpoea bene wòagadze o. Esia fia be Mawu ƒe dziɖuɖu si le anyigba dzi la maganɔ anyi o, abe alesi wòdzɔ le ƒe 607 D.M.Ŋ. mee ene—gake matsi nenema ɖaa o. Ati takpoea akpɔtɔ anɔ babla vaseɖe esime “azã adre” la nade. Le ɣeyiɣi ɖoɖi sia ƒe nuwuwu la, Yehowa atsɔ dziɖuɖua na Yesu Kristo, amesi tɔ koŋue wònye. Edze ƒã be ɣeyiɣi ƒe didime ɖekae le “azã adre” la, kple “trɔ̃subɔlawo ƒe ɣeyiɣi” la siaa si.

Biblia kpe ɖe mía ŋu míenya “azã adre” la ƒe didime. Etsɔ ŋkeke 1,260 sɔ kple “ɣeyiɣi aɖe [ɣeyiɣi ɖeka] kple ɣeyiɣiwo [ɣeyiɣi eve] kpakple ɣeyiɣi afã”—si ƒe ƒuƒoƒo le “ɣeyiɣi” etɔ̃ kple afã. (Nyaɖeɖefia 12:6, 14) Esia ƒe teƒe eve anye ɣeyiɣi adre, alo ŋkeke 2,520.

Ne míexlẽ ŋkeke 2,520 tso ƒe 607 D.M.Ŋ. me la, akplɔ mí va ƒe 600 D.M.Ŋ. me. Gake azã adre la didi wu nenema. Esime Yesu nɔ nu ƒom tso “trɔ̃subɔlawo ƒe ɣeyiɣi” la ŋu la, wogakpɔtɔ nɔ ɣeyiɣi ma me. Esia fia be nyagblɔɖie azã adre la nye. Eyata ele be míatsɔ Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose si nye “ŋkeke ɖeka nanye ƒe ɖeka” la abui. (Mose IV, 14:34; Xezekiel 4:6) Ne míebui nenema la, ekema xexeame ƒe dziɖuŋusẽwo ƒe anyigbaa dzi ɖuɖu Mawu manɔmee axɔ ƒe 2,520. Ne míexlẽ ƒe 2,520 tso 607 D.M.Ŋ. me la, akplɔ mí va ƒe 1914 M.Ŋ. me. Ƒe ma mee “trɔ̃subɔlawo ƒe ɣeyiɣi,” alo azã adreawo, wu enu. Esia fia be Yesu Kristo te dziɖuɖu abe Mawufiaɖuƒea ƒe Fia ene tso ƒe 1914 me.

“Wò Fiaɖuƒe Nava”

Esi woɖo Mesia Fiaɖuƒea anyi le dziƒo xoxo ta la, ɖe wòle be míaganɔ gbe dom ɖa be wòava, abe alesi Yesu fia mí le Kpɔɖeŋugbedodoɖa la me enea? (Mateo 6:9, 10) Ẽ. Ebiabia alea sɔ, eye gɔmesese hã le eŋu. Eteƒe madidi o, Mawufiaɖuƒea akeke eƒe dziɖuŋusẽ ɖe enu wòaɖo anyigba bliboa dzi.

Yayra kawoe ameƒomea me tɔ wɔnuteƒewo akpɔ ne nya sia va eme? Biblia gblɔ be: “Mawu ŋutɔ anɔ anyi kpli wo, eye wòanye woƒe Mawu. eye Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.” (Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Ɣemaɣi la, “duametɔ [anyigbadzitɔ] aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.” (Yesaya 33:24) Amesiwo ƒe nu dzea Mawu ŋu la akpɔ agbe mavɔ. (Yohanes 17:3) Esi míele mɔ kpɔm na Biblia me nyagblɔɖi nyui sia kple bubuwo ƒe mevava la, mina ‘miayi edzi anɔ mawufiaɖuƒe la kple Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye dim gbãgbiagbã.’—Mateo 6:33.

^ mm. 10 Blema Israel fia Dawid wɔ aʋa kple Yebusitɔwo hexɔ Zion-mɔ̃ la le wo si tsɔ ɖo eƒe fiadui. (Samuel II, 5:6, 7, 9) Etsɔ Aɖaka kɔkɔe la hã yi afimae. (Samuel II, 6:17) Esi wònye be Aɖaka la fiana be Yehowa le wo dome ta la, woyɔa Zion be Mawu ƒe nɔƒe, si na wòsɔ nyuie be wozãe tsɔ wɔ kpɔɖeŋu na dziƒo.—Mose II, 25:22; Mose III, 16:2; Psalmo 9:12; Nyaɖeɖefia 11:19.