Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aɖaŋunu Aɖaŋuwɔla Manɔmea?

Aɖaŋunu Aɖaŋuwɔla Manɔmea?

Aɖaŋunu Aɖaŋuwɔla Manɔmea?

ƑE 150 kloe nye esi va yi tso esime Charles Darwin gblɔ be, dzɔdzɔmeɖoɖo aɖe gbɔe nu gbagbe klitsu hamehamewo dzɔ tso. Ke hã, nyitsɔ laa la, ame aɖewo xɔe se be ale si nu gbagbewo ƒe wɔwɔme wɔ nuku hele ɖoɖo nui la ɖee fia be taɖodzinu aɖe tae wowɔ wo ɖo. Ame siawo tsi tsitre ɖe nɔnɔmetɔtrɔnufiafia kple eŋuti nufiafia vovovo siwo li egbea la ŋu. Dzɔdzɔmeŋutinunyala xɔŋkɔ gbogbo aɖewo gɔ̃ hã meda asi ɖe edzi be nɔnɔmetɔtrɔ mee nu gbagbe hamehame siwo míekpɔna le anyigba dzi la dzɔ tso o.

Dzɔdzɔmeŋutinunyala siawo dometɔ aɖewo na numeɖeɖe bubu si tsi tsitre ɖe ema ŋu—si wona ŋkɔ be aɖaŋunu si me nunya le—eye wogblɔna kple kakaɖedzi be nu gbagbe ŋuti nunya, akɔntaŋununya, kple susuŋudɔwɔwɔ nyuie ɖo kpe edzi kɔte be nunya dze le nuwɔwɔwo me. Wole agbagba dzem be yewoatsɔ nufiafia sia ade dzɔdzɔmeŋutinunya siwo wofiana le sukuwo me la me. United States koŋue nu si yɔm wole be nɔnɔmetɔtrɔ ŋuti nyaʋiʋlia le edzi yim le, eye nu sia ƒomevi ke le edzi yim le England, Netherlands, Pakistan, Serbia, kple Turkey hã.

Aɖabaŋeŋe Ƒu Nu Dzi Si Ŋu Gɔmesese Mele O

Gake zi geɖe la, edzena gaglã le nya siwo wotsɔ ʋlia aɖaŋunu si me nunya le ƒe nufiafia ta ŋuɖɔɖɔɖotɔe la me be woŋe aɖaba ƒu nane dzi. Eyae nye be womegblɔa nya aɖeke tso aɖaŋuwɔla ŋu o. Ðe nèxɔe se be anya wɔ be aɖaŋunu aɖe nanɔ anyi aɖaŋuwɔla manɔmea? The New York Times Magazine ka nya ta be, “Ame siwo doa aɖaŋunu si me nunya le ƒe nufiafia ɖe ŋgɔ la meƒoa nu tso ame si aɖaŋuwɔla ma ate ŋu anye alo nu si wònye ŋu tẽe o.” Agbalẽŋlɔla Claudia Wallis gblɔ be aɖaŋunu si me nunya le fialawo “kpɔa egbɔ nyuie be yewoagaƒo nu tso Mawu ŋu le yewoƒe numeɖeɖewo me o.” Magazine si nye Newsweek gblɔ be “aɖaŋunu si me nunya le ƒe nufiafia la meƒoa nu tso aɖaŋuwɔla la ƒe anyinɔnɔ kple ame si wònye ŋu o.”

Gake àte ŋu akpɔe be numaƒomaƒo tso aɖaŋuwɔla la ŋu nye agbagba dzodzro dzedze. Aleke woate ŋu aɖe nu si agbe nye kple aɖaŋu si dze le xexea wɔwɔ me gɔme bliboe ne wotsyɔ nu aɖaŋuwɔla la ƒe anyinɔnɔ kple ame si wònye dzi alo gbe nuƒoƒo tso eŋu kura?

Le mɔ aɖe nu la, lɔlɔ̃ ɖe edzi alo malɔ̃malɔ̃ ɖe edzi be aɖaŋuwɔla aɖe li ƒe nyaʋiʋli la katã ku ɖe nyabiase siawo ŋu: Ne wolɔ̃ ɖe edzi be aɖaŋuwɔla aɖe si kɔ boo wu amegbetɔwo li la, ɖe wòaxe mɔ ɖe dzɔdzɔmeŋutinya kple agbalẽnyanya ƒe ŋgɔyiyi nua? Ne míekpɔ numeɖeɖe aɖeke ana ku ɖe nane ŋu o ko hafi míalɔ̃ ɖe edzi be aɖaŋuwɔla nyanu aɖe lia? Eye ɖe susu le eme nyateƒe be woanɔ te ɖe aɖaŋunu aɖe dzi agblɔ be aɖaŋuwɔla aɖe lia? Nyati si kplɔe ɖo adzro nya sia kple biabia bubu siwo ku ɖe eŋu me.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 3]

Charles Darwin xɔe se be dzɔdzɔmeɖoɖo aɖe gbɔe nu gbagbe klitsu siwo li la dzɔ tso

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Darwin: From a photograph by Mrs. J. M. Cameron/U.S. National Archives photo