Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Woyɔ Sanhedrin La Me Tɔwo Va Ƒo Ƒu’

‘Woyɔ Sanhedrin La Me Tɔwo Va Ƒo Ƒu’

‘Woyɔ Sanhedrin La Me Tɔwo Va Ƒo Ƒu’

NUNƆLAGà la kple Yuda-megãwo tɔtɔ le wo ɖokui me. Nukae woate ŋu awɔ atsɔ atsi dzidzɔnya gbogbo siwo sem wonɔ le Yesu Kristo ŋu la nu? Wokpɔ dzidzedze le Yesu wuwu me, gake fifia la, eƒe nusrɔ̃lawo le gbeƒã ɖem eƒe tsitretsitsia le Yerusalem-du bliboa me. Nukae woate ŋu awɔ atsɔ tsi wo nui? Be woanya nusi woawɔ la, nunɔlagã la kple eƒe kpeɖeŋutɔwo yɔ Sanhedrin, si nye Yudatɔwo ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Gãtɔ la, me tɔwo va ƒo ƒu.—Dɔwɔwɔwo 5:21.

Le ƒe alafa gbãtɔ me la, Roma-mɔ̃mefia Pontio Pilato ƒe dziɖuŋusẽe ƒo Israel dukɔa me tɔ ɖesiaɖe tɔ ta. Gake aleke Sanhedrin la wɔa nu kple Pilatoe? Afikae Sanhedrin la ƒe ŋusẽ se ɖo? Amekawoe nye Sanhedrin la me tɔwo? Eye aleke Sanhedrin la wɔa dɔe?

Sanhedrin la Ðoɖo Kple Eƒe Ŋusẽ

Helagbe me nya si gɔme woɖe be Sanhedrin, la gɔme ŋutɔŋutɔe nye “anyinɔnɔ ɖe nane ŋu.” Wozãnɛ le gɔmesese gbadzaa nu wòfiana takpekpe alo kpekpe aɖe. Le Yudatɔwo ƒe kɔnyinyi nu la, wozãnɛ zi geɖe na subɔsubɔnyawo ŋuti ʋɔnudrɔ̃lawo, alo na ʋɔnudrɔ̃ƒe.

Amesiwo ŋlɔ rabiwo ƒe se si woyɔna be Talmud, le ƒe alafa siwo kplɔ Yerusalem tsɔtsrɔ̃ le ƒe 70 M.Ŋ. me ɖo la yɔ Sanhedrin la be blema ƒuƒoƒo. Wosusui be ƒuƒoƒo sia me tɔwo nye agbalẽnyalagã siwo kpea ta dea ŋugble le Yudatɔwo ƒe sewo ŋu, eye wòbui hã be tso esime Mose tia ame tsitsi 70 aɖewo bene woakpe ɖe ye ŋu le Israel-dukɔa kpɔkplɔ me kee woɖo ƒuƒoƒo sia anyi. (Mose IV, 11:16, 17) Ke hã, blemaŋutinyaŋlɔlawo meda asi ɖe numeɖeɖe sia dzi o. Wogblɔ be esime Persiatɔwo va dze Israel dzi hexɔe megbee woɖo nane si de sɔsɔ ge kple ƒe alafa gbãtɔ me Sanhedrin la anyi. Blemaŋutinyaŋlɔla siawo xɔe se hã be nusi Talmud-ŋlɔla bu be eyae agbalẽnyalagãwo ƒe ƒuƒoƒo sia nye la ɖi Rabiwo ƒe sewɔtakpekpe siwo nɔ anyi le ƒe alafa evelia kple etɔ̃lia me, tsɔ wu ƒe alafa gbãtɔ me Sanhedrin la. Ekema ɣekaɣie woɖo Sanhedrin la anyi?

Biblia ɖee fia be sewɔlawo kple ɖoɖowɔlawo nɔ amesiwo trɔ tso aboyome le Babilon gbɔ va Yuda le ƒe 537 D.M.Ŋ. me la si. Nexemya kple Ezra ƒo nu tso amegãwo, ame tsitsiwo, kple bubume siwo anya va zu Sanhedrin me tɔwo emegbe la ŋu.—Ezra 10:8; Nexemya 5:7.

Tso esime wowu Hebri Ŋɔŋlɔawo nu vaseɖe esime Mateo dze eƒe Nyanyuia ŋɔŋlɔ gɔme la nye ɣeyiɣi sesẽ na Yudatɔwo. Le ƒe 332 D.M.Ŋ. me la, Aleksanda Gãtɔ va dze Yudea dzi hexɔe. Le Aleksanda ƒe ku megbe la, Yudea va nɔ Aleksanda ƒe Hela-fiaɖuƒe eve te—gbãtɔe nye esi dzi Ptolemi-fiaƒomea ɖu, eye eveliae nye esi dzi Seleukia-fiaƒomea va ɖu. Woyɔ Yudatɔwo ƒe sewɔtakpekpe aɖe ƒe ŋkɔ zi gbãtɔ le Seleukiawo ƒe dziɖuɣi, si dze egɔme tso 198 D.M.Ŋ., ŋuti nuŋlɔɖiwo me. Anɔ eme be ŋusẽ boo aɖeke menɔ sewɔtakpekpe sia ŋu ya o, gake takpekpe sia na wòdze abe ɖe dziɖuɖu aɖe tɔgbe nɔ Yudatɔwo ŋutɔ si ene.

Le ƒe 167 D.M.Ŋ. me la, Fia Antioxo IV (Epifane), si tso Seleukia-fiaƒomea me, te kpɔ be yeazi Helatɔwo ƒe dekɔnuwo ɖe Yudatɔwo dzi. Etsɔ ha sa vɔ̃e na alakpamawu Zeus le Yerusalem gbedoxɔa ƒe vɔsamlekpui dzi tsɔ do ŋunyɔ gbedoxɔae. Nusia wɔwɔ do dɔmedzoe na Yudatɔwo, eye esia wɔe be Maccabeewo, siwo nye Yudatɔawo ƒe aglãdzeha aɖe, dze aglã heɖe wo ɖokui ɖa le Seleukia ƒe kpɔkplɔ te heɖo Hasmontɔwo ƒe fiaƒomea anyi. * Le ɣeyiɣi ma ke me la, agbalẽfialawo kple Farisitɔwo—siwo nye ame gbogbo siwo de aglãdzedzea dzi ƒe ŋgɔnɔlawo—va zu dziɖuɖumegãwo ɖe fiaƒomea me tɔwo teƒe.

Sanhedrin la, abe alesi woƒo nu tso eŋu le Hela Ŋɔŋlɔawo me ene, va nɔ ŋusẽ kpɔm henɔ ta kekem ɖe edzi. Eyae va zu dukɔa ƒe sewɔtakpekpe kple ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ si va nɔ Yudatɔwo ƒe sewo me ɖem.

Dziɖuɖuŋusẽ Ŋudɔ Wɔwɔ

Kaka ƒe alafa gbãtɔ naɖo la, Yudea va nɔ Romatɔwo ƒe kpɔkplɔ te. Gake ɖokuisinɔnɔ ƒe gome aɖe ƒomevi nɔ Yudatɔwo si. Enye Romatɔwo ƒe ɖoɖo be yewoana gome dukɔ siwo le yewoƒe kpɔkplɔ te la be woatia dziɖuɖu ƒomevi si woa ŋutɔwo wodi la. Eyata Romatɔwo ƒe dziɖuɖumegã siwo le Yuda-dukɔa me medea nu nya siwo ʋɔnudrɔ̃ƒe siwo le dua me la drɔ̃na la me o, eye wotoa esia dzi ƒoa asa na kuxi siwo ate ŋu ado mo ɖa le vovototo siwo le dekɔnuwo me la ta. Nusitae wowɔnɛ alea ɖoe nye be woana ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ nanɔ duameviwo dome to alesi woɖea asi le wo ŋu be woawɔ ɖe woƒe kɔnyinyiwo dzi, ahaɖu woa ŋutɔwo ɖokui dzi le mɔ si ade wo dzi nu. Tsɔ kpe ɖe nunɔlagã la—amesi nyea Sanhedrin la ƒe zimenɔla—tiatia alo eɖeɖe ɖa le ɖoƒe sia kple adzɔ siwo duameviwo axe kaka ŋu la, go siwo me Romatɔwo gadea nu Yudatɔwo ƒe nyawo me le koe nye nɔnɔme siwo atsi tre ɖe woƒe dziɖuɖu ŋu. Abe alesi wòdze le ʋɔnudɔdrɔ̃ Yesu mee ene la, Romatɔwo ƒe nuwɔnawo ɖee fia be womedi be yewoazã yewoƒe ŋusẽ atsɔ atso kufia na ame o.—Yohanes 18:31.

Eyata Sanhedrin lae kpɔa Yuda-dukɔa me nyawo ƒe akpa gãtɔ gbɔ. Asrafowo le Sanhedrin la si be woalé amewo atu. (Yohanes 7:32) Ʋɔnudrɔ̃ƒe suesuewo te ŋu drɔ̃a nya siwo menyea ŋkubiãnya fũ o la hetsoa afia le wo ŋu, Romatɔwo ƒe nu mademade eme. Ne ʋɔnudrɔ̃ƒewo mete ŋu le ta kpɔm na nya aɖe o la, wotsɔnɛ yina ɖe Sanhedrin la gbɔe, eye nyametsotso si Sanhedrin la awɔ le nya la ŋue nye esi dzi wòle be amesiame nalɔ̃ ɖo.

Be Sanhedrin la nakpɔtɔ anɔ ɖoƒe si wòle la, ele be wòakpɔ egbɔ be ŋutifafa le dukɔa me eye wòanɔ Roma dziɖuɖua ƒe akpa dzi. Gake ne Romatɔwo kpɔe be Sanhedrin la awɔ nane siwo dzi yewomeda asi ɖo o la, wogena ɖe nya la me kaba heɖea afɔ si wokpɔ be esɔ. Nusiawo dometɔ ɖekae ku ɖe apostolo Paulo léle ŋu.—Dɔwɔwɔwo 21:31-40.

Sanhedrin la Me Tɔwo

Ame 71 ye le Sanhedrin la me—nunɔlagã la kple dumegã 70. Esi Romatɔwo nɔ wo dzi ɖum la, nunɔla siwo nye bubumewo (siwo dometɔ akpa gãtɔ nye Zadukitɔwo), ame ŋkutawo, kple Farisitɔ agbalẽnyalagã, siwo nye sefialawo lae nɔ Sanhedrin la me. Sanhedrin la me tɔ akpa gãtɔwo nye subɔsubɔhawo ƒe amegãwo kple ame ŋkuta bubuwo. * Zadukitɔwo ƒe nya mee sẽna kpaɖii, gake Farisitɔwo ya mele nenema o, si wɔe be ame geɖewo kpɔa ŋudzedze ɖe wo ŋu. Blemaŋutinyaŋlɔla Josephus gblɔ be, Zadukitɔwo hena ɖe megbe le nusiwo Farisitɔwo bia tso wo si la wɔwɔ me. Esime wohe Paulo yi Sanhedrin la ŋkume be wòaɖe eɖokui nu la, ewɔ masɔmasɔ kple vovototo siwo nɔ ƒuƒoƒo eve siawo ƒe dzixɔsewo dome la ŋudɔ nyuie.

Esi wònye agbalẽnyalagãwoe nyea Sanhedrin la me tɔwo ta la, amesiwo wotiana la nyea emenɔlawo woƒe agbemeŋkekewo katã, eye amesiwo le eme xoxo woe tiana ame yeyewo be woava xɔ ɖe emenɔla aɖe si ku loo alo megadze anye emenɔla o la teƒe. Kɔnyinyi siwo ŋu nya woŋlɔ ɖe agbalẽ si nye Mishnah me ɖee fia be, ele be ame yeye siwo woatia be woava nye Sanhedrin la me tɔwo nanye “nunɔlawo, Lewi-viwo, kple Israel-ŋutsu siwo ƒe vinyɔnuwo ŋu woɖe mɔ ɖo na nunɔlawo be woaɖe,” si fia be ele be woakpɔ kpeɖodzi vavãwo be wonye Yuda-vidzidzi akuakuawo. Esi wònye ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ siae kpɔa ʋɔnudrɔ̃nya siwo katã yia edzi le dukɔ bliboa me dzi ta la, wote ŋu doa amesiwo bi le ʋɔnudrɔ̃nyawo me le ʋɔnudrɔ̃ƒe suesuesuewo me la ɖe ŋgɔ be woava nye Sanhedrin la me tɔwo.

Afisi Eƒe Dziɖuŋusẽ Keke Ta Ðo

Yudatɔwo dea bubu deto Sanhedrin la ŋu, eye ele na ʋɔnudrɔ̃la siwo le ʋɔnudrɔ̃ƒe suesuesueawo be woalɔ̃ ɖe eƒe nyametsotso ɖesiaɖe dzi, ema manɔmee la, woawu wo. Nusi me Sanhedrin la tsɔa ɖe le vevie enye nunɔlawo ƒe dzedze kple nya siwo ku ɖe Yerusalem ŋu, kpakple nya siwo ku ɖe subɔsubɔ le gbedoxɔa me ŋu. Ne míagblɔe tututu la, Yudea dzi koe wòle be Sanhedrin la nakpɔ ŋusẽ ɖo hafi. Gake esi wobua Sanhedrin la be eyae nye ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ si dzroa Sea me ta la, ekpɔ ŋusẽ ɖe nyui kple vɔ̃ ŋuti nyametsotsowo wɔwɔ dzi le Yuda-dukɔ siwo katã le xexeame dzi. Le kpɔɖeŋu me, nunɔlagã kple etɔwo ɖe gbe na amesiwo nɔ ŋgɔ xɔm na ƒuƒoƒe siwo le Damasko be woakpe asi ɖe Kristo yomedzelawo léle ŋu. (Dɔwɔwɔwo 9:1, 2; 22:4, 5; 26:12) Anɔ eme be Yudatɔ siwo zɔ mɔ yi Yerusalem hena azãwo ɖuɖu la hã yi ɖa gblɔ nyametsotso si Sanhedrin la wɔ ku ɖe Yesu yomedzelawo léle ŋu nya na amewo.

Le nya si Mishnah gblɔ nu la, Sanhedrin lae tsoa nya me le nya sia nya si aka dukɔa ŋu, etua nu kple ʋɔnudrɔ̃la siwo tua afɔkpo eƒe nyametsotsowo me la, eye wòdrɔ̃a ʋɔnu aʋatsonyagblɔɖilawo. Wotso Yesu kple Stefano nu be wonye busunyagblɔlawo, wotso Petro kple Yohanes nu be wole to gblẽm na amewo be woatsri tre ɖe dziɖuɖua ŋu, eye wotso Paulo hã nu be edo ŋunyɔ gbedoxɔa.—Marko 14:64; Dɔwɔwɔwo 4:15-17; 6:11; 23:1; 24:6.

Ʋɔnu Dɔdrɔ̃ Yesu Kple Eƒe Nusrɔ̃Lawo

Sanhedrin la me tɔwo kpea ta gbesiagbe tso ŋdi vɔsa dzi vaseɖe fiẽ vɔsa la dzi hewɔa nyametsotsowo, negbe le sabat ŋkekea kple ŋkeke kɔkɔe bubuwo dzi ko. Ŋkeke me koe wodrɔ̃a ʋɔnu amewo, ke menye le fiẽsiwo alo zã me o. Esi wònye ŋkeke si kplɔ ʋɔnudrɔ̃gbea ɖo dzie wotsoa kufia na ame ta la, womedrɔ̃a ʋɔnu siawo tɔgbe le ŋkeke si do ŋgɔ na Sabat-ŋkeke alo le ŋkeke si do ŋgɔ na azã aɖe ɖuɖu dzi o. Woxlɔ̃a nu amesiwo aɖu ɖasefowo le ʋɔnudrɔ̃nyawo me ku ɖe ŋkubiãnya si wònye be woakɔ ʋu maɖifɔ ɖi to aʋatsoɖaseɖiɖi me ŋu. Eyata ʋɔ̃nu si wodrɔ̃ Yesu le zã me le Kayafa ƒe aƒe me hetso kufia nɛ le ŋkeke si do ŋgɔ na azã aɖe ɖuɖu dzi la, menɔ se nu o. Esi gavɔ̃ɖi wue nye be ʋɔnudrɔ̃lawo ŋutɔ di aʋatsoɖaseɖilawo, eye woƒoe ɖe Pilato nu be wòaɖe gbe be woawu Yesu.—Mateo 26:57-59; Yohanes 11:47-53; 19:31.

Talmud la ɖe nu me be, ʋɔnudrɔ̃la siwo drɔ̃a nya siwo me woate ŋu atso kufia na ame le la dzea agbagba vevie be yeawoakpɔ nane si dzi yewoate ŋu anɔ te ɖo axɔ na amesi ɖi fɔ la mahã. Abe alesi wònɔ le Yesu gomee ene la, womeɖe mɔ na Stefano hã be wòaɖe eɖokui nu o. Esi Stefano te kpɔ be yeaɖe ye ɖokui nu le Sanhedrin la ŋkume la, amehawo ƒu kpee wòku. Ðe menye Roma-dziɖuɖuae de nu nya me le esi wohe apostolo Paulo yi Sanhedrin la ŋkume o la, anye ne woƒu kpe eya hã wòku. Le nyateƒe me la, ɖe Sanhedrin la me ʋɔnudrɔ̃lawo ɖo nugbe ɖe eŋu kplikpaa be yewoawui hafi.—Dɔwɔwɔwo 6:12; 7:58; 23:6-15.

Gake Sanhedrin la me tɔ ʋɛ aɖewo ya dze ame ɖɔʋuwoe. Anye be Sanhedrin la me tɔe Yudatɔ ɖekakpui dziɖula si ɖo dze kple Yesu la nye. Togbɔ be ɖekakpui sia ƒe kesinɔnuwoe nye mɔxenu nɛ hã la, nɔnɔme nyuiwo anya nɔ esi, elabena Yesu kpee be wòava nye ye yomedzela.—Mateo 19:16-22; Luka 18:18, 22.

Anye be esi Nikodemo, si nye “Yudatɔwo ƒe amegã,” nɔ vɔvɔ̃m ɖe susu si etɔ ʋɔnudrɔ̃la bubuawo abu ɖe ye ŋu tae wòyi ɖasrã Yesu kpɔ dzaa le zã me ɖo. Ke hã, Nikodemo ʋli Yesu ta le Sanhedrin la ŋkume kple nyabiase sia be: “Alo ɖe míaƒe se la drɔ̃a ʋɔnu ame, ne menye ɖe woase ame la ƒe numegbe gbã, eye wonya nusi wòwɔ o mahã?” Emegbe Nikodemo tsɔ ami ʋeʋẽ siwo nye “mire kple aloe,” na be woatsɔ adzra Yesu ƒe ŋutilã ɖo hena eɖiɖi.—Yohanes 3:1, 2; 7:51, 52; 19:39.

Yosef si tso Arimatia, si nye Sanhedrin la me tɔ bubu, hã tsɔ dzideƒo bia Pilato be wòaɖe mɔ na ye be yeatsɔ Yesu ƒe ŋutilã kukua aɖaɖi ɖe yɔdo si wòɖe na eɖokui hafi la me. Togbɔ be Yosef nɔ “mɔ kpɔm na Mawu ƒe fiaɖuƒe” la ƒe vava hã la, vɔvɔ̃ na Yudatɔwo wɔe be mete ŋu ʋu eme le gaglãgbe be yenye Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka o. Gake Yosef dze na kafukafu le esi meda asi ɖe nugbe si Sanhedrin la ɖo be yeawu Yesu dzi o ta.—Marko 15:43-46; Mateo 27:57-60; Luka 23:50-53; Yohanes 19:38.

Sanhedrin la me tɔ Gamaliel xlɔ̃ nu etɔ ʋɔnudrɔ̃la bubuawo nunyatɔe be woagado kplamatsɛ Yesu ƒe nusrɔ̃lawo kura o. Egblɔ na etɔwo be woagawɔ nu ne ‘woakpɔ wo abe amesiwo le tsitre tsim ɖe Mawu ŋuti ene o.’ (Dɔwɔwɔwo 5:34-39) Nukae na be ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ sia me tɔwo mete ŋu kpɔe dze sii be Mawu le megbe na Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo o? Le esi teƒe be Sanhedrin la me tɔwo nalɔ̃ ɖe Yesu ƒe nukunuwo dzi la, wogblɔ boŋ be: “Nuka míawɔ? Elabena amesia le dzesi geɖewo wɔm. Ne míena mɔe alea la, ekema amewo katã le edzi xɔ ge ase, eye Romatɔwo ava, eye woaxɔ míaƒe anyigba kple míaƒe dukɔ le mía si.” (Yohanes 11:47, 48) Ŋusẽ didi vivivo wɔe be Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ la drɔ̃ ʋɔnu madzɔmadzɔ. Nenema kee, le esi teƒe be dzi nadzɔ subɔsubɔhakplɔlawo be Yesu ƒe nusrɔ̃lawo da dɔ na amewo la, “woyɔ fũ kple ŋuʋaʋã” boŋ. (Dɔwɔwɔwo 5:17) Esi wonye ʋɔnudrɔ̃lawo ta la, ɖe wòle be woanye Mawuvɔ̃lawo kple nudzɔdzɔewɔlawo hafi, gake wo dometɔ akpa gãtɔ nye nufitifitiwɔlawo kple alakpatɔwo.—Mose II, 18:21; Mose V, 16:18-20.

Mawu ƒe Ʋɔnudɔdrɔ̃

Esi wònye be Israel-viwo meɖo to Mawu ƒe Seawo o eye wogbe Mesia la hã ta la, Yehowa va gbe nu le dukɔa gbɔ mlɔeba eye womegava nye eƒe ame tiatiawo o. Le 70 M.Ŋ. me la, Romatɔwo va tsrɔ̃ Yerusalem dua kple eƒe gbedoxɔa eye wohe Yudatɔwo ƒe nuɖoanyi bliboa kple eƒe Sanhedrin la ŋutɔ gɔ̃ hã va nuwuwui.

Yehowa ƒe ʋɔnudrɔ̃la si wòtia, si nye Yesu Kristo, ye atso nya me le ƒe alafa gbãtɔ me Sanhedrin la me tɔ siwo adze na tsitretsitsi kple wo dometɔ siwo wɔ nuvɔ̃ ɖe gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu la ŋuti. (Marko 3:29; Yohanes 5:22) Míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be, ne Yesu le nyametsotso mawo wɔm la, awɔ nu le dzɔdzɔenyenye me le go sia go me.—Yesaya 11:3-5.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 9 Be nànya nu geɖewo tso Maccabeewo kple Hasmontɔwo ŋu la, kpɔ Gbetakpɔxɔ, November 15, 1998, axa 21-4, kple June 15, 2001, axa 27-30.

^ mm. 16 Ne Biblia ƒo nu tso “nunɔlagãwo” ŋu la, nusi wòfiae nye nunɔlagã siwo nɔ anyi va yi kple esiwo li fifia kple woƒe ƒometɔ siwo dze ava nye nunɔlawo le etsɔme.—Mateo 21:23.