Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Ne ʋufɔku dzɔ, eye ame ku, evɔ wònye Kristotɔe le ʋua kum hafi la, afɔ kae hamea aɖe?

Ele be woanɔ anyi abu eŋu nyuie kpɔ be amea ɖi ʋufɔ mahã, elabena mele be ʋufɔ si ame aɖe aɖi la nanɔ hamea dzi o. (Mose V, 21:1-9; 22:8) Nenye be ŋumaɖɔɖo alo Kaisaro ƒe ʋukuse, alo dedienɔnɔ se, aɖe dzi mawɔmawɔ gbɔe wòtso be afɔkua dzɔ la, ʋua kula ate ŋu aɖi ʋufɔ. (Marko 12:14) Gake nu bubuwo li siwo ŋu wòle be woabu.

Ehiã be woadrɔ̃ nya na amewula si si yi ɖe sitsoƒedu siwo nɔ Israel la me. Ne wokpɔe be menye ɖe wòɖoe hafi wu amea o la, woana wòanɔ dua me bene amesiwo ƒe ame wòwu la ƒe asi nagatui o. (Mose IV, 35:6-25) Eyata ne Kristotɔ aɖe ƒe nuwɔnae wɔe be ame aɖe ku le afɔku aɖe me la, ele be hamemegãwo naku nyaa me akpɔ ɖa be eɖi ʋufɔ mahã? Menye dziɖuɖua alo ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe nyametsotsowo dzie hamea anɔ te ɖo aɖe afɔ o.

Le kpɔɖeŋu me, ʋɔnudrɔ̃ƒea ate ŋu atso nya me be amea ɖi fɔ le esi wòwɔ nane si woate ŋu ayɔ be sedzidada ta, gake ate ŋu adzɔ be hamemegãwo nakpɔe be meɖi ʋufɔ o elabena ɖe nu bliboa lilii kpata loo alo esi wògbɔ alɔme nɛ tae afɔkua dzɔ ɖo. Nenema kee ne ʋɔnudrɔ̃ƒea ya tso nya me be amea meɖi fɔ o la, hamemegãwo ya ate ŋu ava kpɔe be amea ɖi ʋufɔ.

Ele be hamemegã siwo le nyaa me kum la natu woƒe nyametsotso ɖe Ŋɔŋlɔawo kple alesi nua dzɔe tututu ƒe ŋutinya si ŋu kpeɖodzi le—nya siwo ʋukula la ŋutɔ kple/alo eteƒekpɔlawo eve alo etɔ̃ gblɔ eye kakaɖedzi le wo ŋu—la, dzi. (Mose V, 17:6; Mateo 18:15, 16) Ne wokpɔe be amea ɖi ʋufɔ la, woaɖo ʋɔnudrɔ̃kɔmiti ɖe amea ŋu. Ne kɔmiti la kpɔe be ʋufɔɖila la trɔ dzime la, woanɔ te ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi aka ŋkume nɛ alesi sɔ eye woaxɔ mɔnukpɔkpɔ siwo le esi le hamea me la le esi vaseɖe ɣeyiɣi aɖe. Maganye hamemegã loo alo subɔsubɔdɔwɔla o. Woaxɔ mɔnukpɔkpɔ bubuwo hã le esi. Ke hã, eƒe ŋumaɖɔɖo, ɖekematsɔleme, alo nuxlɔ̃ame dzi mawɔmawɔ si na be afɔkua dzɔ, eye ame aɖe ku, la ƒe nya le woa kple Mawu dome.—Galatiatɔwo 6:5, 7.

Le kpɔɖeŋu me, ne afɔkua dzɔ le ɣeyiɣi si me yame mekɔ tututu o la, ɖe wòle be ʋua kula naɖɔ ŋu ɖo nyuie hafi. Nenye be alɔ̃e nɔ etsɔm la, ɖe wòle be wòatɔ ahaɖi ɖe eme vaseɖe esime eƒe mo nakɔ, alo ana ame bubu naxɔ ʋua aku, hafi.

Ke ne ɖe wònɔ ʋua kum sesĩe ya ɖe? Ne Kristotɔ aɖe kua ʋu sesĩe wu alesi dze la, esia nye ‘dada le Kaisaro ƒe se dzi.’ Esi afɔku ate ŋu adzɔ le esia me ta la, efia hã be medea bubu agbe ƒe nukɔkɔenyenye ŋu o. (Mateo 22:21) Le go sia me la, gabu nane ŋu kpɔ.

Ne hamemegã metsɔa Kaisaro ƒe ʋukusewo vevie o alo egbe wo dzi wɔwɔ la, kpɔɖeŋu kae wòanye wòanɔ ɖoɖom na alẽha la?—Petro I, 5:3.

Mele be Kristotɔwo nabia tso amewo si be woaɖo teƒe aɖe ɖe game aɖe, si azi wodzi be woaku ʋu sesĩe wu alesi se ɖe mɔ la, dzi o. Ke hã, zi geɖe la, ɖeko wòle be ameawo nadze mɔa kaba loo alo atrɔ asi le eƒe ɖoɖowo ŋu bene wòate ŋu azã ɣeyiɣi si sɔ atsɔ azɔ mɔae. Ne wowɔ esia la, Kristotɔ aɖeke mayi ʋu ku ge sesĩe wu alesi dze o, eye wòate ŋu awɔ ɖe “dziɖuɖu, siwo ŋusẽ li na” ƒe ʋukusewo hã dzi. (Romatɔwo 13:1, 5) Esia akpe ɖe ʋukula la ŋu be wòanɔ ŋudzɔ ɖe afɔku siwo ate ŋu ana wòaɖi ʋufɔ la ŋu. Akpe ɖe eŋu hã be wòanye kpɔɖeŋu nyui ɖola eye dzitsinya nyui hã anɔ esi.—Petro I, 3:16.