Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kpekpeɖeŋu Si Tsoa “Dzidodo Kple Akɔfafa Ƒe Mawu” La Gbɔ

Kpekpeɖeŋu Si Tsoa “Dzidodo Kple Akɔfafa Ƒe Mawu” La Gbɔ

Kpekpeɖeŋu Si Tsoa “Dzidodo Kple Akɔfafa Ƒe Mawu” La Gbɔ

ƑE 2,000 kloe nye esia la, Biblia ŋlɔla Paulo yɔ Yehowa be enye “dzidodo kple akɔfafa ƒe Mawu.” (Romatɔwo 15:5) Esi wònye be Biblia na kakaɖedzi mí be Yehowa metrɔna o ta la, míate ŋu aka ɖe edzi be egakpɔtɔ faa akɔ na esubɔlawo. (Yakobo 1:17) Le nyateƒe me la, Biblia ɖee fia be Yehowa faa akɔ na ame siwo hiã tu la le mɔ geɖewo nu. Mɔ siawo dometɔ aɖewo ɖe? Mawu doa ŋusẽ ame siwo doa gbe ɖa na eyama hebiaa eƒe kpekpeɖeŋu. Etoa Kristotɔ vavãwo hã dzi faa akɔ na wo hati Kristotɔ bubuwo. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Yehowa na woŋlɔ nudzɔdzɔ wɔdɔɖeamedziwo ɖe eƒe Nya, Biblia me, siwo doa ŋusẽ ame siwo vi ku na eye wole nu xam la koŋ etɔxɛe. Na míadzro mɔ etɔ̃ siawo siwo dzi Mawu tona faa akɔ na ame la me ɖekaɖeka.

“Yehowa Ðo Toe”

Fia Dawid ŋlɔ tso mía Wɔla Yehowa ŋu be: “Mi dukɔwo la, miɖo ŋu ɖe eŋu ɣeawokatãɣi, mitrɔ miaƒe dzi ƒo ɖe eŋku me; Mawu enye míaƒe sitsoƒe!” (Psalmo 62:9) Nu ka tae Dawid ka ɖe Yehowa dzi nenema gbegbe ɖo? Dawid gblɔ tso eɖokui ŋu be: “Esi hiãtɔ sia yɔe la, Yehowa ɖo toe, eye wòɖee tso eƒe hiãwo katã me.” (Psalmo 34:7) Dawid do gbe ɖa bia kpekpeɖeŋu tso Mawu gbɔ ɣesiaɣi si wònɔ nɔnɔme gbãdzinamewo me tom, eye Yehowa kpe ɖe eŋu le ɣeyiɣi mawo katã me. Nu siwo me Dawid to na wònya be Mawu akpe ɖe ye ŋu yeado dzi.

Dzila siwo le nu xam la ate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ado ŋusẽ yewo le blanuiléle vevie ƒe ɣeyiɣiwo me, abe ale si wòwɔe na Dawid ene. Woate ŋu ate ɖe ‘gbedodoɖa Sela’ la ŋu kple kakaɖedzi be akpe ɖe yewo ŋu. (Psalmo 65:3) William, si ŋu míeƒo nu tsoe le nyati si do ŋgɔ me la gblɔ be: “Meva nɔ sesem le ɖokuinye me enuenu be nyemagate ŋu ado dzi ne nyemekpɔ vinyea o, eya ta mebia Yehowa be wòana nye dzi nadze eme. Edoa ŋusẽm ɣeawokatãɣi henaa dzi ɖoa ƒonye, si wɔe be megale agbe va se ɖe fifia.” Nenema kee ne wò hã nèdoa gbe ɖa na Mawu gã Yehowa si le dziƒo, le xɔse me la, akpe ɖe ŋuwò. Elabena Yehowa Mawu do ŋugbe na ame siwo le esubɔm kutrikukutɔe la be: “Nye Yehowa, wò Mawu, amesi le gbɔgblɔm na wò be, megavɔ̃ o, makpe ɖe ŋuwò lae lé wò nuɖusi ɖe asi.”—Yesaya 41:13.

Kpekpeɖeŋu Si Xɔlɔ̃ Vavãwo Nana

Zi geɖe la, ehiãna be ame siwo vi ku na la ɖeɖe nafa avi atsɔ aɖe woƒe vevesesea dzi akpɔtɔ. Gake manyo be woaɖe wo ɖokui ɖe aga hena ɣeyiɣi didi o. Le Lododowo 18:1 ƒe nya nu la, “amesi ɖe eɖokui ɖe aga” la agblẽ nu le eɖokui ŋu. Eya ta ele be ame siwo le nu xam la nanɔ ŋudzɔ be ame ɖokui ɖeɖe ɖe aga ƒe mɔ̃ nagaɖe wo o.

Xɔlɔ̃ mawuvɔ̃lawo ate ŋu ana kpekpeɖeŋu si hiã la ame siwo le nu xam. Lododowo 17:17 gblɔ be: “Xɔlɔ̃ lɔ̃a ame ɣesiaɣi, eye wòtrɔna dzɔa ame nɔvi le hiã me.” Lucy, si hã ŋu míeƒo nu tsoe le nyati si do ŋgɔ me la, kpɔ akɔfafa tso xɔlɔ̃ vavãwo gbɔ esime via ŋutsua ku. Egblɔ tso exɔlɔ̃ siawo siwo le hamea me la ŋu be: “Woƒe sasrãkpɔwo kpe ɖe mía ŋu geɖe ŋutɔ, togbɔ be womegblɔa nya boo aɖeke ɣeaɖewoɣi o hã. Wo dometɔ ɖeka va srãam kpɔ le ŋkeke siwo nye ɖeɖe metsi aƒe me la dzi. Enya be manɔ aƒe me anɔ avi fam, eya ta zi geɖe la eva srãam kpɔ hefaa avi kplim. Bubu hã ƒoa ka nam gbe sia gbe hedea dzi ƒo nam. Wo dometɔ bubuwo hã kpe mí zi geɖe be míava ɖu nu kpli yewo le woƒe aƒe me, eye wogakpɔtɔ kpea mí kokoko.”

Togbɔ be ale si gbegbe dzila siwo vi ku na xaa nui la nu meyina kaba o hã la, gbedodoɖa na Mawu kpakple hadede kple Kristotɔ vavãwo afa akɔ na ame siwo le nu xam la ŋutɔ. Kristotɔ dzila geɖe siwo vi ku na la kpɔe be Yehowa li kpli yewo. Nyateƒee, Yehowa “daa gbe le amesiwo ƒe dzi gbã la ŋu, eye wòblaa woƒe abiwo.”—Psalmo 147:3.

Biblia Me Nudzɔdzɔ Siwo Faa Akɔ Na Ame

Tsɔ kpe ɖe gbedodoɖa kple hadede tuameɖowo ŋu la, Mawu ƒe Nya si woŋlɔ ɖi la hã nye akɔfafatsoƒe na ame siwo le konyi fam. Biblia me nudzɔdzɔwo ɖee fia be Yesu di vevie be yeaɖe dzila siwo vi ku na la ƒe vevesesewo ɖa to wo viwo fɔfɔ ɖe tsitre me, eye be ŋutete le esi be wòawɔe hã. Nudzɔdzɔ mawo faa akɔ na ame siwo le nu xam la ale gbegbe. Mina míadzro wo dometɔ eve aɖewo me kpɔ.

Luka ta 7 lia ƒo nu tso nu si dzɔ esime Yesu do go ameha aɖewo siwo yina ame ɖi ge le du si nye Nain me la ŋu. Ahosi aɖe ƒe tenuvi ɖi gee woyina. Kpukpui 13 lia gblɔ be: “Esi Aƒetɔ la kpɔ ahosi la la, eƒe dɔme trɔ ɖe eŋuti, eye wògblɔ nɛ bena: Megafa avi o!”

Ame ʋɛ aɖewo koe ate ŋu ado dzi agblɔ na vidada aɖe le via ƒe kuteƒe be wòadzudzɔ avifafa. Ke, nu ka tae Yesu ya gblɔ nya ma ɖo? Elabena enyae be vidadaa ƒe nuxaxaa nu atso kpuie. Nuŋlɔɖia yi edzi gblɔ be: “[Yesu te] ɖe amekukutsɔnu la ŋu heka asi eŋu, eye etsɔlawo tɔ, eye wògblɔ be: ‘Ðekakpui, mele egblɔm na wò be: Fɔ!’ Eye ame kuku la fɔ bɔbɔ nɔ anyi hete nuƒoƒo, eye wòtsɔe na dadaa.” (Luka 7:14, 15, NW) Le ɣeyiɣi ma me la, vidadaa anya fa avi ake, gake dzidzɔvie wòafa.

Le ɣebubuɣi la, ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Yairo la, te ɖe Yesu ŋu bia kpekpeɖeŋui le via nyɔnuvi si xɔ ƒe 12, si nɔ dɔ lém vevie la ta. Le esia megbe kpuie la, wova gblɔ nɛ be via nyɔnuvi la ku. Nya sia gbã dzi na Yairo vevie, gake Yesu gblɔ nɛ be: “Mègavɔ̃ o, xɔ se ko.” Yesu yi aƒea me hete ɖe nyɔnuvi si ku la ŋu. Elé eƒe alɔnu hegblɔ be: “Nyɔnuvi, mele egblɔm na wò bena: Tsi tre!” Nu kae dzɔ? “Enumake nyɔnuvi la tsi tre, eye wòzɔ azɔli.” Aleke edzilawo wɔ nui? ‘Wogli kple dzidzɔ!’ Esime Yairo kple srɔ̃a wofa wo vinyɔnua ɖe akɔ nu la, wokpɔ dzidzɔ ale gbegbe. Ðeko wòwɔ na wo abe drɔ̃e kum wònɔ ene.—Marko 5:22-24, 35-43.

Ðeviwo fɔfɔ ɖe tsitre ŋuti nudzɔdzɔ siawo siwo ŋu woƒo nu tsoe tsitotsito le Biblia me la ɖea nu si dzila siwo le nu xam egbea ate ŋu anɔ mɔ kpɔm na la fiana. Yesu gblɔ be: “Gaƒoƒo la gbɔna, si me ame siwo katã le ŋkuɖodziyɔdowo me la ase eƒe gbe, eye woado go.” (Yohanes 5:28, 29NW) Yehowa ɖoe be ye Vi la nava gbɔ agbe ame kukuwo. Ðevi miliɔn gbogbo siwo ku la “ase eƒe gbe” esime wòagblɔ be: “Mele egblɔm na wò bena: Tsi tre!” Ðevi siawo agaƒo nu ahazɔ azɔli ake. Abe ale si wònɔ le Yairo kple srɔ̃a gome ene la, ɖevi siawo dzilawo ‘agli kple dzidzɔ.’

Ne viŋutsu alo vinyɔnu ku na wò la, nyae be Yehowa ate ŋu ato tsitretsitsia dzi atrɔ wò nuxaxaa wòazu dzidzɔ. Be mɔkpɔkpɔ wɔnuku sia nava eme na wò la, anyo be nàwɔ ɖe hakpalaa ƒe nuxlɔ̃amenya sia dzi be: “Mibia Yehowa kple eƒe ŋusẽ ta se, eye midi eƒe ŋku me ɖaa! Miɖo ŋu eƒe nukunu, siwo wòwɔ.” (Psalmo 105:4, 5) Ɛ̃, de ta agu na Mawu vavã, Yehowa, eye nàsubɔe le mɔ si dzea eŋu nu.

Viɖe kawoe nàkpɔ fifia ne ‘èbia Yehowa ta se’? Gbedodoɖa na Mawu ado ŋusẽ wò, hati Kristotɔ vavãwo ƒe ɖetsɔleme na ame lɔlɔ̃tɔe afa akɔ nawò, eye Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ atu wò ɖo. Gawu la, àkpɔ eteƒe esime Yehowa ‘awɔ nukunuwo’ le etsɔ si gbɔna kpuie me hena mia kple viwò si ku la ƒe viɖe mavɔ.

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

‘Kplɔ Nyɔnu Si Vi Eve Ku Na La Vɛ’

Vi eve ku na Kehinde kple Bintu, srɔ̃tɔ siwo nye Yehowa Ðasefowo le Nigeria, le ʋufɔku aɖe me. Tso ɣemaɣi la, nudzɔdzɔ sia doa nuxaxa na wo vevie. Ke hã, woƒe ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu lé wo ɖe te, eye woyi edzi nɔ mɔkpɔkpɔ si ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me la gblɔm na amewo.

Amewo kpɔ dzidodo kple dziɖeɖi si Kehinde kple Bintu ɖe fia la dze sii. Nyɔnu aɖe si woyɔna be Aƒenɔ Ukoli la gblɔ na Bintu xɔlɔ̃ aɖe gbe ɖeka be: “Kplɔ nyɔnu si vi eve ku na le ɣeyiɣi ɖeka me, evɔ wògale gbeƒã ɖem Biblia me gbedeasia la vɛ. Medi be manya nu si do ŋusẽe wòte ŋu le dzi dom.” Esi Bintu va Aƒenɔ Ukoli ƒe me la, egblɔ nɛ be: “Medi be manya nu si tae nègakpɔtɔ le ɖase ɖim tso Mawu si wu viwòwo la ŋuti ɖo. Mawu wu vinyenyɔnu ɖeka kolia la. Tso ɣemaɣi la, kadodo aɖeke megale mía kple Mawu dome o.” Bintu to Biblia dzi ɖe nu si tae amewo kuna ɖo, kple nu si tae míate ŋu akpɔ mɔ kakaɖedzitɔe be woafɔ míaƒe ame vevi siwo ku la ɖe tsitre la me nɛ.—Dɔwɔwɔwo 24:15; Romatɔwo 5:12.

Le ema megbe la, Aƒenɔ Ukoli gblɔ be: “Nye ya mebunɛ be Mawue wua amewo. Gake menya nyateƒea azɔ.” Elɔ̃ be Yehowa Ðasefowo nasrɔ̃ Biblia kpli ye bene yeaganya nu geɖe tso Mawu ƒe ŋugbedodowo ŋu.

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

‘Medi Be Makpe Ðe Wo Ŋu, Gake Aleke Mawɔe?’

Ne dzila siwo vi ku na kple ɖevi si ku la nɔviwo le nu xam vevie la, ɖewohĩ wo xɔlɔ̃wo ya atsi dzodzodzoe eye womanya nu si tututu woawɔ o. Woadi be yewoana kpekpeɖeŋu, gake woanɔ vɔvɔ̃m be yewoava gblɔ nya alo awɔ nu siwo masɔ o ahana woƒe nuxaxa nadzi ɖe edzi mahĩ. Aɖaŋuɖoɖo aɖewoe nye esi gbɔna siwo akpe ɖe ame siwo biana be, ‘Medi Be Makpe Ðe Wo Ŋu, Gake Aleke Mawɔe?’ la ŋu.

❖ Mègaɖe ɖokuiwò ɖe aga le ame si dzi ku dzɔ ɖo ŋu le esi mènya nya si nàgblɔ alo nu si nàwɔ o la ta o. Wo gbɔ nɔnɔ ɖeɖe ate ŋu ado ŋusẽ wo. Asikpakpla kɔ na wo ahagblɔ tso dzime be, “Nyaa te ɖe dzinye ŋutɔ” nana wokpɔnɛ be nèle veve sem ɖe yewo nu. Avifafa le wo gbɔ mana woƒe nuxaxaa nadzi ɖe edzi o. Biblia gblɔ be: “Mifa avi kple amesiwo le avi fam la!” (Romatɔwo 12:15) Wò aɖatsiwo ɖenɛ fiana be èle nu xam ɖe wo ti, eye esia faa akɔ na wo.

❖ Tso le ɖokuiwò si nàkpe ɖe wo ŋu. Ðe nàte ŋu aɖa nane na kuƒomea? Ðe nàte ŋu aklɔ agba siwo li kɔ ɖi la na woa? Ðe nàte ŋu ayi dɔ gbe na woa? Mègagblɔ be, “Ne nane li nàdi be mawɔ na wò la, nàgblɔe nam sea” o. Ðeko wòana dzila siwo vi ku na nase le wo ɖokui me be mèvo ana kpekpeɖeŋu yewo o. Anyo be nàbia boŋ be, “Kpekpeɖeŋu kae mate ŋu ana mi?” eye nàwɔ nu si woagblɔ la na wo. Gake ƒo asa na aƒea me ƒe teƒe siwo womeɖe mɔ na wò be nayi o la yiyi kple nudede woƒe aƒemenyawo me.

❖ Mègagblɔ be, “Menya ale si nèle sesem le ɖokuiwò me” o. Ale si amegbetɔ ɖe sia ɖe sena le eɖokui me ne eƒe ame vevi aɖe ku la toa vovo. Ne vi ku na wò kpɔ gɔ̃ hã la, mènya ale si tututu wole sesem le wo ɖokui me o.

❖ Ɣeyiɣi geɖe ava yi hafi nɔnɔmea ava ka ɖe eme na wo vie le aƒea me. Yi edzi nànɔ kpekpem ɖe wo ŋu. Ne vi ku na ƒome aɖe teti la, menye ɣeyiɣi mawo me koe woahiã kpekpeɖeŋu kple akɔfafa o. Yi edzi nànɔ kpekpeɖeŋu si hiã la nam wo le kwasiɖa kple ɣleti geɖe siwo akplɔe ɖo me. *

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 29 Àte ŋu akpɔ nyatakaka siwo ku ɖe ale si nàkpe ɖe ame siwo le woƒe viwo fam la ŋu le agbalẽ gbadza si nye Ne Wò Lɔlɔ̃tɔ aɖe Ku ƒe tanya si nye “Kpekpeɖeŋu Kae Amewo Ana?” si dze le eƒe axa 20-4 la me. Yehowa Ðasefowoe tae.

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Biblia me nudzɔdzɔwo ɖee fia be Yesu di vevie be yeafɔ ɖeviwo ɖe tsitre, eye be ŋutete le esi be wòawɔe hã