Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Lɔlɔ̃ Kple Bubu Fia To Wò Aɖe Dzi Kpɔkpɔ Me

Ðe Lɔlɔ̃ Kple Bubu Fia To Wò Aɖe Dzi Kpɔkpɔ Me

Ðe Lɔlɔ̃ Kple Bubu Fia To Wò Aɖe Dzi Kpɔkpɔ Me

“Mia dome ɖesiaɖe nalɔ̃ ye ŋutɔ srɔ̃anyɔnu nenema ke, abe ye ŋutɔ ɖokui ene; ke nyɔnu la nasi srɔ̃a ɖa.”—EFESOTƆWO 5:33.

1, 2. Nya vevi kae wòle be srɔ̃tɔwo katã nabia wo ɖokui, eye nukatae?

TSƆE be yexɔ nunana aɖe si ŋuti wofa nu ɖo, eye woŋlɔ ɖe edzi be: “Lée Nyuie.” Aleke nàlé nuae? Ðikeke aɖeke mele eme o be àdze agbagba ɖesiaɖe be wòagage le ye si o. Ke nunana si nye srɔ̃ɖeɖe ya ɖe?

2 Israel-nyɔnu, Naomi, si nye ahosi gblɔ na ɖetugbi Orpa kple Rut be: “Yehowa nena nu mi, eye mia dometɔ ɖesiaɖe nekpɔ dzudzɔ le srɔ̃a ƒeme.” (Rut 1:3-9, NW) Biblia gblɔ tso srɔ̃nyɔnu nyui ŋu be: “Aƒe kple kesinɔnuwo nye domenyinu tso ame fofowo gbɔ; ke nyɔnu nyanu la, Yehowa gbɔ wòtsona.” (Lododowo 19:14) Ne srɔ̃tɔe nènye la, ehiã be nàbu srɔ̃wòa be enye nunana tso Mawu gbɔ. Aleke nèle nunana si Mawu na wò la lémee?

3. Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo ka dzie wòanyo be srɔ̃ŋutsuwo kple srɔ̃nyɔnuwo nawɔ ɖo?

3 Esime apostolo Paulo nɔ agbalẽ ŋlɔm na ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo la, eŋlɔ bena: “Mia dome ɖesiaɖe nalɔ̃ ye ŋutɔ srɔ̃anyɔnu nenema ke, abe ye ŋutɔ ɖokui ene; ke nyɔnu la nasi srɔ̃a ɖa.” (Efesotɔwo 5:33) Se alesi srɔ̃ŋutsuwo kple srɔ̃nyɔnuwo ate ŋu awɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzi le alesi woƒoa nu na wo nɔewoe me ɖa.

Nɔ Ŋudzɔ ɖe ‘Nusi Doa Dzive na Ame Vevie Ŋutɔ’ la Ŋu

4. Aleke aɖe la ate ŋu akpɔ ŋusẽ nyui alo ŋusẽ gbegblẽ ɖe ame dzii?

4 Biblia-ŋlɔla Yakobo gblɔ be aɖe la nye ‘nusi doa dzive na ame vevie ŋutɔ,’ si ‘yɔ fũ kple aɖi wuame.’ (Yakobo 3:8) Yakobo nya nyateƒenya sia nyuie be: Aɖe si gblɔa nya vevewo la gblẽa nu. Ðikeke mele eme o be enya Biblia me lododo si tsɔ nu ƒoƒo eŋumabumabui sɔ kple “yitɔame” la hã nyuie. Ke hã, lododo ma ke gblɔ be, “nunyalawo ƒe aɖe daa gbe le ame ŋu.” (Lododowo 12:18) Le nyateƒe me la, nyawo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ame dzi ale gbegbe. Woate ŋu ave dzi na ame loo, alo afa dzi na ame. Ŋusẽ kae wò nyawo kpɔna ɖe srɔ̃wò dzi? Ne èbia srɔ̃wò be ŋusẽ kae yeƒe nyawo kpɔna ɖe edzi hã la, aleke wòaɖo eŋui?

5, 6. Nukawoe nana wòsesẽna na ame aɖewo be woaɖu woƒe aɖe edzi?

5 Ne nya vedzinamewo gbɔgblɔ va xɔ aƒe ɖe wò srɔ̃gbenɔnɔ me la, àte ŋu aɖee ɖa bene srɔ̃ɖeɖea me navivi. Gake abia agbagbadzedze. Nukatae? Elabena ahiã be nàdze agbagba aɖu wò ŋutilã madeblibo la dzi. Nuvɔ̃ si ƒe dome míenyi la kpɔa ŋusẽ gbegblẽ ɖe alesi míebua tame heƒoa nu na mía nɔewoe dzi. Yakobo ŋlɔ bena: “Ne ame aɖe meda vo le nuƒoƒo me o la, eyae nye ame blibo, eye wòkpɔ ŋusẽ bena, wòaɖu ŋutilã blibo la katã hã dzi.”—Yakobo 3:2.

6 Tsɔ kpe ɖe amegbetɔ ƒe blibomademade ŋu la, ƒome si me ame nɔ tsi hã te ŋu nana wò zãa aɖe la ɖe mɔ gbegblẽ nu. Ƒome siwo me dzilawo nye “amesiwo gbea avuléle, . . . amesiwo mete ŋu ɖua wo ɖokui dzi o, ame wɔadãwo” le la mee ame aɖewo nɔ tsi. (Timoteo II, 3:1-3) Zi geɖe la, ɖevi siwo nɔ ƒome siawo tɔgbe me la va wɔa nu nenema ke ne wotsi. Le nyateƒe me la, blibomademade loo alo hehe nyui maxɔmaxɔ le ɖevime menye nusi ame atsɔ ado taflatse ɖe nya veamewo gbɔgblɔ ta o. Gake nusiawo nyanya kpena ɖe mía ŋu míesea nusitae wòsesẽna na ame aɖewo be woaɖu woƒe aɖe dzi la gɔme.

Miɖe Ameŋuzɔzɔ Ða’

7. Nukae Petro wɔnɛ esime wòxlɔ̃ nu Kristotɔwo be ‘woaɖe ameŋuzɔzɔ katã ɖa’?

7 Nuka ke gbɔe wòɖatso o, nya veamewo gbɔgblɔ le srɔ̃gbenɔnɔ me ate ŋu aɖee afia be mèlɔ̃ srɔ̃wòa o eye be mèdea bubu eŋu o. Eyata aɖaŋu nyui ye wònye Petro ɖo na Kristotɔwo be ‘woaɖe ameŋuzɔzɔ katã ɖa.’ (Petro I, 2:1) Helagbe me nya si gɔme woɖe be “ameŋuzɔzɔ” la gɔmee nye “gbɔɖiamenyawo gbɔgblɔ.” Efia ‘gbedaɖeamegbɔ.’ Esia ɖe alesi gbegbe aɖe si gblɔa nya vevewo la gblẽa nui fia nyuie ŋutɔ!

8, 9. Nukae ate ŋu ado tso gbɔɖiamenyawo gbɔgblɔ me, eye nukatae wòle be srɔ̃tɔwo naƒo asa na esia ɖo?

8 Ame aɖewo ate ŋu abui be gbɔɖiamenyawo gbɔgblɔ menye ŋkubiãnya o, gake bu nusi dzɔna ne srɔ̃ŋutsu alo srɔ̃nyɔnu aɖe gblɔa nya siawo la ŋu kpɔ. Srɔ̃wò dzudzu be tagbɔkukutɔ, kuviatɔ, alo ɖokuitɔdila fia ko be èle ebum be enye yakame. Esia mesɔ kura o. Ke ahama sisi ɖe srɔ̃wò ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu ya ɖe? Le nyateƒe me la, ne ègblɔna na srɔ̃wò be, “Ètsia megbe le nuwo katã me” alo “Mèɖoa tom gbeɖegbeɖe o” la, ɖe esia menye nya siwo nu sẽ akpa oa? Nya siawo gbɔgblɔ ana srɔ̃wòa hã nadi be yeaɖe ye ɖokui nu godoo. Eye ŋuɖoɖo si nàxɔ la ate ŋu ana miahe glãka vevie.—Yakobo 3:5.

9 Gbɔɖiamenyawo zazã nana srɔ̃gbenɔnɔa me sesẽna, eye nu gbegblẽwo ate ŋu ado tso esia hã me. Lododowo 25:24 gblɔ be: “Enyo, ne woanɔ dzogoe dzi le xɔta, wu ne nyɔnu nyawɔla nanɔ aƒe me kple ame.” Nya sia ate ŋu ayi na srɔ̃ŋutsu nyawɔlawo hã. Le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, srɔ̃ŋutsu alo srɔ̃nyɔnu ƒe nya veamewo gbɔgblɔ ava gblẽ srɔ̃ɖeɖea me, eye wòana ame evelia nase le eɖokui me be ye srɔ̃a melɔ̃ ye o, alo be mate ŋu alɔ̃ ye o. Eyata eme kɔ ƒãa be ele vevie be míaɖu aɖe la dzi. Gake aleke míate ŋu awɔ esiae?

De Ga Aɖe La’

10. Nukatae wòle vevie be míakpɔ míaƒe aɖe dzi ɖo?

10 Yakobo 3:8 gblɔ be: “Aɖe la ame aɖeke mate ŋu amlãe o.” Ke hã, abe alesi ko sɔdola dea ga nu na sɔ tsɔ fiaa mɔe ene la, ele be míadze agbagba ɖesiaɖe ade ga míaƒe aɖe. “Ne ame aɖe bua eɖokui bena, mawusubɔla yenye, eye medea ga eƒe aɖe o, ke wòblea eƒe dzi la, nenem me sia ƒe subɔsubɔ enye dzodzro.” (Yakobo 1:26; 3:2, 3) Nya siawo fia be alesi nèzãa wò aɖee la le vevie. Menye wò kpakple srɔ̃wò dome ƒomedodo me koe wògblẽna o, ke boŋ egblẽa mia kple Yehowa Mawu dome ƒomedodo hã me.—Petro I, 3:7.

11. Nukae woate ŋu awɔ be masɔmasɔ mado gã ɖe edzi ava zu dzre o?

11 Nunya le eme be nàlé ŋku ɖe alesi nèƒoa nu na srɔ̃wòe ŋu. Ne kuxi sesẽwo do mo ɖa la, midze agbagba miakpɔ egbɔ. Se kuxi aɖe si do mo ɖa le Isak kple srɔ̃a, Rebeka, ƒe srɔ̃gbenɔnɔ me, si woŋlɔ ɖe Mose I, 27:46–28:4 ɖa. Afima gblɔ be: “Rebeka gblɔ na Isak bena: Agbenɔnɔ tim le Xitivi-nyɔnuawo ta. Ne Yakob hã aɖe anyigba sia dzi tɔ, siwo nye Xitiviwo ƒe vinyɔnu aɖe la, ekema nukaŋuti megale agbe ɖo?” Naneke mefia be Isak ɖo nya sia ŋu na srɔ̃a gbedaɖeamegbɔtɔe o. Ke boŋ edɔ via ɖa be wòaɖaɖe srɔ̃ tso mawuvɔ̃lawo dome, si mado nuxaxa na Rebeka o. Tsɔe be masɔmasɔ aɖe ɖo mia kple srɔ̃wò dome. Le nu ƒoƒo tso masɔmasɔa ŋu me la, ne èɖɔ ŋu ɖo hezã nyagbe “nye” alo “me” le wò nyawo me le esi teƒe be nàzã “wò” ɖeɖeko la, masɔmasɔa mado gã ɖe edzi ava zu dzre o. Le kpɔɖeŋu me, le esi teƒe be nàgblɔ be, “Wò ya mèvona ɖe ŋunye kura o!” la, ɖe manyo be nàgblɔ boŋ be, “Adzɔ dzi nam be nye kpli wò míanɔ nuwo wɔm ɖekae,” oa? Trɔ ɖe kuxia ŋu, menye ɖe amea ŋu o. Mègadi be yeanɔ amesi dze agɔa dim kokoko o. Romatɔwo 14:19 gblɔ be: “[Minɔ] nusiwo nye ŋutifafatɔ kple nusiwo woatsɔ atu ame nɔewo la yome.”

Miɖe ‘Veve Heliheli, Dɔmedzoe, Kple Dziku’ Ða

12. Be míakpɔ míaƒe aɖe dzi la, nukae wòle be míado gbe ɖa abia, eye nukatae?

12 Aɖe la dzi kpɔkpɔ lɔ nu geɖe ɖe eme wu ŋuɖɔɖɔɖo le nya siwo míegblɔna me ko. Le nyateƒe me la, nusi le dzi me na mí lae dona le mía nu. Yesu gblɔ be: “Ame nyui la ɖea nu nyui doa go tsoa eƒe dzi ƒe nu nyui dzraɖoƒe; eye ame vɔ̃ɖi la ɖea nu vɔ̃ɖi doa go tsoa eƒe nu vɔ̃ɖi dzraɖoƒe; elabena nya, si ke wu dzi la, eyae nu gblɔna.” (Luka 6:45) Eyata be nàte ŋu akpɔ wò aɖe dzi la, ɖewohĩ ahiã be nàdo gbe ɖa abe alesi Dawid doe ɖa ene be: “Mawu, wɔ dzi dzadzɛ aɖe nam, eye nade gbɔgbɔ yeye, si li ke la, menye!”—Psalmo 51:12.

13. Aleke veve heliheli, dɔmedzoe, kple dziku ate ŋu ana ame nagblɔ nya veamewoe?

13 Menye ɖeko Paulo xlɔ̃ nu Efesotɔwo be woadzudzɔ nya veamewo gbɔgblɔ ko o, ke boŋ be woaƒo asa na nusiwo ƒonɛ ɖe wo nu be woagblɔ wo la hã. Eŋlɔ bena: “Mina woaɖe veve heliheli kple dɔmedzoe kple dziku kple ɣlidodo kple busubɔbɔ katã kpakple nu tovo wɔwɔ katã hã ɖa le mia dome.” (Efesotɔwo 4:31) De dzesii be hafi Paulo nayɔ “ɣlidodo kple busubɔbɔ” la, eyɔ “veve heliheli kple dɔmedzoe kple dziku” gbã. Dɔmedzoe si ame dona vevie lae wɔnɛ be wògblɔa nya tɔamewo. Eyata bia ɖokuiwò be: “Ðe meléa vevesese kple dɔmedzoe ɖia? Ðe ‘medoa dziku kabakaba’?” (Lododowo 29:22) Ne àɖo nya siawo ŋu be ẽ la, ekema do gbe ɖa nàbia Mawu be wòakpe ɖe ye ŋu yeaɖu nɔnɔme siawo dzi eye be yeanɔ ye ɖokui dzi ɖum bene yeaƒo asa na dziku heliheli dodo. Psalmo 4:5 gblɔ be: “Dzi neku mi, ke migawɔ nuvɔ̃ o! Miƒo nu le dzi me le miaƒe abawo dzi, eye mizi ɖoɖoe!” Ne dzi ku wò kakaka be yeagbɔ eme, eye nède dzesii be yemete ŋu le ye ɖokui dzi ɖu ge o la, ekema wɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo si le Lododowo 17:14 la dzi be: “Dzo hafi wòazu dzre.” (NW) Dzo le teƒea vie halase esime nàte ŋu alé ɖokuiwò.

14. Aleke dzikudodo ate ŋu agblẽ srɔ̃gbenɔnɔ mee?

14 Dɔmedzoe kple dziku nu menya léna o, vevietɔ ne nusi Paulo yɔ be “veve heliheli” la gbɔe wòtso. Woɖe Helagbe me nya si Paulo zã la gɔme be “dzikudodo heliheli si wɔnɛ be amewo mete ŋu ɖɔa wo nɔewo dome ɖo o,” eye wogaɖe egɔme be ‘vodadawo xexlẽ ɖi na ame.’ Ɣeaɖewoɣi la, ŋutasesẽ dea mɔ gã aɖe ŋutsu kple srɔ̃a dome, eye wòte ŋu nɔa alea ɣeyiɣi didi aɖe. Ne womekpɔ kuxi aɖe gbɔ keŋkeŋ o la, wo dome magavivi o. Gake vodada si ame wɔ va yi la léle ɖi menyo kura o. Nusi dzɔ la, dzɔ xoxo. Ele be woaŋlɔ vodada si wotsɔ ke la be kura. Lɔlɔ̃ ‘menɔa vodada xlẽm ɖi o.’—Korintotɔwo I, 13:4, 5.

15. Nukae akpe ɖe amesiwo nya vevewo gbɔgblɔ zu numame na la ŋu be woawɔ asitɔtrɔ le woƒe nuƒoƒo ŋu?

15 Ke ne ƒome si me wogblɔa nya veamewo le mee nènɔ tsi eye nya siawo gbɔgblɔ zu numame na wò ya ɖe? Àte ŋu awɔ asitɔtrɔ le esia ŋu. Èɖe asi le nuwɔna aɖewo, siwo màgadi be yeawɔ le agbe me gbeɖegbeɖe o la, ŋu xoxo. Ekema seɖoƒe kae nàdi be yeaɖo le wò nuƒoƒo ŋu? Ðe nàdzudzɔ hafi wò nyawo nate ame vevea? Anyo be nàɖo seɖoƒe si wogblɔ ɖe Efesotɔwo 4:29 la na ɖokuiwò, si gblɔ be: “Migana nya vlo aɖeke nado go tso miaƒe nu me gbeɖegbeɖe o.” Esia wɔwɔ afia be ‘nàɖe amenyenye xoxoa kple eƒe nuwɔnawo ɖi, ahado amenyenye yeye, si wowɔ yeye hena sidzedze le amesi wɔe la ƒe nɔnɔme nu la.’—Kolosetɔwo 3:9, 10.

‘Aɖaŋudede’ Hiã Godoo

16. Nukatae nu mademade eme na ame srɔ̃ gblẽa nu le srɔ̃gbenɔnɔ ŋu ɖo?

16 Ne srɔ̃ŋutsu alo srɔ̃nyɔnu megadea nu eme na srɔ̃a o la, womekpɔa dzidzedze boo aɖeke o—eye nuwo ate ŋu agblẽ kura. Menye ɣesiaɣie wotsɔa ɖoɖoezizi hea toe na ame srɔ̃ o, elabena dzimaɖitsitsi alo dziɖeleameƒo hã ate ŋu ahee vɛ. Ke hã, ɖeko nu mademade eme na ame nɔewo nana kuxi si do mo ɖa la me gasẽna ɖe edzi tsɔ wu esi wòakpɔ egbɔ. Srɔ̃nyɔnu aɖe gblɔ be “ne míegate nuƒoƒo ko la, míeƒoa nu tso kuxia ŋu kura o.”

17. Nukae wòle be Kristotɔ siwo le srɔ̃ɖeɖe me kuxiwo me tom la nawɔ?

17 Ne srɔ̃ɖeɖe me kuxi do gã la, egbɔkpɔnu bɔbɔe aɖeke meli o. Lododowo 15:22 gblɔ be: “Afisi adaŋudede mele o la, tameɖoɖowo tsia akpo dzi; ke afisi adaŋudela geɖewo le la, edzea edzi.” Ehiã be nànɔ anyi kple srɔ̃wòa adzro nyaa me. Tsɔ dzimekɔkɔ kple susu nyui ɖo to srɔ̃wòae nyuie. Ne edze abe esia manya wɔ o ene la, ekema bia kpekpeɖeŋu tso Kristo-hamea me hamemegãwo gbɔ. Wonya Ŋɔŋlɔawo eye wobi ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo zazã me. Amesiawo le ‘abe sitsoƒe tso ya nu kple bebeƒe tso tsidzadza nu ene.’—Yesaya 32:2.

Àte Ŋu Aɖu Aʋaa Dzi

18. Aʋa ka ŋue woƒo nu tsoe le Romatɔwo 7:18-23?

18 Be míade ga míaƒe aɖe mele bɔbɔe o. Nenema kee míaƒe nuwɔnawo dzi ɖuɖu hã mele bɔbɔe o. Esi apostolo Paulo nɔ alesi esia wɔwɔ menɔ bɔbɔe nɛ o ɖɔm la, eŋlɔ bena: “Elabena menyae bena, le menye—egɔmee nye: Le nye ŋutilã me la—nu nyui aɖeke menɔa anyi o; elabena nu nyui lɔlɔ̃ la le asinye, ke nu nyui wɔwɔ la nyemekpɔ wɔe kura o. Elabena menye nu nyui, si melɔ̃na la, mewɔna o, ke nuvɔ̃, si nyemelɔ̃na o la, eya ke mewɔna boŋ. Ke ne mewɔ nusi nyemelɔ̃na o la, ekema meganye nyee le esia wɔm o, negbe nuvɔ̃, si le menye boŋ.” Le “nuvɔ̃ ƒe se, si le [míaƒe] ŋutinuwo me” ta la, míezãa míaƒe aɖe kple ŋutilã ƒe akpa bubuwo ɖe mɔ gbegblẽ nu bɔbɔe. (Romatɔwo 7:18-23) Ke hã, ele be míawɔ aʋa kple nɔnɔme sia—eye Mawu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖu aʋaa dzi hã.

19, 20. Aleke Yesu ƒe kpɔɖeŋua ate ŋu akpe ɖe srɔ̃ŋutsuwo kple srɔ̃nyɔnuwo ŋu be woade ga woƒe aɖewoe?

19 Esesẽna ŋutɔ hafi wogblɔa nya veamewo le srɔ̃gbenɔnɔ si me lɔlɔ̃ kple bubu le la me. Bu kpɔɖeŋu si Yesu ɖo le esia gome la ŋu kpɔ. Yesu megblɔ gbɔɖiamenyawo ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu o. Esi eƒe apostolowo nɔ nya ʋlim le wo nɔewo dome ku ɖe amesi nye gãtɔ ŋu le fiẽ mamlɛtɔ si wònɔ anyigba dzi me gɔ̃ hã la, Mawu ƒe Vi la meka ŋkume na wo o. (Luka 22:24-27) Biblia ɖo aɖaŋu be: “Mi ŋutsuwo la, milɔ̃ mia ŋutɔwo mia srɔ̃wo, abe alesi Kristo hã lɔ̃ hame la, eye wòtsɔ ye ŋutɔ ɖokui hena ɖe eta la ene.”—Efesotɔwo 5:25.

20 Ke srɔ̃nyɔnu ya ɖe? Ele nɛ be ‘wòasi srɔ̃a ɖa.’ (Efesotɔwo 5:33) Ne srɔ̃nyɔnu aɖe siaa srɔ̃a ɖa la, ɖe wòanɔ ɣli dom ɖe eta, anɔ dzugbewo zãm ɖe eŋua? Paulo ŋlɔ bena: “Mele didim bena, mianyae bena, ŋutsu sia ŋutsu ƒe ta enye Kristo, ke nyɔnu ƒe ta enye ŋutsu, ke Kristo ƒe ta enye Mawu.” (Korintotɔwo I, 11:3) Wobia tso srɔ̃nyɔnuwo si be woabɔbɔ ɖe woƒe tawo te abe alesi Kristo hã bɔbɔ ɖe amesi nye eƒe Ta tee ene. (Kolosetɔwo 3:18) Togbɔ be amegbetɔ madeblibo aɖeke mate ŋu asɔ kple Yesu pɛpɛpɛ o hã la, agbagba si srɔ̃ŋutsuwo kple srɔ̃nyɔnuwo adze vevie be ‘yewoadze eƒe afɔɖoƒewo yome’ la akpe ɖe wo ŋu be woaɖu aɖe la zazã ɖe mɔ gbegblẽ nu ƒe aʋa la dzi.—Petro I, 2:21.

Nukae Nèsrɔ̃?

• Aleke aɖe si gblɔa nya veamewo la ate ŋu agblẽ srɔ̃gbenɔnɔ mee?

• Nukatae menɔa bɔbɔe be míade ga míaƒe aɖe ɖo o?

• Nukae kpena ɖe mía ŋu míekpɔa míaƒe nuƒoƒo dzi?

• Nukae wòle be nàwɔ ne èle srɔ̃ɖekuxiwo me tom?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Hamemegãwo nɔa te ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi naa kpekpeɖeŋu