Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nuxaxa Si Nu Sẽ Henɔa Anyi Eteƒe Didina

Nuxaxa Si Nu Sẽ Henɔa Anyi Eteƒe Didina

Nuxaxa Si Nu Sẽ Henɔa Anyi Eteƒe Didina

NYITSƆ laa la, numekula aɖe wɔ numekuku be yeanya ale si ame siwo ame vevi aɖe ku na la ƒe nuxaxaawo nɔna ne ɣeyiɣiawo va le yiyim. Eŋlɔ nyabiase aɖewo ɖe agbalẽvi dzi ɖo ɖe dzila siwo vi ku na ƒe geɖewoe nye esi va yi la. Menye dzila siawo katãe ɖo nyabiaseawo ŋu o. Vifofo aɖe si ŋkɔe nye Vladimir, si ƒe viŋutsu ku ƒe atɔ̃e nye esia la, gblɔ be va se ɖe fifia la, nuƒoƒo tso ye viŋutsua ŋu nyea nu si sesẽna na ye hegbãa dzi na ye ale gbegbe. *

Nuxaxa ma tɔgbi si nɔa anyi eteƒe didina la ɖea fu na dzila siwo vi ku na la. William, si viŋutsu si xɔ ƒe 18 eye tsi lée wòku ƒe ewoe nye esia la ŋlɔ bena, “Megakpɔtɔ le nu xam le vinyea ƒe ku ta va se ɖe fifi, eye zi ale si mele agbe la, nye nuxaxa sia nu mayi o.” Ƒe atɔ̃ sɔŋ le esi dɔléle aɖe va dze Lucy viŋutsu dzi le vome wòku megbe la, eŋlɔ bena: “Le ŋkeke ʋɛ gbãtɔawo me la, menɔa gbɔgblɔm na ɖokuinye be, ‘Nyemexɔe se o.’ Mese le ɖokuinye me abe drɔ̃e baɖa aɖe kumee menɔ ene, eye be eteƒe madidi o manyɔ. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, meva te ekpɔkpɔ dze sii be nu ŋutɔŋutɔe wònye dzɔ, eye be megale gbɔgbɔ ge ava aƒe me o. Vinye ŋutsua ku ƒe atɔ̃e nye esia, ke hã, ne nye ɖeka meli ɣeaɖewoɣi la, megafaa eƒe avi kokoko.”

Nu ka tae dzila siwo vi ku na, abe Vladimir, William, kple Lucy ene, gakpɔtɔ xaa nu vevie eye woƒe vevesesea nu gbea tsotso? Mina míade ŋugble tso susu siwo tae dometɔ aɖewo ŋu.

Nu Ka Tae Woxaa Nu Nenema Gbegbe Ðo?

Ne wodzi vidzĩ aɖe le ƒome aɖe me la, ale si edzilawo sena le wo ɖokui me la nɔa etɔxɛe heto vovo kura tso seselelãme bubu ɖe sia ɖe si amegbetɔwo dome ƒomedodo hena vɛ la gbɔ. Wo vi suea kɔkɔ ɖe asi, ekpɔkpɔ wòadɔ alɔ̃, alo eƒe alɔgbɔnukoko dzidzɔtɔe ɖeɖe dzaa hea dzidzɔ kple dzidzeme manyagblɔ aɖe vɛ na edzilawo. Dzila lɔ̃amewo melɔ̃a nu le wo viwo gbɔ o. Wohea wo be woawɔ nu si sɔ eye be woava zu ame ɖɔʋuwo. (Tesalonikatɔwo I, 2:7, 11) Ne ɖeviawo va le tsitsim hele gbe sem na wo dzilawo la, enyea dzidzɔ na wo eye mɔkpɔkpɔ nyuiwo va nɔa wo si ɖe wo viawo ŋu.

Dzila siwo léa be na wo viwo la wɔa dɔ kutrikukutɔe be yewoakpɔ woƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo. Wonɔa ga dzram ɖo alo ƒoa ŋutilãmenunɔamesiwo nu ƒu be yewoate ŋu akpe ɖe yewo viawo ŋu be woate ŋu ava ɖo woa ŋutɔwo ƒe ƒome anyi le etsɔme. (Korintotɔwo II, 12:14) Nu siwo gbegbe me dzilawo tona le seselelãme gome, le kutrikuku gome, le ɣeyiɣi kple ga zazã gome le wo viwo nyinyi me la katã na nyateƒenya sia dze ƒãa be—dzilawo nyia wo viwo be woanɔ agbe, ke menye be woaku o. Eya ta ne ɖevi aɖe ku la, dɔ siwo gbegbe enyinyi be wòatsi lɔ ɖe eme la tsia akpo dzi, eye mɔkpɔkpɔ si le edzilaawo si ɖe eyama ŋu la nu yina. Esia wɔnɛ be vividoɖeameŋu kple lɔlɔ̃ si dzilaawo ɖena fiana ɖevia la nu tsona, eye ku va zu abe glikpɔ sesẽ aɖe ene tso wo dome. Teƒe vevi si viŋutsu alo vinyɔnu ma xɔ le edzilawo ƒe dzime tsã la va ɖi ƒuƒlu azɔ. Nuxaxa si nu metsona bɔbɔe o la va xɔa dzila siawo me vevie.

Biblia ɖo kpe edzi be dzila siwo vi ku na la xaa nu vevie eye woƒe vevesesewo nɔa anyi ɣeyiɣi didi. Esi Biblia nɔ nu ƒom tso nu si dzɔ esime blemafofo Yakob se be ye viŋutsu Yosef ku ŋu la, egblɔ be: “Yakob dze eƒe awu, sa papahũ ɖe ali, eye wòfa konyi na via ŋkeke geɖewo. Eye viaŋutsuwo kple vianyɔnuwo katã fa akɔ nɛ ʋuu do kpoe; ke egblɔ bena: Matsɔ konyifafa ayi vinye gbɔe le tsiẽƒe boŋ.” Le ƒe geɖewo megbe la, Yakob gakpɔtɔ nɔ nu xam le via ŋutsu sia si wòsusu be eku la ta. (Mose I, 37:34, 35; 42:36-38) Biblia me kpɔɖeŋu bubue nye esi ku ɖe nyɔnu wɔnuteƒe aɖe si ŋkɔe nye Naomi, ame si viŋutsu eve ku na la ŋu. Esi nuxaxa gbã dzi nɛ vevie ta la, edi be yeatrɔ yeƒe ŋkɔ Naomi, si gɔmee nye “Nu Si Nyo Ŋunye,” wòazu Mara, si gɔmee nye “Nublanuitɔ.”—Rut 1:3-5, 20, 21.

Ke hã, menye nuxaxa si me dzila siwo vi ku na tona la ŋu koe Biblia ƒo nu tsoe o. Eƒo nu tso ale si Yehowa doa ŋusẽ ame siwo le woƒe ame veviwo ƒe ku fam la hã ŋu. Le nyati si kplɔe ɖo me la, míadzro mɔ siwo dzi Mawu tona faa akɔ na konyifalawo la dometɔ aɖewo me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 2 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.