Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nunana Mavɔ Si Tso Wɔla La Gbɔ

Nunana Mavɔ Si Tso Wɔla La Gbɔ

Nunana Mavɔ Si Tso Wɔla La Gbɔ

ÐE MEWƆ nuku na wò ŋutɔ be woyɔ nu siwo dzɔdzɔme ŋuti nunyalawo susu be woawoe le vevie hafi agbe nanya nɔ le ɣletinyigba aɖe dzi la tẽ alo ƒo nu tso wo ŋu le Biblia ƒe ta gbãtɔa me oa? Nu vevi kawoe?

Be agbe nanya nɔ la, ele be tsi nanɔ anyi le agbɔsɔsɔme, abe ale si wogblɔe le Mose I, 1:2 ene. Be tsi si le ɣletinyigba la dzi nagamie alo azu tsikpe o la, ele be dzoxɔxɔ si le edzi nasɔ nyuie. Esia bia be ɣletinyigba la nanɔ afi si sɔ tso eƒe ɣea gbɔ. Nuŋlɔɖi si le Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔa me ƒo nu tso ɣea kple ŋusẽ si wòkpɔna ɖe anyigba la dzi ŋu zi geɖe.

Be amegbetɔwo nate ŋu anɔ ɣletinyigba aɖe dzi la, ele be ya tɔxɛ vovovowo nanɔ ya si ƒo xlãe me. Woƒo nu tso nu vevi sia ŋu le Mose I, 1:6-8 me. Numiemiewo ƒe agbɔsɔsɔ si ŋu woƒo nu tsoe le Mose I, 1:11, 12 la koŋ gbɔe ɔksidzin gbogbo si míegbɔna la tso. Ɣletinyigba si dzi lã ƒomevi vovovowo ate ŋu anɔ agbe le, bia be anyigba ƒuƒui alo anyigba wɔnu, nanɔ anyi abe ale si woɖɔe le Mose I, 1:9-12 me ene. Mlɔeba la, be yame ƒe nɔnɔme nasɔ nyuie le ɣletinyigba aɖe dzi la, ele be wòaviã ale si sɔ eye wòali ɖe enɔƒe—le anyigba gome la, ɣletia ƒe nuheŋusẽe wɔa esiawo. Woƒo nu tso míaƒe ɣletia kple dɔ siwo wòwɔna dometɔ aɖewo ŋu kpuie le Mose I, 1:14, 16 me.

Aleke blemanuŋlɔla Mose, si menya naneke tso egbegbe dzɔdzɔme ŋuti nunya ŋu o la, wɔ nya nu tso nu siwo míeyɔ va yi la ŋu? Ðe wòanye be ɖeko Mose ƒe nunya de ŋgɔ wu eŋɔlimetɔwo tɔ si wɔe be wònya nu vevi siawoa? Nyateƒea ŋutɔe nye be dziƒo kple anyigba Wɔla la ƒe gbɔgbɔe ʋãe. Esia dze ƒã le ale si Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ me nuŋlɔɖia sɔ pɛpɛpɛ le dzɔdzɔme ŋuti nunya me la me.

Biblia ɖo kpe edzi be tameɖoɖo aɖe tae wowɔ nu wɔnuku siwo míekpɔna le xexea me godoo la ɖo. Psalmo 115:16 gblɔ be: “Dziƒo enye dziƒo na Yehowa, ke etsɔ anyigba na amegbetɔviwo.” Psalmo bubu gblɔ be: “Eɖo anyigba gɔme anyi ɖe eƒe anyinɔwo dzi, ne magaʋã gbeɖe akpɔ o.” (Psalmo 104:5) Ne Wɔla aɖee wɔ míaƒe xexea kple míaƒe anyigbaa la, ke susu le eme be míaxɔe ase be ŋutete le esi be wòakpɔ wo ta hã. Esia fia be àte ŋu atsɔ kakaɖedzi akpɔ mɔ na ŋugbedodo wɔnuku sia ƒe emevava be: “Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.” (Psalmo 37:29) Kakaɖedzi le eŋu be Mawu ‘mewɔ anyigba be wòatsi ƒuƒlu o, ke boŋ ɖe wòmèe, be’ ame dakpe siwo kpɔa ŋudzedze ɖe eƒe nuwɔwɔwo ŋu la ‘nanɔ edzi’ tegbee.—Yesaya 45:18.

Le Ŋɔŋlɔawo ƒe nya nu la, Yesu va anyigba dzi be yeafia nu mí tso Mawu ŋutɔ kple Eƒe tameɖoɖo si nye be yeana ameƒomea me tɔ toɖolawo nakpɔ agbe mavɔ la ŋu. (Yohanes 3:16) Wona kakaɖedzi mí be eteƒe madidi o Mawu ‘atsrɔ̃ ame siwo gblẽa anyigba la,’ gake ŋutifafalɔ̃la siwo tso dukɔwo katã me, siwo lɔ̃ ɖe ɖoɖo si wòwɔ hena amewo xɔxɔ ɖe agbe dzi la atsi agbe. (Nyaɖeɖefia 7:9, 14; 11:18) Aleke gbegbe agbenɔnɔ avivii enye esi ne amegbetɔwo yi edzi le kekem ɖe Mawu ƒe nuwɔwɔ wɔnukuwo ŋu hele vivi sem le wo me tegbee!—Nyagblɔla 3:11; Romatɔwo 8:21.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 8]

NASA photo