Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Lɔlɔ̃ Tua Dzinɔameƒo Ðo

Lɔlɔ̃ Tua Dzinɔameƒo Ðo

Lɔlɔ̃ Tua Dzinɔameƒo Ðo

“Mawu mena vɔvɔ̃gbɔgbɔ mí o, ke boŋ ŋusẽ kple lɔlɔ̃ kpakple ɖokuidziɖuɖugbɔgbɔe wòna mí.”—TIMOTEO II, 1:7.

1, 2. (a) Nukae lɔlɔ̃ ate ŋu ana ame nawɔ? (b) Nukatae Yesu ƒe dzinɔameƒoa ɖe dzesi ŋutɔ ɖo?

SRƆ̃TƆ yeye aɖewo tsɔ tsiƒumɔ̃ yi ɖale tsi ƒum le ƒutadu aɖe si le Australia ƒe ɣedzeƒe gome la me. Ke esi wodo ɖi yi ƒua gɔme ʋĩ eye wotrɔ le hohom ɖe ƒua dzi la, agblolui, alo anam, gã aɖe lũ ɖe nyɔnua dzi. Kalẽtɔe la, ŋutsua tutu srɔ̃a ɖo ɖe adzɔge hena agbloluia lé ye ŋutɔ boŋ. Ahosia gblɔ le srɔ̃a ƒe ku teƒe be, “Oo! Ðe wòtsɔ eƒe agbe ke ɖe tanye laa.”

2 Ẽ, lɔlɔ̃ ate ŋu aʋã amegbetɔwo be woaɖe dzinɔameƒo si mebɔ kura o la afia. Yesu Kristo ŋutɔ gblɔ be: “Lɔlɔ̃ gã wu esia megale ame aɖeke si bena, wòatsɔ eƒe agbe aɖo anyi ɖe xɔlɔ̃awo ta o.” (Yohanes 15:13) Esi wògblɔ nya siawo la, mede ŋkeke ɖeka hafi eya ŋutɔ tsɔ eƒe agbe na, menye ɖe ame ɖeka ta o, ke boŋ ɖe ameƒomea katã ta o. (Mateo 20:28) Gawu la, menye nane si woawɔ kpata kalẽtɔe koe Yesu ƒe agbe tsɔtsɔ na ɖe ameƒomea ta la nye o. Enyae do ŋgɔ be woaɖu fewu le ye ŋu ahado vlo ye, eye ʋɔnu madzemadze si woava drɔ̃e kple alesi woava hee ɖe ati ŋu mlɔeba la hã nɔ nyanya nɛ do ŋgɔ. Egblɔ nusiawo ŋu nya na eƒe nusrɔ̃lawo gɔ̃ hã tsɔ dzra wo ɖo do ŋgɔe. Egblɔ na wo be: “Kpɔ ɖa, míeyina Yerusalem, eye woade Amegbetɔvi la asi na nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo, eye woatso kufia nɛ, eye woatsɔe ade asi na trɔ̃subɔlawo; eye woaɖu fewu le eŋuti, eye woaɖe ta ɖe eŋu, eye woaƒoe kple atam, eye woawui.”—Marko 10:33, 34.

3. Nukae na be dzi nɔ Yesu ƒo nenema gbegbe?

3 Nukae na dzi nɔ Yesu ƒo nenema gbegbe? Xɔse kple mawuvɔvɔ̃ wɔ akpa vevi aɖe le esia me. (Hebritɔwo 5:7; 12:2) Gake ƒo wo katã ta la, lɔlɔ̃ na Mawu kple na ehavi amegbetɔwoe na dzi nɔ Yesu ƒo. (Yohanes I, 3:16) Ne míetu lɔlɔ̃ ma tɔgbe ɖo tsɔ kpe ɖe xɔse kple mawuvɔvɔ̃ ŋu la, míawo hã míate ŋu aɖe dzinɔameƒo afia abe Kristo ene. (Efesotɔwo 5:2) Aleke míate ŋu atu lɔlɔ̃ ma tɔgbe ɖoe? Ele be míanya eƒe Dzɔtsoƒe.

“Lɔlɔ̃ la tso Mawu Gbɔ”

4. Nukata míate ŋu agblɔ be Yehowa gbɔe lɔlɔ̃ Dzɔ tso?

4 Yehowa nye lɔlɔ̃, kple Amesi gbɔ lɔlɔ̃a dzɔ tso. Apostolo Yohanes ŋlɔ bena: “Lɔlɔ̃tɔwo, mina míalɔ̃ mía nɔewo; elabena lɔlɔ̃ la tso Mawu me, eye amesiame, si lɔ̃a ame la, Mawu gbɔ wodzii tso, eye wòdze si Mawu. Amesi ke melɔ̃a ame o la, medze si Mawu o; elabena Mawu enye lɔlɔ̃.” (Yohanes I, 4:7, 8) Eyata hafi míate ŋu atu mawumelɔlɔ̃ ɖo la, ele kokoko be míato sidzedze vavãtɔ dzi ate ɖe Yehowa ŋu, ahawɔ nu wòasɔ ɖe sidzedze ma nu tso dzi blibo me.—Filipitɔwo 1:9; Yakobo 4:8; Yohanes I, 5:3.

5, 6. Nukae kpe ɖe Yesu yomedzela gbãtɔawo ŋu be wotu lɔlɔ̃ ɖo abe Kristo ene?

5 Esime Yesu nɔ gbe mamlɛtɔ dom ɖa kple eƒe apostolo wɔnuteƒe 11-awo la, eɖe kadodo si le sidzedze Mawu kple lɔlɔ̃ dome fia ale: “Mena wonya wò ŋkɔ la, eye mana woanyae, bena lɔlɔ̃, si nètsɔ lɔ̃m la, nanɔ woawo me, eye nye hã manɔ woawo me.” (Yohanes 17:26) Yesu kpe ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu be woatu lɔlɔ̃ si le ye kple ye Fofo dome la tɔgbe ɖo. Eɖe nusi tututu Mawu ƒe ŋkɔ tsi tre ɖi na, si nye Mawu ƒe nɔnɔme wɔnukuawo, la me. Eyata Yesu te ŋu gblɔ be: “Amesi ke kpɔm la, ekpɔ Fofo la.”—Yohanes 14:9, 10; 17:8.

6 Lɔlɔ̃ si tɔgbe nɔ Kristo si la ɖeɖe fia nye Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe dɔwɔwɔwo ƒe akpa aɖe. (Galatiatɔwo 5:22) Esi Kristotɔ gbãtɔwo xɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ƒe ŋugbe wodo na wo la le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste ŋkekea dzi la, menye nusiwo Yesu fia wo la dzi koe woɖo ŋkui o, ke wose Ŋɔŋlɔawo gɔme nyuie ɖe edzi hã. Anɔ eme be nuwo gɔme sese nyuie alea na wotu lɔlɔ̃ deto ɖo na Mawu. (Yohanes 14:26; 15:26) Nukae do tso eme? Wotsɔ woƒe agbe de afɔku me hetsɔ dzinɔameƒo kple dzonɔameme ɖe gbeƒã nyanyuia.—Dɔwɔwɔwo 5:28, 29.

Woɖe Dzinɔameƒo Kple Lɔlɔ̃ Fia

7. Nukawo mee Paulo kple Barnaba to le woƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔwo me?

7 Apostolo Paulo ŋlɔ bena: ‘Mawu mena vɔvɔ̃gbɔgbɔ mí o, ke boŋ ŋusẽ kple lɔlɔ̃ kpakple ɖokuidziɖuɖugbɔgbɔe wòna mí.’ (Timoteo II, 1:7) Nusiwo me Paulo ŋutɔ to lae na wògblɔ nya siawo. De ŋugble le nusi me woa kple Barnaba woto le woƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔdɔa me ŋu kpɔ ko. Woɖe gbeƒã le dugã geɖe, siwo dometɔ aɖewoe nye Antioxia, Ikonio, kple Listra, me. Le dugãwo dometɔ ɖesiaɖe me la, woke ɖe ame aɖewo siwo va zu xɔsetɔwo la ŋu, gake ame aɖewo hã lé fu wo kaɖikaɖi. (Dɔwɔwɔwo 13:2, 14, 45, 50; 14:1, 5) Esi Paulo nɔ Listra la, nuvlowɔha aɖe si do dziku ɖe eŋu vevie la ƒu kpee vaseɖe esime wobui be eku, hafi woɖe asi le eŋu. “Ke esi nusrɔ̃lawo va ƒo xlãe la, etsi tre heyi ɖe dua me; eye esi ŋu ke la, eya kple Barnaba wodzo yi Derbe.”—Dɔwɔwɔwo 14:6, 19, 20.

8. Aleke Paulo kple Barnaba ƒe dzinɔameƒo ɖe lɔlɔ̃ deto si nɔ wo si na nɔviawo fiae?

8 Ðe nusiwo wotu kple Paulo kpakple Barnaba la do ŋɔdzi na wo, ale be wodzudzɔ gbeƒãɖeɖea? Gbeɖe! Esi “wowɔ ame geɖewo zu nusrɔ̃lawo” le Derbe vɔ la, ŋutsu eve siawo gbugbɔ “va Listra kple Ikonio kpakple Antioxia.” Ðe susu ka ta? Be yewoade dzi ƒo na ame yeyeawo be woayi edzi alé xɔse la me ɖe asi sesĩe. Paulo kple Barnaba gblɔ be: “Xaxa geɖewo me to ge míala tsã ayi ɖe mawufiaɖuƒe la me.” Ðikeke mele eme o be lɔlɔ̃ deto si nɔ wo si na Kristo ƒe ‘alẽviawoe’ na be woɖe dzinɔameƒo sia tɔgbe fia. (Dɔwɔwɔwo 14:21-23; Yohanes 21:15-17) Esi nɔviŋutsu eve siawo ɖo hamemegãwo le hame yeyeawo dometɔ ɖesiaɖe me vɔ la, wodo gbe ɖa hetsɔ nɔviawo “de Aƒetɔ, si dzi woxɔ se la, si me.”

9. Aleke hamemegã siwo nɔ Efeso la wɔ nu ɖe lɔlɔ̃ deto si nɔ Paulo si na wo la nui?

9 Paulo nye ame aɖe si tsɔa ɖe le eme na ame ŋutɔ eye wònye dzinɔameƒotɔ ale gbegbe be Kristotɔ gbãtɔawo dometɔ geɖe va lɔ̃ eƒe nya gbɔ vevie. De ŋugble le nusi dzɔ le kpekpe si Paulo wɔ kple hamemegã siwo nɔ Efeso, afisi wòwɔ dɔ le ƒe etɔ̃, le yometiti sesẽwo me, la ŋu kpɔ. (Dɔwɔwɔwo 20:17-31) Esi Paulo de dzi ƒo na hamemegãwo be woanyi Mawu ƒe alẽha si wotsɔ de woƒe kpɔkplɔ te vɔ la, edze klo hedo gbe ɖa kpli wo ɖekae. Le ema megbe la, “wo katã wode asi avifafa me vevie ŋutɔ, eye wodze Paulo ƒe kɔ dzi, eye wogbugbɔ nu nɛ hele nu xam, vevietɔ le nya, si wògblɔ bena, womegale yeƒe ŋku me kpɔ ge akpɔ o la ŋuti.” Lɔlɔ̃ ka gbegbee nye si nɔ nɔvi siawo si na Paulo! Le nyateƒe me la, esi ɣeyiɣia de na Paulo kple eƒe zɔhɛwo be ‘woadzo le wo gbɔ la,’ esesẽ na hamemegãwo be woaɖe asi le wo ŋu woadzo.—Dɔwɔwɔwo 20:36–21:1.

10. Alekee Yehowa Ðasefo siwo li egbea la ɖenɛ fiana dzinɔameƒotɔe be yewolɔ̃ ye nɔewo?

10 Egbea, nɔviwo lɔ̃a dzikpɔla mɔzɔlawo, hamemegãwo, kple nɔvi bubu geɖewo vevie, le dzinɔameƒo si woɖena fiana ɖe Yehowa ƒe alẽha ŋu la ta. Le kpɔɖeŋu me, le dukɔ siwo me dukɔmeviʋa gblẽ nu le, alo le teƒe siwo woɖo asi gbeƒãɖeɖedɔa dzi le la, dzikpɔla mɔzɔlawo kple wo srɔ̃wo de woƒe agbe kple ablɔɖe afɔku me hesrã hamewo kpɔ. Ðasefo geɖe de woƒe agbe afɔku me nenema ke eye wokpe fu le dziɖula sẽŋutawo kple wo dzidelawo si me, elabena wogbe be yewomafia yewo nɔvi Ðasefo bubuwo yome mɔ loo alo aʋu go teƒe si woxɔa gbɔgbɔmenuɖuɖu tsonae o. Woti ame akpe geɖewo hã yome, wowɔ funyafunya wo, wowu wo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã, elabena wogbe be yewo madzudzɔ gbeƒãɖeɖe nyanyuiea loo alo atɔ te kpekpeawo dede o. (Dɔwɔwɔwo 5:28, 29; Hebritɔwo 10:24, 25) Neva eme be míasrɔ̃ nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siawo ƒe lɔlɔ̃ kple dzinɔameƒo siwo woɖena fiana la!—Tesalonikatɔwo I, 1:6.

Migana Miaƒe Lɔlɔ̃ Nu Natsi O

11. Mɔ kawo nue Satana le gbɔgbɔmeʋa wɔm kple Yehowa subɔlawo le, eye nukae esia bia tso mía si be míawɔ?

11 Esi wonya Satana ɖo ɖe anyigba dzi la, eɖoe kplikpaa be yeaɖe yeƒe dzikua katã ɖe Yehowa subɔlawo ŋu elabena wonye “amesiwo léa Mawu ƒe seawo me ɖe asi, eye Yesu ƒe ɖaseɖiɖi le wo si.” (Nyaɖeɖefia 12:9, 17) Abosam ƒe ayemɔ siwo wòzãna be yeatsɔ alé woe la dometɔ ɖekae nye yometiti. Gake ayemɔ sia tsia akpo dzi zi geɖe, elabena ɖe wòwɔnɛ boŋ be kadodo kplikplikpli si me lɔlɔ̃ le wu la va ɖoa Mawu ƒe amewo dome eye wòdea dzo wo dometɔ geɖe gɔ̃ hã me be woagawɔ dɔ geɖe wu. Satana ƒe ayemɔ bubu hãe nye be yeaƒãe ɖe mía me be míadi vevie be míaɖi kɔ na na míaƒe nuvɔ̃ŋutilãa la. Hafi míate ŋu agbe nu le ayemɔ siawo gbɔ la, ele be míaɖe dzinɔameƒo afia le mɔ vovovowo nu, elabena aʋa sia le edzi yim le míaƒe ŋutilã me, ele avu wɔm kple míaƒe dzodzro manyomanyo siwo le míaƒe dzi si nye ‘alakpatɔ kple nu gbegblẽ’ la me.—Yeremya 17:9; Yakobo 1:14, 15.

12. Aleke Satana zãna ‘xexeame ƒe gbɔgbɔ’ tsɔ tenɛ kpɔna be yeagbɔdzɔ lɔlɔ̃ si le mía si na Yehowa mee?

12 Aʋawɔnu sẽŋu aɖe hã le Satana ƒe aʋawɔnuwodzraɖoƒea—eyae nye ‘xexeame ƒe gbɔgbɔ,’ si nye alesi wòƒonɛ ɖe mía nu vevie be miawɔ nusiwo tsi tre ɖe Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe ŋu tẽ. (Korintotɔwo I, 2:12) Xexeame ƒe gbɔgbɔ dona ŋukeklẽ kple ŋutilãmenudidi vivivo—siwo nye “ŋkuwo ƒe ŋubiabiã”—ɖe ŋgɔ ŋutɔ. (Yohanes I, 2:16; Timoteo I, 6:9, 10) Togbɔ be menye nu gbegblẽe ŋutilãmenuwo kple ga nye le wo ɖokui si o hã la, ne wòva dzɔ be míaƒe lɔlɔ̃ na nu mawo de to wu míaƒe lɔlɔ̃ na Mawu la, ke Satana ƒe abɔ de dzi. ‘Ŋusẽ’ si le xexeame ƒe gbɔgbɔ, si le abe ya si míekpɔna o ene la, sie nye alesi wòƒonɛ ɖe mía nu be míato mɔ sia mɔ nu aɖi kɔ na míaƒe ŋutilã madebliboa ƒe nudzodzrowo. Mègana xexe sia me ƒe ŋusẽ nagblẽ nu le wò dzi ŋu gbeɖe o!—Efesotɔwo 2:2, 3; Lododowo 4:23.

13. Aleke woate ŋu ado míaƒe dzinɔameƒo akpɔe?

13 Gake hafi míate ŋu agbe nu le xexe sia ƒe gbɔgbɔ gbɔ keŋkeŋ la, ele be míaɖoe kplikpaa dzinɔameƒotɔe alé agbenyuinɔnɔ me ɖe asi. Le kpɔɖeŋu me, ebia dzinɔameƒo be woado go le fefewɔƒe aɖe alo atsi kɔmpiuta loo alo television ne wòdzɔ be wote nu gbegblẽ aɖewo ɖeɖe fia. Ebia dzinɔameƒo be woatsri hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu gbegblẽwo ahatso hadede vɔ̃wo ƒe kadodo ƒomevi ɖesiaɖe. Nenema kee wòbia dzinɔameƒo be míalé Mawu ƒe sewo kple gɔmeɖosewo me ɖe asi ne wòdzɔ be sukuhatiwo loo, dɔwɔhatiwo loo, aƒelikawo loo, alo ƒometɔwo le fewu ɖum le mía ŋu.—Korintotɔwo I, 15:33; Yohanes I, 5:19.

14. Nukae wòle be míawɔ ne wòdzɔ be xexeame ƒe gbɔgbɔ le ŋusẽ kpɔm ɖe míaƒe dzi dzi le mɔ aɖe nu?

14 Eyata aleke gbegbee wòle vevie nye esi be míanɔ dzo dem míaƒe lɔlɔ̃ na Mawu kple na míaƒe gbɔgbɔ me nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo me! Di ɣeyiɣi nàtsɔ adzro wò taɖodzinuwo kple alesi nènɔa agbee me ne nàkpɔe ɖa nenye be xexeame ƒe gbɔgbɔ le ŋusẽ kpɔm ɖe wò dzi dzi le mɔ ɖe nu hã. Ne ele ŋusẽ kpɔm ɖe edzi—eɖanye le mɔ suetɔ kekeake nu gɔ̃ hã—la, ke do gbe ɖa na Yehowa be wòana be dzi nanɔ ƒowò nàtsɔ aɖe xexeame ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi ƒomevi ɖesiaɖe ɖa le dzia me keŋkeŋ. Yehowa mado toku gbe siwo míado ɖa tso dzi blibo me hena kpekpeɖeŋu la gbeɖe o. (Psalmo 51:19) Gawu la, Yehowa ƒe gbɔgbɔ la sẽŋu sasasã wu xexeame ƒe gbɔgbɔ.—Yohanes I, 4:4.

Akɔ Kpekpe Kple Tetekpɔwo Dzinɔameƒotɔe

15, 16. Aleke lɔlɔ̃ ɖeɖe fia abe alesi Kristo ɖee fiae ene te ŋu kpena ɖe mía ŋu míekpea akɔ kple míaƒe kuxiwoe? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu aɖe.

15 Kuxi bubu siwo me Yehowa subɔlawo tona dometɔ aɖewoe nye blibomademade kple tsitsi ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi, siwo dɔléle hena vɛ zi geɖe, nuwɔametɔnyenye, blanuiléle, kple bubuwo. (Romatɔwo 8:22) Lɔlɔ̃ si le Kristo si tɔgbe ɖeɖe fia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míakpe akɔ kple kuxi siawo. De ŋugble le Namangolwa, si wonyi le Kristotɔwo ƒe ƒome aɖe me le Zambia, ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Esi Namangolwa xɔ ƒe eve ko la, eva zu nuwɔametɔ. Egblɔ be: “Mebui be nye nu anyɔ ŋu na amewo ŋutɔ. Gake nye gbɔgbɔmenɔviwo kpe ɖe ŋunye be nye nɔnɔmea ŋuti nukpɔsusu bubu va su asinye. Esia na mete ŋu va ɖu ŋukpe si nɔ menye ɖe alesi mele ŋu la dzi, eye le ɣeyiɣi aɖe megbe la, mexɔ nyɔnyrɔ.”

16 Togbɔ be bunɔkeke le Namangolwa ŋutɔ si hã la, eva hiãna ɣeaɖewoɣi be wòata le anyigba ne ehiã be wòato mɔ si dzi ke sɔ gbɔ ɖo. Ke hã, ne mede ɖeke o la, ewɔa kpekpeɖeŋumɔɖeɖedɔa ɣleti eve ya teti le ƒe ɖesiaɖe me. Aƒemenɔla aɖe fa avi gbeɖeka esi Namangolwa ɖi ɖase nɛ. Nukatae wòfa avia ɖo? Elabena xɔse kple dzinɔameƒo si le mía nɔvi nyɔnua si la wɔ dɔ ɖe eyama dzi ale gbegbe. Alesi Yehowa yra Namangolwa geɖe la dze ƒãa esi eƒe Biblia nusrɔ̃vi atɔ̃ xɔ nyɔnyrɔ, eye wo dometɔ ɖeka nye hamemegã fifia. Egblɔ be: “Nye atawo ɖuam vevie zi geɖe, gake nyemena be ema wɔe be medzudzɔ gbeƒãɖeɖe o.” Nɔvinyɔnu sia nye Ðasefo gbogbo siwo le xexeame godoo, siwo lãmegbegblẽ le fu ɖem na, gake wowɔa subɔsubɔdɔa dzonɔamemetɔe le lɔlɔ̃ si le wo si na Mawu kple na wo havi la ta, la dometɔ ɖeka. Aleke gbegbee nɔvi siawo ƒe nu léa dzi na Yehowae nye esi!—Xagai 2:7.

17, 18. Nukae kpena ɖe ame geɖewo ŋu be wote ŋu doa dzi le dɔléle kple dodokpɔ bubuwo me? Gblɔ mia gbɔ ƒe kpɔɖeŋu aɖe?

17 Dɔléle si nɔa hohom na ame edziedzi hã ate ŋu aɖe dzi le ame ƒo, alo ana be ame nava zu blanuiléla gɔ̃ hã. Hamemegã aɖe gblɔ be: “Le agbalẽ me nusrɔ̃ƒe si medena me la, suklidɔ kple ayikumedɔ le nɔvinyɔnu aɖe ŋu, kansadɔ le nɔvinyɔnu bubu ŋu, ŋuɖui ƒomevi aɖe le nɔvinyɔnu eve aɖewo hã ŋu, eye dɔléle si naa lãmekawo nɔa ame vem kple ƒoƒoeteamedɔ le nɔvinyɔnu bubu hã ŋu. Dzi ɖena le nɔvinyɔnu siawo ƒo ɣeaɖewoɣi. Ke hã, ne dɔ siawo ho na nɔvinyɔnu siawo vevie alo wosika wo ɖe kɔdzi koe nàkpɔe be womeva kpekpeawo o. Wo dometɔ ɖesiaɖe dea gbeadzi edziedzi. Wona meɖo ŋku Paulo, amesi gblɔ be, ‘ne megbɔdzɔ la, ekema mesẽa ŋu,’ la dzi. Mekpɔa ŋudzedze ɖe woƒe lɔlɔ̃ kple dzinɔameƒo ŋu ale gbegbe. Woƒe lãmegbegblẽa anya wɔe be nukpɔsusu nyui nɔ wo si ku ɖe agbea ŋu, eye wokpɔ nusi nye nu vevitɔ kekeake le agbe me la dze sii.”—Korintotɔwo II, 12:10.

18 Ne wòdzɔ be nèle kame tem kple lãmegbegblẽ aɖe, alo ne èle nɔnɔme sesẽ aɖe me tom la, nɔ kpekpeɖeŋu biam le “gbedodoɖa [me] madzudzɔmadzudzɔe,” ale be dziɖeleameƒo nagava tso aƒe ɖe mewò o. (Tesalonikatɔwo I, 5:14, 17) Ele eme baa be, dzi ate ŋu aɖe le ƒowò ɣeaɖewoɣi ya, gake dze agbagba be wò susu nanɔ nusiwo aɖe vi na wò la ŋu, bu gbɔgbɔmenuwo ŋu, eye vevietɔ wu la, wò susu nenɔ Fiaɖuƒemɔkpɔkpɔ dodzidzɔname la ŋu ɣeawokatãɣi. Nɔvinyɔnu aɖe gblɔ be: “Le gonyeme la, gbeadzisubɔsubɔdɔa va zu atike nam.” Nyanyuia gbɔgblɔ na amewo kpe ɖe nɔvi sia ŋu be nukpɔsusu nyuitɔ kpɔtɔ le esi.

Lɔlɔ̃ Kpena Ðe Nu Gbegblẽ Wɔlawo Ŋu Wotrɔna Vaa Yehowa Gbɔ

19, 20. (a) Nukae akpe ɖe amesiwo wɔ nuvɔ̃ gãwo ŋu be dzi nanɔ wo ƒo ne woate ŋu atrɔ ava Yehowa gbɔ? (b) Nuka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

19 Esesẽna na ame geɖe, siwo gbɔdzɔ le gbɔgbɔ me alo amesiwo wɔ nuvɔ̃ gãwo la, be woatrɔ ava Yehowa gbɔ. Gake dzinɔameƒo si hiã na nenem me siawo bene woate ŋu atrɔ ava Yehowa gbɔ la asu wo si ne, wotrɔ dzime vavã, hegbugbɔ de dzo woƒe lɔlɔ̃ na Mawu me. De ŋugble le nusi me Mario, * si le United States, to la ŋu kpɔ. Mario do le Kristo-hamea me heva zu ahanoxe kple atikevɔ̃ɖizãla, eye ƒe 20 le eƒe dodo le hamea me megbe la, wolée de mɔ. Mario gblɔ be: “Mete ŋugble dede vevie le nye etsɔme ŋu, eye megadze Biblia xexlẽ gɔme ake. Eteƒe medidi o meva kpɔ ŋudzedze ɖe Yehowa ƒe nɔnɔmewo, vevietɔ ɖe eƒe nublanuikpɔkpɔ ŋu, eye medoa gbe ɖa bianɛ edziedzi. Esi woɖem tso gaxɔa me vɔ megbe la, nyemegade ha kple xɔ̃nye xoxoawo o, megate Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede, eye wogbugbɔ xɔm mlɔeba. Togbɔ be mele nusiwo meƒã ɖe nye ŋutilã me la ŋem le lãmesẽnyawo me fifia hã la, mɔkpɔkpɔ dodzidzɔname aɖe ya teti le asinye. Ne mebe mada akpe na Yehowa ɖe eƒe nublanuikpɔkpɔ kple tsɔtsɔkea ta la, made edeƒe gbeɖe o.”—Psalmo 103:9-13; 130:3, 4; Galatiatɔwo 6:7, 8.

20 Ðikeke mele eme o be, ele na amesiwo le nɔnɔme si sɔ kple esi me Mario to va yi me la be woaʋli vevie agbugbɔ atrɔ va Yehowa gbɔ. Gake woƒe lɔlɔ̃, si me woagbugbɔ dzo ade—to Biblia sɔsrɔ̃, gbedodoɖa, kple ŋugbledede me—la awɔe be dzinɔameƒo si wohiã la asu wo si, eye woaɖoe kplikpaa atrɔ agbɔ va Yehowa gbɔ. Fiaɖuƒemɔkpɔkpɔa hã do ŋusẽ Mario. Ẽ, tsɔ kpe ɖe lɔlɔ̃, xɔse, kple mawuvɔvɔ̃ ŋu la, ne mɔkpɔkpɔ le mía si la, ate ŋu akpe ɖe mía ŋu geɖe le agbe me. Le nyati si kplɔe ɖo me la, míadzro gbɔgbɔmenunana xɔasi sia me tsitotsito.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 19 Míetrɔ ŋkɔa.

Àte Ŋu Aɖo Wo Ŋua?

• Aleke lɔlɔ̃ kpe ɖe Yesu ŋu be wòɖe dzinɔameƒo si ɖe dzesi ŋutɔ la fiae?

• Aleke lɔlɔ̃ si nɔ Paulo kple Barnaba si na wo nɔviwo wɔe be woɖe dzinɔameƒo si mebɔ kura o la fiae?

• Mɔ kawo nue Satana dina be yeabaɖa afɔ na Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ si le mía dome la le?

• Nɔnɔme sesẽ kawo mee lɔlɔ̃ si le mía si na Yehowa la ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míado dzi le?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Lɔlɔ̃ si nɔ Paulo si na amewo wɔe be wòku kutri dzinɔameƒotɔe

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Ebia be dzi nanɔ ame ƒo hafi wòate ŋu alé Mawu ƒe gɔmeɖosewo me ɖe asi

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Namangolwa Sututu