Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mègama Nu Si Mawu Bla La Me O

Mègama Nu Si Mawu Bla La Me O

Mègama Nu Si Mawu Bla La Me O

“Womeganye ame eve o, negbe ŋutilã ɖeka ko. Azɔ nusi ke Mawu bla la, ame nagamã eme o.”—MATEO 19:6.

1, 2. Nu ka tae wòsɔ le Ŋɔŋlɔawo nu eye susu le eme hã be míakpɔ mɔ be kuxiwo ate ŋu ado mo ɖa le srɔ̃ɖeɖe me ɣeaɖewoɣi?

TSƆE be nèsɔ gbe be yeatsɔ ʋu adze mɔ didi aɖe zɔzɔ gɔme. Ðe nàdo go kuxiwo le mɔa dzia? Nunya manɔ eme be nàsusui be naneke madzɔ o! Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ àva ɖo yame ƒe nɔnɔme madeamedzi aɖe me, si abia be nàku ʋua blewuu le ŋuɖɔɖo me. Ate ŋu adzɔ hã be nane agblẽ le ʋua ŋu si wò ŋutɔ màte ŋu aɖɔ ɖo o, eye wòahiã be nàtɔ ʋua ɖe mɔa to ahadi kpekpeɖeŋu. Ðe wòle be nɔnɔme siawo nana nàƒo nya ta be ne ɖe yenya la anye ne yemezɔ mɔa o, eye be yeagblẽ ʋua ɖi adzoa? Màwɔe nenema o. Ne èle mɔ didi aɖe zɔm la, èkpɔa mɔ be kuxiwo ate ŋu ado mo ɖa, eye nunyatɔe la, ènɔa dzadzraɖoɖi hena wo gbɔkpɔkpɔ.

2 Nenema kee wòle le srɔ̃ɖeɖe hã gome. Miado go kuxiwo godoo, eye susu manɔ eme be ame eve siwo le ɖoɖo wɔm be yewoava ɖe yewo nɔewo la nakpɔ mɔ be yewoƒe srɔ̃ɖegbenɔnɔa ayɔ fũu kple dzidzɔ ɖeɖe sɔŋ o. Biblia gblɔ anukwaretɔe le Korintotɔwo I, 7:28 be srɔ̃tɔwo “akpɔ xaxa le ŋutilã me.” Nu ka tae wòle nenema ɖo? Míagblɔe kpuie ko be, esi srɔ̃ŋutsuwo kple srɔ̃nyɔnuwo nye ame madeblibowo, eye míele “ɣeyiɣi vɔ̃wo” me tae. (Timoteo II, 3:1; Romatɔwo 3:23) Eya ta srɔ̃tɔ siwo sɔ na wo nɔewo nyuie heléa fɔ ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu gɔ̃ hã ado go kuxiwo ɣeaɖewoɣi.

3. (a) Le xexea me la, aleke ame geɖewo bua srɔ̃ɖeɖee? (b) Nu ka tae Kristotɔwo dzea agbagba be yewoalé yewoƒe srɔ̃ɖeɖe ɖe te?

3 Le egbexexea me la, nu gbãtɔ si srɔ̃tɔ aɖewo dina be yewoawɔ ne wodo go kuxiwoe nye be yewoagbe yewo nɔewo. Le dukɔ geɖe me la, srɔ̃gbegbe le dzidzim ɖe edzi kabakaba ŋutɔ. Gake Kristotɔ vavãwo ya kpɔa kuxiawo gbɔ tsɔ wu be woasi le wo nu. Nu ka tae? Elabena wobua srɔ̃ɖeɖe be enye nunana kɔkɔe tso Yehowa gbɔ. Yesu gblɔ ku ɖe srɔ̃tɔwo ŋu be: “Nusi ke Mawu bla la, ame nagamã eme o.” (Mateo 19:6) Enye nyateƒe be agbenɔnɔ ɖe dzidzenu ma nu menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o. Le kpɔɖeŋu me, zi geɖe la, ƒometɔwo kple ame bubu—siwo dome srɔ̃ɖeɖe ŋuti ɖaŋuɖola aɖewo hã le—siwo mewɔna ɖe Biblia me gɔmeɖosewo dzi o la, dea dzi ƒo na srɔ̃tɔwo be woaklã alo be woagbe wo nɔewo le mɔ si mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o nu. * Gake Kristotɔwo ya nyae be enyo wu sãa be yewoakpɔ kuxiawo gbɔ atsɔ alé srɔ̃ɖeɖea ɖe te tsɔ wu be yewoatsɔ dzitsitsi agblẽ eme. Eya ta ele vevie be míaɖoe kplikpaa, tso gɔmedzedzea me ke, be míawɔ nuwo le mɔ si dzea Yehowa ŋu nu—ke menye le amewo ƒe aɖaŋuɖoɖo nu o.—Lododowo 14:12.

Kuxiwo Gbɔkpɔkpɔ

4, 5. (a) Kuxi kawo nue wòle be woanɔ te ɖo le srɔ̃ɖeɖe me? (b) Nu ka tae gɔmeɖose siwo le Mawu ƒe Nya la me wɔa dɔ ŋutɔŋutɔ ne kuxiwo do mo ɖa le srɔ̃ɖeɖe me gɔ̃ hã?

4 Nyateƒeae nye be kuxiwo doa mo ɖa le srɔ̃ɖeɖe me ɣeaɖewoɣi, siwo gbɔ wòhiãna be woakpɔ. Le go geɖe me la, esia alɔ masɔmasɔ suesuesuewo gbɔkpɔkpɔ ɖe eme. Gake le srɔ̃ɖeɖe aɖewo me la, kuxi sesẽ siwo ate ŋu agblẽ nu le srɔ̃ɖeɖea ƒe gɔmeɖoanyi ŋu lae doa mo ɖa. Eya ta ɣeaɖewoɣi la, ahiã be miabia kpekpeɖeŋu tso Kristotɔ hamemetsitsi srɔ̃tɔ kpɔnuteƒe aɖe gbɔ. Ke hã, nɔnɔme mawo mefia be miaƒe srɔ̃ɖeɖea mekpɔ dzidzedze o. Ðeko wona ale si wòle vevie be míatsɔ Biblia me gɔmeɖosewo anɔ míaƒe kuxiwo gbɔ kpɔmee la gadze ƒãa.

5 Esi wònye Yehowae nye amegbetɔƒomea Wɔla kple srɔ̃ɖeɖe Gɔmeɖoanyila ta la, enya nu si míehiã be míaƒe srɔ̃ɖegbenɔnɔ nakpɔ dzidzedze la nyuie wu ame ɖe sia ɖe. Nyabiaseae nye be, Ðe míaɖo to aɖaŋuɖoɖo siwo le eƒe Nya la me ahawɔ ɖe wo dzia? Ne míewɔ ɖe wo dzi la, aɖe vi na mí godoo. Yehowa gblɔ na eƒe amewo le blema be: “Ðe wònye ɖe nèɖo to nye seawo la, anye ne wò ŋutifafa anɔ abe tɔsisi ene, eye wò dzɔdzɔenyenye anɔ abe ƒutsotsoewo ene.” (Yesaya 48:18) Wɔwɔ ɖe mɔfiame siwo le Biblia me dzi ate ŋu ana srɔ̃ɖeɖe nakpɔ dzidzedze. Gbã la, mina míade ŋugble tso aɖaŋu si Biblia ɖo na srɔ̃ŋutsuwo la ŋu.

“Miyi Edzi Mialɔ̃ Mia Srɔ̃wo”

6. Aɖaŋu kae woɖo na srɔ̃ŋutsuwo le Ŋɔŋlɔawo me?

6 Mɔfiame siwo me kɔ la le apostolo Paulo ƒe lɛta si wòŋlɔ na Efesotɔwo me na srɔ̃ŋutsuwo. Paulo ŋlɔ bena: “Srɔ̃ŋutsuwo, miyi edzi mialɔ̃ mia srɔ̃wo, abe ale si ko Kristo hã lɔ̃ hame la, eye wòtsɔ eɖokui na ɖe eta la ene. Nenema kee wòle be srɔ̃ŋutsuwo hã nanɔ wo srɔ̃wo lɔ̃m abe woa ŋutɔwo ƒe ŋutilãwo ene. Ŋutsu si lɔ̃a srɔ̃a la, elɔ̃a eɖokui, elabena ame aɖeke melé fu ye ŋutɔ ƒe ŋutilã kpɔ o, ke boŋ enyinɛ, eye wòléa be nɛ nyuie, abe ale si Kristo hã wɔna na hame la ene. Ke hã, mia dome ŋutsu ɖe sia ɖe hã nelɔ̃ srɔ̃a abe ale si wòlɔ̃a eɖokui ene.”—Efesotɔwo 5:25, 28, 29, 33, NW.

7. (a) Nu kae wòle be wòanye Kristotɔwo ƒe srɔ̃ɖeɖe ƒe gɔmeɖokpe ƒe akpa vevitɔ? (b) Alekee srɔ̃ŋutsuwo yia edzi lɔ̃a wo srɔ̃wo?

7 Paulo meƒo nu tso kuxi ɖe sia ɖe si ate ŋu ado mo ɖa le atsu kple asi dome ŋu o. Ke boŋ eƒo nu tso nu si tututu ate ŋu akpɔ kuxiawo gbɔ la ŋu, to gbetete ɖe nu si wòle be wòanye Kristotɔ ɖe sia ɖe ƒe srɔ̃ɖeɖe ƒe gɔmeɖokpe ƒe akpa vevitɔ, si nye lɔlɔ̃, la dzi. Le nyateƒe me la, woyɔ lɔlɔ̃ zi gbɔ zi adre sɔŋ le Efesotɔwo ƒe agbalẽa ƒe kpukpui siwo ŋu míeƒo nu tsoe fifia la me. De dzesii hã be Paulo gblɔ na srɔ̃ŋutsuwo be: “Miyi edzi mialɔ̃ mia srɔ̃wo.” Ðikeke mele eme o be, Paulo nyae be anya nɔ bɔbɔe be ŋutsu kple nyɔnu ƒe nu nalé dzi na wo nɔewo le gɔmedzedzea me wu be woayi edzi anɔ wo nɔewo lɔ̃m le woƒe srɔ̃ɖeɖe me. Ele alea vevietɔ le ‘ŋkeke mamlɛ’ siawo si me ame geɖe siwo nye “ɖokuilɔ̃lawo” kple “ame siwo melɔ̃na ɖe nya dzi o” le la me. (Timoteo II, 3:1-3, NW) Togbɔ be nɔnɔme manyomanyo siawo le nu gblẽm le srɔ̃ɖeɖe geɖe ŋu egbea hã la, srɔ̃ŋutsu lɔ̃ame maɖe mɔ ɖokuitɔdidi ƒe nɔnɔme si xɔ aƒe ɖe xexea me nakpɔ ŋusẽ ɖe eƒe tamebubu kple nuwɔnawo dzi o.—Romatɔwo 12:2.

Aleke Nàte Ŋu Akpɔ Srɔ̃wò Ƒe Nuhiahiãwo Gbɔ Nɛ?

8, 9. Mɔ kawo nue srɔ̃ŋutsu Kristotɔ kpɔa srɔ̃a ƒe nuhiahiãwo gbɔ nɛ le?

8 Ne Kristotɔ srɔ̃ŋutsue nènye la, aleke nàte ŋu aƒo asa na ɖokuitɔdidi ƒe nɔnɔmewo ahaɖe lɔlɔ̃ vavãtɔ afia srɔ̃wòe? Le nya siwo Paulo ŋlɔ ɖo ɖe Efesotɔwo, siwo míeyɔ va yi me la, ede dzesi nu eve siwo wòle be nàwɔ—kpɔ srɔ̃wòa ƒe nuhiahiãwo gbɔ nɛ, eye nàde asixɔxɔ eŋu abe ale si nèwɔna na ɖokuiwò ene. Aleke nàte ŋu akpɔ srɔ̃wò ƒe nuhiahiãwo gbɔ nɛ? Mɔ ɖekae nye eƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔkpɔkpɔ. Paulo ŋlɔ ɖo ɖe Timoteo bena: “Ke ne ame aɖe melé be na ye ŋutɔ tɔwo o, eye vevietɔ na ye ŋutɔ ƒe aƒemetɔwo o la, egbe xɔse la, eye wòvɔ̃ɖi wu dzimaxɔsetɔ.”—Timoteo I, 5:8.

9 Gake nuɖuɖu, nudodo, kple dɔƒe didi nɛ ɖeɖe mesu o. Nu ka tae? Elabena srɔ̃ŋutsu aɖe ate ŋu anɔ srɔ̃a ƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ kpɔm nyuie, evɔ manɔ eƒe seselelãme kple gbɔgbɔmenuhiahiãwo ya gbɔ kpɔm nɛ nyuie o. Eƒe seselelãme kple gbɔgbɔ me nuhiahiãwo hã gbɔkpɔkpɔ le vevie ŋutɔ. Enye nyateƒe be hamea me gbanɔamedzi geɖewo gbɔkpɔkpɔ wɔnɛ be ŋutsu Kristotɔ geɖe mevona o ya. Gake srɔ̃ŋutsu aɖe ƒe hamea me gbanɔamedzi geɖewo gbɔkpɔkpɔ mefia be ate ŋu aŋe aɖaba aƒu akpa si Mawu de esi be wòawɔ abe ƒomea ƒe ta ene la dzi o. (Timoteo I, 3:5, 12) Ƒe aɖewoe nye esi va yi, esime Gbetakpɔxɔ magazine nɔ nu ƒom tso nya sia ŋu la, egblɔ be: “Woate ŋu agblɔe le Biblia ƒe nudidiwo nu be ‘kpɔkplɔdɔ la aƒee wòtsona.’ Ne hamemegã gblẽ eƒe ƒome ɖi la, ate ŋu agblẽ nu le eƒe dɔdasia ŋu.” * Eya ta eme kɔ ƒãa be ele kokoko be nàkpɔ srɔ̃wò ƒe ŋutilã me, seselelãme, kple vevietɔ wu la, eƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ nɛ.

Nu Kae Wòfia Be Nàde Asixɔxɔ Srɔ̃wònyɔnua Ŋu?

10. Aleke srɔ̃ŋutsu ate ŋu ade asixɔxɔ srɔ̃a ŋui?

10 Ne èdea asixɔxɔ srɔ̃wònyɔnua ŋu la, efia be nèléa be nɛ le esi nèlɔ̃nɛ ta. Àte ŋu awɔ esia le mɔ vovovowo nu. Gbã la, kpɔ vovo ɖe srɔ̃wòa ŋu ale si dze. Ne mèwɔe alea o la, lɔlɔ̃ si le srɔ̃wòa si na wò la me agbɔdzɔ. Nenɔ susume na wò hã be, ɖewohĩ ale si nèsusui be yekpɔa vovo ɖe ye srɔ̃ ŋu la medea ale si eya senɛ le eɖokui me be nàkpɔ vovo ɖe ye ŋu la nu o. Menye gbɔgblɔ ko be yedea asixɔxɔ yesrɔ̃ ŋue nye nyaa o. Ele be srɔ̃wòa nasee le eɖokui me be nèdea asixɔxɔ ye ŋu. Paulo ŋlɔ bena: “Ame aɖeke nagadi ye ŋutɔ tɔ o, ke nusi nye ame bubu tɔ la boŋ.” (Korintotɔwo I, 10:24) Abe srɔ̃ŋutsu lɔ̃ame ene la, àdze agbagba be yeanya nu siwo tututue nye srɔ̃wòa ƒe nuhiahiãwo ahakpɔ wo gbɔ nɛ.—Filipitɔwo 2:4.

11. Alekee ale si srɔ̃ŋutsu wɔa nu ɖe srɔ̃a ŋui la ate ŋu agblẽ nu le woa kple Mawu dome ƒomedodo ŋu ahahe eƒe ŋgɔyiyi le hamea me ɖe megbe?

11 Mɔ bubu si nu nàɖee afia le be yedea asixɔxɔ ye srɔ̃ ŋue nye be nàwɔ nu ɖe eŋu tufafatɔe, le nuƒoƒo kple nuwɔna siaa me. (Lododowo 12:18) Paulo ŋlɔ ɖo ɖe Kolosetɔwo be: “Mi srɔ̃ŋutsuwo, miyi edzi mianɔ mia srɔ̃wo lɔ̃m, eye miganɔ dɔmedzoe dom ɖe wo ŋu helĩhelĩ o.” (Kolosetɔwo 3:19, NW) Le numekugbalẽ aɖe ƒe nya nu la, woate ŋu agbugbɔ agblɔ Paulo ƒe nyaawo ƒe akpa mamlɛa abe adagana ene be “megawɔ nu ɖe eŋu abe aƒemesubɔvi ene o” alo be “megawɔe kluvii o.” Le nyateƒe me la, srɔ̃ŋutsu si ɖia gbɔ srɔ̃a, eɖanye le aƒe me alo le dutoƒo o, mele eɖem fia be yedea asixɔxɔ eŋu o. Ne ewɔa nu ɖe srɔ̃a ŋu amedaɖeanyitɔe la, ate ŋu agblẽ nu le woa kple Mawu dome ƒomedodo ŋu. Apostolo Petro ŋlɔ na srɔ̃ŋutsuwo be: “Minɔ anyi kple nyɔnuwo le nunya me, esi wonye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo wu la ŋuti, eye mitsɔ bubu na wo; elabena woawo hã wonye agbe ƒe amenuveve hadomenyilawo, bene miagaxe mɔ na miaƒe gbedodoɖawo o.” *Petro I, 3:7.

12. Nu kae srɔ̃ŋutsu Kristotɔ ate ŋu asrɔ̃ tso ale si Yesu wɔ nu ɖe Kristo hamea ŋui la me?

12 Mègatsɔe be yesrɔ̃ lɔ̃a ye ko evɔ o. Ka ɖe edzi nɛ be ye hã yelɔ̃nɛ ɣeawokatãɣi. Yesu to ale si wòwɔ nu ɖe Kristo hamea ŋui me ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na srɔ̃ŋutsu Kristotɔwo. Efaa tu, nyoa dɔme hetsɔna kena—ne eyomedzelawo ɖe nɔnɔme manyomanyo aɖewo fia enuenu gɔ̃ hã. Eya ta Yesu te ŋu gblɔ na amewo be: “Mite va gbɔnye, . . . elabena nye dɔme fa, eye mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le dzi me, eye miakpɔ dzudzɔ na miaƒe luʋɔwo.” (Mateo 11:28, 29) Srɔ̃ŋutsu Kristotɔ srɔ̃a Yesu ƒe kpɔɖeŋua to nuwɔwɔ ɖe srɔ̃a ŋu abe ale si tututu Yesu wɔ nu ɖe hamea ŋu ene me. Srɔ̃ŋutsu si dea asixɔxɔ srɔ̃a ŋu vavã heɖenɛ fiana to nuƒoƒo kple nuwɔna me la, anye akɔfafatsoƒe vavã na srɔ̃a.

Srɔ̃nyɔnu Siwo Nɔa Agbe Ðe Biblia Me Gɔmeɖosewo Nu

13. Gɔmeɖose kawoe le Biblia me siwo ate ŋu akpe ɖe srɔ̃nyɔnuwo ŋu?

13 Gɔmeɖosewo le Biblia me siwo ate ŋu akpe ɖe srɔ̃nyɔnuwo hã ŋu. Efesotɔwo 5:22-24, 33 gblɔ be: “Mi nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokui na mia ŋutɔwo mia srɔ̃wo abe Aƒetɔ la ene; elabena ŋutsue nye ta na nyɔnu, abe alesi Kristo hã nye ta na hame la ene, eye eyae nye ŋutilã la ƒe xɔla. Gake la alesi hame la bɔbɔa eɖokui na Kristo la, nenema ke nyɔnuwo hã nawɔ na woawo ŋutɔ wo srɔ̃wo le nuwo katã me. . . . Ke nyɔnu la nasi srɔ̃a ɖa.”

14. Nu ka tae Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose si bia tso nyɔnuwo si be woabɔbɔ wo ɖokui la mefia wo dada ɖe anyi o?

14 De dzesi ale si Paulo te gbe ɖe ɖokuibɔbɔ kple bubudedeameŋu dzii. Eɖo ŋku edzi na srɔ̃nyɔnu be wòabɔbɔ eɖokui ɖe srɔ̃a te. Esia le ɖekawɔwɔ me kple ɖoɖo si Mawu wɔ. Nu gbagbe siwo katã le dziƒo kple anyigba dzi la le tanyenye ƒe ɖoɖo te. Yehowa Mawu tee Yesu ŋutɔ gɔ̃ hã le. (Korintotɔwo I, 11:3) Le nyateƒe me la, srɔ̃ŋutsu si wɔa eƒe tanyenyea ŋu dɔ nyuie la ana wòanɔ bɔbɔe na srɔ̃a be wòabɔbɔ eɖokui ɖe ete.

15. Aɖaŋuɖoɖo siwo le Biblia me na srɔ̃nyɔnuwo la dometɔ aɖewo ɖe?

15 Paulo gblɔ hã be ele be srɔ̃nyɔnu “nasi srɔ̃a ɖa.” Ele be srɔ̃nyɔnu Kristotɔ nanye ame si wɔa nu le “gbɔgbɔ fatu, si nɔa anyi kpoo” me, ke menye be wòanɔ nya hem ɖe srɔ̃a ŋu dadatɔe, alo anɔ nuwo wɔm le eɖokui si o. (Petro I, 3:4) Srɔ̃nyɔnu mawuvɔ̃la kua kutri geɖe le eƒe ƒomea ƒe nyonyo ta hewɔa nu siwo hea kafukafu vɛ na eƒe ta. (Tito 2:4, 5) Adze agbagba aƒo nu nyui tso srɔ̃a ŋu ɣesiaɣi ale be wòagawɔ naneke si ana ame bubuwo made bubu srɔ̃a ŋu o. Adze agbagba hã be yeawɔ nu siwo ana yesrɔ̃ ƒe nyametsotsowo nakpɔ dzidzedze.—Lododowo 14:1.

16. Nu kae srɔ̃nyɔnu Kristotɔwo ate ŋu asrɔ̃ tso kpɔɖeŋu si Sara kple Rebeka ɖo la me?

16 Be gbɔgbɔ fatu, si nɔa anyi kpoo nanɔ nyɔnu Kristotɔ aɖe si la, mefia be mate ŋu ado susu ɖa o, alo be eƒe nukpɔsusuwo mele vevie o. Nyɔnu mawuvɔ̃la siwo nɔ anyi le blema, abe Sara kple Rebeka ene la, ɖe woƒe seselelãmewo gblɔ le nya aɖewo gbɔkpɔkpɔ me, eye Biblia me nuŋlɔɖia ɖee fia be Yehowa da asi ɖe woƒe nuwɔna sia dzi. (Mose I, 21:8-12; 27:46–28:4) Srɔ̃nyɔnu Kristotɔwo hã ate ŋu aɖe woƒe seselelãmewo agblɔ. Ke hã, ele be woawɔe ameŋububutɔe, ke menye amedaɖeanyitɔe o. Ne wowɔe alea la, woakpɔe be yewoƒe nyagbɔgblɔwo aɖɔ ʋu ahadze yewo srɔ̃wo ŋu geɖe wu.

Akpa Si Ðokuitsɔtsɔ Na Wɔna

17, 18. Mɔ siwo dzi srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu ate ŋu ato atsi tre ɖe agbagba siwo Satana adze be yeagblẽ woƒe srɔ̃ɖeɖea me la ŋu la dometɔ aɖewo ɖe?

17 Srɔ̃ɖegbenɔnɔ nye ɖokuitsɔtsɔ na ame nɔewo le agbemeŋkeke mamlɛawo katã me. Eya ta ele be srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu nadi vevie tso dzime be yewoana yewoƒe srɔ̃ɖeɖea nakpɔ dzidzedze. Ne womeɖoa dze faa tso dzime o la, kuxiwo ava do agbogbo ɖe edzi eye wo nu manya lé o. Zi geɖe la, srɔ̃tɔ geɖewo gbea nuƒoƒo na wo nɔewo ne kuxiwo do mo ɖa, eye esia nana woléa dziku ɖe dɔme. Srɔ̃tɔ aɖewo dia mɔ si dzi woato aɖe ta le srɔ̃ɖeɖea te, ɖewohĩ to nana be ame bubu ƒe nu nalé dzi na wo me. Yesu xlɔ̃ nu be: “Amesiame, si ke kpɔ nyɔnu aɖe wòdzroe la, ewɔ ahasi kplii xoxo le eƒe dzi me.”—Mateo 5:28.

18 Apostolo Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔwo katã, siwo dome srɔ̃tɔwo hã le la, bena: “Mibi dzi, eye migawɔ nuvɔ̃ o; ɣe la nagaɖo to ɖe miaƒe dzibibi o; eye migana mɔ Abosam hã o!” (Efesotɔwo 4:26, 27) Míaƒe futɔ gãtɔ Satana, dina be yeato masɔmasɔ siwo ado mo ɖa le Kristotɔwo dome la dzi agblẽ nu le wo ŋu. Migana wòaɖu mia dzi o! Ne kuxiwo do mo ɖa la, mizã Biblia srɔ̃gbalẽwo miatsɔ awɔ numekuku tso nu si Biblia gblɔ ku ɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu le nya mawo ŋu la ŋuti. Mikpɔ masɔmasɔwo gbɔ tufafatɔe le anukwareɖiɖi me. Midze agbagba ɖe sia ɖe miawɔ ɖe Yehowa ƒe dzidzenu siwo mienya la dzi. (Yakobo 1:22-25) Eye le miaƒe srɔ̃ɖeɖe gome la, miɖoe kplikpaa be miayi edzi azɔ kple Mawu abe atsu kple asi ene, eye migaɖe mɔ be ame aɖeke alo naneke nama nu si Mawu bla la me gbeɖe o!—Mixa 6:8.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 3 Kpɔ aɖaka si ƒe tanyae nye “Srɔ̃gbegbe Kple Kaklã” si dze le February 8, 2002 ƒe Nyɔ! axa 28. Yehowa Ðasefowoe ta.

^ mm. 9 Kpɔ May 15, 1989 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 12.

^ mm. 11 Hafi ŋutsu aɖe nadze hena agbanɔamedziwo xɔxɔ le Kristo hamea me la, mele be wòanye “ameƒola” o, si fia be manye ame si ƒoa ame ŋutɔŋutɔ, alo tsɔa eƒe nuƒoƒo ƒoa ame to gbedadaɖeamegbɔ me o. Eya ta September 1, 1990 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 25 gblɔ tso Kristotɔ srɔ̃ŋutsu ŋu be: “Madze o, ne ewɔa nu mawusosroɖatɔe le teƒe bubuwo gake wònye ŋutasẽla le aƒe me.”—Timoteo I, 3:2-5, 12.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nu ka tae kuxiwo ate ŋu ado mo ɖa le Kristotɔwo gɔ̃ hã ƒe srɔ̃ɖeɖe me?

• Alekee srɔ̃ŋutsu ate ŋu akpɔ srɔ̃a ƒe nuhiahiãwo gbɔ nɛ ahaɖee afia be yedea asixɔxɔ eŋu?

• Nu kae srɔ̃nyɔnu ate ŋu awɔ atsɔ aɖee afia be yedea bubu deto yesrɔ̃ ŋu?

• Alekee srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu ate ŋu ado ŋusẽ woƒe ƒomedodoa?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Ele na srɔ̃ŋutsu be wòakpɔ srɔ̃a ƒe nuhiahiãwo gbɔ nyuie, menye le ŋutilã me ɖeɖe ko o, ke le gbɔgbɔ me hã

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Srɔ̃ŋutsu si dea asixɔxɔ srɔ̃a ŋu la nyea akɔfafatsoƒe nɛ

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Srɔ̃nyɔnu Kristotɔwo ɖea woƒe seselelãmewo gblɔna bubudeameŋutɔe