Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Xɔse Kple Mawuvɔvɔ̃ Nana Dzi Nɔa Ame Ƒo

Xɔse Kple Mawuvɔvɔ̃ Nana Dzi Nɔa Ame Ƒo

Xɔse Kple Mawuvɔvɔ̃ Nana Dzi Nɔa Ame Ƒo

“Lé dzi ɖe ƒo, eye nasẽ ŋu, . . . Yehowa, wò Mawu la, li kpli wò.”—YOSUA 1:9.

1, 2. (a) Le amegbetɔwo ƒe nukpɔsusu nu la, ɖe wòanɔ bɔbɔe be Israel-viwo naɖu Kanaantɔwo dzi le aʋa mea? (b) Kakaɖedzinya kae Yehowa gblɔ na Yosua?

LE ƑE 1473 D.M.Ŋ. me la, Israel-dukɔa nɔ klalo hena Ŋugbedodonyigbaa dzi yiyi. Mose ɖo ŋku kuxi siwo le ŋgɔ na dukɔa dzi na wo ale: “Èle Yordan tso ge egbea, ne nayi aɖanyã dukɔ, siwo sɔ gbɔ, eye wosesẽ wu wò, eye naxɔ woƒe du, siwo lolo, eye wo ŋu gliwo kɔ ɖatɔ dziƒo la, dukɔ, siwo nye Enak-viwo, wosɔ gbɔ, eye wodzɔ atsu, . . . amesiwo ŋu nèse nya le bena: Ameka ate ŋu anɔ te ɖe Enak-viwo nu?” (Mose V, 9:1, 2) Ðikeke aɖeke mele eme o be, kalẽtɔ dzɔtsu siawo xɔ ŋkɔ le aʋawɔwɔ me ŋutɔ! Gakpe ɖe eŋu la, asrafoha kple aʋawɔnu sesẽ si ƒe ɖewoe nye sɔwo kple gatasiaɖam siwo ƒe afɔtiwo ŋu lãnuwo le, la nɔ Kanaan-dukɔ aɖewo si.—Ʋɔnudrɔ̃lawo 4:13.

2 Kluviwoe Israel-viawo ya nye va yi, eye ƒe 40 koe nye ma wotsɔ nɔ mɔ zɔm le gbea dzi. Eyata le amegbetɔ ƒe nukpɔsusu nu la, asesẽ ŋutɔ hafi woaɖu dzi le woƒe aʋakpekpe kple amesiawo me. Ke hã, xɔse nɔ Mose si; ete ŋu ‘kpɔe’ be Yehowae le yewo kplɔm. (Hebritɔwo 11:27) Mose gblɔ na Israel-viawo bena: ‘Yehowa, mia Mawu, le mia kplɔ ge atso tɔa, eya ŋutɔ atsrɔ̃ wo, eye wòaɖu wo dzi le mia ŋgɔ.’ (Mose V, 9:3; Psalmo 33:16, 17) Le Mose ƒe ku megbe la, Yehowa gbugbɔ gbe te ɖe alesi Ye le megbe na dukɔae dzi na Yosua be: “Tsi tre, eye mia kple dukɔ blibo la miatso Yordan sia ayi anyigba, si mebe, mana Israel-viwo la dzi. Ame aɖeke manɔ te ɖe nuwò le wò agbe me ŋkekewo katã me o; alesi menɔ kple Mose la, nenema manɔ kple wò hã.”—Yosua 1:2, 5.

3. Nukae kpe ɖe Yosua ŋu be xɔse nɔ esi eye dzi hã nɔ eƒo?

3 Be Yehowa nayi edzi akpe ɖe Yosua ŋu ahafia mɔe la, ele nɛ be wòanɔ Mawu ƒe sewo xlẽm, anɔ ŋugble dem le wo ŋu, ahanɔ agbe nɔm ɖe wo nu. Yehowa gblɔ nɛ be: “Eya ko hafi dzɔgbenyui anɔ mɔ dzi na wò, eye nusianu adze edzi na wò. Menye ɖe mede se na wò be, lé dzi ɖe ƒo, eye nasẽ ŋu, ŋɔ megadzi wò o, eye dzidzi megaƒo wò oa? Elabena Yehowa, wò Mawu la, li kpli wò le afisiafi, si nayi ɖo.” (Yosua 1:8, 9) Esi Yosua ɖo to Mawu ta la, dzi nɔ eƒo, ŋusẽ nɔ eŋu, eye wòkpɔ dzidzedze hã. Gake eŋɔlimetɔ akpa gãtɔ meɖo to Yehowa o. Esia wɔe be, womekpɔ dzidzedze o, eye woku le gbea dzi.

Dzi Menɔ Xɔsemanɔsitɔwo Ƒo O

4, 5. (a) Vovototo kae le nɔnɔme si ŋkutsala ewoawo ɖe fia kple esi Yosua kpakple Kaleb ɖe la fia dome? (b) Aleke Yehowa se le eɖokui me ɖe alesi dukɔa mexɔ eyama dzi se o la ŋui?

4 Le Israel-viawo ƒe ƒe 40 mɔzɔzɔa gɔmedzedze lɔƒo, esime woɖo teƒe asi gbɔ medidi tso Kanaan o, Mose dɔ ame 12 ɖa be woaɖatsa ŋku le anyigbaa dzi. Wo dometɔ ewo tsɔ vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya trɔ gbɔe. Wofa konyi be: ‘Anyigba dzi nɔlawo katã nye ame dzɔtsu kplalawo sɔŋ.’ Wogblɔ hã be: ‘Míekpɔ Enak-viwo, amesiwo nye Nefilimwo ƒe dzidzimeviwo, hã le afima, eye míawo ɖeko míedze abe ʋetsuviwo ene.’ Ðe ‘anyigbaa dzi tɔwo katã’—menye Enakitɔwo ɖeɖeko o—nye ame dzɔtsuwoa? Ao. Nefilim siwo nɔ agbe do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa ƒe dzidzimeviwoe Enakitɔwo nyea? Gbeɖe! Alesi dɔgbedeawo va ɖe ami ɖe nyawo wɔe be vɔvɔ̃ gã aɖe ɖo amewo le asaɖa bliboa me. Dukɔa di kura gɔ̃ hã be yewoagbugbɔ atrɔ ayi ɖe kluvinyenye me le Egipte boŋ.—Mose IV, 13:31–14:4.

5 Gake ŋkutsalawo dometɔ eve, siwo nye Yosua kple Kaleb, ya di kokoko be dukɔa nayi ɖe Ŋugbedodonyigbaa dzi. Wogblɔ tso Kanaantɔwo ŋu be wole “abe abolo ene” na yewo. Wogblɔ ƒu edzi be: “Luʋɔ dzo le wo ta, ke Yehowa li kpli míawo ya, eyata migavɔ̃ wo o!” (Mose IV, 14:9) Nume gbɔlo ko wɔmee Yosua kple Kaleb nɔa? Gbeɖegbeɖe! Woa kple Israel-vi bubuawo katãe kpɔ alesi Yehowa zã Fuwɔame Ewoawo tsɔ ɖi gbɔ Egipte-dukɔ sesẽ la kple eƒe mawuwoe. Wokpɔ alesi Yehowa tsrɔ̃ Farao kple eƒe asrafoha ɖe Ƒudzĩa mee hã teƒe. (Psalmo 136:15) Eme kɔ ƒãa be, naneke meli si ŋkutsala ewoawo kple amesiwo dzi woƒe nyawo kpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖo la atsɔ ado taflatsee be eyatae yewo nɔ vɔvɔ̃m ɖo o. Yehowa ɖe alesi nuwɔna sia gbã dzi nɛ la gblɔ be: “Zi nenie woagbe dzinye xɔxɔ ase? Evɔ wònye mewɔ dzesi geɖewo le wo dome hafi?”—Mose IV, 14:11.

6. Kadodo kae le dzinɔameƒo kple xɔse dome, eye aleke Yehowa subɔlawo le esia ɖem fia egbeae?

6 Nusi tututu na be Israel-viawo wɔ nu nenema ye Yehowa gblɔ na wo tẽ. Ẽ, vɔvɔ̃nɔtɔnyenye ƒe nɔnɔme si dukɔa ɖe fia la ɖo kpe edzi be xɔse menɔ wo si kura o. Nyateƒee, kadodo kplikplikpli aɖe ŋutɔ le xɔse kple dzinɔameƒo dome ale gbegbe be apostolo Yohanes ŋlɔ ku ɖe Kristotɔwo kple gbɔgbɔmeʋa si wɔm wole la ŋu be: ‘Nusi ɖu xexeame dzi la, eyae nye míaƒe xɔse.’ (Yohanes I, 5:4) Egbea, Yehowa Ðasefowo siwo ƒe xexlẽme wu miliɔn ade, siwo dome tsitsiawo kple ɖeviawo, ŋusẽnɔŋutɔwo kple ŋusẽmanɔŋutɔwo le la, to gbeƒã ɖeɖe Fiaɖuƒeŋutinya nyuia le xexeame katã dzi le xɔse ɖem fia abe alesi Yosua kple Kaleb hã ɖee fiae ene. Futɔ aɖeke mete ŋu mia nu na Ðasefo kalẽtɔ kple dzinɔameƒotɔwo ƒe aʋakɔgã sia o.—Romatɔwo 8:31.

‘Migagbugbɔ Ðe Megbe O’

7. Nukae ‘gbugbɔ ɖe megbe’ fia?

7 Yehowa subɔla siwo li egbea la ɖea gbeƒã nyanyuia dzinɔameƒotɔe elabena woƒe nukpɔsusu sɔ kple apostolo Paulo tɔ, amesi ŋlɔ bena: “Ke míawo míenye amesiwo gbugbɔna ɖe megbe ɖe gbegblẽ me la dometɔwo o, ke boŋ amesiwo xɔnɛ sena hena luʋɔ xɔxɔ la dometɔwo míenye.” (Hebritɔwo 10:39) ‘Gbugbɔ ɖe megbe’ si Paulo gblɔ la mefia vɔvɔ̃ na nane hena ɣeyiɣi aɖe ko o, elabena vɔvɔ̃ ɖo Mawu subɔla wɔnuteƒe geɖewo le ɣeyiɣi aɖewo me. (Samuel I, 21:13; Fiawo I, 19:1-4) Biblia gɔmeɖegbalẽ aɖe ɖe nya sia me be, “woate ɖe megbe alo adzudzɔ nane wɔwɔ kura,” eye be enye “asiɖeɖe le nyateƒe mɔ aɖe ŋu.” Nyagɔmeɖegbalẽa gblɔ kpee be, woate ŋu azã nyagbe ‘gbugbɔ ɖe megbe’ wòanye kpɔɖeŋu na alesi woanɔ te tɔm meli vivivi ʋuu vaseɖe esime wòatɔ kuraa alo adze go. Nenema kee wòate ŋu ava emee hã be ame aɖe magava nɔ ɖeke tsɔm le Mawu subɔsubɔ me o vivivi ʋuu vaseɖe esime wòava dzudzu kura. Amesiwo si xɔse sẽŋu le la meɖea mɔ be kuxi—siwo ate ŋu anye yometiti, lãmegbegblẽ, alo tetekpɔ bubu aɖe tɔgbe—‘na baɖa afɔ’ na yewo kura o. Wodzea agbagba boŋ be yewoayi ŋgɔ le Yehowa subɔsubɔ me, eye wonyae be Yehowa tsɔa ɖe le eme na yewo henya yewoƒe ŋutetewo ƒe seɖoƒe. (Psalmo 55:23; 103:14) Ðe xɔse ma ƒomevi le asiwòa?

8, 9. (a) Aleke Yehowa do ŋusẽ Kristotɔ gbãtɔwo ƒe xɔsee? (b) Nukae míate ŋu awɔ atsɔ atu míaƒe xɔse ɖo?

8 Ɣeaɖeɣi la, Yesu ƒe apostolowo kpɔe be yewoƒe xɔse me nɔ gbɔdzɔgbɔdzɔm, eyata wogblɔ na Yesu be: “Na míaƒe xɔse nadzi ɖe edzi na mí.” (Luka 17:5) Wona nusi wobia tso dzi me la wo, vevietɔ le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste ŋkekea dzi, esime wokɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ƒe ŋugbe wodo na wo la ɖe wo dzi hena wose Mawu ƒe Nya kple eƒe tameɖoɖo gɔme nyuie wu. (Yohanes 14:26; Dɔwɔwɔwo 2:1-4) Esi wodo ŋusẽ nusrɔ̃lawo ƒe xɔse alea vɔ la, wote gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ dzonɔamemetɔe. Togbɔ be woti wo yome hã la, woɖe gbeƒã nyanyuia “na nuwɔwɔwo katã le dziƒo te.”—Kolosetɔwo 1:23; Dɔwɔwɔwo 1:8; 28:22.

9 Be míawo hã míatu xɔse sẽŋu ɖo ahawɔ geɖe le míaƒe subɔsubɔdɔa me la, ele be míasrɔ̃ Ŋɔŋlɔawo ahade ŋugble le wo ŋu eye míado gbe ɖa abia gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kpekpeɖeŋu. Ne míena Mawu me nyateƒea xɔ míaƒe susu kple dzi me—abe alesi Yosua, Kaleb, kple Kristotɔ gbãtɔwo wɔe ene—ko hafie xɔse, si nana dzinɔameƒo si hiã vevie la, asu mía si be míatsɔ ado dzi, eye akpe ɖe mía ŋu hã be míaɖu dzi le gbɔgbɔmeʋa si wɔm míele la me.—Romatɔwo 10:17.

XɔseEde Ŋgɔ Wu Dzixɔse Dzro Ko

10. Nukae xɔse akuakua ƒe amesi nɔnɔ bia?

10 Abe alesi nuteƒewɔla siwo nɔ anyi le blema ɖee fia ene la, xɔse si wɔnɛ be wote ŋu doa dzi heléa dzi ɖe ƒo la, menye edzi xɔxɔ ase be Mawu li dzro ko o. (Yakobo 2:19) Xɔse akuakua bia be míanyae be Yehowa nye ame ŋutɔŋutɔ si li ahaka ɖe eyama dzi bliboe. (Psalmo 78:5-8; Lododowo 3:5, 6) Efia be míaka ɖe edzi kple míaƒe dzi blibo be Mawu ƒe sewo kple eƒe gɔmeɖosewo dzi wɔwɔ aɖe vi na mía ŋutɔwo. (Yesaya 48:17, 18) Xɔse akuakua bia hã be míaka ɖe edzi bliboe be ŋugbe siwo katã Yehowa do la ava eme, ahaxɔ eyama dzi ase be enye “teƒeɖola na amesiwo dinɛ vevie.”—Hebritɔwo 11:1, 6; Yesaya 55:11.

11. Aleke woyra Yosua kple Kaleb ɖe woƒe xɔse kple dzinɔameƒo tae?

11 Xɔse sia tɔgbe mekua te o. Ke boŋ etsina ɖe edzi ne míenɔ agbe ɖe nyateƒea nu, ne ‘míeɖɔ’ viɖe siwo dona tsoa eme kpɔna, ne ‘míekpɔ’ míaƒe gbedodoɖawo ŋuti ŋuɖoɖowo, alo kpuie ko la, xɔse la tsina ne míesena le mía ɖokui me be Yehowae fiaa mɔ mí le agbe me. (Psalmo 34:9; Yohanes I, 5:14, 15) Míate ŋu aka ɖe edzi be xɔse si nɔ Yosua kple Kaleb si la deto ɖe edzi esi woɖɔ Mawu ƒe dɔmenyonyo kpɔ. (Yosua 23:14) De ŋugble le nya siawo ŋu kpɔ: Womeku le gbea dzi le ƒe 40 siwo wotsɔ zɔ mɔae me o, abe alesi Yehowa do ŋugbe na woe ene. (Mose  IV, 14:27-30; 32:11, 12) Wowɔ akpa vevi aɖe le ƒe ade si dukɔa tsɔ wɔ aʋa kple Kanaantɔwo heɖu wo dzi la me. Mlɔeba la, wonɔ agbe wòdidi le lãmesẽ me, eye woxɔ woa ŋutɔwo ƒe gome hã. Nyateƒe troloo ye wònye be Yehowa ɖoa eteƒe na amesiwo tsɔa dzinɔameƒo subɔnɛ nuteƒewɔwɔtɔe la.—Yosua 14:6, 9-14; 19:49, 50; 24:29.

12. Aleke Yehowa nana ‘eƒe ŋugbedodowo kɔnae’?

12 Alesi Mawu ve Yosua kple Kaleb nui na míeɖo ŋku hakpala la ƒe nya siawo dzi be: “Èna wò ŋugbedodo kɔ gbɔ wò ŋkɔwo katã ta.” (Psalmo 138:2) Ne Yehowa yɔ eƒe ŋkɔ tsɔ ɖo kpe ŋugbedodo aɖe dzi la, ŋugbedodo ma ƒe emevava nyea esi “kɔ,” le susua nu be evaa eme wu alesi wole mɔ kpɔm nɛ. (Efesotɔwo 3:20) Ẽ, Yehowa metrɔna amesiwo ŋu ‘Eƒe nu nyo’ latoa eme gbeɖegbeɖe o.—Psalmo 37:3, 4.

Ŋutsu si ƒe Nu ‘Dze Mawu Ŋu Nyuie’

13, 14. Nukatae wòhiã be Henox naɖe xɔse kple dzinɔameƒo afia ɖo?

13 Míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe hã tso xɔse kple dzinɔameƒo ɖeɖe fia ŋu, to ŋugbledede tso ame bubu aɖe si hã nɔ agbe do ŋgɔ na Kristotɔwo ƒe ɣeyiɣia ƒe kpɔɖeŋu ŋu me. Eŋkɔe nye Henox. Anɔ eme be hafi Henox nava zu nyagblɔɖila gɔ̃ hã la, enyae be woado yeƒe xɔse kple dzinɔameƒo akpɔ. Aleke wòwɔ nya esia? Eyae nye be, enyae be Yehowa gblɔ le Eden be adikã, alo fuléle, anɔ Mawu subɔlawo kple Satana Abosam subɔlawo dome. (Mose I, 3:15) Henox nyae hã be fuléle sia dze egɔme tso amegbetɔwo ƒe ŋutinya ƒe gɔmedzeɣi ke, esime Kain wu nɔvia Habel. Le nyateƒe me la, wo fofo, Adam, ku ƒe 310 hafi wova dzi Henox.—Mose I, 5:3-18.

14 Togbɔ be nuwo nɔ nenema hã la, Henox yi edzi “zɔ kple Mawu [vavã la],”eye wòƒo nu tsi tre ɖe “nya sesẽ” siwo amewo nɔ gbɔgblɔ ɖe Yehowa ŋu la ŋu dzinɔameƒotɔe. (Mose I, 5:22; Yuda 14, 15) Anɔ eme be esi Henox lé fɔ ɖe tadedeagu vavãtɔ ŋu vɔvɔ̃manɔmetɔe tae ame geɖewo va lé fui ɖo, si na be eƒe agbe va ɖo afɔku me. Esi nɔnɔmea nɔ nenema ta la, Yehowa tsɔ funyafunya siwo ne anye ne futɔwo awɔ nyagblɔɖilaa hafi la to eyama tae. Esi Yehowa ɖee fia Henox be eƒe nu ‘dze ye ŋu nyuie’ vɔ megbe la, etsɔ “Henox yii,” si fia be ena be wòbu vĩ, “bene magakpɔ ku o.”—Hebritɔwo 11:5, 13; Mose I, 5:24.

15. Kpɔɖeŋu nyui kae Henox ɖo ɖi na Yehowa subɔla siwo li egbea?

15 Esi Paulo nya ƒo nu tso alesi wotsɔ Henox yii ŋu vɔ teti ko la, egate gbe ɖe xɔse ƒe vevienyenye dzi ake be: “Ke ne xɔse mele mía si o la, míate ŋu adze Mawu ŋu o.” (Hebritɔwo 11:6) Ẽ, xɔse si nɔ Henox si la wɔe be dzi nɔ eƒo wòzɔ kple Yehowa hegblɔ Yehowa ƒe ʋɔnudrɔ̃gbedasia na ame mavɔ̃mawuwo. Le go sia me la, Henox ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na mí. Wode dɔ ma tɔgbe ke asi na míawo hã be míawɔ le xexe sia, si me yɔ fũ kple nugbegblẽwɔwɔ ƒomevi ɖesiaɖe eye wòlé fu tadedeagu vavãtɔ vevie la, me.—Psalmo 92:8; Mateo 24:14; Nyaɖeɖefia 12:17.

Dzinɔameƒo si Mawuvɔvɔ̃ Nana

16, 17. Amekae Obadya nye, eye nɔnɔme ka mee wòkpɔ eɖokui le?

16 Tsɔ kpe ɖe xɔse ŋu la, nɔnɔme bubu aɖe hã li si nana be dzi nɔa ame ƒo, eyae nye Mawu vɔvɔ̃ bubutɔe. Mina míade ŋugble le mawuvɔ̃la aɖe, si nɔ agbe le nyagblɔɖila Eliya kple Israel ƒe dziehefiaɖuƒea dziɖula Fia Axab ŋɔli, ƒe kpɔɖeŋu wɔdɔɖeamedzi aɖe ŋu. Le Axab ƒe dziɖuɣi la, Baal subɔsubɔ va xɔ aƒe ɖe dziehefiaɖuƒea me ale gbegbe. Le nyateƒe me la, Baal ƒe nyagblɔɖila 450 kple Aserati ƒe nyagblɔɖila 400 sɔŋ ye “ɖua nu le [Axab srɔ̃] Izebel ƒe kplɔ̃ ŋu.”—Fiawo I, 16:30-33; 18:19.

17 Izebel, amesi lé fu Yehowa vevie la, te kpɔ be yeaɖe tadedeagu vavãtɔ ɖa kura le dukɔa me. Ewu Yehowa ƒe nyagblɔɖila aɖewo eye wòte kpɔ be yeawu Eliya hã, gake Yehowa gblɔ na Eliya be wòasi ayi Yordan godo. (Fiawo I, 17:1-3; 18:13) Ðe nàte ŋu akpɔ alesi wòasesẽe be woalé tadedeagu dzadzɛ me ɖe asi le dziehefiaɖuƒea me ɣemaɣi la le susumea? Ke ne fiasã mee nènɔ dɔ wɔm le la, ɖe ema ya magavɔ̃ɖi wu oa? Nɔnɔme sia tututu mee Axab ƒe aƒedzikpɔla mawuvɔ̃la Obadya kpɔ eɖokui le. *Fiawo I, 18:3.

18. Nukae na be Obadya nye Yehowa subɔla si ɖe dzesi ŋutɔ?

18 Ðikeke mele eme o be, Obadya ɖɔ ŋu ɖo hedze aɖaŋu le eƒe Yehowa subɔsubɔ me. Mena ta kura o. Fiawo I, 18:3 gblɔe kã be: ‘Obadya vɔ̃a Yehowa ŋutɔ.’ Ẽ, Obadya ƒe Yehowa vɔvɔ̃ nɔ etɔxɛ! Esi wònye vɔvɔ̃ nyuitɔe nɔ Obadya me ta la, dzi nɔ eƒo ale gbegbe, abe alesi wòɖee fia esime Izebel wu Yehowa ƒe nyagblɔɖilawo megbe teti ko ene.

19. Nukae Obadya wɔ si ɖe eƒe dzinɔameƒo fia?

19 Biblia gblɔ be: “Esi Izebel tsrɔ̃ Yehowa ƒe nyagblɔɖilawo la, Obadya kplɔ nyagblɔɖila alafa ɖeka ɖaɣla ɖe agado me blaatɔ̃blaatɔ̃, eye wòtsɔ abolo kple tsi nyi woe.” (Fiawo I, 18:4) Ne èbu eŋu la, àkpɔe be ame alafa ɖeka nyinyi le adzame nye nuwɔna aɖe si me afɔku le ŋutɔ. Menye ɖeko wòle na Obadya be wòadze agbagba be Axab kple Izebel naganya nusi wɔm wole o, ke ele nɛ hã be wòaɖɔ ŋu ɖo nyui be aʋatsonyagblɔɖila 850 siwo vana fiasãa me edziedzi la nagakpɔe alo ase aflui aɖe tso nusi wɔm wònɔ la ŋu o. Tsɔ kpe ɖe ŋu la, alakpa tadeagula siwo nɔ dua me, tso ame tsɛwo dzi va ɖo nunɔlawo dzi, mahe ɖe megbe kura le tofi fifi na fiaa kple fianyɔnua ne wonya se nane tso afɔ si ɖem Obadya nɔ la ŋu o, elabena esia wɔwɔ awɔe be fia kple srɔ̃a akpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu. Togbɔ be enɔ nenema hã la, afima koe trɔ̃subɔla siawo nɔ, gake Obadya tsɔ dzinɔameƒo nyi Yehowa ƒe nyagblɔɖilawo hekpɔ woƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo. Aleke gbegbee mawuvɔvɔ̃ te ŋu doa ŋusẽ amee nye esi!

20. Aleke mawuvɔvɔ̃ si nɔ Obadya me kpe ɖe eyama ŋui, eye aleke eƒe kpɔɖeŋua de dzi ƒo na wòe?

20 Esi mawuvɔvɔ̃ na be Obadya ɖe dzinɔameƒo fia ta la, edze ƒã be Yehowa kpɔ eta tso eƒe futɔwo si me. Lododowo 29:25 gblɔ be: “Amegbetɔvɔvɔ̃ mɔ̃e wònye ɖea ame; ke amesi ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu la, woakpɔ eta.” Amegbetɔ koe Obadya hã nye abe míawo ke ene; evɔ̃ be asi ate ŋu atu ye, si awɔe be woawu ye abe alesi ko míawo hã míavɔ̃ le nɔnɔme mawo ƒomevi me ene. (Fiawo I, 18:7-9, 12) Ke hã, mawuvɔvɔ̃ si nɔ eme la wɔe be dzi nɔ eƒo ŋutɔ wòtsɔ ɖu amegbetɔvɔvɔ̃ ƒomevi ɖesiaɖe dzi. Obadya ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na mí, vevietɔ na amesiwo mele Yehowa subɔm le ablɔɖe me o, alo na amesiwo tsɔ woƒe agbe gɔ̃ hã ke ɖe Yehowa subɔsubɔ ta. (Mateo 24:9) Ẽ, neva eme be mí katã míaʋli asubɔ Yehowa le ‘mawusosroɖa kple vɔvɔ̃ nyuitɔ me.’—Hebritɔwo 12:28.

21. Nuka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

21 Menye xɔse kple mawuvɔvɔ̃ koe nye nɔnɔme siwo nana dzi nɔa ame ƒo o; lɔlɔ̃ ate ŋu awɔe geɖe wu gɔ̃ hã. Paulo ŋlɔ bena: “Elabena Mawu mena vɔvɔ̃gbɔgbɔ mí o, ke boŋ ŋusẽ kple lɔlɔ̃ kpakple ɖokuidziɖuɖugbɔgbɔe wòna mí.” (Timoteo II, 1:7) Le nyati si akplɔ esia ɖo me la, míava de dzesi alesi lɔlɔ̃ ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míasubɔ Yehowa dzinɔameƒotɔe le ŋkeke mamlɛ sesẽ siawo me.—Timoteo II, 3:1.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 17 Menye Obadya, si nye nyagblɔɖila lae o.

Àte Ŋu Aɖo Wo Ŋua?

• Nakae wɔe be dzi nɔ Yosua kple Kaleb ƒo?

• Nukae xɔse akuakua ƒe amesinɔnɔ lɔ ɖe eme?

• Nukatae Henox mevɔ̃ kura le Mawu ƒe ʋɔnudrɔ̃gbedasia gbɔgblɔ me o?

• Alekee mawuvɔvɔ̃ wɔnɛ be dzi nɔa ame ƒo?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Yehowa de se na Yosua be: “Lé dzi ɖe ƒo, eye nasẽ ŋu”

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Obadya nyi Mawu ƒe nyagblɔɖilawo hekpɔ woƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

Henox gblɔ Mawu ƒe nya dzinɔameƒotɔe