Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nya Vevi Siwo Tso Lododowo ƒe Agbalẽa Me

Nya Vevi Siwo Tso Lododowo ƒe Agbalẽa Me

Yehowa ƒe Nya la Le Agbe

Nya Vevi Siwo Tso Lododowo ƒe Agbalẽa Me

BLEMA Israel Fia Salomo te ŋu ‘do lo akpe etɔ̃.’ (Fiawo I, 5:12 Ðe míate ŋu akpɔ eƒe lododoawo le afi aɖea? Ẽ! Wowu Biblia-gbalẽ si nye Lododowo ŋɔŋlɔ nu le ƒe 717 D.M.Ŋ. me lɔƒo, eye woŋlɔ Salomo ƒe lododoawo dometɔ geɖe ɖe eme. Salomo ŋutɔe ŋlɔ agbalẽa me nyawo katã negbe ta 30 kple 31 koe ame bubu siwo nye Agur, Yake vi, kple fia Lemuel, ŋlɔ. Gake ame aɖewo xɔe se be Salomo kee wògayɔ be Lemuel.

Taɖodzinu eve ye le Lododowo ƒe agbalẽa me nya siwo tso gbɔgbɔ me la si na mí—‘bene míadze nunya ahaxɔ hehe.’ (Lododowo 1:2) Lododo siawo kpena ɖe mía ŋu míedzea nunya, si nye alesi míate ŋu akpɔ nuwo nyuie ahazã sidzedze si su mía si la atsɔ akpɔ kuxiwo gbɔe. Lododo siawo naa hehe mí hã, alo fiaa agbenyuinɔnɔ mí. Fɔléle ɖe lododo siawo ŋu kple wo me ɖaŋuɖoɖowo tsɔtsɔ ade dɔwɔna me ate ŋu ana be dzi nyui nasu mía si, si ana be dzi nadzɔ mí eye míaƒe dzi hã nadze eme.—Hebritɔwo 4:12.

‘DZE NUNYA EYE NÀXƆ AMEHEHE’

(Lododowo 1:1–9:18)

Salomo gblɔ be: “Nunya le ɣli dom le kpɔdomee.” (Lododowo 1:20) Nukatae wòle be míaɖo to eƒe gbe si le ɖiɖim sesĩe eye eme kɔ nyuie la ɖo? Ta 2 lia gblɔ viɖe geɖe siwo nunya ƒe ame si susu hena vɛ la. Woɖe nusi wòle be ame nawɔ be kadodo kplikplikpli nanɔ woa kple Yehowa dome la me le ta 3 lia me. Salomo gblɔ be: “Nunya ƒe gɔmetoto enye be, woaƒle nunya, eye natsɔ wò kesinɔnuwo katã aƒle gɔmesesee. Lé amehehe ɖe asi sesĩe, megage le asiwò o.”—Lododowo 4:7, 13.

Nukae akpe ɖe mía ŋu be míatsi tre ɖe xexeame ƒe agbenyuimanɔmanɔ ŋu? Lododowo ta 5 lia ɖo nya sia ŋu be: Wɔ tamebubu ŋutete ŋudɔ, eye nàkpɔ xexeame ƒe ameblenuwo adze sii. Bu dzigbãnya siwo dona tsoa agbegbegblẽnɔnɔ me hã ŋu kpɔ. Ta 6 lia xlɔ̃ nu ku ɖe afɔɖeɖe kple nuwɔna siwo gblẽa ame kple Yehowa dome kadodo me la ŋu. Ta 7 lia ɖe alesi agbegbegblẽnɔla wɔa nui me nyuie. Le ta 8 lia me la, woɖe asixɔxɔ si le nunya ŋu kple alesi wòɖea vi na amee me le mɔ wɔdɔɖeamedzi aɖe nu. Ta 9 lia, si nye lododo siwo do ŋgɔ la ƒe taƒoƒo ʋãme aɖe la, nye kpɔɖeŋunya siwo aʋã mí be míanɔ nunya didi dzi.

Ŋɔŋlɔawo me Biabiawo Ŋuɖoɖo:

1:7; 9:10—Mɔ ka nue Yehowa vɔvɔ̃ nye “sidzedze ƒe gɔmetoto” kple “nunya ƒe gɔmetoto” le? Yehowa vɔvɔ̃ manɔmee la, sidzedze aɖeke mate ŋu asu ame si o, elabena eyae nye nuwo katã Wɔla kple Biblia la Ŋlɔla. (Romatɔwo 1:20; Timoteo II, 3:16, 17) Eya ŋutɔ nye sidzedze vavãtɔwo katã Dzɔtsoƒe. Le esia ta la, Yehowa-vɔvɔ̃ bubutɔe ye wotsɔna dzea sidzedze gɔmee. Mawu vɔvɔ̃ nye nunya ƒe gɔmetoto hã elabena sidzedze manɔmee la, nunya mate ŋu asu ame si le mɔ aɖeke nu o. Gawu la, amesi mevɔ̃a Yehowa o hã mate ŋu azã xexemenunya si su esi la atsɔ ade bubu Wɔla la ŋui o.

5:3—Nukatae woyɔ gbolo be “nyɔnu tutɔ” ɖo? Lododowo 2:16, 17 ɖɔ “nyɔnu tutɔ” be enye ame aɖe si ‘ŋlɔ eƒe Mawu ƒe nubabla be.’ Le blema la, woyɔa amesi nye alakpamawuwo subɔla alo amesi mewɔna ɖe Mose ƒe Sea dzi o, kpakple gbolo siaa, be ame tutɔ.—Yeremya 2:25; 3:13.

7:1, 2—Nukawoe nye ‘Yehowa ƒe nuƒoƒowo’ kple ‘eƒe sededewo’ la dometɔ aɖewo? Tsɔ kpe ɖe Biblia ƒe nufiafiawo ŋu la, se alo ɖoɖo siwo dzilawo wɔ be wòaɖe vi na ƒomea me tɔwo hã nye Mawu ƒe nuƒoƒowo kple sededewo dometɔ aɖewo. Ele na ɖeviwo be woawɔ ɖe wo dzilawo ƒe ɖoɖo siawo kple Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose siwo wofiana wo la dzi.

8:30—Amekae nye “dɔnunɔla” la? Nunya, si woɖɔ abe amee wònye ene la, yɔ eɖokui be dɔnunɔla. Menye ame aɖe si ƒe ŋutinya wokpa nyuie ye nunya sia, si woɖɔ abe amee wònye ene la, nye o, ke boŋ etsi tre ɖi na Mawu ƒe Ŋgɔgbevi, Yesu Kristo, esime wònye gbɔgbɔmeme. Do ŋgɔ na esime woava dzi wòanye amegbetɔ anɔ anyigba dzi la, wowɔe ‘wònye Mawu ƒe mɔ ƒe gɔmetoto.’ (Lododowo 8:22) Abe “dɔnunɔla” ene la, ewɔ dɔ moveviɖoɖotɔe kple Fofoa le nuwo katã wɔwɔ me.—Kolosetɔwo 1:15-17.

9:17—Nukae nye “tsi, si wofi” la, eye nukatae ‘wòvivina’ ɖo? Esi Biblia tsɔa srɔ̃tɔwo ƒe gbɔdɔdɔ me vivisese sɔna kple vudometsi si ɖia kɔ na ame dudu ta la, tsi si wofi la tsi tre ɖi na gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽ si wonɔna le adzame. (Lododowo 5:15-17) Ebubu be ame aɖeke mekpɔ yewo o la nana wòdzena abe tsi vivie wònye ene.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme na Mí:

1:10-14. Ele be míakpɔ nyuie be kesinɔnu siwo ƒe ŋugbe nuvɔ̃wɔlawo ado na mí bene yewoatsɔ able mía nui la nagaflu mí míayi woƒe mɔwo dzi zɔ ge o.

3:3. Ele be míade asixɔxɔ gã aɖe amenuveve kple nyateƒetoto ŋu, eye míaɖee afia amewo nakpɔ abe alesi míedea kɔgɛ xɔasi amewo kpɔnae ene. Ele be míana nɔnɔme siawo naƒo ke ɖe to ɖe míaƒe dzi me, bene woatsi mía si ɖaa.

4:18. Ðe Biblia me sidzedze me nɔa kɔkɔm vivivi. Be míayi edzi anɔ kekelia me la, ele be míanɔ ɖokuibɔbɔ kple tufafa ɖem fia.

5:8. Ele be míate mía ɖokui ɖa xaa tso agbegbegblẽnɔnɔ ƒe nuwɔnawo katã gbɔ, eɖanye to Internet dzi loo alo haƒoƒo, modzakaɖeɖe, agbalẽwo kple magazinewo me o.

5:21. Ðe Yehowa lɔ̃la atsɔ ƒomedodo nyui si le woa kple Mawu vavã la dome me aɖɔ li ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe dzidzɔkpɔkpɔa? Gbeɖegbeɖe! Ŋusẽdoamenu vevitɔ si nana ame léa agbedzadzɛnɔnɔ me ɖe asie nye enyanya be Yehowa kpɔa míaƒe mɔwo katã eye be eyae míabu akɔnta na.

6:1-5. Aɖaŋu nyui kae nye esi le kpukpui siawo me na mí ku ɖe ‘megbedada’ na amewo, alo gadede dɔwɔɖoɖowo me ŋumaɖɔɖotɔe, ŋu enye si! Ne míegbugbɔ ŋugble de nyuie hekpɔe be míewɔ nu ɖe ame aɖe ŋu nyuie o la, ele be míatso kaba aɖaɖe kuku nɛ vevie ahadze agbagba ɖesiaɖe be míadzra mía kplii dome ɖo.

6:16-19. Nugbegblẽwɔwɔ ƒomeviwo katã kloe dze le nu vevi adre siawo me. Ele be míatsri wo katã.

6:20-24. Ŋɔŋlɔawo tsɔtsɔ ana hehe ame tso eƒe ɖevime ate ŋu akpɔ eta be gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ ƒe mɔ̃ maɖee o. Mele be dzilawo naŋe aɖaba aƒu hehe sia nana wo viwo dzi o.

7:4. Ele be míadi vevie be nunya kple nugɔmesese nasu mía si.

LODODO VOVOVO SIWO ATE ŊU AFIA MƆ MÍ

(Lododowo 10:1–29:27)

Salomo ƒe lododo mamleawo nye nya kpokploewo ko. Alesi woyɔ fũ kple vovototodede nuwo dome, nuwo ƒe wo nɔewo ɖiɖi, kple nuwo tsɔtsɔ asɔ kple wo nɔewo la wɔe be míate ŋu akpɔ agbenɔnɔ, nuƒoƒo, kple nuwɔna ŋuti nu veviwo asrɔ̃ tso wo me.

Ta 10 vaseɖe 24 lia me nyawo te gbe ɖe asixɔxɔ si le Yehowa-vɔvɔ̃ ŋu dzi. ‘Yuda-fia Xizkiya ƒe amewoe’ gbugbɔ Lododowo ta 25 vaseɖe ta 29 lia me nyawo ŋlɔ. (Lododowo 25:1) Lododo siawo fia alesi míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋui, kple nu vevi bubuwo hã mí.

Ŋɔŋlɔawo me Biabiawo Ŋuɖoɖo:

10:6—Aleke “ŋutasesẽ ɣla ɖe ame vɔ̃ɖiwo ƒe nu me”? Ate ŋu anɔ alea le susua nu be ame vɔ̃ɖi toa nya ŋɔnɔewo gbɔgblɔ dzi tsyɔ nu nu vɔ̃ɖi siwo woɖo ɖe tame be yewoatu kple ame bubuwo la dzi.

10:10—Aleke “amesi miãa ŋku ɖe ame la” dea dziku aƒee? Menye ‘alakpanyawo’ koe “yakame” nɔa gbɔgblɔm nɔa yiyimee o, ke ezãa eƒe ŋutinuwo hã, abe ‘ŋkuteteɖeame’ ene, tsɔ dzea agbagba be yeaɣla yeƒe tamesusuwo. (Lododowo 6:12, 13) Alakpanuwɔwɔ sia ate ŋu awɔe be amesi ŋu wòwɔe ɖo la mavo le susume o.

10:29—Nukae nye “Yehowa ƒe mɔ” la? Menye alesi wòle be míanɔ agbee ŋu nya gblɔmee wole le afisia o, ke boŋ enye alesi Yehowa wɔa nu ɖe ameƒomea ŋui. Mawu ƒe nuwɔwɔ ɖe amegbetɔwo ŋu alea anye takpɔkpɔ na ame dzɔdzɔewo, ke anye tsɔtsrɔ̃ na ame vɔ̃ɖiwo ya.

11:31—Nukata wòle be woaɖo eteƒe na ame vɔ̃ɖiwo wu ame dzɔdzɔewo? Teƒeɖoɖo si ƒe nya gblɔm wole le afisiae nye tohehe ƒe kpekpeme si wo dometɔ ɖesiaɖe axɔ ɖe eƒe vodada ta. Ne ame dzɔdzɔe da vo la, teƒeɖoɖo si wòaxɔ ɖe eƒe vodada tae nye tohehe. Ame vɔ̃ɖi ya ɖonɛ koŋ nɔa nu vɔ̃ɖi wɔm hegbena be yematrɔ ɖe nyuiwɔwɔ ŋu o. Eyata ehiã be woahe to nɛ vevie ŋutɔ.

12:23—Mɔ ka nue ame aɖe ‘atsyɔ̃ nu eƒe sidzedze dzi le’? Nutsyɔtsyɔ sidzedze dzi mefia be woagaɖe sidzedze afia kura o. Ke nusi wòfia boŋue nye be ame naɖe sidzedze afia le mɔ si sɔ nu, menye be wòatsɔe anɔ adegbe ƒomee o.

14:17—Mɔ ka nue ‘woléa fu amesi ɖoa aye ɖe tame’ le? Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be ‘aye ɖoɖo ɖe tame’ ate ŋu afia nuŋububu nyui alo tame vɔ̃ ɖoɖo. Ele eme baa be ɖe woléa fu tame vɔ̃ ɖola ya. Gake nenema kee wòléa fu ame ɖɔʋu si zãa eƒe tamebubu ŋutete nyuie, eye wòtiae be ‘yemanye xexeame ƒe akpa aɖeke o’ la hãe.—Yohanes 15:19.

18:19—Aleke “nɔvi, si ŋu woda vo ɖo la, tri akɔ wu du sesẽ” aɖee? Abe du sesẽ aɖe si dzi wodze ene la, ame ma tɔgbe ate ŋu agbe gbidii be yematsɔ vo si woda ɖe ye ŋu la ake o. Masɔmasɔ si ayi edzi le eya kple amesi dze agɔa le edzi dome la ate ŋu ava zu abe ‘fiasã ƒe kpɔ gã nyadrii’ si womate ŋu aflɔ kura o ene.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme na Mí:

10:11-14. Be míaƒe nyawo natu amewo ɖo la, ele be míana be sidzedze vavãtɔ naxɔ míaƒe susu me bliboe ahana be lɔlɔ̃ akuaku naʋã míaƒe dzi, eye be míagblɔ míaƒe nyawo le nunya me.

10:19; 12:18; 13:3; 15:28; 17:28. Mina míaƒe nyawo nanɔ ʋɛ eye woatu ame ɖo hã.

11:1; 16:11; 20:10, 23. Yehowa di be míato nyateƒe ɣeawokatãɣi le míaƒe dɔwɔnyawo me.

11:4. Anye bometsitsi be míanɔ ŋutilãmenuwo yome tim kakaka wòava na míadzudzɔ ɖokuisi Biblia nusɔsrɔ̃, kpekpewo dede, gbedodoɖa, kple gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔwɔ.

13:4. Alesi ɖoƒe aɖe xɔxɔ le hamea me alo agbe nɔnɔ le xexe yeyea me anɔ mía ‘dzromee’ ɖeɖe mesɔ gbɔ o. Ele be míaʋli vevie be míate ŋu aɖo nudidi siwo ahia na taɖodzinu mawo gbɔ ɖoɖo la gbɔ.

13:24; 29:15, 21. Dzila si lɔ̃ via la manɔ vi wɔm na ɖevia alo anɔ aɖaba ŋem ƒu eƒe vodadawo dzi o. Ke boŋ vifofo alo vidada ɖea afɔ tsɔ ɖɔa ɖevia ɖo ale be wòaɖɔ vodada ma ɖo na ɖevia hafi wòava ƒo ke ɖe to ɖe eme.

14:10. Esi wònye míate ŋu aɖe míaƒe seselelãme ememetɔ agblɔ wòade edeƒe ɣesiaɣi o alo be amewo mete ŋu nɔa te ɖe nusi wokpɔna dzi nyana nusi tututu le mía tum le ememe o ta la, aɖaŋu siwo woate ŋu aɖo na mí la mete ŋu dea edeƒe o. Ðewohĩ ava hiã be míanɔ te ɖe nɔnɔme sesẽ aɖewo nu to ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu bliboe me.

15:7. Abe alesi ko agbledela meƒãa nuku siwo katã le esi la ɖe teƒe ɖeka ko o ene la, nenema kee mele be míagblɔ nya ɖesiaɖe ƒitsoƒitso tso nane si míenya ŋu na ame aɖe enumake o. Nunyala kakaa sidzedze si su esi la vivivi le ɣeyiɣi si ema wɔwɔ ahiã le me.

15:15; 18:14. Ne nukpɔsusu nyui le mía si ɣeawokatãɣi la, akpe ɖe mía ŋu míayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom gɔ̃ hã.

17:24. To vovo na “bometsila” si ƒe ŋkuwo kple susu nɔa tsatsam le esi teƒe be woanɔ nu veviwo ŋu la, ele be míawo ya míadi gɔmesese si akpe ɖe mía ŋu be míate ŋu awɔ nu le nunya me.

23:6-8. Ele be míakpɔ nyuie le ɖokuibɔbɔ alakpatɔ ŋu.

27:21. Ne wokafu mí la, ate ŋu aɖe amesi ƒomevi míenye la afia. Anye ɖokuibɔbɔ ɖeɖefia ne kafukafua na míekpɔe dze sii be Yehowae wòle be kafukafua nayi na eye be ema naʋã mí be míayi edzi asubɔe. Ðokuidodoɖedzie wòanye ne kafukafu na míesee le mía ɖokui me be míenyo wu ame bubuwo.

27:23-27. Ne míatsɔ lododo siawo me nyawo ado ƒome kple míaƒe subɔsubɔ tsɔtsɔ na Mawu la, míakpɔe adze sii be kpukpui siawo me nyawo le gbe tem ɖe viɖe si le dzidzeme si míakpɔ tso kutrikuku le dɔwɔwɔ kple agbe kpokploe nɔnɔ me dzi. Ele be kpukpui siawo nakpe ɖe mía ŋu míakpɔ vevienyenye si le ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu me. *

28:5. Ne ‘míedi Yehowa’ to gbedodoɖa kple eƒe Nya sɔsrɔ̃ me la, míate ŋu ase ‘nusiwo katã hiã be mía subɔe le mɔ si wòdi nu la gɔme’

‘NYA VEVIWO’

(Lododowo 30:1–31:31)

Wotsɔ ‘nya vevi eve’ aɖewo wu Biblia-gbalẽ si nye Lododowo nui. (Lododowo 30:1; 31:1) Agur to nuwo tsɔtsɔ sɔ kple wo nɔewo dzi ɖe alesi ŋukeklẽ meɖia kɔ na ame o la fia le mɔ wɔdɔɖeamedzi aɖe nu. Eɖe alesi ŋutsu tsɔa nya ŋɔnɔewo gbɔgblɔ ayetɔe blea ɖetugbi nɔaƒe dea agbegbegblẽnɔnɔ me hã me. * Exlɔ̃ nu mí hã ku ɖe ɖokuidodoɖedzi kple nya siwo tɔa ame la gbɔgblɔ ŋu.

Wein kple ahamuame zazã le mɔ si sɔ nu kple nyametsotso nyuiwo wɔwɔ ŋuti ɖaŋuɖoɖo nyuiwo hã nye nya vevi siwo Lemuel dada gblɔ nɛ la dometɔ aɖewo. Wowu nuƒoƒo tso nyɔnu zãzɛ ŋu nu kple nya siawo be: “Mítsɔ eƒe asi ƒe kutsetse nɛ, eye eƒe dɔwɔwɔwo akafui.”—Lododowo 31:31.

Di nunya, xɔ amehehe, tu mawuvɔvɔ̃ ɖo, ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu. Nu vevi kawoe nye esi míesrɔ̃ tso lododo siawo siwo tso gbɔgbɔ me la me! Neva eme be míatsɔ aɖaŋuɖoɖo siwo le eme la awɔ dɔe bene míawo hã míakpɔ dzidzɔ si “ŋutsu, si vɔ̃a Yehowa” kpɔna la.—Psalmo 112:1.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 11 Kpɔ August 1, 1991, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 31.

^ mm. 13 Kpɔ Gbetakpɔxɔ July 1, 1992, tɔ ƒe axa 31.

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Yehowae nye sidzedze vavãtɔwo katã Dzɔtsoƒe

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Nukae wòfia be ‘woakaka sidzedze’?